Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàkpɔ Ðokuiwò Ta Be Satana Ƒe Mɔ̃ Vɔ̃ɖi Aɖe Nagaɖe Wò O

Ale Si Nàkpɔ Ðokuiwò Ta Be Satana Ƒe Mɔ̃ Vɔ̃ɖi Aɖe Nagaɖe Wò O

ESIME wòsusɔ vie Israel-viwo natso Yordan-tɔsisia ahayi anyigba si ƒe ŋugbe Mawu do na wo dzi la, amedzro aɖewo va do. Amedzroawo nye dutanyɔnu siwo va kpe wo be woava ɖu azã kpli yewo. Ate ŋu awɔ na wo be mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee nye ema su yewo si. Adzro wo vevie be yewoadze xɔlɔ̃ yeyewo, aɖu ɣe ahaɖu nu viviwo. Togbɔ be nyɔnu mawo ƒe dekɔnuwo kple agbenɔnɔ ŋuti sewo to vovo na mɔfiame siwo le Se si Mawu de na Israel me hã la, Israel ŋutsuawo dometɔ aɖewo anya susu be: ‘Magblẽ naneke le mía ŋu o. Míaɖɔ ŋu ɖo.’

Nu kae va dzɔ? Nuŋlɔɖi si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la gblɔ na mí be: “Dukɔ la de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab nyɔnuwo.” Le nyateƒe me la, nyɔnuawo di be Israel ŋutsu mawo nasubɔ alakpamawuwo. Eye nu ma tututue wowɔ! Eya ta, eme kɔ ƒãa be, “Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu.”—4 Mose 25:1-3.

Israel-vi mawo da le Mawu ƒe Sea dzi le mɔ eve nu: Wode ta agu na legbawo, eye woƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Ame akpe geɖe ku le woƒe tomaɖomaɖo ta. (2 Mose 20:4, 5, 14; 5 Mose 13:6-9) Nu kae na be woƒe nuwɔnaa wɔ nublanui ŋutɔ? Ɣeyiɣi si me nua dzɔ tae. Ne ɖe ŋutsuawo meda le Mawu ƒe Sea dzi o la, anye ne madidi o, ame akpe geɖe siwo ku la atso Yordan ahayi Ŋugbedodonyigbaa dzi hafi.—4 Mose 25:5, 9.

Apostolo Paulo ŋlɔ tso nudzɔdzɔ mawo ŋu be: “Nu siawo dzɔ ɖe wo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔ wo ɖi be wòanye nuxlɔ̃ame na mí ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la.” (1 Kor. 10:7-11) Ðikeke mele eme o be, edzɔ dzi na Satana ŋutɔ be Israel-vi mawo wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya eye esia wɔe be womegadze ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. Aleke gbegbe nunya le eme ye nye esi be míana nuxlɔ̃amenya mawo nade dzi gbɔ na mí, le esi míenyae be Satana mele naneke dim tsɔ wu be yeana be Mawu ƒe xexe yeyea nato mía ŋu o ta!

SATANA LE MƆ̃ VƆ̃ÐI AÐE ZÃM

Satana di be yeagblẽ nu le Kristotɔwo ŋu egbea, eye ele ayemɔ siwo wònya nyuie be wowɔa dɔ la zãm be yeatsɔ aɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ. Abe ale si míekpɔe va yi le Israel-viwo ƒe ŋutinyaa me ene la, gbɔdɔdɔ manɔsenu ye wòzã. Le míaƒe ŋkekea me la, gbɔdɔdɔ manɔsenu gakpɔtɔ nye Satana ƒe mɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe. Mɔ aɖe si dzi wòtona be gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe mɔ̃a naɖe mí bɔbɔe ye nye amamaɖeɖenuwɔnawo.

Egbea, ame aɖe ate ŋu anɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm evɔ ame bubuwo manya naneke tso eŋu o. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, ne ame aɖe di be yeakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo la, ahiã be wòayi sinima aɖakpɔ film siwo mesɔ o alo wòayi amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe agbalẽdzraƒewo aɖaƒle agbalẽ mawo. Ðewohĩ, ŋukpe si wònyena be woakpɔ ame aɖe le teƒe mawo la wɔnɛ be ame geɖe medina be yewoate ɖe teƒe mawo ŋu o. Gake egbea la, ame aɖe ate ŋu ato Internet dzi akpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo le dɔme alo le ʋu si wotɔ ɖi me gɔ̃ hã. Eye le dukɔ geɖe me la, ŋutsu alo nyɔnu aɖe ate ŋu anɔ eya ŋutɔ ƒe aƒe me akpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo.

Mese ɖe afi ma o. Esi asitelefonwo kple tablɛtwo va bɔ egbea ta la, eva le bɔbɔe ŋutɔ be amewo nakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo. Amewo ate ŋu anɔ amamaɖeɖefotowo kpɔm le asitelefon alo tablɛt dzi esime wole zɔzɔm le ablɔwo dzi alo wole keteke alo bɔs me.

Esi wòva le bɔbɔe be ame aɖe nanɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm ahaɣlae be ame aɖeke naganya nu tso eŋu o ta la, amamaɖeɖenuwɔnawo va le nu gblẽm le ame geɖe ŋu fifia wu tsã. Ame gbogbo manyaxlẽ siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la gblẽa woƒe srɔ̃ɖeɖe me, wokloa bubu le wo ɖokuiwo ŋu, eye wogblẽa nu le woƒe dzitsinya hã ŋu. Esi ganyra wue nye be, woate ŋu agblẽ ƒomedodo si le woa kple Mawu dome la me. Esɔ be nàƒo nya ta be amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa nu le ame siwo kpɔnɛ la ŋu. Le go geɖe me la, edea abi amewo ƒe seselelãme ŋu vevie. Seselelãmebi mawo mekuna kaba o, gake ne wova ku hã la, nu siwo gbegbe wogblẽ le amewo ŋu la nɔa anyi eteƒe didina.

Gake, ele be míanyae be, Yehowa naa takpɔkpɔ si míehiã la mí be Satana ƒe mɔ̃ sia nagaɖe mí o. Hafi takpɔkpɔ si Yehowa nana naɖe vi na mí la, ele be míawɔ nu si Israel ŋutsu siwo ŋu míeƒo nu tsoe la do kpo wɔwɔ—eyae nye be, ‘míaɖo to Yehowa ƒe gbe pɛpɛpɛ.’ (2 Mose 19:5) Ehiã be míade dzesii be Mawu lé fu amamaɖeɖenuwɔnawo vevie. Nu ka tae míegblɔe alea?

LÉ FUI—ABE ALE SI YEHOWA LÉ FUI ENE

Bu nya sia ŋu kpɔ: Se siwo Mawu de na Israel dukɔa la to vovo sãsãsã na dukɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ƒe sewo. Se siwo Mawu de na Israel dukɔa la nɔ abe gli aɖe si kpɔ wo ta be dukɔ siwo ƒo xlã wo kple woƒe nuwɔna gbegblẽwo nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o la ene. (5 Mose 4:6-8) Se mawo na nyateƒenya vevi aɖe me kɔ nyuie, eyae nye be: Yehowa lé fu gbɔdɔdɔ manɔsenu.

Esi Yehowa nɔ nu ƒom tso gbɔdɔdɔ manɔdzɔdzɔmenu siwo me dukɔwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖo ŋu la, egblɔ na Israel-viwo be: “Migawɔ nu abe Kanaan-nyigba si dzi mekplɔ mi yinae la dzi nɔlawo ene o. . . . Woƒe anyigba la ƒo ɖi, eya ta maɖo woƒe vodada teƒe na wo.” Le Israel ƒe Mawu kɔkɔetɔ la gbɔ la, Kanaantɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒaƒã ale gbegbe be woƒe anyigba la ƒo ɖi le eŋkume.—3 Mose 18:3, 25.

Togbɔ be Yehowa he to na Kanaantɔwo hã la, dukɔ bubuwo kpɔtɔ ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Ƒe 1,500 kple edzivɔ megbe la, Paulo ɖɔ dukɔ siwo dome Kristotɔwo nɔ le eƒe ɣeyiɣia me la be wonye ame siwo “naneke megakpea ŋu na . . . o.” Le nyateƒe me la, “woɖe asi le wo ɖokuiwo ŋu na ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe, ale be woanɔ nu makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ dzi kɔmaɖimaɖii.” (Ef. 4:17-19) Egbea hã, ame geɖe ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me dzimesesẽtɔe. Ele be Mawu subɔla vavãwo nadze agbagba ɖe sia ɖe be woagakpɔ xexe sia me tɔwo ƒe gbɔdɔnuwɔna ƒaƒãwo o.

Amamaɖeɖenuwɔnawo nye nuwɔna si medea bubu Mawu ŋu kura o. Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu ne woaɖi ye eye wòna ŋutete mí be míate ŋu ade dzesi nu si nyo kple nu si menyo o. Enye nu si me nunya le be Mawu de sewo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu. Ðe wòɖoe be gbɔdɔdɔ nahe dzidzɔ vɛ na ame siwo ɖe wo nɔewo. (1 Mose 1:26-28; Lod. 5:18, 19) Gake nu ka wɔm ame siwo le amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe agbalẽwo alo woƒe videowo wɔm, alo ame siwo kakaa wo la le? Womele bubu dem agbe nyui nɔnɔ ŋuti se siwo Mawu de la ŋu kura o. Ɛ̃, ame siwo doa amamaɖeɖenuwɔnawo ɖe ŋgɔ la medea bubu Yehowa ŋu o. Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ŋea aɖaba ƒua eƒe se dzɔdzɔeawo dzi hewɔa amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe agbalẽwo alo videowo, alo doa nu mawo ɖe ŋgɔ la.—Rom. 1:24-27.

Ke ame siwo ɖonɛ koŋ kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo alo xlẽa eƒe agbalẽwo ya ɖe? Ame aɖewo abui be wonye modzakaɖenu siwo megblẽa nu le ame ŋu o. Gake le nyateƒe me la, ame siawo le ame siwo le gbɔ̃ ɖim agbe nyui nɔnɔ ƒe se siwo Yehowa de la dzi dem. Ðewohĩ, menye nenemae wosusui esime wodze amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gɔme o. Ke hã, Biblia na eme kɔ ƒãa be, ele be Mawu subɔla vavãwo nalé fu amamaɖeɖenuwɔnawo. Biblia de dzi ƒo na Mawu subɔlawo be: “Oo mi ame siwo lɔ̃a Yehowa, mitsri vɔ̃.”—Ps. 97:10.

Ate ŋu asesẽ na ame siwo di be yewoaƒo asa na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ la gɔ̃ hã be woawɔ esia. Míede blibo o, eye ɖewohĩ, ele na mí be míaʋli sesĩe be míaɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro makɔmakɔwo dzi. Gakpe ɖe eŋu la, míaƒe dzi madebliboa ate ŋu able mí míagblɔ na mía ɖokui be naneke megblẽ le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu o. (Yer. 17:9) Gake ame geɖe siwo va zu Kristotɔwo la te ŋu ɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ dzi. Ne èle ʋiʋlim be yeaƒo asa nɛ la, ke esia nyanya ate ŋu ana dzi naɖo ƒowò. De dzesi ale si Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na Satana ƒe mɔ̃ vɔ̃ɖi sia.

MÈGANƆ GBƆDƆDƆ ƑE DZODZRO VƆ̃WO ŊU BUM O

Abe ale si míekpɔe le gɔmedzedzea me ene la, Israel-vi geɖewo ɖe mɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo kplɔ wo de afɔku me. Nu sia tututu agate ŋu adzɔ egbea hã. Yesu dadavi Yakobo ɖɔ afɔkua ale: “Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.” (Yak. 1:14, 15) Ne dzodzro vɔ̃ tsi le ame aɖe ƒe dzi me va ɖo teƒe aɖe la, ate ŋu akplɔ amea ade nu vɔ̃ me bɔbɔe. Eya ta, ne gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ aɖe ge ɖe míaƒe susu me la, ele be míaɖee ɖa le susu me, mele be míanɔ eŋu bum o.

Ne ède dzesii be èva le gbɔdɔnuwɔna makɔmakɔwo ŋu bum enuenu la, ɖe afɔ si sɔ enumake. Yesu gblɔ be: “Ne wò asi alo wò afɔ hea wò dea nu vɔ̃ me la, lãe ɖa eye nàtsɔe ƒu gbe. . . . Eye ne wò ŋku hea wò dea nu vɔ̃ me la, hoe le eto me nàtsɔ aƒu gbe.” (Mat. 18:8, 9) Menye ɖe Yesu le dzi dem ƒo na amewo be woaho woƒe ŋku alo woalã woƒe ŋutinuwo ɖa ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ, ɖe wònɔ ale si wòle vevie be woawɔ nu kpata aɖe nu si ate ŋu akplɔ wo ade nu vɔ̃ me la ɖa kaba la ƒe kpɔɖeŋu wɔm. Aleke míate ŋu awɔ Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo ma ŋu dɔ le amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe nyaa gome?

Ne wò ŋku kli amamaɖeɖenuwɔna alo eƒe foto aɖe la, mègagblɔ be, ‘Magblẽ naneke le ŋunye o.’ Ðe ŋku ɖa enumake. Tsi television la enumake. Tsi kɔmpiutaa alo asitelefon alo tablɛt la enumake. Trɔ susu ɖe nu siwo le dzadzɛ ŋu boŋ. Esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖu ɖokuiwò dzi ale be dzodzro vɔ̃wo nagaɖu dziwò o.

NU KAE MÍATE ŊU AWƆ NE AMAMAÐEÐENUWƆNA SIWO MÍEKPƆ VA YI LA GAVAA SUSU ME NA MÍ?

Ke ne míedzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ keŋkeŋ, gake nu siwo míekpɔ va yi la gavaa susu me na mí ɣeaɖewoɣi ya ɖe? Amamaɖeɖenuwɔnawo kple eƒe fotowo tea ŋu tsia ame ƒe susu me ɣeyiɣi didi aɖe. Woate ŋu ava susu me na ame le vo me. Ne edzɔ alea la, esia ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be yeawɔ nu makɔmakɔ aɖe, abe ɖokuigbɔdɔdɔ ene. Eya ta, ɖo ŋku edzi be, nu siawo tɔgbi ate ŋu ava susu me na wò le vo me, eye nɔ dzadzraɖo ɖi be yeaɖu wo dzi.

Do ŋusẽ tame si nèɖo kplikpaa be yeƒe nuŋububuwo kple nuwɔnawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Nɔ abe apostolo Paulo si lɔ̃ be ‘yeaƒo yeƒe ŋutilã vevie ahawɔe kluvii’ la ene. (1 Kor. 9:27) Mègaɖe mɔ be dzodzro makɔmakɔwo nawɔ wò kluvii o. ‘Trɔ wò nɔnɔme to wò tamesusu wɔwɔ yeyee me, ne wò ŋutɔ nàte ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.’ (Rom. 12:2) Ðo ŋku edzi be: Nuŋububu kple nuwɔwɔ le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na wò wu be nàzu kluvi na dzodzro vɔ̃wo.

Nuŋububu kple nuwɔwɔ le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na wò wu be nàzu kluvi na dzodzro vɔ̃wo

Dze agbagba nàlé mawunyakpukpui aɖewo ɖe susu me. Ne dzodzro vɔ̃wo va susu me na wò la, zi ɖokuiwò dzi be nàbu mawunyakpukpui mawo ŋu boŋ. Mawunyakpukpuiwo abe, Psalmo 119:37; Yesaya 52:11; Mateo 5:28; Efesotɔwo 5:3; Kolosetɔwo 3:5; kple 1 Tesalonikatɔwo 4:4-8 ene, ŋu bubu akpe ɖe ŋuwò be wò nuŋububu nava wɔ ɖeka kple Yehowa tɔ le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ kple ale si Yehowa di be nàwɔ nui gome.

Ke ne eva dzɔ be amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe dzodzroa nu sẽ le mewò ale gbegbe be nèse le ɖokuiwò me be yemate ŋu aɖu ye ɖokui dzi o ya ɖe? Wɔ nu pɛpɛpɛ abe ale si Yesu, míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la wɔ nui ene. (1 Pet. 2:21) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, Satana yi edzi nɔ etem kpɔ. Nu kae Yesu wɔ? Yesu mena ta o. Eyɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me enuenu tsɔ tsi Satana ƒe tetekpɔawo nu. Egblɔ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” eye Satana dzo le egbɔ. Abe ale si ko Yesu mena ta Abosam gbeɖe o ene la, mele be wò hã nàna ta gbeɖe o. (Mat. 4:1-11) Satana kple eƒe xexea ayi edzi anɔ agbagba dzem be yewoana nànɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ŋu bum, gake mègana ta o, yi edzi nànɔ ʋiʋlim sesĩe. Àte ŋu aɖu aʋa si wɔm nèle kple dzodzro vɔ̃ siwo vaa mewò be nàkpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo la dzi. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu aɖu wò futɔ la dzi.

DO GBE ÐA NA YEHOWA, EYE NÀÐO TO EƑE GBE

Yi edzi nànɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Paulo gblɔ be: “[Mina] Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Flp. 4:6, 7) Mawu ana ŋutifafa wò ale be wò susu nadze akɔ anyi eye esia akpe ɖe ŋuwò be nàɖu dzodzro vɔ̃ la dzi. Ne ète ɖe Yehowa ŋu la, eya hã ‘ate ɖe ŋuwò.’—Yak. 4:8.

Nu vevi si akpɔ mía ta be Satana ƒe mɔ̃ aɖeke nagaɖe mí o ye nye be, míana ƒomedodo si le mía kple xexea me katã ƒe Dziɖulagã la dome nasẽ. Yesu gblɔ be: “Xexea dzi ɖula [Satana] gbɔna, eye mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o.” (Yoh. 14:30) Nu ka tae kakaɖedzi nɔ Yesu si nenema? Yesu gblɔ gbe ɖeka be: “Ame si dɔm ɖa la li kplim; megblẽ nye ɖeka ɖi o, elabena mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.” (Yoh. 8:29) Esi nèle nu siwo dzea Yehowa ŋu wɔm la, magblẽ wò hã ɖi gbeɖe o. Ƒo asa na Satana ƒe mɔ̃ si nye amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, eye eƒe mɔ̃ la maɖe wò o.