Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 20

Dziɖuɖu Kae Nye “Dziehefia” La Egbea?

Dziɖuɖu Kae Nye “Dziehefia” La Egbea?

“Eƒe nuwuwu ava, eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”—DAN. 11:45.

HADZIDZI 95 Kekeli La Le Kɔkɔm Ðe Edzi

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

KPEÐODZI geɖewo le mía si fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be, míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuɣi la me. Eteƒe madidi o, Yehowa kple Yesu Kristo atsrɔ̃ dziɖuɖu siwo katã tsi tsitre ɖe Fiaɖuƒea ŋu la ɖa. Hafi woatsrɔ̃ wo ɖa la, dziehefia kple anyiehefia ayi woƒe ʋiʋlia dzi eye woanɔ Mawu ƒe amewo yome tim.

2 Le nyati sia me la, míadzro nyagblɔɖi si dze le Daniel 11:40–12:1 la me. Míava nya dziɖuɖu si nye dziehefia egbea, eye míakpɔ nu si tae míate ŋu aɖe dzi ɖi ahaka ɖe edzi be nu ka kee ɖadzɔ o, Yehowa axɔ na mí.

DZIEHEFIA YEYE LA

3-4. Dziɖuɖu kae va nye dziehefia la? Ðe eme.

3 Esi Soviet Union Dziɖuɖua mu le ƒe 1991 me la, Mawu ƒe ame siwo le eƒe nutowo me la kpɔ gbɔdzɔe hena ɣeyiɣi aɖe. Daniel ɖɔ woƒe ablɔɖe sia le nyagblɔɖia me be ‘wokpe ɖe wo ŋu vie.’ (Dan. 11:34) Esia wɔe be wokpɔ ablɔɖe te ŋu ɖe gbeƒã, eye eteƒe medidi o, gbeƒãɖela siwo nɔ Soviet Union Kɔmunist-dziɖuɖu si nɔ anyi tsã ƒe ŋusẽ te la dzi ɖe edzi va zu gbeƒãɖela akpe alafa geɖe. Gake ƒe aɖewo megbe la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va nye dziehefia la. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, hafi míagblɔ be dziɖuɖu aɖe nye dziehefia alo anyiehefia la, ele be nu etɔ̃ siawo naɖe dzesi le eŋu: (1) akpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi le mɔ ɖedzesi aɖe nu, (2) aɖee afia to eƒe nuwɔnawo me be elé fu Yehowa kple eƒe amewo, eye (3) anɔ ho ʋlim kple fia kemɛa si nye eƒe futɔ.

4 De dzesi nu si tae míate ŋu agblɔ be Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii lae nye dziehefia la egbea. (1) Wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi tẽe, le mɔ sia nu be, woxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu eye wole nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe alafa geɖe siwo le woƒe nutowo me la yome tim. (2) Woƒe nuwɔna mawo ɖee fia be wolé fu Yehowa kple eƒe amewo. (3) Wole ho ʋlim kple Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa, si nye anyiehefia la. Na míakpɔ nu siwo Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la wɔ kpakple nu si tae esia ɖo kpe edzi be woawoe nye dziehefia la ɖa.

DZIEHEFIA KPLE ANYIEHEFIA LE WO NƆEWO TUTUM

5. Ɣeyiɣi ka ŋue nyagblɔɖia ƒe akpa si dze le Daniel 11:40-43 la ku ɖo, eye nu kae yi edzi le ɣeyiɣi ma me?

5 Xlẽ Daniel 11:40-43. Nyagblɔɖia ƒe akpa sia na míekpɔ nu siwo ayi edzi le nuwuɣia me. Akpa sia he susu yi ʋiʋli si anɔ dziehefia kple anyiehefia dome la dzi. Abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, le nuwuɣia la, anyiehefia kple dziehefia anɔ wo nɔewo “tutum.”—Daniel 11:40.

6. Nu kawoe ɖo kpe edzi be fia eveawo le wo nɔewo tutum?

6 Dziehefia kple anyiehefia kpɔtɔ le ho ʋlim kple wo nɔewo, elabe wo dometɔ ɖe sia ɖe di be yeanye dziɖuɖu si kpɔ ŋusẽ wu le xexea me. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ le Xexemeʋa Evelia ƒe nuwuwu megbe esime dziehefia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la kpɔ ŋusẽ ɖe Europa ƒe akpa gãtɔ dzi la ŋu kpɔ. Dziehefia ƒe nuwɔnawo ƒoe ɖe anyiehefia nu wòva wɔ ɖeka kple dukɔ bubuwo eye woƒo woƒe asrafohawo nu ƒu tsɔ ɖo habɔbɔ si woyɔna be Dziehe Atlantik Nubabla Habɔbɔ (NATO alo OTAN) anyi. Azɔ hã, dziehefia kple anyiehefia zãa ga gbogbowo tsɔ dze agbagba be yewoana yewoƒe asrafoha nanye esi kpɔ ŋusẽ wu le xexea me. Gakpe ɖe eŋu la, dziehefia kple anyiehefia wɔ aʋa kple wo nɔewo le mɔ sia nu be, wokpe asi ɖe dukɔ siwo lé fu woƒe futɔa ŋu le aʋa vovovo siwo yi edzi le Afrika, Asia, kple Latin Amerika la me. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va xɔ ŋkɔ le xexea me godoo. Azɔ hã, wozã kɔmpiutawo tsɔ le aʋa wɔm kple wo nɔewo. Dziehefia tsɔ nya ɖe anyiehefia ŋu be ele kɔmpiutadziɖoɖo vɔ̃ɖiwo zãm tsɔ le agbagba dzem be yeatɔtɔ yeƒe gaŋutiɖoɖowo kple dunyaheɖoɖowo me, eye nya mawo kee anyiehefia hã tsɔ ɖe dziehefia ŋu. Eye abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, dziehefia la yi edzi le Mawu ƒe amewo dzi dzem.—Dan. 11:41.

DZIEHEFIA LA VA “ATSYƆ̃NYIGBA” LA DZI

7. Nu kae nye “Atsyɔ̃nyigba la”?

7 Daniel 11:41 gblɔ be dziehefia ava “Atsyɔ̃nyigba la” dzi. Nu kae nye “Atsyɔ̃nyigba la”? Le blema la, wobua Israel-nyigba la be enye “anyigba si nya kpɔ wu anyigbawo katã.” (Eze. 20:6) Gake nu si na anyigba ma le etɔxɛ ye nye be, afi mae amewo subɔa Yehowa le. Tso ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, “Atsyɔ̃nyigba la” meganye anyigba ɖeka aɖe, alo dukɔ aɖe ƒe anyigba o; eye mate ŋu anɔ alea hã o, elabena Yehowa ƒe amewo le afi sia afi le xexea me godoo. Ke boŋ, egbea, “Atsyɔ̃nyigba la” ye nye Yehowa ƒe amewo ƒe nɔƒe, alo woƒe dɔwɔnawo, eye esia ƒe akpa aɖewoe nye ale si wosubɔa Yehowa to kpekpewo dede kple gbeƒãɖeɖe nya nyuia me.

8. Mɔ ka nue dziehefia la va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le?

8 Le ŋkeke mamlɛawo me la, dziehefia la va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi zi gbɔ zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esime Nazi Germany nye dziehefia la, eva “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le mɔ sia nu be, eti Mawu ƒe amewo yome hewu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã, vevietɔ, esime xexemeʋa evelia nɔ edzi yim. Le Xexemeʋa Evelia ƒe nuwuwu megbe, esime Soviet Union Dziɖuɖua va nye dziehefia la, eva “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le mɔ sia nu be, eti Mawu ƒe amewo yome heɖe aboyo wo yi Siberia.

9. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, mɔ ka nue Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le?

9 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la hã va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi. Le mɔ ka nu? Le ƒe 2017 me la, Russia, si nye dziehefia yeye la, xe mɔ ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe dɔa nu eye wòlé nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo de gaxɔ me. Exe mɔ ɖe míaƒe agbalẽwo hã nu; eye exe mɔ ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia hã nu. Gakpe ɖe eŋu la, exɔ míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Russia kple Fiaɖuƒe Akpatawo kpakple Takpexɔwo hã. Le eƒe nuwɔna siawo megbe la, Dɔdzikpɔhaa va de dzesii le ƒe 2018 me be, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii lae nye dziehefia yeyea. Ke hã, ne dziɖuɖu aɖe le Yehowa ƒe amewo yome tim gɔ̃ hã la, Yehowa ƒe amewo medzea agbagba be yewoaɖe dziɖuɖu ma ɖa loo alo yewoatsi tsitre ɖe eŋu o. Nu si wowɔna boŋue nye be, wowɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be woado gbe ɖa ɖe “ame siwo katã le ŋusẽnɔƒewo” ta la dzi, vevietɔ, ne wole nyametsotso siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi la wɔm.—1 Tim. 2:1, 2.

ÐE DZIEHEFIA LA ATSRƆ̃ ANYIEHEFIA LA?

10. Ðe dziehefia la atsrɔ̃ anyiehefia la? Ðe eme.

10 Dziehefia ƒe nuwɔnawo koŋ ŋue nyagblɔɖia ƒe akpa si dze le Daniel 11:40-45 la ku ɖo. Ðe esia fia be dziehefia ava tsrɔ̃ anyiehefia la? Ao. Anyiehefia la akpɔtɔ ‘anɔ agbe,’ si fia be, akpɔtɔ anɔ anyi va de asi na esime Yehowa kple Yesu atsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã le Armagedon-ʋa la me. (Nyaɖ. 19:20) Nu ka tae míeka ɖe edzi nenema? Bu nu siwo nyagblɔɖi siwo dze le Daniel kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo me la ɖe fia ŋu kpɔ.

Le Armagedon me la, Yesu Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo atsrɔ̃ Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖi la eye woaxɔ na Mawu ƒe amewo (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu kae nyagblɔɖi si dze le Daniel 2:43-45 la fia? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

11 Xlẽ Daniel 2:43-45. Nyagblɔɖila Daniel ƒo nu tso amegbetɔ ƒe dziɖuɖu vovovo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi la ŋu. Eɖɔ dziɖuɖu mawo be wonye legba gã aɖe si wotsɔ ga vovovowo wɔe la ƒe akpa vovovoawo. Dziɖuɖu siawo ɖu dzi le ɣeyiɣi vovovowo me. Legbaa ƒe afɔbayawo nye gayibɔ kple tsu tsaka. Wole tsitre ɖi na xexemeŋusẽ mamlɛtɔa, si nye Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa. Nyagblɔɖia fia be Britain kple Amerika akpɔtɔ anɔ dzi ɖum esime Mawu Fiaɖuƒea ava tsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã.

12. Dziɖuɖu kae lã wɔadã la ƒe ta adrelia le tsitre ɖi na, eye nu ka tae wòle vevie be míanya esia?

12 Apostolo Yohanes hã ƒo nu tso dziɖuɖu vovovo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi la ŋu. Yohanes ɖɔ dziɖuɖu siawo be wole abe lã wɔadã aɖe si ta adre li na la ene. Lã wɔadã ma ƒe ta adrelia le tsitre ɖi na Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa. Nya sia le vevie, elabena nyagblɔɖia megblɔ be lã la gato ta bubu kpe ɖe eƒe tawo ŋu o. Lã sia ƒe ta adrelia, si nye xexemeŋusẽ mamlɛtɔa, akpɔtɔ anɔ dzi ɖum esime Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo ava tsrɔ̃e kple lã bliboa, si le tsitre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu susɔeawo katã. *Nyaɖ. 13:1, 2; 17:13, 14.

NU KAE DZIEHEFIA LA AWƆ KPUIE?

13-14. Nu kae “Gog, si tso Magog-nyigba dzi” la le tsitre ɖi na, eye anɔ eme be nu kae ana wòado dziku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu?

13 Nyagblɔɖi aɖe si Ezekiel ŋlɔ ɖi la na míede dzesi nu siwo ate ŋu adzɔ hafi woava tsrɔ̃ dziehefia kple anyiehefia la. Edze abe nyagblɔɖi siwo dze le Ezekiel 38:10-23; Daniel 2:43-45; 11:44–12:1; kple Nyaɖeɖefia 16:13-16, 21 la ku ɖe nu siwo adzɔ le ɣeyiɣi ɖeka aɖe me ŋu ene. Ne nenemae la, nu si míesusu be ava dzɔ ye nye esi.

14 Ne xaxa gãa dze egɔme la, ɣeyiɣi aɖe megbe la, “anyigba blibo la dzi fiawo” aƒo ƒu awɔ ɖeka. (Nyaɖ. 16:13, 14; 19:19) Dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo mae Ŋɔŋlɔawo yɔ be “Gog, si tso Magog-nyigba dzi.” (Eze. 38:2) Dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo ma adze Mawu ƒe amewo dzi ahadze agbagba be yewoatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. Nu kae ana be woadze Mawu ƒe amewo dzi? Esi apostolo Yohanes nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi sia ŋu la, ekpɔe be kpetsi siwo ƒe lolome wɔ nuku ŋutɔ la dza ɖe Mawu ƒe futɔwo dzi. Kpetsi ma ate ŋu anɔ tsitre ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽ aɖe si Yehowa ƒe amewo aɖe gbeƒãe. Anɔ eme be gbedeasi sia ye ana dzi naku Gog si tso Magog la wòadze Mawu ƒe amewo dzi kple susu be yeatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi.—Nyaɖ. 16:21.

15-16. (a) Nudzɔdzɔ kawo ŋue nya siwo dze le Daniel 11:44, 45 ate ŋu aku ɖo? (b) Nu kae adzɔ ɖe dziehefia kple dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si nye Gog si tso Magog la ƒe akpa susɔea dzi?

15 Ate ŋu anɔ eme be gbedeasi sesẽ ma kpakple ale si Mawu ƒe futɔwo ava dze eƒe amewo dzi zi mamlɛtɔ la ke ŋue nya siwo dze le Daniel 11:44, 45 la ku ɖo. (Xlẽe.) Daniel gblɔ le kpukpui siawo me be dziehefia “ase nya tso ɣedzeƒe kple dziehe” wòaɖe fu nɛ eye wòaho kple “dziku gã” aɖe. Dziehefia ɖoe be ‘yeatsrɔ̃ ame geɖewo.’ Edze abe “ame geɖewo” si Daniel wɔnɛ lae nye Yehowa ƒe amewo ene. * Eye edze abe tame si dukɔwo aɖo be yewoatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo ɖa keŋkeŋ la ŋue Daniel nɔ nu ƒom tsoe le afi sia ene.

16 Ne dziehefia la kple dziɖuɖu bubuawo va dze Mawu ƒe amewo dzi la, esia ana Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nado dziku vevie eye Armagedon-ʋa la adze egɔme. (Nyaɖ. 16:14, 16) Ɣemaɣi la, woatsrɔ̃ dziehefia la, kpakple dukɔ bubuawo katã, siwo ƒo ƒu nye Gog si tso Magog la gbidii, eye “ame aɖeke maxɔ nɛ o.”—Dan. 11:45.

Le Armagedon me la, Yesu Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo atsrɔ̃ Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖi la eye woaxɔ na Mawu ƒe amewo (Kpɔ memama 17 lia)

17. Ame kae nye Mikael, “amegã” si ŋu Daniel 12:1 ƒo nu tso, eye nu kae wòwɔ?

17 Le nya mawo megbe teti la, Daniel ƒo nu tso nyatakaka siwo ku ɖe ale si woatsrɔ̃ dziehefia la kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii kpakple ale si woaxɔ na mí la ŋu tsitotsito. (Xlẽ Daniel 12:1.) Nu kae nya siwo dze le Daniel 12:1 la fia? Kristo Yesu, míaƒe Fia si le dzi ɖum la ƒe ŋkɔ bubue nye Mikael. Yesu “do” le Mawu ƒe amewo ta tso keke ƒe 1914 me ke esime Mawu ɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo. Le etsɔme kpuie la, Kristo Yesu “atso,” si fia be, atsrɔ̃ eƒe futɔwo le Armagedon-ʋaa me. Aʋa mae anye nu mamlɛtɔ si adzɔ le ɣeyiɣi si Daniel yɔ be “xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ tso esime dukɔwo li va se ɖe ɣemaɣi o” la me. Woyɔ ɣeyiɣi si do ŋgɔ na aʋa sia la le Yohanes ƒe nyagblɔɖi si dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be “xaxa gã.”—Nyaɖ. 6:2; 7:14.

ÐE ‘WOAŊLƆ WÒ ŊKƆ ÐE AGBALẼ LA MEA’?

18. Nu ka kee ɖadzɔ le etsɔme o, nu ka tae míate ŋu aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ?

18 Daniel kple Yohanes siaa gblɔ be Yehowa kple Yesu axɔ na woƒe amewo le xaxa gã la me. Eya ta, nu ka kee ɖadzɔ o, míate ŋu aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ. Daniel gblɔ be ‘woaŋlɔ’ ame siwo atsi agbe la ƒe ŋkɔwo “ɖe agbalẽ la me.” (Dan. 12:1) Nu kae míate ŋu awɔ be woaŋlɔ míaƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ ma me? Ele be míaɖee fia kɔtɛ be míexɔ Yesu, Mawu ƒe Alẽvi la, dzi se. (Yoh. 1:29) Ehiã be míatsɔ míaƒe agbe aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ. (1 Pet. 3:21) Eye ele be míaɖee afia be míele Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Míate ŋu awɔ esia ne míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.

19. Nu kae wòle be míawɔ fifia, eye nu ka tae?

19 Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míagaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔ si me tɔwo wɔa nuteƒe nɛ la dzi geɖe wu. Fifiae wòle be míakpe asi ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Ne míewɔe alea la, woaxɔ mí ɖe agbe ne Mawu Fiaɖuƒea va tsrɔ̃ dziehefia la kple anyiehefia la.

HADZIDZI 149 Aʋadziɖuɖu Ƒe Ha

^ mm. 5 Dziɖuɖu kae nye “dziehefia” la egbea, eye aleke wole etsrɔ̃ ge? Ne míenya biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo la, woate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse, eye esia akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖo ɖi na dodokpɔ siwo ava mía dzi kpuie.

^ mm. 12 Ne èdi numedzodzro tsitotsito ku ɖe Daniel 2:36-45 kple Nyaɖeɖefia 13:1, 2 ŋu la, kpɔ June 15, 2012, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 7-19.

^ mm. 15 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le May 15, 2015, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 27-28.