Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 20-21

“Ame Sia Ame Si Di Be Yeanye Gã Le Mia Dome La Nanye Miaƒe Subɔla”

“Ame Sia Ame Si Di Be Yeanye Gã Le Mia Dome La Nanye Miaƒe Subɔla”

20:28

Agbalẽfiala kple Farisitɔ dadalawo dina be amewo nakpɔ yewo ado gbe na yewo le asi me

Agbalẽfiala kple Farisitɔ dadalawo dina be yewoawɔ nu wòadze amewo ŋu eye woade bubu yewo ŋu. (Mt 23:5-7) Yesu ya mewɔ nu alea o. “Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ.” (Mt 20:28) Ðe míaƒe susu katã nɔa subɔsubɔdɔa ƒe akpa siwo ana amewo nakpɔ mí akafu mí la ko ŋua? Ne míedi be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, míadze agbagba awɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe akpe ɖe amewo ŋu abe Yesu ene. Zi geɖe la, dɔ siawo medzena amewo kpɔna o, gake Yehowa ya kpɔnɛ. (Mt 6:1-4) Ðokuibɔbɔla . . .

  • akpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo kple beléle nɛ ŋu

  • atso le eɖokui si akpe ɖe ame tsitsiwo kple ame bubuwo ŋu

  • adzɔ ga woatsɔ ado alɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo