Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 40

Tsɔ Dzo Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu Le “Ŋkeke Mamlɛawo” Ƒe Nuwuɣi La Me

Tsɔ Dzo Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu Le “Ŋkeke Mamlɛawo” Ƒe Nuwuɣi La Me

“Minɔ te sesĩe, maʋamaʋã, eye miwɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me ɣesiaɣi.”—1 KOR. 15:58.

HADZIDZI 58 Míadi Ŋutifafalɔ̃lawo

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae na míeka ɖe edzi be míele “ŋkeke mamlɛawo” me?

NE ƑE 1914 megbee wodzi wò la, ekema, èle agbe le nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me tso gbe si gbe wodzi wò ke va de asi na fifia. (2 Tim. 3:1) Mí katã míekpɔe be nu siwo ŋu nya Yesu gblɔ ɖi ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu la le dzɔdzɔm. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye aʋawɔwɔ, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋuwo, dɔvɔ̃wo, sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi, kple Yehowa ƒe amewo yome titi. (Mat. 24:3, 7-9, 12; Luka 21:10-12) Azɔ hã, míekpɔe be amewo ƒe nɔnɔme va le abe ale si tututu apostolo Paulo gblɔe ɖi ene. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Amewo Ƒe Nɔnɔme Le Fifia.”) Mí Yehowa subɔlawo míeka ɖe edzi be míele “ŋkeke mamlɛawo” ƒe “nuwuɣi la” me fifia.—Mika 4:1, etenuŋɔŋlɔ.

2. Biabia kawoe wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na?

2 Esi wònye be ɣeyiɣi gbogbo aɖe va yi xoxo tso ƒe 1914 va se ɖe fifia ta la, anɔ eme godoo be “ŋkeke mamlɛawo” ƒe nuwuɣi la mee míele fifia. Esi nuwuwua tu aƒe ŋutɔ ta la, ele be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi aɖewo; woawoe nye: Nu kawoe adzɔ le “ŋkeke mamlɛawo” ƒe nuwuwu? Eye nu kae Yehowa di be míanɔ wɔwɔm esime míele nudzɔdzɔ mawo lalam?

NU KAWOE ADZƆ LE “ŊKEKE MAMLƐAWO” ƑE NUWUWU?

3. Le nyagblɔɖi si le 1 Tesalonikatɔwo 5:1-3 nu la, gbeƒã kae xexemedziɖulawo aɖe?

3 Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:1-3. Paulo yɔ “Yehowa ƒe ŋkeke la.” Le mawunyakpukpui sia me la, “Yehowa ƒe ŋkeke la” le tsitre ɖi na ɣeyiɣi si adze egɔme ne dukɔwo dze “Babilon Gã la,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la, dzi eye awu enu kple Armagedon-ʋa la. (Nyaɖ. 16:14, 16; 17:5) Do ŋgɔ teti na “ŋkeke” ma ƒe gɔmedzedze la, xexemedziɖulawo anɔ gbeƒã ɖem be, ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li!’ Xexemedziɖulawo zãa nya siawo tɔgbi zi geɖe ne wole nu ƒom tso ale si woawɔ dukɔwo dome kadodowo nanyo ɖe edzi la ŋu. * Ke hã, gbeƒã si Biblia gblɔ be woaɖe be ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li!’ la ya ato vovo kura. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ne woɖe gbeƒã sia la, ame geɖe asusui be xexemedziɖulawo te ŋu na ŋutifafa kple dedienɔnɔ va le xexea me wu tsã. Gake nyateƒea ye nye be, “tsɔtsrɔ̃ kpata” ava wo dzi le “xaxa gã” la me.—Mat. 24:21.

Mègana gbeƒã si xexemedziɖulawo aɖe be, ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li!’ la naflu wò o (Kpɔ memama 3-6 lia) *

4. (a) Nu kae wòle be míalala hafi anya tso “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe gbeƒãɖeɖea ŋu? (b) Nu kawoe míenya tso eŋu xoxo?

4 Míenya nanewo tso “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe gbeƒãɖeɖea ŋu. Gake, nu bubu aɖewo li siwo míekpɔ nya tso eŋu haɖe o. Míenya nu kae awɔe be xexemedziɖulawo naɖe gbeƒã ma o, eye míenya ale si tututu woaɖe gbeƒã lae o. Míenya nenye be gbeƒã ɖeka aɖe ko wòanye woaɖe loo alo gbeƒãɖeɖe vovovo siwo akplɔ wo nɔewo ɖoe wòanye o. Aleke kee wòaɖadzɔe o, nu si míenya ye nye esi: Xexemedziɖulawo mate ŋu ahe ŋutifafa ava xexea me o, eya ta mele be woƒe gbeƒãɖeɖea naflu mí o. Ke boŋ, gbeƒãɖeɖe ma ŋue Biblia gblɔ na mí be míanɔ ŋudzɔ ɖo. Gbeƒãɖeɖe mae anye dzesi be “Yehowa ƒe ŋkeke la” le egɔme dze ge!

5. Aleke 1 Tesalonikatɔwo 5:4-6 kpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi na “Yehowa ƒe ŋkeke la” ƒe vava?

5 Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:4-6. Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya siawo na míenya nu si míawɔ be míanɔ dzadzraɖoɖi na “Yehowa ƒe ŋkeke la” ƒe vava. Mele be “míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame susɔeawo ke ene o.” Ke boŋ, ele be “míanɔ ŋudzɔ,” eye míanɔ mo xexi. Le kpɔɖeŋu me, ele be míanɔ ŋudzɔ be míagade akpa aɖeke dzi le xexe sia ƒe dunyahehe me alo ade nu dunya me o. Ne míeƒo mía ɖokui ɖe xexe sia ƒe dunyahehe me la, esia ana ‘míanye xexea ƒe akpa aɖe.’ (Yoh. 15:19) Míenyae be Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu ahe ŋutifafa ava xexea me godoo.

6. Nu kae wòle be míakpe ɖe amewo ŋu woawɔ, eye nu ka tae?

6 Menye ɖeko wòle be míawo ŋutɔwo míanɔ ŋudzɔ ko evɔ o, ke ele hã be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woanyɔ le wo ɖokuiwo me eye woanya nu siwo Biblia gblɔ ɖi be woava dzɔ le xexea me. Ele be míaɖo ŋku edzi be, ne xaxa gãa nya dze egɔme ko la, atsi megbe akpa be amewo nava trɔ ɖe Yehowa ŋu ahasubɔe. Esia tae wòle vevie ŋutɔ be míaɖe gbeƒã na amewo fifia! *

DO VEVIE GBEƑÃÐEÐEDƆA

Ne míele gbeƒã ɖem na amewo egbea la, míefiaa wo be Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ ava xexea me (Kpɔ memama 7-9 lia)

7. Nu kae Yehowa di tso mía si be míanɔ wɔwɔm fifia?

7 Le ɣeyiɣi kpui si susɔ hafi “Yehowa ƒe ŋkeke la” nadze egɔme me la, Yehowa di tso mía si be míatsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Ehiã be míadze agbagba ‘awɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.’ (1 Kor. 15:58) Yesu gblɔ nu si míawɔ la ɖi esime wònɔ nu ƒom tso nu ɖedzesi siwo katã adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me la ŋu. Egblɔ be: “Eye ele be woaɖe gbeƒã nya nyui la le dukɔwo katã me gbã.” (Marko 13:4, 8, 10; Mat. 24:14) Wò ya bu eŋu kpɔ: Ɣesiaɣi si nèkpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la, èle asi kpem ɖe eŋu be Biblia ƒe nyagblɔɖi ma nava eme!

8. Aleke míewɔ nya be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le dzidzedze kpɔm?

8 Aleke Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le dzidzedze kpɔmee? Ƒe sia ƒe la, ame geɖewo ɖoa to Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le xexea me godoo la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi le ŋkeke mamlɛawo me la ŋu kpɔ. Le ƒe 1914 me la, gbeƒãɖela 5,155 ye nɔ xexea me godoo, eye wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa le dukɔ 43 me. Egbea, gbeƒãɖela siwo ƒe xexlẽme ade miliɔn enyi kple afã ye le xexea me godoo, eye wole gbeƒã ɖem le dukɔ 240 me! Ke hã, dɔa mekpɔ wu enu haɖe o. Ele be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem na amewo be Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ.—Ps. 145:11-13.

9. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia?

9 Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ayi edzi va se ɖe esime Yehowa agblɔ be dɔa wu enu. Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae susɔ be amewo nava nya Yehowa Mawu kple Yesu Kristo? (Yoh. 17:3) Míenya o. Nu si míenyae nye be, va se ɖe esime xaxa gãa nadze egɔme la, mɔnukpɔkpɔ akpɔtɔ anɔ ʋuʋu ɖi be “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la” nase nya nyuia ahatso nya me be yewoasubɔ Yehowa. (Dɔw. 13:48) Aleke míawɔ akpe ɖe ame siawo ŋu hafi wòatsi megbe akpa?

10. Aleke Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu be míafia nyateƒea amewo?

10 Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi le nu sia nu si míehiã be míafia nyateƒea amewo la nam mí. Le kpɔɖeŋu me, míexɔa hehe kwasiɖa sia kwasiɖa le kwasiɖa domedome kpekpea me. Kpekpe sia kpena ɖe mía ŋu míenyaa nya si míagblɔ na amewo ne míedo go wo zi gbãtɔ, kple ale si míawɔ tɔtrɔyiwo. Ekpena ɖe mía ŋu hã be míesrɔ̃a ale si míawɔ Biblia nusɔsrɔ̃wo. Azɔ hã, Yehowa ƒe habɔbɔa na Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la mí. Dɔwɔnu vovovo siawo kpena ɖe mía ŋu be  . . .

  • míadze dzeɖoɖo gɔme kple amewo,

  • míana nyaa sese nadzro amewo,

  • míana amewo nadi be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ŋu,

  • míafia Biblia me nyateƒea amewo, eye

  • míade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔwo be woayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea kple míaƒe Fiaɖuƒe Akpataa me.

Togbɔ be dɔwɔnu mawo le mía si hã la, ema ɖeɖe mesu o. Ele be míawɔ wo ŋu dɔ. * Le kpɔɖeŋu me, ne èɖo dze tuameɖo aɖe kple ɖetsɔlemetɔ aɖe vɔ eye nètsɔ trakt alo magazine aɖe nɛ hafi dzo la, ate ŋu ayi edzi anɔ nu xlẽm tso nyateƒea ŋu va de asi na esime nàgatrɔ ayi egbɔ. Mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzie wònye be wòatsɔ dzo ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu ɣleti sia ɣleti ale si wòanya wɔ.

11. Nu ka tae habɔbɔa wɔ Biblia-sɔsrɔ̃ Le Internet Dzi ƒe ɖoɖoa?

11 Biblia-sɔsrɔ̃ Le Internet Dzi ƒe ɖoɖo si le jw.org® la nye mɔ bubu si dzi Yehowa to le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nyateƒea. Nu ka tae habɔbɔa wɔ ɖoɖo sia? Nu si tae nye be, le xexea me godoo la, ame akpe geɖe wɔa numekuku le Internet dzi ɣleti sia ɣleti be yewoake ɖe nu siwo akpe ɖe yewo ŋu yewoasrɔ̃ Biblia la ŋu. Nusɔsrɔ̃ siwo le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea la ate ŋu akpe ɖe ame siawo ŋu be woava nya nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me. Azɔ hã, anɔ eme be, ame siwo nèdoa goe le gbeadzi la dometɔ aɖewo madi be nàva nɔ Biblia srɔ̃m kpli yewo o. Ne edzɔ alea la, àte ŋu atsɔ nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea la afia amea, alo nàɖo afi si wòakpɔe le le jw.org la ɖee be wòaʋui le eƒe mɔ̃ dzi. *

12. Nu kawo ŋue woate ŋu asrɔ̃ nu tsoe le Biblia-sɔsrɔ̃ Le Internet Dzi ƒe ɖoɖoa me?

12 Nyati siwo me wodzro le míaƒe Biblia-sɔsrɔ̃ Le Internet Dzi ƒe ɖoɖoa me la dometɔ aɖewoe nye: “Biblia La Kple Ame Si Gbɔ Wòtso,” “Ame Ðedzesi Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe,” kple “Biblia Me Gbedeasi Si Naa Mɔkpɔkpɔ Ame.” Le nyati mawo te la, wodzro nya vevi siwo gbɔna la me:

  • Ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu

  • Ame siwo Yehowa, Yesu, kple mawudɔlawo nye

  • Nu si tae Mawu wɔ amegbetɔwo ɖo

  • Nu si gbɔ fukpekpe kple vɔ̃ɖinyenye tso

Nu bubu siwo me wodzro le nusɔsrɔ̃awo mee nye . . . 

  • ale si Yehowa ava ɖe fukpekpe kple ku ɖa,

  • ale si Yehowa ava fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre, kple

  • ale si Yehowa ava tsɔ Mawu Fiaɖuƒea aɖɔli amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwoe.

13. Ðe Internet dzi nusɔsrɔ̃awo va xɔ ɖe ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewo fifia la teƒea? Ðe eme.

13 Internet dzi nusɔsrɔ̃awo meva xɔ ɖe ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewo fifia la teƒe o. Yesu na mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí be míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo. Taɖodzinu si le nusɔsrɔ̃ siwo le Internet dzi la ŋue nye be wòakpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Biblia ŋu, nusɔsrɔ̃a navivi wo nu, eye woadi be yewoagasrɔ̃ nu geɖe akpee. Ne woto nusɔsrɔ̃a me vɔ la, ɖewohĩ, wo dometɔ aɖewo adi be Ðasefo aɖe nava srɔ̃ Biblia kpli yewo. Le nusɔsrɔ̃ siwo le Internet dzi la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, wodea dzi ƒo na amea be wòabia be ame aɖe nava srɔ̃ Biblia kpli ye. Le mama dedie nu la, ame 230 kple edzivɔ biana to míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi gbe sia gbe be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo! Ðikeke mele eme o be, ale si míeyia amewo gbɔ ɖasrɔ̃a Biblia kpli wo la gakpɔtɔ le vevie ŋutɔ!

YI EDZI NÀWƆ NUSRƆ̃LAWO

14. Le Yesu ƒe mɔfiame si dze le Mateo 28:19, 20 nu la, nu kae míedzea agbagba vevie be míawɔ, eye nu ka tae?

14 Xlẽ Mateo 28:19, 20. Ne míele Biblia srɔ̃m kple amewo la, ele be míadze agbagba ale si míate ŋui be ‘míawɔ nusrɔ̃lawo ahafia nu wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se Yesu de na mí la dzi.’ Ele be míakpe ɖe amewo ŋu woase egɔme be ehiã vevie ŋutɔ be yewoatso nya me be yewoasubɔ Yehowa ahanɔ eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Esia bia be míadze agbagba ade dzi ƒo na wo be woawɔ nu siwo srɔ̃m wole la dzi, woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woaxɔ nyɔnyrɔ. Esia ko hafi woate ŋu atsi agbe ne Yehowa ƒe ŋkekea va.—1 Petro 3:21.

15. Ame kawo ŋue mele be míagblẽ ɣeyiɣi ɖo o, eye nu ka tae?

15 Abe ale si míede dzesii le nyati sia me va yi ene la, ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ tso fifia va se ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Le susu sia ta la, ɣeyiɣi meli míayi edzi anɔ Biblia srɔ̃m kple ame siwo mele tɔtrɔ aɖeke wɔm le woƒe agbenɔnɔ me kple susu be yewoava nye Yehowa subɔlawo o la o. (1 Kor. 9:26) Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata! Ame geɖewo li siwo wòhiã be woase Fiaɖuƒegbedeasia hafi wòatsi megbe akpa.

ƑO ASA NA NU SIA NU SI DO KA KPLE ALAKPASUBƆSUBƆ LA KEŊKEŊ

16. Le Nyaɖeɖefia 18:2, 4, 5, 8 ƒe nyawo nu la, nu kae wòle be mí katã míawɔ? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

16 Xlẽ Nyaɖeɖefia 18:2, 4, 5, 8. Mawunyakpukpui siawo na míekpɔ nu bubu aɖe si Yehowa di tso esubɔlawo si. Eyae nye be, ele be Kristotɔ vavãwo katã naƒo asa na nu sia nu si do ka kple Babilon Gãa, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo, la le mɔ sia mɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, hafi ame aɖe nava srɔ̃ Biblia me nyateƒea la, anɔ eme be, enɔ alakpasubɔsubɔha aɖe me. Ðewohĩ, edea woƒe subɔsubɔkpekpewo hekpɔa gome le woƒe wɔnawo me. Alo anɔ eme be, edzɔa ga tsɔ kpea asi ɖe subɔsubɔha ma ŋu. Gake hafi Kristo hamea nada asi ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe dzi be wòazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, ele be wòatso kadodo ɖe sia ɖe si le eya kple alakpasubɔsubɔhawo dome la me keŋkeŋ. Ele be wòaŋlɔ lɛta na subɔsubɔha si me wònɔ alo habɔbɔ ɖe sia ɖe si me wònɔ si do ka kple alakpasubɔsubɔ la ana woanya be yemeganye woƒe haa me tɔ o, alo wòato mɔ bubu si sɔ dzi awɔ esia. *

17. Dɔwɔɖui kae wòle be Kristotɔ naƒo asa ana, eye nu ka tae?

17 Ele be Kristotɔ nakpɔ egbɔ be yeƒo asa na dɔwɔɖui ɖe sia ɖe si do ƒome kple alakpasubɔsubɔ la le mɔ sia mɔ nu. (2 Kor. 6:14-17) Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ mate ŋu anye subɔsubɔha aɖe ƒe dɔwɔla o. Azɔ hã, mele be Kristotɔ si le dɔ wɔm na dɔwɔƒe aɖe la nalɔ̃ awɔ dɔ geɖe le sɔlemexɔ aɖe me alo eŋu o. Eye ne eya ŋutɔe nye dɔtɔa la, mele be wòabia tso alakpasubɔsubɔha aɖeke si be woatsɔ dɔ na yeƒe dɔwɔƒea ne yewoawɔ na wo o, nenema kee, ne alakpasubɔsubɔha aɖe bia tso eƒe dɔwɔƒea si be woawɔ dɔ na yewo la, mele be wòalɔ̃ axɔe o. Nu ka tae míetsɔa nya siawo nya vevii alea gbegbe? Nu si tae nye be, míedi be míakpe asi ɖe subɔsubɔha siwo ŋu mekɔ le Mawu ŋkume o la ƒe aʋatsonufiafiawo kple nu gbegblẽ siwo wowɔna la ŋu le mɔ aɖeke nu o.—Yes. 52:11. *

18. Aleke nɔviŋutsu aɖe wɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le eƒe dɔwɔɖui gome?

18 Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, dɔwɔƒe aɖe ƒe dɔnunɔla bia tso nɔviŋutsu aɖe, si wɔa ɖokuisidɔ la, si be wòawɔ atikpadɔ sue aɖe le sɔlemexɔ aɖe si le woƒe nutoa me la me. Dɔnunɔlaa nya nyuie be nɔviŋutsua medina be yeawɔ dɔ aɖeke si ku ɖe sɔlemexɔwo ŋu o. Gake, fifia ya, dɔnunɔlaa di ame si awɔ dɔ sia nɛ la dokpoe. Ke hã, nɔviŋutsua wɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi eye wògbe be yemawɔ dɔa o. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, foto aɖe si me atikpala aɖe le atitsoga klãm ɖe sɔlemexɔ ma ŋu le la dze le nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ me. Ne ɖe mía nɔviŋutsua mewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi o la, anye ne eƒe fotoe adze le nyadzɔdzɔgbalẽa me. Bu ale si gbegbe esia aƒo ɖi ŋkɔ nyui si le eŋu le Kristo hamea me la ŋu kpɔ! Eye bu ale si gbegbe esia ana Yehowa nase veve le eɖokui mee la hã ŋu kpɔ.

NU KAE MÍESRƆ̃?

19-20. (a) Va se ɖe fifia la, nu kae míesrɔ̃? (b) Nu bubu kawoe wòhiã be míagasrɔ̃?

19 Le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo nu la, nu ɖedzesi si adzɔ kpuie le xexea me godoo ye nye gbeƒã si xexemedziɖulawo aɖe be, ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li!’ Esi Yehowa fia nu mí ta la, míenyae be xexemedukɔwo mate ŋu ahe ŋutifafa vavã si anɔ anyi ɖaa avɛ o. Nu kae wòle be míanɔ wɔwɔm hafi nu ɖedzesi ma nadzɔ eye tsɔtsrɔ̃ kpata si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nakplɔe ɖo? Yehowa di tso mía si be míatsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu eye míayi edzi anɔ agbagba dzem be míawɔ nusrɔ̃la geɖewo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ehiã vevie be míaƒo asa na alakpasubɔsubɔ keŋkeŋ. Esia bia be míado go le alakpasubɔsubɔha ɖe sia ɖe me keŋkeŋ, eye míayi edzi aƒo asa na dɔ ɖe sia ɖe si do ƒome kple alakpasubɔsubɔ.

20 Nu bubuwo hã adzɔ le “ŋkeke mamlɛawo” ƒe nuwuɣia me. Eye nu bubuwo gali siwo Yehowa di tso mía si be míawɔ. Nu kawoe adzɔ, eye nu kawoe Yehowa adi tso mía si? Aleke míawɔ adzra ɖo ɖe nu siwo katã gbɔna dzɔdzɔ ge le etsɔme kpuie la ŋu? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 71 Yehowa Ƒe Aʋakɔ Míenye!

^ mm. 5 Míele mɔ kpɔm be, eteƒe madidi o, xexemedziɖulawo aɖe gbeƒãe be, “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li!” Nudzɔdzɔ mae anye dzesi be xaxa gã la le egɔme dze ge. Nu kae Yehowa di tso mía si be míanɔ wɔwɔm tso fifia va de asi na esime woaɖe gbeƒã ma? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa.

^ mm. 3 Le kpɔɖeŋu me, Dukɔ Ƒoƒuawo gblɔ le woƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe be “yewole nanam be ŋutifafa kple dedienɔnɔ nanɔ dukɔwo dome le xexea me godoo.”

^ mm. 10 Ne èdi numekɔkɔ geɖe tso ale si nàzã Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui ŋu la, kpɔ nyati si nye “Fia Nyateƒea Amewo” si dze le October 2018 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 11 Fifia, nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo sia le Eŋlisigbe kple Portugalgbe me, gake woava wɔ gbegbɔgblɔ bubuwo akpee emegbe.

^ mm. 16 Ele hã be míaƒo asa na habɔbɔ siwo do ka kple alakpasubɔsubɔ—siwo dometɔ aɖewoe nye sɔhɛwo ƒe habɔbɔ siwo wɔa ɖoɖo be sɔhɛwo naɖaƒu asaɖa ɖe teƒeteƒewo, kpakple Ðekakpui Sɔlemedelawo Ƒe Habɔbɔ (YMCA) kple Ðetugbui Sɔlemedelawo Ƒe Habɔbɔ (YWCA) kple esiawo tɔgbi—keŋkeŋ. Esia ku ɖe woƒe modzakaɖeƒewo, kamedeƒewo, tsiƒuƒewo alo lãmesẽ habɔbɔwo hã ŋu. Togbɔ be habɔbɔ siawo siwo le nutoa me la dometɔ aɖewo agblɔ be yewoƒe wɔnawo menye subɔsubɔwɔnawo o hã la, le nyateƒe me la, habɔbɔ mawo doa alakpasubɔsubɔ dzixɔsewo ɖe ŋgɔ eye wodea dzi ƒo na wo me nɔlawo be woalé mawusubɔsubɔ me ɖe asi.

^ mm. 17 Ne èdi numekɔkɔ tsitotsito le nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso dɔwɔɖui siwo do ƒome kple subɔsubɔhawo ŋu ŋuti la, kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le April 15, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 83 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ame aɖewo siwo le kɔfinoƒe la ƒe nu ku esi wogblɔ le television dzi “Nyadzɔdzɔwo” me be, ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li!’ Gake esia meflu Ðasefo atsu kple asi si tso gbeadzi heva le ɖiɖim ɖe eme vie le afi ma ya o.