Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 11

Ðe Nèsu Te Na Nyɔnyrɔxɔxɔa?

Ðe Nèsu Te Na Nyɔnyrɔxɔxɔa?

“Nyɔnyrɔxɔxɔ . . . na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia.”—1 PET. 3:21.

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

NYA VEVIAWO *

1. Hafi ame aɖe nadze xɔtutu gɔme la, nu kae wòle be wòawɔ?

TSƆE be ame aɖe di be yeatu xɔ. Enya xɔ si ƒomevi wòdi be yeatu. Ðe wòatso enumake ayi aɖaƒle xɔtunuwo ahadze xɔa tutu gɔmea? Ao. Hafi wòadze xɔa tutu gɔme la, nu vevi aɖe li si wòle be wòawɔ—eyae nye be, wòabu akɔnta anya ga home si hiã hena xɔa tutu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ehiã be wòanya nenye be ga si le ye si la asu be wòatu xɔa ahawu enu. Ne ebu akɔnta nyuie do ŋgɔ la, anɔ eme be ate ŋu atu xɔa awu enu dzidzedzetɔe.

2. Le Luka 14:27-30 ƒe nya nu la, nu ka ŋue wòle be nàde ŋugble le nyuie hafi axɔ nyɔnyrɔ?

2 Ðe lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa kple ale si gbegbe nèkpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔ na wò ŋu la ʋã wò nèdi be yeaxɔ nyɔnyrɔa? Ne nenemae la, ke nyametsotso si dze ŋgɔ wò la sɔ kple ŋutsu si di be yeatu xɔ la tɔ. Nu ka tae míate ŋu agblɔe alea? De ŋugble le Yesu ƒe nya siwo dze le Luka 14:27-30 la ŋu kpɔ. (Xlẽe.) Yesu nɔ nu ƒom tso nu si wòfia be ame nanye ye yomedzela la ŋu. Hafi míate ŋu ava zu Kristo yomedzelawo la, ele be míalɔ̃ faa be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míalɔ̃ faa be míatsɔ nanewo asa vɔe. (Luka 9:23-26; 12:51-53) Eya ta, hafi nàxɔ nyɔnyrɔ la, ehiã be nàbu nu siwo katã me nàto ne èva zu Kristo ƒe nusrɔ̃la la ŋu nyuie. Esia awɔe be nàsu te nyuie be nàyi edzi anɔ Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ne èva zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ.

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Ne míebu nɔnɔme sesẽ siwo me míava to kple nu siwo wòahiã be míatsɔ asa vɔe be míaxɔ nyɔnyrɔ azu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ŋu la, ɖe afɔ sia ɖeɖe aɖe vi ŋutɔŋutɔa? Ɛ̃, aɖe vi ŋutɔ! Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, esia ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi nɛ be wòakpɔ yayra manyaxlẽwo fifia kple etsɔme siaa. Na míadzro biabia vevi aɖewo siwo ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la me. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye, “Ðe mesu te na nyɔnyrɔxɔxɔa?”

NU SI WÒHIÃ BE NÀNYA TSO ADZƆGBEÐEÐE KPLE NYƆNYRƆXƆXƆ ŊU

4. (a) Nu kae nye adzɔgbeɖeɖe? (b) Nu kae nya si dze le Mateo 16:24 be ame ‘nagbe nu le eɖokui gbɔ’ la fia?

4 Nu kae nye adzɔgbeɖeɖe? Hafi nàte ŋu axɔ nyɔnyrɔ la, ele be nàɖe adzɔgbe na Yehowa. Adzɔgbeɖeɖe na Yehowa fia be nàdo gbe ɖa na Yehowa tso dzi blibo me ahagblɔ nɛ be yetsɔ yeƒe agbe na eyama be yeasubɔe tegbee. Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Mawu la, esia fia be ‘ègbe nu le ɖokuiwò gbɔ.’ (Xlẽ Mateo 16:24.) Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa la, efia be èva zu Yehowa tɔ, eye mɔnukpɔkpɔ gã aɖee esia nye. (Rom. 14:8) Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa la, efia be èle gbɔgblɔm nɛ be, tso fifia la, eyama subɔsubɔ ye anye nu vevitɔ na ye, ke menye ye ŋutɔ yeƒe lɔlɔ̃nu o. Ne èɖe adzɔgbe na Mawu la, efia be èdo ŋugbe nɛ be eƒe lɔlɔ̃nu koe yeawɔ, eye esia nye ŋugbedodo vevi aɖe. Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòaɖe afɔ sia o. Ke hã, ne míeɖe adzɔgbe nɛ la, edina tso mía si be míawɔ edzi.—Ps. 116:12, 14.

5. Vovototo kae le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ dome?

5 Vovototo kae le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ dome? Adzɔgbeɖeɖe nye wò ŋutɔ wò nya; enye nu si ayi edzi le wò kple Yehowa ɖeɖe ko dome. Gake nyɔnyrɔxɔxɔ ya nye nu si ayi edzi le dutoƒo, le ame bubuwo ŋkume; zi geɖe la, amewo xɔa nyɔnyrɔ le nutome sue takpekpewo alo takpekpe gãwo me. Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, àto esia me aɖee afia ame bubuwo be yetsɔ ye ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa. * Eya ta, wò nyɔnyrɔxɔxɔ ana ame bubuwo nanya be èlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo, eye nèɖoe kplikpaa be yeasubɔ eyama yi ɖe mavɔmavɔ me.—Marko 12:30.

6-7. Le 1 Petro 3:18-22 ƒe nya nu la, susu eve kawo tae wòhiã be ame naxɔ nyɔnyrɔ ɖo?

6 Ðe wòhiã kokoko be ame naxɔ nyɔnyrɔa? De ŋugble le nya siwo dze le 1 Petro 3:18-22 la ŋu kpɔ. (Xlẽe.) Ale si ko aɖakaʋua na amewo kpɔe dze sii be xɔse le Noa si la, nenema kee wò nyɔnyrɔxɔxɔ ana amewo nakpɔe adze sii be ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa. Gake, ɖe wòhiã kokoko be ame naxɔ nyɔnyrɔa? Ɛ̃, ehiã. Petro ɖe susu siwo tae la me. Susu gbãtɔe nye be, nyɔnyrɔxɔxɔ nana ‘míekpɔa ɖeɖe.’ Nyɔnyrɔxɔxɔ ate ŋu ana míakpɔ ɖeɖe ne míeto míaƒe nuwɔnawo dzi ɖee fia be míexɔ Yesu dzi se eye míexɔe se be eku ɖe mía ta, wofɔe yi dziƒo, eye “wòle Mawu ƒe ɖusime” fifia.

7 Susu eveliae nye be, nyɔnyrɔxɔxɔ nana “dzitsinya nyui” sua mía si. Ne míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu eye míexɔ nyɔnyrɔ la, míeva nɔa ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kplii. Esi míetrɔ dzi me vavã eye míexɔ tafea dzi se ta la, Mawu tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. Esia ta, dzitsinya nyui ate ŋu asu mía si le eŋkume.

8. Nu kae wòle be wòaʋã wò nàtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ?

8 Nu kae wòle be wòaʋã wò nàtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ? Wò Biblia sɔsrɔ̃ veviedodotɔe kpe ɖe ŋuwò nèva srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa, eƒe amenyenye, kple eƒe mɔwo ŋu. Nu siwo nèsrɔ̃ tso eyama ŋu la wɔ dɔ ɖe dziwò eye woʋã wò nèva lɔ̃ eyama vevie. Lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowae wòle be wòanye susu vevitɔ si tae nàtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ ɖo.

9. Nu kae wòfia be ame naxɔ nyɔnyrɔ le Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, abe ale si wòdze le Mateo 28:19, 20 ene?

9 Susu bubu aɖe hã si tae nàtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ ɖoe nye be, èsrɔ̃ Biblia me nyateƒeawo eye nèva xɔ wo dzi se. Bu nya si Yesu gblɔ esime wòde se be woawɔ nusrɔ̃lawo la ŋu kpɔ. (Xlẽ Mateo 28:19, 20.) Yesu gblɔ be, ele be ame siwo axɔ nyɔnyrɔ la naxɔ nyɔnyrɔ “[le] Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.” Nu kae nya sia fia? Efia be ele be nàxɔ Biblia me nyateƒe siwo ku ɖe Yehowa, kple Via, Yesu, kpakple gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la dzi se tso dzi blibo me. Ŋusẽ le Biblia me nyateƒe mawo ŋu ale gbegbe, eye woate ŋu awɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. (Heb. 4:12) Na míadzro wo dometɔ aɖewo me.

10-11. Nyateƒenya siwo nèva srɔ̃ tso Fofo la ŋu siwo dzi nèxɔ se la dometɔ aɖewoe nye kawo?

10 Èɖo ŋku esime nèsrɔ̃ nyateƒenya siawo tso Fofo la ŋu la dzia? Èsrɔ̃e be ‘eŋkɔe nye Yehowa,’ eyae nye “Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi,” eye eya ɖeka koe nye “Mawu vavã” la. (Ps. 83:18; Yes. 37:16) Yehowae nye mía Wɔla, eye ‘eya si me xɔname le.’ (Ps. 3:8; 36:9) Ewɔ ɖoɖo be yeatsɔ aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me, eye ena mɔkpɔkpɔ mí be míava nɔ agbe tegbee. (Yoh. 17:3) Wò adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ aɖee afia be èzu Yehowa Ðasefo. (Yes. 43:10-12) Àva zu xexea me katã ƒe ƒome si me tɔwo wònye dada na be Mawu ƒe ŋkɔ le yewo ŋu eye wosubɔnɛ eye woƒoa nu tso eƒe ŋkɔa ŋu na amewo la, me tɔ.—Ps. 86:12.

11 Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye be míenya nu si Biblia fia tso Fofo la ŋu! Ne èxɔ nyateƒenya xɔasi siawo dzi se la, esia aʋã wò be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ.

12-13. Nyateƒenya siwo nèva srɔ̃ tso Vi la ŋu siwo dzi nèxɔ se la dometɔ aɖewoe nye kawo?

12 Aleke nèse le ɖokuiwò me esime nèsrɔ̃ nyateƒenya siawo tso Vi la ŋu? Èsrɔ̃e be Yesue nye ame vevitɔ evelia le xexea me katã. Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na wònye tafe ɖe mía ta. Ne míeto míaƒe nuwɔnawo dzi ɖee fia be míexɔ tafea dzi se la, Mawu ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, ƒomedodo kplikplikpli ate ŋu ava nɔ mía kple Mawu dome, eye míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. (Yoh. 3:16) Yesue nye míaƒe Nunɔlagã. Edi be yeakpe ɖe mía ŋu tafea naɖe vi na mí eye ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ mía kple Mawu dome. (Heb. 4:15; 7:24, 25) Esi wònye eyae nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ta la, eya dzie Yehowa ato akɔ Eƒe ŋkɔa ŋuti, aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa, ahahe yayra mavɔwo avae le Paradiso si ava le etsɔme la me. (Mat. 6:9, 10; Nyaɖ. 11:15) Yesue nye míaƒe kpɔɖeŋuɖola. (1 Pet. 2:21) Ezã eƒe agbe katã tsɔ wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye wòto esia me gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí.—Yoh. 4:34.

13 Ne èxɔ nu si Biblia fia tso Yesu ŋu dzi se la, àva lɔ̃ Mawu ƒe Vi malɔ̃nugbɔ la. Lɔlɔ̃ sia aʋã wò be nàzã wò agbe atsɔ awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, abe ale si Yesu wɔe ene. Eye esia aʋã wò be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ.

14-15. Nyateƒenya siwo nèva srɔ̃ tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu siwo dzi nèxɔ se la dometɔ aɖewoe nye kawo?

14 Aleke nèse le ɖokuiwò me esime nèsrɔ̃ nyateƒenya siawo tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu? Èva srɔ̃e be menye ame ye gbɔgbɔ kɔkɔea nye o, ke boŋ Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe. Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ʋã amewo woŋlɔ Biblia la, eye gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míesea nu siwo míexlẽna le Biblia me la gɔme hewɔa wo dzi. (Yoh. 14:26; 2 Pet. 1:21) Yehowa toa eƒe gbɔgbɔa dzi naa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la mí. (2 Kor. 4:7) Eƒe gbɔgbɔa doa ŋusẽ mí be míaɖe gbeƒã nya nyuia, míanɔ te sesĩe ne tetekpɔwo va mía dzi, míaɖu dziɖeleameƒo dzi, eye míado dzi le dodokpɔwo me. Ekpena ɖe mía ŋu be míaɖe nɔnɔme nyui siwo ƒo ƒu nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” la afia. (Gal. 5:22) Mawu naa eƒe gbɔgbɔa ame siwo ɖoa ŋu ɖe eyama ŋu eye wobianɛ tso dzi me la faa.—Luka 11:13.

15 Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi ye nye esi be míanyae be Yehowa subɔlawo ate ŋu aɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoayi edzi asubɔ Yehowa! Ne èxɔ nyateƒenya siwo nèsrɔ̃ tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu dzi se la, esia aʋã wò nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ.

16. Va se ɖe fifia la, nu kae míesrɔ̃ le nyati sia me?

16 Ne ètso nya me be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ la, afɔ vevi aɖee nye ema nèɖe. Abe ale si míesrɔ̃e ene la, ele be nàlɔ̃ faa be yeado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye nàlɔ̃ faa be yeatsɔ nanewo asa vɔe. Ke hã, yayra siwo nàkpɔ ne èɖe afɔ sia la ƒo nu siwo nàtsɔ asa vɔe la ta sãsãsã. Nyɔnyrɔxɔxɔ ate ŋu ana nàkpɔ ɖeɖe, eye ana dzitsinya nyui nava su asiwò le Mawu ŋkume. Lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa Mawue wòle be wòanye susu vevitɔ si tae nàtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Azɔ hã, ele be nàxɔ nyateƒenya siwo katã nèsrɔ̃ tso Fofo la, Vi la, kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu la dzi ase tso dzi blibo me. Esi nède ŋugble le nu siwo me míedzro va se ɖe fifia ŋu la, aleke nàɖo biabia si nye, “Ðe mesu te na nyɔnyrɔxɔxɔa?” la ŋu?

NU SIWO WÒLE BE NÀWƆ HAFI AXƆ NYƆNYRƆ

17. Afɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ?

17 Ne èse le ɖokuiwò me be yesu te na nyɔnyrɔxɔxɔ la, ke ɖikeke mele eme o be, èɖe afɔ aɖewo xoxo siwo wɔe be ƒomedodo nyui va le wò kple Yehowa dome. * Esi nèsrɔ̃a Biblia edziedzi ta la, èva nya nu geɖe tso Yehowa kple Yesu ŋu. Èva xɔ Mawu dzi se. (Heb. 11:6) Èka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me la dzi bliboe, eye èxɔe se hã be Yesu ƒe vɔsaa ate ŋu aɖe wò tso nu vɔ̃ kple ku si me. Ètrɔ dzi me tso wò nu vɔ̃wo me; èse veve vevie ɖe vo siwo nèda va yi la ta, eye èdo gbe ɖa bia Yehowa be wòatsɔ wò vodadawo ake wò. Azɔ hã, ègbugbɔ, le mɔ sia nu be, èɖe asi le wò tsãgbenɔnɔ si mesɔ o la ŋu keŋkeŋ eye èva le agbe nɔm le mɔ si dzea Mawu ŋu la nu. (Dɔw. 3:19) Èdina vevie be yeaƒo nu tso yeƒe xɔse ŋu na ame bubuwo. Èva dze hezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ eye nèwɔ ɖeka kple hamea le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mat. 24:14) Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwò ŋutɔ le esi nèɖe afɔ vevi mawo ta. Èna Yehowa ƒe dzi kpɔ dzidzɔ ale gbegbe.—Lod. 27:11.

18. Nu ka hãe wòhiã be nàwɔ hafi ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ?

18 Hafi nàte ŋu axɔ nyɔnyrɔ la, nu bubu aɖewo hã li siwo wòhiã be nàwɔ. Abe ale si míesrɔ̃e va yi ene la, ele be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Mawu. Di ɣeyiɣi wò ɖeɖe nàdo gbe ɖa na Yehowa tso dzi me ahado ŋugbe nɛ be yeazã yeƒe agbe atsɔ awɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (1 Pet. 4:2) Emegbe, gblɔe na hamemetsitsiwo ƒe haa ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Agblɔe na hamemetsitsi aɖewo be woakpe kpli wò. Míeɖe kuku, mègana esia nana nàtsi dzimaɖi o. Ðikeke aɖeke mele eme o be, nɔviŋutsu lɔ̃ame siawo nya wò xoxo eye wolɔ̃ wò hã. Woadzro Biblia ƒe gɔmedzenufiafia siwo nèsrɔ̃ la me kpli wò. Wodi be yewoaka ɖe edzi be èse nufiafia mawo gɔme nyuie eye ènya ale si gbegbe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ le vevie. Ne wolɔ̃ ɖe edzi be èsu te na nyɔnyrɔxɔxɔ la, woagblɔ na wò be àte ŋu axɔ nyɔnyrɔ le nutome sue takpekpe alo takpekpe gã si miava yi la me.

NU SIWO WÒAHIÃ BE NÀYI EDZI ANƆ WƆWƆM LE WÒ NYƆNYRƆXƆXƆ MEGBE

19-20. Nu kae wòhiã be nàwɔ le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe, eye aleke nàte ŋu awɔe?

19 Ne èxɔ nyɔnyrɔ vɔ la, nu kae wòhiã be nàwɔ? * Ðo ŋku edzi be, wò adzɔgbeɖeɖea nye ŋugbe si nèdo na Yehowa, eye edi tso asiwò be nàwɔ ɖe edzi. Eya ta, le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, ehiã be nàwɔ ɖe adzɔgbe si nèɖe na Yehowa la dzi. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

20 Yi edzi nànɔ miaƒe hamea ŋu kplikplikpli. Ne èva zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ la, ekema ànye “nɔviwo ƒe habɔbɔ” la me tɔ. (1 Pet. 2:17) Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me la le abe ƒome ene na wò. Ne èdea kpekpeawo edziedzi la, esia awɔe be kadodo kplikplikpli nava nɔ wò kpli wo dome. Nɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm gbe sia gbe eye nànɔ ŋugble dem le eŋu. (Ps. 1:1, 2) Ne èxlẽ nane le Biblia me la, gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble le nu si nèxlẽ ŋu nyuie. Esia awɔe be nu si nèxlẽ la awɔ dɔ ɖe dziwò. ‘Nɔ gbedodoɖa dzi’ ɣeawokatãɣi. (Mat. 26:41) Ne èdoa gbe ɖa na Yehowa tso dzi me la, esia ana nàgate ɖe eyama ŋu geɖe wu. ‘Yi edzi nànɔ Fiaɖuƒe la dim gbã.’ (Mat. 6:33) Àte ŋu awɔ esia ne èna gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ vevitɔ na wò le agbe me. Ne èɖea gbeƒã nya nyuia edziedzi la, esia ana wò xɔse nakpɔtɔ ali ke sesĩe, eye àte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nava nɔ agbe mavɔ mɔ la dzi.—1 Tim. 4:16.

21. Yayra kawoe wò nyɔnyrɔxɔxɔ ana nàkpɔ?

21 Nya me si nàtso be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ lae nye nyametsotso vevitɔ kekeake si nàwɔ le agbe me. Esia abia be nàto nɔnɔme sesẽwo me eye nàtsɔ nanewo asa vɔe. Gake ɖe afɔɖeɖe sia aɖe via? Ɛ̃, aɖe vi godoo! ‘Ɣeyiɣi vi aɖe koe’ xaxa ɖe sia ɖe si ate ŋu ava dziwò le xexe xoxo sia me la anɔ anyi. (2 Kor. 4:17) Ke hã, wò nyɔnyrɔxɔxɔa ana nànɔ agbe si me dzidzeme geɖe le fifia eye wò asi ava su “agbe vavã” si ava le etsɔme la dzi. (1 Tim. 6:19) Eya ta, do gbe ɖa nàde ŋugble vevie le ale si nàɖo biabia si nye, “Ðe mesu te na nyɔnyrɔxɔxɔa?” ŋui la ŋu.

HADZIDZI 50 Nye Adzɔgbeɖeɖe Ƒe Gbedodoɖa

^ mm. 5 Ðe nèle nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu buma? Ne nenemae la, ke wò koŋue wotrɔ asi le nyati sia ŋu na. Míadzro biabia vevi aɖewo siwo ku ɖe nya vevi sia ŋu la me le nyati sia me. Ale si nàɖo biabia mawo ŋui la akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be èsu te na nyɔnyrɔxɔxɔ.

^ mm. 17 Kpɔ agbalẽ si nye, Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 18 lia.

^ mm. 19 Ne mèkpɔ wu agbalẽ siwo nye, Nu Kae Biblia Fia Mí? kple Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa la sɔsrɔ̃ nu haɖe o la, ele be woayi Biblia nusɔsrɔ̃a dzi kpli wò va se ɖe esime nèwu agbalẽ evea siaa sɔsrɔ̃ nu.