Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Ƒuƒoƒe Aɖee Nye Esia: Nɔnɔmetata sia nye ƒe alafa gbãtɔ me ƒuƒoƒe aɖe si ŋu woke ɖo le Gamla, si nye dugã aɖe si le Galilea-ƒua ƒe dzieheɣedzeƒekpa dzi eye wòdidi tso ƒua gbɔ abe kilometa 10 ene la ƒe dzedzeme. Ena míekpɔ ale si ƒuƒoƒe siwo wozã le blema la anya nɔ

Afi kae ƒuƒoƒe siwo me Yudatɔwo kpena le le ƒe alafa gbãtɔ me la dzɔ tso?

WOÐE ŋkɔnya si nye “ƒuƒoƒe” tso Helagbe me nya si gɔmee nye “takpekpe” alo “ƒuƒoƒo” la me. Ŋkɔ sia sɔ nyuie, elabe afi sia afi si Yudatɔwo le la, ƒuƒoƒewoe wokpena le tso blema ke srɔ̃a nu hesubɔa Mawu. Hebri Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso ƒuƒoƒewo ŋu tẽe o, gake edze ƒãa le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me be, ƒuƒoƒewo nɔ anyi xoxoxo do ŋgɔ na ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.).

Agbalẽnyala akpa gãtɔ xɔe se be esime Yudatɔwo nɔ aboyo me le Babilon ye wodze ƒuƒoƒewo zazã gɔme. Yudatɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Esi wònye be Aboyomeawo nɔ dzronyigba dzi eye Gbedoxɔa menɔ wo gbɔ o, evɔ wohiã na akɔfafa tso woƒe xaxawo me vevie ta la, wokpea ta edziedzi xlẽa Ŋɔŋlɔawo, eye anɔ eme be Sabat ŋkekewo dzie wowɔa esia.” (Encyclopaedia Judaica) Esi woɖe Yudatɔwo tso aboyo me la, edze ƒãa be woyi edzi ƒoa ƒu doa gbe ɖa hexlẽa Ŋɔŋlɔawo, eye woɖo ƒuƒoƒewo ɖe afi sia afi si wotso kɔƒe ɖo.

Kaka ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. naɖo la, ƒuƒoƒewo va zu teƒe siwo koŋ Yudatɔ siwo kaka ɖe Mediterranea kple Titina Ɣedzeƒe nutowo me kpakple esiwo le Israel la siaa subɔna le, eye afi mawo kee wowɔa hadomewɔnawo hã le. Nufialagã Lee Levine, si le Hebritɔwo Ƒe Yunivɛsiti Si Le Yerusalem (The Hebrew University of Jerusalem) la gblɔ be: “[Ƒuƒoƒe ye] wosrɔ̃a nu le, afi mae woɖua nuɖuɖu kɔkɔewo le, eye afi mae wodrɔ̃a nyawo le; wodzɔa ga hedzranɛ ɖo ɖe afi ma, afi ma kee wokpena le hedzroa dunyawo me, eye teƒe mae wowɔa hadomewɔna bubuwo hã le.” Egblɔ kpee be: “Ke hã, mawusubɔsubɔwɔnawoe nye nu vevitɔ si wowɔna le afi ma.” Esia na míese nu si tae Yesu yia ƒuƒoƒewo edziedzi ɖo la gɔme. (Marko 1:21; 6:2; Luka 4:16) Le afi ma la, efia nu amewo, ɖo aɖaŋu na wo hede dzi ƒo na wo. Esi woɖo Kristo hamea anyi la, apostolo Paulo hã ɖe gbeƒã na amewo le ƒuƒoƒewo zi geɖe. Ame siwo di be yewoate ɖe Mawu ŋu la lɔ̃a ƒuƒoƒewo yiyi, eya ta, ɣesiaɣi si Paulo yi du aɖe me la, eyia ƒuƒoƒeawo gbã be yeaɖe gbeƒã na amewo le afi ma.—Dɔw. 17:1, 2; 18:4.