Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 10

Nu Kae Xe Mɔ Na Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?

Nu Kae Xe Mɔ Na Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?

“Filipo kple amegã la woɖi yi tsi la me, eye wònyrɔe.”—DƆW. 8:38.

HADZIDZI 52 Kristotɔwo Ƒe Adzɔgbeɖeɖe

NYA VEVIAWO *

1. Nu kawoe Adam kple Xawa bu na wo ɖokuiwo, eye nu kae do tso eme?

AME kae nèsusu be eyae dze be wòaɖo nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋuti dzidzenu na amegbetɔwo? Esi Adam kple Xawa ɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia la, woƒe afɔɖeɖe sia ɖe ale si wose le wo ɖokuiwo me tso Yehowa ŋu la fia kɔtɛ; eyae nye be, womeka ɖe Yehowa kple eƒe sewo kpakple eƒe dzidzenuwo dzi o. Wotiae be yewo ŋutɔwo yewoaɖo nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo na yewo ɖokuiwo. (1 Mose 3:22) Gake bu nu si gbegbe wobu na wo ɖokuiwo ŋu kpɔ. Woa kple Yehowa ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dome gblẽ. Azɔ hã, wobu mɔnukpɔkpɔ si nɔ wo si be woanɔ agbe tegbee la, eye wogblẽ nu vɔ̃ kple ku ɖi na woƒe dzidzimeviwo. (Rom. 5:12) Fukpekpe sɔŋ koe Adam kple Xawa ƒe tiatiaa he vɛ na amegbetɔwo.

Esi Etiopiatɔwo ƒe amegãa nya xɔ Yesu dzi se ko la, edi be yeaxɔ nyɔnyrɔ enumake (Kpɔ memama 2-3 lia)

2-3. (a) Aleke Etiopiatɔwo ƒe amegãa wɔ nui esime Filipo ɖe gbeƒã nɛ? (b) Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, yayra kawoe míekpɔna, eye biabia kawo mee míadzro?

2 Tsɔ ale si Adam kple Xawa wɔ nui la sɔ kple ale si Etiopiatɔwo ƒe amegã la wɔ nui esime Filipo ɖe gbeƒã nɛ la kpɔ. Amegã la kpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ nɛ la ŋu ale gbegbe be exɔ nyɔnyrɔ enumake. (Dɔw. 8:34-38) Ne míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu, eye míexɔ nyɔnyrɔ, abe ale si Etiopiatɔwo ƒe amegãa wɔe ene la, esia ɖea ale si míesena le mía ɖokui me ɖe Yehowa ŋu la fiana kɔtɛ. Míetoa esia me ɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí la ŋu. Míeɖenɛ fiana hã be, míeka ɖe Yehowa dzi, eye míelɔ̃ ɖe edzi be eyae nye ame si dze be wòaɖo nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo na mí.

3 Wò ya bu yayra siwo gbegbe míekpɔna le Yehowa subɔsubɔ me ŋu kpɔ! Yayra ɖekae nye be, mɔkpɔkpɔ le mía si be nu siwo katã Adam kple Xawa bu la ava su mía si mlɔeba, eye mɔnukpɔkpɔ hã asu mía si be míanɔ agbe tegbee. Esi míexɔ Yesu Kristo dzi se ta la, Yehowa tsɔa míaƒe vodadawo kea mí eye wònana dzitsinya nyui sua mía si. (Mat. 20:28; Dɔw. 10:43) Gakpe ɖe eŋu la, míeva zua Yehowa subɔla wɔnuteƒeawo ƒe ƒome, si le mɔ kpɔm na etsɔme wɔnuku aɖe la me tɔwo. (Yoh. 10:14-16; Rom. 8:20, 21) Togbɔ be yayra wɔnuku siawo su mía si hã la, ame siwo va nya Yehowa la dometɔ aɖewo hena ɖe megbe; womesrɔ̃a Etiopiatɔwo ƒe amegãa ƒe kpɔɖeŋua o. Nu kawo gbɔe wòanya tso be wole nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe? Eye afɔ kawoe woate ŋu aɖe be woaɖu kuxi mawo dzi?

KUXI SIWO NANA AME AÐEWO HEA NYƆNYRƆXƆXƆ ÐE MEGBE

Kuxi siwo ame aɖewo do goe hafi va tso nya me be yewoaxɔ nyɔnyrɔ

Kakaɖedzimanɔamesi (Kpɔ memama 4-5 lia) *

4-5. Nu kawoe nye ɖekakpui si ŋkɔe nye Avery kple ɖetugbui si ŋkɔe nye Hannah ƒe kuxia?

4 Kakaɖedzimanɔamesi. Avery dzilawo nye Yehowa Ðasefowo. Amewo dea bubu fofoa ŋu le esi wònye vifofo si léa be na eƒe ƒomea kpakple hamemetsitsi nyui aɖe ta. Ke hã, Avery nɔ nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe. Nu ka tae? Egblɔ be: “Nyemeka ɖe edzi be mate ŋu ava wɔ nu abe fofonye ene o.” Gakpe ɖe eŋu la, kakaɖedzi menɔ Avery si be yeate ŋu ava tsɔ agbanɔamedzi siwo ava kpɔ ye ŋkume le etsɔme o. Egblɔ be: “Mevɔ̃na be woava bia tso asinye be maxɔ ŋgɔ ado gbe ɖa, maƒo dutoƒonuƒowo, alo makpɔ gbeadziƒuƒoƒo aɖe dzi.”

5 Hannah, si xɔ ƒe 18 la, nye ame si mekana ɖe eɖokui dzi kura o. Edzilawo nye Yehowa subɔlawo. Togbɔ be wohee le nyateƒea me hã la, mekana ɖe edzi be yeate ŋu ava nɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu o. Nu ka tae? Hannah kpɔnɛ be yemele ɖeke me o eye asixɔxɔ aɖeke mele ye ŋu o. Ɣeaɖewoɣi la, nu tena ɖe edzi ale gbegbe be eya ŋutɔ wɔa nu vevi eɖokui, eye ɖeko esia wɔnɛ be eƒe nɔnɔmea ganyrana ɖe edzi. Egblɔ be: “Nyemegblɔ nu si mewɔna ɖokuinye la na ame aɖeke kpɔ o, nyemegblɔe na dzinyelawo gɔ̃ hã o, eye mesusui be, esi mewɔa nu mawo ɖokuinye ta la, Yehowa madi gbeɖe be manye ye subɔla o.”

Xɔlɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi (Kpɔ memama 6 lia) *

6. Nu kae wɔe be Vanessa he nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe?

6 Xɔlɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi. Vanessa si xɔ ƒe 22 la, gblɔ be, “Xɔlɔ̃ nyui aɖe nɔ asinye; míenye xɔlɔ̃wo ƒe ewo kloe.” Vanessa medi be yewoƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dome nagblẽ o, eye esia wɔe be wònɔ nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe. Gake, esia ɖea fu na Vanessa, elabe egblɔ be, “Esi wòsesẽna nam be madze xɔlɔ̃ yeyewo ta la, menɔ vɔvɔ̃m be, ne metso nye kplii ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me la, nyemagate ŋu ava dze xɔlɔ̃ bubu eye nye kple xɔ̃nye yeyea dome nava nɔ kplikplikpli abe eya ene gbeɖe o.”

Vɔvɔ̃ na kpododo nu (Kpɔ memama 7 lia) *

7. Nu kae ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Makayla ya vɔ̃na na, eye nu ka tae?

7 Vɔvɔ̃ be yeava do kpo nu. Makayla xɔ ƒe atɔ̃ esime woɖe foa le haa me. Esi Makayla nɔ tsitsim la, eya ŋutɔ kpɔ ale si gbegbe foa ƒe nuwɔnawo gbã dzi na wo dzilawoe la teƒe. Makayla gblɔ be, “Menɔ vɔvɔ̃m be, ne mexɔ nyɔnyrɔ la, mava wɔ vodada aɖe si awɔe be woava ɖem le haa me, eye esia agagbã dzi na dzinyelawo vevie.”

Vɔvɔ̃ na tsitretsiɖeŋu (Kpɔ memama 8 lia) *

8. Nu kae ɖekakpui si ŋkɔe nye Miles nɔ vɔvɔ̃m na?

8 Vɔvɔ̃ na tsitretsiɖeŋu. Miles fofo kple fofoa srɔ̃ yeyea subɔa Yehowa, gake nɔa ya menye Ðasefo o. Miles gblɔ be, “Nɔnye gbɔe menɔ ƒe 18 sɔŋ, eye menɔ vɔvɔ̃m be magblɔ nɛ be medi be maxɔ nyɔnyrɔ. Nye ŋutɔ mekpɔ ale si wòwɔ nui esime fofonye va zu Ðasefo la teƒe. Menɔ vɔvɔ̃m be mawɔ nu ɖe ŋunye nyuie o.”

AFƆ KAWOE NÀTE ŊU AÐE BE NÀÐU KUXI SIWO NA NÈLE NYƆNYRƆXƆXƆ HEM ÐE MEGBE LA DZI?

9. Ne èva nya ale si gbegbe Yehowa nye Mawu lɔ̃ame kple dzigbɔɖitɔe la, nu kae esia ate ŋu aʋã wò be nàwɔ?

9 Adam kple Xawa tiae be yewomasubɔ Yehowa o, le esi womedo ŋusẽ woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa o ta. Ke hã, Yehowa ɖe mɔ wonɔ agbe ƒe geɖe heva dzi viwo eye wòɖe mɔ na wo wohe wo viwo ɖe woawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo nu. Gake eteƒe medidi o, tiatia si Adam kple Xawa wɔ hegbe Yehowa la me tsonuwo na wòdze kɔtɛ be wowɔ bometsinu. Wo viŋutsu gbãtɔa wu nɔviaŋutsu maɖifɔ la, eye ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋutasesẽ kple ɖokuitɔdidi va xɔ aƒe ɖe anyigba dzi. (1 Mose 4:8; 6:11-13) Ke hã, Yehowa nya nu si wòawɔ be Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi siwo di be yewoasubɔ ye la nakpɔ ɖeɖe. (Yoh. 6:38-40, 57, 58) Ne èyi edzi le nu srɔ̃m tso ale si gbegbe Yehowa gbɔa dzi ɖii kple lɔlɔ̃ si gbegbe le esi na amegbetɔwo ŋu la, esia ate ŋu awɔe be wò lɔlɔ̃ na eyama nagasẽ ɖe edzi. Màdi be yeawɔ nu abe Adam kple Xawa ene o, ke boŋ, àtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa.

Afɔ siwo nàɖe be nàte ŋu aɖu kuxi mawo dzi

(Kpɔ memama 9-10 lia) *

10. Nu ka tae ŋugbledede le Psalmo 19:7 me nyawo ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàsubɔ Yehowa?

10 Yi edzi nànɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu. Zi ale si nèyi edzi le nu nyam tso Yehowa ŋu la, zi nenemae kakaɖedzi asu asiwò be àte ŋu asubɔe dzidzedzetɔe. Avery, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Esi mexlẽ [Yehowa ƒe] ŋugbedodo si dze le Psalmo 19:7 eye mede ŋugble le eŋu la, kakaɖedzi geɖe va su asinye.” (Xlẽe.) Esi Avery kpɔ ale si Yehowa wɔa eƒe ŋugbedodo ma dzii la dze sii la, eƒe lɔlɔ̃ na Mawu gava sẽ ɖe edzi. Menye ɖeko lɔlɔ̃ nana kakaɖedzi sua ame si ko evɔ o, ke enana hã be ame ƒe susu katã va nɔa Yehowa ŋu eye esia ʋãnɛ be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Hannah, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Esi meva nɔ Biblia xlẽm le ɖokuinye si hewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ la, esia kpe ɖe ŋunye meva kpɔe be, ne mewɔ nu vevi ɖokuinye la, etena ɖe Yehowa hã dzi.” (1 Pet. 5:7) Hannah va zu ‘Mawu ƒe nya dzi wɔla.’ (Yak. 1:22) Nu kae do tso eme? Egblɔ be: “Esi mekpɔe be toɖoɖo Yehowa le vi ɖem nam la, esia wɔe be megava lɔ̃ eyama vevie wu tsã. Fifia, meka ɖe edzi be, ɣesiaɣi si mehiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, afia mɔm.” Hannah te ŋu va ɖu eƒe kuxia dzi; megawɔa nu vevi eɖokui azɔ o. Etsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòxɔ nyɔnyrɔ.

(Kpɔ memama 11 lia) *

11. Afɔ kae Vanessa ɖe te ŋu dze xɔlɔ̃ nyuiwo, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

11 Tia xɔ̃wòwo le nunya me. Vanessa, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la va kpɔe be ye xɔlɔ̃a mele kpekpem ɖe ye ŋu be yeasubɔ Yehowa o. Eya ta, etso woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me. Gake Vanessa wɔ nu yi ŋgɔ wu ema. Eku kutri vevie dze xɔlɔ̃ yeyewo, le hamea me. Esrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si Noa kple eƒe ƒomea ɖo ɖi la me. Egblɔ be, “Ame siwo melɔ̃ Yehowa o la domee wonɔ, gake wode ha tuameɖo kple wo nɔewo.” Le Vanessa ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, eva zu gbesiagbe mɔɖela. Azɔ la, egblɔ be, “Esia kpe ɖe ŋunye medze xɔlɔ̃ nyuiwo, menye le míaƒe hamea me ko o, ke le hame bubuwo hã me.” Wò hã àte ŋu adze xɔlɔ̃ nyuiwo ne èƒo ɖokuiwò ɖe dɔ si Yehowa de asi na mí la me bliboe.—Mat. 24:14.

(Kpɔ memama 12-15 lia) *

12. Vɔvɔ̃ ka ƒomevie menɔ Adam kple Xawa me o, eye nu kae do tso esia me na wo?

12 Tu vɔvɔ̃ nyuitɔ ɖo. Vɔvɔ̃ ƒomevi aɖewo nyo na mí. Le kpɔɖeŋu me, ele be míavɔ̃ be míawɔ nu si madze Yehowa ŋu o. (Ps. 111:10) Ne ɖe Adam kple Xawa tu vɔvɔ̃ sia ɖo la, anye ne womedze aglã ɖe Yehowa ŋu o. Gake nyateƒea ye nye be, wodze aglã ɖe eŋu. Esia megbe la, woƒe ŋkuwo ʋu le gɔmesesea nu be, wova kpɔe dze sii kɔtɛ be yewozu nu vɔ̃ mewo. Eya ta, nu vɔ̃ kple ku ƒe dome ko wo viwo ate ŋu anyi tso wo gbɔ. Esi wònye be wova kpɔ woƒe nɔnɔmea dze sii, alo se egɔme nyuie, ta la, ŋu va nɔ wo kpem be yewole amama eye wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali.—1 Mose 3:7, 21.

13-14. (a) Le 1 Petro 3:21 ƒe nya nu la, nu ka tae mele be vɔvɔ̃ si gbɔ eme nanɔ mía me ɖe ku ŋu o? (b) Susu kawo tae wòle be míalɔ̃ Yehowa?

13 Ele be vɔvɔ̃ nyuitɔ nanɔ mía me na Yehowa, gake mele be vɔvɔ̃ si gbɔ eme nanɔ mía me ɖe ku ŋu o. Yehowa wɔ ɖoɖo si akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ agbe mavɔ. Ne míewɔ nu vɔ̃ gake míetrɔ dzi me vavã la, Yehowa atsɔe ake mí. Atsɔe ake mí le esi míexɔ Via ƒe tafevɔsaa dzi se ta. Mɔ vevi aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana be xɔse le mía si ye nye, ne míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu eye míexɔ nyɔnyrɔ.—Xlẽ 1 Petro 3:21.

14 Susu geɖewo li siwo tae wòle be míalɔ̃ Yehowa ɖo. Menye ɖeko wònaa nu nyui siwo míesea vivi na la mí gbe sia gbe ko evɔ o, ke efiaa nyateƒe si ku ɖe eya amea kple eƒe tameɖoɖowo ŋu hã mí. (Yoh. 8:31, 32) Ena Kristo hamea mí be wòafia mɔ mí ahakpe ɖe mía ŋu. Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le kuxi siwo míedoa goe fifia la me, eye ena mɔkpɔkpɔ hã mí be míava nɔ agbe tegbee le nɔnɔme deblibowo me le etsɔme. (Ps. 68:19; Nyaɖ. 21:3, 4) Ne míedea ŋugble le nu si gbegbe Yehowa wɔ na mí xoxo tsɔ ɖee fia be yelɔ̃ mí ŋu la, esia wɔnɛ be míeva lɔ̃nɛ vevie. Eye ne míelɔ̃ Yehowa la, míeva tua vɔvɔ̃ nyuitɔ ɖo. Míevɔ̃na be míawɔ nu wòate ɖe Ame si míelɔ̃ vevie la dzi.

15. Aleke Makayla wɔ ɖu vɔvɔ̃ si nɔ eme be yeava do kpo nu le Yehowa subɔsubɔ me la dzi?

15 Makayla, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la va ɖu vɔvɔ̃ si nɔ eme be yeava do kpo nu le Yehowa subɔsubɔ me la dzi esi wòva se ale si gbegbe Yehowa tsɔa nu vɔ̃ kenae la gɔme. Egblɔ be: “Mekpɔe be mí katã míede blibo o eye míada vo godoo. Gake meva se egɔme hã be Yehowa lɔ̃ mí eye atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le tafevɔsaa ta.” Eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãe wòtsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe nɛ hexɔ nyɔnyrɔ.

(Kpɔ memama 16 lia) *

16. Aleke wokpe ɖe Miles ŋu wòɖu vɔvɔ̃ na tsitretsiɖeŋu dzi?

16 Miles, si nɔ vɔvɔ̃m be ye nɔ atsi tsitre ɖe nya me si yetso be yeaxɔ nyɔnyrɔ ŋu la bia kpekpeɖeŋu tso woƒe nutome sue dzikpɔla gbɔ. Miles gblɔ be: “Eya hã fofoa koe le nyateƒea me. Ekpe ɖe ŋunye meva nya nya si mate ŋu agblɔ na nɔnye atsɔ aka ɖe edzi nɛ be nye ŋutɔe tso nya me be maxɔ nyɔnyrɔ, ke menye fofonyee ƒoe ɖe nunye o.” Ke hã, Miles nɔ meva wɔ nu ɖe eŋu nyuie o. Mlɔeba la, eva hiã be Miles naʋu adzo le nɔa gbɔ, gake eyi edzi lé eƒe nyametsotsoa me ɖe asi sesĩe. Egblɔ be: “Esi meva nya nu nyui siwo gbegbe Yehowa wɔ nam la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Esi mede ŋugble vevie le Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu la, meva kpɔe be Yehowa lɔ̃m ale gbegbe. Esia nyanya ʋãm metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ.”

LÉ WÒ NYAMETSOTSOA ME ÐE ASI SESĨE

Míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Mawu wɔ na mí la ŋu (Kpɔ memama 17 lia)

17. Mɔnukpɔkpɔ kae le ʋuʋu ɖi na mí?

17 Esi Xawa ɖu ati si nɔ Eden-bɔa titina ƒe tsetse la, eto esia me gbe Fofoa. Esi Adam wɔ ɖeka kplii la, eɖee fia be yemekpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na ye la ŋu kura o. Mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi na mí katã be míaɖee afia be míele abe Adam kple Xawa ene o, ke boŋ, míekpɔa ŋudzedze ɖe nu sia nu si Yehowa wɔna na mí la ŋu. Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, míetoa esia me ɖenɛ fiana Yehowa be míeka ɖe edzi be eyae nye ame si dze be wòaɖo nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo na mí. Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía Fofo la, eye míeka ɖe eyama dzi.

18. Aleke nàwɔ akpɔ dzidzedze le Yehowa subɔsubɔ me?

18 Le míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, agba si le mía dzi ye nye be míanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu gbe sia gbe, ke menye ale si míawo ŋutɔwo míedii nu o. Ame miliɔn geɖe nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu ƒe sia ƒe. Wò hã àte ŋu awɔe alea ne èyi edzi lé fɔ ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ ŋu; ne èdea ha kple nɔviwò Kristotɔwo edziedzi; eye nèƒoa nu tso nu siwo nèsrɔ̃ tso Fofowò si lɔ̃ wò vevie la ŋu na amewo dzonɔamemetɔe. (Heb. 10:24, 25) Ɣesiaɣi si nèle nya me tsom le nane ŋu la, wɔ ɖe aɖaŋu si Yehowa ɖona na mí to eƒe Nyaa kple eƒe habɔbɔa dzi la dzi. (Yes. 30:21) Ekema, nu sia nu si nàwɔ la adze edzi na wò.—Lod. 16:3, 20.

19. Nu ka dzie wòle be nàɖo ŋkui ɣesiaɣi, eye nu ka tae?

19 Ne èɖoa ŋku ale si gbegbe Yehowa ƒe mɔfiafia ɖea vi na wòe dzi ɣesiaɣi la, àva lɔ̃ eyama kpakple eƒe dzidzenuwo vevie. Ekema, naneke meli si Satana ate ŋu atsɔ able nuwò be nàdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ eye wòadze edzi nɛ o. Wò ya kpɔ ale si agbea anɔ na wò le ƒe akpe ɖeka megbe ɖa le susu me kpɔ. Àva kpɔe be tiatia si yewɔ be yeaxɔ nyɔnyrɔ lae nye nyametsotso nyuitɔ kekeake si yewɔ!

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

^ mm. 5 Nyametsotso vevitɔ kekeake si nàwɔ le agbe me lae nye nenye be yeaxɔ nyɔnyrɔ loo alo yemaxɔ nyɔnyrɔ o. Nu ka tae nyametsotso sia le vevie ŋutɔ? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia ma le nyati sia me. Azɔ hã, nyati sia akpe ɖe ame siwo le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu bum la ŋu be woaɖu kuxi siwo wɔe be wole nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe la dzi.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Kakaɖedzi: Ðekakpui aɖe le vɔvɔ̃m be yeaɖo nya ŋu.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Xɔlɔ̃wo: Ŋu le sɔhɛ Ðasefo aɖe kpem esi eya kple exɔlɔ̃ aɖe si le ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe edzi la kpɔ Ðasefo bubuwo.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Kpododo nu: Esi woɖe ɖekakpui aɖe le haa me eye wòdzo le aƒe me la, nɔvianyɔnu sue le vɔvɔ̃m be ɖewohĩ ye hã yeava do kpo nu.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Tsitretsiɖeŋu: Ŋutsuvi aɖe le vɔvɔ̃m esi wòle gbe dom ɖa eye nɔa si menye Ðasefo o la le ekpɔm.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Kakaɖedzi: Ŋutsuvi aɖe lé fɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu.

^ mm. 67 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Xɔlɔ̃wo: Enye dada na sɔhɛ Ðasefo aɖe be yenye Ðasefo.

^ mm. 69 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Kpododo nu: Nyɔnuvi sue aɖe wɔ nyateƒea etɔe, eye wòva xɔ nyɔnyrɔ.

^ mm. 71 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Tsitretsiɖeŋu: Ŋutsuvi aɖe lé dzi ɖe ƒo heɖe eƒe dzixɔsewo me na nɔa.