Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tiae Be Yeade Mawu Fiaɖuƒea Dzi Fifia!

Tiae Be Yeade Mawu Fiaɖuƒea Dzi Fifia!

Tsɔe be ahom sesẽ aɖe tu gbɔna miaƒe nutoa me. Eye dziɖuɖua to nyakakamɔnuwo dzi le gbeƒã ɖemee be: “MIƲU! MISI YI DEDIENƆƑE ENUMAKE!” Nu kae nye nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ? Àɖo ta teƒe aɖe si le dedie la godoo.

Le nyaa nu la, “afɔku” gblẽnu aɖe le ŋgɔ na mí katã si Yesu yɔ be “xaxa gã.” (Mateo 24:21) Míate ŋu asi le xaxa sia nu o. Gake míate ŋu awɔ nane atsɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta. Nu kae míawɔ?

Le Yesu Kristo ƒe Todzimawunyaa me la, ena mɔfiame sia be: “Miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.” (Mateo 6:33) Aleke míawɔ esiae?

Di Mawu Fiaɖuƒea gbã. Esia fia be míatsɔ Mawu Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ wu nu bubu ɖe sia ɖe. (Mateo 6:25, 32, 33) Nu ka tae wòle be míawɔe nenema? Elabena amegbetɔwo mate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ o. Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu awɔ dɔ sia ade goe.

Di Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye. Ele be míawɔ míatɔ sinua awɔ ɖe Mawu ƒe se kple mɔfiame dzɔdzɔeawo dzi. Nu ka tae? Elabena ne míawo ŋutɔwo míedi be míatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu la, nu gbegblẽwo koe ado tso eme. (Lododowo 16:25) Azɔ hã, ne míewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi la, menye ɖeko míaƒe nu adze Mawu ŋu o, ke boŋ aɖe vi na míawo ŋutɔwo hã.—Yesaya 48:17, 18.

Miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã. Yesu xlɔ̃ nu be ame aɖewo atra mɔ asusui be ne yewoƒo ga gbogbo aɖewo nu ƒu la, ana yewoanɔ dedie. Ame bubuwo aɖe mɔ dzimaɖitsitsi ɖe agbe ŋu navu tsyɔ wo dzi ale gbegbe be womakpɔ ɣeyiɣi aɖeke kura atsɔ adi Mawu Fiaɖuƒea o.—Mateo 6:19-21, 25-32.

Ke hã, Yesu do ŋugbe be woakpɔ ame siwo le Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo fifia, eye woase vivi na yayra siwo ava le etsɔme la tegbee.—Mateo 6:33.

Togbɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ agbe le ƒe alafa gbãtɔ me di Mawu Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbã hã la, womekpɔ eteƒe woɖe vevesese kple fukpekpewo katã ɖa o. Gake wokpɔ wo ta. Le mɔ ka nu?

Esi wonɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔewo nu ta la, womekpe fu siwo ame siwo menɔa agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu o la kpe o. Xɔse sẽŋu si nɔ wo si be Fiaɖuƒea ava la kpe ɖe wo ŋu wonɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu. Eye Mawu na “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wo be wotsɔ nɔ te ɖe kuxiawo nu.—2 Korintotɔwo 4:7-9.

ÀNƆ FIAÐUƑE LA DIM GBÃ?

Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la, ɖo to Yesu ƒe sedede si nye be woadi Fiaɖuƒea gbã. Woɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia kpe nuto siwo katã me wonɔ la ɖo ɣemaɣi. (Kolosetɔwo 1:23) Ðe ame aɖewo gale dɔ ma wɔm egbea?

Ɛ̃! Yehowa Ðasefowo kpɔe be ɣeyiɣi si susɔ hafi Mawu Fiaɖuƒea nahe nuɖoanyi sia ava nuwuwui la le kpuie. Eya ta wole wo tɔ sinua wɔm be yewoawɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi. Se sia gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.

Ðe nàɖo to nya nyuia? Míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ nu abe ƒe alafa gbãtɔ me tɔ siwo nɔ Makedonia du si nye Beroia me la ene. Esi wose Fiaɖuƒe nya nyuia tso apostolo Paulo gbɔ la, woxɔe kple “dzi faa.” Emegbe “wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito” be yewoakpɔ kakaɖedzi le nu siwo yewose la ŋu, eye wowɔ ɖe nu siwo wosrɔ̃ la dzi.—Dɔwɔwɔwo 17:11, 12.

Wò hã àte ŋu awɔe nenema. Ne èdi Mawu Fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã la, àɖe dzi ɖi fifia, àva kpɔ ŋutifafa eye ànɔ dedie le etsɔme.