Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Alẽkplɔla Siwo Dzea Agbagba Kpena Ðe Yehowa Ƒe Amewo Ŋu

Alẽkplɔla Siwo Dzea Agbagba Kpena Ðe Yehowa Ƒe Amewo Ŋu

Ame geɖe meka ɖe ame siwo le ŋusẽnɔƒewo dzi o. Eye wo tɔ dzɔ hã! Elabe tso keke gbe aɖe gbe kea, amegbetɔwo zãa woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu tsɔ dia wo ɖokui tɔ. (Mik 7:3) Gake dzi dzɔa mí ŋutɔ be hamemetsitsiwo ya mele nenema o. Wona hehe wo be woazã woƒe ŋusẽ wòaɖe vi na Yehowa ƒe amewo.—Es 10:3; Mt 20:​25, 26.

Hamemetsitsiwo to vovo na ame siwo si ŋusẽ le le xexea me elabe lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe amewoe ʋãa wo wowɔa woƒe dɔa. (Yh 21:16; 1Pe 5:​1-3) Le Yesu ƒe mɔfiafia tea, alẽkplɔla siawo kpena ɖe gbeƒãɖela ɖe sia ɖe ŋu be wòaɖe dzi ɖi le Yehowa ƒe amewo dome eye wòanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. Wotsona kpla dea dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo ne woɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me, eye wokpena ɖe wo ŋu ne atikewɔnya aɖe do mo ɖa alo afɔku dzɔ. Ne èhiã kpekpeɖeŋua, ɖe manyo be nàte ɖe míaƒe hamemetsitsi aɖe ŋu oa?—Yak 5:14.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ALẼKPLƆLA SIWO LÉA BE NA ALẼAWO EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke kpekpeɖeŋu si hamemetsitsiwo na Mariana ɖe vi nɛ?

  • Aleke kpekpeɖeŋu si hamemetsitsiwo na Elias ɖe vi nɛ?

  • Esi nèkpɔ videoa vɔa, aleke nèse le ɖokuiwò me tso dɔ siwo hamemetsitsiwo wɔna ŋu?