Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 18

Ale Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Ðea Dzesi Le Kristo Hamea Me

Ale Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Ðea Dzesi Le Kristo Hamea Me

“Miyi edzi miakpe ɖe mia nɔewo ŋu le miaƒe agba kpekpewo tsɔtsɔ me, ale miawɔ Kristo la ƒe se la dzi bliboe.”—GAL. 6:2.

HADZIDZI 12 Mawu Gã Yehowa

NYA VEVIAWO *

1. Nu eve kawo dzie míate ŋu aka ɖo?

YEHOWA MAWU lɔ̃ esubɔlawo. Elɔ̃a wo ɣeawokatãɣi, eye alɔ̃ wo ɖaa. Azɔ hã, elɔ̃a dzɔdzɔenyenye. (Ps. 33:5) Eya ta, míate ŋu aka ɖe nu eve siawo dzi; woawoe nye: (1) Etena ɖe Yehowa dzi ne womewɔ nu ɖe eƒe amewo ŋu nyuie o. (2) Edo ŋugbe be yeava kpɔ egbɔ be woagawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe yeƒe amewo ŋu azɔ o, eye yeahe to na ame siwo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo ŋu la ɖe eteƒe. Le nyati eneawo ƒe gbãtɔ me la, * míekpɔe be lɔlɔ̃ dzie wotu Se si Mawu na Israel-viwo to Mose dzi la ɖo. Sea de dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe, ebia be woawɔ nu ɖe amewo katã—ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo gɔ̃ hã—ŋu le dzɔdzɔenyenye me. (5 Mose 10:18) Se ma ɖe ale si gbegbe Yehowa léa be na esubɔlawoe la fia.

2. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na?

2 Mose ƒe Sea wu enu le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me esime woɖo Kristo hamea anyi. Ðe wòfia be se si wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi, si dea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe la manɔ Kristotɔwo ya si be wòaɖe vi na wo oa? Mefia nenema kura o! Wona se yeye aɖe Kristotɔwo. Le nyati sia me la, gbã la, míaƒo nu tso se sia ŋu. Eyome, míaɖo biabia siawo ŋu: Nu ka tae míate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ dzie wotu se sia ɖo? Nu ka tae míate ŋu agblɔ be edea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe? Eye le se sia te la, aleke wòle na ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la be woawɔ nu ɖe amewo ŋu?

NU KAE NYE “KRISTO LA ƑE SE LA”?

3. Nu kawoe ƒo ƒu nye “Kristo la ƒe se la” si ŋu Galatiatɔwo 6:2 ƒo nu tsoe?

3 Xlẽ Galatiatɔwo 6:2. Kristotɔwo le “Kristo la ƒe se la” te. Yesu meŋlɔ se ƒe ɖoɖo aɖe koŋ ɖi na eyomedzelawo o, ke boŋ ena mɔfiamewo, sewo, kple gɔmeɖose siwo nu woanɔ agbe ɖo la wo. Nu siwo katã Yesu fia la hã le “Kristo la ƒe se la” me. Míasrɔ̃ nu geɖe tso se sia ŋu le memama siwo gbɔna la me.

4-5. Aleke Yesu fia nu amewoe, eye ɣekaɣiwoe wòfia nu amewo?

4 Aleke Yesu fia nu amewoe? Gbã la, eto eƒe nyagbɔgblɔwo dzi fia nu amewo. Ŋusẽ le eƒe nyawo ŋu, elabe nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu lae wògblɔ na amewo, ekpe ɖe amewo ŋu wonya taɖodzinu vavãtɔ si le agbea ŋu, eye eɖee fia be Mawu Fiaɖuƒea ye ava ɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo katã ɖa. (Luka 24:19) Azɔ hã, Yesu to eƒe kpɔɖeŋu nyuiwo dzi fia nu amewo. Eto eƒe agbenɔnɔ dzi fia eyomedzelawo ale si wòle be woanɔ agbee.—Yoh. 13:15.

5 Ɣekaɣiwoe Yesu fia nu amewo? Efia nu amewo le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me. (Mat. 4:23) Azɔ hã, efia nu eyomedzelawo le eƒe tsitretsitsi megbe kpuie. Le kpɔɖeŋu me, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la aɖewo siwo anya sɔ gbɔ wu ame 500, eye wòde se na wo be ‘woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mat. 28:19, 20; 1 Kor. 15:6) Yesu, si nye hamea ƒe ta la yi edzi fia nu eƒe nusrɔ̃lawo esi wòtrɔ dzo yi dziƒo. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 96 K.Ŋ. me la, Kristo de dɔ asi na apostolo Yohanes be wòade dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo ahaxlɔ̃ nu wo.—Kol. 1:18; Nyaɖ. 1:1.

6-7. (a) Afi kae míakpɔ Yesu ƒe nufiafiawo ŋuti nuŋlɔɖi le? (b) Aleke míewɔa Kristo la ƒe se la dzi?

6 Afi kae míakpɔ Yesu ƒe nufiafiawo ŋuti nuŋlɔɖi le? Nyanyuigbalẽ eneawo ƒo nu tso nya siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ le anyigba dzi la dometɔ geɖe ŋu. Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa susɔeawo, siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã ame siwo si “Kristo ƒe tamesusu” le woŋlɔ ɖi la hã kpena ɖe mía ŋu míenyaa ale si Yesu bua nuwo ŋui.—1 Kor. 2:16.

7 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Yesu ƒe nufiafiawo ku ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu. Eya ta, Kristo la ƒe se la nue míenɔa agbe ɖo le aƒe me, le dɔme alo suku, kple hamea me siaa. Míesrɔ̃a Kristo la ƒe se la ne míexlẽa Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo eye míedea ŋugble le nu si míexlẽ ŋu. Ne míetrɔa míaƒe agbenɔnɔ wòwɔa ɖeka kple se, gɔmeɖose kple mɔfiame siwo le nuŋlɔɖi mawo me la, ke míele Kristo la ƒe se la dzi wɔm. Ne míewɔa Kristo ƒe sea dzi la, ke míele to ɖom Yehowa, mía Mawu lɔ̃ame, si gbɔ Yesu ƒe nufiafiawo katã tso.—Yoh. 8:28.

ENYE SE SI WOTU ÐE LƆLƆ̃ DZI

8. Nu ka dzie wotu Kristo la ƒe se la ɖo?

8 Ame siwo le xɔ si wotu ɖe gɔmeɖoanyi sesẽ dzi me la sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Nenema kee se si wotu ɖe gɔmeɖose nyuitɔ dzi la nana ame siwo nɔa agbe ɖe enu la sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Gɔmeɖose nyuitɔ kekeake, si nye lɔlɔ̃, dzie wotu Kristo la ƒe se la ɖo. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ dzie wotu Kristo la ƒe se la ɖo?

Ne míewɔa nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me la, ekema, míele “Kristo la ƒe se la” dzi wɔm (Kpɔ memama 9-14 lia) *

9-10. Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be lɔlɔ̃e ʋã Yesu le nu sia nu si wòwɔ me, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

9 Gbã, lɔlɔ̃e ʋã Yesu le nu sia nu si wòwɔ me. Nublanuikpɔkpɔ kple veveseɖeamenu nye lɔlɔ̃ɖeɖefia. Amewo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu, eye esia ʋãe wòfia nu amehawo, da dɔ na amewo, na nuɖuɖu amewo, eye wòfɔ ame aɖewo siwo ku la ɖe tsitre. (Mat. 14:14; 15:32-38; Marko 6:34; Luka 7:11-15) Togbɔ be nu siawo wɔwɔ xɔa Yesu ƒe ɣeyiɣi geɖe eye wotea ɖeɖi eŋu hã la, ame bubuwo ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nɔa vevie nɛ wu eya ŋutɔ tɔ. Ƒo wo katã ta la, eɖe lɔlɔ̃ gã fia esime wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amegbetɔwo ta.—Yoh. 15:13.

10 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua ne ame bubuwo ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nɔa vevie na mí wu míawo ŋutɔwo tɔ. Nenema kee míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua ne míesea veve ɖe míaƒe anyigbamama me tɔwo nu. Ne míesea veve ɖe amewo nu eye esia ʋãa mí míeɖea gbeƒã nya nyuia na wo la, ke míele Kristo la ƒe se la dzi wɔm.

11-12. (a) Nu kae ɖee fia be Yehowa léa be na mí vevie? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃?

11 Evelia, Yesu na míekpɔ lɔlɔ̃ gã si gbegbe le Fofoa si na mí. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, eɖe ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ esubɔlawoe la fia. Yesu wɔ esia le mɔ vovovowo nu, eye ena míenya hã be: Mía Fofo si le dziƒo la dea asixɔxɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu eye míele vevie nɛ. (Mat. 10:31) Yehowa dina vevie be yeaxɔ yeƒe alẽ búbu si trɔ dzi me hetrɔ va ye gbɔ la ɖe hamea me. (Luka 15:7, 10) Yehowa ɖo kpe ale si gbegbe wòlɔ̃ míi la dzi na mí esi wòtsɔ Via na wònye tafe si wòxe ɖe mía ta.—Yoh. 3:16.

12 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ lae? (Ef. 5:1, 2) Míedea asixɔxɔ mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu ɖe sia ɖe ŋu eye wo dometɔ ɖe sia ɖe le vevie na mí, eye míetsɔa dzidzɔ xɔa “alẽ búbu” si trɔ va Yehowa gbɔ la alɔeve. (Ps. 119:176) Ne míetsona le mía ɖokui si kpena ɖe mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo ɖo hiã me ŋu la, míeɖoa kpe edzi be míelɔ̃ wo vavã. (1 Yoh. 3:17) Ne míewɔa nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me la, ekema, míele Kristo ƒe se la dzi wɔm.

13-14. (a) Abe ale si wòdze le Yohanes 13:34, 35 ene la, nu kae Yesu de se na eyomedzelawo be woawɔ, eye nu ka tae sedede sia nye se yeye? (b) Aleke míewɔa se yeye la dzi?

13 Etɔ̃lia, Yesu de se na eyomedzelawo be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia. (Xlẽ Yohanes 13:34, 35.) Yesu ƒe sea nye se yeye le susu sia nu be, sedede sia menɔ Se siwo Mawu tsɔ na Israel dukɔa la me o: Se sia bia be míalɔ̃ míaƒe haxɔsetɔwo abe ale si Yesu lɔ̃ mí ene. Esia bia be míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia. * Ele be míalɔ̃ mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo wu ale si míelɔ̃a mía ɖokui gɔ̃ hã. Ele be míalɔ̃ wo ale gbegbe be míate ŋu alɔ̃ faa atsɔ míaƒe agbe ana ɖe wo ta, abe ale si Yesu ku ɖe mía ta ene.

14 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Aleke míewɔa se yeyea dzi? Kpuie ko la, míewɔa se sia dzi ne míetsɔa nuwo saa vɔe ɖe mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ta. Míelɔ̃ wo vevie ale gbegbe be, menye ɖeko míelɔ̃na faa be míaku ɖe wo ta ko o, ke míelɔ̃na faa be míatsɔ nu suesuesuewo hã asa vɔ ɖe wo ta. Le kpɔɖeŋu me, ne míetsona le mía ɖokui si ɖakplɔa nɔvi tsitsi aɖe le eƒe aƒe me yia kpekpeawo edziedzi, alo ne míelɔ̃na faa ɖea asi le nu siwo dzɔa dzi na mí ŋu ale be míado dzidzɔ na míaƒe haxɔsetɔwo, alo ne míexɔa ɣeyiɣi le dɔme hekpea asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu la, ekema, míele Kristo ƒe se la dzi wɔm. Ne míewɔa nu siawo la, míele asi kpem ɖe eŋu be míaƒe hamea nanye dziɖeɖinɔƒe kple dedienɔƒe na ame sia ame.

ENYE SE SI DEA DZI ƑO NA AMEWO BE WOAWƆ NU DZƆDZƆE

15-17. (a) Aleke Yesu ƒe nuwɔnawo ɖee fia be elɔ̃ dzɔdzɔenyenye? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua?

15 Le Biblia me la, ‘nu dzɔdzɔe wɔwɔ’ fia be míawɔ nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume, eye míawɔe ameŋkumemakpɔmakpɔe. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Kristo ƒe se la dea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe?

Yesu de bubu nyɔnuwo ŋu hewɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe; nenema kee wòwɔ nu ɖe ame siwo woɖia gbɔ̃e vevie la hã ŋu (Kpɔ memama 16 lia) *

16 Gbã, bu ale si Yesu ƒe nuwɔnawo ɖee fia be elɔ̃ dzɔdzɔenyenye la ŋu kpɔ. Le Yesu ƒe ŋkekea me la, Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo lé fu dukɔ bubu me tɔwo, woɖia gbɔ̃ woawo ŋutɔwo detɔ siwo nye ame tsɛwo, eye womedea bubu nyɔnuwo ŋu o. Gake Yesu ya wɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie, mede vovototo amewo me alo wɔ nu ɖe wo ŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe o. Exɔ dukɔ bubu me tɔ siwo xɔ edzi se la nyuie. (Mat. 8:5-10, 13) Mebu nazã ɖe amewo ŋu o, ke boŋ, eɖe gbeƒã na kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa. (Mat. 11:5; Luka 19:2, 9) Mesẽ ŋuta le nyɔnuwo ŋu alo wɔ ŋlɔmi ɖe wo ŋu kpɔ o. Ke boŋ, ede bubu wo ŋu hewɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe; eye nenemae wòwɔ nu ɖe nyɔnu aɖe si amewo ɖia gbɔ̃e vevie la gɔ̃ hã ŋu.—Luka 7:37-39, 44-50.

17 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua, ne míedea vovototo amewo me o eye míeɖea gbeƒã na ame sia ame si lɔ̃ faa be yeaɖo to míaƒe gbedeasia, eɖanye kesinɔtɔ alo ame dahe o, eye metsɔ le subɔsubɔha si me tɔ wònye me o. Ŋutsu Kristotɔwo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua ne wodea bubu nyɔnuwo ŋu. Ne míewɔa nu siawo la, ekema, míele Kristo ƒe se la dzi wɔm.

18-19. Nu kae Yesu fia tso dzɔdzɔenyenye ŋu, eye nu kawoe míesrɔ̃ tso eƒe nufiafiaa me?

18 Evelia, bu nu si Yesu fia tso dzɔdzɔenyenye ŋu la ŋu kpɔ. Efia gɔmeɖose vevi siwo akpe ɖe eyomedzelawo ŋu be woawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie la wo. Le kpɔɖeŋu me, bu Sikasededea ŋu kpɔ. (Mat. 7:12) Mí katã míedina be woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie. Eya ta, ele be míawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu nyuie. Ne míewɔnɛ alea la, esia dea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie. Ke, ne edzɔ be amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o ɖe? Yesu fia nu eyomedzelawo hã be woaka ɖe edzi be Yehowa ‘ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame siwo le ɣli dom nɛ zã kple keli’ la. (Luka 18:6, 7) Le nyateƒe me la, ŋugbedodoe nya sia nye. Efia be: Mía Mawu si lɔ̃a dzɔdzɔenyenye la nya nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele le ŋkeke mamlɛ siawo me la nyuie, eye ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.—2 Tes. 1:6.

19 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme: Ne míewɔna ɖe gɔmeɖose siwo Yesu fia dzi la, míawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Eye ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu le Satana ƒe xexe sia me la, nyanya be Yehowa ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na mí la ate ŋu ana míakpɔ akɔfafa.

ALEKE WÒLE BE AME SIWO LE ŊUSẼNƆƑEWO LA NAWƆ NU ÐE AME BUBUWO ŊUI?

20-21. (a) Aleke wòle be ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la nawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋui? (b) Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu aɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia, eye aleke wòle be vifofowo nawɔ nu ɖe wo viwo ŋu?

20 Le Kristo ƒe sea te la, aleke wòle be ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la nawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋui? Esi wònye be lɔlɔ̃ dzie wotu se sia ɖo ta la, ele na ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la be woawɔ nu ɖe ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la ŋu le bubu, ameŋububu kple lɔlɔ̃ me. Ele be woaɖo ŋku edzi be Kristo la di be míawɔ nu sia nu le lɔlɔ̃ me.

21 Le ƒomea me. Ele na srɔ̃ŋutsu be wòalɔ̃ srɔ̃a ‘abe ale si Kristo la hã lɔ̃ hame la ene.’ (Ef. 5:25, 28, 29) Ele be srɔ̃ŋutsu nasrɔ̃ Kristo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ la le mɔ sia nu be srɔ̃a ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ alo eƒe nyonyo nanɔ vevie nɛ wu eya ŋutɔ tɔ. Ate ŋu asesẽ na ŋutsu aɖewo be woawɔ nu ɖe wo srɔ̃ ŋu nenema, ɖewohĩ le esi wònye be ƒome si me womewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie le lɔlɔ̃ me o la mee wonɔ tsi ta. Ate ŋu asesẽ na wo be woaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ siwo tsi wo si la ŋu, gake ele be woatrɔ woƒe nɔnɔme ale be woate ŋu awɔ Kristo ƒe se la dzi. Ne srɔ̃ŋutsu ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fiana la, srɔ̃a dea bubu eŋu. Vifofo si lɔ̃ viawo vavã la mawɔ nu vevi wo alo agblɔ nya veamewo ɖe wo ŋu o. (Ef. 4:31) Ke boŋ, enana ɖeviawo kpɔnɛ be yelɔ̃ wo eye yekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu, eye esia nana ɖeviawo sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Ne vifofo aɖe wɔa nu alea la, viawo lɔ̃nɛ eye wokana ɖe edzi.

22. Abe ale si 1 Petro 5:1-3 gblɔe ene la, ame ka tɔe ‘alẽawo’ nye, eye aleke wòle be woawɔ nu ɖe wo ŋui?

22 Le hamea me. Ele be hamemetsitsiwo naɖo ŋku edzi be menye wo tɔe ‘alẽawo’ nye o. (Yoh. 10:16; xlẽ 1 Petro 5:1-3.) Ele be nyagbɔgblɔ siwo nye “Mawu ƒe alẽha,” “le Mawu ŋkume,” kple “ame siwo nye Mawu tɔ” la naɖo ŋku edzi na hamemetsitsiwo be Yehowa tɔe alẽawo nye. Edi be woalé be na yeƒe alẽawo eye woawɔ nu ɖe wo ŋu le lɔlɔ̃ me. (1 Tes. 2:7, 8) Hamemetsitsi siwo wɔa nu ɖe alẽawo ŋu le lɔlɔ̃ me le woƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me la ƒe nu dzea Yehowa ŋu. Nɔviawo hã lɔ̃a hamemetsitsi siawo eye wodea bubu wo ŋu.

23-24. (a) Akpa kae hamemetsitsiwo wɔna le nu gbegblẽ wɔwɔ siwo nye ŋkubiãnya la gbɔ kpɔkpɔ me? (b) Ne hamemetsitsiwo le nya siawo tɔgbi gbɔ kpɔm la, nu ka dzie wòle be woƒe susu nanɔ?

23 Akpa kae hamemetsitsiwo wɔna le nu gbegblẽ wɔwɔ siwo nye ŋkubiãnya la gbɔ kpɔkpɔ me? Akpa si wowɔna la to vovo na akpa si ʋɔnudrɔ̃lawo kple ametsitsiwo wɔ le Se si Mawu tsɔ na Israel-viwo la te. Le Se ma te la, menye nya siwo ku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu la gbɔ koe ametsitsi mawo kpɔna o, ke wokpɔa hlɔ̃donyawo kple sedzidada bubuwo ƒe nyawo hã gbɔ. Gake le Kristo ƒe sea te la, akpa si hamemetsitsiwo wɔna ye nye be wokpɔa nu gbegblẽ wɔwɔa ƒe akpa si ku ɖe subɔsubɔ si míetsɔna naa Yehowa ŋu la ɖeɖe ko gbɔ. Wonyae be setɔwo ƒe agbae wònye le Mawu ŋkume be woakpɔ dukɔa ƒe sewo dzi dada ƒe nyawo kple hlɔ̃donyawo gbɔ. Tohehe siwo dziɖuɖua ana nu gbegblẽ wɔlaa, abe fe siwo woaka nɛ be wòaxe alo eléle de gaxɔ me ene, hã le eme.—Rom. 13:1-4.

24 Aleke hamemetsitsiwo kpɔa nu gbegblẽ wɔwɔa ƒe akpa siwo ku ɖe subɔsubɔ si míetsɔna naa Yehowa ŋu la gbɔe? Wozãa Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiamewo tsɔ daa nyaawo kpɔna nyuie hetsoa nya me le wo ŋu. Enɔa susu me na wo ɣesiaɣi be lɔlɔ̃ dzie wotu Kristo ƒe se la ɖo. Ne hamemetsitsiwo le nya siawo tɔgbi gbɔ kpɔm la, lɔlɔ̃ ʋãa wo wodea ŋugble le nya sia ŋu: Nu kae wòhiã be míawɔ atsɔ akpe ɖe ame sia ame si le hamea me si ŋu hlɔ̃donua gblẽ nu le la ŋu? Le nu gbegblẽ wɔlaa gome la, lɔlɔ̃ ʋãa hamemetsitsiwo wobua nya siawo ŋu: Ðe wòtrɔ dzi mea? Ðe míate ŋu akpe ɖe eŋu be wòadzra eya kple Yehowa dome ɖoa?

25. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

25 Aleke gbegbe míedaa akpee ye nye esi be míele Kristo ƒe se la te! Ne mí katã míekua kutri vevie wɔna ɖe se sia dzi la, míekpea asi ɖe eŋu be ame sia ame nase le eɖokui me be wolɔ̃ ye, wodea asixɔxɔ ye ŋu, eye yele dedie le hamea me. Ke hã, xexe vɔ̃ɖi si me “ame vɔ̃ɖiwo” le “vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi” le la mee míele. (2 Tim. 3:13) Ele be míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi. Aleke hamemetsitsi siwo le Kristo hamea me la ɖea Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fiana ne wole hlɔ̃donya siwo nye gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu la ƒe nyawo gbɔ kpɔm? Nyati si kplɔ esia ɖo la aɖo biabia sia ŋu.

HADZIDZI 15 Mikafu Yehowa Ƒe Ŋgɔgbevi La!

^ mm. 5 Nyati sia kple eve siwo akplɔ esia ɖo la nye nyati siwo do ƒome kple wo nɔewo, siwo dzro nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nye lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la me. Yehowa di be woawɔ nu ɖe yeƒe amewo ŋu le dzɔdzɔenyenye me, eye efaa akɔ na ame siwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo le xexe vɔ̃ɖi sia me.

^ mm. 1 Kpɔ nyati si nye “Ale Si Mose Ƒe Sea Ðe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Dzɔdzɔenyenye Fia,” si dze le February 2019 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 13 NYAMEÐEÐE: Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ʋãa mí míenana ame bubuwo ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ kple woƒe nyonyo nɔa vevie na mí wu míawo ŋutɔwo tɔ. Míelɔ̃na faa be míatsɔ nanewo asa vɔe alo ate nanewo mía ɖokui ale be míawɔ wo ŋu dɔ be woaɖe vi na ame bubuwo alo atsɔ akpe ɖe wo ŋu.

^ mm. 61 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Yesu le ahosi aɖe si ƒe viŋutsu ɖeka kolia ku la kpɔm. Eƒe nu wɔ nublanui na Yesu eye wòfɔ ɖekakpuia ɖe tsitre.

^ mm. 63 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Yesu le nu ɖum le Farisitɔ aɖe si ŋkɔe nye Simon la ƒe me. Ðeko nyɔnu aɖe si anya nye gbolo la fa aɖatsiwo kɔ ɖe Yesu ƒe afɔwo dzi, tsɔ eƒe taɖa tutu wo hekɔ ami ɖe wo dzi koe nye ema. Simon he nya ɖe nyɔnua ŋu, gake Yesu ʋli nyɔnua ta.