Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 5

Míayi Kpli Mi

Míayi Kpli Mi

“Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.”—ZAK. 8:23.

HADZIDZI 26 Nyee Miewɔe Na

NYA VEVIAWO *

Yehowa de bubu alẽ bubuawo (alo, “ame ewo” la) ŋu esi wòna be wole eyama subɔm ɖekae kple amesiaminawo (alo, “Yudatɔ” la) (Kpɔ memama 1-2 lia)

1. Nu kae Yehowa gblɔ be adzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me?

YEHOWA gblɔ ɖi ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Ame ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu toga agblɔ be: ‘Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.’” (Zak. 8:23) “Yudatɔ” si woyɔ le afi sia la le tsitre ɖi na ame siwo Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na. Wogayɔa wo hã be “Mawu ƒe Israel.” (Gal. 6:16) ‘Ame ewoawo’ le tsitre ɖi na ame siwo si mɔkpɔkpɔ le be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Wonyae be Yehowa yra amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sia eye wosena le wo ɖokuiwo me be enye bubu na yewo be yewo kpli wo yewole Yehowa subɔm.

2. Gɔmesese ka nue ‘ame ewoawo’ ‘yina kple’ amesiaminawo le?

2 Togbɔ be manya wɔ be míanya ame siwo nye amesiaminawo le anyigba dzi egbea la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ o hã la, * ame siwo si mɔkpɔkpɔ le be yewoava nɔ agbe le anyigba dzi la ate ŋu ‘ayi kple’ amesiaminaawo. Le gɔmesese ka nu? Biblia gblɔ be ‘ame ewoawo alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu toga agblɔ be: “Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.”’ Mawunyakpukpuia yɔ Yudatɔ ɖeka. Gake ŋkɔteƒenɔnya “mi” la ɖee fia be wosɔ gbɔ wu ame ɖeka. Esia fia be menye ame ɖeka koe Yudatɔ sia nye o, ke boŋ, ele tsitre ɖi na amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo bliboa. Ame siwo menye amesiaminawo o la le Yehowa subɔm kple amesiaminawo ɖekae. Ke hã, womebua amesiaminaawo be wonye yewoƒe kplɔlawo o, ke boŋ, wonyae be Yesu ye nye yewoƒe Kplɔla.—Mat. 23:10.

3. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

3 Esi wònye be amesiaminawo gakpɔtɔ le Mawu ƒe amewo dome egbea ta la, ame aɖewo ate ŋu abia be: (1) Aleke wòle be amesiaminawo nabu wo ɖokuiwoe? (2) Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia la ŋu? (3) Ne ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la, ɖe wòle be esia naɖe fu na mía? Nyati sia aɖo biabia siawo ŋu.

ALEKE WÒLE BE AMESIAMINAWO NABU WO ÐOKUIWOE?

4. Nuxlɔ̃amenya kae dze le 1 Korintotɔwo 11:27-29 si ŋu wòle be amesiaminawo nade ŋugble le vevie, eye nu ka tae?

4 Ele be amesiaminawo nade ŋugble le nuxlɔ̃amenya si dze le 1 Korintotɔwo 11:27-29 la ŋu vevie. (Xlẽe.) Aleke wòate ŋu adzɔe be amesiamina aɖe naɖu kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia “madzemadzee”? Aɖu kpɔɖeŋunuawo madzemadzee ne eɖua aboloa henoa wain la evɔ menɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu o. (Heb. 6:4-6; 10:26-29) Amesiaminawo nyae be ele be yewoayi edzi awɔ nuteƒe hafi ko yewoate ŋu axɔ “Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo ƒe fetu la . . . to Kristo Yesu dzi.”—Flp. 3:13-16.

5. Aleke wòle be Kristotɔ amesiaminawo nabu wo ɖokuiwoe?

5 Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe esubɔlawo ŋu be woanye ɖokuibɔbɔlawo, ke menye dadalawo o. (Ef. 4:1-3; Kol. 3:10, 12) Eya ta, amesiaminawo mesusuna be yewonyo wu ame bubuwo o. Wonyae be Yehowa menaa gbɔgbɔ kɔkɔea amesiaminawo wu esubɔla bubuawo kokoko o. Womesusuna be yewose Biblia me nyateƒeawo gɔme wu ame bubuwo o. Eye womagblɔ na ame bubu aɖeke gbeɖe be wosi ami na eya hã, eya ta nedze kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu gɔme le Ŋkuɖodzia o. Ke boŋ, wolɔ̃na ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be Yehowa ɖeɖe koe tiaa ame aɖe be wòayi dziƒo.

6. Le 1 Korintotɔwo 4:7, 8 ƒe nya nu la, aleke wòle be Kristotɔ amesiaminawo nawɔ nui?

6 Togbɔ be amesiaminawo sena le wo ɖokuiwo me be bubu wònye Yehowa de yewo ŋu esi wòtia yewo be yewoayi dziƒo hã la, womekpɔa mɔ be ame bubuwo nawɔ nu ɖe yewo ŋu etɔxɛe o. (Flp. 2:2, 3) Wonyae hã be, esime Yehowa si ami na yewo la, mena ame bubuwo nya nu tso eŋu o. Eya ta, mewɔa nuku na ame si wosi ami na la o, ne ame bubuwo mexɔ edzi se enumake be wosi ami nɛ o. Enyae be, Biblia gblɔ be míagaxɔ ame aɖe si gblɔ be Mawu na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ye la dzi se enumake o. (Nyaɖ. 2:2) Esi Kristotɔ amesiamina madi be yeahe amewo ƒe susu ava ye ɖokui dzi o ta la, manɔ gbɔgblɔm na ame sia ame si wònya do goe ko be wosi ami na ye o. Eye matsɔ esia aƒo adegbe le ame bubuwo ŋkume kura o.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 4:7, 8.

7. Nuwɔna kawoe ame siwo wosi ami na la aƒo asa na, eye nu ka tae?

7 Kristotɔ amesiaminawo mesena le wo ɖokuiwo me be amesiamina bubuwo ɖeɖe koe wòle be yewoanɔ ha dem kpli, abe ɖe wova zu habɔbɔ bubu aɖe si le vovo la me tɔwo ene o. Womenɔa amesiamina bubuwo dim kple susu be yewoaƒo nu tso Mawu ƒe amisisi na yewo ŋu alo aɖo Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo na wo ɖokuiwo o. (Gal. 1:15-17) Ne amesiaminawo wɔa nu siawo la, awɔe be ɖekawɔwɔ manɔ hamea me o. Ne wowɔa nu siawo la, ekema woanɔ nu wɔm tsi tsitre ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea, si kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu wonɔa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me la ŋu.—Rom. 16:17, 18.

ALEKE WÒLE BE MÍAWƆ NU ÐE AMESIAMINAWO ŊU?

Mele be míawɔ nu ɖe amesiaminawo alo ame bubu siwo xɔa ŋgɔ la dometɔ aɖeke ŋu abe ɖe wonye ame xɔŋkɔwo ene o (Kpɔ memama 8 lia) *

8. Nu ka tae wòhiã be nàɖɔ ŋu ɖo le ale si nèwɔa nu ɖe ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia la ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

8 Aleke wòle be míawɔ nu ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wosi ami na la ŋu? Anye nu gbegblẽ be míade bubu ame aɖe ŋu fũu akpa, ne Kristo nɔvi amesiaminae wònye gɔ̃ hã. (Mat. 23:8-12) Esi Biblia ƒo nu tso hamemetsitsiwo ŋu la, ede dzi ƒo na mí be ‘míasrɔ̃ woƒe xɔse,’ gake megblɔ na mí be míana amegbetɔ aɖe nazu míaƒe kplɔla o. (Heb. 13:7) Enye nyateƒe be Biblia gblɔ be ame aɖewo “dze na bubu teƒe eve” ya. Ke hã, esi ‘wowɔa woƒe dzikpɔkpɔdɔa nyuie’ eye ‘wodoa vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me’ tae, ke menye esi wonye amesiaminawo tae o. (1 Tim. 5:17) Ne míekafua amesiaminawo fũu akpa eye míaƒe susu nɔa wo ŋu ɣesiaɣi la, esia ate ŋu awɔe be womaɖe dzi ɖi o. * Alo, esi ganyra wue nye be, ate ŋu awɔe be woava nɔ wo ɖokui dom ɖe dzi. (Rom. 12:3) Mía dometɔ aɖeke madi be yeawɔ naneke si ana Kristo nɔvi amesiamina aɖe nawɔ vodada gã sia tɔgbi o!—Luka 17:2.

9. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea bubu Kristotɔ amesiaminawo ŋu?

9 Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea bubu ame siwo Yehowa si ami na la ŋu? Masɔ be míabia nyawo abe, aleke wowɔ nya be wosi ami na yewo mahã, ene woamawo o. Esia nye ame ŋutɔ ƒe nya si mehiã be woagblɔ na mí o. (1 Tes. 4:11; 2 Tes. 3:11) Eye mele be míasusu be wo srɔ̃, wo dzilawo, alo woƒe ƒometɔ bubuwo hã nye amesiaminawo o. Womenyia dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔa dome tso ame dzilawo gbɔ o. Mawu ŋutɔe tiaa ame. (1 Tes. 2:12) Azɔ hã, ele be míaƒo asa na nya siwo ate ŋu aɖe fu na ame la biabia. Le kpɔɖeŋu me, manyo be míabia nɔviŋutsu amesiamina aɖe srɔ̃ be, aleke wòsena le eɖokui me tso agbenɔnɔ le anyigba dzi tegbee srɔ̃a manɔmee ŋu mahã o. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be, le xexe yeyea me la, Yehowa ‘atsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na wo.’—Ps. 145:16.

10. Ne míeƒoa asa na bubudede amewo ŋu fũu akpa la, aleke esia anye takpɔkpɔ na mí?

10 Ne míeƒoa asa na nuwɔwɔ ɖe amesiaminawo ŋu abe ɖe wole vevie wu ame bubuwo ene la, esia nyea takpɔkpɔ na míawo ŋutɔwo hã. Le mɔ ka nu? Biblia na míenya be, ate ŋu adzɔ be amesiamina aɖewo mayi edzi awɔ nuteƒe o. (Mat. 25:10-12; 2 Pet. 2:20, 21) Ne míeƒoa asa na bubudede amewo ŋu fũu akpa la, míava nɔ amewo bum abe míaƒe kplɔlawoe wonye ene o, woɖanye amesiaminawo alo nɔvi siwo ame geɖe nya nyuie alo nɔvi siwo subɔ Yehowa ƒe geɖe o. (Yuda 16) Ekema, ne eva dzɔ be womegava wɔ nuteƒe o alo wodo le haa me la, míaƒe xɔse magbɔdzɔ alo míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o.

NE AME SIWO ÐUA KPƆÐEŊUNUAWO ƑE XEXLẼME LE DZIDZIM ÐE EDZI LA, ÐE WÒLE BE ESIA NAÐE FU NA MÍA?

11. Nu kae míede dzesi le ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ƒe xexlẽme ŋu?

11 Ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi la, ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia la ƒe xexlẽmea dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ. Gake ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia la, woƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Ðe wòle be esia naɖe fu na mía? Ao. Na míadzro nu vevi aɖewo siwo wòle be woanɔ susu me na mí la me.

12. Nu ka tae mele be míatsi dzi ɖe ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ƒe xexlẽmea ŋu o?

12 “Yehowa nya ame siwo nye etɔwo.” (2 Tim. 2:19) To vovo na Yehowa la, nɔvi siwo xlẽa ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia la mate ŋu anya ame siwo wosi ami na ŋutɔŋutɔ o. Eya ta, woxlẽa ame siwo susu be wosi ami na yewo evɔ womesi ami na wo o la hã le Ŋkuɖodzia. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo tsã la va dzudzɔ. Ðewohĩ, susumedɔléle alo seselelãmekuxiwo le fu ɖem na ame aɖewo, si wɔe be woxɔe se be yewoava ɖu fia kple Kristo le dziƒo. Eme kɔ ƒãa be, míenya amesiamina siwo susɔ ɖe anyigba dzi la ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ o.

13. Ðe Biblia yɔ amesiamina siwo asusɔ ɖe anyigba dzi esime xaxa gãa adze egɔme la ƒe xexlẽmea?

13 Amesiaminawo akpɔtɔ anɔ anyigba ƒe teƒe geɖewo ne Yesu va be yeakplɔ wo ayi dziƒo. (Mat. 24:31) Ele eme be, Biblia ɖee fia be le ŋkeke mamlɛawo me la, amesiamina ʋɛ aɖewo asusɔ ɖe anyigba dzi ya. (Nyaɖ. 12:17) Ke hã, meyɔ amesiamina siwo asusɔ ɖe anyigba dzi esime xaxa gãa adze egɔme la ƒe xexlẽme na mí o.

Aleke wòle be míawɔ nui ne ame aɖe ɖu kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia? (Kpɔ memama 14 lia)

14. Abe ale si wòdze le Romatɔwo 9:11, 16 ene la, nu ka gɔme wòle be míase ku ɖe amesiaminawo tiatia ŋu?

14 Yehowa ŋutɔe tsoa nya me le ɣeyiɣi si me wòatia amesiaminawo ŋu. (Rom. 8:28-30) Yehowa dze amesiaminawo tiatia gɔme le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe. Edze abe le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ vavãwo katã nye amesiaminawo ene. Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, ame siwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ akpa gãtɔ medze Kristo la yome ŋutɔŋutɔ o. Togbɔ be enɔ alea hã la, Yehowa si ami na ame ʋɛ siwo nye Kristotɔ vavãwo le ɣeyiɣi mawo me. Wonɔ abe lu siwo Yesu gblɔ be woatsi le gbe wuwluiawo dome la ene. (Mat. 13:24-30) Le ŋkeke mamlɛawo me la, Yehowa yi edzi tia ame siwo anye ame 144,000 la me tɔwo. * Eya ta, ne Mawu ɖoe be yeatia wo dometɔ aɖewo do ŋgɔ teti na nuwuwua la, ame kawoe míenye be míake ɖi eƒe nunya? (Xlẽ Romatɔwo 9:11, 16.) * Ele be míakpɔ nyuie be míagawɔ nu abe dɔwɔla siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka me la ene o. Dɔwɔla siawo to nyatoƒoe le ale si woƒe aƒetɔa nyo dɔme na dɔwɔla siwo va wɔ dɔ le gaƒoƒo mamlɛtɔa me la ŋu.—Mat. 20:8-15.

15. Ðe amesiaminawo katã nye ame siwo woyɔ le Mateo 24:45-47 be “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la me tɔwoa? Ðe eme.

15 Menye ame siwo katã si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le lae nye ame siwo nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la me tɔwo o. (Xlẽ Mateo 24:45-47.) Abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, egbea, Yehowa kple Yesu le nɔviŋutsu ʋɛ aɖewo zãm tsɔ le ame geɖe nyim le gbɔgbɔ me, alo le nu fiam wo. Kristotɔ amesiamina siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ ʋɛ aɖewo koe Mawu zã woŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. Nenema kee egbea, Kristotɔ amesiamina ʋɛ aɖewo dzi koe agba le be woana “nuɖuɖu [Mawu ƒe amewo] le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.”

16. Nu kae nèsrɔ̃ le nyati sia me?

16 Nu kae míesrɔ̃ le nyati sia me? Yehowa tiae be yeana yeƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, eye yeana wo dometɔ ʋɛ aɖewo naɖu fia kple Yesu le dziƒo. Yehowa naa teƒeɖoɖo esubɔlawo katã—“Yudatɔ” la kple “ame ewo” la siaa—eye wòdi tso wo katã si be woawɔ se ɖeka ma ke dzi eye woayi edzi awɔ nuteƒe. Ele na wo katã be woayi edzi abɔbɔ wo ɖokuiwo. Ele be wo katã woasubɔ Yehowa aduadu le ɖekawɔwɔ me. Eye ele be wo katã woadze agbagba vevie ana ŋutifafa nakpɔtɔ anɔ hamea me. Esi míele nuwuwua gogom fifia wu tsã ta la, mina mí katã míayi edzi anɔ Yehowa subɔm eye míanɔ Kristo la yome abe “alẽha ɖeka” ene.—Yoh. 10:16.

^ mm. 5 Le ƒe sia me la, míawɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le Braɖa, April 7 lia dzi. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo aɖu kpɔɖeŋunuawo fiẽ ma la ŋu? Ðe wòle be wòaɖe fu na mí ne ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzia? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le nyati sia si wotu ɖe nyati aɖe si dze le January 2016 ƒe Gbetakpɔxɔ me dzi la me.

^ mm. 2 Le Psalmo 87:5, 6 ƒe nya nu la, Mawu ate ŋu ana míanya ame siwo katã le fia ɖum kple Yesu le dziƒo la ƒe ŋkɔwo le etsɔme.—Rom. 8:19.

^ mm. 8 Kpɔ aɖaka si nye “Lɔlɔ̃ ‘Mewɔa Nu Si Medze O,’” si dze le January 2016 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 14 Togbɔ be Dɔwɔwɔwo 2:33 gblɔ be Yesu dzie woto kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusrɔ̃lawo dzi hã la, Yehowa ŋutɔe tiaa ame ɖe sia ɖe.

^ mm. 14 Ne èdi nyatakaka bubuwo la, kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le May 1, 2007, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

HADZIDZI 34 Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Wò ya bu eŋu kpɔ ko be, nɔviwo lɔ hoo va ƒo xlã míaƒe dɔwɔƒegãa ƒe amedɔdɔ aɖe kple srɔ̃a hele foto ɖem wo le takpekpe aɖe me. Esia manye bubudede ame ŋu kura o!