Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 9

Ale Si Mose Ƒe Sea Ðe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Dzɔdzɔenyenye Fia

Ale Si Mose Ƒe Sea Ðe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Dzɔdzɔenyenye Fia

“[Yehowa lɔ̃a] dzɔdzɔenyenye kple nya dzɔdzɔe. Anyigba dzi yɔ fũu kple Yehowa ƒe amenuveve.”—PS. 33:5.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe dina? (b) Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

MÍA dometɔ ɖe sia ɖe dina be woalɔ̃ ye. Eye mía dometɔ ɖe sia ɖe dina be woawɔ nu ɖe ye ŋu nyuie. Ne míede dzesii be amewo melɔ̃ mí o eye wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu enuenu la, esia ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be asixɔxɔ aɖeke mele mía ŋu o, eye mɔkpɔkpɔ abu ɖe mí.

2 Yehowa nyae be míedina vevie be woalɔ̃ mí eye woatso afia dzɔdzɔe na mí. (Ps. 33:5) Míate ŋu aka ɖe edzi be mía Mawu la lɔ̃ mí vevie ŋutɔ eye edi be woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie. Míekpɔa esia dzea sii nyuie ne míedzro Se si Yehowa na Israel dukɔa to Mose dzi la me tsitotsito. Ne èsena le ɖokuiwò me be ame aɖeke melɔ̃ ye o alo wò dzi gbã gudugudu le esi wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò ta la, taflatsɛ, de ŋugble le ale si Mose ƒe Sea * ɖe ale si gbegbe Yehowa tsɔ ɖe le eme na eƒe amewoe fia la ŋu kpɔ.

3. (a) Abe ale si woɖe eme le Romatɔwo 13:8-10 ene la, nu kae míedea dzesii ne míedzro Mose ƒe Sea me? (b) Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

3 Ne míedzro Mose ƒe Sea me la, míeva kpɔa ale si gbegbe Yehowa, mía Mawu lɔ̃ame la, tsɔ ɖe le eme na eƒe amewo vevie la dzea sii. (Xlẽ Romatɔwo 13:8-10.) Le nyati sia me la, míadzro se siwo Yehowa de na Israel-viwo la dometɔ ʋɛ aɖewo me eye míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo: Nu ka tae míate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ dzie wotu Se la ɖo? Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Sea de dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe? Aleke Yehowa di tso Israel-metsitsiwo si be woawɔ Sea ŋu dɔe? Eye ame kawo koŋue Sea nye takpɔkpɔ na? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo ate ŋu ana míakpɔ akɔfafa, woana mɔkpɔkpɔ nasu mía si, eye woana mía kple mía Fofo lɔ̃ame la dome naganɔ kplikplikpli wu.—Dɔw. 17:27; Rom. 15:4.

ENYE SE SI WOTU ÐE LƆLƆ̃ DZI

4. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ dzie wotu Mose ƒe Sea ɖo? (b) Abe ale si wòdze le Mateo 22:36-40 ene la, sedede kawo dzie Yesu te gbe ɖo?

4 Míate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ dzie wotu Mose ƒe Sea ɖo, elabe lɔlɔ̃e ʋãa Yehowa wòwɔa nu sia nu. (1 Yoh. 4:8) Yehowa tu se siwo katã le Mose ƒe Sea me la ɖe sedede eve siwo nye, lɔ̃ Mawu, kple lɔ̃ hawòvi, la dzi. (3 Mose 19:18; 5 Mose 6:5; xlẽ Mateo 22:36-40.) Eya ta, míate ŋu akpɔ mɔ be se 600 kple edzivɔ siwo le Mose ƒe Sea me la dometɔ ɖe sia ɖe ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ fia le mɔ aɖe nu. Na míalé ŋku ɖe esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

5-6. Nu kae Yehowa di tso srɔ̃tɔwo si, eye nu kae le nyanya na Yehowa nyuie? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

5 Wɔ nuteƒe na srɔ̃wò, eye nàlé be na viwòwo. Yehowa di tso srɔ̃tɔwo si be woalɔ̃ wo nɔewo ale gbegbe be woaku ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ le woƒe agbemeŋkekewo katã me. (1 Mose 2:24; Mat. 19:3-6) Nu vɔ̃ɖitɔ kekeake si ame awɔ ɖe srɔ̃a ŋu la dometɔ ɖekae nye ahasiwɔwɔ. Eya ta, susu nyui aɖe tae Se Ewoawo ƒe adrelia gblɔ be woagawɔ ahasi ɖe ame srɔ̃ ŋu o. (5 Mose 5:18) Enye nu vɔ̃ wɔwɔ “ɖe Mawu ŋu” eye wònye ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu. (1 Mose 39:7-9) Ame si srɔ̃ wɔ ahasi la ate ŋu axa nu vevie ɖe srɔ̃a ƒe nuteƒemawɔmawɔ nɛ ta ƒe geɖe.

6 Yehowa nya ale si srɔ̃tɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu la nyuie. Edi vevie be woawɔ nu ɖe srɔ̃nyɔnu siwo nye Israel-viwo la ŋu nyuie. Srɔ̃ŋutsu si dea bubu Sea ŋu la alɔ̃ srɔ̃a eye magbee le susu dzro aɖe ko ta o. (5 Mose 24:1-4; Mat. 19:3, 8) Gake ne egbee le kuxi aɖe si nye ŋkubiãnya ta la, ele be wòana srɔ̃gbegbalẽe. Srɔ̃gbegbalẽ sia akpɔ nyɔnua ta be woagatso enu madzemadzee be ewɔ ahasi o. Gakpe ɖe eŋu la, hafi srɔ̃ŋutsua naŋlɔ srɔ̃gbegbalẽa nɛ la, edze abe ele nɛ be wòaƒo nu kple dumemetsitsiwo gbã ene. Ne aleae wòle la, ke mɔnukpɔkpɔ asu dumemetsitsiawo si be woadze agbagba akpe ɖe srɔ̃tɔawo ŋu be woakpɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea ta. Ne ɖokuitɔdidi wɔe be Israel ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a la, zi geɖe la, Yehowa mewɔa naneke tso eŋu o. Ke hã, Yehowa kpɔa ale si gbegbe srɔ̃nyɔnu si wogbe la sea vevee kpakple aɖatsi siwo gbegbe wòfana.—Mal. 2:13-16.

Yehowa di be dzilawo nahe wo viwo ahafia nu wo le lɔlɔ̃ me, ale be ɖeviawo nase le wo ɖokui me be yewole dedie (Kpɔ memama 7-8 lia) *

7-8. (a) Se kae Yehowa de na dzilawo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.) (b) Nu kae míesrɔ̃ tso eme?

7 Sea ɖee fia hã be ɖeviwo ƒe dedienɔnɔ le vevie na Yehowa ale gbegbe. Yehowa de se na dzilawo be woakpɔ wo viwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo ne wole tsitsim; ede se na wo hã be woakpe ɖe wo ŋu ƒomedodo nyui nanɔ wo kpli ye dome. Ele na dzilawo be woawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu woase Yehowa ƒe Sea gɔme ahade asixɔxɔ eŋu eye woasrɔ̃ ale si woalɔ̃ Yehowa. (5 Mose 6:6-9; 7:13) Susu siwo tae Yehowa he to na Israel-viwo la dometɔ ɖekae nye be wowɔ nu ɖe wo vi aɖewo ŋu vɔ̃ɖitɔe. (Yer. 7:31, 33) Mele be dzilawo nabu wo viwo abe nunɔamesi dzro si woate ŋu agblẽ ɖi, si ŋu dɔ woawɔ ale si wodii ene o, ke boŋ, ele be woabu wo be wonye domenyinu, Yehowa ƒe nunana si ŋu wòle be woade asixɔxɔ gãe.—Ps. 127:3.

8 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Yehowa dea dzesi ale si srɔ̃tɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu la nyuie. Edi be dzilawo nalɔ̃ wo viwo eye abia akɔnta tso wo si le ale si wowɔa nu ɖe wo viwo ŋui la ta.

9-11. Nu ka tae Yehowa de se na dukɔa be woatsri ŋubiabiã?

9 Mègabiã ŋu o. Se Ewoawo ƒe mamlɛtɔ gblɔ be woatsri ŋukeklẽ, alo woagabiã ŋu nu si nye ame bubu tɔ o. (5 Mose 5:21; Rom. 7:7) Ðe Yehowa de se sia be yeafia nu vevi aɖe yeƒe dukɔa—edi be woadzɔ woƒe dzi ŋu, si fia be, woadzɔ woƒe tamesusuwo, seselelãmewo kple nuŋububuwo ŋu. Enyae be susu vɔ̃wo kple dzodzro vɔ̃woe nana amewo wɔa nu vɔ̃ɖi. (Lod. 4:23) Ne Israel-vi aɖe ɖe mɔ dzodzro vɔ̃wo ƒo ke ɖe to ɖe eƒe dzi me la, esia ate ŋu awɔe be magava nɔ nu wɔm ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me o. Esia tɔgbie dzɔ ɖe Fia David dzi. Ame nyui ye wònye hafi. Gake ɣeaɖeɣi la, ebiã ŋu ame bubu srɔ̃. Eƒe dzodzro vɔ̃ ma kplɔe de nu vɔ̃ me. (Yak. 1:14, 15) David va wɔ ahasi kple nyɔnua, edze agbagba be yeaflu nyɔnua srɔ̃, eye mlɔeba, ena wowui.—2 Sam. 11:2-4; 12:7-11.

10 Ne Israel-vi aɖe da se si Yehowa de be woagabiã ŋu o dzi la, Yehowa nyana, elabe enyaa nu siwo le míaƒe dzi me. (1 Kron. 28:9) Se si Yehowa de na eƒe amewo ku ɖe ŋubiabiã ŋu la na wokpɔe be, ele be yewoaƒo asa na nuŋububu siwo kplɔa ame dea nu gbegblẽ wɔwɔ me. Fofo lɔ̃ame si ƒe nunya de ŋgɔ ka gbegbee nye esi Yehowa nye!

11 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Menye ame ƒe gotagomedzedzeme koe Yehowa kpɔna o. Ke ekpɔa míaƒe dzi me ke, ɛ̃, ekpɔa ame si tututu míenye le ememe. (1 Sam. 16:7) Tamesusu aɖeke, seselelãme aɖeke, alo nuwɔna aɖeke mate ŋu anɔ ɣaɣla ɖee o. Edea dzesi nɔnɔme nyui siwo le mía me, eye wòdea dzi ƒo na mí be míatu nɔnɔme nyui mawo ɖo nyuie. Ke hã, edi be míade dzesi tamesusu vɔ̃wo eye míaɖu wo dzi hafi woava kplɔ mí ade nu gbegblẽ wɔwɔ me.—2 Kron. 16:9; Mat. 5:27-30.

ENYE SE SI DO NU DZƆDZƆE WƆWƆ ÐE ŊGƆ

12. Nu ka dzie Mose ƒe Sea te gbe ɖo?

12 Mose ƒe Sea te gbe ɖe edzi hã be Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe. (Ps. 37:28; Yes. 61:8) Eɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí le ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie la me. Ne Israel-viwo wɔ ɖe se siwo Yehowa de na wo dzi la, eyraa wo. Gake ne womewɔ ɖe eƒe se dzɔdzɔeawo dzi o la, wokpea fu. Gabu Se Ewoawo dometɔ eve bubu ŋu kpɔ.

13-14. Nu kae Se Ewoawo ƒe eve gbãtɔwo bia tso Israel-viwo si, eye ne wowɔ se mawo dzi la, aleke wòaɖe vi na woe?

13 Yehowa ɖeka ko wòle be woasubɔ. Se Ewoawo ƒe eve gbãtɔwo bia tso Israel-viwo si be woasubɔ Yehowa ɖeka ko, eye se mawo xlɔ̃ nu wo be woagasubɔ legbawo o. (2 Mose 20:3-6) Menye Yehowa ƒe viɖe tae se mawo li ɖo o. Ke boŋ, eƒe amewoe woaɖe vi na. Ne eƒe dukɔa yi edzi wɔ nuteƒe nɛ la, nu dzea edzi na wo. Gake ne wosubɔ dukɔwo ƒe mawuwo la, wokpea fu.

14 Bu Kanaantɔwo ŋu kpɔ. Wosubɔa legba siwo me agbe mele o le esi teƒe be woasubɔ Mawu vavã si le agbe la. Esia wɔe be, woɖi gbɔ̃ wo ɖokuiwo. (Ps. 115:4-8) Le woƒe mawusubɔsubɔ me la, woƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe, si nye nuwɔna dziŋɔ la me. Nenema kee esime Israel-viwo gbe toɖoɖo Yehowa eye wosubɔ legbawo la, woɖi gbɔ̃ wo ɖokuiwo eye wowɔ nu tovowo ɖe woƒe ƒomea me tɔwo ŋu. (2 Kron. 28:1-4) Ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la ɖe asi le Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo ŋu. Wowɔ woƒe ŋusẽa ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu eye wote ame tsɛwo kple wɔnamanɔŋutɔwo ɖe anyi. (Eze. 34:1-4) Yehowa xlɔ̃ nu Israel-viwo be yeadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo wɔ fu ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo. (5 Mose 10:17, 18; 27:19) Gake ɣeyiɣi siwo me Yehowa ƒe amewo wɔ nuteƒe nɛ eye wowɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie la, Yehowa yra wo.—1 Fia. 10:4-9.

Yehowa lɔ̃ mí, eye ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, enyana (Kpɔ memama 15 lia)

15. Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu?

15 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Ne ame siwo gblɔna be Yehowa subɔlawoe yewonye la mewɔ ɖe eƒe sededewo dzi o eye esia gblẽ nu le eƒe dukɔa ŋu la, menye Yehowae wòle be woabu fɔe o. Gake Yehowa lɔ̃ mí, eye ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, enyana. Esea veve ɖe mía nu wu ale si vidada sea veve ɖe via nui gɔ̃ hã. (Yes. 49:15) Togbɔ be mawɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu enumake o hã la, ava drɔ̃ ʋɔnu nu gbegblẽ wɔla matrɔdzimewo le ale si wowɔ nu ɖe mía ŋui la ta le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

ALEKE ISRAEL-METSITSIWO WƆ SEA ŊU DƆE?

16-18. Agbenɔnɔ ƒe akpa kawo ŋue Mose ƒe Sea ku ɖo, eye nu kawoe míesrɔ̃ tso eme?

16 Mose ƒe Sea ku ɖe Israel-viwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo ŋu, eya ta, ele vevie ŋutɔ be ametsitsi siwo Yehowa ɖo eƒe dukɔa nu la nadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔa. Woƒe agbanɔamedzie wònye be woakpɔ amewo dome masɔmasɔwo kple hlɔ̃donyawo gbɔ, eye menye nya siwo ku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ɖeɖe ko o. Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ.

17 Ne Israel-vi aɖe wu ame aɖe la, womewua hlɔ̃dolaa kokoko o. Du si me wòtso la ƒe ametsitsiwo kua nyaa me hafi tsoa nya me nenye be esɔ be woatso kufia nɛ. (5 Mose 19:2-7, 11-13) Ametsitsiawo drɔ̃a nya vovovo siwo ku ɖe gbe sia gbe gbenɔnɔ ŋu—wokpɔa nyaʋiʋli siwo ɖoa amewo dome ku ɖe nunɔamesiwo ŋu kple srɔ̃tɔwo dome masɔmasɔwo siaa gbɔ. (2 Mose 21:35; 5 Mose 22:13-19) Ne ametsitsiwo drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔa eye Israel-viwo wɔ ɖe Sea dzi la, esia ɖea vi na ame sia ame, eye dukɔa toa esia me hea kafukafu vanɛ na Yehowa.—3 Mose 20:7, 8; Yes. 48:17, 18.

18 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa le vevie na Yehowa. Edi be míawɔ nu ɖe amewo ŋu le dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ me. Eye edea dzesi nya siwo míegblɔna kple nu siwo míewɔna, ne míawo ɖeɖe míele aƒe me gɔ̃ hã.—Heb. 4:13.

19-21. (a) Aleke wòle be ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nawɔ nu ɖe Mawu ƒe amewo ŋu? (b) Aleke Mose ƒe Sea kpɔ ame ɖekaɖekawo tae, eye nu kawoe míesrɔ̃ tso eme?

19 Yehowa di be yeakpɔ yeƒe amewo ta ale be dukɔ siwo ƒo xlã wo la me tɔwo nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi o. Eya ta, ebia tso ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo si be woagakpɔ ame ŋkume le Sea ŋu dɔ wɔwɔ me o. Ke hã, mele be ʋɔnudrɔ̃lawo nalé Sea me ɖe asi kpaɖii alo awɔ nu ɖe yeƒe amewo ŋu ameŋumabumabutɔe o. Ke boŋ, ele be woalɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ.—5 Mose 1:13-17; 16:18-20.

20 Yehowa sea veve ɖe eƒe amewo nu, eya ta, ena se kple ɖoɖo siwo awɔe be womawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe dukɔa me viwo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, se kple ɖoɖo siwo le Sea me la wɔe be manɔ bɔbɔe be woatso ame aɖe nu alakpatɔe be ewɔ nu vlo o. Ame aɖe si nu wotso la kpɔ mɔ anya ame si tso enu. (5 Mose 19:16-19; 25:1) Eye hafi woabu fɔe be eda se dzi la, ele be ɖasefo eve ya teti naɖi ɖase tso nyaa ŋu be ele eteƒe. (5 Mose 17:6; 19:15) Ke ne Israel-vi aɖe wɔ nu vlo evɔ ɖasefo ɖeka koe le nyaa ŋu ya ɖe? Mele be wòasusu be womahe to na ye le nu gbegblẽ si yewɔ la ta o. Yehowa kpɔ nu si wòwɔ. Le ƒomea me la, Yehowa na ŋusẽ vifofowo, ke hã, seɖoƒe li na woƒe ŋusẽa. Le ƒometɔwo dome masɔmasɔ aɖewo gome la, agba le dua me metsitsiwo dzi be woade nu nyaa me ahatso afia mamlɛtɔa le nyaa ŋu.—5 Mose 21:18-21.

21 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Yehowa ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi; mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o. (Ps. 9:7) Eyraa ame siwo léa eƒe seawo me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe, gake ehea to na ame siwo wɔa woƒe ŋusẽa ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu. (2 Sam. 22:21-23; Eze. 9:9, 10) Ame aɖewo ate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi eye wòadze abe wosi le tohehea nu ene, gake Yehowa akpɔ egbɔ be wodrɔ̃ ʋɔnu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Lod. 28:13) Eye ne wometrɔ dzi me o la, madidi o, woava kpɔe be “ŋɔdzinu wònye be ame nadze Mawu gbagbe la ƒe asi me.”—Heb. 10:30, 31.

AME KAWO KOŊUE SEA NYE TAKPƆKPƆ NA?

Ne ametsitsiwo le amewo dome masɔmasɔwo gbɔ kpɔm la, ele be woawɔ nu ɖe wo ŋu le lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye me abe ale si Yehowa wɔnɛ ene (Kpɔ memama 22 lia) *

22-24. (a) Ame kawo koŋue Sea nye takpɔkpɔ na, eye nu kae esia fia mí tso Yehowa ŋu? (b) Nuxlɔ̃amenya kae le 2 Mose 22:22-24?

22 Ame siwo mate ŋu akpɔ wo ɖokuiwo ta o, le kpɔɖeŋu me, tsyɔ̃eviwo, ahosiwo kple amedzrowo koŋue Sea nye takpɔkpɔ na. Wogblɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo be: “Mègatrɔ gbo amedzro alo tsyɔ̃evi ƒe nya le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye mègaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.” (5 Mose 24:17) Yehowa lé be na ame siawo siwo nye wɔnamanɔŋutɔwo le eƒe amewo dome la lɔlɔ̃tɔe. Eye ehe to na ame siwo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo ŋu.—Xlẽ 2 Mose 22:22-24.

23 Sea kpɔ ƒomea me tɔwo ta tso ƒometɔ kpakpam gbɔ dɔdɔ ƒe nuwɔna ƒomevi ɖe sia ɖe me. (3 Mose 18:6-30) Togbɔ be dukɔ siwo ƒo xlã Israel-viwo la me tɔwo wɔa nu mawo alo ɖea mɔ ɖe wo nu hã la, ele na Yehowa ƒe amewo ya be woabu sedzidada mawo ƒomevi be wonye ŋunyɔnuwo abe ale si Yehowa bua woe ene.

24 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Yehowa di be ame siwo yeɖo agbanɔamedzinɔƒewo la nawɔ nu ɖe ame siwo katã le woƒe dzikpɔkpɔ te la ŋu le lɔlɔ̃ me. Elé fu gbɔdɔnuwɔna siwo nye sedzidada kple ŋukpenanuwɔwɔ, eye edi be yeakpɔ egbɔ be wokpɔ ame siwo nye wɔnamanɔŋutɔwo la ta eye wodrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na wo.

“NU NYUI SIWO AVA LA ƑE VƆVƆLI” YE SE LA NYE

25-26. (a) Nu ka tae míate ŋu atsɔ lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye asɔ kple agbe kple agbegbɔgbɔ? (b) Nu ka me míadzro le nyati eneawo ƒe evelia me?

25 Míate ŋu atsɔ lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye asɔ kple agbe kple agbegbɔgbɔ. Le anyigba dzi afi sia la, míehiã na wo kple evea siaa; míate ŋu anɔ agbe wo dometɔ ɖeka manɔmee o. Ne míeka ɖe edzi be Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋu nyuie le dzɔdzɔenyenye me la, míegava lɔ̃nɛ vevie. Azɔ hã, ne míelɔ̃ Mawu eye míelɔ̃ eƒe se dzɔdzɔeawo la, esia ʋãa mí be míalɔ̃ ame bubuwo ahawɔ nu ɖe wo ŋu le dzɔdzɔenyenye me.

26 Se ƒe nubablaa si Mose ƒe Sea le tsitre ɖi na la kpe ɖe Israel-viwo ŋu wova nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa. Ke hã, esi Yesu va wu Sea nu ta la, Mawu ƒe amewo megale Se la te o, ke boŋ, nane si nyo wu sãsãsã la va xɔ ɖe Sea teƒe. (Rom. 10:4) Apostolo Paulo ɖɔ Sea be enye “nu nyui siwo ava la ƒe vɔvɔli.” (Heb. 10:1) Nyati eneawo ƒe evelia adzro nu nyui mawo dometɔ aɖewo kpakple akpa vevi si lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye wɔna le Kristo hamea me la me.

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

^ mm. 5 Nyati sia nye nyati ene siwo do ƒome kple wo nɔewo, siwo adzro nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa léa be na mí me la ƒe gbãtɔ. Etɔ̃ susɔeawo adze le May 2019 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Woaƒo nu tso ale si Yehowa ɖea lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye fiana le Kristo hamea me; ale si hamemetsitsiwo kpɔa hamea ta kple ale si dzilawo ate ŋu akpɔ ɖeviwo ta be woagawɔ gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu o; kpakple ale si míate ŋu afa akɔ na ame siwo ŋu wowɔ nu vɔ̃ɖi ma ɖo la ŋu.

^ mm. 2 NYAMEÐEÐE: Woyɔa se 600 kple edzivɔ siwo Yehowa tsɔ na Israel-viwo to Mose dzi la be “Se la,” “Mose ƒe Se la,” “Mose ƒe Sea,” kple “sededeawo.” Azɔ hã, woyɔa Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo (siwo nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ va se ɖe Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia) zi geɖe be Se la. Ɣeaɖewoɣi la, wozãa ŋkɔnya siawo wokuna ɖe Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ŋu.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Israel-nyɔnu vidada si le nu ɖam la kple vianyɔnuwo le dze ɖom dzidzɔtɔe. Srɔ̃a le ale si woléa be na alẽwoe la fiam wo viŋutsuvi le wo megbe ɖaa.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Dumemetsitsi siwo le dua ƒe agbonu la le kpekpem ɖe ahosi aɖe kple via siwo ŋu asitsala aɖe mewɔ nu ɖo nyuie o la ŋu lɔlɔ̃tɔe.