Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 11

Ðo To Yehowa Ƒe Gbe

Ðo To Yehowa Ƒe Gbe

“Ame siae nye Vinye . . . Miɖo toe.”—MAT. 17:5.

HADZIDZI 89 Ðo To Mawu Ne Wòayra Wò

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Mɔ kawo dzie Yehowa to ƒo nu na amegbetɔwo le blema? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

EDZƆA dzi na Yehowa ŋutɔ be yeana míanya yeƒe susuwo. Le blema la, eto nyagblɔɖilawo, mawudɔlawo, kple Via, Kristo Yesu, dzi na míenya eƒe susuwo. (Amos 3:7; Gal. 3:19; Nyaɖ. 1:1) Egbea, etoa eƒe Nya, Biblia, dzi ƒoa nu na mí. Ena Biblia mí ale be míate ŋu anya yeƒe susuwo ahase yeƒe mɔwo gɔme.

2 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, Yehowa ƒo nu tso dziƒo tẽe zi etɔ̃. Na míadzro nya siwo Yehowa gblɔ, nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe nyawo me, kple ale si woaɖe vi na mí la me.

“WÒE NYE VINYE, SI GBƆ NYEMELƆ̃A NU LE O”

3. Le Marko 1:9-11 ƒe nya nu la, nya kae Yehowa gblɔ esime wonyrɔ Yesu, eye nyateƒenya vevi kawo dzie nya mawo ɖo kpee?

3 Zi gbãtɔ si Yehowa ƒo nu tso dziƒo tẽe la ŋu nya dze le Marko 1:9-11. (Xlẽe.) Egblɔ be: “Wòe nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò nu dzea ŋunye.” Aleke gbegbe wòanya wɔ dɔ ɖe Yesu dzii ye nye esi esime wòsee Fofoa gblɔ be yemelɔ̃a nu le egbɔ o eye eƒe nu dzea ye ŋu! Yehowa ƒe nyaawo ɖo kpe nyateƒenya vevi etɔ̃ aɖewo dzi ku ɖe Yesu ŋu. Gbãtɔa ye nye be, Yesu nye ye Vi. Eveliae nye be, Yehowa lɔ̃ Via. Eye etɔ̃liae nye be, Yehowa gblɔ be ye Via ƒe nu dzea ye ŋu. Na míadzro wo dometɔ ɖe sia ɖe me tsitotsito.

4. Ƒomedodo tɔxɛ kae va le Mawu kple Yesu dome tso esime wonyrɔ Yesu?

4 “Wòe nye Vinye.” Yehowa to nya mawo dzi ɖee fia be ƒomedodo tɔxɛ aɖe va le ye kple Yesu, si nye ye Vi si gbɔ yemelɔ̃a nu le o la dome. Esime Yesu nɔ dziƒo la, enye Mawu ƒe gbɔgbɔmevi. Ke hã, esi wonyrɔ Yesu la, Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ. Ɣemaɣi la, Mawu ɖee fia be yesi ami na ye Vi, Yesu, eye azɔ la, mɔkpɔkpɔ su esi be atrɔ ayi dziƒo aɖazu Fia kple Nunɔlagã si yeɖo. (Luka 1:31-33; Heb. 1:8, 9; 2:17) Esia na míese nu si tae esi wonyrɔ Yesu la, Fofoa gblɔ nɛ be, “Wòe nye Vinye,” la gɔme.—Luka 3:22.

Ne wokafu mí hede dzi ƒo na mí la, míedina be míagawɔ geɖe wu (Kpɔ memama 5 lia) *

5. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua le ale si míaɖe lɔlɔ̃ afia amewo ahade dzi ƒo na wo me?

5 “Wòe nye [ame] si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.” Kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo ɖi le lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia Via me la ɖoa ŋku edzi na mí be ele be míadi mɔnukpɔkpɔwo ahade dzi ƒo na amewo. (Yoh. 5:20) Ne míaƒe ame vevi aɖe ɖe lɔlɔ̃ fia mí hekafu mí ɖe nu nyui aɖe si míewɔ ta la, dzi ɖoa mía ƒo míedina be míagawɔ geɖe wu. Nenema kee, mía nɔvi Kristotɔ siwo le hamea me kpakple míaƒe ƒomea me tɔwo hã hiã míaƒe lɔlɔ̃ kple dzideƒonyawo. Ne míekafu wo la, esia doa ŋusẽ woƒe xɔse eye wòkpena ɖe wo ŋu be woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Ele vevie ŋutɔ be dzilawo nanɔ dzi dem ƒo na wo viwo. Ne dzilawo kafua wo viwo tso dzi me eye woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo la, esia kpena ɖe wo viwo ŋu wodina be yewoagadze agbagba geɖe wu.

6. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yesu Kristo dzi?

6 “Wò nu dzea ŋunye.” Nya siawo ɖee fia be Yehowa ka ɖe edzi be Yesu awɔ yeƒe lɔlɔ̃nu nuteƒewɔwɔtɔe. Nenema gbegbee Yehowa ka ɖe Via dzii, eya ta, míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yesu ana Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã nava eme. (2 Kor. 1:20) Ne míede ŋugble le Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, esia ʋãa mí míegaɖonɛ kplikpaa wu tsã be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua eye míadze eƒe afɔɖoƒewo yome. Yehowa ka ɖe edzi hã be yeƒe subɔlawo, abe ƒuƒoƒo ene, ayi edzi anɔ ye Via ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m.—1 Pet. 2:21.

“MIÐO TOE”

7. Le Mateo 17:1-5 ƒe nya nu la, nudzɔdzɔ ka mee Yehowa ƒo nu tso dziƒo le, eye nya kae wògblɔ?

7 Xlẽ Mateo 17:1-5. Zi evelia si Yehowa ƒo nu tso dziƒoe nye esime Yesu ƒe “dzedzeme trɔ.” Yesu kplɔ Petro, Yakobo, kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe dzi. Esi wonɔ afi ma la, wo ame etɔ̃a wokpɔ ŋutega wɔnuku aɖe. Yesu ƒe mo klẽ abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene. Ame eve aɖewo siwo le tsitre ɖi na Mose kple Eliya la va nɔ dze ɖom kple Yesu tso eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi ŋu. Togbɔ be apostoloawo nɔ “alɔ̃ dɔm” hã la, wokpɔ ŋutega wɔnuku sia esime woƒe mo va kɔ keŋkeŋ. (Luka 9:29-32) Eyome, alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye wose gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me—Mawu ƒe gbee! Abe ale si Yehowa wɔe le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi ene la, egaɖee fia ake be yekpɔ ŋudzedze ɖe ye Via ŋu eye yelɔ̃e, esi wògblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” Gake le go sia me la, Yehowa gblɔ kpee be: “Miɖo toe.”

8. Dɔ kae ŋutegaa wɔ ɖe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi?

8 Ŋutegaa ɖe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ si anɔ Yesu si le etsɔme abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene la fia. Ðikeke mele eme o be, ŋutega sia de dzi ƒo na Kristo hedo ŋusẽe be wòado dzi le fu siwo kpe ge wòala kple veve siwo wòase ʋuu keke ahaku la me. Ŋutegaa do ŋusẽ nusrɔ̃laawo hã ƒe xɔse eye wòdo ŋusẽ wo hã be woado dzi le nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ siwo ava wo dzi kple dɔ sesẽ siwo woawɔ le ƒe siwo le ŋgɔ na wo me la me. Ƒe 30 aɖewo megbe la, apostolo Petro ƒo nu tso Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti ŋutegaa ŋu, si ɖee fia be egakpɔtɔ ɖoa ŋku ŋutegaa dzi nyuie.—2 Pet. 1:16-18.

9. Aɖaŋu nyui kawoe Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo?

9 “Miɖo toe.” Yehowa na eme kɔ nyuie be yedi be míaɖo to ye Via ƒe nyawo ahawɔ wo dzi. Nya kawoe Yesu gblɔ esime wònɔ anyigba dzi? Egblɔ nya vevi geɖe! Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃ ʋãe wòfia eyomedzelawo ale si woaɖe gbeƒã nya nyui lae, eye eɖo ŋku edzi na wo enuenu be woanɔ ŋudzɔ. (Mat. 24:42; 28:19, 20) Egblɔ na wo hã be woaʋli sesĩe, eye wòde dzi ƒo na wo be woagana ta o. (Luka 13:24) Yesu te gbe ɖe ale si wòle vevie be ye yomedzelawo nalɔ̃ wo nɔewo, ayi edzi awɔ ɖeka ahawɔ yeƒe sededewo dzi la dzi na wo. (Yoh. 15:10, 12, 13) Aɖaŋu nyui kawoe nye esiawo Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo! Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo mawo le vevie na míawo hã egbea abe ale si wònɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɣemaɣi ene.

10-11. Aleke míate ŋu aɖee afia be míeɖoa to Yesu?

10 Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la ɖoa to nye gbe.” (Yoh. 18:37) Míeɖenɛ fiana be míeɖoa to Yesu ƒe gbe ne ‘míeyia edzi doa dzi nɔa anyi kple mía nɔewo, eye míetsɔna kea mía nɔewo faa.’ (Kol. 3:13; Luka 17:3, 4) Gakpe ɖe eŋu la, míeɖenɛ fiana be míeɖoa to eƒe gbe ne míeɖea gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe, “le ɣeyiɣi deamedziwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo me.”—2 Tim. 4:2.

11 Yesu gblɔ be: “Nye alẽwo sea nye gbe.” (Yoh. 10:27) Kristo yomedzelawo ɖenɛ fiana be yewoɖoa to Yesu ƒe gbe le mɔ sia nu be, menye ɖeko woɖoa to sea eƒe nyawo ko o, ke wowɔna ɖe wo dzi hã. Womeɖea mɔ be “agbemedzimaɖitsitsiwo” nahe woƒe susu ɖa le nu si le vevie wu la dzi o. (Luka 21:34) Ke boŋ, Yesu ƒe sededewo dzi wɔwɔe nyea nu vevitɔ na wo le agbe me, ne wole nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. Mía nɔvi Kristotɔwo dometɔ geɖe le dodokpɔ sesẽwo me tom; tsitretsiɖeŋulawo dzea wo dometɔ aɖewo dzi, ɖewo hã da ahe kolikoli, eye dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le bubuwo hã ŋu. Gake le esiawo katã me la, woyia edzi wɔa nuteƒe na Yehowa, aleke kee nɔnɔmea ɖale na wo o. Yesu le kakaɖedzinya sia gblɔm na nɔvi siawo be: “Ame si léa nye sewo me ɖe asi, eye wòwɔa wo dzi la, eyae lɔ̃am. Azɔ ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e.”—Yoh. 14:21.

Míaƒe subɔsubɔdɔa kpena ɖe mía ŋu míenɔa ŋudzɔ (Kpɔ memama 12 lia) *

12. Mɔ bubu ka dzie míate ŋu ato aɖee afia be míeɖoa to Yesu?

12 Mɔ bubu aɖe si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míeɖoa to Yesu ye nye esi: eyae nye ne míewɔa nu aduadu kple ame siwo wòde dɔ asi na be woaxɔ ŋgɔ le mía dome. (Heb. 13:7, 17) Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Mawu ƒe habɔbɔa wɔ asitɔtrɔ geɖewo, eye esiawo ƒe ɖewoe nye dɔwɔnu yeye kple mɔnu yeye siwo ŋu dɔ wɔm míele le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me, ale si míewɔa míaƒe kwasiɖa domedome kpekpea fifia, kple ale si míetua míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo, ɖɔɖɔɖodɔ siwo míewɔna le wo ŋu kpakple ale si míeléa be na woe. Aleke gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ mɔfiame siawo siwo ŋu wobu nyuie la ŋui ye nye esi! Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo míedzena be míawɔ ɖe mɔfiame siwo habɔbɔa nana mí ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la dzi godoo.

13. Vi kawoe toɖoɖo Yesu ɖena na mí?

13 Ne míeɖo to Yesu hewɔ ɖe eƒe nufiafiawo katã dzi la, eɖea vi na mí. Yesu ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be yeƒe nufiafiawo ana gbɔdzɔe wo. Egblɔ na wo be: “Miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mat. 11:28-30) Mawu ƒe Nya la, si ƒe akpa aɖee nye Nyanyuigbalẽ eneawo, siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔ ŋu la, doa ŋusẽ mí be míalé fɔ ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu, eye wònana míedzea nunya. (Ps. 19:7; 23:3) Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”—Luka 11:28.

‘MADO NYE ŊKƆ ÐE DZI’

14-15. (a) Ɣekaɣie nye zi etɔ̃lia si Yehowa ƒo nu tẽe tso dziƒo, abe ale si wòdze le Yohanes 12:27, 28 ene? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa ƒe nyawo fa akɔ na Yesu eye wodo ŋusẽe?

14 Xlẽ Yohanes 12:27, 28. Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒo nu tso nudzɔdzɔ si me Yehowa ƒo nu tso dziƒo le zi etɔ̃lia la ŋu. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, Yesu yi Yerusalem be yeaɖu yeƒe Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛa. Ɣemaɣi la, egblɔ be: “Metɔtɔ.” Eyome, edo gbe ɖa hegblɔ be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” Eyome, Fofoa ɖo eŋu esi wòƒo nu tso dziƒo gblɔ be: “Medoe ɖe dzi, eye magadoe ɖe dzi ake.”

15 Yesu tɔtɔ le esi agba gã aɖe le eyama dzi be wòayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ta. Yesu nyae be wole ye ƒo ge vevie kple atam eye yease veve heliheli ahaku. (Mat. 26:38) Ke hã, nu si nɔ vevie na Yesu wue nye be, edi vevie be yeado ye Fofo ƒe ŋkɔa ɖe dzi alo akɔ eŋu. Wotso Yesu nu be enye busunyagblɔla, eye ete ɖe edzi vevie be yeƒe kua ahe vlododo ava Mawu ƒe ŋkɔa dzi. Aleke gbegbe Yehowa ƒe nyawo anya de dzi ƒo na Yesu ye nye esi! Ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu godoo. Fofoa ƒe nyaawo anya fa akɔ nɛ eye woanya do ŋusẽe be wòado dzi le fu siwo kpe ge wòala la me. Togbɔ be ɖewohĩ Yesu ɖeka koe se nya si Fofoa gblɔ ɣemaɣi la gɔme le ame siwo katã nɔ afi ma dome hã la, Yehowa kpɔ egbɔ be woŋlɔ wo ɖi na mí katã.—Yoh. 12:29, 30.

Yehowa ado eƒe ŋkɔa ɖe dzi alo akɔ eŋu ahaxɔ na eƒe amewo (Kpɔ memama 16 lia) *

16. Nu ka tae vlododo siwo amewo hena vaa Mawu ƒe ŋkɔa dzi la ate ŋu ate ɖe mía dzi ɣeaɖewoɣi?

16 Abe Yesu ene la, ate ŋu ate ɖe míawo hã dzi ne míekpɔ vlododo siwo amewo hena vaa Yehowa ƒe ŋkɔa dzi. Ðewohĩ, wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu abe ale si wowɔe ɖe Yesu ŋu ene. Alo ɖewohĩ, alakpanya siwo tsitretsiɖeŋulawo gblɔna ɖe mía ŋu la na míetɔtɔ. Alakpanya mawo ate ŋu ana míatsi dzi ɖe vlododo siwo woate ŋu ahe ava Yehowa ƒe ŋkɔa kple eƒe habɔbɔa dzi la ŋu. Ne edzɔ alea la, nya siwo Yehowa gblɔ na Yesu la ate ŋu anye akɔfafa gã aɖe na mí. Mele be míatsi dzimaɖi fũu akpa o. Míate ŋu aka ɖe edzi be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ [míaƒe] dziwo kple [míaƒe] tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Flp. 4:6, 7) Yehowa mado kpo eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ gbeɖe o. Yehowa ato Fiaɖuƒea dzi aɖɔ nu siwo katã Satana kple xexe sia gblẽ le Eƒe subɔla wɔnuteƒewo ŋu la ɖo.—Ps. 94:22, 23; Yes. 65:17.

NA YEHOWA ƑE GBE NAÐE VI NA WÒ EGBEA

17. Le Yesaya 30:21 ƒe nya nu la, aleke Yehowa ƒoa nu na mí egbeae?

17 Yehowa gakpɔtɔ le nu ƒom na mí egbea. (Xlẽ Yesaya 30:21.) Ele eme be míesea Mawu ƒe gbe wòƒoa nu na mí tso dziƒo ya o. Ke hã, ena eƒe Nyaa, Biblia, si me eƒe nufiamewo le la mí. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe “aƒedzikpɔla nuteƒewɔla” la ŋu be wòayi edzi anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam Eƒe subɔlawo. (Luka 12:42) Esia wɔe be, gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo le nɔnɔme vovovowo me, abe agbalẽwo, videowo, odiowo (alo esiwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi) kple esiwo le Internet dzi ene la bɔ ɖe mía si.

18. Aleke Yehowa ƒe nyawo doa ŋusẽ wò xɔse henana dzi ɖoa ƒowò?

18 Mina míanɔ ŋku ɖom nya siwo Yehowa gblɔ esime Via nɔ anyigba dzi la dzi! Neva eme be Mawu ŋutɔ ƒe nyawo, siwo woŋlɔ ɖe Biblia me, la nana míaka ɖe edzi be Yehowa nya nu siwo katã le edzi yim la nyuie, eye aɖɔ nu siwo katã Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖia gblẽ le mía ŋu la ɖo godoo. Eye mina míaɖoe kplikpaa be míaɖo to Yehowa ƒe gbe nyuie. Ne míewɔe alea la, esia ana míate ŋu ado dzi le kuxi siwo me tom míele fifia kple kuxi ɖe sia ɖe si ava mía dzi le etsɔme la me dzidzedzetɔe. Biblia gblɔ be: “Ehiã be miado dzi, ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu vɔ la, miaƒe asi nasu ŋugbedodo la dzi.”—Heb. 10:36.

HADZIDZI 4 “Yehowae Nye Kplɔlanye”

^ mm. 5 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, Yehowa ƒo nu tso dziƒo tẽe zi etɔ̃. Le wo dometɔ ɖeka me la, Yehowa de dzi ƒo na Kristo ƒe nusrɔ̃lawo be woaɖo to ye Via. Egbea, Yehowa toa eƒe Nyaa, si me Yesu ƒe nufiafiawo hã le, kpakple eƒe habɔbɔa dzi ƒoa nu na mí. Le nyati sia me la, míadzro ale si toɖoɖo Yehowa kple Yesu ɖea vi na mí la me.

^ mm. 52 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Hamemetsitsi aɖe de dzesii esime subɔsubɔdɔwɔla aɖe le asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖodɔa ŋu kple esime wòle dɔ wɔm le agbalẽdzikpɔƒea hã. Hamemetsitsia kafui lɔlɔ̃tɔe.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Atsu kple asi aɖe, siwo le Sierra Leone la na kpekpe ƒe amekpegbalẽvi tɔƒodela aɖe le woƒe nutoa me.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ðasefo siwo le dukɔ aɖe si me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le me la kpe le nɔvi aɖe ƒe aƒe me. Wodo awu le mɔ si mahe amewo ƒe susu ava wo dzi o la nu.