Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 45

Ale Si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Kpena Ðe Mía Ŋu

Ale Si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Kpena Ðe Mía Ŋu

“Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.”—FLP. 4:13.

HADZIDZI 104 Mawu, Na Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔea Mí

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Nu kae le kpekpem ɖe mía ŋu be míete ŋu yi edzi le dzi dom le kuxiwo me? Ðe eme. (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

ÐE WÒDZƆ kpɔ be nègblɔ na ɖokuiwò be, “Ne mebu dodokpɔ si me meto va yi ŋu la, mekpɔnɛ be nyemate ŋu ado dzi ato dodokpɔ ma me le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o” kpɔa? Mía dometɔ geɖe gblɔ nya sia kpɔ. Ðewohĩ, esime nènɔ ŋugble dem tso ale si nète ŋu do dzi esi dɔléle sesẽ aɖe ɖe fu na wò va yi alo wò ame vevi aɖe ku eye wògbã dzi na wò vevie ŋu lae nègblɔ nya ma. Ne èle nudzɔdzɔ ma ŋu bum la, èsena le ɖokuiwò me be esi Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea na “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la ye koŋue wɔe be yete ŋu do dzi to eme.—2 Kor. 4:7-9.

2 Azɔ hã, míehiã gbɔgbɔ kɔkɔea be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo dzi. (1 Yoh. 5:19) Gakpe ɖe eŋu la, míehiã ŋusẽ be míate ŋu ate kame kple ‘gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo.’ (Ef. 6:12) Esi nu siawo katã le susu me na mí la, na míadzro mɔ eve aɖewo siwo nu gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe ma ŋu le. Emegbe, míadzro nu siwo míate ŋu awɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu bliboe la me.

GBƆGBƆ KƆKƆEA NAA ŊUSẼ MÍ

3. Mɔ ɖeka aɖe ka nue Yehowa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le dodokpɔwo me le?

3 Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu le mɔ sia nu be, enaa ŋusẽ mí be míakpɔ míaƒe agbanɔamedziwo gbɔ, ne míele dodokpɔwo me tom gɔ̃ hã. Apostolo Paulo se le eɖokui me be, esi “Kristo la ƒe ŋusẽ” kpe ɖe ye ŋu tae yete ŋu yi edzi nɔ Yehowa subɔm, togbɔ be dodokpɔwo va ye dzi gɔ̃ hã ɖo. (2 Kor. 12:9) Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me la, menye ɖeko Paulo ku kutri vevie le gbeƒãɖeɖedɔa me ko o, ke ewɔ dɔ sesĩe kpɔ eƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo hã gbɔ. Ɣemaɣi la, enɔ Korinto le Akwila kple Priskila ƒe me. Akwila kple Priskila siaa nye avɔgbadɔwɔlawo. Esi wònye be dɔ ma ke Paulo hã wɔna ta la, ewɔ dɔ kpli wo ɣeaɖewoɣi. (Dɔw. 18:1-4) Gbɔgbɔ kɔkɔea na ŋusẽ Paulo wòte ŋu wɔ dɔ hekpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wòwɔ eƒe subɔsubɔdɔa hã de goe.

4. Le 2 Korintotɔwo 12:7b-9 ƒe nya nu la, kuxi kae ɖe fu na Paulo?

4 Xlẽ 2 Korintotɔwo 12:7b-9. Le nuŋlɔɖi sia me la, nu kae Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be “ŋù aɖe [nɔ yeƒe] ŋutilã me” nɔ fu wɔm ye? Ne ŋù aɖe tsi lã me na wò la, ànɔ veve sem ŋutɔ. Eya ta, nu si Paulo wɔnɛ ye nye be dodokpɔ aɖe na yese veve geɖe. Eyɔ dodokpɔ sia be “Satana ƒe dɔla” si nɔa ‘fu wɔm ye’ (alo nɔa ‘ye ƒom,’ etenuŋɔŋlɔ). Ðewohĩ, menye Satana alo eƒe dɔla vɔ̃ɖiawo ŋutɔwoe he dodokpɔa va Paulo dzi, abe ɖe wotsɔ ŋù ƒo ɖe eƒe ŋutilã me ene o. Gake ne gbɔgbɔ vɔ̃ mawo kpɔe be kuxi aɖe si Paulo yɔ be “ŋù” la le fu ɖem nɛ la, adzɔ dzi na wo ŋutɔ be yewoana wòado gã ɖe edzi ale be wòagase veve geɖe wu. Nu kae Paulo wɔ?

5. Aleke Yehowa ɖo Paulo ƒe gbedodoɖawo ŋui?

5 Gbãa, Paulo di be Yehowa naɖe “ŋù” la ɖa na ye. Egblɔ be: “Meɖe kuku na Aƒetɔ [Yehowa] vevie zi etɔ̃ . . . be [wòana] wòadzo le dzinye.” Togbɔ be Paulo do gbe ɖa tso kuxi sia ŋu vevie hã la, kuxia gakpɔtɔ nɔ anyi kokoko. Ðe esia fia be Yehowa meɖo Paulo ƒe gbedodoɖawo ŋu oa? Kura o. Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖawo ŋu nɛ. Yehowa meɖe kuxia ɖa o, ke hã, ena ŋusẽ Paulo be wòate ŋu ado dzi. Yehowa gblɔ nɛ be: “Nye ŋusẽ zua blibo le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” (2 Kor. 12:8, 9) Eye le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, Paulo te ŋu yi edzi kpɔ dzidzɔ kple dzidzeme!—Flp. 4:4-7.

6. (a) Aleke Yehowa ate ŋu aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu? (b) Kakaɖedzinya kawoe dze le mawunyakpukpuiawo me siwo do ŋusẽ wò?

6 Abe Paulo ene la, ɖe nèƒo koko na Yehowa kpɔ be wòaɖe dodokpɔ aɖe le dziwòa? Esi nèƒo koko na Yehowa vevie le kuxia ŋu evɔ kuxia gakpɔtɔ nɔ anyi, alo kuxia gado gã ɖe edzi gɔ̃ hã la, ɖe nètsi dzimaɖi be, ɖewohĩ, Yehowa megakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu oa? Ne nenemae la, ɖo ŋku Paulo ƒe kpɔɖeŋua dzi. Ale si ko Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖawo ŋu nɛ la, aɖo wò hã wò gbedodoɖawo ŋu na wò godoo! Ðewohĩ, Yehowa maɖe kuxia ɖa ya o. Gake ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ana ŋusẽ si nèhiã be nàte ŋu ado dzi le dodokpɔa me la wò. (Ps. 61:3, 4) Woate ŋu ‘axlã wò ɖe anyi’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, gake Yehowa magblẽ wò ɖi o.—2 Kor. 4:8, 9; Flp. 4:13.

GBƆGBƆ KƆKƆEA KPENA ÐE MÍA ŊU MÍEYIA YEHOWA SUBƆSUBƆ DZI

7-8. (a) Mɔ ka nue gbɔgbɔ kɔkɔea le abe yaƒoƒo ene le? (b) Aleke Petro ɖɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ?

7 Mɔ bubu ka nue gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu le? Míate ŋu atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea asɔ kple yaƒoƒo. Ne ahom le tutum le ƒu dzi la, tɔdziʋukulawo ate ŋu awɔ ya si le ƒoƒom ɖo ta teƒe si sɔ nyuie la ŋu dɔ be woaɖo afi si woyina la dedie. Le mɔ ma ke nu la, gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míeyia Yehowa subɔsubɔ dzi togbɔ be dodokpɔwo vaa mía dzi hã, va se ɖe esime míava ɖo xexe yeye si ŋugbe Mawu do na mí la me mlɔeba.

8 Esi wònye tɔƒodela ye apostolo Petro nye ta la, enya nu geɖe tso tɔdziʋukuku ŋu. Ðewohĩ esia tae wòzã nya si ku ɖe tɔdziʋukuku ŋu esime wònɔ nu ƒom tso gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Eŋlɔ bena: “Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.” Nu si Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ʋã” fia le nyagbea ŋutɔŋutɔ nue nye be “woahe nane alo alɔ nane ɖe nu tso teƒe aɖe ayi teƒe bubu.”—2 Pet. 1:21.

9. Nu ka dzie Petro di be yeahe amewo ƒe susu ayi esi wògblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea “ʋã” amewo?

9 Nu ka dzie Petro di be yeahe amewo ƒe susu ayi esi wògblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea “ʋã” amewo? Luka, si nye ame si ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa la, zã Helagbe me nya ma ke le mɔ bubu nu tsɔ ɖɔ tɔdziʋu aɖe si ya ‘he dzoe.’ (Dɔw. 27:15) Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be, esi Petro ŋlɔ bena gbɔgbɔ kɔkɔea ye “ʋã” ame siwo Mawu zã woŋlɔ Biblia la, ezã nya si ahe amewo ƒe susu ayi tɔdziʋukuku dzi. Eya ta, Petro ƒe nyaa fia be, ale si ko ya hea tɔdziʋu yia teƒe si wòɖo tae la, nenema kee gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã Mawu ƒe nyagblɔɖilawo kple Biblia ŋlɔlawo wowɔ dɔ si Mawu de wo si la de goe. Biblia ŋuti nunyalaa gblɔ kpee be: “Nyagblɔɖilawo keke woƒe abalawo me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.” Yehowa wɔ eƒe akpa dzi. Ena yaƒoƒoa, alo gbɔgbɔ kɔkɔea. Biblia ŋlɔlawo hã wɔ woƒe akpa dzi. Wowɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia.

AFƆÐEÐE 1: Nɔ nu siwo gbɔgbɔa kpena ɖe Mawu subɔlawo ŋu wowɔna la wɔm edziedzi

AFƆÐEÐE 2: Ƒo ɖokuiwò ɖe nu mawo me bliboe ale si nàte ŋui (Kpɔ memama 11 lia) *

10-11. Afɔ eve kawoe wòhiã be míaɖe atsɔ akpɔ egbɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ mí? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Mawu ƒe gbɔgbɔa megale amewo ʋãm be woaŋlɔ Biblia-gbalẽwo fifia ya o. Ke hã, Yehowa gakpɔtɔ le gbɔgbɔ kɔkɔea zãm tsɔ le kpekpem ɖe esubɔlawo ŋu. Yehowa gakpɔtɔ le eƒe akpa dzi wɔm. Nu kae míate ŋu awɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu bliboe? Ehiã be míakpɔ egbɔ be míekpɔtɔ le míaƒe akpa dzi wɔm. Aleke míewɔa esiae?

11 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Hafi ya si le ƒoƒom naɖe vi na tɔdziʋukula aɖe la, ele be wòawɔ nu eve aɖewo. Gbã, ele be wòana tɔdziʋua nava nɔ afi si yaa le ƒoƒom le. Nya lae nye be, ne eƒe tɔdziʋua kpɔtɔ le ʋudzeƒea le adzɔge tso yaƒoƒoa nu la, yaa mate ŋu ahee ɖe nu o. Evelia, ehiã be wòakeke eƒe ʋua ƒe abalawo me nyuie ale si dze. Eme kɔ ƒãa be, ne ya le ƒoƒom gɔ̃ hã la, ne tɔdziʋukulaa keke eƒe abalawo me ko hafi yaa ate ŋu ahe tɔdziʋua. Le mɔ ma ke nu la, ne míena gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe mía ŋu ko hafi míate ŋu ayi edzi anɔ Yehowa subɔm. Ele be míaɖe afɔ eve aɖewo hafi gbɔgbɔa nate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Gbã, ele be míatsɔ mía ɖokui aɖo Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ya nu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, si fia be, míanɔ nu siwo gbɔgbɔa kpena ɖe Mawu subɔlawo ŋu wowɔna la wɔm. Evelia, ehiã be míakeke míaƒe abalawo me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, le mɔ sia nu be, míaƒo mía ɖokui ɖe nu mawo me bliboe ale si míate ŋui. (Ps. 119:32) Ne míeɖe afɔ siawo la, gbɔgbɔ kɔkɔea ahe mí ɖe nu alo akpe ɖe mía ŋu le tsitretsiɖeŋuwo kple dodokpɔwo me, eye ana ŋusẽ si míehiã la mí be míado dzi awɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe esime míaɖo xexe yeyea me.

12. Nu kawo me míadzro fifia?

12 Va se ɖe afi sia la, míedzro mɔ eve aɖewo siwo nu gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu le la me. Gbɔgbɔ kɔkɔea naa ŋusẽ mí eye ekpena ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe le dodokpɔwo me. Azɔ hã, gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míeyia edzi nɔa Yehowa subɔm eye ekpena ɖe mía ŋu hã míekpɔtɔ nɔa agbe mavɔ mɔa dzi. Azɔ míadzro nu ene aɖewo siwo wòle be míawɔ ale be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu bliboe la me.

NU SIWO MÍAWƆ BE GBƆGBƆ KƆKƆEA NAKPE ÐE MÍA ŊU BLIBOE

13. Le 2 Timoteo 3:16, 17 ƒe nya nu la, vi kae Mawu ƒe Nyaa ate ŋu aɖe na mí, gake nu kae wòle be míawɔ?

13 Gbã, srɔ̃ Mawu ƒe Nyaa. (Xlẽ 2 Timoteo 3:16, 17.) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” la ƒe gɔmesese le nya ŋutɔŋutɔ nue nye “Mawu gbɔ.” Mawu zã eƒe gbɔgbɔa tsɔ “gbɔ” eƒe tamesusuwo ɖe Biblia ŋlɔlawo ƒe susu me. Ne míexlẽa Biblia hedea ŋugble le nu si míexlẽ ŋu la, Mawu ƒe mɔfiamewo age ɖe míaƒe susu kple dzi me. Mawu ƒe mɔfiame mawo aʋã mí be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Heb. 4:12) Gake hafi gbɔgbɔ kɔkɔea nate ŋu akpe ɖe mía ŋu bliboe la, ele be míaɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ be míanɔ Biblia srɔ̃m edziedzi eye míade ŋugble le nu si míesrɔ̃ ŋu. Ema ko hafi Mawu ƒe Nyaa akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna ɖe sia ɖe dzi.

14. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea nɔa míaƒe kpekpewo me? (b) Nu kae wòle be míawɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu bliboe le kpekpeawo me?

14 Evelia, wɔ ɖeka kple nɔvi Kristotɔwo miasubɔ Mawu ɖekae. (Ps. 22:22) Le gɔmesese aɖe nu la, míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo nyea wɔna siwo me gbɔgbɔ kɔkɔea nɔna. Ɛ̃, Yehowa ƒe gbɔgbɔa nɔa anyi kpli mí le kpekpeawo me. (Nyaɖ. 2:29) Nu ka tae míate ŋu agblɔe alea? Nu si tae nye be, ne míewɔ ɖeka kple mía nɔvi Kristotɔwo be míasubɔ Yehowa la, míedoa gbe ɖa biaa Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí, míedzia Fiaɖuƒeha siwo wotu ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi, eye míesea Biblia me mɔfiamewo tso nɔviŋutsu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo la gbɔ. Azɔ hã, gbɔgbɔ kɔkɔea kee kpena ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu wodzrana ɖo ɖe woƒe dɔdeasiwo ŋu hewɔa wo. Gake hafi gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu bliboe la, ehiã be míadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu be míakpɔ gome le wo me. Ne míewɔe alea la, efia be míele dzadzraɖoɖi be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu, abe ale si ko ya ɖoa tɔdziʋu ƒe abala si me wokeke nyuie me la ene.

15. Akpa kae gbɔgbɔ kɔkɔea wɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me?

15 Etɔ̃lia, kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ɣesiaɣi si míezã Biblia le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me la, míeɖea mɔ na gbɔgbɔ kɔkɔea wòkpena ɖe mía ŋu. (Rom. 15:18, 19) Gake hafi Mawu ƒe gbɔgbɔa nate ŋu akpe ɖe ŋuwò bliboe la, ele be nànɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi eye nàzã Biblia ɣesiaɣi si wòanya wɔ le ɖaseɖiɖidɔa me. Mɔ aɖe si dzi nàto aɖo dze kple amewo nyuie le gbeadzi ye nye be nànɔ kpɔɖeŋudzeɖonya siwo dze le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me la zãm.

16. Mɔ kae le tẽe wu si dzi míate ŋu ato axɔ gbɔgbɔ kɔkɔea?

16 Enelia, do gbe ɖa na Yehowa. (Mat. 7:7-11; Luka 11:13) Mɔ si le tẽe wu si dzi míate ŋu ato axɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ye nye be míado gbe ɖa abia Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí. Naneke mate ŋu axe mɔ be Yehowa nagase míaƒe gbedodoɖawo loo alo be eƒe nunana si nye gbɔgbɔ kɔkɔea nagaɖo mía gbɔ o—gaxɔ ƒe gli aɖeke alo Satana gɔ̃ hã mate ŋui o. (Yak. 1:17) Aleke wòle be míado gbe ɖa ale be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu bliboe? Na míalé ŋku ɖe kpɔɖeŋu aɖe si dze le Luka ƒe Nyanyuigbalẽa ɖeɖe ko me ŋu, be míadzro nu si wòbia be míado gbe ɖa la me ayi ŋgɔe hafi míaɖo nya sia ŋu. *

NƆ GBEDODOÐA DZI ATRAÐII

17. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso gbedodoɖa ŋu le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si dze le Luka 11:5-9, 13 la me?

17 Xlẽ Luka 11:5-9, 13. Yesu ƒe kpɔɖeŋua ɖe ale si wòle be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔeae la fia. Le kpɔɖeŋua me la, ŋutsua xɔ nu si dim wònɔ la, “le esi wòle ebiam atraɖii ta.” Togbɔ be zã tsi ŋutɔ gɔ̃ hã la, mevɔ̃ be yeabia ye xɔlɔ̃a ƒe kpekpeɖeŋu o. (Kpɔ mwb18 July.) Nufiame ka dzie Yesu he susu yi le kpɔɖeŋua me? Egblɔ be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.” Eya ta, nufiame kae le eme na mí? Eyae nye be, hafi míaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu la, ele be míanɔ gbe dom ɖa atraɖii anɔ ebiam.

18. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua nu la, nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí?

18 Yesu ƒe kpɔɖeŋua gakpe ɖe mía ŋu hã míekpɔ nu si tae Yehowa ana gbɔgbɔ kɔkɔea mí ɖo. Ŋutsu si ŋu wòƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me la di be yeanye amedzrowɔla nyui. Ese le eɖokui me be ele kokoko be yeadi nane na ame si va dze ye amedzroe le zãtiƒe la wòaɖu, evɔ naneke menɔ esi wòanɛ o. Yesu gblɔ be esi ŋutsua nɔ aboloa biam atraɖii tae eƒe aƒelikaa na abolo si biam wònɔ lae ɖo. Nu kae Yesu di be yeafia? Eyae nye be, ne amegbetɔ madeblibo lɔ̃ faa kpe ɖe eƒe aƒelika si le nu biamee atraɖii ŋu la, aleke gbegbee mía Fofo dɔmenyotɔ si le dziƒo la alɔ̃ faa geɖe wu be yeana gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo le ebiam atraɖii lae nye esi! Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be, ɣesiaɣi si míedo gbe ɖa na Yehowa hebiae be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí la, ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí godoo.—Ps. 10:17; 66:19.

19. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be míate ŋu aɖu dzi le aʋa si wɔm míele la me?

19 Míate ŋu aka ɖe edzi be, togbɔ be Satana le adeklo dzi hele agbagba dzem be yeagblẽ nu le mía ŋu hã la, míate ŋu aɖu dzi. Nu ka tae? Nu si tae nye be gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu le mɔ eve nu. Gbã, enaa ŋusẽ si míehiã la mí be míado dzi le dodokpɔwo me. Evelia, eyae nye ŋusẽ si kpena ɖe mía ŋu be míanɔ Yehowa subɔsubɔ dzi va de asi na esime míaɖo xexe yeyea me. Mina míaɖoe kplikpaa be míana gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu bliboe!

HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa

^ mm. 5 Nyati sia te gbe ɖe ale si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le kuxiwo me la dzi. Eƒo nu tso nu siwo míate ŋu awɔ ale be gbɔgbɔ kɔkɔea nate ŋu akpe ɖe mía ŋu bliboe hã ŋu.

^ mm. 16 Le Nya Nyui ŋlɔlawo katã dome la, Luka ye kpe ɖe mía ŋu wu míekpɔe be gbedodoɖa nɔ vevie na Yesu ŋutɔ esime wònɔ anyigba dzi.—Luka 3:21; 5:16; 6:12; 9:18, 28, 29; 18:1; 22:41, 44.

^ mm. 59 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: AFƆÐEÐE 1: Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a va ɖo Fiaɖuƒe Akpataa me. Esi wova kpe kple wo nɔvi Kristotɔwo ɖekae la, wowɔ ɖeka kpli wo le wɔna si me Yehowa ƒe gbɔgbɔa nɔa anyi kpli mí le la me. AFƆÐEÐE 2: Wodzra ɖo be yewoakpɔ gome le kpekpea me. Afɔɖeɖe eve siwo nye be, míanɔ nu siwo gbɔgbɔa kpena ɖe Mawu subɔlawo ŋu wowɔna la wɔm, eye míaƒo mía ɖokui ɖe nu mawo me bliboe ale si míate ŋui la hiã le nu bubu siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me, siwo nye Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃, gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, kple gbedodoɖa na Yehowa hã me.