Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Dea Asixɔxɔ “Amen” Si Nègblɔna Ŋu

Yehowa Dea Asixɔxɔ “Amen” Si Nègblɔna Ŋu

YEHOWA dea asixɔxɔ subɔsubɔ si míetsɔ nanae la ŋu. ‘Eɖoa to’ esubɔlawo ‘hesea’ woƒe nyawo, eye edea asixɔxɔ nu sia nu si mí esubɔlawo míewɔna tsɔ kafunɛ la ŋu, aleke kee wòɖale sue o. (Mal. 3:16) Le kpɔɖeŋu me, bu nya aɖe si míanya zã zi gbɔ zi geɖe la ŋu kpɔ. Nya lae nye “amen.” Ðe Yehowa dea asixɔxɔ nyagbɔgblɔ bɔbɔe ma gɔ̃ hã ŋua? Ɛ̃, edea asixɔxɔ eŋu! Na míadzro nu si nya ma fia kple ale si wozãe le Biblia me la me ale be míakpɔ nu si tae Yehowa dea asixɔxɔ eŋu.

“DUKƆ BLIBO LA KATÃ NAGBLƆ BE: ‘AMEN!’”

Eŋlisigbe me nya “amen” gɔmee nye “nenɔ alea” alo “neva eme.” Woɖee tso Hebrigbe me nya si gɔmee nye “woanye nuteƒewɔla,” “woanye ame si dzi woate ŋu aka ɖo” la me. Ɣeaɖewoɣi la, wozãa nya sia le senyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Ne ame aɖe ka atam tsɔ do ŋugbe la, egblɔa “amen” tsɔ ɖoa kpe edzi be nya siwo yegblɔ la nye nyateƒe eye yelɔ̃ ɖe nu sia nu si ado tso eme la dzi. (4 Mose 5:22) “Amen” gbɔgblɔ le amewo ŋkume alea da agba ɖe edzi be wòawɔ ŋugbe si wòdo la dzi.—Neh. 5:13.

Wozã nya “amen” le mɔ wɔdɔɖeamedzi nu le nuŋlɔɖi si dze le 5 Mose ta 27 lia la me. Esi Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, ehiã be woaƒo ƒu ɖe “Ebal Toa” kple “Gerizim Toa” dome ahase Sea me nya siwo woaxlẽ na wo. Menye ɖeko wòle be woaɖo to ase Sea me nyawo ko evɔ o, ke ele hã be woaɖee afia be yewolɔ̃ ɖe Sea dzi. Esime woxlẽ nu siwo ado tso tomaɖomaɖo me na wo vɔ la, woɖo eŋu be “Amen!” tsɔ ɖee fia be yewolɔ̃ ɖe edzi. (5 Mose 27:15-26) Bu ale si gbegbe ame akpeakpewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo siaa ƒe gbe anya de dzii esime wokɔ gbe dzi ɖo nyaa ŋu la ŋu kpɔ! (Yos. 8:30-35) Ðikeke mele eme o be, womeŋlɔ nya siwo wogblɔ gbe ma gbe la be kpɔ gbeɖe o. Eye Israel-vi mawo wɔ woƒe nya dzi, elabe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Israel yi edzi subɔ Yehowa le Yosua ƒe agbemeŋkekewo katã kple ame tsitsi siwo ganɔ agbe le Yosua ƒe ku megbe, siwo nya dɔ siwo katã Yehowa wɔ na Israel la ƒe agbenɔɣi katã.”—Yos. 24:31.

Yesu hã zã “amen” tsɔ ɖo kpe nya siwo wògblɔ ƒe nyateƒenyenye dzi, gake ewɔe le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Yesu ya megblɔ “amen” le nya aɖe si ame aɖe gblɔ la megbe o, ke boŋ, egblɔ “amen” (si gɔme woɖe le Eʋegbe me be “vavã”) tsɔ dze nyateƒenya vevi aɖewo gɔme. Ɣeaɖewoɣi la, ezãa nya sia zi eve ɖe wo nɔewo yome be “amen, amen.” (Mat. 5:18; Yoh. 1:51) Ewɔ esia tsɔ ka ɖe edzi na eƒe nyaselawo be yeƒe nyawo nye nyateƒenya vavãwo. Yesu te ŋu ƒo nu kple kakaɖedzi alea, elabe eyae Mawu na ŋusẽe be wòana Yeƒe ŋugbedodowo katã nava eme.—2 Kor. 1:20; Nyaɖ. 3:14.

‘DUKƆ LA GBLƆ BE, AMEN! EYE WOKAFU YEHOWA’

Israel dukɔa zã nya “amen” le Yehowa kafukafu wɔnawo kple gbedodoɖawo hã me. (Neh. 8:6; Ps. 41:13) Ne wodo gbe ɖa vɔ la, nyaselawo gblɔa “amen” tsɔ ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ ɖe gbedodoɖaa me nyawo dzi. Esia wɔnɛ be ame siwo katã le eteƒe la kpɔa gome le gbedodoɖaa me eye wokpɔa dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔwɔna sia me. Esia tututue dzɔ esime Fia David tsɔ Yehowa ƒe Nubablaɖakaa va Yerusalem. Le aseyetsotso si yi edzi me la, David dzi ha ʋãme aɖe si me nyawo nye gbedodoɖa si ƒe nuŋlɔɖi dze le 1 Kronika 16:8-36. Eƒe nyawo wɔ dɔ ɖe dukɔa dzi ale gbegbe be “dukɔ blibo la gblɔ be, ‘Amen!’ eye wokafu Yehowa.” Ɛ̃, wokpɔ dzidzɔ gbe ma gbe le esi wosubɔ Yehowa ɖekae ta.

Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã zã nya “amen” le Yehowa kafukafu me. Biblia ŋlɔlawo zãe zi geɖe le agbalẽ siwo woŋlɔ me. (Rom. 1:25; 16:27; 1 Pet. 4:11) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔ̃ hã ɖɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo le dziƒo la be wole Yehowa kafum hele gbɔgblɔm be: “Amen! Mikafu Yah!” (Nyaɖ. 19:1, 4) Enye nu si bɔ be Kristotɔ gbãtɔwo gblɔa “amen” le gbedodoɖa ƒe nuwuwu le woƒe kpekpewo me. (1 Kor. 14:16) Ke hã, “amen” menye nya si woanɔ gbɔgblɔm ko eŋumabumabui o.

NU SI TA “AMEN” SI NÈGBLƆNA LE VEVIE

Esi míedzro ale si Yehowa subɔlawo zã nya “amen” me vɔ la, míeva nya nu si ta wòsɔ be woagblɔ “amen” atsɔ aƒo gbedodoɖa tae. Ne míawo ŋutɔwo míedo gbe ɖa vɔ eye míegblɔ “amen” la, míeɖenɛ fiana be nya siwo míegblɔ la le vevie na mí. Eye ne wodo gbe ɖa le dutoƒo eye míaƒe dzi ʋã mí míegblɔ “amen” le susu me gɔ̃ hã la, míeɖenɛ fiana be míeda asi ɖe nya siwo wogblɔ le gbedodoɖaa me la dzi. Azɔ, bu susu bubu siwo tae míaƒe “amen” le vevie la ŋu kpɔ.

Eɖenɛ fiana be míele ŋudzɔ eye míele to dzi esime wole gbe dom ɖa. Gbedodoɖa nye Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Eya ta, menye nya si míegblɔna le gbedodoɖa me koe le vevie o, ke ale si míewɔa nui me míele gbe dom ɖa hã le vevie. Esi míedina be míagblɔ “amen” tso dzi blibo me ta la, esia kpena ɖe mía ŋu míeléa mía ɖokui nyuie ne wole gbe dom ɖa eye míenaa míaƒe susu nɔa gbedodoɖaa ŋu.

Enana míesubɔa Mawu le ɖekawɔwɔ me. Ne ame aɖe le hamea teƒe le gbe dom ɖa la, hame bliboa ƒe susu nɔa nu ɖeka ma ke ŋu. (Dɔw. 1:14; 12:5) Ne míaƒe dzi ʋã mí míetsɔ nusɔsɔe lɔ̃ ɖe gbedodoɖaa dzi ɖekae la, mía kple mía nɔviwo dome ɖekawɔwɔa me gasẽna ɖe edzi. Míeɖagblɔ “amen” le susu me loo alo míekɔ gbe dzi gblɔe o, ne mí katã míegblɔ “amen” ɖekae alea la, ate ŋu awɔe be míaƒe gbedodoɖaa naʋã Yehowa be wòawɔ nu si míebiae la dzi.

“Amen” si míegblɔna hã hea kafukafu vanɛ na Yehowa

Míekafua Yehowa. Yehowa dea dzesi nu sia nu si míewɔna le eyama subɔsubɔ me. (Luka 21:2, 3) Enya nu si ʋãa mí míesubɔnɛ kple nu si le míaƒe dzi me. Ne telefon dzie míetona sea kpekpea me nyawo gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea dzesi “amen” si míegblɔna la hã. Ne míele nɔnɔme sia me gɔ̃ hã eye míegblɔ “amen” la, míewɔa ɖeka kple nɔvi siwo le kpekpea me la le Yehowa kafukafu me.

Ðewohĩ, awɔ na mí be asixɔxɔ mele “amen” si míegblɔna ŋu o, gake Yehowa ya dea asixɔxɔ eŋu. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be “to nya ɖeka sia gbɔgblɔ dzi la,” Mawu subɔlawo ate ŋu aɖe “kakaɖedzi kple ŋudzedzekpɔkpɔ si le woƒe dzi me, kpakple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le wo si” la afia. Neva eme be “amen” ɖe sia ɖe si míagblɔ la nadze Yehowa ŋu.—Ps. 19:14.