Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu

Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa ale: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.” (Mateo 6:9, 10) Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la? Nu kae wòwɔna? Eye nu ka tae wòle be míado gbe ɖa be Fiaɖuƒea nava?

Yesue nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.

Luka 1:31-33:“Nàna ŋkɔe be Yesu. Eya anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anɛ, aɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee, eye nuwuwu manɔe na eƒe Fiaɖuƒe la o.”

Fiaɖuƒeae nye nyati vevitɔ si Yesu ɖe gbeƒãe.

Mateo 9:35: “Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam.”

Yesu na dzesi eƒe nusrɔ̃lawo be wòakpe ɖe wo ŋu woanya ɣeyiɣi si me Fiaɖuƒea ava.

Mateo 24:7: “Elabena dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.”

Fifia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea le anyigba blibo la katã dzi.

Mateo 24:14: “Eye woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”