Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 28

Yi Edzi Nànɔ Yehowa Subɔm Ne Woɖo Asi Míaƒe Dɔa Dzi

Yi Edzi Nànɔ Yehowa Subɔm Ne Woɖo Asi Míaƒe Dɔa Dzi

“Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.”—DƆW. 4:19, 20.

HADZIDZI 122 Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋãe!

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Ne dziɖuɖua ɖo asi míaƒe dɔa dzi la, nu ka tae mele be wòawɔ nuku na mí o? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

LE ƑE 2018 subɔsubɔƒea me la, nya nyui gbeƒãɖela siwo wu 223,000 la nɔ dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe mawusubɔsubɔdɔwo dzi alo xe mɔ ɖe wo nu vevie le la me. Esia mewɔ nuku na mí o. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, Kristotɔ vavãwo kpɔa mɔ na yometiti. (2 Tim. 3:12) Dukɔ ka ke mee míeɖale o, esime mele ŋuɖoɖo me na mí o la, dziɖuɖua ate ŋu aɖo asi mía dzi zi ɖeka kpoyi be míagasubɔ Yehowa, mía Mawu lɔ̃ame la o.

2 Ne dziɖuɖua ɖo asi mía dzi le dukɔ si me míele me be míagasubɔ Yehowa azɔ o la, ɖewohĩ, àbia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò be: ‘Esi yometiti va mía dzi la, ɖe wòfia be Mawu megakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu oa? Ne dziɖuɖua ɖo asi míaƒe subɔsubɔ dzi la, ɖe wòfia be míagasubɔ Yehowa oa? Ðe wòle be maʋu ayi dukɔ bubu me, afi si mate ŋu asubɔ Mawu le le ablɔɖe mea?’ Míadzro biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo me le nyati sia me. Gakpe ɖe eŋu la, míadzro ale si míawɔ be míayi edzi anɔ Yehowa subɔm ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi kpakple mɔ̃ siwo wòle be míaƒo asa na la hã me.

ÐE YOMETITI FIA BE MAWU MEGAKPƆ ŊUDZEDZE ÐE MÍA ŊU OA?

3. Le 2 Korintotɔwo 11:23-27 ƒe nya nu la, yometiti kawo mee apostolo Paulo si subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la to, eye nu kae míesrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

3 Ne dziɖuɖua ɖo asi míaƒe mawusubɔsubɔ dzi la, míate ŋu asusu vodadatɔe be, esia fia be, Mawu megakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Gake nenɔ susu me na wò be, ne yometiti va mía dzi la, esia mefia be Yehowa megakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Bu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Míeka ɖe edzi be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eya amea ŋu. Mɔnukpɔkpɔ su esi wòŋlɔ agbalẽ siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ 14, eye woɖoe wònye apostolo na dukɔwo. Ke hã, eto yometiti sesẽwo me. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 11:23-27.) Nu si apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua fia mí ye nye be, Yehowa ɖea mɔ yometiti vaa esubɔla wɔnuteƒewo dzi.

4. Nu ka tae xexea léa fu mí ɖo?

4 Yesu ɖe nu si tae wòle be míakpɔ mɔ be woati mía yome la me. Egblɔ be amewo alé fu mí le esi míenye xexea ƒe akpa aɖeke o ta. (Yoh. 15:18, 19) Eya ta, ne woti mía yome la, esia mefia be Yehowa ƒe yayra megale mía dzi o. Ke boŋ, enye dzesi be míele eƒe lɔlɔ̃nu wɔm!

NE DZIÐUÐUA ÐO ASI MÍAƑE SUBƆSUBƆ DZI LA, ÐE WÒFIA BE MÍAGASUBƆ YEHOWA OA?

5. Ðe amegbetɔwo ate ŋu aɖe Yehowa subɔsubɔ ɖa keŋkeŋua? Ðe eme.

5 Amegbetɔ aɖeke mate ŋu ana Mawu subɔlawo nadzudzɔ Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la subɔsubɔ keŋkeŋ o. Ame geɖewo tee kpɔ, gake wodo kpo nu. Bu nu si dzɔ le Xexemeʋa Evelia wɔɣi ŋu kpɔ. Ɣemaɣi la, dukɔ geɖewo ƒe dziɖuɖuwo nɔ Mawu ƒe amewo yome tim kutɔkutɔe. Menye Nazitɔwo ƒe dunyaheha si le Germany la koe ɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi o, ke Australia, Canada kple dukɔ bubuwo ƒe dziɖuɖuwo hã ɖo asi wo dzi. Ke hã, de dzesi nu si va dzɔ. Esi aʋaa dze egɔme le ƒe 1939 me la, gbeƒãɖela 72,475 ye nɔ xexea me katã. Gake nyatakakawo ɖee fia be, kaka aʋaa nake le ƒe 1945 me la, Yehowa yra eƒe amewo wodzi ɖe edzi va ɖo gbeƒãɖela 156,299 sɔŋ. Ɛ̃, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve hegbɔ eŋu kura!

6. Ne woti mía yome la, nu nyui kawoe ate ŋu ado tso eme? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 Yometiti ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míagaɖoe kplikpaa wu tsã be míasubɔ Yehowa, ke mana be míavɔ̃ ale gbegbe be míadzudzɔ eyama subɔsubɔ o. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖe si si ŋutsuvi dzaa ɖeka le la nɔ dukɔ aɖe si me dziɖuɖua ɖo asi Yehowa subɔsubɔ dzi le la me. Le esi vɔvɔ̃ naɖo atsu kple asia teƒe la, ɖe wodze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme boŋ. Srɔ̃nyɔnua ɖe asi le dɔ si me wòkpɔa ga geɖe le la gɔ̃ hã ŋu be yeate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be, esi woɖo asi yewo dzi la, esia wɔe be ame geɖe va nɔ didim be yewoanya nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Esia na wònɔ bɔbɔe nɛ be ete ŋu dze Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme. Nu nyui bubuwo hã do tso yometitia me. Hamemetsitsi aɖe si le dukɔ ma me la gblɔ be, ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la dometɔ geɖe gate kpekpeawo dede ake eye wokpe ɖe wo ŋu wogadze gbeƒãɖeɖedɔa hã gɔme.

7. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso nya siwo le 3 Mose 26:36, 37 la me? (b) Nu kae nàwɔ ne dziɖuɖua ɖo asi dɔa dzi?

7 Ne míaƒe futɔwo ɖo asi mía dzi be míagasubɔ Mawu o la, wodina be vɔvɔ̃ naɖo mí ne míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Ne woɖo asi mía dzi vɔ la, woagate ŋu akaka alakpanyawo tso mía ŋu, woadɔ poliswo be woava tsa míaƒe aƒewo me, woahe mí ayi ʋɔnu, alo woalé mía dometɔ aɖewo gɔ̃ hã ade gaxɔ me. Wokpɔa mɔ be, ne yewote ŋu lé mía dometɔ ʋɛ aɖewo de gaxɔ me la, esia ana vɔvɔ̃ naɖo mí. Ne míevɔ̃ wo eye míevɔ̃ na nu siwo woate ŋu awɔ ɖe mía ŋu la, ɖewohĩ, míawo ŋutɔwo míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ le mía ɖokui si. Míedi be míanɔ abe ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le 3 Mose 26:36, 37 la ene o. (Xlẽe.) Míaɖe mɔ be vɔvɔ̃ nana míaƒe asiwo nado agblɔ alo míadzudzɔ míaƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ o. Míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe eye míeɖea mɔ dzika tsoa mía ƒo o. (Yes. 28:16) Míeƒoa koko na Yehowa hebianɛ be wòafia mɔ mí. Míenyae be, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu si sẽŋu wu ɖe sia ɖe gɔ̃ hã mate ŋu axe mɔ na mí be míayi edzi asubɔ mía Mawu la nuteƒewɔwɔtɔe o.—Heb. 13:6.

ÐE WÒLE BE MAƲU AYI DUKƆ BUBU MEA?

8-9. (a) Nu ka ŋutie wòahiã be Kristotɔ ɖe sia ɖe alo ƒome ƒe ta ɖe sia ɖe natso nya me le? (b) Nu kae akpe ɖe ame sia ame ŋu be wòatso nya me le nunya me?

8 Ne dziɖuɖua ɖo asi míaƒe mawusubɔsubɔ dzi le dukɔ si me nèle me la, ɖewohĩ, àbia ɖokuiwò be, ɖe wòle be yeaʋu ayi dukɔ si me yeate ŋu asubɔ Yehowa le ablɔɖe me le mahã. Nya sia nye ame ŋutɔ ƒe nya; ame aɖeke mate ŋu atso nya me na wò o. Ame aɖewo adi be yewoadzro Kristotɔ gbãtɔ siwo yome woti la ƒe ŋutinyaa me be yewoasrɔ̃ nu tso nu si wowɔ le yometiti me la ŋu hafi atso nya me. Esi futɔwo ƒu kpe Stefano wòku vɔ la, nusrɔ̃la siwo nɔ Yerusalem la ka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me eye woyi keke Foinike, Kipro, kple Antiokia gɔ̃ hã. (Mat. 10:23; Dɔw. 8:1; 11:19) Gake nɔvi aɖewo ade dzesii be, esi yometiti bubu gava Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dzi la, apostolo Paulo tso nya me be yemaʋu adzo le nuto siwo me wotsi tsitre ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le la me o. Ke boŋ, etsɔ eƒe dedienɔnɔ de afɔku me be yeate ŋu akaka nya nyuia eye yeado ŋusẽ nɔvi siwo nɔ dugã mawo siwo me wonɔ wo yome tim vevie le la me.—Dɔw. 14:19-23.

9 Nu kae míesrɔ̃ tso ŋutinya siawo me? Eyae nye be, ƒome ƒe ta ɖe sia ɖe ye wòle na be wòatso nya me ne woaʋu loo alo womaʋu o. Hafi wòatso nya me la, ele be wòado gbe ɖa ahabu ale si nɔnɔmea le na eƒe ƒomea la ŋu eye wòada viɖeawo kple ŋusẽ gbegblẽ si esia akpɔ ɖe wo dzi la kpɔ nyuie. Le nya sia me la, Kristotɔ ɖe sia ɖe “atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.” (Gal. 6:5) Mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu nɔvia le nyametsotso si wòwɔ la ta o.

ALEKE MÍAWƆ AYI YEHOWA SUBƆSUBƆ DZI ESIME WOÐO ASI MÍA DZI?

10. Mɔfiafia kawoe alɔdzedɔwɔƒea kple hamemetsitsiwo ana mi?

10 Ne woɖo asi míaƒe mawusubɔsubɔ dzi la, aleke nàwɔ ayi Yehowa subɔsubɔ dzi? Alɔdzedɔwɔƒea ana mɔfiafia miaƒe hamemetsitsiwo eye woaɖo aɖaŋu na wo le ale si woawɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu naka hamea si, ale si woawɔ be hamea nakpe ahasubɔ Yehowa ɖekae, kple ale si woawɔ be hamea naɖe gbeƒã nya nyuiae la ŋu. Ne alɔdzedɔwɔƒea mate ŋu ado ka kple hamemetsitsiawo o la, ekema, hamemetsitsiawo akpe ɖe wò kple hamea me tɔwo katã ŋu be miayi edzi anɔ Yehowa subɔm. Woaɖo aɖaŋu na mi le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiafia siwo le Biblia kpakple míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me.—Mat. 28:19, 20; Dɔw. 5:29; Heb. 10:24, 25.

11. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be gbɔgbɔmenuɖuɖu si nèhiã la asu asiwò, eye nu kae nàte ŋu awɔ be nàkpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu si le asiwò la ta?

11 Yehowa do ŋugbe be yeƒe subɔlawo aɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu aɖi ƒo nyuie. (Yes. 65:13, 14; Luka 12:42-44) Eya ta, àte ŋu aka ɖe edzi be eƒe habɔbɔa awɔ nu sia nu si wòate ŋui be nu si nèhiã be nàyi edzi awɔ nuteƒe la nasu asiwò. Gake nu kae wò ŋutɔ hã nàte ŋu awɔ? Ne dziɖuɖua ɖo asi míaƒe mawusubɔsubɔ dzi le miaƒe dukɔa me la, di teƒe nyui aɖe nàɣla Biblia kple míaƒe agbalẽ bubu siwo le asiwò la ɖe afi ma. Nɔ ŋudzɔ be nàgada gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔasi mawo—woɖanye agbalẽwo alo esiwo le elektronikmɔ̃wo dzi o—ɖe teƒe aɖe si woate ŋu ake ɖe wo ŋu le bɔbɔe o. Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖe afɔ siwo hiã be wòakpɔtɔ asẽ ŋu le gbɔgbɔ me.

Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aƒo ƒu vɔvɔ̃manɔmee asubɔ eyama (Kpɔ memama 12 lia) *

12. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe kpekpeawo ŋu be amewo naganya nu si wɔm míele o?

12 Ke kpekpe siwo míedena kwasiɖa sia kwasiɖa hesubɔa Yehowa ya ɖe? Hamemetsitsiwo awɔ ɖoɖo ɖe kpekpeawo ŋu le mɔ aɖe nu be míaƒe tsitretsiɖeŋulawo nagade dzesii o. Woate ŋu agblɔ na mi be miakpe le ƒuƒoƒo suewo me, eye woate ŋu anɔ kpekpeawo ƒe gameawo kple teƒea trɔm enuenu. Ne èbɔbɔa gbe hafi ƒoa nu ne ègbɔna kpekpewɔƒea alo esime nèle dzodzom la, àto esia me akpɔ ame sia ame si de kpekpeawo la ta be wòanɔ dedie. Azɔ hã, mahiã be nàdo awu wòaɖee afia be èyina kpekpe o.

Ne dziɖuɖua ɖo asi míaƒe dɔa dzi gɔ̃ hã la, míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe o (Kpɔ memama 13 lia) *

13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mía nɔvi siwo nɔ tsã Soviet Union dukɔwo me la gbɔ?

13 Teƒe ɖe sia ɖe kple ale si nɔnɔmeawo anɔ eye esia akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míawɔ gbeƒãɖeɖedɔae dzi. Gake míelɔ̃ Yehowa eye edzɔa dzi na mí be míaƒo nu tso eƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo, eya ta, míadi mɔ siwo dzi míato aɖe gbeƒã. (Luka 8:1; Dɔw. 4:29) Esi ŋutinyaŋlɔla Aƒenɔ Emily B. Baran nɔ nu ƒom tso ale si Yehowa Ðasefowo wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le tsã Soviet Union dukɔwo me ŋu la, egblɔ be: “Esi dziɖuɖua gblɔ na Yehowa Ðasefowo be mele be woaɖe gbeƒã na ame bubuwo o la, Ðasefoawo ɖo dze kple woƒe aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, kple xɔlɔ̃wo. Esi wolé wo de dɔwɔsaɖawo me le esia ta la, Ðasefoawo ɖe gbeƒã na gamenɔla bubuwo.” Togbɔ be woɖo asi dɔa dzi ɣemaɣi le tsã Soviet Union dukɔwo me hã la, mía nɔviwo medzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa o. Eya ta, ne eva dzɔ be woɖo asi dɔa dzi le dukɔ si me nèle me la, ɖoe kplikpaa nàsrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua!

MƆ̃ SIWO WÒLE BE MÍAƑO ASA NA

Ele be míakpɔ ɣeyiɣi si nye ɖoɖoeziɣi la adze sii (Kpɔ memama 14 lia) *

14. Mɔ̃ kae Psalmo 39:1 me nyawo akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na?

14 Nɔ ŋudzɔ ɖe nya siwo nègblɔna na amewo la ŋu. Ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi la, ele be míakpɔ ɣeyiɣi si nye “ɖoɖoeziɣi” la adze sii. (Nyagb. 3:7) Mele be míaʋu go nyatakaka veviwo, abe mía nɔvi Kristotɔwo ƒe ŋkɔwo, teƒe siwo míekpena le, mɔ siwo dzi míetona ɖea gbeƒã, kple ale si míewɔna gbɔgbɔmenuɖuɖu sua mía si la ene o. Mímagblɔ nyatakaka siawo na setɔwo o; nenema kee mímaka nya siawo ta na mía xɔlɔ̃wo alo míaƒe ƒometɔ siwo míelɔ̃na, siwo le míaƒe dukɔa me loo alo esiwo le dukɔ bubuwo me hã o. Ne míeɖe mɔ mɔ̃ sia ɖe mí la, ekema, míade mía nɔviwo ƒe dedienɔnɔ afɔku me.—Xlẽ Psalmo 39:1.

15. Nu kae Satana adze agbagba be yeawɔ, eye aleke míate ŋu aƒo asa na eƒe mɔ̃a?

15 Mègaɖe mɔ be kuxi suesuesuewo nade mama mía me o. Satana nyae be, ne aƒe aɖe ma ɖe eɖokui ŋu la, aƒe ma mate ŋu ali ke o. (Marko 3:24, 25) Eya ta, anɔ agbagba dzem atraɖii be yeade mama mía me. Enyae be ne yete ŋu de mama mía me la, míava nɔ ʋiʋlim kple mía nɔewo tsɔ wu be míawɔ aʋa kpli ye.

16. Kpɔɖeŋu nyui kae Nɔvinyɔnu Gertrud Poetzinger ɖo na mí?

16 Ele be Kristotɔ siwo tsi le xɔse me la gɔ̃ hã nanɔ ŋudzɔ be mɔ̃ sia nagaɖe yewo o. Bu nɔvinyɔnu amesiamina eve siwo nye Gertrud Poetzinger kple Elfriede Löhr ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Wolé woa kple nɔvinyɔnu Kristotɔ bubuwo de Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖa aɖe me. Gertrud va nɔ ŋu ʋãm Elfriede le esi Elfriede ƒoa nuƒowo tsɔ dea dzi ƒo na nɔvinyɔnu bubu siwo nɔ asaɖaa me ta. Gake emegbe la, eva dze ŋukpe dzi na Gertrud eye wòƒo koko na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Eŋlɔ bena: “Ele be míasrɔ̃ ale si míalɔ̃ faa be míawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple mía nɔviwo ne ŋutetewo le wo si wu mí alo agbanɔamedzi gãwo su wo si.” Aleke mía nɔvinyɔnua wɔ te ŋu ɖu eƒe ŋuʋaʋãa dzi? Gertrud va tsɔ eƒe susu ɖo Elfriede ƒe nɔnɔme nyuiwo kple xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si le eme la ŋu. Esi wòwɔe alea la, eya kple Elfriede dome gava le nyuie abe tsã ene. Wo ame evea wova do le fuwɔamesaɖaa me eye woyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe esime wowu woƒe anyigbadzigbenɔnɔa nu. Ne míeku kutri vevie ɖu masɔmasɔ siwo aɖo mía kple mía nɔviwo dome dzi la, esia awɔe be míaƒo asa na nu sia nu si ade mama mía me.—Kol. 3:13, 14.

17. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiafiawo dzi ɣeawokatãɣi?

17 Wɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiafiawo dzi. Ne míewɔ ɖe nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒewo, siwo dzi wòle be míaka ɖo, ƒe mɔfiafia dzi la, míaƒo asa na kuxiwo. (1 Pet. 5:5) Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖe si me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le me la, nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒe la gblɔ na gbeƒãɖelawo be woagana magazinewo alo traktwo amewo le ɖaseɖiɖidɔa me o. Ke hã, nɔviŋutsu mɔɖela aɖe si le dukɔ ma me ya mewɔ ɖe mɔfiafia ma dzi o. Nu kae do tso eme? Esi eya kple nɔvi bubu aɖewo wɔ vomeɖaseɖiɖidɔ aɖe vɔ la, poliswo bia gbe wo. Edze abe setɔawo nɔ wo yome eye wote ŋu xɔ magazine alo trakt siwo wona amewo la le ameawo si ene. Nu kae míesrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me? Ele be míawɔ ɖe mɔfiafiawo dzi, ne womewɔ ɖeka kple míaƒe susu o gɔ̃ hã. Yehowa yraa mí ɣesiaɣi ne míewɔ nu aduadu kple nɔvi siwo wòɖo be woaxɔ ŋgɔ na mí.—Heb. 13:7, 17.

18. Nu ka tae wòle be míaƒo asa na se siwo mehiã o la dede na nɔviawo?

18 Ƒo asa na se siwo mehiã o la dede na nɔviawo. Ne hamemetsitsiwo de se siwo mehiã o na nɔviawo la, woana agbea nasesẽ na wo. Nɔviŋutsu Juraj Kaminský ɖo ŋku nu si dzɔ esime woɖo asi dɔa dzi le tsã Czechoslovakia la dzi eye wògblɔ be: “Esi wolé nɔvi geɖe siwo nɔ agbanɔamedzinɔƒewo la, nɔvi siwo susɔ nɔ ŋgɔ xɔm le hameawo kple nutome sueawo me la va te se siwo mehiã o la dede na gbeƒãɖelawo heŋlɔ nu vovovo siwo woawɔ kple nu siwo mele be woawɔ o na wo.” Yehowa mena ŋusẽ mí be míatso nya me na mía nɔviwo o. Ame si dea se siwo mehiã o la le agbagba dzem be yeaɖu aƒetɔ ɖe ye nɔvi ƒe xɔse dzi, eye edea nɔvia ƒe dedienɔnɔ afɔku me.—2 Kor. 1:24.

MÈGADZUDZƆ YEHOWA SUBƆSUBƆ GBEÐE O

19. Le 2 Kronika 32:7, 8 ƒe nya nu la, susu ka tae wòle be míalé dzi ɖe ƒo, togbɔ be Satana le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeagblẽ míaƒe xɔse me gɔ̃ hã?

19 Míaƒe futɔ gãtɔ, Satana Abosam, madzudzɔ Yehowa subɔla wɔnuteƒewo yome titi o. (1 Pet. 5:8; Nyaɖ. 2:10) Satana kple ame siwo le eƒe ŋusẽ te la adze agbagba be yewoaɖe Yehowa subɔsubɔ ɖa keŋkeŋ. Gake ne wodo ŋɔdzi na mí gɔ̃ hã la, míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ gbeɖe o! (5 Mose 7:21) Yehowa le míaƒe akpa dzi, eye ayi edzi alé mí ɖe te, ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi gɔ̃ hã.—Xlẽ 2 Kronika 32:7, 8.

20. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Mina míaɖo tame kplikpaa abe mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene; dzi nɔ wo ƒo wogblɔ na dziɖula siwo nɔ anyi le woƒe ŋkekea me be: “Ne edzɔ le Mawu ŋkume be míaɖo to miawo wu Mawu la, miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ. Ke míawo ya míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.”—Dɔw. 4:19, 20.

HADZIDZI 73 Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo

^ mm. 5 Nu kae wòle be míawɔ ne dziɖuɖua ɖo asi mía dzi be míagasubɔ Yehowa o? Nyati sia aɖo aɖaŋu na mí tso afɔ siwo wòle be míaɖe kple nu siwo wòle be míaƒo asa na ale be míagadzudzɔ mía Mawu la subɔsubɔ gbeɖe o la ŋu!

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Fotoawo katã ku ɖe Ðasefo siwo le subɔsubɔm le dukɔ siwo me woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le me ŋu. Le foto sia me la, ƒuƒoƒo sue aɖe me tɔwo va ƒo ƒu le nɔviŋutsu aɖe ƒe nudzraɖoƒexɔ me.

^ mm. 61 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe (ame si le miame) wɔ vomeɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋu dɔ hele dze ɖom kple nyɔnu aɖe tso Yehowa ŋu

^ mm. 63 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe si poliswo le gbe biamee la gbe be yemaʋu go nyatakakawo tso yeƒe hamea ŋu o.