Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 12

Se Veve Ðe Ame Nu

Se Veve Ðe Ame Nu

“Mi katã . . . mise veve ɖe ame nu.”—1 PET. 3:8.

HADZIDZI 90 Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo

NYA VEVIAWO *

1. Le 1 Petro 3:8 ƒe nya nu la, nu ka tae ame siwo tsɔa ɖe le eme na mí hesea veve ɖe mía nu la gbɔ nɔnɔ dzɔa dzi na mí?

AME siwo tsɔa ɖe le eme na mí hesea veve ɖe mía nu la gbɔ nɔnɔ dzɔa dzi na mí. Wodzea agbagba tsɔa wo ɖokuiwo ɖoa mía teƒe, wodina be yewoanya nu si ŋu bum míele kple ale si míele sesem le mía ɖokui me. Wodea dzesi míaƒe hiahiãwo eye wonaa kpekpeɖeŋu mí; ɣeaɖewoɣi la, wowɔa esia hafi míebiaa wo gɔ̃ hã. Vavãe, ame siwo ‘sea veve ɖe mía nu’ * la ƒe nu dzɔa dzi na mí.—Xlẽ 1 Petro 3:8.

2. Nu ka tae wòle be míanɔ kutri kum be míase veve ɖe ame nu?

2 Mí Kristotɔwo katã míedina be míase veve ɖe ame nu. Ke hã, esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi o. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be míede blibo o. (Rom. 3:23) Eya ta, ebia agbagbadzedze geɖe be míaganɔ míawo ŋutɔwo ƒe nyonyo ko ŋu bum o. Azɔ hã, esesẽna na mía dometɔ aɖewo be woase veve ɖe ame nu le hehe si woxɔ le ɖevime alo nu siwo me woto le agbe me ta. Gakpe ɖe eŋu la, ame siwo dome míele la ƒe nɔnɔme hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ame geɖe mebua ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu o. Ke boŋ, wonye “ɖokuilɔ̃lawo.” (2 Tim. 3:1, 2) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu kuxi siwo wɔnɛ be wòsesẽna na mí be míase veve ɖe ame nu la dzi?

3. (a) Nu kae míawɔ be míase veve ɖe ame nu geɖe wu? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Ne míesrɔ̃ Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo la, esia awɔe be míagase veve ɖe ame nu geɖe wu. Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu, eye eɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le ale si míase veve ɖe ame nui la gome. (1 Yoh. 4:8) Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ. (Yoh. 14:9) Esi wònɔ anyigba dzi la, eɖe ale si amegbetɔ ate ŋu ase veve ɖe ehavi nui la fia. Le nyati sia me la, gbã, míadzro ale si Yehowa kple Yesu siaa ɖee fia be yewosea veve ɖe ame nu la me. Eyome, míadzro ale si míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋuawo la me.

KPƆÐEŊU SI YEHOWA ÐO ÐI NA MÍ LE ÐETSƆTSƆ LE EME NA AMEWO ME

4. Aleke Yesaya 63:7-9 ɖee fia be Yehowa sea veve ɖe esubɔlawo nu?

4 Biblia fia mí be Yehowa sea veve ɖe esubɔlawo nu. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yehowa se le eɖokui me esime blema Israel-viwo nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “Le woƒe vevesesewo katã me la, eya hã se veve.” (Xlẽ Yesaya 63:7-9.) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa to nyagblɔɖila Zakariya dzi gblɔe ɖi be, ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe yeƒe amewo ŋu la, yetsɔnɛ be ye ŋue wowɔe ɖo. Yehowa gblɔ na esubɔlawo be: “Ame si ka asi mia ŋu la ka asi nye gadaglamakui ŋu.” (Zak. 2:8) Kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye esi Yehowa wɔ tsɔ ɖe ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na eƒe amewoe la fia!

Yehowa ƒe dɔ me trɔ ɖe Israel-viwo ŋu eye wòɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte (Kpɔ memama 5 lia)

5. Gblɔ ale si Yehowa ɖe afɔ tsɔ kpe ɖe esubɔla siwo nɔ fu kpem ŋu la ƒe kpɔɖeŋu.

5 Menye ɖeko Yehowa ƒe dɔ me trɔna ɖe esubɔla siwo le fu kpem la ŋu ko evɔ o, ke eɖea afɔ tsɔ kpena ɖe wo ŋu hã. Le kpɔɖeŋu me, esime Israel-viwo nye kluviwo le Egipte eye wonɔ fu kpem la, Yehowa se veve ɖe wo nu, eye esia ʋãe wòkpe ɖe wo ŋu. Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Mekpɔ nye dukɔ la ƒe fukpekpe la keŋ, eye mese ɣli si dom wole la; menya fu siwo kpem wole la nyuie. Eya ta maɖi ayi aɖaɖe wo tso Egiptetɔwo si me.’ (2 Mose 3:7, 8) Esi Yehowa ƒe dɔ me trɔ ɖe eƒe amewo ŋu ta la, eɖe wo tso kluvinyenye me. Ƒe alafa aɖewo megbe, esime Israel-viwo nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi la, woƒe futɔwo va dze wo dzi. Aleke Yehowa wɔ nui? Woƒe nu ‘wɔ nublanui na Yehowa’ esime ‘ame siwo te wo ɖe anyi kple ame siwo sẽ ŋuta le wo ŋu la na wonɔ hũ ɖem.’ Le go sia hã me la, Yehowa se veve ɖe eƒe amewo nu, eye esia ʋãe wòkpe ɖe wo ŋu. Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na Israel-viwo be woaɖe wo tso woƒe futɔwo si me.—Ʋɔn. 2:16, 18.

6. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa bu esubɔla aɖe ƒe seselelãmewo ŋu togbɔ be eƒe nuŋububu mesɔ o gɔ̃ hã.

6 Yehowa bua esubɔlawo ƒe seselelãmewo ŋu ne woƒe nuŋububu mesɔ o gɔ̃ hã. Bu Yona ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Mawu dɔ nyagblɔɖila sia be wòaɖagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi aɖe na Niniwetɔwo. Esi wotrɔ dzi me la, Mawu tiae be yematsrɔ̃ wo o. Gake, esia medo dzidzɔ na Yona o. “Dzi kui vevie,” le esi Yehowa mena tsɔtsrɔ̃ ƒe nya si wògblɔ ɖi la va eme o ta. Ke hã, Yehowa gbɔ dzi ɖi na Yona eye wòkpe ɖe eŋu wòɖɔ eƒe nuŋububu ɖo. (Yona 3:10–4:11) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, nu si Yehowa nɔ Yona fiam la me va kɔ nɛ, eye Yehowa zãe gɔ̃ hã wòŋlɔ nudzɔdzɔ sia ŋu nya ɖi be wòaɖe vi na mí.—Rom. 15:4. *

7. Nu ka dzie ale si Yehowa wɔ nu ɖe esubɔlawo ŋu le blema la na míeka ɖo?

7 Ale si Yehowa wɔ nu ɖe esubɔlawo ŋu le blema la na míeka ɖe edzi be esea veve ɖe esubɔlawo nu. Enya mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe vevesesewo. Yehowa “nya amegbetɔviwo ƒe dzi” nyuie. (2 Kron. 6:30) Enya míaƒe dzimesusuwo, míaƒe seselelãme ememetɔwo, kple nu siwo míate ŋu awɔ o la nyuie. Eye “maɖe mɔ woate [mí] akpɔ wu esi nu [míate] ŋu anɔ te ɖo o.” (1 Kor. 10:13) Aleke gbegbe kakaɖedzinya sia faa akɔ na míi ye nye esi!

KPƆÐEŊU SI YESU ÐO ÐI NA MÍ LE ÐETSƆTSƆ LE EME NA AMEWO ME

8-10. Nu kawoe anya wɔe be Yesu te ŋu se veve ɖe amewo nu?

8 Esi Yesu nye amegbetɔ la, ese veve ɖe ame bubuwo nu vevie. Ne mede ɖeke o la, nu etɔ̃ aɖewo anya wɔ akpa vevi aɖe le esia me. Gbã la, abe ale si míegblɔe va yi ene la, Yesu srɔ̃ Fofoa si le dziƒo la ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ. Yesu lɔ̃ amewo abe Fofoa ke ene. Togbɔ be ekpɔa dzidzɔ ɖe nu siwo wòkpe ɖe Yehowa ŋu wòwɔ la ŋu hã la, Yesu ‘melɔ̃a nu le amegbetɔviwo ya gbɔ kura o.’ (Lod. 8:31) Lɔlɔ̃ ʋã Yesu wòbu amewo ƒe seselelãmewo ŋu.

9 Evelia, abe Yehowa ene la, Yesu ate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me. Ate ŋu anya nu si ʋãa amewo wowɔa nu kpakple woƒe seselelãmewo. (Mat. 9:4; Yoh. 13:10, 11) Eya ta, esi Yesu de dzesii be nuxaxa na amewo ƒe dzi gbã la, ese veve ɖe wo nu eye wòfa akɔ na wo.—Yes. 61:1, 2; Luka 4:17-21.

10 Etɔ̃lia, Yesu ŋutɔ hã to xaxa siwo me tom amewo nɔ la dometɔ aɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, edze abe ƒome dahe mee Yesu nɔ tsi ene. Esi wònye be Yesu wɔ dɔ kple fofoa, Yosef, si xɔe nyi ta la, Yesu srɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ. (Mat. 13:55; Marko 6:3) Azɔ hã, edze abe Yosef ku ɣeaɖeɣi hafi Yesu wu eƒe subɔsubɔdɔa nu ene. Ne aleae wòdzɔe la, ke, ɖikeke mele eme o be Yesu nya vevesese si gbegbe wònyena ne ame ƒe ame vevi aɖe ku. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu nya ale si wònɔna ne ƒomea me tɔwo ƒe susuwo to vovo le mawusubɔsubɔnyawo ŋu. (Yoh. 7:5) Nɔnɔme vovovo mawo kple bubuwo anya wɔe be Yesu se kuxi siwo me tom amewo nɔ kple woƒe seselelãmewo gɔme.

Yesu kplɔ ŋutsu aɖe si nye tokunɔ la do le ameha la dome yi adzɔge hafi da gbe le eŋu veveseɖeamenutɔe (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu ka koŋue ɖe Yesu ƒe veveseseɖeamenu fia kɔtɛ? Ðe eme. (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

11 Nukunu siwo Yesu wɔ la koŋue ɖe eƒe veveseseɖeamenu fia wu nu bubu ɖe sia ɖe. Menye ɖe Yesu wɔ nukunuwo le esi wòkpɔe be ele be yeawɔ nukunuwo ta ko o. Ke boŋ, ame siwo nɔ fu kpem la ‘ƒe nu wɔ nublanui nɛ.’ (Mat. 20:29-34; Marko 1:40-42) Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yesu anya se le eɖokui me esime wòkplɔ ŋutsu aɖe si nye tokunɔ la do le ameha la dome yi adzɔge hafi da gbe le eŋu, alo esime wòfɔ ahosi aɖe ƒe vi ɖeka hɔ̃ si ku la ɖe tsitre la ŋu kpɔ. (Marko 7:32-35; Luka 7:12-15) Yesu se veve ɖe ame mawo nu eye wòdi be yeakpe ɖe wo ŋu.

12. Aleke Yohanes 11:32-35 ɖee fia be Yesu se veve ɖe Marta kple Maria nu?

12 Yesu ɖee fia be yese veve ɖe Marta kple Maria nu. Esi Yesu kpɔ ale si gbegbe wonɔ nu xam ɖe wo nɔviŋutsu Lazaro ƒe kua ta la, “Yesu fa avi.” (Xlẽ Yohanes 11:32-35.) Menye esi wòte ɖe edzi be ye xɔlɔ̃ vevia ku ta koe wòfa avi ɖo o. Elabe, enya nyuie be yele Lazaro fɔ ge ɖe tsitre. Nu si ta Yesu fa avi ɖoe nye be ekpɔ ale si gbegbe exɔlɔ̃ veviawo le nu xamee eye esia te ɖe edzi vevie.

13. Aleke nyanya be Yesu sea veve ɖe ame nu dea dzi ƒo na mí?

13 Enyanya be Yesu sea veve ɖe ame nu dea dzi ƒo na mí ale gbegbe. Enye nyateƒe be míede blibo o. Ke hã, míelɔ̃a Yesu le ale si wòwɔ nu ɖe amewo ŋui ta. (1 Pet. 1:8) Edea dzi ƒo na mí be míanyae be fifia, ezu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia si le dzi ɖum. Aɖe fukpekpewo katã ɖa kpuie. Esi wònye be Yesu ŋutɔ nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi kpɔ ta la, eyae nye ame si dze nyuie be wòaɖɔ nu siwo katã Satana ƒe dziɖuɖu gblẽ le amegbetɔwo ŋu la ɖo. Vavãe, yayrae wònye na mí be Dziɖula si “ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu” lae le mía si.—Heb. 2:17, 18; 4:15, 16.

SRƆ̃ KPƆÐEŊU SI YEHOWA KPLE YESU ÐO ÐI NA MÍ

14. Nu kae nya siwo dze le Efesotɔwo 5:1, 2 la ʋãa mí be míawɔ?

14 Ne míede ŋugble le Yehowa kple Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, esia ʋãa mí be míawo hã míadze agbagba ase veve ɖe ame nu geɖe wu. (Xlẽ Efesotɔwo 5:1, 2.) Míawo ya míate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me o. Ke hã, míate ŋu adze agbagba be míase ale si ame bubuwo sena le wo ɖokuiwo me la gɔme ahade dzesi woƒe nuhiahiãwo. (2 Kor. 11:29) To vovo na ɖokuitɔdila siwo le xexe sia me la, míawo ya míekua kutri vevie be ‘míaganɔ míawo ŋutɔ míaƒe nyonyo ko dim o, ke míadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Flp. 2:4.

(Kpɔ memama 15-19 lia) *

15. Ame kawo koŋue wòle na be woase veve ɖe ame nu?

15 Hamemetsitsiwo koŋue wòle na be woase veve ɖe ame nu. Wonyae be yewoabu akɔnta na Mawu le ale si yewowɔ nu ɖe alẽ siwo wòtsɔ de yewoƒe dzikpɔkpɔ te ŋui la ta. (Heb. 13:17) Hafi hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe wo nɔvi Kristotɔwo ŋu la, ele be woase veve ɖe wo nu. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu aɖee afia be yewosea veve ɖe nɔviawo nu?

16. Nu kae hamemetsitsi si sea veve ɖe ame nu la wɔna, eye nu ka tae esia le vevie?

16 Hamemetsitsi si sea veve ɖe ame nu la kpɔa ɣeyiɣi ɖe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu. Ebiaa nya wo eye wògbɔa dzi ɖi sea woƒe nyawo nyuie. Esia le vevie ŋutɔ, vevietɔ, ne alẽ xɔasiawo dometɔ aɖe di be yeaɖe yeƒe dzimenya agblɔ gake menya ale si tututu wòagblɔe o. (Lod. 20:5) Ne hamemetsitsi aɖe kpɔa ɣeyiɣi ɖe nɔviawo ŋu la, lɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃ kadodo sẽŋu aɖe va nɔa eya kpli wo dome eye wokana ɖe edzi be yewoate ŋu agblɔ nya sia nya nɛ.—Dɔw. 20:37.

17. Nɔnɔme nyui kae nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe gblɔ be enye nɔnɔme vevitɔ si wòle be wòanɔ hamemetsitsiwo si? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

17 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe gblɔ be veveseseɖeamenu ye nye nɔnɔme vevitɔ si wòle be wòanɔ hamemetsitsiwo si. Nu ka tae? Nɔvinyɔnu Adelaide gblɔ be: “Ele bɔbɔe be nàƒo nu na wo, elabe ènyae be woase nu gɔme na ye.” Egblɔ kpee be: “Ale si wowɔa nui ne èle nu ƒom kpli wo la ana nàkpɔe be wose veve ɖe nuwò.” Nɔviŋutsu aɖe si kpɔ ŋudzedze ɖe ale si hamemetsitsi aɖe wɔ nu ɖe eŋui ŋu la gblɔ be: “Mekpɔ aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi na hamemetsitsi aɖe esime menɔ nɔnɔme si me tom menɔ la gblɔm nɛ. Nyemaŋlɔ nudzɔdzɔ ma be kpɔ gbeɖe o.”—Rom. 12:15.

18. Aleke míate ŋu asrɔ̃ veveseseɖeamenu?

18 Enye nyateƒe be menye hamemetsitsiwo koe wòle na be woase veve ɖe ame nu o. Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyui sia. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Dze agbagba nàse nɔnɔme si me tom wò ƒometɔwo kple haxɔsetɔwo le la gɔme. Tsɔ ɖe le eme na hamea me tɔwo: sɔhɛwo, dɔnɔwo kple ame tsitsiwo kpakple ame siwo ƒe ame vevi aɖe ku. Bia woƒe fɔfɔme ta se. Ðo to nyuie esime wole woƒe dzimenyawo gblɔm. Kpe ɖe wo ŋu woakpɔe be èse nu si me tom yewole la gɔme vavã. Lɔ̃ faa nàkpe ɖe wo ŋu ale si nàte ŋui. Ne míele ewɔm alea la, ekema, míele lɔlɔ̃ akuakua ɖem fia.—1 Yoh. 3:18.

19. Nu ka tae wòanyo be míadze agbagba awɔ nu ɖe ame ɖe sia ɖe ŋu wòasɔ ɖe eƒe nɔnɔmea nu esi míele agbagba dzem be míakpe ɖe eŋu?

19 Anyo be míadze agbagba awɔ nu ɖe ame ɖe sia ɖe ŋu wòasɔ ɖe eƒe nɔnɔmea nu esi míele agbagba dzem be míakpe ɖe eŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ame sia ame kple ale si wòwɔa nui ne ele xaxawo me tom. Ame aɖewo dina be yewoaƒo nu tso yewoƒe kuxia ŋu, evɔ ame aɖewo ya medina be yewoaƒo nu tso eŋu o. Eya ta, togbɔ be míedi be míakpe ɖe wo ŋu hã la, ele be míaƒo asa na nya siwo aɖe fu na ame la biabia. (1 Tes. 4:11) Ne amewo ɖe woƒe dzimenyawo gblɔ hã la, ate ŋu anɔ eme be míaƒe susu mawɔ ɖeka kple wo tɔ kokoko o. Ke hã, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be nenemae wole sesem le wo ɖokuiwo me. Míedi be míaɖe abla le nusese me eye míanɔ blewu le nuƒoƒo me.—Mat. 7:1; Yak. 1:19.

20. Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Esi míele nu wɔm ɖe hamea me tɔwo ŋu veveseɖeamenutɔe la, míedi vevie be míadze agbagba ase veve ɖe amewo nu le gbeƒãɖeɖedɔa hã me. Aleke míate ŋu aɖee afia be míesea veve ɖe ame nu esime míele amewo wɔm nusrɔ̃lawoe? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 130 Lɔ̃ Tsɔtsɔke

^ mm. 5 Yehowa kple Yesu siaa sea veve ɖe ame nu. Nyati sia adzro nu si míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋuawo me la me. Gakpe ɖe eŋu la, míadzro nu si tae wòhiã be míase veve ɖe ame nu kple ale si míate ŋu awɔ esiae la me.

^ mm. 1 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: ‘Veveseseɖeamenu’ fia be míadze agbagba ase ale si ame aɖe le sesem le eɖokui me la gɔme eye míatsɔ mía ɖokui aɖo amea teƒe be míase le mía ɖokui me abe eya ke ene. (Rom. 12:15) Le nyati sia me la, gɔmesese ma kee le nyagbe siwo nye ‘vevesese ɖe ame nu’ kple ‘ɖetsɔtsɔ le eme na ame’ kpakple esiwo do ƒome kpli wo siaa ŋu.

^ mm. 6 Yehowa wɔ nu ɖe esubɔla wɔnuteƒe bubu siwo ƒo dzi ɖe le alo esiwo nɔ vɔvɔ̃m hã ŋu veveseɖeamenutɔe. Bu ŋutinya siwo ku ɖe Hana (1 Sam. 1:10-20), Eliya (1 Fia. 19:1-18), kple Ebed-Melek (Yer. 38:7-13; 39:15-18) ŋu la ŋu kpɔ.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míade ha kple mía nɔewo le kpekpeawo me le Fiaɖuƒe Akpata me. Le fotoawo me la, (1) hamemetsitsi aɖe le nu ƒom kple ŋutsuvi sue aɖe kple nɔa dɔmenyotɔe, (2) vifofo aɖe kple vianyɔnuvi le kpekpem ɖe nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ŋu be wòage ɖe ʋu me, eye (3) hamemetsitsi eve aɖewo le to ɖom esime nɔvinyɔnu aɖe le biabiam be woafia mɔ ye.