Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

“Míawoe Nye Esi! Midɔ Mí!”

“Míawoe Nye Esi! Midɔ Mí!”

ÐE NÈLE didim be yeaʋu ayi afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le, ɖewohĩ, le duta aɖawɔ subɔsubɔdɔ geɖe na Yehowa? Ne èle esia ŋu bum la, ekema, Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Bergame ƒe agbemeŋutinyaa ate ŋu aɖe vi na wò.

Jack kple Marie-Line siaa le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ɖekae tso ƒe 1988 me ke. Wonya wo nyuie ɖe ale si wotea ŋu trɔna ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe si me wokpɔ wo ɖokuiwo le ŋu la ta; wolɔ̃ faa xɔ dɔdeasi vovovowo le Guadeloupe kple French Guiana dukɔawo me. France ƒe alɔdzedɔwɔƒea ye le dɔa dzi kpɔm le dukɔ evea siaa me fifia. Na míabia nya ʋɛ aɖewo Jack kple Marie-Line.

Nu kae ʋã mi miedze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme?

Marie-Line: Esime menye ɖevi nɔ tsitsim le Guadeloupe la, mekplɔa nɔnye, si nye Ðasefo dovevienu la, ɖo míeyina ɖaɖea gbeƒã ŋkeke bliboa katã. Melɔ̃ amewo, eya ta, esi menya wu suku nu le ƒe 1985 me ko la, medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme.

Jack: Esime menye ɖekakpuivi la, gbesiagbe mɔɖela siwo lɔ̃ gbeƒãɖeɖedɔa la dome koe menɔna ɣesiaɣi. Ɣemaɣi la, ne míeke mɔ le suku la, mewɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míeɖoa bɔs ɣeaɖewoɣi ɖawɔa ɖeka kple mɔɖelaawo le woƒe anyigbamamaa me. Míeɖea gbeƒã ŋkeke bliboa eye emegbe míeyia ƒuta. Ɣeyiɣi mawo me vivi ŋutɔ!

Esi meɖe Marie-Line le ƒe 1988 me megbe kpuie la, mebia ɖokuinye be, ‘Míevo fifia, ke nu ka tae míawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me o?’ Mewɔ ɖeka kple Marie-Line le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me. Le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe ɖeka megbe la, mede mɔɖelawo ƒe suku; eye le sukua megbe la, woɖo mí ame evea mɔɖela veviwoe. Míexɔ dɔdeasi vovovowo le Guadeloupe, siwo míese vivi na hafi wova ɖo mí ɖe French Guiana.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wode dɔ vovovowo asi na mi. Nu kae kpe ɖe mia ŋu be mietea ŋu trɔna ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu bɔbɔe?

Marie-Line: Nɔvi siwo le French Guiana Betel la nyae be míaƒe mawunyakpukpui vevitɔ ye nye Yesaya 6:8. Eya ta, ne woƒo ka na mí la, wogblɔna fefetɔe zi geɖe be, “Mieɖo ŋku miaƒe mawunyakpukpui vevitɔa dzie?” Míenyana enumake be dɔdeasi yeye le mɔ dzi gbɔna, eya ta míegblɔna be, “Míawoe Nye Esi! Midɔ Mí!”

Míetsɔa dɔdeasi yeyeawo nɔa sɔsɔm kple esiwo míewɔ va yi la kura o, elabe míenyae be esia wɔwɔ ate ŋu awɔe be mímade asixɔxɔ míaƒe dɔdeasi yeyea ŋu o. Míedzea agbagba hã be míanya mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnuawo nyuie.

Jack: Edzɔ kpɔ be, nɔvi aɖewo medi kura be míaʋu adzo le yewo gbɔ o, eya ta wodze agbagba be yewoaƒoe ɖe mía nu be míanɔ yewo gbɔ. Gake esi míenɔ dzodzom le Guadeloupe la, nɔviŋutsu aɖe ɖo ŋku Yesu ƒe nya si le Mateo 13:38 la dzi na mí be: “Agble lae nye xexea.” Eya ta, ne wode dɔ yeyewo asi na mí la, míeɖoa ŋku edzi na mía ɖokuiwo be, afi ka kee míeɖale o, agble ɖeka ma ke me koe míele subɔsubɔm le. Nu si le vevie wue nye ameawo kple anyigbamamaa!

Ne míeva ɖo anyigbamama yeye aɖe me la, míekpɔnɛ be ame bubuwo le agbe le afi ma eye wokpɔa dzidzɔ le agbe me. Eya ta, míawo hã míenɔa agbea abe nutoa me tɔwo ene. Woƒe nuɖuɖuwo toa vovo ya, gake míeɖua nu si woɖuna eye míenoa nu si wonona, ke hã, míeɖea afɔ siwo hiã be míakpɔ míaƒe lãmesẽ ta. Míedzea agbagba vevie be míaƒo nu nyui le míaƒe dɔdeasi ɖe sia ɖe ŋu.

Marie-Line: Míesrɔ̃a nu geɖe tso mía nɔvi siwo le nutoa me gbɔ. Meɖo ŋku ɣeyiɣi si míeva ɖo French Guiana la dzi. Tsi nɔ dzadzam sesĩe, eya ta, míesusu be ahiã be míalala tsia nake hafi míate ŋu ayi gbeadzi. Gake nɔvinyɔnu aɖe biam be, “Míayi gbeadzia?” Ewɔ nuku nam mebiae be, “Aleke míele ewɔ ge?” Egblɔ nam be, “Tsɔ wò xexia ɖe asi, eye míado míaƒe gasɔawo ayi gbeadzi.” Alea ye mesrɔ̃ ale si mate ŋu alé xexi ɖe asi aganɔ gasɔ dom. Ne menye ɖe mesrɔ̃ esia o la, anye ne nyemate ŋu aɖe gbeƒã le tsidzaɣiwo gbeɖe o!

Mieʋu abe zi gbɔ zi 15 sɔŋ ene. Aɖaŋu aɖewo li miaɖo na nɔvi siwo le ʋuʋu ŋu buma?

Marie-Line: Ʋuʋu menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ke hã, ele vevie be nàkpɔ teƒe si nàziɔ ta ɖo, afi si wò dzi nadze eme le, ne ètrɔ gbɔ tso gbeadzi.

Jack: Zi geɖe la, ɣesiaɣi si míeʋu la, megbugbɔ sia aŋɔ ɖe míaƒe aƒe yeyea me. Ne nɔvi siwo le alɔdzedɔwɔƒea la nyae be míele afi aɖe nɔ ge wòadidi o la, wogblɔna ɣeaɖewoɣi be, “Jack, mègatsi dzi be yeasi aŋɔ ɖe aƒea me o!”

Marie-Line bi ɖe agbadodo me ŋutɔ! Efɔa nu sia nu dea aɖakagowo me heŋlɔa nu trena ɖe wo dzi be, “esiae nye tsileƒe tɔ,” “esiae nye xɔdɔme tɔ,” “esiae nye nuɖaƒe tɔ,” kple bubuawo. Eya ta, ne míeva ɖo míaƒe aƒe yeyea me la, enɔa bɔbɔe na mí ŋutɔ be míanya xɔ siwo me míatsɔ aɖakagoawo ada ɖo. Eŋlɔa nu siwo le aɖakagoawo dometɔ ɖe sia ɖe me la ɖi ale be, ne míele nane dim la, míate ŋu ake ɖe eŋu kaba.

Marie-Line: Esi wònye be míesrɔ̃ ale si míawɔ nuwo le ɖoɖo nyui nu ta la, esia kpena ɖe mía ŋu míetea ŋu ƒoa mía ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me enumake.

Aleke miewɔ ɖoɖo ɖe miaƒe ɣeyiɣi ŋu ale be ‘miate ŋu awɔ miaƒe subɔsubɔdɔa bliboe’?—2 Tim. 4:5.

Marie-Line: Dzoɖagbewo la, míeɖina ɖe eme hedzraa ɖo ɖe kpekpeawo ŋu. Tso Braɖagbe tsɔ yi la, míeyia gbeadzi.

Jack: Togbɔ be wobia tso mía si be míaɖo gaƒoƒonudidi aɖe gbɔ hã la, menye esia ŋue míaƒe susu nɔna o. Gbeƒãɖeɖedɔa ye nye nu vevitɔ na mí le agbe me. Ne míenya do le aƒe me ko la, míedzea agbagba be míaƒo nu na ame sia ame si míado goe va se ɖe esime míetrɔ gbɔ.

Marie-Line: Le kpɔɖeŋu me, ne míeyi picnic alo dzidzɔdonamenu aɖewo wɔƒe la, metsɔa trakt aɖewo ɖe asi ɣesiaɣi. Ame aɖewo tena ɖe mía ŋu hebiana be míana yewo agbalẽ aɖewo, evɔ menye ɖe míegblɔ na wo be Yehowa Ðasefowoe míenye hã o. Esia ta, míenɔa ŋudzɔ ɖe míaƒe awudodo kple ale si míewɔa nui ŋu. Amewo léa ŋku ɖe nu siawo tɔgbi ŋu.

Jack: Gakpe ɖe eŋu la, míewɔa nyui na míaƒe aƒelikawo eye esia nyea ɖaseɖiɖi na wo. Mefɔa pepa kakɛwo le anyigba, meɖea gbeɖuɖɔwo doa goe, eye metsɔa gaxa dzraa míaƒe abɔa me ɖo. Míaƒe aƒelikawo dea dzesi nu siawo eye ɣeaɖewoɣi la, wo dometɔ aɖewo biana be, “Ðe miate ŋu akpɔ Biblia aɖe nama?”

Miezɔ mɔ yi ɖaɖe gbeƒã le anyigbamama siwo sa ɖe aga la me zi geɖe. Ðe mieɖo ŋku nu ɖedzesi aɖe si yi edzi le mɔzɔzɔ siawo tɔgbi me la dzia?

Jack: Le Guiana la, anyigbamama aɖewo me yiyi sesẽ ŋutɔ. Ehiãna zi geɖe be míazɔ mɔ kilometa 600 le kwasiɖaa me le mɔ siwo menyo kura o dzi. Míaŋlɔ mɔ si míezɔ yi St. Élie, si le Amazon ƒe ave dodoawo me la be gbeɖe o. Exɔ gaƒoƒo geɖe hafi míeɖo afi ma, togbɔ be míezã ʋu sesẽ siwo tea ŋu zɔa mɔ dzekpodzeʋewo dzi kple akro siwo ŋu mɔ̃ le gɔ̃ hã. Ame siwo le afi ma dometɔ akpa gãtɔ nye ame siwo yi sika diƒe. Esi wo dometɔ aɖewo kpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu ta la, wona sikakɔ suesuesuewo mí wònye woƒe nudzɔdzɔ ɖe agbalẽawo ta! Le fiẽ me la, míeɖe habɔbɔa ƒe video aɖe na nutoa me tɔwo. Ame geɖe va kpɔ videoa.

Marie-Line: Nyitsɔ laa la, wobia tso Jack si be wòaƒo Ŋkuɖodzinuƒoa le kɔƒe aɖe si ŋkɔe nye Camopi la me. Le afi ma yiyi me la, míeɖo tɔdziʋu sue aɖe si ŋu mɔ̃ le la to Oyapock Tɔsisia dzi gaƒoƒo ene sɔŋ. Enye nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe.

Jack: Tɔdziʋua kuku to teƒe siwo tɔsisia megoglo le o ate ŋu anye afɔku na mí. Ne tɔdziʋua gogo teƒe mawo tɔgbi la, eɖia vɔvɔ̃ ŋutɔ. Ele be ʋukulaa nanya nu si wɔm wòle. Ke hã, esia nye nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe. Togbɔ be Ðasefo 6 koe nɔ wɔnaa teƒe hã la, ame siwo ƒe xexlẽme anɔ 50 lae de Ŋkuɖodzia, eye Amerika Indiatɔ aɖewo hã va!

Marie-Line: Nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo siawo tɔgbiwoe le sɔhɛ siwo di be yewoawɔ geɖe na Yehowa la lalam. Ele be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme siawo tɔgbi me, eye esia ado ŋusẽ wò xɔse godoo. Zi geɖe la, míedea dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋui.

Mieva srɔ̃ gbe vovovowo hã dodo. Gbesɔsrɔ̃ ƒe ŋutete tɔxɛ aɖee le mia sia?

Jack: Gbeɖe. Esi wòhiã be masrɔ̃ gbe mawo tae mesrɔ̃ wo ɖo. Eva hiã be makpɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzi le Sranantongogbe * me hafi mava xɔ Biblia xexlẽ ƒe dɔdeasi le gbe ma me gɔ̃ hã! Le nusɔsrɔ̃a megbe la, mebia nɔviŋutsu aɖe be aleke wòkpɔe hã. Eɖo eŋu nam be: “Ɣeaɖewoɣi la, míesea nya aɖewo gɔme o, gake enyo ŋutɔ.” Ðeviawo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Ne mewɔ vodadawo la, ɖeviawo gblɔnɛ nam, gake tsitsiawo megblɔa nya aɖeke o. Mesrɔ̃ nu geɖe tso ɖeviawo gbɔ.

Marie-Line: Le anyigbamama aɖe me la, eva hiã be masrɔ̃ Biblia kple amewo le Fransegbe, Portugalgbe, kple Sranantongogbe me. Nɔvinyɔnu aɖe ɖo aɖaŋu nam be madze egɔme kple ame siwo doa gbe si nyemeɖu tu na o, eye eyome, masrɔ̃e kple ame siwo doa gbe si menya nyuie la. Eteƒe medidi o, meva kpɔ nu si tae nunya le aɖaŋuɖoɖo ma me.

Gbe ɖeka, ehiã be mawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple ame eve, ɖeka doa Sranantongogbe eye evelia doa Portugalgbe. Esime medze Biblia nusɔsrɔ̃ evelia gɔme la, nɔvinyɔnu si nye kplii míeyi gbeadzi la gblɔ nam be, “Marie-Line, ewɔ nam be nane mele yiyim nyuie o!” Esia na mede dzesii be mele Sranantongogbe dom na Brazil nyɔnu le esi teƒe be mado Portugalgbe nɛ!

Nɔvi siwo miesubɔ la lɔ̃ mi vevie ŋutɔ. Aleke miewɔ te ŋu na ƒomedodo kplikplikpli va le mia kple nɔviawo dome?

Jack: Lododowo 11:25 gblɔ be: “Eme anyo na dɔmenyotɔ.” Ne ehiã be míana kpekpeɖeŋu nɔviawo la, míehena ɖe megbe o. Le kpɔɖeŋu me, le Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo gome la, nɔviŋutsu aɖewo gblɔna nam be: “Ðe asi gbeƒãɖelawo nawɔ dɔ ma.” Gake meɖoa eŋu be: “Gbeƒãɖelae nye hã menyee. Eya ta, ne dɔ aɖe li woawɔ la, nye hã medi be makpe asi ɖe eŋu.” Togbɔ be mí katã míedina be míakpɔ vovo ɖe mía ɖokui ŋu hã la, míeɖoa ŋku edzi na mía nɔewo zi geɖe be, míedi be vovokpɔkpɔ ɖe mía ɖokui ŋu naxe mɔ na mí be míagawɔ nyui na ame bubuwo o.

Marie-Line: Míedze agbagba ɖe ɖetsɔleme fia mía nɔviŋutsuawo kple mía nɔvinyɔnuawo. To esia wɔwɔ me la, míetea ŋu dea dzesi ɣeyiɣi si me woahiã ame aɖe be wòakpɔ wo viwo dzi na wo alo aɖakplɔ ɖeviawo le suku na wo. Ne míede dzesi esia la, míetrɔa asi le míaƒe ɖoɖowo ŋu ale be míate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo. Esi míenɔa klalo be míana kpekpeɖeŋu nɔviawo ɣesiaɣi ta la, esia wɔe be kadodo kplikplikpli va le mía kpli wo dome.

Yayra kawoe miekpɔ esi mieyi ɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le?

Jack: Míekpɔ yayra geɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si míeléa ŋku Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔ vovovowo ŋu hesea vivi na wo. Togbɔ be míedo go kuxiwo hã la, míaƒe dzi dze eme, elabe míenyae be Mawu ƒe ame siwo le xexea me godoo la le megbe na mí.

Esime menye ɖekakpui la, wolém de gaxɔ me le French Guiana le esi nyemede akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o ta. Nyemebui kpɔ be mava trɔ ayi afi ma gbe ɖeka abe dutanyanyuigblɔla ene eye woaɖe mɔ nam be manɔ gaxɔwo me yim aɖanɔ gbeƒã ɖem na gamenɔlawo o. Yehowa yraa ame dɔmenyotɔe vavã!

Marie-Line: Nu si na mekpɔa dzidzɔ geɖe wue nye kpekpeɖeŋunana ame bubuwo. Míekpɔa dzidzɔ be míele Yehowa subɔm. Yehowa subɔsubɔ wɔe hã be nye kple srɔ̃nye dome le kplikplikpli. Ɣeaɖewoɣi la, Jack abiam be ɖe míate ŋu akpe atsu kple asi aɖe si ƒo dzi ɖe le la be woava ɖu nu kpli mí mahã. Zi geɖe la, meɖoa eŋu be, “Nu ma tututu ko ŋu bum nye hã mele!” Aleae wòdzɔna zi geɖe.

Jack: Nyitsɔ laa la, ɖɔktawo kpɔ tsinyetoe me kansa le ŋunye. Megblɔna na Marie-Line be, “Srɔ̃nye lɔlɔ̃a, ne edzɔ be meku etsɔ la, afia be ‘nyemanɔ agbe atsi nyuie’ hafi aku o. Ke hã, menyae be metsɔ nye agbe wɔ nu si ŋu asixɔxɔ vavã le, mesubɔ Yehowa, eye mekpɔ dzidzeme le agbe me.” Gake nya sia medzɔa dzi nɛ kura o.—1 Mose 25:8.

Marie-Line: Yehowa de dɔ siwo míenɔ mɔ kpɔm na o la asi na mí, eye ena mɔnukpɔkpɔ mí míewɔ nu siwo míate ŋu asusu gbeɖe o. Míaƒe agbe me yɔ kple nu nyuiwo sɔŋ. Míayi afi sia afi si Yehowa ƒe habɔbɔa abia tso mía si be míayi, elabe míeka ɖe Yehowa dzi bliboe be akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi!

^ mm. 32 Sranantongogbea nye Eŋlisigbe, Netherlandsgbe, Portugalgbe, kple Afrikagbe vovovo aɖewo siwo wotsaka, si kluviwo to vae.