Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 44

Dze Agbagba Mia Kple Nɔviwò Kristotɔwo Dome Nanɔ Kplikplikpli Hafi Nuwuwua Nava

Dze Agbagba Mia Kple Nɔviwò Kristotɔwo Dome Nanɔ Kplikplikpli Hafi Nuwuwua Nava

“Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi.”—LOD. 17:17.

HADZIDZI 101 Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me

NYA VEVIAWO *

Míahiã xɔlɔ̃ nyuiwo le “xaxa gã la” me (Kpɔ memama 2 lia) *

1-2. Le 1 Petro 4:7, 8 ƒe nya nu la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míado dzi le xaxawo me?

ESI míele “ŋkeke mamlɛawo” ƒe nuwuwu gogom ta la, xaxa sesẽwo ate ŋu ava mía dzi. (2 Tim. 3:1) Le kpɔɖeŋu me, esi woda akɔ le ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ aɖe me vɔ megbe la, ʋunyaʋunyawɔwɔ kple gbɔlɔlɔ geɖe va nɔ edzi yim le dukɔa ƒe teƒeteƒewo. Menɔ bɔbɔe na mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo be woayi woƒe gbe sia gbe dɔwo gbe o ɣleti ade sɔŋ le esi wonɔ nuto si me nu mawo nɔ dzɔdzɔm le me ta. Nu kae kpe ɖe wo ŋu wote ŋu to nɔnɔme sesẽ ma me do? Wo dometɔ aɖewo ʋu yi ɖanɔ nɔvi siwo nɔ nuto siwo me tomefafa nɔ wu la gbɔ. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Le nɔnɔme ma me la, mekpɔ xɔlɔ̃wo dome nɔnɔ ƒe vevienyenye dze sii. Míete ŋu de dzi ƒo na mía nɔewo.”

2 Ne ‘xaxa gãa’ dze egɔme la, adzɔ dzi na mí ŋutɔ be xɔlɔ̃ nyui siwo lɔ̃ mí la le mía si. (Nyaɖ. 7:14) Eya ta, ehiã vevie ŋutɔ be míadze agbagba ana xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli nanɔ mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome fifia. (Xlẽ 1 Petro 4:7, 8.) Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Yeremiya gbɔ. Exɔlɔ̃wo kpe ɖe eŋu wòdo dzi to ɣeyiɣi sesẽ siwo do ŋgɔ na Yerusalem tsɔtsrɔ̃ la me. * Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua?

SRƆ̃ NU TSO YEREMIYA ƑE KPƆÐEŊUA ME

3. (a) Nu kae ate ŋu awɔe be Yeremiya naɖe eɖokui ɖe aga hafi? (b) Nya kae Yeremiya gblɔ na Baruk si nye eƒe agbalẽŋlɔla, eye nu kae do tso eme?

3 Yeremiya nɔ ame mawɔnuteƒewo, siwo dometɔ aɖewo nye eƒe aƒelikawo, kple ɖewohĩ, eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo tso wo de Anatot la, dome ƒe 40 ya teti. (Yer. 11:21; 12:6) Ke hã, meɖe eɖokui ɖe aga o. Le nyateƒe me la, eɖe eƒe seselelãmewo gblɔ na Baruk si nye eƒe agbalẽŋlɔla wɔnuteƒe la, eye le mɔ aɖe nu la, eƒe nyawo yi na míawo hã egbea. (Yer. 8:21; 9:1; 20:14-18; 45:1) Esime Baruk nɔ nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi siwo me Yeremiya to ŋlɔm ɖi la, anɔ eme be, kadodo kplikplikpli va nɔ wo ame evea dome eye wode bubu wo nɔewo ŋu.—Yer. 20:1, 2; 26:7-11.

4. Dɔ kae Yehowa de asi na Yeremiya be wòawɔ, eye aleke dɔdeasi sia na xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si nɔ Yeremiya kple Baruk dome la me gava sẽ ɖe edzi?

4 Yeremiya xlɔ̃ nu Israel-viwo dzinɔameƒotɔe tso nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe Yerusalem dzi la ŋu ƒe geɖe. (Yer. 25:3) Esi Yehowa di be yeagakpe ɖe dukɔa ŋu wòatrɔ dzi me ta la, ebia tso Yeremiya si be wòaŋlɔ yeƒe nuxlɔ̃amenyawo ɖe agbalẽ xatsaxatsa aɖe me. (Yer. 36:1-4) Eye esi Yeremiya kple Baruk wɔ dɔ sia si Mawu de wo si, si anya xɔ ɣleti geɖe la asi-le-asi-me la, ɖikeke mele eme o be, woɖo dze tuameɖowo hedo ŋusẽ wo nɔewo ƒe xɔse.

5. Aleke míewɔ nya be Baruk nye xɔlɔ̃ nyui aɖe na Yeremiya?

5 Esi ɣeyiɣia de be woaxlẽ Yehowa ƒe gbedeasi si le agbalẽ xatsaxatsaa me na dukɔa la, Yeremiya ka ɖe exɔlɔ̃ Baruk dzi be ate ŋu awɔ esia. (Yer. 36:5, 6) Dzi nɔ Baruk ƒo wòwɔ dɔdeasi sia si me afɔku le la. Esi Baruk yi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu ɖaxlẽ gbedeasi si le agbalẽ xatsaxatsaa me na dukɔa la, àte ŋu akpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ Yeremiyae la le susu mea? (Yer. 36:8-10) Yuda-megãwo se nu tso nu si Baruk wɔ la ŋu, eye wobia tso esi be wòaxlẽ agbalẽ xatsaxatsaa na yewo yewoase! (Yer. 36:14, 15) Esi amegãawo se nyaawo vɔ la, woɖoe be yewoagblɔ nya siwo Yeremiya ŋlɔ la na Fia Yehoyakim. Wogblɔ na Baruk ameŋububutɔe be: “Yi ɖaɣla ɖokuiwò, wò kple Yeremiya, ale be ame aɖeke naganya afi si miele o.” (Yer. 36:16-19) Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee nye ema!

6. Aleke Yeremiya kple Baruk wɔ nui esi wotsi tsitre ɖe wo ŋu?

6 Esi Fia Yehoyakim se nya siwo Yeremiya ŋlɔ la, edo dziku vevie ale gbegbe be etɔ dzo agbalẽ xatsaxatsaa eye wòde se be woalé Yeremiya kple Baruk. Ke hã, Yeremiya mevɔ̃ o. Etsɔ agbalẽ xatsaxatsa bubu, hetsɔe na Baruk, eye esi Yeremiya nɔ Yehowa ƒe gbedeasia gblɔm na Baruk la, Baruk ŋlɔ “nya siwo katã le agbalẽ gbãtɔ si Yuda-fia Yehoyakim tɔ dzoe me la” ɖe eme.—Yer. 36:26-28, 32.

7. Esi Yeremiya kple Baruk wɔ dɔ ɖekae la, nu kae anya do tso eme?

7 Zi geɖe la, ame siwo do dzi to xaxa me ɖekae la dome va nɔa kplikplikpli. Eya ta anɔ eme godoo be, esime Yeremiya kple Baruk wɔ dɔ ɖekae hegbugbɔ ŋlɔ agbalẽ xatsaxatsa si Fia Yehoyakim vɔ̃ɖi la tɔ dzoe la, wogava de asixɔxɔ nɔnɔme nyui siwo le wo dometɔ ɖe sia ɖe si la ŋu geɖe wu. Aleke nuteƒewɔla eve siawo ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí?

GBLƆ WÒ DZIMENYAWO KPLE WÒ SESELELÃMEWO NA XƆ̃WÒWO FAA

8. Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míana xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo nanɔ mía kple mía nɔviwo dome, eye nu ka tae mele be míana ta o?

8 Ne ame aɖe wɔ nu wòte ɖe mía dzi vevie va yi la, esia ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaɖe míaƒe dzimenyawo kple seselelãmewo agblɔ na mía nɔviwo. (Lod. 18:19, 24) Alo ɖewohĩ, míase le mía ɖokui me be ɣeyiɣi mele mía si be míatu xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli ɖo le mía kple mía nɔviwo dome o, eye ɖewohĩ, ɖeɖi tea mía ŋu ɣesiaɣi. Ke hã, mele be míana ta o. Ne míedi be mía nɔvi Kristotɔwo nakpe ɖe mía ŋu le xaxawo me la, ele vevie ŋutɔ be míana xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli nanɔ mía kpli wo dome fifia. Mɔ vevi aɖe si dzi míate ŋu ato awɔ esia ye nye be míagblɔ míaƒe dzimenyawo kple míaƒe seselelãmewo na wo faa.—1 Pet. 1:22.

9. (a) Aleke Yesu ɖee fia be yeka ɖe ye xɔlɔ̃wo dzi? (b) Ne míegblɔa míaƒe dzimenyawo kple seselelãmewo na mía nɔviwo la, aleke esia ate ŋu awɔe be xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si le mía kpli wo dome la me nagasẽ ɖe edzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Yesu ɖee fia be yeka ɖe ye xɔlɔ̃wo dzi le esi wògblɔa nya sia nya na wo faa eye meɣlaa nya aɖeke ɖe wo o ta. (Yoh. 15:15) Míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua ne míegblɔa nu siwo do dzidzɔ na mí, nu siwo na míetsi dzimaɖi, kple nu siwo ɖe dzi le mía ƒo la na mía nɔviwo. Ðo to nyuie ne ame aɖe le eƒe dzimenyawo gblɔm na wò, eye awɔ nuku na wò be wò susuwo, seselelãmewo kple taɖodzinuwo sɔ kple etɔwo le mɔ geɖe nu. Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Cindy, si xɔ ƒe 29 la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Edze xɔlɔ̃ mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Marie-Louise, si xɔ ƒe 67. Cindy kple Marie-Louise wɔa dɔ ɖekae le gbeadzi Yawoɖa ŋdi sia ŋdi, eye woɖoa dze faa tso nu vovovowo ŋu. Cindy gblɔ be: “Edzɔa dzi nam be maɖo dze tso nya veviwo ŋu kple xɔ̃nyewo, elabe esia kpena ɖe ŋunye megava nyaa wo nyuie wu eye megasea ale si wobua nuwo ŋui la gɔme nyuie wu.” Ne xɔlɔ̃wo gblɔa woƒe dzimenyawo kple seselelãmewo na wo nɔewo eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖoa to nɔvia nyuie la, esia wɔnɛ be wova zua xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o. Ne wò hã ègblɔa wò dzimenyawo kple seselelãmewo na xɔ̃wòwo faa eye nèɖoa to ne woawo hã wole wo tɔwo gblɔm na wò, abe ale si Cindy wɔe ene la, esia ate ŋu awɔe be miava zu xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o.—Lod. 27:9.

WƆ DƆ KPLE XƆ̃WÒWO ÐEKAE

Xɔlɔ̃ nyuiwo wɔa dɔ ɖekae le gbeadzi (Kpɔ memama 10 lia)

10. Le Lododowo 27:17 ƒe nya nu la, nu kae ate ŋu ado tso eme ne míewɔ dɔ kple haxɔsetɔwo ɖekae?

10 Abe ale si wònɔ le Yeremiya kple Baruk gome ene la, ne mía kple mía nɔvi Kristotɔwo míele dɔ wɔm ɖekae eye míawo ŋutɔwo míede dzesi nɔnɔme nyui siwo le wo si la, esia wɔnɛ be míesrɔ̃a nu tso wo gbɔ eye kadodo kplikplikpli va nɔa mía kpli wo dome. (Xlẽ Lododowo 27:17.) Le kpɔɖeŋu me, ne wò kple nɔvi aɖe miele gbeadzi eye nèkpɔ eteƒe wòʋu eƒe xɔse me heɖe ale si gbegbe wòka ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo dzii fia la, aleke nèsena le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be, ègava lɔ̃nɛ vevie wu tsã.

11-12. Gblɔ ale si dɔwɔwɔ le gbeadzi ɖekae ate ŋu ana xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si le mía kple mía nɔviwo dome la me nagasẽ ɖe edzi la ƒe kpɔɖeŋu.

11 Bu ale si dɔwɔwɔ le gbeadzi ɖekae na nɔvi aɖewo dome va le kplikplikpli la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Adeline, si xɔ ƒe 23 la, bia tso exɔlɔ̃ si ŋkɔe nye Candice, si be wòawɔ ɖeka kpli ye yewoaɖaɖe gbeƒã le anyigbamama si me womeɖea gbeƒã le edziedzi o la me. Egblɔ be: “Míedi be dzo yeye naɖo mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye míase vivi nɛ geɖe wu. Mí ame evea siaa míehiã nane si ade dzi ƒo na mí be míagawɔ geɖe na Yehowa.” Aleke dɔwɔwɔ ɖekae ɖe vi na woe? Adeline gblɔ be: “Le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, míeɖoa dze tso ale si míese le mía ɖokui me, nu siwo wɔ dɔ ɖe mía dzi le dzeɖoɖo kple amewo me, kple ale si míede dzesi Yehowa ƒe asi le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu. Mí ame evea siaa míese vivi na dzeɖoɖo mawo eye míegava nya mía nɔewo nyuie wu.”

12 Laïla kple Marianne, siwo nye nɔvinyɔnu tre siwo tso France la, yi ɖaɖe gbeƒã kwasiɖa atɔ̃ le Bangui, si nye Central African Republic ƒe fiadu si me amewo sɔ gbɔ ɖo ŋutɔ la me. Laïla gblɔ be: “Masɔmasɔ aɖewo do mo ɖa le nye kple Marianne dome, ke hã, esi míelɔ̃na faa ƒoa nu tso nuwo ŋu eye míelɔ̃ mía nɔewo vevie ta la, míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Esi mekpɔ ale si gbegbe Marianne tea ŋu trɔna ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe ŋu bɔbɔe, ale si wòlɔ̃ amewo, kple dzo si le eme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, megava lɔ̃e vevie wu tsã.” Mehiã be nàʋu aɖasubɔ le duta hafi akpɔ yayra siawo o. Ɣesiaɣi si nèwɔ dɔ ɖekae kple nɔvi aɖe le miaƒe hamea ƒe anyigbamama me la, esia ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò be nàganyae nyuie wu eye nàna xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si le mia kplii dome la me nagasẽ ɖe edzi.

WÒ SUSU NENƆ XƆ̃WÒWO ƑE NƆNƆME NYUIWO ŊU, EYE LƆ̃ FAA NÀTSƆ WOƑE VODADAWO ANƆ WO KEM

13. Ne míele dɔ wɔm kple mía nɔviwo la, nu kae ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi?

13 Ne míele dɔ wɔm kple mía nɔviwo la, ɣeaɖewoɣi la, míedea dzesi woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ke menye woƒe nɔnɔme nyuiwo ko o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaŋe aɖaba aƒu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ahakpɔtɔ anye xɔlɔ̃wo? Gabu Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Nu kae kpe ɖe eŋu be eƒe susu nɔ amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu eye wòŋe aɖabu ƒu woƒe vodadawo dzi?

14. Nu kae Yeremiya srɔ̃ tso Yehowa ŋu, eye aleke esia kpe ɖe eŋu?

14 Yeremiya ye ŋlɔ agbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le, eye anɔ eme be, eya kee ŋlɔ Biblia-gbalẽ siwo nye Fiawo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ kple Fiawo Ƒe Agbalẽ Evelia. Dɔdeasi sia wɔwɔ anya kpe ɖe eŋu wòva de dzesi ale si gbegbe Yehowa kpɔa nublanui na amegbetɔ madeblibowoe. Le kpɔɖeŋu me, enyae be esi Fia Ahab trɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me la, Yehowa kpɔ nublanui nɛ, le mɔ sia nu be, menɔ agbe kpɔ eteƒe esime Yehowa tsrɔ̃ eƒe aƒe bliboa katã o. (1 Fia. 21:27-29) Nenema kee Yeremiya nyae be Manase wɔ nu si gavloe wu Ahab tɔ gɔ̃ hã tsɔ do dziku na Yehowa. Ke hã, Yehowa tsɔ Manase ƒe nu vɔ̃wo kee, elabena etrɔ dzi me. (2 Fia. 21:16, 17; 2 Kron. 33:10-13) Ŋutinya mawo anya kpe ɖe Yeremiya ŋu wòsrɔ̃ Mawu ƒe dzigbɔɖi kple nublanuikpɔkpɔ le nuwɔwɔ kple exɔlɔ̃ kplikplikpliwo me.—Ps. 103:8, 9.

15. Aleke Yeremiya srɔ̃ Yehowa ƒe dzigbɔɖi esime Baruk ƒe susu va ku ɖe nu bubuwo ŋu?

15 Bu ale si Yeremiya wɔ nu ɖe Baruk ŋu esime Baruk ƒe susu va ku ɖe nu bubuwo ŋu eye eƒe susu dzo le eƒe dɔdeasia ŋu hena ɣeyiɣi aɖe la ŋu kpɔ. Yeremiya metrɔ le exɔlɔ̃ Baruk yome enumake o, ke boŋ, ekpe ɖe eŋu esi wògblɔ Mawu ƒe gbedeasi si le tẽe, si me lɔlɔ̃ le, si wòde asi nɛ be wòagblɔ na Baruk la nɛ. (Yer. 45:1-5) Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me?

Xɔlɔ̃ nyuiwo tsɔa wo nɔewo ƒe vodadawo kena faa (Kpɔ memama 16 lia)

16. Abe ale si Lododowo 17:9 ɖee fia ene la, nu kae wòhiã be míawɔ ne míedi be mía kple mía xɔlɔ̃wo dome kadodoa me nagagblẽ o?

16 Le nyateƒe me la, míate ŋu adi blibodede tso mía nɔvi Kristotɔwo gbɔ o. Eya ta, ne míenya na xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli va le mía kple mía nɔviwo dome ko la, ehiã be míadze agbagba vevie be míakpɔtɔ anɔ kadodo nyui me kpli wo. Ne mía xɔlɔ̃wo da vo la, ɖewohĩ ahiã be míaɖo aɖaŋu na wo dɔmenyotɔe le anukware me, le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe Nyaa. (Ps. 141:5) Eye ne wowɔ nu wòte ɖe mía dzi la, ehiã be míatsɔe ake wo. Ne míenya tsɔ woƒe vodadaa ke wo ko la, mele be míagahe woƒe susu ayi edzi loo alo aƒo nu tso eŋu na ame bubuwo o. (Xlẽ Lododowo 17:9.) Ele vevie ŋutɔ be míayi edzi ana míaƒe susu nanɔ mía nɔvi Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu le ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuɣi sia me, ke menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o! Esia ana be lɔlɔ̃kadodo si le mía kpli wo dome la me nagasẽ ɖe edzi, eye esia le vevie ŋutɔ fifia, elabe míahiã xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ƒe kpekpeɖeŋu le xaxa gã la me.

ÐE LƆLƆ̃ VAVÃ FIA XƆ̃WÒWO

17. Aleke Yeremiya ɖee fia le xaxaɣiwo be xɔlɔ̃ vavã yenye?

17 Nu siwo nyagblɔɖila Yeremiya wɔ le xaxaɣiwo la ɖee fia be enye xɔlɔ̃ vavã. Le kpɔɖeŋu me, esime fiaŋume Ebed-Melek ɖe Yeremiya tso vudo si me ba le, si me wòle kuku ge le godoo me megbe la, Ebed-Melek va nɔ vɔvɔ̃m be Yuda-megãwo awɔ nu vevi ye. Esi Yeremiya se nu tso eŋu la, mezi kpi henɔ susum be ye xɔlɔ̃a ado dzi ahado le eme le eɖokui si o. Togbɔ be Yeremiya nɔ gaxɔ me hã la, ewɔ nu si wòate ŋui esi wògblɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo fakɔname si wòde esi be wòagblɔ na exɔlɔ̃ Ebed-Melek la nɛ.—Yer. 38:7-13; 39:15-18.

Xɔlɔ̃ nyuiwo kpena ɖe wo nɔvi siwo hiã tu la ŋu (Kpɔ memama 18 lia)

18. Le Lododowo 17:17 ƒe nya nu la, aleke wòle be míawɔ nui ne mía xɔlɔ̃ aɖe le xaxawo me tom?

18 Egbea, mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le nɔnɔme sesẽ vovovowo me tom. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmefɔkuwo alo afɔku siwo tso amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ la nana nɔvi geɖewo kpea fu. Ne edzɔ alea la, mía dometɔ aɖewo ate ŋu axɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo ɖe wo ƒe me. Mía dometɔ aɖewo hã ate ŋu ana gakpekpeɖeŋu. Gake mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòakpe ɖe mía nɔviawo ŋu. Ne míede dzesii be dzi ɖe le nɔvi aɖe ƒo la, ɖewohĩ, míanya nya si míagblɔ alo nu si míawɔ o. Gake nu geɖe li mí katã míate ŋu awɔ. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu adi ɣeyiɣi aɖasrã mía nɔvia kpɔ. Míate ŋu aɖo to veveseɖeamenutɔe ne ele eƒe dzimenyawo gblɔm na mí. Eye míate ŋu atsɔ míaƒe mawunyakpukpui vevi si faa akɔ na mí la ade dzi ƒo nɛ. (Yes. 50:4) Nu vevitɔa ye nye be, èli na xɔ̃wòa esime wòhiã wò wu.—Xlẽ Lododowo 17:17.

19. Ne míetu xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpliwo ɖo le mía kple mía nɔviwo dome fifia la, aleke esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le etsɔme?

19 Ele be míaɖoe kplikpaa be míatu xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpliwo ɖo le mía kple mía nɔviwo dome fifia ahalé eme ɖe asi. Nu ka tae? Nu si tae nye be, míaƒe futɔwo adze agbagba be yewoato alakpanyawo kple nyatakaka siwo mele eteƒe o dzi ade mama mía dome. Woadze agbagba be yewoana míagaka ɖe mía nɔvi Kristotɔwo dzi o eye míadzudzɔ kpekpe ɖe woamawo ŋu. Gake woƒe agbagbadzedzeawo madze edzi o. Womate ŋu agblẽ lɔlɔ̃kadodo si le mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome la me o. Nu ka kee woɖawɔ o, womate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli si míetu ɖo le mía kple mía nɔviawo dome la me o. Le nyateƒe me la, xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo mawo anɔ anyi ɖaa, menye va se ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ko o, ke woanɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me!

HADZIDZI 24 Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

^ mm. 5 Esi nuwuwua le aƒe tum la, ehiã be mí katã míana kadodo si le mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome la me nagasẽ ɖe edzi. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nu si me Yeremiya to me la me. Azɔ hã, míadzro ale si ƒomedodo kplikplikpli si míana wòanɔ mía kple mía nɔviwo dome egbea la akpe ɖe mía ŋu le xaxaɣiwo la me.

^ mm. 2 Nudzɔdzɔ siwo ƒe ŋutinyawo le Yeremiya ƒe agbalẽa me la mele ɖoɖo si nu nuawo dzɔ le la nu o.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Foto sia ɖe nu si ate ŋu adzɔ le ‘xaxa gãa’ me la fia. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo va be ɖe nɔvi aɖe ƒe xɔtaxɔ me. Wokpɔ akɔfafa esi wole wo nɔewo gbɔ le ɣeyiɣi sesẽ ma me. Foto etɔ̃ siwo kplɔ esia ɖo la ɖee fia be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dze le foto gbãtɔa me la tu xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo sẽŋu ɖo le wo nɔewo dome xoxoxo hafi xaxa gãa dze egɔme.