Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 14

Amedzidzedze Aɖe Si Tso Dziehe!

Amedzidzedze Aɖe Si Tso Dziehe!

“Dukɔ aɖe ho va nye anyigba dzi.”—YOEL 1:6.

HADZIDZI 95 Kekeli La Le Kɔkɔm Ðe Edzi

NYA VEVIAWO *

1. Mɔnu kae Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛwo zã le Biblia sɔsrɔ̃ me, eye nu ka tae wònye mɔnu nyui aɖe?

ƑE ALAFA ɖeka kple edzivɔ ye nye esi va yi la, Nɔviŋutsu C. T. Russell kple eƒe zɔhɛwo, siwo nye ƒuƒoƒo sue aɖe siwo hã srɔ̃a Mawu ƒe Nyaa la, dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ɖekae. Wodi be yewoakpɔe ɖa be yewoate ŋu ade dzesi nu si tututu Biblia fia ku ɖe Yehowa Mawu, Yesu Kristo, nɔnɔme si me ame kukuwo le, kple tafea ŋu mahã. Woƒe nusɔsrɔ̃mɔnua nɔ bɔbɔe. Wo dometɔ ɖeka abia nya aɖe, eye eyome, ƒuƒoƒo bliboa aku nu me ahadzro mawunyakpukpui ɖe sia ɖe si ku ɖe nyaa ŋu la me. Mlɔeba la, woaŋlɔ nu siwo ŋu woke ɖo le woƒe numekukua me la ɖi. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, ŋutsu Kristotɔ dzianukwaretɔ mawo ke ɖe Biblia me nyateƒe vevi geɖe ŋu, eye míegadea asixɔxɔ nyateƒe vevi mawo ŋu va de asi na egbea.

2. Ne míele agbagba dzem be míase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme la, nu kawoe ate ŋu awɔe be míada vo le nyataƒoƒo me ɣeaɖewoɣi?

2 Abe ale si Biblia srɔ̃la mawo va de dzesii le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ene la, ele bɔbɔe be woase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme, gake ate ŋu asesẽ ŋutɔ be woase Biblia me nyagblɔɖiwo ya gɔme nyuie. Nu ka tae wòle alea? Susu ɖekae nye be, zi geɖe la, wotea ŋu sea Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme nyuie wu esime nyagblɔɖiawo le eme vam alo ne wova eme vɔ. Gake susu bubu aɖe hã li. Eyae nye be, zi geɖe la, hafi míate ŋu ase nyagblɔɖi aɖe gɔme nyuie la, ele be míalé ŋku ɖe nyagblɔɖi bliboa ŋu. Ne míaƒe susu le nyagblɔɖia me nya aɖewo ko ŋu eye míeɖe asi le nyagblɔɖia me nya bubuwo ya ŋu la, esia ate ŋu awɔe be míaƒo nya ta nyuie o. Edze be alea ye wòdzɔe le nyagblɔɖi aɖe si dze le Yoel ƒe agbalẽa me la gome. Na míagbugbɔ alé ŋku ɖe nyagblɔɖi ma ŋu eye míadzro nu si tae wòhiã be míatrɔ asi le ale si míese egɔme fifiae ŋu la me.

3-4. Aleke míesea nyagblɔɖi si dze le Yoel 2:7-9 la gɔme va de asi na fifia?

3 Xlẽ Yoel 2:7-9. Yoel gblɔe ɖi be ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe anye zi ɖe Israel-nyigba dzi ahagblẽ anyigba la eteƒe makɔ o. Ʋetsuvi siwo meɖua nu ɖia ƒo o, siwo ƒe aɖu kple glãƒuwo le abe dzata tɔwo ene la aɖu nu sia nu ƒiaƒiaƒia! (Yoel 1:4, 6) Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la, míegblɔna be nyagblɔɖi sia nye kpɔɖeŋu na ale si Yehowa ƒe amewo wɔa woƒe gbeƒãɖeɖedɔae, abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã si nu womate ŋu alé o la gblẽa nui ene. Esia ta, míesea egɔme tsã be dɔ sia gblẽa nu le “anyigba,” alo ame siwo dzi subɔsubɔhakplɔlawo kpɔ ŋusẽ ɖo la ŋu. *

4 Ne míaƒe susu le nyagblɔɖia ƒe akpa si dze le Yoel 2:7-9 ɖeɖe ko ŋu la, ekema, adze abe numeɖeɖe ma le eteƒe ene. Gake esi míelé ŋku ɖe nyagblɔɖi bliboa me nya bubuwo ŋu la, míekpɔe be ehiã be míase egɔme bubui. Na míadzro susu ene siwo tae wòva hiã nenema ɖo la me.

SUSU ENE SIWO TAE WÒHIÃ BE MÍAWƆ ASITƆTRƆA ÐO

5-6. Biabia kae fɔ ɖe te (a) esime míedzro Yoel 2:20 me? (b) esime míedzro Yoel 2:25 me?

5 Gbã la, de dzesi ŋugbe si Yehowa do ku ɖe ʋetsuvi gblẽnuawo ŋu; egblɔ be: “Manya dziehetɔ la [ʋetsuviawo] ɖa le mia ŋu ayi adzɔge ʋĩi.” (Yoel 2:20) Ne Yehowa Ðasefowo, siwo le se si Yesu de be woaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo la dzi wɔm lae ʋetsuviawo le tsitre ɖi na la, nu ka tae Yehowa ado ŋugbe be yeanya wo ɖa? (Eze. 33:7-9; Mat. 28:19, 20) Eme kɔ ƒãa be, menye Yehowa subɔla wɔnuteƒeawoe Yehowa do ŋugbe be yeanya ɖa o, ke boŋ, nane alo ame siwo le nu gblẽm le eƒe amewo ŋu lae.

6 Na míadzro nya siwo dze le Yoel 2:25 la me ale be míakpɔ susu evelia. Yehowa gblɔ le afi ma be: “Maɖo ƒe siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã, abɔwo, ʋetsuvi gblẽnuwo kple ʋetrawo ɖu nuwo la teƒe na mi; woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.” De dzesii be, Yehowa do ŋugbe be ‘yeaɖo’ nu siwo ʋetsuviawo gblẽ la “teƒe.” Ne Fiaɖuƒegbeƒãɖelawoe ʋetsuviawo le tsitre ɖi na la, nu ka tae woagblɔ be gbedeasi si woɖea gbeƒãe la gblẽa nu? Evɔ gbedeasi ma si naa agbe la ate ŋu aʋã ame vɔ̃ɖiwo dometɔ aɖewo be woatrɔ dzi me. (Eze. 33:8, 19) Yayra ka gbegbee nye esi wòanye na wo!

7. Nu ka gɔmee nyagbɔgblɔ si nye “le nu siawo megbe la” si dze le Yoel 2:28, 29 la kpe ɖe mía ŋu míese?

7 Xlẽ Yoel 2:28, 29. Bu susu etɔ̃lia, si nye ɖoɖo si nu nyagblɔɖia gblɔ be nuwo adzɔ le la ŋu kpɔ. Ède dzesii be Yehowa gblɔ be: “Le nu siawo megbe la, matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe”; si fia be awɔ esia ne ʋetsuviawo wɔ woƒe dɔdeasia vɔ megbea? Ne Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖelawoe ʋetsuviawo le tsitre ɖi na la, nu ka tae ne wowɔ woƒe ɖaseɖiɖidɔa wu enu vɔ megbe ye Yehowa atrɔ eƒe gbɔgbɔa akɔ ɖe wo dzi? Nyateƒea ye nye be, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, womate ŋu anɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi ƒe gbogbo siawo togbɔ be amewo tsi tsitre ɖe wo ŋu eye woɖo asi woƒe dɔa dzi le dukɔ aɖewo me gɔ̃ hã gbeɖe o.

Nɔviŋutsu J. F. Rutherford kple amesiamina bubu siwo xɔ ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome la ɖe gbeƒã Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi la dzinɔameƒotɔe (Kpɔ memama 8 lia)

8. Ame kawoe ʋetsuvi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 9:1-11 la le tsitre ɖi na? (Kpɔ foto siwo le akpaa dzi.)

8 Xlẽ Nyaɖeɖefia 9:1-11. Azɔ na míadzro susu enelia me. Tsã la, míesusuna be ʋetsuvi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yoel ƒe nyagblɔɖia me la ƒe nugbegblẽa nye kpɔɖeŋu na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa, elabena nyagblɔɖi aɖe si ɖi esia la dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyagblɔɖia ɖɔ ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe be woƒe mo le abe amegbetɔwo ƒe mo ene eye “nane le ta na wo abe sikafiakukuwo ene.” (Nyaɖ. 9:7) Wowɔ fu “ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la,” siwo nye Mawu ƒe futɔwo, ɣleti atɔ̃, si nye ʋetsuviwo ƒe agbenɔɣi ƒe didime le mama dedie nu. (Nyaɖ. 9:4, 5) Edze abe nyagblɔɖi sia ɖɔ Yehowa subɔla amesiaminawo nyuie ene. Woɖea gbeƒã Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo yi na xexe vɔ̃ɖi sia la dzinɔameƒotɔe, eye esia ɖea fu na ame siwo katã le xexe sia ƒe akpa dzi la vevie.

9. Vovototo ɖedzesi kawoe dze le ʋetsuvi siwo Yoel kpɔ kple esiwo ŋu Yohanes ƒo nu tsoe la ŋu?

9 Ele eme be, nyagblɔɖi si dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me kple Yoel ƒe nyagblɔɖia ɖi wo nɔewo le go aɖewo me ya. Ke hã, vovototo gã aɖewo le wo dome. Bu nya siawo ŋu kpɔ: Le Yoel ƒe nyagblɔɖia me la, ʋetsuviawo ɖu gbewo ƒiaƒiaƒia. (Yoel 1:4, 6, 7) Le ŋutega si Yohanes kpɔ me la, ‘wogblɔ na ʋetsuviawo be woagawɔ vɔ̃ anyigbadzinu miemiewo o.’ (Nyaɖ. 9:4) Ʋetsuvi siwo Yoel kpɔ la tso dziehe. (Yoel 2:20) Esiwo Yohanes kpɔ la do tso aʋli aɖe me. (Nyaɖ. 9:2, 3) Wonya ʋetsuvi siwo ŋu Yoel ƒo nu tsoe la ɖa. Womenya ʋetsuvi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ɖa o, ke boŋ, woɖe mɔ na wo be woawu woƒe dɔa nu. Naneke meɖee fia be Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o.—Kpɔ aɖaka si nye “ Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Ʋetsuviwo Ŋu—Woɖi Wo Nɔewo Gake Woto Vovo.”

10. Gblɔ Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yoel kple Yohanes ƒe ʋetsuviawo ate ŋu anɔ tsitre ɖi na nu vovovowo.

10 Vovototo ɖedzesi siwo le nyagblɔɖi eveawo dome la na míeƒo nya ta be kadodo aɖeke mele wo dome o. Ðe míele gbɔgblɔm be nu si ʋetsuvi siwo ŋu Yoel ƒo nu tsoe la le tsitre ɖi na la to vovo na nu si ʋetsuvi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la le tsitre ɖi na? Ɛ̃. Le Biblia me la, etea ŋu dzɔna be woazã kpɔɖeŋu aɖe wòafia nane le go aɖe me gake afia nu bubu le go bubu me. Le kpɔɖeŋu me, le Nyaɖeɖefia 5:5 la, woyɔ Yesu be “Dzata si tso Yuda-toa me,” gake le 1 Petro 5:8 la, woyɔ Abosam be “dzata si le gbe ɖem.” Le biabia siwo fɔ ɖe te ku ɖe gɔmesese si le mía si fifia ku ɖe Yoel ƒe nyagblɔɖia ŋu ŋuti la, eva hiã be míase nu si nyagblɔɖi sia fia ŋutɔŋutɔ la gɔme. Nu kae wòate ŋu afia?

NU KAE WÒFIA?

11. Aleke Yoel 1:6 kpakple Yoel 2:1, 8, 11 kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si ʋetsuvi siwo le Yoel ƒe nyagblɔɖia me fia la dze sii?

11 Numekuku tsitotsito le Yoel ƒe nyagblɔɖia me nya aɖewo ŋu ɖee fia be asrafowo ƒe amedzidzedze aɖee nyagblɔɖilaa nɔ gbɔgblɔm ɖi. (Yoel 1:6; 2:1, 8, 11) Yehowa gblɔ be yeazã yeƒe “aʋakɔ gã” (Babilon-srafowo) atsɔ ahe to na Israel-vi tomaɖolawo. (Yoel 2:25) Woyɔ aʋakɔ si ava dze Israel-viwo dzi la wòsɔ nyuie be “dziehetɔ la” elabena dziehe ye Babilontɔwo atso ava dze Israel dzi. (Yoel 2:20) Wotsɔ aʋakɔ ma sɔ kple ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe si le ɖoɖo nyui nu. Yoel gblɔ tso asrafoawo ŋu be: “Wo dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ. . . . Wolũ ɖe du la dzi hege ɖe eme, woƒu du to gliwo dzi. Wolia aƒewo, eye woto fesrewo nu ge ɖe eme abe fiafitɔ ene.” (Yoel 2:8, 9) Àte ŋu akpɔ nudzɔdzɔa ɖaa le susu mea? Asrafowo le afi sia afi. Teƒe aɖeke meli ame nabe ɖo o. Ame aɖeke mate ŋu asi le Babilon-srafowo ƒe yi nu o!

12. Aleke Yoel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ʋetsuviwo ŋu la va eme?

12 Babilontɔwo (alo, Kaldeatɔwo) va dze Yerusalem dugã la dzi, abe ʋetsuviwo ene, le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Biblia gblɔ be: “Kaldea-fia [tsɔ] yi wu woƒe ɖekakpuiwo . . . ; eye mekpɔ nublanui na ɖekakpui alo ɖetugbui, ame tsitsi alo ame si ŋu wɔna vɔ le o. [Mawu tsɔ] nu sia nu de asi nɛ. Etɔ dzo Mawu vavã la ƒe aƒe la, eye wògbã Yerusalem ƒe gli la ƒu anyi; etɔ dzo eme mɔ́ sesẽwo katã, eye wògblẽ eƒe nu nyuiwo katã dome.” (2 Kron. 36:17, 19) Esi Babilontɔwo va dze Israel dzi hetsrɔ̃e keŋkeŋ vɔ la, nya si eteƒekpɔlawo te ŋu gblɔ koe nye: “Ezu gbegbe, eye amegbetɔ kple lãwo megale edzi o. Wotsɔe de asi na Kaldeatɔwo.”—Yer. 32:43.

13. Nu kae nya siwo dze le Yeremiya 16:16, 18 la fia?

13 Ƒe 200 aɖewo le Yoel ƒe nyagblɔɖia megbe la, Yehowa to Yeremiya dzi gblɔ nya bubu aɖe ɖi ku ɖe amedzidzedze sia ŋu. Egblɔ be amedzidzelaawo adi Israel-vi siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe nu tovowo wɔwɔ me la tsitotsito ahalé wo. Nyagblɔɖia gblɔ be: “Yehowa be: ‘Madɔ tɔƒodela geɖewo ɖa, eye woaɖe wo. Emegbe madɔ adela geɖewo ɖa, eye woayɔ wo ɖe nu le towo kple togbɛwo katã dzi kpakple agatowo katã me. . . . Maxe woƒe vodadawo kple woƒe nu vɔ̃wo ŋuti fe la katã na wo.’” Atsiaƒuwo loo alo ave dodowo gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ Israel-vi matrɔdzimeawo ta tso Babilontɔ siwo ava dze wo dzi la si me o.—Yer. 16:16, 18.

GBUGBƆGAÐOANYI

14. Ɣekaɣie nyagblɔɖi si dze le Yoel 2:28, 29 la va eme?

14 Nya nyui aɖe le Yoel si na dukɔa: egblɔ be, anyigbaa agava wɔ nu geɖe. Nuɖuɖu abɔ ɖe anyigbaa dzi. (Yoel 2:23-26) Ekema, efia be, ɣeaɖeɣi le etsɔme la, gbɔgbɔmenuɖuɖu anɔ anyi le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Yehowa gblɔ be: “Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã ƒomevi dzi, eye mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi . . . Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye kluviwo kple nye kosiwo gɔ̃ hã dzi.” (Yoel 2:28, 29) Mawu metrɔ eƒe gbɔgbɔa kɔ ɖe Israel-viwo dzi esi wotso Babilon trɔ gbɔ va wo denyigbaa dzi la enumake o. Ke boŋ, ƒe alafa geɖe megbe hafi nya sia va eme, le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekostea dzi. Aleke míewɔ nya?

15. Le Dɔwɔwɔwo 2:16, 17 ƒe nya nu la, asitɔtrɔ kae Petro wɔ le Yoel 2:28 me nyawo ŋu, eye nu kae esia fia?

15 Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wògblɔ be nu wɔnuku si dzɔ le Pentekoste ŋkeke ma dzi la nye nyagblɔɖi si dze le Yoel 2:28, 29 la me vava. Ŋdi ma, abe ga asieke me lɔƒo ene la, gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi nukutɔe ʋã ame siwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea wote nuƒoƒo “tso Mawu ƒe nu dzɔtsuwo ŋu.” (Dɔw. 2:11) Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Petro wòzã nya siwo to vovo vie na nya siwo Yoel zã esime wònɔ Yoel ƒe nyagblɔɖia me nyawo gblɔm. Ède dzesi asitɔtrɔ si wòwɔ le nyagblɔɖia ŋua? (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 2:16, 17.) Le esi Petro nadze nyagblɔɖia gɔme kple nyagbɔgblɔ siwo nye, “le nu siawo megbe la,” teƒe la, ɖe wògblɔ boŋ be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la,” woatrɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa akɔ “ɖe ŋutilã ƒomeviwo katã dzi.” Ŋkeke mamlɛ siwo Petro gblɔ la fia Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe ŋkeke mamlɛawo. Esia fia be ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ megbee Yoel ƒe nyagblɔɖia va eme.

16. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔa na gbeƒãɖeɖedɔa ɖe zɔ le ƒe alafa gbãtɔ me, eye aleke wòle egbea?

16 Esi Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔa ɖe nusrɔ̃lawo dzi le mɔ ɖedzesi ma nu le ƒe alafa gbãtɔ me megbe la, gbeƒãɖeɖedɔa ɖe zɔ kabakaba heva kpe xexea ɖo mlɔeba. Kaka apostolo Paulo nava ŋlɔ eƒe lɛtaa na Kolosetɔwo, le ƒe 61 K.Ŋ. me lɔƒo la, ete ŋu gblɔ tso nya nyuia ŋu be woɖe gbeƒãe “le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome.” (Kol. 1:23) Esi Paulo gblɔ be woɖe gbeƒã le ‘nu wɔwɔwo katã’ dome la, nu si wòwɔnɛ ye nye be woɖe gbeƒã nya nyuia yi xexea ƒe teƒe siwo Paulo kple ame bubuwo te ŋu zɔ mɔ yi. Le Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, gbeƒãɖeɖedɔa gakeke ta le míaƒe ŋkekea me wu heyi keke “anyigba ƒe seƒe ke”!—Dɔw. 13:47; kpɔ aɖaka si nye ‘ Makɔ Nye Gbɔgbɔ Ðe Nye Subɔlawo Dzi.’

NU KAE TRƆ?

17. Aleke gɔmesese si nɔ mía si tsã le Yoel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ʋetsuviwo ŋu la trɔe?

17 Nu kae trɔ? Fifia, míeva se Yoel ƒe nyagblɔɖi si dze le Yoel 2:7-9 la gɔme nyuie wu. Kpuie ko la, menye míaƒe gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna dzonɔamemetɔe la ŋue mawunyakpukpui mawo me nyawo ku ɖo o, ke boŋ, nu siwo Babilon-srafowo wɔ esime wodze Yerusalem dzi le ƒe 607 D.Y. me la ŋue woku ɖo.

18. Nu kae metrɔ le Yehowa ƒe amewo ŋu o?

18 Nu kae metrɔ o? Yehowa ƒe amewo gakpɔtɔ le gbeƒã ɖem nya nyuia le afi sia afi, eye wole mɔnu ɖe sia ɖe si woate ŋui la ŋu dɔ wɔm le esia wɔwɔ me. (Mat. 24:14) Dziɖuɖuwo ƒe mɔxeɖenu aɖeke mate ŋu axe mɔ na mí be míagawɔ dɔ si wode mía si be míaɖe gbeƒã la ade goe o. Eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míegale dɔ dzi fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzinɔameƒotɔe! Míeyi edzi le mɔ kpɔm na Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe be wòakpe ɖe mía ŋu míase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme, eye míeka ɖe edzi be, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, akpe ɖe mía ŋu míase “nyateƒe la gɔme bliboe”!—Yoh. 16:13.

HADZIDZI 97 Mawu Ƒe Nya Nue Míenɔa Agbe Ðo

^ mm. 5 Ƒe geɖe ye nye esia la, míexɔe se be nyagblɔɖi si dze le Yoel ta 1 kple 2 lia la ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le míaƒe ŋkekea me ŋu. Ke hã, susu nyui ene aɖewo li siwo tae wòdze abe ele be míatrɔ asi le ale si míese Yoel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia gɔme la ŋu ene. Susu kawo tae?

^ mm. 3 Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati si nye “Yehowa Ƒe Nunya Dzena Le Eƒe Nuwɔwɔwo Me,” si dze le April 15, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ me, mm. 14-16.