Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 27

Dzra Ðo Fifia Ðe Yometiti Ŋu

Dzra Ðo Fifia Ðe Yometiti Ŋu

“Ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.”—2 TIM. 3:12.

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae wòhiã be míadzra ɖo ɖe yometiti ŋu?

LE ZÃ si do ŋgɔ hafi woawu mía Aƒetɔ Yesu la, egblɔ be amewo alé fu ame siwo katã tiae be yewoanye yeƒe nusrɔ̃lawo. (Yoh. 17:14) Va de asi na fifia la, ame siwo tsi tsitre ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ŋu la tia Kristotɔ siwo nye Yehowa ƒe Ðasefo wɔnuteƒewo la yome. (2 Tim. 3:12) Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, míele mɔ kpɔm be míaƒe futɔwo agatsi tsitre ɖe mía ŋu fifia wu tsã.—Mat. 24:9.

2-3. (a) Nu kae wòle be míanya tso vɔvɔ̃ ŋu? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Aleke míate ŋu adzra ɖo fifia be míate ŋu ado dzi le yometiti me? Mehiã be míabu nu siwo katã ate ŋu ava mía dzi le yometiti me la ŋu fifia o. Ne míebu nu mawo ŋu la, vɔvɔ̃ ate ŋu aɖo mí ale gbegbe be míatsi dzimaɖi. Nu siwo katã ate ŋu ava mía dzi la ŋu bubu ate ŋu awɔe be vɔvɔ̃ naɖo mí ale gbegbe be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ hafi yometitia ŋutɔŋutɔ nava gɔ̃ hã. (Lod. 12:25; 17:22) Vɔvɔ̃ nye aʋawɔnu sẽŋu aɖe si míaƒe “adikãtɔ, Abosam,” dzea agbagba be yeazã atsɔ agblẽ nu le mía ŋu. (1 Pet. 5:8, 9) Nu kae míate ŋu awɔ fifia atsɔ ado ŋusẽ mía ɖokui be míate ŋu ado dzi le yometiti me?

3 Le nyati sia me la, míadzro ale si míate ŋu ana be mía kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu tsã kple nu si tae esia le vevie ŋutɔ fifia la me. Azɔ hã, míadzro nu si míate ŋu awɔ be dzi nanɔ mía ƒo geɖe wu la me. Eye mlɔeba, míadzro nu si míate ŋu awɔ ne amewo tsi tsitre ɖe mía ŋu helé fu mí la me.

NU SIWO NÀTE ŊU AWƆ BE WÒ KPLE YEHOWA DOME NAGANƆ KPLIKPLIKPLI WU

4. Le Hebritɔwo 13:5, 6 ƒe nya nu la, nu ka dzie wòle be míaka ɖo, eye nu ka tae?

4 Ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò eye magblẽ wò ɖi gbeɖe o. (Xlẽ Hebritɔwo 13:5, 6.) Ƒe geɖe ye nye esi va la, Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Ame si nya Mawu nyuie la agaka ɖe eyama dzi geɖe wu le dodokpɔɣiwo me.” Nyateƒee nya sia nye! Hafi míate ŋu ado dzi le yometiti me la, ele be míalɔ̃ Yehowa ahaka ɖe edzi bliboe, eye mele be míake ɖi ale si gbegbe wòlɔ̃ míi la gbeɖe o.—Mat. 22:36-38; Yak. 5:11.

5. Nu kae ana nàkpɔe adze sii be Yehowa lɔ̃ ye?

5 Xlẽ Biblia gbe sia gbe kple susu be yeate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. (Yak. 4:8) Esi nèle Biblia xlẽm la, lé ŋku ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ɖee fia be elɔ̃ wò vevie la ŋu. Dze agbagba nàde dzesi ale si wòlɔ̃ wòe la le eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siwo dze le ŋutinya si xlẽm nèle me la me. (2 Mose 34:6) Ate ŋu asesẽ na ame aɖewo be woaxɔe ase be Mawu lɔ̃ yewo, elabe womeɖe lɔlɔ̃ fia wo kpɔ o. Ne èse le ɖokuiwò me nenema la, dze agbagba nànɔ mɔ vovovo siwo nu Yehowa ɖe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyonyo fia wò le gbe sia gbe la ŋlɔm ɖi. (Ps. 78:38, 39; Rom. 8:32) Ne èbu nu siwo me nèto la ŋu eye nède ŋugble le nu si xlẽm nèle le Mawu ƒe Nyaa me ŋu la, anɔ eme godoo be àkpɔ nu geɖe aŋlɔ ɖi le nu siwo Yehowa wɔ na wò le ŋkekea me ŋu. Zi ale si nèkpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔna na wò ŋu la, zi nenemae wò kplii dome agava nɔ kplikplikpli wu.—Ps. 116:1, 2.

6. Le Psalmo 94:17-19 ƒe nya nu la, aleke gbedodoɖa vevie tso dzi me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

6 Nɔ gbe dom ɖa edziedzi. Kpɔe le susu me be, ŋutsuvi sue aɖee nye ema fofoa lé ɖe akɔnu lɔlɔ̃tɔe. Ðevia se le eɖokui me be yele dedie ale gbegbe be, wògblɔ nu nyui kple nu gbegblẽ siwo katã dzɔ ɖe edzi le ŋkekea me la na fofoa tso dzi me faa. Ne èdoa gbe ɖa na Yehowa vevie tso dzi me gbe sia gbe la, nenema tututue wò hã wò kplii dome ava nɔ kplikplikpli. (Xlẽ Psalmo 94:17-19.) Esi nèle gbe dom ɖa na Yehowa la, “trɔ wò dzi ƒo ɖe anyi le Yehowa ŋkume abe tsi ene” eye nàƒo nu tso wò vɔvɔ̃wo kple wò dzimaɖitsitsiwo katã ŋu na Fofowò lɔ̃ame la. (Kony. 2:19) Nu kae ado tso eme? Wò ŋutɔ àkpɔ nu si Biblia yɔ be “ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la.” (Flp. 4:6, 7) Zi ale si nèdoa gbe ɖa na Yehowa alea la, zi nenemae wò kplii dome agava nɔ kplikplikpli wu.—Rom. 8:38, 39.

Ne míexɔ Yehowa dzi se bliboe eye míeka ɖe eƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋu dzi la, esiae nana dzi nɔa mía ƒo

Nɔviŋutsu Stanley Jones tsɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti sidzedze siwo dzi wòka ɖo la do ŋusẽ eɖokui (Kpɔ memama 7 lia)

7. Nu ka tae wòle be nàka ɖe edzi bliboe be ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋu la ava eme?

7 Ka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo ava eme. (4 Mose 23:19) Ne mèka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme o la, anɔ bɔbɔe na Satana kple ame siwo le eƒe ŋusẽ te la be woado ŋɔdzi na wò. (Lod. 24:10; Heb. 2:15) Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàka ɖe Mawu Fiaɖuƒea dzi? Ðoe wò taɖodzinu be yeasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋu kple susu siwo tae nàte ŋu aka ɖe edzi bliboe be ŋugbedodo mawo ava eme la ŋu le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me. Aleke esia akpe ɖe ŋuwòe? Bu Nɔviŋutsu Stanley Jones, si wolé de gaxɔ me ƒe adre le eƒe xɔse ta la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. * Nu kae kpe ɖe eŋu wòdo dzi hewɔ nuteƒe na Yehowa? Egblɔ be: “Esi wònye be Mawu ƒe fiaɖuƒea ŋuti sidzedze si su asinye la do ŋusẽm, meka ɖe edzi, eye nyemeke ɖii kpɔ o ta la, womete ŋu ble nunye o.” Eya ta, ne èxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se bliboe la, esia ana nàgate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu eye màɖe mɔ vɔvɔ̃ nana nàdzudzɔ eyama subɔsubɔ o.—Lod. 3:25, 26.

8. Nu kae ale si míedea kpekpeawo egbea la ɖena fiana le mía ŋu? Ðe eme.

8 Nɔ míaƒe kpekpeawo dem edziedzi. Kpekpeawo kpena ɖe mía ŋu be míagate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Ale si míedea kpekpeawoe egbea la ɖenɛ fiana nenye be míado dzi ne yometiti va loo alo míado dzi o. (Heb. 10:24, 25) Nu ka tae? Ne míeɖea mɔ be nu suesuesuewo xea mɔ na mí fifia be míedea kpekpeawo o la, aleke wòanɔ ne wòva hiã be míatsɔ míaƒe dedienɔnɔ ade afɔku me hafi aɖakpe kple nɔvi Yehowa subɔlawo? Gake ne míeɖoe kplikpaa dea kpekpeawo godoo nu ka kee ɖadzɔ o la, míadzudzɔ kpekpeawo dede esime míaƒe tsitretsiɖeŋulawo adze agbagba be yewoana míadzudzɔ ƒuƒoƒo kple mía nɔviwo o. Fifiae wòle be míana kpekpeawo dede nazu numame na mí. Ne míelɔ̃ kpekpeawo dede ale gbegbe be ezu numame na mí la, tsitretsiɖeŋu aɖeke, alo dziɖuɖu aɖeke mate ŋu axe mɔ na mí be míadzudzɔ toɖoɖo Mawu ahaɖo to amegbetɔwo o.—Dɔw. 5:29.

Ne èléa mawunyakpukpuiwo ɖe susu me eye nèsrɔ̃a Fiaɖuƒehawo ale be nètea ŋu dzia wo tso susu me fifia la, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne yometiti va (Kpɔ memama 9 lia) *

9. Nu ka tae mawunyakpukpuiwo léle ɖe susu me nye mɔ nyui aɖe si dzi míato adzra ɖo ɖe yometiti ŋu?

9 Lé wò mawunyakpukpui veviwo ɖe susu me. (Mat. 13:52) Wò susu mede blibo ya o, gake Yehowa ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋu la atsɔ ana be nàɖo ŋku mawunyakpukpui mawo dzi. (Yoh. 14:26) De dzesi nya si nɔviŋutsu aɖe si wolé de gaxɔ me le Ɣedzeƒe Germany eye wotsɔe de ameɖekɛgaxɔ me la gblɔ; egblɔ be: “Yayra gã aɖe wònye nam be va se ɖe ɣemaɣi la, melé mawunyakpukpui alafa geɖe ɖe susu me heyɔa wo me nyawo pɛpɛpɛ. Le nye akogonɔɣi mawo me la, ɖeko menɔa ŋugble dem le Biblia me nyati vovovowo ŋu.” Mawunyakpukpui mawo kpe ɖe mía nɔviŋutsua ŋu be wòte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, eye wòdo dzi hewɔ nuteƒe nɛ.

(Kpɔ memama 10 lia) *

10. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ Fiaɖuƒehawo nyuie ale be míate ŋu adzi wo tso susu me?

10 Srɔ̃ míaƒe ha siwo kafua Yehowa la nyuie eye nànɔ wo dzim. Esi wolé Paulo kple Sila de gaxɔ me le Filipi la, wodzi ha siwo kafu Yehowa, siwo wonya nyuie la tso susu me. (Dɔw. 16:25) Eye, esime woɖe mía nɔvi siwo nɔ tsã Soviet Union ƒe dukɔwo me la yi aboyo me le Siberia la, aleke wodo ŋusẽ wo ɖokuiwoe? Nɔvinyɔnu Mariya Fedun gblɔ be: “Míedzia míaƒe hadzigbalẽa me ha siwo katã míenya.” Egblɔ be ha mawo de dzi ƒo na yewo eye wokpe ɖe yewo ŋu yewose le yewo ɖokuiwo me be yewo kple Yehowa dome le kplikplikpli. Ne èdzi míaƒe Fiaɖuƒeha alo hakpakpa siwo dzɔa dzi na wò wu la, ɖe nèsena le ɖokuiwò me be wodoa ŋusẽ wòa? Ekema, srɔ̃ ha mawo nyuie fifia be nàte ŋu adzi wo tso susu me!—Kpɔ aɖaka si nye, “ Na Dzi Naɖo Ƒonye.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ BE DZI NANƆ ƑOWÒ GEÐE WU

11-12. (a) Le 1 Samuel 17:37, 45-47 ƒe nya nu la, nu ka tae dzi nɔ David ƒo? (b) Nu vevi kae míesrɔ̃ tso David ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Hafi míate ŋu ado dzi le yometiti me la, ehiã be dzi nanɔ mía ƒo. Ne èse le ɖokuiwò me be dzi mele ye ƒo o la, nu kae nàte ŋu awɔ? Ðo ŋku edzi be menye ŋusẽ si gbegbe le ame si, eƒe atsudzɔdzɔ, alo ŋutete si le esi la gbɔe dzinɔameƒo tsona o. Bu ɖekakpui David ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eyi ɖakpe aʋa kple Goliat. Gake ne wotsɔ David sɔ kple Goliat la, anye ame sue, ame beli, eye mebla aʋakpa hã o. Yi gɔ̃ hã menɔ David si o. Ke hã, dzi nɔ eƒo ŋutɔ. David si du te ɖe ame dzɔtsu la ŋu kalẽtɔe be yeaɖakpe kplii.

12 Nu ka tae dzi nɔ David ƒo nenema gbegbe ɖo? Exɔe se bliboe be Yehowa li kpli ye. (Xlẽ 1 Samuel 17:37, 45-47.) David metsɔ eƒe susu ɖo ale si gbegbe Goliat dzɔ tsu wui la ŋu o. Ke boŋ, ale si gbegbe Goliat le nyaŋuii le Yehowa ŋkume la dzie eƒe susu nɔ. Nu kae míesrɔ̃ tso ŋutinya sia me? Dzi nɔa mía ƒo ne míexɔe se bliboe be Yehowa li kpli mí eye míeka ɖe edzi be míaƒe tsitretsiɖeŋulawo meɖi naneke le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume o. (2 Kron. 20:15; Ps. 16:8) Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ atu míaƒe dzinɔameƒo ɖo fifia hafi yometiti nava mía dzi?

13. Nu kae míate ŋu awɔ be dzi nanɔ mía ƒo geɖe wu? Ðe eme.

13 Ne míeɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo fifia la, esia ana dzi nanɔ mía ƒo geɖe wu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, gbeƒãɖeɖedɔa nana míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míeɖua amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. (Lod. 29:25) Abe ale si ko míaƒe lãmekawo sẽna ɖe edzi ne míele kame dem ene la, nenema kee dzi ɖoa mía ƒo geɖe wu ne míeɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, le dutoƒo, kple asitsaƒewo, eye míekpɔa gome le vomeɖaseɖiɖidɔa hã me. Ne míeléa dzi ɖe ƒo heɖea gbeƒã nya nyuia fifia la, esia awɔe be míanɔ dzadzraɖoɖi nyuie be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi ne wova ɖo asi míaƒe dɔa dzi gɔ̃ hã.—1 Tes. 2:1, 2.

Nɔvinyɔnu Nancy Yuen gbe gbidii be yemadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia o (Kpɔ memama 14 lia)

14-15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔvinyɔnu siwo nye Nancy Yuen kple Valentina Garnovskaya ƒe kpɔɖeŋuawo me?

14 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso nɔvinyɔnu wɔnuteƒe eve aɖewo siwo ɖe dzinɔameƒo fia le mɔ ɖedzesi aɖe nu la ƒe kpɔɖeŋuwo me. Nancy Yuen mekɔ gbɔ meta ɖeka kple afã ŋu gɔ̃ hã o, ke hã, dzi nɔ eƒo ale gbegbe. * Egbe gbidii be yemadzudzɔ gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia o. Esia ta, wolée de gaxɔ me ƒe 20 sɔŋ le Kɔmiunist dukɔ si nye China la me. Dziɖuɖumegã siwo bia gbee la gblɔ be eyae nye “ame trito vɔ̃ɖitɔ wu” le yewoƒe dukɔa me!

Nɔvinyɔnu Valentina Garnovskaya ka ɖe edzi bliboe be Yehowa li kpli ye (Kpɔ memama 15 lia)

15 Nenema kee wolé Valentina Garnovskaya de gaxɔ me le tsã Soviet Union dukɔa me zi gbɔ zi etɔ̃ eye wònɔ gaxɔ me ƒe 21 sɔŋ. * Nu ka tae? Eɖoe kplikpaa be gbeƒãɖeɖedɔa dzi ko yeanɔ eye wòlé fɔ ɖe eŋu ale gbegbe be dziɖuɖumegãwo yɔe be enye “sedzidala aɖe si vɔ̃ɖi ŋutɔ.” Nu ka tae dzi nɔ nyɔnu wɔnuteƒe eve siawo ƒo nenema gbegbe ɖo? Nu si tae nye be, woka ɖe edzi bliboe be Yehowa li kpli yewo.

16. Nu vevi ka gbɔe dzinɔameƒo vavãtɔ tsona?

16 Abe ale si míedzro eme ene la, hafi míate ŋu atu dzinɔameƒo ɖo la, mele be míatsɔ susu aɖo míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ kple ŋutetewo ŋu o. Ke boŋ, ele be míaxɔe ase bliboe be Yehowa li kpli mí eye eyae awɔ míaƒe aʋa la na mí. (5 Mose 1:29, 30; Zak. 4:6) Esiae nye nu vevi si gbɔ dzinɔameƒo vavãtɔ tsona.

NU SI MÍATE ŊU AWƆ NE AMEWO LÉ FU MÍ

17-18. Le nuŋlɔɖi si dze le Yohanes 15:18-21 ƒe nya nu la, nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ na mí? Ðe eme.

17 Edzɔa dzi na mí ne amewo dea bubu mía ŋu, gake mele be míasusui be ne amewo melɔ̃ míaƒe nya o la, efia be asixɔxɔ aɖeke mele mía ŋu o. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe mienye ne amewo lé fu mi, eye woɖe mi le ha me, eye wodzu mi heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ abe vɔ̃wɔlawo ene le Amegbetɔvi la ta.” (Luka 6:22) Yesu ƒe nya sia gɔme ɖe?

18 Menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be Kristotɔwo dina be amewo nalé fu yewo o. Ke boŋ, ɖe wòdi be míanya nu siwo ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi. Míenye xexea ƒe akpa aɖeke o. Míewɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi eye míeɖea gbeƒã gbedeasi si eya ŋutɔ ɖe gbeƒãe la hã. Esia tae xexea léa fu mí ɖo. (Xlẽ Yohanes 15:18-21.) Míedi be míadze Yehowa ŋu. Eya ta, ne amewo lé fu mí le esi míelɔ̃ mía Fofo, Yehowa, ta la, woawo ŋutɔwo ƒe nyae.

19. Aleke míate ŋu asrɔ̃ apostoloawo ƒe kpɔɖeŋua?

19 Mègaɖe mɔ gbeɖe be amegbetɔwo ƒe nyagbɔgblɔ alo nuwɔna aɖeke nana ŋu nakpe wò be yenye Yehowa Ðasefo o. (Mika 4:5) Míate ŋu aɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi ne míede ŋugble le kpɔɖeŋu si apostolo siwo nɔ Yerusalem la ɖo ɖi esime futɔwo wu Yesu eteƒe medidi o la ŋu. Wonya ale si gbegbe Yuda subɔsubɔhakplɔlawo lé fu woe. (Dɔw. 5:17, 18, 27, 28) Ke hã, gbe sia gbe la, woyia gbedoxɔa me heɖea gbeƒã nya nyuia le Yesu ŋu le amewo katã ŋkume. (Dɔw. 5:42) Womeɖe mɔ vɔvɔ̃ na wodzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia o. Míawo hã míate ŋu aɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi ne míenana amewo kpɔa mí dzea sii edziedzi, le dɔme, le suku, kple míaƒe nutoa me, be Yehowa Ðasefowoe míenye.—Dɔw. 4:29; Rom. 1:16.

20. Nu ka tae apostoloawo nɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be wolé fu wo gɔ̃ hã?

20 Nu ka tae apostoloawo nɔ dzidzɔ kpɔm? Nu si tae nye be, wonya susu si tae amewo lé fu wo ɖo, eye wobui be bubu wònye na yewo be wowɔ fu yewo le esi yewole Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm ta. (Luka 6:23; Dɔw. 5:41) Apostolo Petro ŋlɔ emegbe be: “Ne ehiã be miakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta hã la, dzi dzɔa mi.” (1 Pet. 2:19-21; 3:14) Ne míese egɔme be esi míele nu dzɔdzɔe wɔm tae amewo lé fu mí ɖo la, míaɖe mɔ gbeɖe be woƒe fulélea nana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o.

AÐE VI NA WÒ NE ÈDZRA ÐO FIFIA

21-22. (a) Nu kae nètso nya me be yeawɔ atsɔ adzra ɖo ɖe yometiti ŋu? (b) Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

21 Míenya ɣekaɣie yometiti ava mía dzi o, eye nenema kee míenya ɣekaɣie woaxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu, si awɔe be wòasesẽ na mí be míasubɔ Yehowa o. Ke hã, míenyae be míate ŋu adzra ɖo fifia ne míena be mía kple Yehowa dome gava le kplikplikpli wu tsã, ne míetu míaƒe dzinɔameƒo ɖo, eye míele nu si míawɔ ne amewo lé fu mí la srɔ̃m fifia. Dzadzraɖo siwo míawɔ fifia la akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te sesĩe ne yometiti va mía dzi le etsɔme.

22 Gake ne eva dzɔ be woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu ɖe, nu kae míawɔ? Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro Biblia me gɔmeɖose siwo akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ Yehowa subɔm ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi gɔ̃ hã la me.

HADZIDZI 118 Na Xɔse Geɖe Mí

^ mm. 5 Menye míaƒe didie nye be amewo nalé fu mí o. Gake, aleke kee wòɖale o, yometiti ava mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi godoo. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo; akpe ɖe mía ŋu hã be míadzra ɖo ɖe yometiti ŋu.

^ mm. 7 Kpɔ December 15, 1965, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 756-767, si le Eŋlisigbe me alo April 1, 1966, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 212-223, le Fransegbe me.

^ mm. 14 Kpɔ July 15, 1979, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 4-7, si le Eŋlisigbe me alo October 15, 1979, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 4-7, le Fransegbe me. Kpɔ video si nye Woanya Yehowa Ƒe Ŋkɔ, si le JW Nyakakadɔwɔƒea hã. Àkpɔe le GBEBIAMEWO KPLE NUTEƑEKPƆKPƆWO.

^ mm. 67 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi ƒome aɖe le ƒometadedeagu wɔm la, dzilawo le agbalẽ ɖeɖe siwo ƒe axa ɖeka dzi woŋlɔ mawunyakpukpuiwo ɖo eye woŋlɔ wo me nyawo ɖe woƒe axa kemɛ dzi la zãm tsɔ le kpekpem ɖe wo viwo ŋu be woalé mawunyakpukpuiwo ɖe susu me.

^ mm. 70 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi ƒome aɖe le mɔ dzi yina kpekpe aɖe la, wole Fiaɖuƒehawo me tom le ʋua me.