Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 23

“Wò Ŋkɔ Ŋuti Nakɔ”

“Wò Ŋkɔ Ŋuti Nakɔ”

“Oo Yehowa, wò ŋkɔ li ɖaa tegbee.”—PS. 135:13.

HADZIDZI 10 Kafu Yehowa, Mía Mawu La!

NYA VEVIAWO *

1-2. Nya kawoe le vevie na Yehowa Ðasefowo?

NYA vevi aɖe dze ŋgɔ mí egbea—eyae nye gome si le Mawu si be wòaɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi kple eƒe ŋkɔa ta ʋiʋli ƒe nya la. Mí Yehowa Ðasefowo míelɔ̃ nya vevi mawo me dzodzro. Gake ɖe vovototo aɖe le gome si le Mawu si be wòaɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi ƒe nyaa kple eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ domea? Ao.

2 Mí katã míeva kpɔe dze sii be ele vevie be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti. Míeva nyae hã be, ele be woaɖo kpe edzi be Yehowa ƒe dziɖulanyenye, alo ale si wòɖua eƒe nuwɔwɔwo dzii lae nye nyuitɔ kekeake. Nya eve mawo siaa le vevie ŋutɔ.

3. Nu kawoe Yehowa ƒe ŋkɔa lɔ ɖe eme?

3 Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe ŋkɔa lɔ nu sia nu si ku ɖe eya amea ŋu la ɖe eme, eku ɖe ale si wòɖua eƒe nuwɔwɔwo dzii ŋu. Eya ta ne míegblɔ be Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ nye nya vevi aɖe si gbɔ wòle be woakpɔ la, efia be míele gbɔgblɔm hã be ele vevie be woaɖo kpe edzi be ale si Yehowa ɖua eƒe nuwɔwɔwo dzii lae nye nyuitɔ kekeake. Esi wònye be Yehowa ye nye xexea me katã ƒe Dziɖulagã ta la, nu siwo katã eƒe ŋkɔa lɔ ɖe eme la do ƒome kplikplikpli kple ale si wòɖua eƒe nuwɔwɔwo dzii.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “ Nu Vovovo Siwo Nya Vevi Si Fɔ Ðe Te La Lɔ Ðe Eme.”

4. Nya kae Psalmo 135:13 gblɔ tso Mawu ƒe ŋkɔa ŋu, eye nyabiase kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

4 Ŋkɔ bubu aɖeke mesɔ kple Yehowa ƒe ŋkɔa o. (Xlẽ Psalmo 135:13.) Nu kae na Mawu ƒe ŋkɔa le etɔxɛ nenema gbegbe ɖo? Aleke wogblẽ eƒe ŋkɔa ŋui zi gbãtɔ? Aleke Mawu le eƒe ŋkɔa ŋuti kɔmee? Eye akpa kae míate ŋu awɔ be míaʋli Mawu ƒe ŋkɔa ta? Míadzro biabia mawo me le nyati sia me.

ALE SI GBEGBE MAWU ƑE ŊKƆA LE VEVIEE

5. Nya kae ame aɖewo ate ŋu abia wo ɖokui ne wose be ele be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti?

5 Mateo 6:9 gblɔ be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” Yesu gblɔ be nya mae nye nya vevitɔ siwo ŋu wòle be míado gbe ɖa le la dometɔ ɖeka. Gake nu kae Yesu ƒe nyawo fia? Be woakɔ nane ŋu fia be woana wòanɔ kɔkɔe, wòanɔ dzadzɛ, alo woana ɖiƒoƒo aɖeke naganɔ eŋu o. Gake ame aɖewo abia be ‘Ðe Yehowa ƒe ŋkɔa mele kɔkɔe hele dzadzɛ xoxo oa?’ Hafi míaɖo nya ma ŋu la, ele be míabu nu siwo ame ƒe ŋkɔ lɔ ɖe eme la ŋu gbã.

6. Nu kae nana asixɔxɔ nɔa ame ƒe ŋkɔ ŋu?

6 Ame ƒe ŋkɔ lɔ nu geɖe ɖe eme wu ŋkɔa ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ dzi alo eyɔyɔ dzro ko. De dzesii be Biblia gblɔ be: ‘Ŋkɔ nyui nyo wu kesinɔnu geɖe.’ (Lod. 22:1; Nyagb. 7:1) Nu ka tae asixɔxɔ le ame ƒe ŋkɔ ŋu nenema gbegbe ɖo? Nu si tae nye be, elɔ amea ƒe amenyenye, nɔnɔme siwo le esi, kple ale si wòwɔa nui, kpakple ale si ame bubuwo bunɛ siaa ɖe eme. Eya ta menye ale si woŋlɔa ame aɖe ƒe ŋkɔ alo ale si woyɔnɛ gɔ̃ hã ye nye nu si le vevie o, ke boŋ ne woyɔ amea ƒe ŋkɔ la, nu si vana amewo susu kple dzi me tso eŋu ye nye nu si le vevie wu.

7. Aleke amewo gblẽ Mawu ƒe ŋkɔ ŋui?

7 Ne amewo le alakpanyawo gblɔm tso Yehowa ŋu la, efia be wole ŋkɔ nyui si le esi la ŋu gblẽm. Esia nana amewo bua susu manyomanyowo tso Yehowa Mawu ŋu. Wotoa esia me bua fɔ Mawu eye woƒoa ɖi eƒe ŋkɔ. Eden-bɔa mee wogblẽ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu le zi gbãtɔ hegblɔ nya siwo mesɔ o tso eŋu. De ŋugble le nu si míesrɔ̃ tso nudzɔdzɔ ma me ŋu kpɔ.

ALE SI WOGBLẼ EƑE ŊKƆA ŊUI LE GƆMEDZEDZEA ME

8. Nu kawoe le nyanya na Adam kple Xawa, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

8 Adam kple Xawa nyae be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa, eye wonya nyateƒe vevi bubu siwo ku ɖe eyama ŋu hã. Wonyae be Eyae nye Wɔla la, Eyae na agbe wo, Eyae na woƒe aƒe nyui si nye Paradiso la wo, eye Eya kee na wozu srɔ̃tɔ siwo sɔ na wo nɔewo nyuie. (1 Mose 1:26-28; 2:18) Gake ɖe woayi edzi azã woƒe susu debliboa atsɔ anɔ ŋugble dem tso nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na wo la ŋua? Ðe woadze agbagba be yewoana lɔlɔ̃ si le yewo si na Yehowa la me nagasẽ ɖe edzia? Eye ɖe woakpɔ ŋudzedze ɖe eya amea ŋua? Nya mawo ƒe ŋuɖoɖowo va dze ƒãa esime Mawu ƒe futɔ va te wo kpɔ.

9. Le 1 Mose 2:16, 17 kpakple 3:1-5 ƒe nya nu la, nya kae Yehowa gblɔ na atsu kple asi gbãtɔa, eye aleke Satana trɔ gbo nyateƒenya la?

9 Xlẽ 1 Mose 2:16, 17 kple 3:1-5. Esi Satana na wòdze abe dae le nu ƒom ene la, ebia Xawa be: “Vavãe Mawu gblɔ be migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?” Esi wònye be Satana trɔ gbo nya si Mawu gblɔ esime wònɔ nya biam Xawa ta la, esia na Xawa va nɔ susu siwo mesɔ o la bum tso Mawu ŋu. Nya si koŋ Mawu gblɔ na wo ye nye be, woate ŋu aɖu ati ɖe sia ɖe ƒe tsetse faa, negbe ati ɖeka aɖe ƒe tsetse koe mele be woaɖu o. Ati vovovowo sɔ gbɔ ɖe abɔa me, siwo ƒe kutsetsewo Adam kple Xawa ate ŋu aɖu faa. (1 Mose 2:9) Ɛ̃, Yehowa ƒe dɔme nyo ale gbegbe. Gake Mawu de se na Adam kple Xawa be woagaɖu ati ɖeka aɖe ya ƒe tsetse o. Eya ta ale si Satana bia nya Xawae la trɔ gbo nyateƒea. Satana na wòdze abe ɖe Mawu le nane tem wo ene. Ðewohĩ Xawa anya bia eɖokui be, ‘Ðe Mawu medi be nu nyui aɖe nasu mía si oa?’

10. Aleke Satana gblẽ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu tẽe, eye nu kawoe va do tso eme?

10 Esime Satana bia nya Xawa la, Xawa gakpɔtɔ nye ame si ɖoa to Yehowa. Egbugbɔ gblɔ nya si Mawu gblɔ na wo la pɛpɛpɛ tsɔ ɖo nya ŋu na Satana. Egblɔ kpee be mele be yewoaka asi atia ŋu gɔ̃ hã o. Enya nuxlɔ̃amenya si Mawu gblɔ na wo la nyuie be, ne yewomeɖo to o la, yewoaku. Gake Satana ɖo eŋu nɛ be: “Miele kuku ge akpɔ o.” (1 Mose 3:2-4) Azɔ la, Satana tsi tsitre ɖe Mawu ŋu tẽe. Fifia ya, egblẽ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòto esia me le gbɔgblɔm na Xawa be Yehowa nye alakpatɔ. Esia wɔe be Satana va zu Abosam, alo ameŋugblẽla. Satana ble Xawa vevie, eye Xawa xɔ edzi se. (1 Tim. 2:14) Xawa va ka ɖe eyama dzi wu Yehowa. Eya ta Xawa va wɔ nyametsotso gbegblẽtɔ kekeake. Etso nya me be yemaɖo to Yehowa ƒe gbe o. Eɖu ati si Yehowa de se nɛ be megaɖu o la ƒe tsetse. Eyome, ena ɖe Adam hã wòɖu.—1 Mose 3:6.

11. Nu kae wòle be mía dzila gbãtɔwo nawɔ hafi, gake nu kae womewɔ o?

11 Wò ya bu eŋu kpɔ: Nya kae wòle be Xawa nagblɔ na Satana hafi? Tsɔe be Xawa gblɔ nya siawo tɔgbi na Satana be: “Nyemanya wò o, gake menya Fofonye Yehowa ya, melɔ̃e, eye meka ɖe edzi. Nu sia nu si le mía si la, eyae na mí. Mɔ kae nèkpɔ agblɔ nya siwo mesɔ o tso Yehowa ŋu? Te ɖa le gbɔnye!” Dzi adzɔ Yehowa ale gbegbe ne ɖe vianyɔnu lɔlɔ̃a gblɔ nya mawo na Satana! (Lod. 27:11) Gake Xawa melɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me o; Adam hã melɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me o. Le esia ta la, Adam kple Xawa mete ŋu ʋli wo Fofo ƒe ŋkɔa ta o.

12. Aleke Satana ƒã ɖikeke ɖe Xawa ƒe susu me, eye nu kae Adam kple Xawa mete ŋu wɔ o?

12 Abe ale si míede dzesii va yi ene la, Satana gblẽ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu zi gbãtɔ esime wòdze agbagba na Xawa ke ɖi nenye be Yehowa nye Fofo nyui. Adam kple Xawa mete ŋu ʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta esime Satana gblɔ alakpanya vɔ̃ɖiwo tso Yehowa ŋu o. Esia wɔe be woxɔ Satana ƒe nyawo dzi se eye wodze aglã ɖe wo Fofo ŋu. Ayemɔ mawo ke koe Satana zãna egbea. Etoa alakpanyawo dzi gblẽa Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Eye enɔa bɔbɔe na ame siwo xɔ Satana ƒe alakpanyawo dzi se be woagbe Yehowa ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea.

YEHOWA LE EƑE ŊKƆA ŊUTI KƆM

13. Aleke Ezekiel 36:23 te gbe ɖe gbedeasi vevitɔ si le Biblia me dzi?

13 Ðe Yehowa zi kpi eye mewɔ naneke tso alakpanya siwo Satana gblɔ tso eŋu la ŋu oa? Ao, mezi kpi o! Yehowa ɖe afɔ tsɔ ɖee fia be alakpanya siwo wogblɔ ɖe ye ŋu le Eden-bɔa me la menye nyateƒe o. Míekpɔ esia ƒe kpeɖodzi vovovowo le Biblia bliboa me. (1 Mose 3:15) Le nyateƒe me la, míate ŋu agblɔ nya vevi si ŋu Biblia bliboa ƒo nu tsoe la kpuie ko ale: Eyae nye ale si Yehowa ato Mawu Fiaɖuƒe si le Via, Yesu Kristo, si me la dzi akɔ eƒe ŋkɔa ŋuti ahana dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe anyigba dzi. Nya vovovowo le Biblia me siwo kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si Yehowa le eƒe ŋkɔa ŋuti kɔmee.—Xlẽ Ezekiel 36:23.

14. Ale si Yehowa kpɔ aglãdzedze si do mo ɖa le Eden-bɔa me gbɔ la kɔ eƒe ŋkɔa ŋuti. Le mɔ ka nu?

14 Satana wɔ nu sia nu si wòate ŋui be Yehowa ƒe tameɖoɖo nagava eme o. Gake edo kpo nu kura. Biblia me nuŋlɔɖiwo ɖe ale si Yehowa wɔ nui la fia, eye woɖo kpe edzi be ame aɖeke mesɔ kple Yehowa Mawu o. Enye nyateƒe be Satana kple ame siwo katã va le eƒe akpa dzi ƒe nuwɔnawo do nuxaxa na Yehowa ya. (Ps. 78:40) Ke hã, ale si Yehowa kpɔ alakpanya siwo wogblɔ ɖe eŋu gbɔ la ɖe eƒe nunya, dzigbɔɖi, kple dzɔdzɔenyenye fia. Eɖee fia le mɔ geɖewo nu be yee nye Ŋusẽkatãtɔ la. Eye ƒo wo katã ta la, eƒe lɔlɔ̃ ɖea dzesi le nu sia nu si wòwɔna me. (1 Yoh. 4:8) Yehowa le dɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe be yeakɔ yeƒe ŋkɔa ŋuti.

Satana gblɔ alakpanyawo tso Yehowa ŋu na Xawa, eye ƒe alafa geɖewoe nye esia wògakpɔtɔ le Mawu ŋu gblẽm (Kpɔ memama 9-10, 15 lia) *

15. Aleke Satana le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu gblẽm egbea, eye nu kae dona tso eme?

15 Satana gakpɔtɔ le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu gblẽm egbea. Eflua amewo wova kea ɖi be Mawu nye ŋusẽtɔ, dzɔdzɔetɔ, nunyala kple ame si lɔ̃a ame. Le kpɔɖeŋu me, Satana dzea agbagba be yeana amewo naxɔe ase be menye Yehowa ye wɔ nuwo o. Eye ne amewo xɔe se be Mawu li la, Satana dzea agbagba be yeana amewo naxɔe ase be Mawu ƒe nya me sẽ eye eƒe sewo le kpaɖii. Enana amewo xɔnɛ sena gɔ̃ hã be Yehowa nye Mawu si mesea veve ɖe ame nu o, si ƒe tagbɔ sẽ, si wɔa fua amewo le dzo mavɔ me. Ne amewo nya xɔ alakpanya mawo dzi se ko la, etea ŋu nɔa bɔbɔe na wo be woagbe Yehowa ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea. Satana madzudzɔ Yehowa ŋu gbegblẽ o, eye madzudzɔ agbagbadzedze be yeana wò hã nàtsi tsitre ɖe Yehowa ŋu o, negbe ɖe Yehowa va tsrɔ̃e mlɔeba. Ðe eƒe asi asu dziwòa?

ALE SI NYA VEVI SI FƆ ÐE TE LA KA MÍ

16. Aleke nàte ŋu awɔ nu si Adam kple Xawa mete ŋu wɔ o?

16 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ amegbetɔ madeblibowo be woawɔ akpa aɖe le yeƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ me. Nya lae nye be, àte ŋu awɔ nu si Adam kple Xawa mete ŋu wɔ o. Enye nyateƒe be míele xexe aɖe si me ame akpa gãtɔ gblẽa Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu le me. Gake mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta ahagblɔ nyateƒea tso eŋu be, enye Mawu si le kɔkɔe, dzɔdzɔe, elɔ̃a nu nyui, eye wòlɔ̃ ame hã. (Yes. 29:23) Àte ŋu anɔ eƒe dziɖuɖua ƒe akpa dzi. Àte ŋu akpe ɖe amewo ŋu woava nyae be Yehowa ƒe dziɖuɖu ɖeka hɔ̃ koe le dzɔdzɔe, eye Yehowa ɖeɖe koe ana nuwɔwɔwo katã nava nɔ ŋutifafa kple dzidzɔ me.—Ps. 37:9, 37; 146:5, 6, 10.

17. Aleke Yesu na wonya Fofoa ƒe ŋkɔ?

17 Ne míeʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta la, efia be míele Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m. (Yoh. 17:26) Menye ɖeko Yesu zã Fofoa ƒe ŋkɔa tsɔ na amewo nya ŋkɔa ko evɔ o, ke efia ame si tututu Yehowa nye hã wo. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ƒo nu tsi tsitre ɖe Farisitɔwo ŋu, elabena woto mɔ vovovowo dzi na Yehowa dze abe enye ame si ƒe nya me sẽ, si ƒe sewo le kpaɖii, kple ame si womate ŋu adze xɔlɔ̃e o, si mekpɔa nublanui na ame o ene. Yesu kpe ɖe amewo ŋu wova kpɔe be ye Fofo nye ame si sea nu gɔme, egbɔa dzi ɖi, elɔ̃a ame, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena hã. Eto eƒe agbenɔnɔ me ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo fia pɛpɛpɛ, eye wòto esia me na amewo nya ame si tututu Yehowa nye.—Yoh. 14:9.

18. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be alakpanya siwo amewo gblɔna tso Yehowa ŋu la menye nyateƒe o?

18 Míawo hã míate ŋu afia nu amewo be Yehowa nye Mawu si lɔ̃a ame eye wònyoa dɔme abe ale si ko Yesu wɔe ene. Ne míewɔe alea la, ekema míele Yehowa ƒe ŋkɔa ta ʋlim. Míetoa esia me kɔa Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu, eye míenana amewo va kpɔnɛ dzea sii be eƒe ŋkɔa le kɔkɔe. Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiawo. Míate ŋu awɔ esia togbɔ be míede blibo o hã. (Ef. 5:1, 2) Ne míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo nana amewo kpɔa ame si tututu Yehowa nye dze sii la, ekema míele Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔm. Azɔ hã, míeʋlia Yehowa ƒe ŋkɔa ta ne míekpena ɖe amewo ŋu wova nyaa nyateƒe si ku ɖe eyama ŋu. Eye míeɖoa kpe edzi hã be amegbetɔ madeblibowo ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu. *Hiob 27:5.

Míedi be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woava nya Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo (Kpɔ memama 18-19 lia) *

19. Aleke Yesaya 63:7 kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu vevitɔ ne míele nu fiam amewo?

19 Nu bubu aɖe hã li míate ŋu awɔ atsɔ akɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Ne míele Biblia me nyateƒea fiam amewo la, zi geɖe la, míetea gbe ɖe edzi be gome le Yehowa si be wòaɖu xexea me katã dzi, eye esia sɔ. Ke hã, togbɔ be ele vevie be míafia Mawu ƒe sewo amewo hã la, míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míakpe ɖe wo ŋu woava lɔ̃ mía Fofo Yehowa eye woawɔ nuteƒe nɛ. Eya ta ehiã be míahe woƒe susu ayi Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo dzi ahana woakpɔ ame si tututu Yehowa nye la adze sii. (Xlẽ Yesaya 63:7.) Ne míefiaa nu amewo alea la, míakpe ɖe wo ŋu be woava lɔ̃ Yehowa ahaɖo toe le esi wodi be yewoawɔ nuteƒe nɛ ta.

20. Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Gake aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míaƒe agbenɔnɔ kple ale si míefiaa nui nakpe ɖe amewo ŋu be, ne wonya se Yehowa ƒe ŋkɔ ko la, susu nyui nanɔ wo si ɖe eyama ŋu eye woadi be yewoanyae nyuie? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 2 Ŋkɔwòe Nye Yehowa

^ mm. 5 Nya kae le vevie na amegbetɔwo kple mawudɔlawo siaa? Nu ka tae nya ma le vevie ŋutɔ, eye aleke nya ma ka míi? Ne míese biabia mawo kple bubu siwo do ƒome kpli wo gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míana ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome nagasẽ ɖe edzi.

^ mm. 18 Ɣeaɖewoɣi va yi la, míegblɔ le míaƒe agbalẽwo me be mele be míanɔ gbɔgblɔm be ehiã be woaʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta o. Nu ka tae? Míeɖe eme be ame aɖeke megblɔ be Mawu mekpɔ mɔ atsɔ ŋkɔ Yehowa o. Gake numekɔkɔ yeye aɖe va su mía si ku ɖe nya sia ŋu le habɔbɔa ƒe ƒe sia ƒe ƒe takpekpe si wowɔ le ƒe 2017 me la me. Takpekpea ƒe zimenɔla gblɔ be: “Kpuie ko la, megblẽ be míado gbe ɖa be woaʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta o, elabena ehiã godoo be woaʋli ŋkɔ nyui si le esi la ta.”—Kpɔ January 2018 JW Nyakakadɔwɔƒe ƒe wɔnaa le jw.org®. Àkpɔe le AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO > JW NYAKAKADƆWƆƑE.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Abosam gblẽ Mawu ŋu esi wògblɔ na Xawa be Mawu nye alakpatɔ. Ƒe alafa geɖe megbe la, Satana va do alakpanufiafia aɖewo ɖe ŋgɔ. Wo dometɔ aɖewoe nye nufiafia si nye be Mawu wɔa fu amewo le dzo mavɔ me, kple esi nye be, lãwo mee amegbetɔwo dzɔ tso, ke menye Mawu ye wɔ wo o.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME. Esi nɔviŋutsu aɖe le nu srɔ̃m kple eƒe Biblia nusrɔ̃vi la, ele nu ƒom tso Mawu ƒe nɔnɔme nyuiawo kple ame si tututu wònye la ŋu nɛ.