Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 2

Àte Ŋu Ava Zu “Akɔfafa Gã Aɖe” Na Ame Bubuwo

Àte Ŋu Ava Zu “Akɔfafa Gã Aɖe” Na Ame Bubuwo

“Ame siawo . . . nye nye hadɔwɔlawo na Mawu Fiaɖuƒe la, eye ame siawo va zu akɔfafa gã aɖe nam.”—KOL. 4:11.

HADZIDZI 90 Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo

NYA VEVIAWO *

1. Nɔnɔme sesẽ kawo me tom Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo le egbea?

LE XEXEA me godoo la, Yehowa subɔla geɖewo le nɔnɔme sesẽ gbãdzinamewo me tom. Ðe nède dzesi esia le wò hamea mea? Nɔvi aɖewo le fu kpem le dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si me, eye nɔvi aɖewo hã le nu xam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta. Nɔvi bubu aɖewo hã ƒe dzi gbã le esi woƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ta. Eye nɔvi aɖewo hã le fu kpem le dzɔdzɔmefɔkuwo ta. Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo katã le nɔnɔme siawo tɔgbi me tom la hiã akɔfafa. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu?

2. Nu ka tae wòhiã be woafa akɔ na apostolo Paulo ɣeaɖewoɣi?

2 Apostolo Paulo ƒe agbe ɖo afɔku me zi geɖe. (2 Kor. 11:23-28) Egblɔ be, ‘ŋù aɖe le yeƒe ŋutilã me’; esia anya nye lãmesẽkuxi aɖe si hã me wòle be wòado dzi le. (2 Kor. 12:7) Eye ete ɖe Paulo dzi ŋutɔ esime Dema si wɔ dɔ kplii le gbeƒãɖeɖedɔa me ɣeaɖeɣi va yi la gblẽe ɖi “le esi wòlɔ̃ fifi nuɖoanyi sia ta.” (2 Tim. 4:10) Paulo nye Kristotɔ amesiamina dzinɔameƒotɔ si kpe ɖe ame bubuwo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe, ke hã, dzi ɖe le eya gɔ̃ hã ƒo ɣeaɖewoɣi.—Rom. 9:1, 2.

3. Ame kawoe fa akɔ na Paulo hekpe ɖe eŋu?

3 Paulo kpɔ akɔfafa kple kpekpeɖeŋu si wòhiã la. Le mɔ ka nu? Yehowa zã Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ do ŋusẽe. (2 Kor. 4:7; Flp. 4:13) Azɔ hã, Yehowa to nɔvia Kristotɔwo dzi fa akɔ nɛ. Paulo gblɔ tso nɔvia Kristotɔ aɖewo siwo nye eƒe hadɔwɔlawo la ŋu be wonye ‘akɔfafa gã aɖe na ye.’ (Kol. 4:11) Wo dometɔ aɖewo siwo ŋkɔ wòyɔe nye Aristarko, Tikiko, kple Marko. Nɔvi siawo do ŋusẽ Paulo hekpe ɖe eŋu be wòte ŋu do dzi. Nɔnɔme nyui kawoe wɔe be Kristotɔ etɔ̃ siawo te ŋu fa akɔ na Paulo nyuie? Aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua esime míele agbagba dzem be míafa akɔ na amewo ahade dzi ƒo na wo?

NYE NUTEƑEWƆLA ABE ARISTARKO ENE

Abe Aristarko ene la, míate ŋu aku ɖe mía nɔviwo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe le ‘xaxaɣiwo’ (Kpɔ memama 4-5 lia) *

4. Aleke Aristarko ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ wɔnuteƒe na Paulo?

4 Aristarko, si nye Kristotɔ aɖe si tso Makedonia ƒe du si nye Tesalonika me la, ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ wɔnuteƒe na Paulo. Zi gbãtɔ si Biblia ƒo nu tso Aristarko ŋue nye esime Paulo yi Efeso le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me. Le wo kple Paulo ƒe mɔzɔzɔa me la, ameha aɖewo va lé Aristarko. (Dɔw. 19:29) Esi woɖe asi le eŋu mlɔeba la, medzo le dua me kple susu be yeanɔ dedie o, ke boŋ, enɔ Paulo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Ɣleti aɖewo megbe, esime Paulo nɔ Hela la, Aristarko kpɔtɔ nɔ eŋu, togbɔ be tsitretsiɖeŋulawo nɔ agbagba dzem be yewoawu Paulo gɔ̃ hã. (Dɔw. 20:2-4) Le ƒe 58 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me lɔƒo esime woɖo Paulo ɖe Roma abe gamenɔla ene la, Aristarko nɔ eŋu le mɔzɔzɔ legbee ma me, eye wo ame evea wokpe fu esime woƒe tɔdziʋua gbã. (Dɔw. 27:1, 2, 41) Esi wova ɖo Roma gɔ̃ hã la, anɔ eme be enɔ Paulo gbɔ le gaxɔa me hena ɣeyiɣi aɖe. (Kol. 4:10) Eya ta, mewɔ nuku o be xɔlɔ̃ wɔnuteƒe sia ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be dzi ɖo Paulo ƒo eye wòkpɔ akɔfafa!

5. Le Lododowo 17:17 ƒe nya nu la, aleke míawɔ anye xɔlɔ̃ vavã?

5 Abe Aristarko ene la, míawo hã míate ŋu anye xɔlɔ̃ vavãwo ne míeku ɖe mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ŋu goŋgoŋ, menye le ɣeyiɣi deamedziwo me ko o, ke le ‘xaxagbewo’ hã. (Xlẽ Lododowo 17:17.) Ne mía nɔvi aɖe to nɔnɔme sesẽ aɖe me do gɔ̃ hã la, agate ŋu ahiã na akɔfafa kokoko. Frances, * si dzila evea siaa ku le kansa ta le ɣleti etɔ̃ pɛ ko me la gblɔ be: “Mekpɔe be nɔnɔme sesẽwo nana míekpea fu hena ɣeyiɣi didi aɖe. Eye mekpɔa ŋudzedze ɖe xɔlɔ̃ vavã siwo ɖoa ŋku edzi be mekpɔtɔ le veve sem le dzinyelawo ƒe ku ta togbɔ be ɣeyiɣi aɖe va yi gɔ̃ hã la ŋu ŋutɔ.”

6. Ne míenye nuteƒewɔlawo la, nu kae míawɔ?

6 Xɔlɔ̃ siwo wɔa nuteƒe la, tsɔa nuwo saa vɔ ale be woate ŋu akpe ɖe wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe le nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Peter ŋu. Wokpɔe be dɔléle sia ava nyra ɖe edzi kabakaba ahawui. Srɔ̃a, Kathryn, gblɔ be: “Atsu kple asi aɖe si le míaƒe hamea me la yi kɔa dzi kpli mí hafi wokpɔ dɔléle ma le Peter ŋu. Ɣemaɣi tututue wotso nya me be yewomagblẽ mí ɖi le nɔnɔme sesẽ sia me o, eye wonɔa mía ŋu ɣesiaɣi si míehiã wo.” Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi ye nye esi be xɔlɔ̃ vavã, siwo akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me la le mía si!

NYE AME SI DZI WOATE ŊU AKA ÐO ABE TIKIKO ENE

Abe Tikiko ene la, míate ŋu anye xɔlɔ̃ si dzi woate ŋu aka ɖo ne mía nɔviwo le nɔnɔme sesẽwo me tom (Kpɔ memama 7-9 lia) *

7-8. Le Kolosetɔwo 4:7-9 ƒe nya nu la, aleke Tikiko ɖee fia be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖo?

7 Tikiko, si nye Kristotɔ si tso Roma ƒe nuto si le Asia me la, ɖee fia Paulo be yenye ame si dzi wòate ŋu aka ɖo. (Dɔw. 20:4) Le ƒe 55 K.Ŋ. me lɔƒo la, Paulo wɔ ɖoɖo be woadzɔ nu atsɔ akpe ɖe Kristotɔ siwo nɔ Yudea la ŋu, eye anɔ eme be Tikiko ye Paulo tia be wòakpe asi ɖe dɔ vevi sia ŋu. (2 Kor. 8:18-20) Emegbe esime wolé Paulo de gaxɔ me le Roma zi gbãtɔ la, Tikiko ye nye ame si wòdɔna. Etsɔa Paulo ƒe lɛtawo kple gbedeasi siwo nye dzideƒonyawo la yina na hame siwo le Asia.—Kol. 4:7-9.

8 Tikiko yi edzi nye Paulo ƒe xɔlɔ̃ vevi si dzi wòka ɖo. (Tito 3:12) Menye Kristotɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la katã dzie woate ŋu aka ɖo abe Tikiko ene o. Le ƒe 65 K.Ŋ. me lɔƒo esime wolé Paulo de gaxɔ me zi evelia la, Paulo ŋlɔ bena Kristotɔ siwo nɔ Asia nutoa me la dzudzɔ hadede kpli ye, ɖewohĩ le esi wonɔ vɔvɔ̃m na tsitretsiɖeŋu ta. (2 Tim. 1:15) Ke hã, Paulo te ŋu ka ɖe Tikiko dzi eye wògade dɔ bubu aɖe gɔ̃ hã esi. (2 Tim. 4:12) Ðikeke mele eme o be, edzɔ dzi na Paulo be xɔlɔ̃ nyui, abe Tikiko ene, le ye si.

9. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Tikiko ƒe kpɔɖeŋua?

9 Míate ŋu asrɔ̃ Tikiko ƒe kpɔɖeŋua ne míenye xɔlɔ̃ si dzi woate ŋu aka ɖo. Le kpɔɖeŋu me, menye ɖeko míado ŋugbe na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la be míakpe ɖe wo ŋu ko evɔ o, ke míawɔ nu ŋutɔŋutɔwo atsɔ akpe ɖe wo ŋu hã. (Mat. 5:37; Luka 16:10) Ne ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la kpɔe be yewoate ŋu aka ɖe mía dzi la, esia faa akɔ na wo ale gbegbe. Nɔvinyɔnu aɖe ɖe nu tae la me ale; egblɔ be, “Àɖe dzi ɖi, elabe ènyae be ame si do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò la ava kpe ɖe ŋuwò vavã abe ale si wògblɔe ene.”

10. Le Lododowo 18:24 ƒe nya nu la, ame kawo gbɔe ame siwo le dodokpɔwo me tom alo ame siwo ƒo dzi ɖe le la ate ŋu akpɔ akɔfafa tso?

10 Zi geɖe la, ame siwo le dodokpɔwo me tom alo ame siwo ƒo dzi ɖe le la kpɔa akɔfafa ne woɖe woƒe dzimenyawo gblɔ na xɔlɔ̃ aɖe si dzi woate ŋu aka ɖo. (Xlẽ Lododowo 18:24.) Esi woɖe nɔvi aɖe si ŋkɔe nye Bijay viŋutsu le haa me la, dzi ɖe le Bijay ƒo ŋutɔ. Egblɔ be, “Medi vevie be maɖe nye seselelãmewo agblɔ na nɔvi aɖe si dzi mate ŋu aka ɖo.” Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si nɔ Carlos si le hamea me, si ŋu wòde asixɔxɔe, la ge le esi le vodada aɖe si wòwɔ ta. Egblɔ be: “Medi vevie be maɖe nye dzimenyawo agblɔ faa na ame aɖe si ase nu gɔme nam eye mabu fɔm o.” Carlos va ɖe eƒe seselelãmewo gblɔ na hamemetsitsiwo, eye wokpe ɖe eŋu wòte ŋu to nɔnɔme ma me do. Azɔ hã, ale si hamemetsitsiawo wɔ nu ɖe eŋu tufafatɔe, kple kakaɖedzi si su esi be womaʋu go nya siwo yegblɔ na wo o la fa akɔ nɛ.

11. Nu kae míawɔ be míanye xɔlɔ̃ si dzi woate ŋu aka ɖo?

11 Hafi míate ŋu anye xɔlɔ̃ si dzi woate ŋu aka ɖo la, ehiã vevie be míasrɔ̃ dzigbɔɖi. Esi nɔvinyɔnu Zhanna srɔ̃ dzo le egbɔ hegblẽe ɖi la, ekpɔ akɔfafa esime wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ na exɔlɔ̃ vevi aɖewo. Egblɔ be: “Woɖo tom dzigbɔɖitɔe togbɔ be manya gblɔ nya mawo ke zi gbɔ zi geɖe gɔ̃ hã.” Wò hã àte ŋu anye xɔlɔ̃ nyui ne ènye toɖola nyui.

NYE AME SI LƆ̃NA FAA BE YEASUBƆ AME BUBUWO ABE MARKO ENE

Dɔmenyonu siwo Marko wɔ na Paulo la kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi, nenema kee míawo hã míate ŋu akpe ɖe mía nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu (Kpɔ memama 12-14 lia) *

12. Ame kae nye Marko, eye aleke wòɖee fia be yenye ame si lɔ̃na faa be yeasubɔ ame bubuwo?

12 Marko nye Yudatɔ Kristotɔ si tso Yerusalem. Eƒe ƒometɔ Barnaba nye dutanyanyuigblɔla si wonya nyuie. (Kol. 4:10) Anɔ eme be, nu de Marko ƒe ƒomea dzi, gake menye ga kple ŋutilãmenuwoe nye nu vevitɔ nɛ le eƒe agbe me o. Le Marko ƒe agbe me katã la, elɔ̃ faa subɔ ame bubuwo. Ekpɔ dzidzɔ le esia wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ewɔ dɔ asi-le-asi-me kple apostolo Paulo kpakple apostolo Petro siaa le woƒe dɔdeasiwo me le ɣeyiɣi vovovo me. Anɔ eme be, Marko ƒle nuɖuɖu na wo, di dzeƒe na wo, eye wòwɔ dɔ bubu vovovowo tsɔ kpe ɖe wo ŋu. (Dɔw. 13:2-5; 1 Pet. 5:13) Paulo gblɔ tso Marko ŋu be enye ame siwo nye yeƒe ‘hadɔwɔlawo na Mawu Fiaɖuƒea’ la dometɔ ɖeka, eye egblɔ hã be ezu “ŋusẽdodo” na ye.—Kol. 4:10, 11, etenuŋɔŋlɔ.

13. Aleke 2 Timoteo 4:11 ɖee fia be Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe ale si Marko kpe ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu?

13 Marko va zu Paulo xɔlɔ̃ kplikplikpliwo dometɔ ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 65 K.Ŋ. me lɔƒo esime Paulo nɔ gaxɔ me zi mamlɛtɔ le Roma la, eŋlɔ eƒe agbalẽ evelia na Timoteo. Le agbalẽ ma me la, Paulo bia tso Timoteo si be wòava Roma eye wòakplɔ Marko ɖe asi vɛ. (2 Tim. 4:11) Ðikeke mele eme o be, Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe ale si Marko kpe asi ɖe eŋu le subɔsubɔdɔa me nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu ale gbegbe, eya ta, edi be Marko nanɔ ye gbɔ le ɣeyiɣi sesẽ ma me. Marko wɔ nu vovovowo tsɔ kpe ɖe Paulo ŋu; ɖewohĩ edia nuɖuɖu alo agbalẽxatsaxatsa kple nuŋlɔtsi yina nɛ. Ale si Marko kpe ɖe Paulo ŋu hede dzi ƒo nɛ la anya kpe ɖe Paulo ŋu wòdo dzi le ɣeyiɣi susɔeawo me hafi woava wui.

14-15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mateo 7:12 me nyawo me ku ɖe nu ŋutɔŋutɔ siwo míawɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋu ame bubuwo ŋu?

14 Xlẽ Mateo 7:12. Ne míele xaxawo me tom la, míekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo wɔa nu ŋutɔŋutɔwo tsɔ kpena ɖe mía ŋu la ŋu ŋutɔ! Ryan si fofo ku le afɔku dziŋɔ aɖe me la gblɔ be: “Ne èle xaxawo me tom la, nu geɖe siwo nèwɔna bɔbɔe gbe sia gbe tsã la wɔwɔ va dzena nu sesẽwo. Ne ame aɖe wɔ nu ŋutɔŋutɔ aɖe tsɔ kpe ɖe ŋuwò la, esia faa akɔ na ame ŋutɔ, ne edze abe nu sue aɖe wònye ene gɔ̃ hã.”

15 Ne míeléa ŋku ɖe nu ŋu henɔa ŋudzɔ ɖe nu siwo me tom amewo le ŋu la, ɖewohĩ, míate ŋu ade dzesi mɔ siwo dzi míato akpe ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe tso le eɖokui si kpe ɖe Peter kple Kathryn, siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, ŋu hekplɔa wo yia kɔdzi be woaɖakpɔ ɖɔkta. Esi wònye be ŋutete megava nɔ Peter kple Kathryn siaa ŋu be woaku ʋu o ta la, nɔvinyɔnua wɔ ɖoɖo be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me, siwo lɔ̃ faa be yewoakpe ɖe Peter kple Kathryn ŋu la nakpe asi ɖe wo ŋu le go ma me. Ðe ɖoɖo sia ɖe via? Kathryn gblɔ be, “Míese le mía ɖokui me abe ɖe agba gã aɖe do le mía dzi ene.” Mègabu ale si gbegbe dɔmenyonu suesuesue siwo nèwɔna na amewo la ate ŋu afa akɔ na woe la nu tsɛ gbeɖe o.

16. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso akɔfafa na amewo ŋu le Marko ƒe kpɔɖeŋua me?

16 Ðikeke mele eme o be, Marko nye Kristotɔ dovevienu. Teokrasigbanɔamedzi kpekpewo, siwo dometɔ ɖekae nye Nyanyuigbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le la ŋɔŋlɔ nɔ edzi. Ke hã, Marko dia ɣeyiɣi faa akɔ na Paulo, eye Paulo hã se le eɖokui me be yeate ŋu abia Marko ƒe kpekpeɖeŋu faa. Angela, si xa nu vevie esime wowu eƒe ƒometɔ aɖe ŋutasesẽtɔe la, kpɔ ŋudzedze ɖe ale si nɔviawo hã lɔ̃ faa fa akɔ nɛ la ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: “Ne xɔ̃wòwo di vevie tso dzi me be yewoakpe ɖe ŋuwò la, wonana wònɔa bɔbɔe be nàte ɖe wo ŋu. Womehena ɖe megbe be yewoakpe ɖe ŋuwò o.” Míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe wonyam be melɔ̃na faa be mana kpekpeɖeŋu siwo ŋutɔŋutɔ mía nɔvi Kristotɔwo hiã la woamawo atsɔ afa akɔ na woa?’

ÐOE KPLIKPAA BE YEAFA AKƆ NA AME BUBUWO

17. Aleke ŋugbledede le 2 Korintotɔwo 1:3, 4 ŋu ate ŋu aʋã mí be míafa akɔ na amewo?

17 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo hiã na akɔfafa la le mía dome. Míate ŋu agblɔ dzideƒonya siwo nɔvi bubuwo gblɔ tsɔ fa akɔ na mí la na woawo hã. Nɔvinyɔnu Nino, si mama ku, la gblɔ be: “Ne míeɖe mɔ be Yehowa nazã mí la, ate ŋu ato mía dzi afa akɔ na ame bubuwo.” (Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.) Frances, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Nya siwo le 2 Korintotɔwo 1:4 la nye nyateƒe. Míawo hã míate ŋu awɔ nu siwo amewo wɔ tsɔ fa akɔ na mí la atsɔ afa akɔ na ame bubuwo.”

18. (a) Nu ka tae ame aɖewo ate ŋu avɔ̃ be yewoafa akɔ na ame bubuwo? (b) Aleke míawɔ afa akɔ na amewo dzidzedzetɔe? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

18 Ele be míadi mɔ vovovo siwo dzi míate ŋu ato akpe ɖe amewo ŋu, ne míele vɔvɔ̃m na esia wɔwɔ gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míanɔ vɔvɔ̃m be míanya nya si míagblɔ alo nu si míawɔ na ame aɖe si le nɔnɔme sesẽwo me tom o. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Paul la ɖo ŋku agbagba si nɔviwo dze tsɔ kpe ɖe eŋu esime fofoa ku la dzi. Egblɔ be: “Mede dzesii be menɔ bɔbɔe na wo be woate ɖe ŋunye o. Womenyana nya si tututu yewoagblɔ nam o. Gake mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si wodi vevie be yewoafa akɔ nam ahakpe ɖe ŋunye la ŋu.” Nenema kee nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Tajon si ŋu anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe gblẽ nu le la gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nyemeɖo ŋku nya siwo amewo ŋlɔ ɖo ɖem le afɔkua megbe la dometɔ ɖe sia ɖe dzi o, gake meɖoa ŋku ale si wotsɔ ɖe le eme nam vevie hedi be yewoanya nenye be mele dedie la dzi.” Míate ŋu afa akɔ na amewo dzidzedzetɔe ne míeɖee fia wo be míetsɔ ɖe le eme na wo.

19. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeanye “akɔfafa gã aɖe” na amewo?

19 Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nuwo anɔ gbegblẽm ɖe edzi le xexea me eye agbea anɔ sesẽm ɖe edzi. (2 Tim. 3:13) Azɔ hã, esi wònye be míede blibo o, eye míewɔa vodada siwo nana míekpea fu ta la, míayi edzi ahiã na akɔfafa. Susu siwo ta Apostolo Paulo te ŋu do dzi nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe eƒe ku me la dometɔ ɖekae nye be, ekpɔ akɔfafa tso nɔvia Kristotɔwo gbɔ. Neva eme be, míanye nuteƒewɔlawo abe Aristarko ene, míanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo abe Tikiko ene, eye míalɔ̃ faa asubɔ amewo abe Marko ene. Ne míewɔe alea la, míate ŋu akpe ɖe mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnuwo ŋu be woayi edzi anɔ te sesĩe le xɔse la me.—1 Tes. 3:2, 3.

^ mm. 5 Apostolo Paulo to nɔnɔme sesẽ geɖewo me le agbe me. Esime wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la, nɔvia Kristotɔ aɖewo siwo nye eƒe hadɔwɔlawo la kpe ɖe eŋu hefa akɔ nɛ. Le nyati sia me la, míadzro nɔnɔme vevi etɔ̃ aɖewo siwo kpe ɖe nɔvi Kristotɔ mawo ŋu be wote ŋu fa akɔ na ame bubuwo nyuie la me. Azɔ hã, míadzro ale si míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua la me.

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Aristarko kple Paulo kpe fu esime woƒe tɔdziʋua gbã.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Paulo ka ɖe Tikiko dzi, eye wòdea eƒe lɛtawo asi nɛ be wòatsɔ ayi na hameawo.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Marko wɔ nu vovovowo tsɔ kpe ɖe Paulo ŋu.