Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuidziɖuɖu—Enye Nɔnɔme Nyui Si Hiã Be Míaƒe Nu Nadze Yehowa Ŋu

Ðokuidziɖuɖu—Enye Nɔnɔme Nyui Si Hiã Be Míaƒe Nu Nadze Yehowa Ŋu

“Esi nɔgãnye ƒe vi kpe dzre nam la, medze ve dzi nɛ hemiae sesĩe. Medi be mawui.”—Paul.

“Le aƒe me la, nu suetɔ kekeake nana medoa dziku vevie. Megbãa kplɔ̃wo, zikpuiwo, fefenuwo—nu sia nu si dzi nye asi nya dze ko.”—Marco.

Ðewohĩ, míawo ya míawɔ nu mawo gbegbe o. Ke hã, esesẽna na mí katã ɣeaɖewoɣi be míaɖu mía ɖokui dzi. Nu si koŋ tae nye be, míenyi nu vɔ̃ dome tso ame gbãtɔ Adam gbɔ. (Rom. 5:12) Abe Paul kple Marco ene la, esesẽna na ame aɖewo be woaɖu woƒe dziku dzi. Ame bubuwo hã metea ŋu ɖua woƒe tamesusuwo dzi o. Nu siwo doa ŋɔdzi na wo alo nu siwo ɖea dzi le wo ƒo la ŋu koe wobuna atraɖii. Le ame aɖewo hã gome la, esesẽna na wo be woaɖu wo ɖokui dzi be woagaƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu, aha tsu nono, alo atike muame zazã me o.

Ame siwo metea ŋu ɖua woƒe nuŋububu, dzodzrowo kple woƒe nuwɔnawo dzi o la ate ŋu agblẽ woƒe agbe dome. Gake míate ŋu akpɔ egbɔ be nu ma nagadzɔ ɖe mía dzi o. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Míate ŋu awɔ esia ne míesrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Na míadzro nyabiase etɔ̃ siwo gbɔna me be woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míate ŋu awɔ esia: (1) Nu kae nye ɖokuidziɖuɖu? (2) Nu ka tae nɔnɔme nyui sia le vevie ŋutɔ? (3) Aleke míate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyui sia si nye Mawu ƒe ‘gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea’ ƒe akpa aɖe? (Gal. 5:22, 23) Eyome, míadzro nu siwo míawo ŋutɔwo míate ŋu awɔ ne eva dzɔ be míete ŋu ɖu mía ɖokui dzi ɣeaɖewoɣi o la me.

NU KAE NYE ÐOKUIDZIÐUÐU?

Ame si ɖua eɖokui dzi la mewɔna ɖe eƒe didi kple seselelãme ɖe sia ɖe ko dzi o. Ke boŋ, eléa eɖokui be yemagblɔ nya alo awɔ nu siwo medzea Mawu ŋu o.

Edze ƒãa be Yesu ɖu eɖokui dzi

Yesu ɖe nu si wòbia be ame naɖu eɖokui dzi fia mí. Biblia gblɔ be: “Esi wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o. Esi wòle fu kpem la, medo ŋɔdzi na ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na Ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.” (1 Pet. 2:23) Esime Yesu nɔ fuwɔametia ŋu eye tsitretsiɖeŋulawo nɔ fewu ɖum le eŋu la, eɖu eɖokui dzi. (Mat. 27:39-44) Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, Yesu ɖe ɖokuidziɖuɖu ɖedzesi aɖe fia esime subɔsubɔhakplɔlawo va nɔ nya geɖewo biamee ne wòagblɔ nya aɖe si mesɔ o. (Mat. 22:15-22) Azɔ hã, esi Yudatɔ aɖewo do dziku eye wofɔ kpewo be yewoaƒu Yesu la, Yesu ɖu eɖokui dzi! Mewɔ wɔɖenui o, ke boŋ ‘esi bè, eye wòdo go le gbedoxɔa me.’—Yoh. 8:57-59.

Ðe míawo hã míate ŋu aɖu mía ɖokui dzi abe ale si Yesu wɔe enea? Ɛ̃, míate ŋui. Apostolo Petro ŋlɔ bena: ‘Kristo kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’ (1 Pet. 2:21) Togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu asrɔ̃ Yesu le ale si wòɖu eɖokui dzii me pɛpɛpɛ. Nu ka tae esia le vevie?

NU KA TAE ÐOKUIDZIÐUÐU LE VEVIE?

Míehiã ɖokuidziɖuɖu be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. Míeɖale Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia o, ne míeɖua mía ɖokui dzi le nya siwo míegblɔna kple nu siwo míewɔna me o la, esia ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kplii dome la me.

Bu Mose, si nye ame si Biblia ɖɔ be enye “ame si fa wu ame siwo katã le anyigba dzi” ɣemaɣi la ŋu kpɔ. (4 Mose 12:3) Mose te ŋu do dzi nɔ te ɖe Israel-viwo ƒe nyatoƒoetoto nu ƒe geɖe, gake eva dzɔ gbe ɖeka be mete ŋu ɖu eɖokui dzi o. Edo dziku esime Israel-viwo ganɔ nyatoƒoe tom be tsi mele yewo si yewoano o. Eƒo nu na wo dzikutɔe be: “Mi aglãdzelawo, misee! Ðe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?”—4 Mose 20:2-11.

Mose mete ŋu ɖu eɖokui dzi o. Mose metsɔ kafukafua na Yehowa be eyae na tsia do nukutɔe o. (Ps. 106:32, 33) Le esia ta la, Yehowa mena wòyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (4 Mose 20:12) Le Mose ƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me la, anɔ eme be ete ɖe edzi be yemete ŋu ɖu ye ɖokui dzi ɣemaɣi o.—5 Mose 3:23-27.

Nufiame kae le eme na mí? Ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míele Yehowa subɔm gɔ̃ hã la, mele be míaƒo nu na ame siwo do dziku na mí alo ame si wòahiã be míaɖɔ ɖo la amemabumabutɔe o. (Ef. 4:32; Kol. 3:12) Ele eme be, ne míele tsitsim la, esesẽna na mí be míagbɔ dzi ɖi ɣeaɖewoɣi. Gake ɖo ŋku Mose dzi. Míadi gbeɖe be míagblẽ ŋkɔ nyui si le mía si le Yehowa gbɔ le esi míete ŋu ɖu mía ɖokui dzi o ta o. Nu kae míate ŋu awɔ be míatu nɔnɔme nyui sia ɖo?

ALE SI MÍAWƆ ATU ÐOKUIDZIÐUÐU ÐO

Do gbe ɖa na Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ɖokuidziɖuɖu nye Yehowa Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe, eye enaa ame siwo bianɛ. (Luka 11:13) Yehowa ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea atsɔ akpe ɖe mía ŋu be míaɖu mía ɖokui dzi. (Flp. 4:13) Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míatu gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa bubuawo, siwo dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃ hã ɖo, eye esiae akpe ɖe mía ŋu be wòanɔ bɔbɔe na mí be míaɖu mía ɖokui dzi.—1 Kor. 13:5.

Ƒo asa na nu sia nu si ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàɖu ɖokuiwò dzi

Ƒo asa na nu sia nu si ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàɖu ɖokuiwò dzi. Le kpɔɖeŋu me, ƒo asa na Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe siwo mesɔ o kple modzakaɖeɖe siwo me woɖea agbenɔnɔ kple nuwɔna gbegblẽwo le. (Ef. 5:3, 4) Le nyateƒe me la, ele be míaƒo asa na nu sia nu si akplɔ mí ade nu gbegblẽ wɔwɔ me. (Lod. 22:3; 1 Kor. 6:12) Le kpɔɖeŋu me, ne esesẽna na wò be nàɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ siwo vaa susu me na wò dzi la, ke anyo be nàƒo asa na lɔlɔ̃ŋutinyawo xexlẽ kple film siwo me woɖea lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔnawo le la keŋkeŋ.

Ðewohĩ ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Ke hã, ne míeku kutri le esia wɔwɔ me la, Yehowa ana mí ŋusẽ si míehiã be míate ŋu aɖu mía ɖokui dzi la mí. (2 Pet. 1:5-8) Akpe ɖe mía ŋu be míaɖu míaƒe nuŋububu, nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi. Yehowa kpe ɖe Paul kple Marco, siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la ŋu wote ŋu ɖu woƒe dziku dzi, eye esia nye kpeɖodzi be Yehowa akpe ɖe míawo hã ŋu be míaɖu mía ɖokui dzi. Azɔ hã, bu nɔviŋutsu aɖe si kua ʋu si doa dziku ɖe ʋukula bubuwo ŋu enuenu le mɔ dzi hewɔa dzre kpli wo ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la ŋu kpɔ. Nu kae wòwɔ tso eƒe nɔnɔmea ŋu? Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa vevie gbe sia gbe. Mesrɔ̃ nyati siwo ƒo nu tso ɖokuidziɖuɖu ŋu eye melé mawunyakpukpui siwo akpe ɖe ŋunye la ɖe susu me. Togbɔ be ƒe geɖee nye esia mele esia wɔwɔ dzi gɔ̃ hã la, megakpɔtɔ ɖoa ŋku edzi na ɖokuinye gbe sia gbe be ele be mayi edzi aɖu ɖokuinye dzi, eye esia ɖea vi nam. Fifia, ne meyina teƒe aɖe la, medzea mɔ kaba ale be nyemagatsi dzi le mɔa dzi o.”

NE EVA DZƆ BE MÍETE ŊU ÐU MÍA ÐOKUI DZI O

Ɣeaɖewoɣi la, edzɔna be míetea ŋu ɖua mía ɖokui dzi o. Ne edzɔ alea la, etena ɖe mía dzi ale gbegbe be esesẽna na mí be míado gbe ɖa na Yehowa. Gake ɣemaɣi koŋue wòhiã vevie be míado gbe ɖa na Yehowa. Eya ta ne edzɔ be mète ŋu ɖu ɖokuiwò dzi o la, do gbe ɖa na Yehowa enumake. Ðe kuku na Yehowa be wòatsɔe ake wò, bia eƒe kpekpeɖeŋu, eye nàɖoe kplikpaa be yemagawɔ vodada ma ake o. (Ps. 51:9-11) Mègabui be Yehowa maɖo to gbe si nèdo ɖa tso dzi me be wòatsɔe ake wò la o. (Ps. 102:17) Apostolo Yohanes ɖo ŋku edzi na mí be Mawu ƒe Vi Yesu ƒe ʋu “klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.” (1 Yoh. 1:7; 2:1; Ps. 86:5) Ðo ŋku edzi be Yehowa bia tso esubɔlawo si be woayi edzi atsɔ anɔ wo nɔewo kem. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be atsɔe ake mí.—Mat. 18:21, 22; Kol. 3:13.

Esi wòva dzɔ be Mose mete ŋu ɖu eɖokui dzi le gbea dzi o la, Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Gake Yehowa tsɔe kee. Eye Mawu ƒe Nyaa gblɔ tso Mose ŋu be enye ame si ɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖi na mí si wòle be míasrɔ̃. (5 Mose 34:10; Heb. 11:24-28) Togbɔ be Yehowa mena Mose yi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi o hã la, Yehowa afɔ Mose ɖe tsitre wòava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. Míawo hã míate ŋu ava nɔ agbe tegbee ne míeyi edzi ku kutri vevie tu nɔnɔme nyui si nye ɖokuidziɖuɖu ɖo.—1 Kor. 9:25.