Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 6

Yehowa, Mía Fofo La, Lɔ̃ Mí Vevie Ŋutɔ

Yehowa, Mía Fofo La, Lɔ̃ Mí Vevie Ŋutɔ

“Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo.’”—MAT. 6:9.

HADZIDZI 135 Yehowa Le Kpewòm Lɔlɔ̃tɔe Be: “Vinye, Dze Nunya”

NYA VEVIAWO *

1. Ne ame aɖe di be yeaƒo nu na Persia-fia aɖe si nɔ anyi le blema la, nu kae wòle nɛ be wòawɔ?

TSƆE be ènɔ Persia-fiaɖuƒe si nɔ anyi ƒe 2,500 aɖewoe nye esi va yi la me. Èdi be yeaƒo nu na dukɔ ma ƒe fia tso nane ŋu, eya ta èzɔ mɔ yi Susan si nye fiadu la me. Mava susu me na wò gɔ̃ hã be yeayi fia la gbɔ ne womekpe wò o. Elabe ne èwɔ esia la, woawu wò godoo!—Esta 4:11.

2. Aleke Yehowa di be míase le mía ɖokui me ne míedi be míaƒo nu kpli ye?

2 Dzidzɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be Yehowa mele abe Persia-fia ma ene o! Yehowa kɔ boo wu amegbetɔ dziɖula ɖe sia ɖe eye eƒe ŋusẽ tri akɔ wu wo tɔ sãsãsã, ke hã, ekpe mí be míaƒo nu na ye ɣeawokatãɣi. Edi be míaƒo nu na ye faa. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be bubuŋkɔ gãwo abe Wɔla Gã, Ŋusẽkatãtɔ, kple Aƒetɔ Dziɖulagã ene le Yehowa si hã la, edi be míayɔ ye lɔlɔ̃tɔe be “Fofo.” (Mat. 6:9) Enye dzidzɔ na mí be míenyae be Yehowa di be míase le mía ɖokui me alea le ye ŋu!

3. Nu ka tae míate ŋu ayɔ Yehowa be “Fofo,” eye nu ka me míadzro le nyati sia me?

3 Esɔ be míayɔ Yehowa be “Fofo,” elabe eyae nye míaƒe Agbenala. (Ps. 36:9) Esi wònye mía Fofo ta la, ele na mí be míaɖo toe. Ne míewɔa nu siwo wòdi tso mía si la, míakpɔ yayra wɔnukuwo. (Heb. 12:9) Yayra siawo dometɔ ɖekae nye be ana míanɔ agbe mavɔ le dziƒo alo anyigba dzi. Azɔ hã, eyraa mí fifia gɔ̃ hã. Nyati sia adzro mɔ siwo dzi Yehowa tona ɖenɛ fiana mí fifia be yenye mía Fofo si lɔ̃ mí, kple nu siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe le etsɔme o, la me. Gake gbã, na míadzro nu siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo la lɔ̃ mí vevie eye wòléa be na mí la me.

YEHOWA NYE MÍA FOFO SI LƆ̃ MÍ HELÉA BE NA MÍ

Yehowa di be mía kpli ye dome nanɔ kplikplikpli, abe ale si ko vifofo si lɔ̃ viawo la dina be ye kple ye viwo dome nanɔ kplikplikpli ene (Kpɔ memama 4 lia)

4. Nu ka tae wòsesẽna na ame aɖewo be woabu Yehowa be enye yewo Fofo?

4 Ðe wòsesẽna na wò be nàbu Yehowa be enye ye Fofoa? Ðewohĩ, le ame aɖewo gome la, ne wotsɔ wo ɖokuiwo sɔ kple Yehowa la, wosena le wo ɖokuiwo me be yewole sue ale gbegbe be yewomele vevie nɛ o. Ne ame aɖe sena le eɖokui me alea la, exɔnɛ sena be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la metsɔa ɖeke le eme na ye o. Ke hã, mía Fofo lɔ̃ame la medi be míase le mía ɖokui me nenema o. Eyae na agbe mí, eye edi be míanya ye ahanɔ ƒomedodo me kpli ye. Esi apostolo Paulo gblɔ nyateƒenya ma na Atenetɔ siwo nɔ to ɖomee vɔ megbe la, eɖe eme na wo be, Yehowa “mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ . . . o.” (Dɔw. 17:24-29) Mawu di be mía dometɔ ɖe sia ɖe naƒo nu kpli ye abe ale si ɖevi tea ŋu tena ɖe edzila si lɔ̃e heléa be nɛ la ŋu heƒoa nu nɛ faa la ene.

5. Nu kae míesrɔ̃ tso nu si me nɔvinyɔnu aɖe to la me?

5 Ate ŋu asesẽ na ame aɖewo be woabu Yehowa be enye yewo Fofo, le esi wo fofo si dzi wo la meɖe lɔlɔ̃ boo, alo lɔlɔ̃ aɖeke kura, fia wo o eye metsɔ ɖeke le eme na wo o ta. Bu nya siwo mía nɔvinyɔnu aɖe gblɔ la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Tɔnye dzuam ŋutɔ. Esi mete Biblia-sɔsrɔ̃ la, esesẽ nam be mabui be Fofo aɖe le asinye le dziƒo si di be nye kpli ye dome nanɔ kplikplikpli. Gake esi meva nya Yehowa la, nye nuŋububu trɔ kura.” Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me abe ale si nɔvinyɔnua se le eɖokui me tsã la enea? Ne èsena le ɖokuiwò me nenema la, dzi megaɖe le ƒowò o. Vivivi la, wò hã àte ŋu ava se le ɖokuiwò me be Yehowa ye nye Fofo nyuitɔ kekeake.

6. Le Mateo 11:27 ƒe nya nu la, mɔ ka dzie Yehowa to kpe ɖe mía ŋu be míabu ye be yenye mía Fofo si lɔ̃ mí vevie?

6 Mɔ aɖe si dzi Yehowa to kpe ɖe mía ŋu be míabu ye be yenye mía Fofo si lɔ̃ mí vevie la ye nye be, ena woŋlɔ nya siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ la ɖe Biblia me na mí. (Xlẽ Mateo 11:27.) Yesu ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia bliboe ale gbegbe be ete ŋu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yoh. 14:9) Yesu ƒo nu tso nu siwo Yehowa wɔ, siwo ɖee fia be enye mía Fofo la ŋu enuenu. Le Nyanyuigbalẽ eneawo ɖeɖe ko me la, Yesu yɔ Yehowa be “Fofo” abe zi gbɔ zi 165 ene. Nu ka tae Yesu ƒo nu tso Yehowa ŋu nenema gbegbe ɖo? Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be, edi be amewo naka ɖe edzi be Yehowa nye Fofo lɔ̃ame.—Yoh. 17:25, 26.

7. Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le ale si wòwɔ nu kple Via la me?

7 Bu nu si míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le ale si wòwɔ nu kple Via, Yesu, me ŋu kpɔ. Yehowa ɖo to Yesu ƒe gbedodoɖawo ɣeawokatãɣi. Menye ɖeko wòɖo to Yesu ƒe gbedodoɖawo ko o, ke eɖo wo ŋu hã. (Yoh. 11:41, 42) Eya ta, dodokpɔ ka kee ɖava Yesu dzi o, ese le eɖokui me be ye Fofo lɔ̃ ye eye wòkpe ɖe ye ŋu.—Luka 22:42, 43.

8. Mɔ kawo nue Yehowa na nu siwo Yesu hiã lae le?

8 Yesu ɖee fia be yede dzesii be ye Fofo lae nye yeƒe Agbenala kple Ame si lé yeƒe agbe ɖe te, esi wògblɔ be: “Mele agbe le Fofo la ta.” (Yoh. 6:57) Yesu ka ɖe Fofoa dzi bliboe, eye Yehowa na nu sia nu si wòhiã be wòate ŋu anɔ agbe lae. Esi gale vevie wu ye nye be, Yehowa kpe ɖe Yesu ŋu be wòte ŋu yi edzi wɔ nuteƒe nɛ.—Mat. 4:4.

9. Aleke Yehowa ɖee fia Yesu be yenye Fofo si lɔ̃e vevie hetsɔ ɖe le eme nɛ?

9 Esi Yehowa nye Fofo lɔ̃ame ta la, ekpe ɖe Yesu ŋu wòka ɖe edzi be yele megbe nɛ. (Mat. 26:53; Yoh. 8:16) Togbɔ be Yehowa mekpɔ Yesu ta tso nu sia nu si ate ŋu ahe afɔku vɛ nɛ me o hã la, ekpe ɖe eŋu wòdo dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Yesu nyae be, yeƒe fukpekpewo manɔ anyi ɖaa o. (Heb. 12:2) Yehowa ɖee fia be yeléa be na Yesu le mɔ sia nu be, eɖo to Yesu ƒe gbedodoɖawo, ena nu siwo wòhiã lae, ena hehee eye wòkpe ɖe eŋu. (Yoh. 5:20; 8:28) Azɔ, na míadzro ale si mía Fofo si le dziƒo la ɖenɛ fiana be yelɔ̃ mí heléa be na mí le mɔ mawo ke nu la me.

ALE SI MÍA FOFO LƆ̃AME LA LÉA BE NA MÍ

Vifofo si lɔ̃ viawo la (1) ɖoa to viawo, (2) enaa nu siwo viawo hiã la wo, (3) enaa hehe viawo, eye (4) ekpɔa viawo ta. Mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la hã léa be na mí le mɔ mawo ke nu (Kpɔ memama 10-15 lia) *

10. Le Psalmo 66:19, 20 ƒe nya nu la, aleke Yehowa ɖenɛ fiana be yelɔ̃ mí?

10 Yehowa ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo. (Xlẽ Psalmo 66:19, 20.) Medi be míahe ɖe megbe le gbedodoɖa ŋu o, ke boŋ, ede dzi ƒo na mí be míanɔ gbe dom ɖa na ye edziedzi. (1 Tes. 5:17) Míate ŋu ado gbe ɖa na mía Mawu la le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, afi ka kee míeɖale o. Yehowa mesena le eɖokui me gbeɖe be vovo mele ye ŋu be yeaɖo to míaƒe gbedodoɖawo o, ke boŋ, eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo ɣeawokatãɣi. Ne míede dzesii be Yehowa ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo la, esia nana míegatena ɖe eŋu kplikplikpli wu. Hakpalaa gblɔ be, ‘Melɔ̃a Yehowa, elabena esea nye ɣlidodo.’—Ps. 116:1.

11. Aleke Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

11 Menye ɖeko mía Fofo la ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo ko o, ke eɖoa wo ŋu hã. Apostolo Yohanes ka ɖe edzi na mí be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yoh. 5:14, 15) Enye nyateƒe be, Yehowa maɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ si míele mɔ kpɔm na nu ɣesiaɣi o. Enya nu si aɖe vi na mí wu, eya ta ɣeaɖewoɣi la, míaƒe gbedodoɖaa ƒe ŋuɖoɖoe nye ao alo edi be míalala.—2 Kor. 12:7-9.

12-13. Mɔ kawo nue mía Fofo si le dziƒo la naa nu siwo míehiã la mí le?

12 Yehowa naa nu siwo míehiã la mí. Yehowa ŋutɔ hã wɔa nu siwo wòdi tso vifofowo katã si be woawɔ na wo viwo la. (1 Tim. 5:8) Ekpɔa viawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Medi be míatsi dzimaɖi ɖe nu si míaɖu, nu si míado, alo dɔƒe ŋu o. (Mat. 6:32, 33; 7:11) Esi Yehowa nye Fofo lɔ̃ame ta la, ewɔ ɖoɖo gɔ̃ hã be yeakpɔ nu siwo katã míahiã le etsɔme la gbɔ na mí.

13 Esi gale vevie wu ye nye be, Yehowa naa nu siwo míehiã be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kpli ye dome la mí. Yehowa to Eƒe Nyaa dzi na míenya nyateƒe si ku ɖe eyama ŋu, eƒe tameɖoɖowo, nu si tae wòwɔ mí, kple nu siwo ava dzɔ le etsɔme. Eɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na mí esi wòto mía dzilawo alo nɔvi bubuwo dzi kpe ɖe mía ŋu míesrɔ̃ nu tso eyama ŋu. Eye eyi edzi le hamemetsitsi lɔ̃ame siwo le hamea me kpakple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tsi le xɔse me la zãm tsɔ le kpekpem ɖe mía ŋu be míanye ye xɔlɔ̃. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa fiaa nu mía kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo siaa le míaƒe hame ƒe kpekpewo me. Yehowa toa mɔ siawo kple bubuwo dzi ɖenɛ fiana be yetsɔ ɖe le eme na mí katã abe ale si vifofo tsɔa ɖe le eme na viawo ene.—Ps. 32:8.

14. Nu ka tae Yehowa naa hehe mí, eye aleke wòwɔa esiae?

14 Yehowa naa hehe mí. To vovo na Yesu la, míawo ya míede blibo o. Eya ta, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be mía Fofo lɔ̃ame la nahe to na mí atsɔ ana hehe mí alo aɖɔ mí ɖo. Eƒe Nyaa gblɔ be: “Ame si Yehowa lɔ̃na la, eyae wòhea to na.” (Heb. 12:6, 7) Yehowa naa hehe mí le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu axlẽ nya aɖe le Biblia me alo ase nya aɖe le kpekpeawo me si ana míakpɔe be ehiã be míatrɔ míaƒe nuŋububu alo nuwɔna. Alo ɖewohĩ, kpekpeɖeŋu si míehiã la atso hamemetsitsiwo gbɔ. Mɔ ka ke dzie Yehowa ɖato na hehe mí alo he to na mí o, ewɔa esia le esi wòlɔ̃ mí ta—ɛ̃, lɔlɔ̃ ye ʋãnɛ ɣesiaɣi.—Yer. 30:11.

15. Mɔ kawo nue Yehowa kpɔa mía ta le?

15 Yehowa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Abe ale si ko vifofo kpena ɖe viawo ŋu ne wodo go kuxiwo ene la, nenema kee mía Fofo si le dziƒo la hã doa ŋusẽ mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòakpɔ mía ta tso nu sia nu si ate ŋu agblẽ mía kplii dome ƒomedodoa me la si me. (Luka 11:13) Azɔ hã, Yehowa kpena ɖe mía ŋu ne dzi ɖe le mía ƒo. Le kpɔɖeŋu me, ena mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe mí. Mɔkpɔkpɔ sia wɔnɛ be míetea ŋu doa dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Bu nya sia ŋu kpɔ: Nu ka kee ɖadzɔ ɖe mía dzi o, mía Fofo lɔ̃ame la ava ɖɔ nu sia nu si nu ma gblẽ le mía ŋu la ɖo. Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, manɔ anyi ɖaa o, gake yayra siwo Yehowa adudu akɔ ɖe mía dzi ya anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.—2 Kor. 4:16-18.

MÍA FOFO LA MAGBLẼ MÍ ÐI AKPƆ GBEÐE O

16. Esi Adam gbe toɖoɖo Fofoa si lɔ̃e la, nu kae do tso eme?

16 Míekpɔ kpeɖodzi si ɖee fia be Yehowa lɔ̃ mí la le ale si wòwɔ nui esime Adam meɖo toe o la me. Esi Adam meɖo to Fofoa si le dziƒo o la, esia wɔe be megadze anɔ Yehowa ƒe ƒomea me o, ɛ̃, eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo siaa medze anɔ Yehowa ƒe ƒomea me o. (Rom. 5:12; 7:14) Ke hã, Yehowa wɔ nane be yeatsɔ akpe ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ŋu.

17. Le Adam ƒe aglãdzedzea megbe la, afɔ kae Yehowa ɖe enumake?

17 Yehowa he to na Adam, ke hã, egblɔ be yeakpe ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ŋu. Eyome, Yehowa do ŋugbe enumake be yeana amegbetɔ toɖolawo nagava nɔ yeƒe ƒomea me ake. (1 Mose 3:15; Rom. 8:20, 21) Via malɔ̃nugbɔa, Yesu, ƒe tafevɔsaa dzie wòato ana ŋugbedodo sia nava eme. Esi Yehowa tsɔ Via na ɖe mía ta ta la, eto esia me ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ mí vevie la fia.—Yoh. 3:16.

Ne míetra ɖa tso Yehowa Mawu gbɔ gake míetrɔ dzi me la, Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame la, le klalo hele didim vevie be yeaxɔ mí atuu (Kpɔ memama 18 lia)

18. Ne míetra ɖa tso Yehowa gbɔ gɔ̃ hã la, nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be egakpɔtɔ le didim be míanye ye viwo?

18 Togbɔ be míede blibo o hã la, Yehowa di be míanye yeƒe ƒomea me tɔwo, eye mebua mí gbeɖe be míenye agba na ye o. Ate ŋu adzɔ be míawɔ nu wòate ɖe Yehowa dzi alo míatra ɖa tso egbɔ, gake enɔa mɔ kpɔm vevie be míagatrɔ va ye gbɔ ake. Yesu ɖe ale si gbegbe mía Fofo Yehowa lɔ̃ mí vevie la fia le kpɔɖeŋu si wòwɔ ku ɖe viŋutsu aɖe si bú ŋu la me. (Luka 15:11-32) Vifofo si le kpɔɖeŋu ma me la medzudzɔ mɔkpɔkpɔ gbeɖe be ye via natrɔ va ye gbɔ o. Esi viŋutsua trɔ yi fofoa gbɔ la, fofoa xɔe atuu kple dzidzɔ geɖe. Ne míetra ɖa tso Yehowa gbɔ gake míetrɔ dzi me la, míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo si lɔ̃ mí la le klalo hele didim vevie be yeaxɔ mí atuu.

19. Aleke Yehowa aɖɔ nu siwo Adam ƒe aglãdzedzea gblẽ la ɖo?

19 Mía Fofo la aɖɔ nu siwo katã Adam ƒe aglãdzedzea gblẽ le mía ŋu la ɖo. Le Adam ƒe aglãdzedzea megbe la, Yehowa ɖoe be yeaxɔ amegbetɔ 144,000 tso anyigba dzi be woava zu ye viwo le dziƒo eye woasubɔ abe fiawo kple nunɔlawo ene kple ye Vi, Yesu. Yesu kple eƒe hatidziɖula mawo akpe ɖe amegbetɔ toɖolawo ŋu le xexe yeyea me be woade blibo. Ne wowɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛa me la, Mawu ana woanɔ agbe tegbee. Ɣemaɣi la, ado dzidzɔ na mía Fofo la ale gbegbe ne ekpɔe be anyigba blibo la dzi yɔ fũu kple ye viŋutsu kple ye vinyɔnu deblibowo. Ɣeyiɣi dodzidzɔname ka gbegbee esia anye!

20. Mɔ kawo nue Yehowa ɖee fia le be yelɔ̃ mí vevie, eye biabia kae míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí vevie. Eyae nye Fofo nyuitɔ kekeake. Esea míaƒe gbedodoɖawo, eye enaa nu siwo míehiã be míate ŋu anɔ agbe kple nu siwo míehiã be ƒomedodo nanɔ mía kplii dome la mí. Enaa hehe mí eye wòkpena ɖe mía ŋu. Azɔ hã, awɔ nu nyui geɖewo na mí le etsɔme. Dzi dzɔa mí ŋutɔ be míenyae be mía Fofo la lɔ̃ mí vevie heléa be na mí! Esi míenye viawo ta la, mɔ kawo dzie míato aɖee afiae be míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ míi la ŋu? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le nyati si kplɔ esia ɖo la me.

HADZIDZI 108 Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃

^ mm. 5 Zi geɖe la, míebua Yehowa be enye mía Wɔla kple míaƒe Dziɖulagã. Gake susu nyuiwo li siwo tae wòle be míabui be enye mía Fofo si lɔ̃ mí heléa be na mí. Míadzro susu mawo me le nyati sia me. Azɔ hã, míadzro nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o la me.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Foto eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vifofo aɖe kple via fia: vifofo aɖe le to ɖom viaŋutsuvi nyuie, vifofo aɖe le nuɖuɖu nam vianyɔnuvi, vifofo aɖe le hehe nam viaŋutsuvi, eye vifofo aɖe le akɔ fam na viaŋutsuvi. Yehowa ƒe asi si wota ɖe foto eneawo megbe la le ŋku ɖom edzi na mí be Yehowa léa be na mí le mɔ mawo ke nu.