Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 8

Nu Ka Tae Wòle Be Míaɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afia?

Nu Ka Tae Wòle Be Míaɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afia?

“Minye akpedalawo.”—KOL. 3:15.

HADZIDZI 46 Yehowa, Míeda Akpe Na Wò

NYA VEVIAWO *

1. Aleke Samariatɔ aɖe si Yesu da dɔ na la ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae?

ŊUTSU ewo aɖewo le nɔnɔme sesẽ aɖe me. Anyidɔ le wo ŋu, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si be yewoƒe nɔnɔmea aka ɖe eme o. Gake gbe ɖeka la, wokpɔ Yesu, ame si nye Nufiala Gã la le adzɔge ɖaa. Wosee be Yesu da dɔ ɖe sia ɖe ƒomevi le amewo ŋu, eye woka ɖe edzi be ate ŋu ada dɔ na yewo hã. Eya ta, wokɔ gbe dzi gblɔ be: “Yesu, Nufiala, kpɔ nublanui na mí!” Eye Yesu da gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ðikeke mele eme o be, wo katã wokpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yesu nyo dɔme na wo heda dɔ na wo la ŋu. Ke hã, le wo dometɔ ɖeka aɖe gome la, menye ɖeko wòkpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ nɛ la ŋu le dzi me ko evɔ o, ke eɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ * la gblɔ na Yesu hã. Ale si gbegbe ŋutsu sia, si nye Samariatɔ la, kpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ nɛ ŋu la ʋãe wònɔ Mawu kafum “lélele.”—Luka 17:12-19.

2-3. (a) Nu ka tae wòate ŋu adzɔ be míado kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia? (b) Nu ka me míadzro le nyati sia me?

2 Abe Samariatɔ la ene la, míawo hã míedina be míada akpe na ame siwo nyo dɔme na mí. Gake ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be míaŋlɔ be be míada akpe ɖe dɔmenyo si wowɔ na mí la ta alo aɖe ale si míese le mía ɖokui me tso eŋu la afia.

3 Le nyati sia me la, míadzro nu si tae wòle vevie be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me la me. Míasrɔ̃ nu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, siwo menye akpedalawo o kple ame siwo nye akpedalawo la ŋu. Eyome, míadzro mɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia la me.

NU KA TAE WÒLE BE MÍAÐE ŊUDZEDZEKPƆKPƆ AFIA?

4-5. Nu ka tae wòle be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia?

4 Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia gome. Mɔ aɖe si dzi wòtona wɔa esia ye nye be eɖoa eteƒe na ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. (2 Sam. 22:21; Ps. 13:6; Mat. 10:40, 41) Eye Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be ‘míazu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene.’ (Ef. 5:1) Eya ta, susu vevi aɖe si tae wòle be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ye nye be míedi be míasrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua.

5 Gabu susu bubu aɖe si tae míedina be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia amewo la ŋu kpɔ. Wogblɔna be hamenuɖuɖue vivina; ne nu vi aɖe le mía si eye míemae kple ame bubuwo la, mía kpli wo siaa míekpɔa dzidzɔ. Nenema kee, ne míese le mía ɖokui me be amewo kpɔ ŋudzedze ɖe nu si míewɔ na wo ŋu la, enana míekpɔa dzidzɔ. Eye ne míeɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ame bubuwo ɖe nu si wowɔ na mí ŋu la, woawo hã wokpɔa dzidzɔ. Ne míeda akpe na ame aɖe si nyo dɔme na mí la, ekpɔnɛ dzea sii be agbagba si yedze hekpe ɖe mía ŋu alo na nane si hiã mí la mí la ɖe vi. Esia wɔnɛ be mía kple amea dome va nɔa kplikplikpli wu tsã.

6. Mɔ kawo nue ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia to nyagbɔgblɔ me sɔ kple sikatɔtɔŋuti le?

6 Ne míeɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia to nyagbɔgblɔ me la, asixɔxɔ gã aɖe le eŋu. Biblia gblɔ be: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la le abe sikatɔtɔŋuti le klosalogba me ene.” (Lod. 25:11) Bu ale si gbegbe atɔtɔŋuti si wotsɔ sika wɔe, si woda ɖe klosalogba me, la anya kpɔe ŋu kpɔ! Eye bu asixɔxɔ si gbegbe anɔ eŋu la ŋu kpɔ! Ne ame aɖe tsɔ nu sia tɔgbi na wò la, aleke nàse le ɖokuiwò me? Ɛ̃, nenema tututue wò akpedanyawo xɔa asi le amewo ŋkume. Azɔ hã, bu nyateƒenya sia ŋu kpɔ: Atɔtɔŋuti si wotsɔ sika wɔe la ate ŋu anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ. Nenema kee ne èda akpe na ame aɖe ɖe nu si wòwɔ na wò ta la, ate ŋu ayi edzi anɔ ŋku ɖom wò akpedanyawo dzi eye ade asixɔxɔ eŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.

AME SIWO ÐE ŊUDZEDZEKPƆKPƆ FIA

7. Abe ale si Psalmo 27:4 ɖee fia ene la, aleke David ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, eye aleke ame bubu siwo hã ŋlɔ psalmowo la ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae?

7 Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema la dometɔ geɖe da akpe ɖe nu si wòwɔ na wo la ta. Wo dometɔ ɖekae nye David. (Xlẽ Psalmo 27:4.) Ekpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ vavãtɔ la ŋu ale gbegbe eye eɖe ale si wòse le eɖokui me la fia to nuwɔna me. Eƒo kesinɔnu gbogbo aɖe nu ƒu tsɔ kpe asi ɖe gbedoxɔa tutu ŋu. Asaf ƒe dzidzimeviwo hã ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia to psalmowo kple kafukafuhawo kpakpa me. Le woƒe ha aɖe me la, woda akpe na Mawu eye woɖe ale si gbegbe Yehowa ƒe “nukudɔwɔwɔwo” wɔ dɔ ɖe wo dzii la gblɔ. (Ps. 75:1) Eme kɔ ƒãa be, David kple Asaf ƒe dzidzimeviwo di be yewoaɖe ale si gbegbe yewokpɔ ŋudzedze ɖe yayra siwo katã yewoxɔ tso Yehowa gbɔ la ŋui la afia. Ðe àte ŋu ade ŋugble le mɔ siwo dzi nàte ŋu ato asrɔ̃ hakpala mawo ƒe kpɔɖeŋu la ŋua?

Nu kae lɛta si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo la fia mí tso ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ŋu? (Kpɔ memama 8-9 lia) *

8-9. Aleke apostolo Paulo ɖe ale si wòkpɔ ŋudzedze ɖe ehati Kristotɔwo ŋui la fiae, eye nu kae anya do tso eme godoo?

8 Apostolo Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe ehati Kristotɔwo ŋu eye eɖe esia fia le ale si wòƒo nu tso wo ŋui me. Edaa akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe wo ta le eƒe gbedodoɖawo me. Azɔ hã, ena wonya nu si tae wole vevie nɛ la le lɛta siwo wòŋlɔ la me. Paulo yɔ ehati Kristotɔ 27 sɔŋ ƒe ŋkɔ le Romatɔwo ƒe agbalẽa ƒe ta 16 lia ƒe kpukpui 15 gbãtɔawo me. Paulo ŋlɔ tẽe tso Priskila kple Akwila ŋu be ‘wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe agbe de afɔku me’ ɖe ye ta, eye egblɔ hã be Foibe “ʋli ame geɖewo ta,” eya Paulo ŋutɔ hã le ame mawo dome. Ekafu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dovevienu mawo siwo gbɔ melɔ̃a nu le o la vevie.—Rom. 16:1-15.

9 Paulo nyae be ye nɔvi siwo le Roma la mede blibo o, gake le lɛta si wòŋlɔ na wo ƒe nuwuwu la, etiae be yeaƒo nu tso woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Bu ale si gbegbe wòanya de dzi ƒo na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu mawoe esi woxlẽ Paulo ƒe lɛtaa na hamea eye wose nya si wògblɔ tso wo ŋu la ŋu kpɔ! Ðikeke mele eme o be, esia wɔe be xɔlɔ̃wɔwɔ si le woa kple Paulo dome la me gasẽ wu tsã. Ðe nèɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe dzideƒonya siwo miaƒe hamea me tɔwo gblɔna na wò kple nu nyui siwo wowɔna na wò la ŋua?

10. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu kpɔ ŋudzedze ɖe eyomedzelawo ŋui la me?

10 Le gbedeasi siwo Yesu ɖo ɖe hame siwo nɔ Asia Sue me la, eɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe subɔsubɔdɔ si eyomedzelawo wɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, edze gbedeasi si wòɖo ɖe hame si nɔ Tiatira la gɔme be: “Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò subɔsubɔdɔ kple wò dzidodo, eye wò dɔwɔwɔ fifitɔwo wu tsãtɔwo.” (Nyaɖ. 2:19) Menye ɖeko Yesu ƒo nu tso dɔ geɖe siwo wɔm wonɔ la ŋu ko evɔ o, ke ekafu wo ɖe nɔnɔme nyui siwo ʋã wo wowɔ dɔ nyuiwo la hã ta. Togbɔ be ehiã be Yesu naɖo aɖaŋu na Kristotɔ siwo nɔ Tiatira la dometɔ aɖewo hã la, edze eƒe nyaa gɔme kple kafukafunyawo eye wòwu enu kple dzideƒonyawo. (Nyaɖ. 2:25-28) Bu ŋusẽ si gbegbe le Yesu si abe hameawo katã ƒe ta ene ŋu kpɔ. Mehiã be wòada akpe na mí ɖe dɔ siwo míewɔna nɛ la ta hafi o. Ke hã, eɖoe eɖokui dzi be yeaɖe yeƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nu siwo míewɔna nɛ la ta. Kpɔɖeŋu ɖedzesi ka gbegbee nye esi esia nye na hamemetsitsiwo!

AME SIWO MEÐE ŊUDZEDZEKPƆKPƆ FIA O

11. Abe ale si wòdze le Hebritɔwo 12:16 ene la, nɔnɔme kae Esau ɖe fia ɖe ŋgɔgbevinyenye ƒe nukɔkɔenyenye la ŋu?

11 Nublanuitɔe la, ame aɖewo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nu si Mawu wɔ na wo la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be dzila siwo lɔ̃ Yehowa eye wodea bubu eŋu lae he Esau hã la, mekpɔ ŋudzedze ɖe nu kɔkɔewo ŋu o. (Xlẽ Hebritɔwo 12:16.) Aleke eƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu kɔkɔewo ŋu la va dze ƒãae? Esau tsi klokloklo dzi tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye la dzra na nɔvia Yakob ɖe atadi agba ɖeka pɛ ko ta. (1 Mose 25:30-34) Emegbe la, tiatia si Esau wɔ la va vee ale gbegbe. Gake eya ŋutɔe mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe ŋgɔgbevinyenyea ŋu o, eya ta, susu aɖeke meli si tae wòle be wòato nyatoƒoe esime ŋgɔgbevinyenye ƒe yayrawo mesu esi o la ta o.

12-13. Mɔ ka nue Israel-viwo meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia le o, eye nu kae do tso eme?

12 Susu geɖewo li siwo tae wòle be Israel-viwo naɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖo hafi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte esime wòhe Fuwɔame Ewoawo va Egiptetɔwo dzi. Eyome, Mawu ɖe wo tso afɔku gã aɖe me esime wòtsrɔ̃ Egipte-srafowo le Ƒudzĩa me. Esia na Israel-viwo kpɔ dzidzɔ ale gbegbe be wodzi aʋadziɖuha tsɔ kafu Yehowa. Gake ɖe woyi edzi kpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔ na wo la ŋua?

13 Esi Israel-viwo do go kuxi bubuwo la, woŋlɔ nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na wo la be kaba ŋutɔ. Esia wɔe be wodo kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo Yehowa wɔ na wo la ŋu. (Ps. 106:7) Le mɔ ka nu? Biblia gblɔ be: “Israel-viwo ƒe ha blibo la lĩ liʋiliʋĩ le Mose kple Aron ŋu”—gake le nyateƒe me la, Yehowa ŋue wolĩ liʋiliʋĩ le. (2 Mose 16:2, 8) Woƒe nuwɔwɔ alea wɔe be Yehowa mekpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu kura o. Yehowa va gblɔe ɖi emegbe be Israel-viwo ƒe dzidzime ma katã atsrɔ̃ le gbea dzi, negbe Yosua kple Kaleb ko. (4 Mose 14:22-24; 26:65) Na míakpɔ ale si míate ŋu aƒo asa na kpɔɖeŋu gbegblẽ mawo ahasrɔ̃ nyuitɔwoe la ɖa.

ALE SI MÍEÐEA ŊUDZEDZEKPƆKPƆ FIANA EGBEA

14-15. (a) Aleke srɔ̃tɔwo ɖenɛ fiana be yewokpɔa ŋudzedze ɖe yewo nɔewo ŋu? (b) Aleke dzilawo ate ŋu afia wo viwo be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia?

14 Le ƒomea me. Eɖea vi na ƒomea katã ne ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana. Zi ale si srɔ̃tɔwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana wo nɔewoe la, zi nenemae wo dome va nɔa kplikplikpli wu. Enɔa bɔbɔe na wo hã be woatsɔ vodada ake wo nɔewo. Ne srɔ̃ŋutsu kpɔa ŋudzedze ɖe srɔ̃a ŋu la, menye ɖeko wòdea dzesi nya nyui siwo srɔ̃a gblɔna kple nu nyui siwo wòwɔna ko evɔ o, ke ‘etsona hekafunɛ’ hã. (Lod. 31:10, 28) Nenema kee srɔ̃nyɔnu si dze nunya hã gblɔa nu si dzea eyama ŋu le srɔ̃a ŋu la nɛ.

15 Dzilawo, aleke miawɔ afia mia viwo be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nu nyui si wowɔ na wo la ta? Nenɔ susu me na mi be, miaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnae mia viwo asrɔ̃. Eya ta, miɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mia viwo le ale si miada akpe na wo ne wotsɔ dɔ alo wɔ nane na mi la me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mifia mia viwo be woada akpe ne amewo wɔ nu nyui aɖe na wo. Mikpe ɖe mia viwo ŋu woakpɔe be, ele be woada akpe tso dzi blibo me ne ame aɖe wɔ nu nyui aɖe na wo, elabe esia ɖea vi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Clary la gblɔ be: “Esi danye xɔ ƒe 32 la, mí ɖevi etɔ̃ dzi kpɔkpɔ va tsi eya ɖeka dzi. Esi nye hã meva xɔ ƒe 32 la, mebu ale si gbegbe wòanya sesẽ nɛ ɣemaɣi be wòakpɔ mía dzi la ŋu. Eya ta, megblɔ ale si gbegbe mekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòtsɔ sa vɔe hafi te ŋu kpɔ nye kple nɔvinyeŋutsuawo dzii ŋu la nɛ. Nyitsɔ laa la, egblɔ nam be, nya siwo megblɔ na ye la wɔ dɔ ɖe ye dzi ŋutɔ, asixɔxɔ gã le wo ŋu na ye, eye yegakpɔtɔ ɖoa ŋku wo dzi enuenu; nya mawo nana yekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi.”

Fia viwòwo be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia (Kpɔ memama 15 lia) *

16. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ne míeɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia amewo ɖe nu si wowɔ na mí ta la, edea dzi ƒo na wo.

16 Le hamea me. Ne míeɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia mía nɔvi Kristotɔwo ɖe nu nyui si wowɔ na mí ta la, edea dzi ƒo na wo. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Jorge, si xɔ ƒe 28 la va dze dɔ vevie. Mete ŋu de kpekpeawo o ɣleti ɖeka. Esi wògate kpekpeawo dede gɔ̃ hã la, megatea ŋu wɔa dɔdeasiwo o. Jorge gblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke megale ŋunye o, le esi nyemegatea ŋu wɔa naneke le hamea me o ta. Gake gbe ɖeka esi míekpa le kpekpe la, nɔviŋutsu aɖe gblɔ nam be: ‘Medi be mada akpe na wò ɖe kpɔɖeŋu nyui si nèɖo na nye ƒomea la ta. Wò ŋutɔ mànya ale si gbegbe dutoƒonuƒo siwo nèƒo le ƒe ʋɛ siwo va yi me la do dzidzɔ na míi o. Wodo ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ.’ Esi mese eƒe nyawo la, gbɔgblɔ bu ɖem, eye aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam. Nya mawo tututue mehiã ɣemaɣi.”

17. Abe ale si Kolosetɔwo 3:15 gblɔe ene la, aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyowo ta?

17 Ale si míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia mía Mawu dɔmenyotɔ la. Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Le kpɔɖeŋu me, etoa míaƒe kpekpewo, míaƒe magazinewo kple míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒewo dzi fiaa mɔ mí. Ðe nèse dutoƒonuƒo aɖe, xlẽ nyati aɖe alo kpɔ míaƒe nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔna aɖe, eye nègblɔ be, ‘Oo, nu si tututu mehiãe nye esia’ kpɔa? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yehowa? (Xlẽ Kolosetɔwo 3:15.) Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esia ye nye be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi ahanɔ akpe dam nɛ ɖe nunana nyui siawo ta.—Yak. 1:17.

Asikpekpe ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖodɔa ŋu nye mɔ aɖe si dzi míetona ɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana (Kpɔ memama 18 lia)

18. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee afia le be míekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe Fiaɖuƒe Akpata ŋu?

18 Mɔ bubu si dzi míetona ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana Yehowae nye ne míedzraa míaƒe Fiaɖuƒe Akpataa me ɖo heléa be nɛ be wòanɔ dzadzɛ. Míekpɔa gome le míaƒe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖodɔwo me edziedzi, eye nɔvi siwo kpɔa nuƒomɔ̃a kple videoɖemɔ̃wo dzi la ɖɔa ŋu ɖo be woagagblẽ wo dome o. Ne míedzraa míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me ɖo ale si dze la, woate ŋu anɔ anyi eteƒe nadidi eye mahiã be woawɔ ɖɔɖɔɖodɔ gãwo le wo ŋu o. Ne míewɔe alea la, enana be habɔbɔa ƒe gazazãwo dzi ɖena kpɔtɔna eye wotea ŋu léa fɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata bubuwo tutu kple asitɔtrɔ le esiwo hiã na ɖɔɖɔɖodɔ tɔxɛwo la ŋu le xexea me godoo.

19. Nu kae nèsrɔ̃ tso nutome sue dzikpɔla aɖe kple srɔ̃a ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?

19 Ale si míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ame siwo wɔa dɔ sesĩe le mía dome. Míaƒe kafukafunyawo ate ŋu ana ale si ame aɖe le sesem le eɖokui me tso kuxi siwo me tom wòle ŋu la natrɔ kura. Bu nutome sue dzikpɔla aɖe kple srɔ̃a ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Gbe ɖeka esime yame fa miamiamia eye woyi gbeadzi gbɔ la, ɖeɖi te wo ŋu belibeli. Yame fa miamiamia ale gbegbe be nɔvinyɔnua tsi eƒe vuvɔmewua me dɔ. Esi ŋu ke la, egblɔ na srɔ̃a be ewɔ na ye be yemagate ŋu ayi mɔzɔzɔdɔa dzi o. Emegbe le ŋdi ma ke me la, woxɔ lɛta aɖe tso alɔdzedɔwɔƒea; nɔvinyɔnua ye woŋlɔe na. Le lɛtaa me la, wokafui vevie ɖe eƒe subɔsubɔdɔa kple eƒe dzidodo ta. Woƒo nu tso ale si wòate ŋu asesẽ be woanɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe kwasiɖa sia kwasiɖa la ŋu nɛ. Srɔ̃aŋutsua gblɔ be: “Kafukafunya mawo wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be megaƒo nu tso asiɖeɖe le mɔzɔzɔdɔa ŋu la ŋu kpɔ gbeɖe o. Le nyateƒe me la, eya boŋue de dzi ƒo nam zi gbɔ zi geɖe ɣesiaɣi si mese le ɖokuinye be maɖe asi le dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa ŋu.” Atsu kple asi ma yi edzi wɔ mɔzɔzɔdɔa ƒe 40 kloe.

20. Nu kae wòle be míadze agbagba be míawɔ gbe sia gbe, eye nu ka tae?

20 Neva eme be míadze agbagba gbe sia gbe be míanye akpedalawo to nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me. Ðewohĩ nya aɖe si míagblɔ tso dzi me na ame aɖe alo nu nyui aɖe si míawɔ nɛ la koe wòhiã be wòate ŋu ayi edzi ado dzi le kuxi siwo me tom wòle le xexe madakpe sia me la me. Eye akpedanyawo gbɔgblɔ na amewo ate ŋu awɔe be mía kpli wo míava zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo tegbee. Esi gale vevie wu ye nye be, esia afia be míele mía Fofo dɔmenyotɔ, Yehowa, si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la srɔ̃m.

HADZIDZI 20 Ètsɔ Viwò Lɔlɔ̃a Na

^ mm. 5 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa, Yesu, kple Samariatɔ anyidɔléla aɖe gbɔ ku ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ŋu? Míadzro woƒe kpɔɖeŋuawo kpakple bubuwo hã me le nyati sia me. Míadzro nu si tae wòle vevie be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to nyagbɔgblɔ alo nuwɔna me la me, eye míakpɔ mɔ siwo dzi míato awɔ esia hã.

^ mm. 1 NYAMEÐEÐE: Nu si wòfia be woakpɔ ŋudzedze ɖe ame aɖe alo nane ŋue nye be woade asixɔxɔ amea alo nu ma ŋu. Nya sia ate ŋu afia akpedada tso dzi me ɖe nane ta.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Wole Paulo ƒe lɛtaa xlẽm na hame si nɔ Roma; Akwila, Priskila, Foibe, kple ame bubuwo kpɔ dzidzɔ esi wose woƒe ŋkɔ.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Vidada aɖe kpe ɖe vianyɔnuvi sue ŋu wòɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ɖe eƒe kpɔɖeŋu nyuiawo ta.