Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Míatu Lɔlɔ̃ Ðo Na Mawu Kple Mía Havi

Ale Si Míatu Lɔlɔ̃ Ðo Na Mawu Kple Mía Havi

Togbɔ be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o hãa, eƒe sedede gãtɔ eveawo siwo gblɔ be míalɔ̃ Mawu kple mía havi, na míekpɔ nu si Yehowa di tso mía si. (Mt 22:37-39) Lɔlɔ̃ sia mevana le eɖokui si o. Ele be míatui ɖo. Le mɔ ka nu? Mɔ vevitɔ ɖekae nye Biblia xexlẽ gbe sia gbe. Ne míeva le nu xlẽm tso Mawu ƒe nɔnɔme vovovoawo ŋu le Ŋɔŋlɔawo me la, míakpɔ “Yehowa ƒe atsyɔ.” (Ps 27:4) Esia awɔe be míalɔ̃e geɖe wu eye míava nɔ nuwo ŋu bum abe eya ke ene. Esia ʋãa mí be míewɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzi, eye se siawo dometɔ ɖekae nye be míalɔ̃ amewo tso dzi me. (Yh 13:34, 35; 1Yh 5:3) Nu siwo akpe ɖe mía ŋu Biblia xexlẽ navivi mía nu dometɔ etɔ̃ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

  • Kpɔ nuwo le susu me, eye nàbu wo ŋu. Tsɔe be yele teƒea. Nu kae nàkpɔ alo ase, eye nu ka ƒe ʋeʋẽe nàse? Aleke ame siwo ŋu nya xlẽm nèle la anya nɔ sesem le wo ɖokui me?

  • Zã mɔnu bubuwo. Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esi: Xlẽ nua sesĩe, alo nàƒo esi woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi eye nànɔ Biblia dzi kpɔm. Xlẽ nu tso Bibliameme aɖe alo nane ŋu tsɔ wu be nànɔ agbagba dzem be yeaxlẽ Biblia-gbalẽawo ɖe ɖoɖo nu. Le kpɔɖeŋu me, zã Megbenyawo A7 alo B12 si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me atsɔ axlẽ nu tso Yesu ŋu. Àte ŋu axlẽ ŋɔŋlɔ si dzi wotu gbe sia gbe mawunyakpukpuia ɖo ƒe ta bliboa. Alo axlẽ Biblia-gbalẽawo ɖe ɖoɖo si nu woŋlɔ wo ɖo la nu.

  • Xlẽ nua be nàse egɔme. Ne èxlẽ Biblia ƒe ta ɖeka aɖe eye nèse egɔme hede ŋugble le eŋu la, enyo wu sãa be nàxlẽ ta gbogbo aɖewo evɔ màse wo gɔme o. Bu nɔnɔme si me nuawo dzɔ le ŋu. Lé ŋku ɖe nu suesuesuewo ŋu. Zã anyigbatatawo kple titinanuŋɔŋlɔwo. Ku nu me tso nu ɖeka aɖe ya teti si gɔme mèse o la ŋu. Ne anya wɔ la, zã ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si nèzã tsɔ xlẽ nua ke nàtsɔ ade ŋugble le eŋu.