Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Yehowa Kpena Ðe Ame Siwo Dzi Nu Te Ðo Vevie Ŋu

Yehowa Kpena Ðe Ame Siwo Dzi Nu Te Ðo Vevie Ŋu

Mí katã míeléa blanui ɣeaɖewoɣi. Ne míelé blanuia, mefia be xɔse mele mía si o. Nu te ɖe Yehowa kura gɔ̃ hã dzi ɣeaɖewoɣi. (1Mo 6:​5, 6) Ke ne èléa blanui vevie enuenu alo ɣesiaɣi ya ɖe, nu kae nàwɔ?

Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Yehowa di vevie be míakpɔ dzidzɔ eye míaƒe susu me nadze akɔ anyi. Enyana ne nu te ɖe mía dzi alo míelé blanui. Esea míaƒe nuŋububu kple seselelãmewo gɔme. (Ps 7:9b) Nu si gale vevie wue nye be Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí, eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne nu te ɖe mía dzi alo míele blanuiléledɔ lém.—Ps 34:18.

Na wò susu nanɔ nu nyuiwo ŋu. Ne nu siwo ana dzi naɖe le mía ƒo ŋu koe míebuna, awɔe be mímakpɔ dzidzɔ o, eye ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome hã. Ta ele vevie be míakpɔ míaƒe dzi, si nye ame si míenye le ememea ta.—Lod 4:23.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ALE SI MÍA NƆVIWO LE ŊUTIFAFA ME TOGBƆ BE WOLE BLANUILÉLEDƆ LÉM HÃ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kawoe Nikki wɔ siwo kpe ɖe eŋu esi wònɔ blanuiléledɔ lém?

  • Nu ka tae Nikki kpɔe be ele be yeayi kɔdzi?—Mt 9:12

  • Aleke Nikki ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu?