Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Ame Aɖe Le Ge Dim Le Ŋuwò Atraɖii

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Ame Aɖe Le Ge Dim Le Ŋuwò Atraɖii

Ne ame aɖe dia ge le mía ŋu atraɖiia, esia ate ŋu ana nu nate ɖe mía dzi eye míalé blanui vevie. Ate ŋu ana míaƒe xɔse hã nagbɔdzɔ, vevietɔ ne míaƒe subɔsubɔ tae amea dia ge le mía ŋu ɖo. Nu kae nàwɔ ne ame aɖe dia ge le ŋuwò alea?

Yehowa subɔla geɖe te ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sia ŋu elabe woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Ps 18:17) Le kpɔɖeŋu me, dzi nɔ Esta ƒo wòʋu go nugbe si ŋutsu vɔ̃ɖi Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu na fiaa. (Es 7:​1-6) Hafi wòawɔ esia, etsi nu dɔ tsɔ ɖee fia be yeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Es 4:​14-16) Yehowa yra ɖe eƒe agbagbadzedzewo dzi eye wòkpɔ eya kple eƒe amewo ta.

Ðeviwo kple sɔhɛwo, ne ame aɖe le fu ɖem na mi atraɖiia, mibia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu eye miagblɔe na ame tsitsi aɖe hã, ɖewohĩ mia dzila. Ne miwɔe alea, Yehowa akpe aɖe mia ŋu abe ale si ko wòkpe ɖe Esta ŋu ene. Nu bubu ka hãe miate ŋu awɔ?

MIKPƆ VIDEO SI NYE LE NYE ƑEWUIWO ME—NU KAE MAWƆ NE WOWƆA ANYRA LE ŊUNYE? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae ɖeviwo kple sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso Charlie kple Ferin gbɔ?

  • Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Charlie kple Ferin ƒe nyawo me si woate ŋu atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu ne ame aɖe dia ge le wo ŋu atraɖii?