Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 9

Na Yehowa Nana Nàkpɔ Gbɔdzɔe

Na Yehowa Nana Nàkpɔ Gbɔdzɔe

“Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.”—PS. 94:19.

HADZIDZI 44 Ame Si Dzi Nu Te Ðo Ƒe Gbedodoɖa

NYA VEVIAWO *

1. Nu kawoe ate ŋu ana míatsi dzimaɖi, eye aleke esia ate ŋu ana míase le mía ɖokui me?

ÐE NANE na nètsi dzimaɖi vevie kpɔa? * Ðewohĩ, nya aɖe si amewo gblɔ alo nane si wowɔ wòve wò la na nètsi dzimaɖi. Alo ɖewohĩ, wò ŋutɔ èwɔ nane alo gblɔ nya aɖe si na nètsi dzimaɖi. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ, èwɔ vodada aɖe, eye nètsi dzimaɖi be Yehowa matsɔe ake ye gbeɖe o. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzi ye nye be, esi nètsi dzimaɖi vevie ta la, èxɔe se be xɔse mele ye si o, alo yenye ame baɖa. Gake ɖe wònye nyateƒea?

2. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be, ne míetsi dzimaɖi la, esia mefia be xɔse mele mía si o?

2 Bu Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ. Hana, si va dzi nyagblɔɖila Samuel la nye ame si si xɔse sẽŋu nɔ. Ke hã, etsi dzimaɖi esime woƒe ƒomea me tɔ aɖe mewɔ nu ɖe eŋu nyuie kura o. (1 Sam. 1:7) Xɔse sẽŋu nɔ apostolo Paulo si, ke hã, ‘etsi dzimaɖi vevie ɖe hameawo katã ŋu.’ (2 Kor. 11:28) Xɔse sẽŋu nɔ Fia David si ale gbegbe be Yehowa lɔ̃e vevie. (Dɔw. 13:22) Ke hã, David va wɔ vodada geɖe, eye esiawo na David tsi dzimaɖi ale gbegbe. (Ps. 38:4) Yehowa fa akɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wòna wokpɔ gbɔdzɔe. Na míadzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋuawo me la me.

NU SIWO MÍESRƆ̃ TSO NUTEƑEWƆLA HANA GBƆ

3. Nu ka tae amewo ƒe nyagbɔgblɔ ate ŋu ana míatsi dzimaɖi?

3 Ne amewo gblɔ nya aɖe wòve mí alo womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o la, esia ate ŋu ana míatsi dzimaɖi. Esia gavena wu, ne ame si wɔ nu wòve mí la nye mía xɔlɔ̃ kplikplikpli alo míaƒe ƒometɔ. Ate ŋu ate ɖe mía dzi be, esia na mía kplii dome megava le nyuie o. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu anɔ eme be, ame si wɔ nu wòve mí la ƒo nu na mí ameŋumabumabui, eye esia ate ŋu ana míase le mía ɖokui me abe ɖe wòtsɔ yi tɔ mí ene! (Lod. 12:18) Alo ame aɖe ate ŋu aɖoe koŋ agblɔ nya veamewo ɖe mía ŋu. Nu sia tɔgbi dzɔ ɖe nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖe dzi. Egblɔ be: “Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esi va yi la, ame aɖe si mebuna xɔlɔ̃ nyui la kaka alakpanyawo tso ŋunye le Internet dzi. Esia vem ŋutɔ eye metsi dzimaɖi. Nyemete ŋu se nu si tae wòwɔ nu vɔ̃ɖi sia gbegbe ɖe ŋunye la gɔme o.” Ne xɔ̃wò kplikplikpli aɖe alo wò ƒometɔ aɖe wɔ nu wòte ɖe dziwò vevie la, Hana ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi geɖe na wò.

4. Kuxi sesẽ kawo mee Hana do dzi le?

4 Ehiã be Hana nado dzi le kuxi sesẽ aɖewo me. Etsi ko ƒe geɖe. (1 Sam. 1:2) Le Israel ɣemaɣi la, ne nyɔnu aɖe tsi ko la, wobunɛ be enye fiƒodeme. Esia nye ŋukpe gã aɖe na Hana. (1 Mose 30:1, 2) Nu si na nɔnɔmea gate ɖe Hana dzi vevie ye nye be, etsusia, si ŋkɔe nye Penina ya, dzi vi geɖewo. Penina bua Hana eƒe futɔe, eye esia ta, ‘eɖea alɔme le eŋu atraɖii tsɔ nɔa dziku dom nɛ.’ (1 Sam. 1:6) Gbã la, Hana lé blanui vevie le kuxi mawo ta. Nu te ɖe edzi ale gbegbe be ‘enɔa avi dzi hegbea nuɖuɖu.’ Hana va “nɔ nu xam vevie.” (1 Sam. 1:7, 10) Aleke Hana wɔ kpɔ akɔfafa?

5. Aleke gbedodoɖa kpe ɖe Hana ŋu?

5 Hana do gbe ɖa na Yehowa hetrɔ eƒe vevesesewo ƒo ɖe eŋkume. Esi Hana do gbe ɖa vɔ la, eɖe nu si me tom wònɔ la me na Nunɔlagã Eli. Esia na Eli gblɔ nɛ be: “Heyi le ŋutifafa me, eye Israel ƒe Mawu la nawɔ nu si nèbiae la na wò.” Nu kae do tso eme? Hana “lé eƒe mɔ heyi ɖaɖu nu, eye megaɖo nublanuimo azɔ o.” (1 Sam. 1:17, 18) Gbedodoɖa kpe ɖe Hana ŋu eƒe dzi dze eme.

Abe Hana ene la, nu kawoe míate ŋu awɔ egbea be míaɖu blanuiléle dzi eye míaƒe dzi nadze eme? (Kpɔ memama 6-10 lia)

6. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Hana ƒe kpɔɖeŋua kple nya siwo le Filipitɔwo 4:6, 7 la me tso gbedodoɖa ŋu?

6 Gbedodoɖa edziedzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe dzi nadze eme. Hana do gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo la ɣeyiɣi didi aɖe. (1 Sam. 1:12) Míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa ɣeyiɣi didi tso míaƒe dzimaɖitsitsiwo, vɔvɔ̃wo, kple vodadawo ŋu. Mehiã kokoko be míaƒe gbedodoɖa me nyawo nanɔ etɔxɛ alo woanɔ ɖoɖo aɖe koŋ nu o. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be míanɔ míaƒe dzigbãnyawo gblɔm na Yehowa, eye kaka míakpɔa, míewó avi esime míele gbea dom ɖa. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, mati Yehowa gbeɖe be yeaɖo to mí o. Tsɔ kpe ɖe gbedodoɖa tso míaƒe kuxiawo ŋu ŋu la, ehiã be míaɖo ŋku aɖaŋu si Paulo ɖo na mí le Filipitɔwo 4:6, 7 la dzi. (Xlẽe.) Paulo gblɔ tẽe be, ele be míada akpe na Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me. Susu geɖewo le mía si siwo tae wòle be míada akpe na Yehowa ɖo. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ada akpe nɛ ɖe agbe si wòna mí, eƒe asinudɔwɔwɔwo, eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o, kple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si wòna mí la ta. Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Hana gbɔ?

7. Nu kae Hana kple srɔ̃a wɔna edziedzi?

7 Togbɔ be Hana nɔ kuxi sesẽwo me tom hã la, eya kple srɔ̃a woyia avɔgbadɔa me le Silo edziedzi ɖasubɔa Yehowa. (1 Sam. 1:1-5) Esime Hana nɔ avɔgbadɔa me ye Nunɔlagã Eli de dzi ƒo nɛ esi wògblɔ nɛ be Yehowa nawɔ nu si wòdo gbe ɖa biae la nɛ.—1 Sam. 1:9, 17.

8. Aleke míaƒe kpekpewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Ðe eme.

8 Míate ŋu akpɔ ŋutifafa ne míeyia edzi dea kpekpeawo madzudzɔmadzudzɔe. Zi geɖe la, wodoa gbe ɖa biaa Yehowa le kpekpeawo ƒe gɔmedzedze be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu. Ŋutifafa nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22) Ne míedea míaƒe kpekpewo togbɔ be nu te ɖe mía dzi vevie gɔ̃ hã la, míetoa esia me nana mɔnukpɔkpɔ Yehowa kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo be woade dzi ƒo na mí ahakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋutifafa eye míaƒe dzi nadze eme. Gbedodoɖa kple kpekpeawo dede nye mɔ vevi aɖewo siwo dzi Yehowa tona nana míekpɔa gbɔdzɔe. (Heb. 10:24, 25) Gabu nu bubu aɖe si míate ŋu asrɔ̃ tso Hana ƒe kpɔɖeŋua me ŋu kpɔ.

9. Nu kae metrɔ le Hana ƒe nɔnɔmea ŋu o, gake nu kae kpe ɖe eŋu?

9 Nu si gbɔ Hana ƒe dzimaɖitsitsia tso la nu meyi enumake o. Esi Hana yi ɖasubɔ Yehowa le avɔgbadɔa me hetrɔ yi aƒe me la, aƒe si me eya kple etsusia, Penina, wole la me koe wògatrɔ yi. Eye Biblia megblɔ nya aɖeke si ɖee fia be Penina trɔ eƒe nɔnɔme o. Eya ta, anɔ eme godoo be, ele be Hana nayi edzi ado dzi le etsusia ƒe alɔmeɖenyawo gbɔgblɔ nɛ me. Ke hã, Hana megalé blanui azɔ o, ke boŋ, eƒe dzi dze eme. Ðo ŋku edzi be esi Hana nya gblẽ nyaa ɖe Yehowa si me ko la, megatsi dzimaɖi le eƒe nɔnɔmea ŋu azɔ o. Ena Yehowa fa akɔ nɛ hena wòkpɔ gbɔdzɔe. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa yra Hana wòdzi viwo gɔ̃ hã!—1 Sam. 1:19, 20; 2:21.

10. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Hana ƒe kpɔɖeŋua me?

10 Míate ŋu akpɔ gbɔdzɔe ne nu si gbɔ míaƒe dzimaɖitsitsia tso la gakpɔtɔ li gɔ̃ hã. Togbɔ be míedoa gbe ɖa vevie eye míedea kpekpeawo edziedzi hã la, míaƒe kuxi aɖewo ya agate ŋu anɔ anyi kokoko. Gake Hana ƒe kpɔɖeŋua na míekpɔe be, ne míetsi dzimaɖi evɔ míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, naneke mate ŋu axe mɔ nɛ be wòana míakpɔ gbɔdzɔe o. Yehowa maŋlɔ mí be akpɔ gbeɖe o, eye aɖo míaƒe nuteƒewɔwɔ teƒe na mí gbe ɖeka godoo.—Heb. 11:6.

NU SIWO MÍESRƆ̃ TSO APOSTOLO PAULO GBƆ

11. Nu vovovo kawoe na Paulo tsi dzimaɖi?

11 Paulo do go kuxi geɖewo siwo na wòtsi dzimaɖi. Le kpɔɖeŋu me, esi wòlɔ̃ nɔvia Kristotɔwo ta la, kuxi siwo me tom wonɔ la tena ɖe edzi vevie. (2 Kor. 2:4; 11:28) Le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la, tsitretsiɖeŋulawo ƒoe enuenu eye wolée de gaxɔ me zi geɖe. Eto nɔnɔme sesẽ bubuwo hã me, siwo na wòtsi dzimaɖi; le kpɔɖeŋu me, ‘hiã tui’ vevie. (Flp. 4:12) Eye ne míebu eŋu kpɔ be enɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ ya teti la, míakpɔe be, ɣesiaɣi si wòaɖo tɔdziʋu le eƒe mɔzɔzɔ me la, atsi dzimaɖi godoo. (2 Kor. 11:23-27) Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu ɣesiaɣi si wòtsi dzimaɖi?

12. Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu be metsi dzimaɖi fũu o?

12 Paulo tsia dzimaɖi vevie ne nɔvia Kristotɔwo le nɔnɔme sesẽwo me tom, gake medzea agbagba be ye ŋutɔ yeakpɔ woƒe kuxi ɖe sia ɖe gbɔ na wo o. Paulo nya afi si eƒe ŋutetewo se ɖo. Ewɔ ɖoɖo ame bubuwo kpe ɖe eŋu le hamea ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ede dɔ geɖe asi na ŋutsu siwo dzi woate ŋu aka ɖo, abe Timoteo kple Tito ene. Ðikeke mele eme o be, dɔ siwo nɔviŋutsu siawo wɔ la kpe ɖe Paulo ŋu be metsi dzimaɖi fũu o.—Flp. 2:19, 20; Tito 1:1, 4, 5.

Abe Paulo ene la, nu kawoe míate ŋu awɔ be míagatsi dzimaɖi fũu o? (Kpɔ memama 13-15 lia)

13. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua?

13 Bia kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ. Abe Paulo ene la, hamemetsitsi geɖe siwo sea veve ɖe ame nu la tsia dzimaɖi ne hamea me tɔwo le nɔnɔme sesẽwo me tom. Gake ne hamemetsitsi aɖe dze agbagba ʋuu keke hã la, mate ŋu akpe ɖe hamea me tɔ ɖe sia ɖe ŋu o. Dzesidede afi si eƒe ŋutete se ɖo aʋãe wòabia kpekpeɖeŋu tso nɔviŋutsu bubu siwo dze la gbɔ eye ana hehe ɖekakpuiwo be woakpe asi ɖe ye ŋu yeakpɔ Mawu ƒe alẽha la dzi.—2 Tim. 2:2.

14. Nu ka ŋue Paulo metsi dzimaɖi le o, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

14 Lɔ̃ ɖe edzi be yehiã akɔfafa. Paulo bɔbɔ eɖokui, eya ta, ebia exɔlɔ̃wo be woade dzi ƒo na ye eye wode dzi ƒo nɛ hã. Edze ƒãa be, meɖe fu nɛ be amewo abu ye be yenye ame gblɔe ne yebia ye xɔlɔ̃wo be woade dzi ƒo na ye o. Esi Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Filemon la, egblɔ nɛ be: “Mekpɔ dzidzɔ kple akɔfafa geɖe esi mese wò lɔlɔ̃ ŋu nya.” (Filem. 7) Paulo yɔ eƒe hadɔwɔla bubu geɖe siwo de dzi ƒo nɛ vevie le ɣeyiɣi sesẽ siwo me wòto me la ƒe ŋkɔwo. (Kol. 4:7-11) Ne míelɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be míehiã na akɔfafa la, mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo alɔ̃ faa ana kpekpeɖeŋu si míehiã la mí.

15. Aleke Paulo wɔ kpɔ gbɔdzɔe esime wòkpɔ eɖokui le nɔnɔme ɖedzileameƒo aɖe me?

15 Na Mawu ƒe Nyaa nakpe ɖe ŋuwò. Paulo nyae be Ŋɔŋlɔawo ate ŋu afa akɔ na ye. (Rom. 15:4) Azɔ hã, woate ŋu ana nunyae be wòado dzi le dodokpɔ ɖe sia ɖe si ava edzi la me. (2 Tim. 3:15, 16) Esi wode Paulo gaxɔ me zi evelia le Roma la, ekpɔe be yeƒe ku gogo. Esi Paulo kpɔ eɖokui le nɔnɔme ɖedzileameƒo ma me la, nu kae wòwɔ? Ebia tso Timoteo si be wòava ye gbɔ kaba eye wòatsɔ “agbalẽawo” ɖe asi vɛ. (2 Tim. 4:6, 7, 9, 13) Nu ka tae? Nu si tae nye be, agbalẽawo anya nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo siwo Paulo ate ŋu azã le eƒe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me. Ne míesrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua hesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa edziedzi la, Yehowa ato Ŋɔŋlɔawo dzi ana míakpɔ gbɔdzɔe—dodokpɔ ka kee ɖava mía dzi o.

NU SIWO MÍESRƆ̃ TSO FIA DAVID GBƆ

Abe Fia David ene la, nu kawoe wòle be míawɔ ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya? (Kpɔ memama 16-19 lia)

16. Aleke David se le eɖokui me esime wòwɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya?

16 David wɔ nu gbegblẽ siwo wɔe be eƒe dzitsinya va nɔ fɔ bumee. Eya kple Bat-Seba wowɔ ahasi, ena wowu Bat-Seba srɔ̃, eye edze agbagba hena ɣeyiɣi aɖe be yeatsyɔ nu nu gbegblẽ siwo yewɔ la dzi. (2 Sam. 12:9) Gbã la, David meɖo to eƒe dzitsinya o. Esia wɔe be menye ɖeko ƒomedodo si nɔ eya kple Yehowa dome la me gblẽ o, ke ena wòtsi dzimaɖi vevie hedze dɔ gɔ̃ hã. (Ps. 32:3, 4) Nu kae kpe ɖe David ŋu wòkpɔ gbɔdzɔe tso dzimaɖitsitsi si wòhe va eɖokui dzi la me, eye nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya?

17. Aleke David ƒe nya siwo dze le Psalmo 51:1-4 la ɖe ale si gbegbe wòtrɔ dzi me bliboe la fia?

17 Do gbe ɖa nàbia tsɔtsɔke. David va do gbe ɖa na Yehowa mlɔeba. Ese veve ɖe eƒe nu vɔ̃awo ta, eye wòʋu eƒe nu vɔ̃awo katã me na Yehowa. (Xlẽ Psalmo 51:1-4.) Eye esia na wòva kpɔ gbɔdzɔe mlɔeba. (Ps. 32:1, 2, 4, 5) Ne èwɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la, mègadze agbagba be yeatsyɔ nu edzi o. Ke boŋ, do gbe ɖa nàʋu wò nu vɔ̃a me na Yehowa. Esia ana nàkpɔ gbɔdzɔe aɖe si nu tso wò dzitsinya ƒe fɔbuamea si me. Gake ne èdi be yeadzra ye kple Yehowa dome ɖo la, ehiã be nàwɔ nu si yi ŋgɔ wu gbedodoɖa nɛ ko.

18. Aleke David wɔ nui esi Yehowa he to nɛ?

18 Lɔ̃ nàxɔ tohehe. Esi Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ be wòaɖaʋu go eƒe nu vɔ̃wo nɛ la, David metsɔ naneke do taflatsɛ alo wɔ nu abe ɖe nu si yewɔ la megblẽ tututu o ene o. Elɔ̃ ɖe edzi enumake be menye Bat-Seba srɔ̃ ŋu koe yewɔ nu vɔ̃ ɖo o, ke esi ganyra wue nye be, yewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. David lɔ̃ faa Yehowa he to nɛ, eye Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee. (2 Sam. 12:10-14) Ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la, ehiã be míagblɔe na hamemetsitsi siwo Yehowa ɖo mía nu. (Yak. 5:14, 15) Eye mele be míatsɔ naneke anɔ taflatsɛ dom le nu si míewɔ la ta o. Zi ale si míelɔ̃ xɔ tohehea kaba la, zi nenemae míagakpɔ dzidzeme kple dzidzɔ hã kaba.

19. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

19 Ðoe kplikpaa be yeaganɔ vodada mawo ke wɔm o. Fia David nyae be, Yehowa koe ate ŋu akpe ɖe ye ŋu be yeagawɔ nu vɔ̃ siwo yewɔ va yi la ake o. (Ps. 51:7, 10, 12) Esi Yehowa tsɔ David ƒe nu vɔ̃wo kee vɔ la, David ɖoe kplikpaa be yeaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu akplɔ ye ade nu vɔ̃ me la ŋu bubu. Esia wɔe be egakpɔ dzidzeme vavã.

20. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu?

20 Ne míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòatsɔ míaƒe vodadawo ake mí, ne míelɔ̃na wòhea to na mí, eye míekua kutri vevie be míagawɔ vodada mawo ake o la, míetoa esia me ɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu. Ne míeɖe afɔ siawo la, awɔe be míagakpɔ dzidzeme vavã ake. Esia nye nyateƒe le nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye James, si wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la gome. Egblɔ be: “Esi meʋu nye nu vɔ̃a me na hamemetsitsiwo la, mese le ɖokuinye me be agba gã aɖe do le dzinye. Esia wɔe be nye susu dze akɔ anyi.” Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ be míanyae be “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ ŋu nu te la”!—Ps. 34:18.

21. Nu kawoe míate ŋu awɔ be Yehowa nana míakpɔ gbɔdzɔe?

21 Esi ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nu siwo nana míetsia dzimaɖi la hã anɔ dzidzim ɖe edzi. Ne nane wɔe be nètsi dzimaɖi la, do gbe ɖa na Yehowa enumake nàbiae be wòakpe ɖe ŋuwò. Srɔ̃ Biblia veviedodotɔe. Srɔ̃ Hana, Paulo, kple David ƒe kpɔɖeŋuawo. Bia Fofowò si le dziƒo la wòakpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nu si gbɔ wò dzimaɖitsitsia tso. (Ps. 139:23) Na wòatsɔ wò agbawo na wò, vevietɔ, esiwo ŋu màte ŋu awɔ nu boo aɖeke alo naneke kura le o. Ne èwɔe alea la, ekema, àwɔ nu abe hakpala si dzi ha na Yehowa be, “Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe” la ene.—Ps. 94:19.

HADZIDZI 4 “Yehowae Nye Kplɔlanye”

^ mm. 5 Etea ŋu dzɔna ɣeaɖewoɣi be mí katã míetsia dzimaɖi le kuxi siwo me tom míele la ta. Nyati sia dzro Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo, siwo tsi dzimaɖi le kuxi vovovowo ta la, dometɔ etɔ̃ ƒe kpɔɖeŋuwo me. Eƒo nu tso ale si Yehowa fa akɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe hena wòkpɔ gbɔdzɔe la hã ŋu.

^ mm. 1 NYAMEÐEÐE: Dzimaɖitsitsi nye seselelãme aɖe si nana míevɔ̃na alo tsia dzodzodzoe. Esia ate ŋu atso gakuxiwo, lãmesẽkuxiwo, ƒomekuxiwo, alo nɔnɔme sesẽ bubu siwo me tom ame le la gbɔ. Ate ŋu adzɔ hã be míatsi dzimaɖi le vodada siwo míewɔ va yi alo kuxi siwo míesusu be míava do goe le etsɔme la ta.