Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 34

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔdeasi Yeyea Me

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔdeasi Yeyea Me

“Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta . . . la be o.”—HEB. 6:10.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

NYA VEVIAWO *

1-3. Susu siwo tae ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ƒe dɔdeasiwo tea ŋu trɔna la dometɔ aɖewo ɖe?

ROBERT kple srɔ̃a, Mary Jo, gblɔ be: “Míenɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm ƒe 21 sɔŋ, eye míenɔ dzidzɔ kpɔm ale gbegbe, kasia, eva hiã be míakpɔ mía dzila enea katã dzi le tsitsi ta. Enye dzidzɔ na mí be míele be lém na wo. Ke hã, esime wòva hiã be míaʋu adzo le teƒe si ŋu míaƒe dzi ku ɖo vevie la, ete ɖe mía dzi ŋutɔ.”

2 William kple srɔ̃a, Terrie, gblɔ be: “Esi míeva nya be míaƒe lãmesẽ maɖe mɔ na mí be míagbugbɔ ayi míaƒe dɔdeasia dzi o la, míefa avi. Togbɔ be míedi vevie be míawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa le duta hã, míagate ŋu awɔe o.”

3 Aleksey gblɔ be: “Míenyae be tsitretsiɖeŋulawo di be yewoatu alɔdzedɔwɔƒe si menɔ subɔsubɔm le la. Ke hã, esi esia dzɔ eye wòhiã be míadzo le Betel la, metɔtɔ.”

4. Biabia kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Tsɔ kpe ɖe nu siwo me nɔvi siawo to ŋu la, Betel-ƒomea me tɔ akpe geɖe kple nɔvi bubu siwo hã xɔ dɔdeasi yeyewo la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo li. * Ate ŋu ate ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu wɔnuteƒe siawo dzi ŋutɔ be woaɖe asi le dɔdeasi si wolɔ̃ vevie la ŋu. Nu kae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ɖe woƒe nɔnɔme yeyea ŋu nyuie? Aleke nàte ŋu akpe asi ɖe wo ŋu? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me.

ALE SI NÀWƆ AKPƆ DZIDZEDZE NE NUWO TRƆ LE WÒ AGBE ME

Ne eva hiã be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo naɖe asi le woƒe dɔdeasia ŋu la, nu ka tae esia ate ŋu ate ɖe wo dzi vevie? (Kpɔ memama 5 lia) *

5. Ne míaƒe subɔsubɔ dɔdeasi trɔ la, aleke esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

5 Míeɖale subɔsubɔm le gbeadzi alo le Betel o, anɔ eme be míeva lɔ̃ amewo kple teƒe si míele subɔsubɔm le la gɔ̃ hã vevie. Nenye be le susu aɖe ta, eva hiã be míaɖe asi le dɔdeasi ma ŋu la, esia ate ŋu ana míatɔtɔ. Míesusua ame siwo míegblẽ ɖe megbe la vevie, eye míetsia dzimaɖi le wo ta, vevietɔ, nenye be yometiti ye wɔe be míeɖe asi le míaƒe dɔdeasia ŋu. (Mat. 10:23; 2 Kor. 11:28, 29) Azɔ hã, ne míexɔ dɔdeasi yeye, alo míetrɔ yi aƒe gɔ̃ hã la, ehiãna zi geɖe be míatrɔ ɖe dekɔnu vovovowo ŋu, le míawo ŋutɔwo mía de gɔ̃ hã. Robert kple Mary Jo gblɔ be: “Míawo ŋutɔwo míaƒe dekɔnuwo va zu nu yeye na mí wòle be míasrɔ̃, eye ele be míagasrɔ̃ gbeƒãɖeɖe le mía degbea gɔ̃ hã me. Míeva zu amedzrowo le míawo ŋutɔwo mía de.” Nɔvi aɖewo siwo xɔ dɔdeasi yeye la va kpɔ wo ɖokuiwo le gakuxi siwo womenɔ mɔ kpɔm na kura o la me. Wotsi dzimaɖi, wose le wo ɖokuiwo me be yewomele dedie o, eye dzi ɖe le wo ƒo. Nu kae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu?

Ele vevie be míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli eye míaɖo ŋu ɖe eŋu (Kpɔ memama 6-7 lia) *

6. Nu kae míawɔ be míakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli?

6 Yi edzi nànɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. (Yak. 4:8) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Míakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli ne míeka ɖe eyama dzi be ‘esea míaƒe gbedodoɖawo.’ (Ps. 65:2) Psalmo 62:8 gblɔ be: “Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋkume.” Yehowa ate ŋu “awɔ nu siwo míebiana alo nu siwo vaa míaƒe susu me la na mí wòagbɔ eŋu sãsãsã.” (Ef. 3:20) Menye nu siwo míedo gbe ɖa biae la ɖeɖe koe wòwɔna na mí o. Ate ŋu awɔ nu siwo míele mɔ kpɔm na o la na mí wòagbɔ nu sia nu si anya va susu me na mí la ta sãsãsã atsɔ akpɔ míaƒe kuxiawo gbɔ na mí.

7. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli? (b) Le Hebritɔwo 6:10-12 ƒe nya nu la, ne míeyi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la, nu kae ado tso eme?

7 Hafi nàkpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli la, ele be nàyi edzi anɔ Ŋɔŋlɔawo xlẽm gbe sia gbe eye nànɔ ŋugble dem le wo ŋu. Nɔviŋutsu aɖe si wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa va yi la gblɔ be: “Lé ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa me ɖe asi eye nɔ kpekpeawo dzram ɖo edziedzi, abe ale si ko nèwɔnɛ le wò dɔdeasi xoxoa me ene.” Azɔ hã, yi edzi nàƒo ɖokuiwò ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia me bliboe le wò hame yeyea me. Yehowa ɖoa ŋku ame siwo yia edzi subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe la dzi, ne womegate ŋu le nu siwo katã wowɔna tsã la wɔm o gɔ̃ hã.—Xlẽ Hebritɔwo 6:10-12.

8. Aleke nya siwo le 1 Yohanes 2:15-17 la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ agbe tsɛ?

8 Yi edzi nànɔ agbe tsɛ. Mègaɖe mɔ Satana ƒe xexe sia me dzimaɖitsitsiwo nawɔe be màgalé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. (Mat. 13:22) Mègaɖe mɔ be ame siwo mesubɔa Yehowa o alo ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ siwo le wò nyui dim la naƒoe ɖe nuwò be ehiã be nàkpɔ ga geɖe hafi agbea nadze edzi na wò o. (Xlẽ 1 Yohanes 2:15-17.) Ðo ŋu ɖe Yehowa, mía Mawu, si do ŋugbe be yeakpɔ míaƒe gbɔgbɔme, seselelãme, kple ŋutilãme nuhiahiãwo katã gbɔ na mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la ŋu.—Heb. 4:16; 13:5, 6.

9. Le Lododowo 22:3, 7 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle vevie be míaƒo asa na fenyinyi madzemadzee, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo?

9 Ƒo asa na fenyinyi madzemadzee. (Xlẽ Lododowo 22:3, 7.) Ʋuʋu ayi teƒe bubu ate ŋu abia ga geɖe, eye ate ŋu ahiã be nàdo ga atsɔ akpɔ hiahiãwo gbɔ. Gake nɔ ŋudzɔ be nàganɔ nu siwo mèhiã tututu o la ƒlem agbana loo alo ado ga atsɔ aƒle wo o; esia akpe ɖe ŋuwò be mànyi fe fũu o. Ne nu te ɖe mía dzi vevie esime míele míaƒe ƒometɔ siwo gbɔ míelɔ̃a nu le o, siwo ƒe lãme gblẽ dzi kpɔm la, ate ŋu asesẽ na mí be míanya ga ale si nu míado ale be míagaƒo mía ɖokui ɖe fe me fũu o. Le nɔnɔme mawo tɔgbi me la, ɖo ŋku edzi be “gbedodoɖa kple kokoƒoƒo” ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me nyuie. Yehowa aɖo wò gbedodoɖawo ŋu ahana ŋutifafa si ‘adzɔ wò dzi kple wò tamesusuwo ŋu’ la wò, eye esia akpe ɖe ŋuwò be wò dzi nadze eme eye nàbu nuwo ŋu nyuie hafi atso nya me.—Flp. 4:6, 7; 1 Pet. 5:7.

10. Aleke míawɔ be míadze xɔlɔ̃ yeyewo?

10 Yi edzi nànɔ kadodo nyui me kple xɔ̃wòwo kple wò ƒometɔwo. Gblɔ wò seselelãmewo kple nu siwo me tom nèle la na xɔ̃wò veviwo, vevietɔ, esiwo hã to nɔnɔme mawo tɔgbi me kpɔ. Esia akpe ɖe ŋuwò be wò dzi nadze eme. (Nyagb. 4:9, 10) Xɔlɔ̃ siwo nèdze le wò dɔdeasi xoxoa me la kpɔtɔ nye xɔ̃wòwo. Fifia, ele be nàdze xɔlɔ̃ yeyewo le wò dɔdeasi yeyea me. Ðo ŋku edzi be, hafi amewo nava zu xɔ̃wòwo la, ele be wò ŋutɔ nàwɔ nu ɖe wo ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Aleke nàwɔ be nàdze xɔlɔ̃ yeyewo? Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo Yehowa tsɔ yra wò la na nɔviawo, eye na woade dzesi dzidzɔ si kpɔm nèle le Yehowa subɔsubɔ me. Togbɔ be hamea me tɔ aɖewo mase nu si tae dzo le mewò ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu gɔme o hã la, kpɔɖeŋu nyui si ɖom nèle la ana nɔvi bubuwo ya nate ɖe ŋuwò eye woava zu xɔ̃wò veviwo. Gake, mèganɔ nu ƒom tso wò ŋutɔ ɖokuiwò alo nu siwo nète ŋu wɔ le Yehowa subɔsubɔ me la ŋu fũu akpa o, eye dze agbagba be wò susu naganɔ nu siwo ɖea dzi le ƒowò la ŋu o.

11. Nu kae miate ŋu awɔ be dzidzɔ nakpɔtɔ anɔ miaƒe ƒomea me?

11 Ne edzɔ be srɔ̃wò ƒe lãmesẽnyawoe wɔe be mieɖe asi le miaƒe subɔsubɔ dɔdeasia ŋu la, mègabu fɔe le eta o. Gake ne wò ŋutɔ wò lãmesẽkuxiwo gbɔe wòtso la, mèganɔ fɔ bum ɖokuiwò be ye tae yewoɖe asi le subɔsubɔ dɔdeasia ŋu o. Miɖo ŋku edzi be “ŋutilã ɖeka” mienye, eye miedo ŋugbe na Yehowa be yewoalé be na yewo nɔewo le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. (Mat. 19:5, 6) Ne edzɔ be srɔ̃wò va fɔ fu evɔ mienɔ mɔ kpɔm nɛ kura o, eye esiae wɔe be mieɖe asi le subɔsubɔ dɔdeasia ŋu la, midze agbagba miana mia via nakpɔe be yele vevie na mi wu subɔsubɔ dɔdeasi si ŋu mieɖe asi le. Mika ɖe edzi na mia via be “domenyinu” wònye tso Mawu gbɔ na yewo. (Ps. 127:3-5) Eye miƒo nu tso nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su mia si le miaƒe dɔdeasia me la ŋu nɛ. Esia wɔwɔ ate ŋu aʋã mia via be wòatsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa awɔ eƒe agbemedɔe abe ale si miewɔe ene.

KPEKPEÐEŊU SIWO AME BUBUWO ATE ŊU ANA

12. (a) Aleke míate ŋu akpe ɖe nɔvi siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la ŋu be woayi woƒe dɔdeasia dzi? (b) Aleke míate ŋu akpe asi ɖe wo ŋu be woatrɔ ɖe woƒe dɔdeasi yeyea ŋu nyuie?

12 Ede dzi ƒo ŋutɔ be, hame geɖewo kple nɔvi ɖekaɖekawo wɔa nu siwo woate ŋui tsɔ kpea asi ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ŋu be woakpɔtɔ ayi woƒe dɔdeasia dzi. Wowɔa esia ne wodea dzi ƒo na wo be woayi dɔa dzi, ne wonaa ga alo ŋutilãme kpekpeɖeŋu wo, alo ne wokpea asi ɖe wo dzila siwo le wo de la dzi kpɔkpɔ ŋu. (Gal. 6:2) Ne wode dɔ yeye asi na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe be wòava subɔ le miaƒe hamea me la, mègabu tɔtrɔ sia be ɖe wòdo kpo nu alo nu gbegblẽ aɖee wòwɔ eye wohe to nɛ o. * Ke boŋ, kpe ɖe wo ŋu be wòanɔ bɔbɔe na wo be woatrɔ ɖe woƒe dɔdeasi yeyea ŋu nyuie. Xɔ wo nyuie eye nàkafu wo ɖe dɔ nyui siwo wowɔ ta, ne lãmesẽnyawo wɔe be womegate ŋu le geɖe wɔm fifia o gɔ̃ hã. Dze agbagba nànya wo nyuie. Na sidzedze si su wo si, hehe siwo woxɔ kple woƒe nuteƒekpɔkpɔwo naɖe vi na wò.

13. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi siwo xɔ dɔdeasi yeye la ŋu?

13 Le gɔmedzedzea me la, ahiã be nàkpe ɖe nɔvi siwo xɔ dɔdeasi yeye la ŋu be woakpɔ dzeƒe, woanya ale si nutoa me ƒe ʋuɖonyawo le, woakpɔ dɔwɔɖui alo akpɔ agbemenuhiahiã vevi bubuwo gbɔ. Ðewohĩ, ahiã be woanya nu tso nyatakaka ɖe sia ɖe si ku ɖe nutoa me ŋu, abe asiɖiƒe alo lãmesẽnyawo ŋuti ɖoɖowo ene ŋu. Nu si wohiã vevie wu ye nye be nàdze agbagba ase nu gɔme na wo ahase veve ɖe wo nu. Ðewohĩ, wole ʋiʋlim be yewoakpɔ yewo ŋutɔwo ƒe lãmesẽnyawo alo yewoƒe ƒometɔwo ƒe lãmesẽkuxiwo gbɔ. Alo ɖewohĩ, wole nu xam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta. * Eye ate ŋu anɔ eme hã be wole nu xam le esi wole wo xɔlɔ̃ veviwo kple nɔvi siwo wodea ha kpli tsã la susum ta, togbɔ be womaɖee agblɔ o gɔ̃ hã. Etea ŋu xɔa ɣeyiɣi geɖe hafi seselelãme mawo, siwo nana ame tɔtɔna la, nu yina keŋkeŋ.

14. Esi wode dɔ yeye asi na nɔvinyɔnu aɖe la, aleke gbeƒãɖela siwo le nutoa me la kpe ɖe eŋu wòtrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu nyuie?

14 Gake fifia la, kpekpeɖeŋu si nàna wo kple wò kpɔɖeŋu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ɖe woƒe nɔnɔme yeyea ŋu nyuie. Nɔvinyɔnu aɖe si subɔ ƒe geɖe le duta la gblɔ be: “Le nye dɔdeasi xoxoa me la, mesrɔ̃a Biblia kple ame geɖe gbe sia gbe. Gake le nye dɔdeasi yeyea me la, ƒãa hafi mɔnukpɔkpɔ sua asinye be maʋu Biblia axlẽ mawunyakpukpui aɖe alo aɖe video afia ame aɖe. Ke hã, nutoa me gbeƒãɖelawo kpem be mawɔ ɖeka kpli yewo míayi aɖasrɔ̃ nu kple yewoƒe nusrɔ̃viwo. Esi mekpɔe be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dzinɔameƒotɔ mawo siwo me dzo le la le Biblia nusɔsrɔ̃ nyuiwo wɔm la, susu nyui va su asinye ɖe anyigbamamaa me tɔwo ŋu. Mesrɔ̃ ale si madze dzeɖoɖo gɔme le nye anyigbamama yeyea me. Esiawo katã kpe ɖe ŋunye megava le dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me.”

YI EDZI NÀNƆ WÒ ŊUTETE KATÃ WƆM!

Di mɔ siwo dzi nàto akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu le mia de (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15. Aleke nàwɔ akpɔ dzidzedze le wò dɔdeasi yeyea me?

15 Àte ŋu akpɔ dzidzedze le wò dɔdeasi yeyea me. Mègasusu be esi nuwo trɔ le wò agbe me ta la, esia fia be èdo kpo nu alo asixɔxɔ megale ŋuwò o. De dzesi mɔ siwo nu Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwò le fifia, eye yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Srɔ̃ Kristotɔ wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe kpɔɖeŋua. Kristotɔ siwo ka hlẽ la “nɔ gbeƒã ɖem nya nyui la le afi sia afi si woyi.” (Dɔw. 8:1, 4) Agbagba siwo nàdze ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi la ate ŋu atse ku geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esi wonya mɔɖela aɖewo dzo le dukɔ aɖe me la, woʋu yi dukɔ bubu aɖe si te ɖe afi ma ŋu me, eye wohiã gbeƒãɖelawo le gbe si mɔɖela siawo dona la me vevie le dukɔ sia me. Le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me la, woɖo ƒuƒoƒo yeyewo eye wole dzidzim ɖe edzi kabakaba.

16. Nu kae nàwɔ be nàkpɔ dzidzɔ le wò dɔdeasi yeyea me?

16 “Dzidzɔ si tsoa Yehowa gbɔe nye [wò] ŋusẽ.” (Neh. 8:10, etenuŋɔŋlɔ) Aleke kee míeɖalɔ̃ míaƒe dɔdeasiae o, ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome lae wòle be wòanye míaƒe dzidzɔtsoƒe gãtɔ kekeake, ke menye míaƒe dɔdeasia o. Eya ta, yi edzi nanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli, nɔ esinu kpɔm be wòana nunya wò, afia mɔ wò, eye wòakpe ɖe ŋuwò. Ðo ŋku edzi be, esi nèku kutri vevie kpe ɖe amewo ŋu le wò dɔdeasi xoxoa me la, eyae wɔe be nèva lɔ̃ dɔdeasi ma vevie. Ekema, wɔ wò ŋutete katã le wò dɔdeasi yeyea me eye nàkpɔe ɖa be Yehowa makpe ɖe ŋuwò nàva lɔ̃ esia hã vevie o hã.—Nyagb. 7:10.

17. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe dɔ si wode asi na mí fifia ŋu?

17 Ele be wòanɔ susu me na mí be míayi edzi anɔ Yehowa subɔm tegbee, gake ɣeyiɣi aɖe ƒe nu koe dɔ si wode asi na mí fifia ya nye. Le xexe yeyea me la, mí katã míaƒe dɔdeasiwo ate ŋu atrɔ. Aleksey, si ŋu míeƒo nu tso le gɔmedzedzea me la, xɔe se be nu si me tom yele la le ye dzram ɖo ɖe tɔtrɔ siwo ava le xexe yeyea me ŋu. Aleksey gblɔ be: “Menya be Yehowa li ŋutɔŋutɔ eye meka ɖe edzi be xexe yeyea ava, gake tsã la, ewɔna nam be wole adzɔge boo tso gbɔnye. Gake fifia ya, ɖeko wòle abe ɖe mele Yehowa kpɔm kple nye ŋkuwo ene, eye mekpɔe be xexe yeyea tu aƒe ŋutɔ.” (Dɔw. 2:25) Dɔ ka kee woɖade asi na mí fifia o, mina míayi edzi anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. Magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o, ke boŋ, akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔ ɖe sia ɖe si wɔm míele nɛ la me—afi ka kee míeɖale ewɔm le o.—Yes. 41:13.

HADZIDZI 90 Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo

^ mm. 5 Ɣeaɖewoɣi la, nanewo ate ŋu awɔe be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la naɖe asi le woƒe subɔsubɔ dɔdeasia ŋu, alo ɖewohĩ, woaxɔ dɔdeasi yeye. Nyati sia dzro kuxi siwo wodoa goe kple nu siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ɖe woƒe nɔnɔme yeyea ŋu nyuie la me. Gakpe ɖe eŋu la, edzro nu siwo ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na wo ahakpe asi ɖe wo ŋu kpakple gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me la me.

^ mm. 4 Nenema kee, ne nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo la tsi va xɔ ƒe aɖe la, wo dometɔ geɖe ɖea asi le woƒe dɔawo ŋu na ɖekakpui siwo dze nyuie. Kpɔ nyati si nye “Kristotɔ Tsitsiwo—Yehowa Dea Asixɔxɔ Miaƒe Nuteƒewɔwɔ Ŋu,” si dze le September 2018, ƒe Gbetakpɔxɔ me, kple esi nye “Ale Si Nàkpɔ Dzidzeme Ne Nuwo Trɔ Le Wò Agbe Me Gɔ̃ Hã,” si dze le October 2018, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 12 Ele be hame siwo me woʋu tso la ƒe hamemetsitsiwo naŋlɔ lɛta tso wo ŋu aɖo ɖe woƒe hame yeyea ƒe hamemetsitsiwo kaba ale si wòanya wɔ, ale be woagahe woƒe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, hamemetsitsi, alo subɔsubɔdɔwɔla ƒe dɔa dzi yiyi ɖe megbe o.

^ mm. 13 Kpɔ nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, si ƒe tanyae nye, “Nu Si Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La Ŋu,” si dze le 2018 ƒe Nyɔ!, Tata 3 lia me.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ne míaƒe subɔsubɔ dɔdeasi trɔ la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatrɔ ɖe míaƒe nɔnɔme yeyea ŋu nyuie?

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi atsu kple asia trɔ yi wo de la, wonɔ gbedodoɖa dzi na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoado dzi le kuxi siwo me tom yewole la me.

^ mm. 61 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, atsu kple asia gadze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme ake. Wole gbe si wosrɔ̃ le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la zãm tsɔ le nya nyuia gblɔm na dukɔ bubu me tɔ siwo le woƒe hame yeyea ƒe anyigbamamaa me.