Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Amewo Le Nyateƒe Dimee

Ale Si Amewo Le Nyateƒe Dimee

Ne míenya nyateƒea la, ate ŋu ana agbe mí. Le kpɔɖeŋu me, esi míekpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye, Aleke dɔlékuiwo wɔna kakana? la, bu ale si esia ɖe vi na mí le agbe me ŋu kpɔ.

Ƒe akpe geɖe va yi la, ame aɖeke menya biabia ma ƒe ŋuɖoɖo o. Le ƒe mawo katã me la, ame miliɔn geɖe ku le dɔvɔ̃wo ta. Ʋɛʋɛʋɛ la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖe nyateƒea ŋu. Wova de dzesii be zi geɖe la, nugbagbevi suesuesue, siwo nye dɔlékuiwo koŋ gbɔe dɔlélewo tsona. Nyateƒenya ɖeka ma wɔe be wote ŋu da dɔléle geɖe eye woƒo asa na wo hã, si na be ame biliɔn geɖe nɔa lãmesẽ me eye wonɔa agbe didii.

Ke biabia bubu siwo le vevie wu ya ɖe? Ne èva nya nyabiase siwo gbɔna ƒe ŋuɖoɖowo la, vi kae wòaɖe na wò?

  • Ame kae nye Mawu?

  • Ame kae nye Yesu Kristo?

  • Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?

  • Nu kae ava dzɔ le etsɔme?

Ame miliɔn geɖe kpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo eye esia na woƒe agbe nyo ɖe edzi. Ne èva nya ŋuɖoɖoawo la, aɖe vi na wò hã.

ÐE NÀTE ŊU AKE ÐE NYATEƑEA ŊUA?

Ðewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be, ‘Aleke wòanya wɔe be manya nyateƒea tso nu sia nu ŋu?’ Le nyateƒe me la, mele bɔbɔe kura be woanya nyateƒea tso nu geɖe ŋu o. Nu ka tae?

Ame geɖe meka ɖe dziɖuɖuwo, asitsahawo kple nyadzɔdzɔdɔwɔlawo dzi be woato nyateƒea o. Esesẽna na wo be woade vovototo nyateƒea kple ame ŋutɔ ƒe susu, nyateƒe afã-afã kple alakpa ƒuƒui, siwo dzena abe nya ŋutɔ ene dome. Le xexe sia si me amewo megakana ɖe amewo dzi o eye nyatakaka siwo mele eteƒe o bɔ ɖo me la, ame aɖewo megakana ɖe edzi be nyateƒe aɖe li gɔ̃ hã o.

Togbɔ be kuxi siawo li hã la, míate ŋu akpɔ nyabiase vevi siwo ku ɖe agbe ŋu la ƒe ŋuɖoɖo vavãwo. Aleke míawɔe? Eyae nye be míaku nu me abe ale si míewɔnɛ gbe sia gbe ene.

DI NYATEƑEA

Anɔ eme be èdia nyateƒea tsoa nuwo ŋu gbe sia gbe. Bu Jessica ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Egblɔ be, “Azinuwo menyo na vinyenyɔnuvia kura o. Ne eɖu nu sia nu si wotsɔ azi wɔ ƒe sue aɖe gɔ̃ hã la, ate ŋu aku.” Eya ta ehiã be Jessica nanya nuɖuɖu siwo tɔgbi maɖe fu na via o. Egblɔ be, “Nu gbãtɔ si mewɔnae nye be mexlẽa nu siwo woŋlɔ ɖe nuɖuɖugoawo ŋu nyuie be makpɔ nu siwo wozã tsɔ wɔe. Emegbe mekua nu me yia ŋgɔ eye meƒoa ka na dɔwɔƒe si wɔ nuɖuɖua gɔ̃ hã be maka ɖe edzi be azi mele eme o. Azɔ hã, mekua nu me tso dɔwɔƒe bubu siwo aka ɖe edzi nam be mate ŋu aka ɖe nuɖuɖua dzi la gbɔ.”

Ðewohĩ nu siwo nèdi be yeanya tso nyateƒea ŋu la masesẽ abe Jessica tɔ ene o, gake àte ŋu azã mɔnu siwo gbɔna atsɔ akpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo le asiwò:

  • Xlẽ nu tso nyateƒea ŋu.

  • Ku nu me yi ŋgɔ.

  • Kpɔ egbɔ be kakaɖedzi le nyatsoƒeawo ŋu.

Afɔɖeɖe siawo ke ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo le vevie wu le agbe me. Le mɔ ka nu?

AGBALẼ VEVI AÐE SI TO NYATEƑE

Esi Jessica nɔ Biblia me nyateƒea dim la, ezã mɔnu si wòzã esime wònɔ nu me kum tso nuɖuɖu siwo menyo na via ƒe lãmesẽ o ŋu la tɔgbi ke. Egblɔ be: “Esi mexlẽ nu heku nu me tsitotsito la, ekpe ɖe ŋunye meke ɖe Biblia me nyateƒea ŋu.” Abe Jessica ene la, ame miliɔn geɖe va nya nu si Biblia gblɔ tso biabia siwo gbɔna ŋu:

  • Nu ka tae míele agbe ɖo?

  • Nu kae dzɔna le ku megbe?

  • Nu ka tae míekpea fu?

  • Nu ka wɔm Mawu le be yeatsɔ aɖe fukpekpewo ɖa?

  • Nu kae míawɔ be míaƒe ƒomewo nakpɔ dzidzɔ?

Àte ŋu akpɔ nya siawo kple bubuwo ƒe ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe ne èxlẽ Biblia eye nèku nu me geɖe kpee le internet dzi le www.pr418.com.