Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 20

Akɔfafa Na Ame Siwo Ŋu Wowɔ Gbɔdɔnuwo Ðo Le Ðevime

Akɔfafa Na Ame Siwo Ŋu Wowɔ Gbɔdɔnuwo Ðo Le Ðevime

“Akɔfafawo katã ƒe Mawu [la] faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.”​—2 KOR. 1:3, 4.

HADZIDZI 134 Ðeviwo Nye Domenyinu Tso Yehowa Gbɔ

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo dina be woafa akɔ na yewo eye ŋutetea le amegbetɔwo ŋu be woafa akɔ na wo haviwo? (b) Aleke nu vevi wɔa ɖevi aɖewoe?

LE DZƆDZƆME nu la, amegbetɔwo dina be woafa akɔ na yewo eye ŋutete wɔnuku aɖe le amegbetɔwo ŋu be woafa akɔ na wo haviwo. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖevi sue aɖe dze anyi esime wòle fefem eye eƒe klonu bebe la, eƒua du yia Dada alo Papa gbɔ kple avi. Edzilawo mate ŋu ana abia naku nɛ enumake o, gake woate ŋu afa akɔ nɛ. Woate ŋu abia ɖevia be aleke wòdzɔe; woatutu eƒe aɖatsiwo nɛ, woagblɔ akɔfanyawo kple lɔlɔ̃nyawo nɛ, eye ɖewohĩ, woatsɔ atike aɖo abia nɛ alo ablae nɛ. Kaka nàkpɔa, ɖevia adzudzɔ avifafa eye wòagate fefe ake. Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, abia aku nɛ.

2 Gake ɣeaɖewoɣi la, nu vevi siwo wɔa ɖeviwo la nyrana wu ema kura. Wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖevi aɖewo ŋu. Le ame aɖewo gome la, wowɔ nu ma ɖe wo ŋu gbe ɖeka le woƒe ɖevime, gake le ame bubuwo gome la, wowɔe ɖe wo ŋu ƒe geɖe. Aleke kee wòɖale o, ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖevi aɖe ŋu la, egblẽa nu le eƒe seselelãme ŋu ale gbegbe. Le go aɖewo me la, woléa nu vlo wɔlaa eye wohea to nɛ. Le go aɖewo hã me la, edzena abe nu vlo wɔlaa si le tohehea nu ene. Ke hã, ne wohe to na nu vlo wɔlaa enumake gɔ̃ hã la, nu si wòwɔ ɖe ɖevia ŋu la me tsonu gbegblẽawo nɔa eŋu va ɖo eƒe tsitsime ke.

3. Abe ale si 2 Korintotɔwo 1:3, 4 gblɔe ene la, nu kae nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, eye biabia kawo me míadzro?

3 Ne Kristotɔ aɖe si ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime la gakpɔtɔ le fu kpem le esia ta le eƒe tsitsime gɔ̃ hã la, nu kae ate ŋu akpe ɖe eŋu? (Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.) Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be woalɔ̃ yeƒe alẽawo eye woafa akɔ na wo. Eya ta, na míadzro biabia etɔ̃ siawo me: (1) Nu ka tae ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime la hiã na akɔfafa? (2) Ame kawoe ate ŋu afa akɔ na wo? (3) Aleke míate ŋu afa akɔ na wo wòade edeƒe?

NU KA TAE WOHIÃ AKƆFAFA?

4-5. (a) Nu ka tae wòle vevie be míase egɔme be ɖeviwo to vovo na ame tsitsiwo? (b) Ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖevi aɖe ŋu la, aleke esia ate ŋu agblẽ nu le kadodo si le ɖevia kple ame siwo melɔ̃a nu le egbɔ o dome la ŋu?

4 Ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime la dometɔ aɖewo agahiã na akɔfafa kokoko togbɔ be nu sia dzɔ ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi gɔ̃ hã. Nu ka tae? Hafi míate ŋu ase nu si tae wòle alea gɔme la, gbã la, ele be míanyae be ɖeviwo to vovo sãsãsã na ame tsitsiwo. Ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu la, ale si wògblẽa nu le wo ŋui la to vovo sãsãsã na ale si ŋutasesẽ le ame tsitsiwo ŋu gblẽa nu le wo ŋu. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

5 Ðeviwo ƒe hiahiã ɖekae nye be, kadodo kplikplikpli nava nɔ wo kple ame siwo melɔ̃a nu le wo gbɔ o la dome eye woakpɔe be yewoate ŋu aka ɖe wo dzi. Kadodo kplikplikpli mawo wɔnɛ be ɖeviwo sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie, eye esia fiaa wo be woate ŋu aka ɖe ame siwo lɔ̃ wo la dzi. (Ps. 22:9) Ewɔ nublanui ŋutɔ be, zi geɖe la, ɖeviawo ŋutɔwo ƒe aƒe mee wowɔa gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu le, eye ƒometɔ kplikplikpliwo kple ƒomea ƒe xɔlɔ̃woe wɔa nu sia ɖe wo ŋu. Ne wowɔ nu sia ɖe ɖevi aɖe ŋu ale be ɖevia va le sesem le eɖokui me be ame aɖeke mekpɔa ye ta o eye ame aɖeke melɔ̃ ye o la, esesẽna na ɖevia be wòagaka ɖe ame bubuwo dzi, eye seselelãme sia tea ŋu nɔa eyama me ƒe geɖe gɔ̃ hã.

6. Nu ka tae gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye nu vɔ̃ɖi kple nuwɔna si gblẽa nu le wo ŋu ŋutɔ?

6 Ðeviwo metea ŋu kpɔa wo ɖokuiwo ta o, eye gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe wo ŋu nye nu vɔ̃ɖi kple nuwɔna si gblẽa nu le wo ŋu ŋutɔ. Ne woƒoe ɖe ɖeviwo nu hewɔ gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu hafi wova su te nyuie ƒe geɖe megbe le ŋutilã me, susu me kple seselelãme gome na gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖe me la, esia ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu ale gbegbe. Gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ate ŋu awɔe be susu nyui manɔ wo si ɖe gbɔdɔdɔ ŋu o. Nenema kee susu nyui manɔ wo si ɖe woawo ŋutɔwo ɖokui ŋu o. Azɔ hã, womaka ɖe ame sia ame si di be yeanɔ kadodo kplikplikpli me kpli wo la dzi kura o.

7. (a) Nu ka tae wòate ŋu anɔ bɔbɔe be ameflula vɔ̃ɖi si wɔa gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu la naflu ɖevi aɖe ahawɔ nu ma ɖe eŋu, eye aleke wòtea ŋu wɔa esiae? (b) Nu kawoe tea ŋu dona tso alakpanya vɔ̃ɖi mawo me?

7 Ðeviwo mekpɔ tsi nyuie le woƒe tamebubu kple nuŋububu ŋutetewo ŋu dɔ wɔwɔ me o, eye menɔa bɔbɔe na wo be woade dzesi afɔku ahaƒo asa nɛ o. (1 Kor. 13:11) Eya ta, ele bɔbɔe ŋutɔ be ameflula si wɔa gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu la naflu ɖeviwo ahawɔ nu mawo ɖe wo ŋu. Ðevigbɔdɔlawo fiaa alakpanya vɔ̃ɖiwo ɖeviawo. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu agblɔ na ɖevia be eya ŋutɔ gbɔe vodadaa tso, alo ele be nu si yewowɔ la nanɔ ɣaɣla eye ame aɖeke naganya nu tso eŋu o; alo woagblɔ nɛ be, ame aɖeke madi be yease nu tso eŋu o loo alo ne egblɔe gɔ̃ hã la, ame aɖeke maxɔ edzi ase o; woate ŋu agblɔ nɛ hã be, ne ame tsitsi dɔ ɖevi aɖe gbɔ la, menye nu si gblẽ o, ke boŋ, ame tsitsiwo kple ɖeviwo toa gbɔdɔnuwɔnawo me ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ yewo nɔewo. Alakpanya mawo tɔgbi ate ŋu agblẽ nu le ɖevia ƒe tamebubuŋutete ŋu vevie eye ate ŋu axɔ ƒe geɖe hafi wòava kpɔe adze sii be alakpanyawoe wonye. Ne ɖevi sia tɔgbi tsi la, ate ŋu ava nɔ eɖokui bum be yenye ame gbegblẽ, ame ƒoɖi, kple ame si medze be woalɔ̃ alo afa akɔ na o.

8. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu afa akɔ na ame siwo ŋu wogblẽ nu le alea gbegbe?

8 Mewɔ nuku be, gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu tea ŋu gblẽa nu le wo ŋu hena ƒe gbogbo aɖewo o. Hlɔ̃donuwɔna vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔe wònye! Ale si gbegbe amewo va le gbɔdɔnuwo wɔm ɖe ɖeviwo ŋu le xexea me godoo la nye kpeɖodzi kɔtɛ be míele ŋkeke mamlɛawo me; enye ɣeyiɣi si me ame geɖe “melɔ̃a ame ƒe nya o” kple ɣeyiɣi si me “ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi” le. (2 Tim. 3:1-5, 13) Satana ƒe ayemɔwo vɔ̃ɖi ŋutɔ, eye ewɔa nublanui ŋutɔ ne amegbetɔwo wɔ nu si doa dzidzɔ na Abosam. Ke hã, Yehowa ƒe ŋusẽ ƒo Satana alo ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe ŋusẽ ta sãsãsã. Satana ƒe ayemɔwo mele ɣaɣla ɖe Yehowa kura o. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya xaxa siwo me tom míele la nyuie, eye ate ŋu ana akɔfafa si míehiã la mí. Yayrae wònye na mí be míele “akɔfafawo katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me, ale be míato akɔfafa si míekpɔ tso Mawu gbɔ la dzi afa akɔ na ame siwo le tetekpɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me tom la” subɔm. (2 Kor. 1:3, 4) Gake ame kawo dzie Yehowa tona faa akɔ na ame siwo hiã akɔfafa?

AME KAE ATE ŊU AFA AKƆ NA WO?

9. Le Fia David ƒe nya siwo dze le Psalmo 27:10 nu la, nu kae Yehowa wɔna na ame siwo woawo ŋutɔwo ƒe ƒometɔwo gblẽ ɖi la?

9 Ame siwo woawo ŋutɔ wo dzilawo gblẽ ɖi bemalémale na woe eye ame siwo dzi woka ɖo la wɔ gbɔdɔnu ɖe wo ŋu la koŋue hiã na akɔfafa. Hakpala David nyae be Yehowae nye akɔfala gãtɔ kekeake si dzi woate ŋu aka ɖo. (Xlẽ Psalmo 27:10.) David ka ɖe edzi be Yehowa axɔ ame siwo ŋu woawo ŋutɔwo ƒe ƒometɔwo mewɔ nu ɖo nyuie o la eye azu wo Fofo. Aleke Yehowa wɔa esiae? Esubɔla wɔnuteƒewo dzie wòtona wɔa esia. Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me la le abe míaƒe ƒome ene. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ tso ame siwo va wɔ ɖeka kplii le Yehowa subɔsubɔ me ŋu be wonye ye nɔviŋutsuwo, ye nɔvinyɔnuwo, kple ye dada.—Mat. 12:48-50.

10. Aleke apostolo Paulo wɔ hamemetsitsi ƒe dɔ si Mawu de esi lae?

10 Bu ƒomekadodo si le Kristo hamea me la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Apostolo Paulo nye hamemetsitsi wɔnuteƒe kple dɔ sesẽ wɔla. Eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe gɔ̃ hã wògblɔ na Kristotɔwo be woasrɔ̃ ye abe ale si yesrɔ̃ Kristo ene. (1 Kor. 11:1) Gbe ɖeka, Paulo ɖɔ hamemetsitsi ƒe dɔ si wòwɔna la ale: “Míewɔa nu ɖe mia ŋu tufafatɔe, abe ale si vidada léa be na eya ŋutɔ viawo nyuie ene.” (1 Tes. 2:7) Egbea, hamemetsitsi siwo léa be na nɔviawo la sea veve ɖe wo nu eye woƒoa nu na wo akɔfafatɔe ne wotsɔ Ŋɔŋlɔawo le akɔ fam na nɔvi siwo hiã akɔfafa.

Zi geɖe la, nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me la tea ŋu dea dzi ƒo na nɔvinyɔnu siwo hiã akɔfafa la nyuie ŋutɔ (Kpɔ memama 11 lia) *

11. Nu kae ɖee fia be menye hamemetsitsiwo koe ate ŋu afa akɔ na ame siwo hiã akɔfafa o?

11 Hamemetsitsiwo koe ate ŋu afa akɔ na ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevimea? Ao. Mí katã míaƒe agbae wònye be ‘míayi edzi anɔ akɔ fam na mía nɔewo.’ (1 Tes. 4:18) Vevietɔ, nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me la ate ŋu ade dzi ƒo na nɔvinyɔnu siwo hiã akɔfafa. Esɔ nyuie ŋutɔ be Yehowa Mawu tsɔ eɖokui sɔ kple vidada si faa akɔ na via. (Yes. 66:13) Biblia gblɔ be nyɔnuwo hã fa akɔ na ame siwo kpe fu le xaxawo me. (Hiob 42:11) Edzɔa dzi na Yehowa ŋutɔ be, egbea, nyɔnu Kristotɔwo le akɔ fam na wo nɔvinyɔnu haxɔsetɔ siwo le seselelãmekuxiwo me tom! Le go aɖewo me la, hamemetsitsiwo ate ŋu abia nɔvinyɔnu aɖe si tsi le xɔse me la be, ɖe wòate ŋu akpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe si le xaxawo me tom ŋu mahã. *

NU KAWOE MÍATE ŊU AWƆ ATSƆ AKPE ÐE WO ŊU?

12. Nu kae wòle be míaƒo asa na?

12 Togbɔ be míadi be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu hã la, ele be míakpɔ nyuie be míagake ŋku ɖe ame ŋutɔ ƒe nya siwo ŋu medi be yeaƒo nu tsoe o la me o. (1 Tes. 4:11) Nu kae míate ŋu awɔ na nɔvi siwo hiã na kpekpeɖeŋu kple akɔfafa eye wodi be woakpe ɖe yewo ŋu? Na míadzro Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame atɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míafa akɔ na wo la me.

13. Abe ale si wòdze le 1 Fiawo 19:5-8 ene la, nu kae Yehowa ƒe dɔla wɔ tsɔ kpe ɖe Eliya ŋu, eye aleke míawɔ asrɔ̃ mawudɔla sia?

13 Wɔ nane nàtsɔ akpe ɖe amea ŋu. Esime nyagblɔɖila Eliya si le ame siwo di be yewoawui nu la, dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be edi be yeaku. Yehowa dɔ mawudɔla sẽŋu aɖe ɖo ɖe egbɔ be wòaɖade dzi ƒo nɛ. Mawudɔlaa na nu si tututu Eliya hiã le gaƒoƒo ma me lae. Ena abolo dzodzoe Eliya hede dzi ƒo nɛ be wòaɖui. (Xlẽ 1 Fiawo 19:5-8.) Ŋutinya sia fia nyateƒenya vevi aɖe mí, eyae nye be: Ɣeaɖewoɣi la, nu tsɛ aɖe si míawɔ na ame aɖe dɔmenyotɔe la ate ŋu aɖe vi nɛ ale gbegbe. Ðewohĩ nuɖuɖu, alo nunana sue aɖe, alo agbalẽvi sue aɖe si dzi míeŋlɔ akɔfanyawo ɖo la tsɔtsɔ na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu si lé blanui la ate ŋu ana wòakpɔe be míelɔ̃ ye eye míetsɔ ɖe le eme na ye. Ne asesẽ na mí be míaɖo dze tso woawo ŋutɔwo ƒe nya aɖewo alo dzigbãnya siwo dzɔ ɖe wo dzi ŋu la, ɖewohĩ anya wɔ na mí be míawɔ nu suesuesue mawo atsɔ akpe ɖe wo ŋu.

14. Nu nyui kae míate ŋu asrɔ̃ tso Eliya ƒe ŋutinyaa me?

14 Na ame siwo dzi nu te ɖo la nase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie, eye na woƒe dzi nadze eme. Míagate ŋu asrɔ̃ nu bubu aɖe hã tso Eliya ƒe ŋutinyaa me. Yehowa to nukumɔ aɖe dzi na kpekpeɖeŋu si Eliya hiã lae wòte ŋu zɔ yi keke Xoreb Toa gbɔ ke. Ðewohĩ esi Eliya kpɔ eɖokui le teƒe didi ma, afi si Yehowa bla nu kple Eƒe amewo le ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, ese le eɖokui me be yele dedie. Anya se le eɖokui me be, fifia ya, ame siwo di be yewoawu ye la ƒe asi mate ŋu atu ye le keke afi ma o. Nufiame kae le esia me na mí? Ne míedi be míafa akɔ na ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime la, gbã la, ele be míakpe ɖe wo ŋu woase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Le kpɔɖeŋu me, ele be wòanɔ susu me na hamemetsitsiwo be, ne nu te ɖe nɔvinyɔnu aɖe si to nɔnɔme sesẽ ma me dzi la, ɖewohĩ ase le eɖokui me be yele dedie ne wona tii dzodzoe aɖee wòle nonom le aƒe si me dziɖeɖi le me tsɔ wu be woafa akɔ nɛ le Fiaɖuƒe Akpataa ƒe xɔ evelia me. Gake maɖe fu na ame bubu ya be yeaƒo nu tso nu si me yeto la ŋu le Fiaɖuƒe Akpataa me o.

Míate ŋu ada gbe le ame siwo hiã na akɔfafa la ŋu, ne míeɖoa to wo dzigbɔɖitɔe, ne míeƒoa koko na Yehowa ɖe wo ta, eye míegblɔa akɔfanyawo na wo (Kpɔ memama 15-20 lia) *

15-16. Nu kae wòbia be woanye toɖola nyui?

15 Nye toɖola nyui. Biblia ɖo aɖaŋu eme kɔ nyuie be: “Ame sia ame naɖe abla le nusese me, [eye wòanɔ] blewu le nuƒoƒo me.” (Yak. 1:19) Ðe míenye toɖola nyuiwoa? Ðewohĩ míesusuna be, nu si wòfia be woanye toɖola nyui ye nye be, woalé ame ɖokui kpoo anɔ to ɖom ahanɔ amea ŋkume kpɔm naneke mawɔmawɔe alo nya aɖeke magblɔmagblɔe. Gake nu si wòbia be woanye toɖola nyui la yi ŋgɔ wu ema. Le kpɔɖeŋu me, Eliya va ɖe eƒe vevesesewo gblɔ na Yehowa mlɔeba, eye Yehowa ɖo to eƒe nyawo nyuie. Yehowa de dzesii be Eliya nɔ vɔvɔ̃m, ese le eɖokui me be yetsi akogo, eye dɔ siwo katã yeku kutri wɔ la zu dzodzro. Yehowa kpɔ eƒe dzimaɖitsitsiawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ lɔlɔ̃tɔe. Eɖee fia be yeɖo to Eliya ƒe nyawo nyuie.—1 Fia. 19:9-11, 15-18.

16 Ne ame si dzi nu te ɖo le eƒe nyawo gblɔm na mí eye míele to ɖom la, aleke míate ŋu aɖe veveseɖeamenu kple dɔmetɔtrɔ, siwo nye nɔnɔme nyui siwo ɖea lɔlɔ̃ fiana, la afia? Ɣeaɖewoɣi la, akɔfanya ʋɛ aɖewo siwo míagblɔ le ŋuɖɔɖo me la ate ŋu aɖe ale si míese le mía ɖokui me la afia. Ðewohĩ àte ŋu agblɔ be: “Ete ɖe dzinye ŋutɔ be nu ma dzɔ ɖe dziwò! Mele be woawɔ nu ɖe ɖevi aɖeke ŋu nenema o!” Ðewohĩ, àte ŋu abia nya ɖeka eve aɖewo be nàka ɖe edzi be yese nɔvi si dzi nu te ɖo vevie la ƒe nyawo gɔme nyuie. Ðewohĩ, àte ŋu abiae be, “Meɖe kuku, àte ŋu akpe ɖe ŋunye be mase nu si nèwɔnɛ la gɔmea?” Alo àte ŋu agblɔ be: “Esi nègblɔ nya sia la, mese egɔme be . . . Meɖe kuku, mese egɔme nyuiea?” Ewɔwɔ alea ana amea naka ɖe edzi be èle to ɖom yeƒe nyawo nyuie hele agbagba dzem be yease wo gɔme.—1 Kor. 13:4, 7.

17. Nu ka tae wòle be nàgbɔ dzi ɖi na amea eye ‘nànɔ blewu le nuƒoƒo me’?

17 Gake esi nèle to ɖom amea ƒe nyawo la, kpɔ egbɔ be ‘yele blewu le nuƒoƒo me.’ Mègatso nya le enu be yeaɖo aɖaŋu nɛ alo yeaɖɔ eƒe susu ɖo o. Gbɔ dzi ɖi nɛ! Esi Eliya va ɖe eƒe vevesesewo gblɔ na Yehowa mlɔeba la, eƒo nu kple adã le esi nu te ɖe edzi vevie ta. Esi Yehowa do ŋusẽ Eliya vɔ megbe la, egaɖe eƒe vevesesewo gblɔ na Yehowa ake, eye wògagbugbɔ gblɔ nya mawo ke. (1 Fia. 19:9, 10, 13, 14) Nu kae esia fia mí? Ɣeaɖewoɣi la, ame si le nu xam vevie la adi be yeaɖe yeƒe dzimenyawo agblɔ agagblɔ wo ake, zi geɖe gɔ̃ hã. Abe Yehowa ene la, míedi be míaɖo to woƒe nyawo dzigbɔɖitɔe. Le esi míadze agbagba be míagblɔ ale si woakpɔ kuxia gbɔe teƒe la, anyo wu be míase veve ɖe wo nu eye míaƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu.—1 Pet. 3:8.

18. Aleke míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu afa akɔ na ame siwo ƒe dzi gbã?

18 Do gbe ɖa kple ame si ƒe dzi gbã la, eye nàƒo koko na Yehowa ɖe eta. Menɔa bɔbɔe na ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la be woado gbe ɖa o. Le ame aɖewo gome la, wosena le wo ɖokuiwo me be yewomedze ate ɖe Yehowa ŋu o. Ne míedi be míafa akɔ na ame sia tɔgbi la, míate ŋu ado gbe ɖa kplii eye míayɔ eŋkɔ le gbedodoɖaa me. Míate ŋu agblɔ ale si gbegbe mía kple hamea siaa míelɔ̃a nu le mía nɔvi si dzi nu te ɖo la gbɔ o la na Yehowa. Míate ŋu abia Yehowa be wòana eƒe alẽ sia si gbɔ melɔ̃a nu le o la ƒe dzi nadze eme eye wòafa akɔ nɛ. Gbedodoɖa siawo tɔgbi ate ŋu ana amea ƒe dzi nadze eme ale gbegbe.—Yak. 5:16.

19. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ klalo be míafa akɔ na ame aɖe si dzi nu te ɖo?

19 Zã nya siwo daa gbe le ame ŋu hefaa akɔ na ame. Bu nya siwo nàgblɔ la ŋu nyuie. Nuƒoƒo eŋumabumabui ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Gake nya siwo wogblɔ dɔmenyotɔe la ate ŋu ada gbe le ame ŋu. (Lod. 12:18) Eya ta, do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be wò susu nayi lɔlɔ̃nyawo, akɔfanyawo kple nya siwo ana dzidzeme ame la dzi. Nenɔ susu me na wò be ŋusẽ mele nya aɖeke ŋu wu Yehowa ŋutɔ ƒe nya siwo le Biblia me o.—Heb. 4:12.

20. Susu gbegblẽ kawoe ate ŋu anɔ ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime la si ɖe wo ɖokuiwo ŋu, eye nu ka dzie míate ŋu aɖo ŋkui na wo?

20 Nɔvi aɖewo siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime me la ate ŋu ava nɔ wo ɖokuiwo bum be yewonye ame gbegblẽ, ame ƒoɖi, kple ame si medze be woalɔ̃ alo afa akɔ na gɔ̃ hã o. Alakpanya vɔ̃ɖi ka gbegbee nye esi! Eya ta, zã Ŋɔŋlɔawo nàtsɔ ana woaɖo ŋkui be Yehowa lɔ̃ wo vevie ŋutɔ. (Kpɔ aɖaka si nye “ Mawunyakpukpui Siwo Faa Akɔ Na Ame.”) Ðo ŋku ale si mawudɔla aɖe do ŋusẽ nyagblɔɖila Daniel dɔmenyotɔe, esime nu te eŋu vevie eye eƒe dzi gbã gudugudu, la dzi. Yehowa di be ŋutsu ma si gbɔ yemelɔ̃a nu le o la nanyae be yedea asixɔxɔ eŋu ŋutɔ. (Dan. 10:2, 11, 19) Nenema kee Yehowa dea asixɔxɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dzi nu te ɖo vevie la ŋui!

21. Nu kae ava dzɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo katã dzi, ke hã, nu kae wòle be mí katã míaɖo kplikpaa be míanɔ wɔwɔm hafi ɣemaɣi naɖo?

21 Ne míefaa akɔ na mía nɔviwo la, míele ŋku ɖom edzi na wo be Yehowa lɔ̃ wo. Eye mele be míaŋlɔ be gbeɖe be Yehowa nye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu hã o. Yehowa nya nu tso ame ɖe sia ɖe si ŋu wowɔ gbɔdɔnu ɖo le ɖevime la ŋu, ne ame aɖeke menya nu tso eŋu o gɔ̃ hã. Yehowa kpɔa nuwo katã, eye magbe tohehe na nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo o. (4 Mose 14:18) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mina mí katã míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime. Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi ye nye esi be míanyae be, Yehowa ava da gbe le ame siwo katã ŋu Satana kple eƒe xexea gblẽ nu le vevie la ŋu! Eteƒe madidi o, míagaɖo ŋku nu siawo siwo doa vevesese na mí la dzi o, eye womagava míaƒe susu me ake gbeɖe o.—Yes. 65:17.

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

^ mm. 5 Ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime la ate ŋu ato xaxa kple nuteɖeamedzi geɖe me, le ƒe geɖe megbe gɔ̃ hã. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míase nu si tae wòdzɔna alea la gɔme. Gakpe ɖe eŋu la, ana míakpɔ ame siwo ate ŋu afa akɔ na mía nɔvi siawo. Eye mlɔeba, míadzro mɔ nyui siwo dzi míate ŋu ato afa akɔ na wo la me.

^ mm. 11 Ame si ŋu wowɔ gbɔdɔnu ɖo le ɖevime la ŋutɔe atso nya me ne adi kpekpeɖeŋu tso ɖɔkta aɖe gbɔ.

^ mm. 76 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe si tsi le xɔse me la le akɔ fam na nɔvinyɔnu si le seselelãmekuxiwo me tom.

^ mm. 78 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: amemetsitsi eve yi ɖasrã nɔvinyɔnu si dzi nu te ɖo vevie la kpɔ. Ekpe nɔvinyɔnu si tsi le xɔse me la be wòanɔ eteƒe.