Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 26

Kpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Xaxawo Me

Kpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Xaxawo Me

“Mi katã miaƒe susu nawɔ ɖeka, mise veve ɖe ame nu, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi.”—1 PET. 3:8.

HADZIDZI 107 Lɔlɔ̃ Ƒe Kpɔɖeŋu Si Mawu Ðo

NYA VEVIAWO *

1. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame la?

YEHOWA lɔ̃ mí vevie ŋutɔ. (Yoh. 3:16) Míedi be míasrɔ̃ mía Fofo lɔ̃ame la. Eya ta, míedzea agbagba be ‘míase veve ɖe amewo katã nu, míalɔ̃ wo abe dadaviwo ene, eye míaƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu,’ gake vevietɔ, ame siwo “do ƒome kpli mí le xɔse la me.” (1 Pet. 3:8; Gal. 6:10) Ne mía nɔvi Kristotɔwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, anyo be míakpe ɖe wo ŋu.

2. Nu ka me míadzro le nyati sia me?

2 Nɔnɔme sesẽwo ava ame sia ame si di be yeanye Yehowa ƒe ƒomea me tɔ la dzi. (Marko 10:29, 30) Eye anɔ eme godoo be míado go dodokpɔ geɖe wu esime nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum. Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔewo ŋu? Na míadzro Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe Lot, Hiob, kple Naomi ŋu la me eye míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso wo me. Gakpe ɖe eŋu la, míadzro kuxi siwo me tom mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo le egbea la dometɔ aɖewo kpakple ale si míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woado dzi la me.

GBƆ DZI ÐI NA WO

3. Abe ale si 2 Petro 2:7, 8 ɖee fia ene la, nyametsotso gbegblẽ kae Lot wɔ, eye nu kae do tso eme?

3 Lot wɔ nyametsotso gbegblẽ aɖe esi wòtiae be yeaɖanɔ ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me dzimesesẽtɔe la dome le Sodom. (Xlẽ 2 Petro 2:7, 8.) Nu dze edzi na amewo le nutoa me, gake Lot va to nɔnɔme sesẽ geɖe me le esi wòʋu yi Sodom ta. (1 Mose 13:8-13; 14:12) Anɔ eme be srɔ̃a ƒe dzi va ku ɖe dua alo dua me tɔ aɖewo ŋu ale gbegbe be meɖo to Yehowa o. Ebú eƒe agbe esime Mawu na dzo kple dzokpe dza tso dziƒo ɖe nutoa dzi. Eye bu Lot vinyɔnu eveawo ŋu kpɔ. Ŋutsu siwo gbɔna wo ɖe ge la ku le Sodom. Lot bú eƒe aƒea, kple eƒe nunɔamesiwo, eye esi ganyra wue nye be, srɔ̃a hã ku. (1 Mose 19:12-14, 17, 26) Esi Lot nɔ nɔnɔme sesẽ mawo me tom la, ɖe Yehowa ɖe asi le Lot ŋua? Ao.

Yehowa se veve ɖe Lot kple eƒe ƒomea nu eye wòdɔ mawudɔlawo ɖa be woaɖaɖe wo tso afɔku me (Kpɔ memama 4 lia)

4. Aleke Yehowa gbɔ dzi ɖi na Lot? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

4 Togbɔ be Lot ŋutɔe tso nya me yi ɖanɔ Sodom hã la, Yehowa se veve ɖe enu hedɔ mawudɔlawo be woaɖaɖe eya kple eƒe ƒomea. Ke hã, esi mawudɔlawo gblɔ na Lot be wòawɔ kaba adzo le Sodom la, Lot mewɔ nu kpata o, ke boŋ, ‘enɔ hehem ɖe megbe.’ Eva hiã be mawudɔlawo nalé eƒe alɔnu ahakpe ɖe eya kple eƒe ƒomea ŋu be woasi adzo le dua me. (1 Mose 19:15, 16) Eyome, mawudɔlawo gblɔ na wo be woasi ayi tonuto la me. Gake Lot mewɔ ɖe nya si Yehowa gblɔ nɛ la dzi o, ke ebia be yeayi du si tsɔ yewo gbɔ la me boŋ. (1 Mose 19:17-20) Yehowa gbɔ dzi ɖi na Lot heɖo toe, eye wòɖe mɔ nɛ be wòayi du ma me. Emegbe la, Lot va nɔ vɔvɔ̃m le afi ma, eye wòʋu yi tonuto si tututu me Yehowa gblɔ nɛ gbã be wòaɖanɔ la me. (1 Mose 19:30) Yehowa gbɔ dzi ɖi na Lot ale gbegbe! Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua?

5-6. Aleke míate ŋu awɔ nya siwo dze le 1 Tesalonikatɔwo 5:14 la ŋu dɔ le Mawu sɔsrɔ̃ me?

5 Ate ŋu adzɔ be mía nɔvi Yehowa subɔla aɖe nawɔ nyametsotso si me nunya mele o eye wòahe kuxi sesẽwo ava eɖokui dzi, abe ale si wònɔ le Lot gome ene. Ne edzɔ alea la, nu kae míawɔ? Ðewohĩ, awɔ na mí be míagblɔ nɛ be nu si wòƒã la ŋem wòle, eye anye nyateƒe hã. (Gal. 6:7) Ke hã, míate ŋu awɔ nu si nyo wu ema. Míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ahakpe ɖe mía nɔvia ŋu, abe ale si Yehowa kpe ɖe Lot ŋui ene. Le mɔ ka nu?

6 Menye ɖe Yehowa dɔ mawudɔlawo ɖa be woayi aɖaxlɔ̃ nu Lot ko evɔ o, ke woakpe ɖe eŋu hã be wòasi le vɔ̃ si va Sodom dzi la nu. Nenema kee ate ŋu ahiã be míaxlɔ̃ nu mía nɔvia ne míekpɔe be ele nane si ahe kuxi ava edzi la wɔm. Gake míate ŋu akpe ɖe eŋu hã. Ne mele wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia si tso Biblia me la dzi kaba o gɔ̃ hã la, ehiã be míagbɔ dzi ɖi nɛ. Wɔ nu abe mawudɔla eveawo ene. Nɔviwòa ƒe nu megati wò eye nàte ɖokuiwò ɖa le eŋu o, ke boŋ, ele be nàdi mɔ siwo dzi nàte ŋu ato ana kpekpeɖeŋu si sɔ lae. (1 Yoh. 3:18) Míate ŋu alé eƒe alɔnu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, eye míakpe ɖe eŋu wòawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:14.

7. Aleke Yehowa bu Lot, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua?

7 Yehowa ate ŋu atsɔ eƒe susu aɖo Lot ƒe blibomademadewo ŋu. Gake mewɔe nenema o, ke boŋ, eʋã apostolo Petro emegbe wòyɔ Lot be ame dzɔdzɔe. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa tsɔa míaƒe vodadawo kea mí! (Ps. 130:3) Ðe míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le ale si wòbu Lot mea? Ne míetsɔa susu ɖoa mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la, awɔe be míagbɔ dzi ɖi na wo geɖe wu. Esia awɔe be wòanɔ bɔbɔe na woawo hã be woalɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu si nam míele wo.

SE VEVE ÐE WO NU

8. Nu kae vevesese ɖe ame nu aʋã mí be míawɔ?

8 Menye nyametsotso gbegblẽ aɖe si Hiob wɔ lae he fukpekpewo va edzi, abe ale si wònɔ le Lot gome ene o. Ke hã, ekpe fu ale gbegbe; ebú eƒe nunɔamesiwo, bubu megava nɔ eŋu le eƒe nutoa me o, eye eƒe lãme hã gblẽ vevie. Esi ganyra wue nye be, vi siwo eya kple srɔ̃a wodzi la katã ku. Azɔ hã, Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃ aɖewo tso eyama nu alakpatɔe. Susu siwo tae yeaɖi akɔfala etɔ̃awo mese veve ɖe Hiob nu o la ƒe ɖe ye nye ka? Eyae nye be, womedze agbagba be yewoase nu si tututu nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi la gɔme o. Esia wɔe be, susu nyui menɔ wo si ɖe Hiob ŋu o eye wobu fɔe vevie. Nu kae míawɔ be míawo hã míagawɔ vodada ma ke o? Nenɔ susu me na wò be Yehowa ɖeɖe koe nyaa nyateƒe bliboa le nɔnɔme si me tom ame aɖe le ŋu. Lé to ɖe nya si gblɔm ame si le fu kpem la le ŋu nyuie. Mèganɔ eƒe nyawo sem ko evɔ o, bia ɖokuiwò be, ne yee le nɔnɔme ma me tom ɖe, aleke gbegbee wòate ɖe ye dzii? Esia ko hafi nàte ŋu ase veve ɖe nɔviwòŋutsua alo nɔviwònyɔnua nu wòade edeƒe.

9. Ne míese veve ɖe mía nɔvi si dzi nu te ɖo nu la, nu kae míaƒo asa na, eye nu ka tae?

9 Ne míese veve ɖe ame siwo dzi nu te ɖo nu la, esia awɔe be míaƒo asa na nya siwo mesɔ o gbɔgblɔ tso woƒe kuxiawo ŋu na ame bubuwo. Ameŋunyagblɔla metua hamea ɖo o; ke mama boŋ wòdea hamea me. (Lod. 20:19; Rom. 14:19) Menyoa dɔme o, ke boŋ, eƒoa nu eŋumabumabui, eye eƒe nyawo ate ŋu agblẽ nu le ame si le fu kpem xoxo la ŋu. (Lod. 12:18; Ef. 4:31, 32) Ne míelé ŋku ɖe mía nɔvia ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu eye míebu nu si míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋui ŋu la, ɖe manyo wu sãsãsã oa?

Ne nu te ɖe haxɔsetɔ aɖe dzi wòle ‘nu ƒom kple adã’ la, ɖo toe dzigbɔɖitɔe, eye nàfa akɔ nɛ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi (Kpɔ memama 10-11 lia) *

10. Nufiame kae le nya siwo dze le Hiob 6:2, 3 la me na mí?

10 Xlẽ Hiob 6:2, 3. Ɣeaɖewoɣi la, Hiob ‘ƒo nu kple adã.’ Ke hã, nya aɖewo siwo wògblɔ la va vee emegbe. (Hiob 42:6) Abe Hiob ene la, ame si dzi nu te ɖo la ate ŋu aƒo nu kple adã ɣeaɖewoɣi ahagblɔ nya aɖewo siwo ava vee emegbe. Ne edzɔ alea la, aleke wòle be míawɔ nui? Le esi míahe nya ɖe amea ŋu teƒe la, ele be míase veve ɖe enu boŋ. Ðo ŋku edzi be Yehowa meɖoe be mía dometɔ aɖeke nato kuxi kple nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele egbea la me o. Eya ta, ne nu te ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖe si le nɔnɔme sesẽwo me tom la dzi eye wògblɔ nya aɖe eŋumabumabui la, míate ŋu ase egɔme nɛ. Ne egblɔ nya si mesɔ o tso Yehowa alo mí ame siwo le agbagba dzem be míakpe ɖe eŋu gɔ̃ hã ŋu la, mele be míado dziku ɖe eŋu alo abu fɔe le eta o.—Lod. 19:11.

11. Ne hamemetsitsiwo le aɖaŋu ɖom na ame si dzi nu te ɖo la, aleke woate ŋu asrɔ̃ Elihu ƒe kpɔɖeŋua?

11 Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be woaɖo aɖaŋu na ame aɖe si dzi nu te ɖo la hã alo woaɖɔe ɖo. (Gal. 6:1) Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ esiae? Anyo be woasrɔ̃ Elihu ƒe kpɔɖeŋua. Elihu ɖo to Hiob ƒe nyawo nyuie hese veve ɖe enu. (Hiob 33:6, 7) Esi Elihu va se Hiob ƒe nuŋububu gɔme ko hafi wòɖo aɖaŋu nɛ. Hamemetsitsi siwo srɔ̃a Elihu ƒe kpɔɖeŋua la aɖo to nyuie ahadze agbagba be yewoase amea ƒe nɔnɔmea gɔme. Eyome, ne woɖo aɖaŋu na amea la, woƒe nyawo ate ŋu awɔ dɔ ɖe edzi.

FA AKƆ NA WO

12. Esi Naomi srɔ̃ kple viaŋutsu eveawo ku la, aleke wòse le eɖokui me?

12 Naomi nye nuteƒewɔla si lɔ̃ Yehowa. Gake le srɔ̃a kple viaŋutsu eveawo ƒe ku megbe la, megadi be woayɔ ye be Naomi o, ke boŋ, woayɔ ye be “Mara,” si gɔmee nye “Veve.” (Rut 1:3, 5, 20, etenuŋɔŋlɔ, 21) Naomi lɔ̃xoyɔvi Rut ku ɖe eyama ŋu le eƒe xaxawo me. Menye ɖeko Rut na kpekpeɖeŋu siwo Naomi hiã laeo, ke efa akɔ nɛ hã. Rut to nya bɔbɔe aɖe, si tso eƒe dzi me la dzi ɖee fia Naomi be yelɔ̃e, eye yeakpe ɖe eŋu.—Rut 1:16, 17.

13. Nu ka tae ame siwo srɔ̃ ku la hiã míaƒe kpekpeɖeŋu?

13 Ne mía nɔvi Yehowa subɔla aɖe ƒe srɔ̃ ku la, ehiã be míakpe ɖe eŋu. Míate ŋu atsɔ kadodo kplikplikpli si nɔa atsu kple asi dome la asɔ kple ati eve siwo tsi le wo nɔewo xa. Ne ƒeawo va le yiyim la, atiawo ƒe kewo ɖea alɔ ɖe wo nɔewo me heblana ɖe wo nɔewo ŋu. Ne woho atia ɖeka ɖa eye wòku la, esia ate ŋu agblẽ nu le evelia ŋu vevie. Nenema kee ne ame aɖe srɔ̃ ku la, ate ŋu axa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Paula, * si srɔ̃ ku kpata la, gblɔ be: “Ðeko nye agbe bliboa tɔtɔ, eye wɔna vɔ le ŋunye. Xɔ̃nye vevitɔ la megava li o. Srɔ̃nyee megblɔa nye nya ɖe sia ɖe na. Ne mele dzidzɔ kpɔm la, ekpɔa dzidzɔ kplim, eye ne mele ɣeyiɣi sesẽwo me tom la, ekpena ɖe ŋunye. Eyae faa akɔ nam ne mele nu xam. Mese le ɖokuinye me abe ɖe nye ametia ƒe akpa ɖeka ku ene.”

Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo srɔ̃ ku la ŋu? (Kpɔ memama 14-15 lia) *

14-15. Aleke míate ŋu afa akɔ na ame aɖe si srɔ̃ ku?

14 Ke aleke míate ŋu afa akɔ na ame aɖe si srɔ̃ ku? Afɔ vevi gbãtɔ si nàɖe ye nye be nàƒo nu na amea, ne ewɔ na wò be mènya nya si tututu nàgblɔ o gɔ̃ hã. Paula, si ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Menya be nuƒoƒo tso ku ŋu menɔa bɔbɔe na amewo o. Wovɔ̃na be, ɖewohĩ nya si yewoagblɔ la masɔ o. Gake nu si ganyra wu nya si mesɔ o gbɔgblɔe nye be woagagblɔ nya aɖeke kura o.” Ðewohĩ, ame si le nu xam le eƒe ame vevi si ku ta la mele mɔ kpɔm be míagblɔ nya wɔdɔɖeamedzi kokoko o. Paula gblɔ be: “Ne nɔviawo gblɔ nam be, ‘Evem be srɔ̃wò ku’ la, ema ɖeɖe dzea ŋunye.”

15 William, si srɔ̃ ku ƒe aɖewoe nye esi va yi la, gblɔ be: “Edzɔa dzi nam ne amewo gblɔ srɔ̃nye ŋuti nya aɖe; esia kana ɖe edzi nam be wolɔ̃e eye wode bubu eŋu. Nuƒoƒo tso eŋu alea ɖea vi nam ŋutɔ. Esia nana nye dzi dzea eme, elabena nyemelɔ̃a nu le srɔ̃nye gbɔ o, eye ewɔ akpa vevi aɖe le nye agbe me.” Ahosi aɖe si ŋkɔe nye Bianca gblɔ be: “Ne nɔviwo do gbe ɖa kplim eye wodzro mawunyakpukpui ɖeka eve aɖewo me kplim la, esia faa akɔ nam. Ne woƒo nu tso srɔ̃nye ŋu alo woɖo to nye nyawo esi mele nu ƒom tso srɔ̃nye ŋu la, esia kpena ɖe ŋunye ŋutɔ.”

16. (a) Nu kae wòle be míawɔ na ame aɖe si ƒe ame vevi aɖe ku? (b) Le Yakobo 1:27 ƒe nya nu la, agba kae le mía dzi?

16 Abe ale si Rut ku ɖe Naomi si zu ahosi la ŋui ene la, ehiã be míayi edzi anɔ kpekpem ɖe ame siwo ƒe ame vevi aɖe ku la ŋu. Paula, si ŋu míeƒo tsoe la, gblɔ be: “Le srɔ̃nye ƒe ku megbe teti la, nɔviwo kpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame sia ame trɔ ɖe eƒe gbe sia gbe dɔwo ŋu. Ke hã, nuwo trɔ keŋkeŋ le nye agbe me. Eɖea vi ŋutɔ ne amewo de dzesii be ame si le eƒe ame vevi aɖe ƒe ku fam la hiã yewoƒe kpekpeɖeŋu ɣleti geɖe, alo ƒe geɖe gɔ̃ hã, le kua megbe.” Ele eme be ame sia ame to vovo. Ame aɖewo tea ŋu trɔna ɖe woƒe nɔnɔme yeyea ŋu kaba. Gake le ame bubuwo gome la, ɣesiaɣi si wole dɔ aɖe alo nane si wo kple wo srɔ̃ lɔlɔ̃a wɔna tsã wɔm ko la, esia ɖoa ŋku edzi na wo be yewo srɔ̃ megali o. Menye amewo katãe xaa nu le mɔ ɖeka aɖe nu o. Mina míaɖo ŋku edzi be, Yehowa de bubu mía ŋu eye ede dɔ asi na mí be míalé be na ame siwo srɔ̃ ku la.—Xlẽ Yakobo 1:27.

17. Nu ka tae ame siwo wo srɔ̃ dzo le wo gbɔ la hiã míaƒe kpekpeɖeŋu?

17 Le srɔ̃tɔ aɖewo gome la, wo srɔ̃ dzo le wo gbɔ hegblẽ wo ɖi, eye ele be woado dzi le vevesese si gbegbe esia nye na wo la me. Joyce, si srɔ̃a dzo le egbɔ le nyɔnu bubu ta la, gblɔ be: “Srɔ̃gbegbea vem ŋutɔ; ne ɖe srɔ̃nye ku la, anye ne mevem nenema gbegbe o. Ne afɔku aɖe mee wòku le alo dɔe wòlé ku la, ekema, manye nu si wòɖo wɔ o. Gake le go sia me la, ɖe wòɖoe gblẽm ɖi. Mese le ɖokuinye me be eɖi gbɔ̃m eye eklo bubu le ŋunye.”

18. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo wo srɔ̃ dzo le wo gbɔ la ŋu?

18 Ne míewɔa dɔmenyonu suesuesuewo na ame siwo wo srɔ̃ dzo le wo gbɔ la, míetoa esia me kana ɖe edzi na wo be míelɔ̃ wo. Wohiã na xɔlɔ̃ nyuiwo fifia si wotsi akogo la ale gbegbe. (Lod. 17:17) Aleke nàte ŋu ana woakpɔe be yenye wo xɔlɔ̃? Àte ŋu adi numeɖenu sue aɖe ahakpe wo. Azɔ hã, àte ŋu awɔ ɖoɖo wò kpli wo miaɖe modzaka ɖekae alo miayi gbeadzi. Nu bubu si nàgate ŋu awɔe nye be, nànɔ wo kpem enuenu be woava kpɔ gome le miaƒe ƒometadedeagu me kpli mi. Ne èwɔnɛ alea la, àna Yehowa nakpɔ dzidzɔ, elabe Yehowa “tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ,” eye enye ‘ahosiwo takpɔla.’—Ps. 34:18; 68:5.

19. Esi nya siwo le 1 Petro 3:8 la le susu me na wò la, nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

19 Eteƒe madidi o, ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigbaa dzi ɖum la, ‘míaŋlɔ xaxawo katã be.’ Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me “tsãnuwo magava susu me na ame, alo ava ame ƒe dzi me o” la vevie ŋutɔ. (Yes. 65:16, 17) Hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míakpe ɖe mía nɔewo ŋu eye míato míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔvi Yehowa subɔlawo katã.—Xlẽ 1 Petro 3:8.

HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo

^ mm. 5 Lot, Hiob, kple Naomi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, ke hã, ehiã be woado dzi le xaxa siwo va wo dzi la me. Nyati sia dzro nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nu si me woto me la me. Gakpe ɖe eŋu la, edzro nu si tae wòle vevie be míagbɔ dzi ɖi na mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom, ase veve ɖe wo nu ahafa akɔ na wo la me.

^ mm. 13 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nu te ɖe nɔviŋutsu aɖe dzi vevie wòle ‘nu ƒom kple adã’ eye hamemetsitsi aɖe le to ɖomee dzigbɔɖitɔe. Ɣebubuɣi esi nɔviŋutsua ƒe dzi dze eme la, hamemetsitsia le aɖaŋu nyui aɖewo ɖom nɛ.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Atsu kple asi aɖe kpe nɔviŋutsu aɖe si tsi wu wo, si srɔ̃ ku eteƒe medidi o la, va wo ƒe me. Wole dze ɖom tso ŋkuɖodzinya nyui aɖewo ŋu tso srɔ̃a ŋu.