Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 47

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Me

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Me

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.”—2 TIM. 3:16.

HADZIDZI 98 Ŋɔŋlɔawo—Wotso Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu ka tae wòle be mí Kristotɔwo míatsɔ ɖe le nuŋlɔɖi siwo le Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me la me?

APOSTOLO Paulo ɖo ŋku edzi na ɖekakpui Timoteo si nye exɔlɔ̃ la be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.” (2 Tim. 3:16) Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia hã le agbalẽ siwo ƒo ƒu nye Ŋɔŋlɔ bliboa la dome. Aleke nèbua Biblia-gbalẽ siae? Ame aɖewo asusu be sewo kple ɖoɖo siwo meka mí egbea o la sɔŋ koe le agbalẽ sia me, gake mí Kristotɔ vavãwo ya míebunɛ nenema o.

2 Ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi tso esime woŋlɔ Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia, ke hã, Yehowa kpɔ eta be “woatsɔ afia nu mí.” (Rom. 15:4) Esi wònye be Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia kpena ɖe mía ŋu míenyaa Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu ta la, ele be míadi vevie be míasrɔ̃ nu tso emenyawo me. Le nyateƒe me la, nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso agbalẽ sia si me nyawo tso Mawu gbɔ la me. Na míadzro wo dometɔ ene me kpɔ.

ALE SI MÍAWƆ BE MÍAƑE NU NADZE YEHOWA ŊU

3. Nu ka tae wosaa vɔwo le Avuléŋkekea dzi ƒe sia ƒe?

3 Nusɔsrɔ̃ gbãtɔ: Ehiã be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu hafi wòakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe vɔsawo ŋu. Ƒe sia ƒe le Avuléŋkekea dzi la, Israel dukɔa katã va ƒoa ƒu eye wotsɔa lãwo saa vɔe. Vɔsa mawo kpena ɖe Israel-viwo ŋu woɖoa ŋku edzi be ehiã be woakɔ yewo ŋu le esi yewonye nu vɔ̃ mewo ta! Gake hafi nunɔlagãa natsɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe la ƒe ʋu aɖe ayi Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea gbe ma gbe la, ele be wòawɔ kɔnu bubu aɖe gbã, eye le nyateƒe me la, kɔnu sia le vevie kura wu dukɔa ƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke.

(Kpɔ memama 4 lia) *

4. Abe ale si wòdze le 3 Mose 16:12, 13 ene la, nu kae nunɔlagãa wɔna ne eyi Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea zi gbãtɔ le Avuléŋkekea dzi? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

4 Xlẽ 3 Mose 16:12, 13. Kpɔ nu siwo yia edzi le Avuléŋkekea dzi la le susu me ɖa: Nunɔlagãa ge ɖe avɔgbadɔa me. Zi gbãtɔe nye ema wòge ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea gbe ma gbe; age ɖe eme zi etɔ̃ le ŋkeke ma dzi. Elé nugo aɖe si me wòku dzudzɔdonu ʋeʋĩ ɖo la ɖe asi ɖeka me, eye wòlé sikadzudzɔdosonu si me wòɖe dzoka xɔxɔwo ɖo wòyɔ la ɖe asi kemɛa me. Eva tɔ ɖe xɔmetsovɔ si xe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea ŋkume la ŋgɔ. Azɔ, ege ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea kple bubu gã aɖe eye wòva tsi tre ɖe nubablaɖakaa ŋgɔ. Le afi sia la, ele Yehowa Mawu ŋkume le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu! Azɔ, nunɔlagãa kɔ dzudzɔdonu ʋeʋĩ kɔkɔe la ɖe dzoka xɔxɔawo dzi, eye ʋeʋẽ lilili xɔ xɔa me keŋ. * Emegbe la, aɖatsɔ nu vɔ̃ vɔsawo ƒe ʋu la agatrɔ ayi Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea ake. De dzesii be, nunɔlagãa tɔ dzo dzudzɔdonu ʋeʋĩ la hafi ɖatsɔ nu vɔ̃ vɔsawo ƒe ʋu la va ɖo Yehowa ŋkume.

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso dzudzɔdonu ʋeʋĩ zazã le Avuléŋkekea dzi me?

5 Ke nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso dzudzɔdonu ʋeʋĩ zazã le Avuléŋkekea dzi me? Biblia ɖee fia be Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ƒe gbedodoɖawo le abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ene. (Ps. 141:2; Nyaɖ. 5:8) Ðo ŋku edzi be, nunɔlagãa tsɔ dzudzɔdonu ʋeʋĩ la yi Yehowa ŋkume kple bubu gã aɖe. Le mɔ ma ke nu la, ne míele gbe dom ɖa na Yehowa la, ele be míado gbe ɖa kple bubu gã. Elabe Yehowa dze na bubu. Míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si xexea katã Wɔlaa na mí be míate ɖe ye ŋu, abe ale si vi tena ɖe fofoa ŋui ene, la ŋu ale gbegbe. (Yak. 4:8) Exɔ mí míenye exɔlɔ̃wo! (Ps. 25:14) Míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ale gbegbe be míadi gbeɖe be míawɔ naneke si awɔe be magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o la o.

6. Nu kae nyateƒe si wònye be nunɔlagãa tɔ dzo dzudzɔdonu ʋeʋĩ la hafi sa vɔ bubuawo la fia mí tso Yesu ŋu?

6 Ðo ŋku edzi be ele na nunɔlagãa be wòatɔ dzo dzudzɔdonu ʋeʋĩ la hafi wòate ŋu asa vɔ bubuawo. Esi wòtɔ dzo dzudzɔdonu ʋeʋĩa gbã ta la, ekpɔ egbɔ be Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu ne yele vɔ bubuawo sam. Esia fia nane mí le Yesu ŋu. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ele nɛ godoo be wòawɔ nu vevi aɖe hafi wòatsɔ eƒe agbe asa vɔe—nu sia le vevie kura wu mɔnukpɔkpɔnana amegbetɔwo be woakpɔ ɖeɖe. Nu kae wònye? Eyae nye be wòaɖo to Yehowa ahawɔ nuteƒe nɛ le eƒe agbenɔɣi katã esime wònɔ anyigba dzi; ato esia wɔwɔ me ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe vɔsaa ŋu. Yesu ato esia me aɖo kpe edzi be mɔ nyuitɔ si nu amegbetɔ anɔ agbe ɖoe nye be wòawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe mɔwo. Alee Yesu aɖo kpe edzi be mɔ si nu ye Fofo ɖua dzi le la sɔ eye eyae nye nyuitɔ.

7. Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, nu ka tae eƒe agbenɔnɔ bliboa dze Fofoa ŋu?

7 Ɣeyiɣi siwo katã me Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖo to Yehowa bliboe. Togbɔ be wotee kpɔ hedoe kpɔ le mɔ geɖe nu eye wònyae be yegbɔna veve heliheli se ge ʋuu keke ahaku hã la, eɖoe kplikpaa be yeaɖo kpe edzi be ale si ye Fofo ɖua dzii lae nye nyuitɔ. (Flp. 2:8) Esi Yesu nɔ xaxawo me tom la, “etsɔ ɣlidodo sesĩwo kple aɖatsiwo” ƒo koko na Yehowa. (Heb. 5:7) Eƒe kokoƒoƒo kple gbedodoɖa tso dzi blibo me ɖee fia be ewɔ nuteƒe na Yehowa, eye wodo ŋusẽe wògaɖoe kplikpaa wu tsã be yeayi edzi aɖo to eyama. Yesu ƒe gbedodoɖawo nɔ na Yehowa abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ƒe ʋeʋẽ lilili ene. Yesu ƒe agbenɔnɔ bliboa dze Fofoa ŋu ale gbegbe, eye eƒe agbenɔnɔ alea ʋli Fofoa ƒe dziɖulanyenye ta.

8. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe agbenɔnɔ?

8 Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ne míewɔ míaƒe ŋutete katã be míaɖo to Yehowa ahawɔ nuteƒe nɛ. Ne míele xaxawo me tom la, míeƒoa koko na Yehowa tso dzi blibo me be wòakpe ɖe mía ŋu, elabe míedi be míadze eŋu. Míetoa mɔ sia kple bubuwo dzi ɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe ale si Yehowa ɖua dzii la dzi. Míenyae be ne míeƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna siwo Yehowa lé fui me la, Yehowa mase míaƒe gbedodoɖawo o. Gake ne míenɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe nudidiwo la, míate ŋu aka ɖe edzi be gbe siwo míedona ɖa tso dzi blibo me la anɔ na Yehowa abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ƒe ʋeʋẽ lilili ene. Azɔ hã, míate ŋu aka ɖe edzi be, ne míewɔ míaƒe ŋutete katã ɖo to mía Fofo si le dziƒo la hewɔ nuteƒe nɛ la, míaƒe nu adze eŋu.—Lod. 27:11.

ESI MÍELƆ̃ YEHOWA EYE MÍEDI BE MÍADA AKPE NƐ TAE MÍESUBƆNƐ ÐO

(Kpɔ memama 9 lia) *

9. Nu ka tae Israel-viwo saa akpedavɔwo ɖo?

9 Nusɔsrɔ̃ evelia: Esi míedi be míada akpe na Yehowa tae míesubɔnɛ ɖo. Míakpɔ esia ƒe vevienyenye adze sii ne míedzro akpedavɔsa ƒe ɖoɖoa, si hã nye subɔsubɔ vavãtɔ si nɔ anyi le blema Israel la ƒe akpa vevi bubu aɖe la me. * Le Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me la, míekpɔe be Israel-vi aɖe ate ŋu asa akpedavɔ atsɔ aɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si Yehowa wɔ nɛ ŋu la afia. (3 Mose 7:11-13, 16-18) Menye esi wòle nɛ godoo be wòasa vɔ sia ta ye wòle vɔa sa ge ɖo o, ke boŋ, eya ŋutɔe di be yeasa vɔa. Eya ta, esia nye lɔlɔ̃nu faa ƒe vɔ si ame ŋutɔ tso nya me be yeasa na eƒe Mawu, Yehowa, le esi wòlɔ̃ Yehowa ta. Ame si le vɔa sam, eƒe ƒomea, kple nunɔlawo siaa aɖu vɔsalã la. Gake vɔsalãa ƒe akpa aɖewo ya ayi na Yehowa ɖeɖe ko. Eƒe akpa kawoe?

(Kpɔ memama 10 lia) *

10. Nu kae míesrɔ̃ tso akpedavɔsa siwo ŋu woƒo nu tsoe le 3 Mose 3:6, 12, 14-16 la ŋu ku ɖe nu si ʋã Yesu wòwɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu?

10 Nusɔsrɔ̃ etɔ̃lia: Míetsɔa míaƒe nu nyuitɔ kekeake nana Yehowa le esi míelɔ̃e ta. Yehowa bu lã ƒe ami be eyae nye lãa ƒe akpa nyuitɔ. Eyɔ lã ƒe ŋutinu vevi aɖewo koŋ hã, abe ayikuwo ene, be asixɔxɔ tɔxɛ le wo ŋu. (Xlẽ 3 Mose 3:6, 12, 14-16.) Eya ta, ne Israel-vi aɖe lɔ̃ faa tsɔ lã ƒe ŋutinu veviwo kple eƒe amia sa vɔ na Yehowa la, edzea Yehowa ŋu ŋutɔ. Israel-vi si sa vɔ sia tɔgbi la ɖe didi vevi si le eyama me be yeatsɔ yeƒe nu nyuitɔ ana Mawu la fia. Le mɔ ma ke nu la, Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe nu nyuitɔ na Yehowa esi wòsubɔ Yehowa kple eƒe luʋɔ blibo le esi wòlɔ̃ Yehowa ta. (Yoh. 14:31) Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye Yesu ƒe dzidzɔ; elɔ̃ Mawu ƒe se la vevie ŋutɔ. (Ps. 40:8) Aleke gbegbe wòanya dze Yehowa ŋui ye nye esi esi wòkpɔe be Yesu ŋutɔ lɔ̃ faa subɔ ye kple luʋɔ blibo!

Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa ye ʋãa mí míetsɔa míaƒe nu nyuitɔ kekeake nanɛ (Kpɔ memama 11-12 lia) *

11. Aleke subɔsubɔ si míetsɔ nana Yehowa la le abe akpedavɔsawo ene, eye aleke esia nyanya ate ŋu afa akɔ na mí?

11 Abe akpedavɔsa mawo ene la, subɔsubɔ si míetsɔ nana Yehowa la nye ale si míesena le mía ɖokui me tso eyama ŋu ɖeɖe fia. Míetsɔa míaƒe nu nyuitɔ kekeake nana Yehowa, eye míewɔa esia le esi míelɔ̃e kple míaƒe dzi blibo ta. Aleke gbegbe wòadzɔ dzi na Yehowae ne ekpɔ esubɔla miliɔn geɖe siwo lɔ̃ faa le esubɔm le esi wolɔ̃ eyama kple eƒe mɔwo vevie ta ye nye esi! Ne míeɖo ŋku edzi be, menye ɖeko Yehowa kpɔa nu siwo míewɔna hedea asixɔxɔ wo ŋu ko evɔ o, ke ekpɔa nu si ʋã mí míewɔ nu mawo hã hedea asixɔxɔ eŋu la, esia ate ŋu afa akɔ na mí. Le kpɔɖeŋu me, ne tsitsi wɔe be màgate ŋu awɔ geɖe abe ale si nèdii ene o la, ka ɖe edzi be Yehowa se afi si wò ŋutetewo se ɖo la gɔme. Ðewohĩ, awɔ na wò be nu sue aɖe koe nète ŋu wɔna le Yehowa subɔsubɔ me, gake Yehowa ya dea dzesi lɔlɔ̃ si gbegbe le asiwò na ye, si ʋãa wò nèwɔa nu si nàte ŋu awɔ la. Edzea eŋu be yeaxɔ wò nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu ana.

12. Aleke Yehowa se le eɖokui me tso akpedavɔsawo ŋu, eye aleke esia nyanya ate ŋu ade dzi ƒo na mí?

12 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso akpedavɔsawo ŋu? Ne dzo le vɔsalãa ƒe akpa nyuitɔawo fiãm la, dzudzɔa dea dzi eye Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. Eya ta, ka ɖe edzi be subɔsubɔ si nèlɔ̃na faa tsɔ nana Yehowa tso luʋɔ blibo me la dzea eŋu. (Kol. 3:23) Wò ya bu ale si gbegbe wòkpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwòe ŋu kpɔ. Ebua subɔsubɔdɔ si lɔlɔ̃ ʋãa wò nèwɔna nɛ, eɖasɔ gbɔ alo ele ʋɛ o, be enye kesinɔnu si dzi yeaɖo ŋkui, si ŋu yeade asixɔxɔe tegbee.—Mat. 6:20; Heb. 6:10.

YEHOWA LE EƑE HABƆBƆA YRAM

13. Le 3 Mose 9:23, 24 ƒe nya nu la, aleke Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nunɔlawo ŋu?

13 Nusɔsrɔ̃ enelia: Yehowa le eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la yram. Bu nu si dzɔ le ƒe 1512 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me esime wotu avɔgbadɔa ɖe Sinai Toa gbɔ la ŋu kpɔ. (2 Mose 40:17) Mose xɔ ŋgɔ le kɔnu siwo wowɔ tsɔ ɖo Aron kple viaŋutsuwo nunɔlawoe la me. Israel dukɔa va ƒo ƒu kpɔ eteƒe esime nunɔlaawo tsɔ lãwo sa vɔ zi gbãtɔ. (3 Mose 9:1-5) Aleke Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nunɔla siwo woɖo yeyee la ŋu? Esi Aron kple Mose yra dukɔa la, Yehowa na dzo tso dziƒo va fiã vɔsalã susɔea le vɔsamlekpuia dzi.—Xlẽ 3 Mose 9:23, 24.

14. Nu ka tae Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Aron kple viaŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe ŋu le vevie na mí egbea?

14 Nu kae nye nukunu si dzɔ esime woɖo nunɔlagãa la me tsonu? Yehowa to esia me ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Aron kple viaŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe ŋu eye yele megbe na wo. Esi Israel-viwo kpɔ kpeɖodzi si ɖee fia kɔtɛ be Yehowa le megbe na nunɔlawo la, wose egɔme be ele be yewoakpe asi ɖe nunɔlaawo ŋu bliboe. Nu ka tae Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nunɔlawo ŋu le Israel le vevie na mí egbea? Nu si tae nye be, nunɔla mawo nye vɔvɔli na nunɔla siwo de ŋgɔ sãsãsã wu. Kristo, si nye Nunɔla Gãtɔ la, kple eƒe nunɔla 144,000 siwo nye fiawo la, siaa asubɔ ɖekae le dziƒo.—Heb. 4:14; 8:3-5; 10:1.

Yehowa le eƒe habɔbɔa yram hele mɔ fiamee. Míekpea asi ɖe habɔbɔa ŋu kple dzi blibo (Kpɔ memama 15-17 lia) *

15-16. Aleke Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ŋu?

15 Le ƒe 1919 me la, Yesu ɖo nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ha sue aɖe wonye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.” Kluvi ma xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wònaa Kristo yomedzelawo “nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” (Mat. 24:45) Ðe míede dzesi nu siwo ɖo kpe edzi kɔtɛ be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ŋua?

16 Satana kple eƒe xexea wɔ nu geɖe siwo wɔe be dɔa sesẽ na kluvi nuteƒewɔlaa ale gbegbe be, ne menye Yehowae kpe ɖe eŋu o la, mate ŋu awɔ dɔ ma gbeɖe o. Togbɔ be xexemeʋa eve dzɔ, amewo ti Mawu ƒe amewo yome kutɔkutɔe, wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo ŋu, eye gakuxiwo do gã ɖe edzi le xexea me godoo hã la, kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa yi edzi le gbɔgbɔmenuɖuɖu nam Kristo yomedzelawo le anyigba katã dzi. De ŋugble le gbɔgbɔmenuɖuɖu hamehame siwo li egbea femaxee, le gbegbɔgblɔ siwo wu 900 sɔŋ me la ŋu kpɔ! Esia nye kpeɖodzi si ŋu ɖikeke aɖeke mele o be Mawu le megbe na kluvia. Nu bubu aɖe si ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe yayra le kluvia dzi ye nye gbeƒãɖeɖedɔa. Wò ya bu eŋu kpɔ: woɖe gbeƒã nya nyuia “le anyigba blibo la katã dzi” vavã. (Mat. 24:14) Míate ŋu akpɔe kɔtɛ be Yehowa le mɔ fiam eƒe habɔbɔa eye ena wòle dzidzedze kpɔm.

17. Aleke míate ŋu akpe asi ɖe habɔbɔ si zãm Yehowa le la ŋu?

17 Anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe medaa akpe be menye Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la me tɔa?’ Le Mose ƒe ŋkekea me la, Yehowa na dzo tso dziƒo nukutɔe tsɔ ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nunɔla siwo woɖo la ŋu. Nenema kee Yehowa na kpeɖodzi siwo dze kɔtɛ la mí be yele megbe na yeƒe habɔbɔa egbea. Vavãe, nu geɖe li siwo ta wòle be míada akpe ɖo. (1 Tes. 5:18, 19) Aleke míate ŋu akpe asi ɖe habɔbɔ si zãm Yehowa le la ŋu? Míawɔ esia ne míewɔna ɖe Biblia me mɔfiame siwo kluvia nana mí le míaƒe agbalẽwo kpakple míaƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo me dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu akpe asi ɖe habɔbɔa ŋu ne míeƒoa mía ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me bliboe ale si míate ŋui.—1 Kor. 15:58.

18. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Mina míaɖoe kplikpaa be míatsɔ nu siwo míesrɔ̃ tso Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me la awɔ dɔe. Neva eme be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu ale be wòakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe vɔsawo ŋu. Mina míayi edzi anɔ Yehowa subɔm le esi míedi be míada akpe nɛ ta. Mina míayi edzi atsɔ míaƒe nu nyuitɔ kekeake anɔ Yehowa nam le esi míelɔ̃e kple míaƒe dzi blibo ta. Eye neva eme be míakpe asi ɖe habɔbɔ si zãm wòle egbea la ŋu kple dzi blibo. Ne míele nu siawo wɔm la, míate ŋu aɖee afia Yehowa be míedea asixɔxɔ gã mɔnukpɔkpɔ si wòna mí be míenye eƒe Ðasefowo la ŋu!

HADZIDZI 96 Mawu Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ—Kesinɔnue

^ mm. 5 Se siwo Yehowa de na blema Israel lae le Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me. Esi míenye Kristotɔwo ta la, míele se mawo te o, gake woate ŋu aɖe vi na mí. Le nyati sia me la, míadzro nu vevi siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me la me.

^ mm. 4 Wobua dzudzɔdonu ʋeʋĩ si wotɔa dzoe le avɔgbadɔa me la be ele kɔkɔe, eye le blema Israel la, Yehowa subɔsubɔwɔnawo ɖeɖe me koe wozãnɛ le. (2 Mose 30:34-38) Nuŋlɔɖi aɖeke meli si ɖee fia be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tɔ dzo dzudzɔdonu ʋeʋĩ le woƒe subɔsubɔwɔnawo me o.

^ mm. 9 Àkpɔ nyatakaka bubuwo ku ɖe akpedavɔsawo ŋu le Insight on the Scriptures, Babla 2 lia, axa 526 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2 lia, axa 847).

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Le Avuléŋkekea dzi la, nunɔlagã si nɔ Israel la tsɔ dzudzɔdonu ʋeʋĩ kple dzoka xɔxɔwo yi ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ ale be ʋeʋẽ lilili naxɔ xɔa me keŋ. Emegbe la, atsɔ nu vɔ̃ vɔsawo ƒe ʋu la agatrɔ ayi Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la ake.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Israel ŋutsu aɖe tsɔ alẽ ɖeka vɛ na nunɔla be yeasa akpedavɔ atsɔ ada akpe na Yehowa ɖe nu siwo wòwɔ na ye kple yeƒe ƒomea la ta.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Esime Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, eɖee fia be yelɔ̃ Yehowa vevie esi wòwɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi eye wòkpe ɖe eyomedzelawo ŋu be woawo hã woawɔ nenema ke.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi nɔvinyɔnu tsitsi aɖe di vevie be yeatsɔ yeƒe nu nyuitɔ kekeake ana Yehowa ta la, ele agbagba dzem be yeaɖi ɖase to lɛtaŋɔŋlɔ dzi.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Le February 2019 me la, Nɔviŋutsu Gerrit Lösch, si nye Dɔdzikpɔhaa Me Tɔ la ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia, si me wogbugbɔ to la ɖe go le Germanygbe me, eye nɔviawo kpɔ dzidzɔ heda akpe ɖe eta ale gbegbe. Egbea, gbeƒãɖela siwo le Germany la le Biblia yeyea zãm le gbeƒãɖeɖedɔa me kple dzidzɔ, abe nɔvinyɔnu eve siawo ke ene.