Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 27

Mègabu Ðokuiwò Ŋu Wu Ale Si Dze O

Mègabu Ðokuiwò Ŋu Wu Ale Si Dze O

“Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o, ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu.”—ROM. 12:3.

HADZIDZI 130 Lɔ̃ Tsɔtsɔke

NYA VEVIAWO *

1. Aɖaŋuɖoɖo kae le Filipitɔwo 2:3, eye aleke edzi wɔwɔ aɖe vi na míi?

MÍEBƆBƆA mía ɖokui wɔa Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi, elabena míenyae be Yehowa ye nya nu siwo nyo na mí. (Ef. 4:22-24) Ðokuibɔbɔ nana míekpɔnɛ be nu siwo Yehowa di tso mía si la le vevie wu míawo ŋutɔwo míaƒe didiwo eye be ame bubuwo nye gã wu mí. Esia wɔnɛ be ƒomedodo nyui nɔa mí kple Yehowa kpakple míaƒe haxɔsetɔwo hã dome.—Xlẽ Filipitɔwo 2:3.

2. Nu ka dzie Paulo lɔ̃ ɖo, eye nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Ne míekpɔ nyuie o la, dada kple ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme siwo xɔ aƒe ɖe Satana ƒe xexea me la ate ŋu ava kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. * Anɔ eme be esia nye kuxi na ame aɖewo le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli, elabena apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo be: “Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o, ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu.” (Rom. 12:3) Paulo lɔ̃ ɖe edzi be ele be míabu mía ɖokuiwo ŋu va se ɖe afi aɖe. Gake ɖokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu be míagabu mía ɖokui ŋu wu ale si dze o. Le nyati sia me la, míadzro go etɔ̃ siwo me ɖokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu be míagabu mía ɖokui ŋu wu ale si dze o la me. Esiawoe nye (1) le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me, (2) ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo su mía si kple (3) ale si míezãa Internet dzi hahoo kadoƒewo.

ÐE ÐOKUIBƆBƆ FIA LE WÒ SRƆ̃ÐEÐE ME

3. Nu ka tae masɔmasɔwo tea ŋu doa mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me, eye nu kae ame aɖewo dina be yewoawɔ atsɔ akpɔ wo gbɔ?

3 Yehowa di be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nakpɔ dzidzɔ ɖekae le woƒe srɔ̃ɖeɖe me. Ke hã ame aɖeke mede blibo o, eya ta masɔmasɔwo ate ŋu ado mo ɖa. Le nyateƒe me la, Paulo ŋlɔ bena ame siwo ɖe srɔ̃ la akpɔ xaxa aɖewo. (1 Kor. 7:28) Atsu kple asi aɖewo va nɔa dzre wɔm enuenu, eye esia ate ŋu ana woaƒo nya ta be yewomesɔ na yewo nɔewo o. Ne xexea ƒe nuŋububu kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, woasusui be srɔ̃gbegbe ye akpɔ nyaa gbɔ. Woava nɔ sesem le wo ɖokui me be nu si ana yewoakpɔ dzidzɔ koe nye be yewoagbe yewo nɔewo.

4. Aleke mele be míanɔ sesem le mía ɖokui me o?

4 Mele be míanɔ sesem le mía ɖokui me be míaƒe srɔ̃ɖeɖea ti mí o. Míenyae be gbɔdɔdɔ manɔsenu dzi koe ame ate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃a le Ŋɔŋlɔawo nu. (Mat. 5:32) Eya ta ne míeva le go dom xaxa siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe la, mele be míaɖe mɔ dada nawɔe be míava nɔ mía ɖokui biam be: ‘Viɖe ka kpɔm mele tso srɔ̃ɖeɖe sia me? Ðe srɔ̃nye lɔ̃m abe ale si medi be wòalɔ̃m enea? Ðe nyemakpɔ dzidzɔ wu ne meɖe ame bubu oa?’ Nuwo ŋu bubu alea afia be mía ɖokui ŋu ko bum míele, ke menye mía srɔ̃ o. Ame siwo le xexea me la agblɔ na wò be nàɖo to wò dzi, eye nàwɔ nu si ana nàkpɔ dzidzɔ, ne esia abia be nàgbe srɔ̃wò gɔ̃ hã. Gake Mawu ƒe Nyaa ya gblɔ be ‘mèganɔ wò ŋutɔ wò nyonyo ko dim o, ke nàdi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’ (Flp. 2:4) Yehowa ƒe didie nye be esi mienya ɖe srɔ̃ ko la, nàyi edzi anɔ srɔ̃wò gbɔ, ke menye be nàgbee o. (Mat. 19:6) Yehowa di be nàtsɔ yeƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ aɖo ŋgɔ na wò ŋutɔ wò didiwo.

5. Le Efesotɔwo 5:33 ƒe nya nu la, aleke wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu?

5 Ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nalɔ̃ wo nɔewo eye woade bubu wo nɔewo ŋu. (Xlẽ Efesotɔwo 5:33.) Biblia fia mí be míalɔ̃ nunana wu nuxɔxɔ. (Dɔw. 20:35) Nɔnɔme kae akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woalɔ̃ wo nɔewo eye woade bubu wo nɔewo ŋu? Ðokuibɔbɔ ye. Srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si bɔbɔa eɖokui la madi “eya ŋutɔ ƒe nyonyo” o, ke boŋ adi srɔ̃a tɔ.—1 Kor. 10:24.

Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo la akpe ɖe wo nɔewo ŋu, ke menye be woanɔ dzre wɔm o (Kpɔ memama 6 lia)

6. Nu kae míesrɔ̃ tso nya siwo Steven kple Stephanie gblɔ la me?

6 Ðokuibɔbɔ kpe ɖe srɔ̃tɔ Kristotɔ geɖewo ŋu wole dzidzɔ geɖe wu kpɔm le woƒe srɔ̃ɖeɖe me. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Steven gblɔ be: “Ele be wò kple srɔ̃wò miawɔ nu aduadu, vevietɔ ne kuxiwo do mo ɖa. Esia awɔe be le esi nànɔ ɖokuiwò biam be, ‘vi kae esia aɖe nam?’ teƒe la, àbia boŋ be ‘nu kae ade mía dzi wu?’” Srɔ̃a Stephanie hã ƒe susu wɔ ɖeka kple etɔ. Egblɔ be: “Ame aɖeke medina be yeanɔ ame aɖe si nɔa nya hem kpli ye edziedzi la gbɔ o. Ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa la, míedzea agbagba be míanya nu si gbɔ kuxia tso. Eyome míedoa gbe ɖa, kua nu me eye míeƒoa nu tso ale si míakpɔ egbɔe la ŋu. Míedzea agbagba be míaɖɔ kuxia ɖo, ke menye be míawɔ dzre kple mía nɔewo o.” Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo mebua wo ɖokuiwo ŋu wu ale si dze o la, viɖe geɖe dona tso eme na wo vavã.

SUBƆ YEHOWA LE ‘ÐOKUIBƆBƆ BLIBO ME’

7. Ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe su nɔviŋutsu aɖe si la, nɔnɔme kae wòle be wòaɖe afia?

7 Míebua akpa ɖe sia ɖe si wɔm míele le Yehowa subɔsubɔ me la be enye mɔnukpɔkpɔ si su mía si. (Ps. 27:4; 84:10) Ne nɔviŋutsu aɖe lɔ̃ faa be yeawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me la, edze na kafukafu. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Ne ŋutsu aɖe le dzikpɔladɔ minyam la, ele dɔ nyui minyam.” (1 Tim. 3:1) Gake ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe su esi la, mele be wòabu eɖokui ŋu wu ale si dze o. (Luka 17:7-10) Ele be wòanye eƒe taɖodzinu be yeasubɔ ame bubuwo ɖokuibɔbɔtɔe.—2 Kor. 12:15.

8. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Diotrefo, Uziya kple Absalom ƒe ŋutinyawo me?

8 Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋuwo le Biblia me ku ɖe ame siwo bu wo ɖokuiwo ŋu wu ale si dze la ŋu. Diotrefo si mebɔbɔa eɖokui o la dina be yeanɔ “nɔƒe gbãtɔ” le hamea me. (3 Yoh. 9) Uziya do eɖokui ɖe dzi eye wòte kpɔ be yeawɔ dɔ aɖe si Yehowa mede esi be wòawɔ o. (2 Kron. 26:16-21) Absalom di be yeazu fia, eya ta ewɔ nu ayetɔe abe ɖe wòlɔ̃ dukɔa me viwo ene ale be woade ye dzi. (2 Sam. 15:2-6) Abe ale si wòdze kɔtɛ le Biblia ŋutinya mawo me ene la, Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo dina be yewoadi bubu na yewo ɖokuiwo la ŋu o. (Lod. 25:27) Mlɔeba, gbegblẽ koe va dona tsoa eme na dadalawo kple ame siwo dia nɔƒe gã.—Lod. 16:18.

9. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí?

9 Yesu ya mewɔ nu abe dadala mawo ene o. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be, “togbɔ be enɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la, mebui kpɔ be yeaʋli ɖoƒe be ye kple Mawu yewoasɔ o.” (Flp. 2:6) Le Yehowa megbe la, Yesu ko sie ŋusẽ le wu ame bubu ɖe sia ɖe. Gake mebu eɖokui ŋu wu ale si dze o. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame si wɔa eɖokui suetɔ le mi katã mia dome lae nye gãtɔ.” (Luka 9:48) Yayra ka gbegbee nye esi wònye be míesubɔna ɖekae kple mɔɖelawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔlawo, siwo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua hebɔbɔa wo ɖokui! Ne míebɔbɔ mía ɖokui la, míeɖea lɔlɔ̃ fiaa mía nɔewo geɖe wu, eye Yesu gblɔ be lɔlɔ̃e aɖe dzesi le Mawu subɔla vavãwo ŋu.—Yoh. 13:35.

10. Nu kae wòle be nàwɔ ne èse le ɖokuiwò me be hamemetsitsiwo mele kuxi siwo le hamea me la gbɔ kpɔm nyuie o?

10 Ke ne èse le ɖokuiwò me be kuxiwo le hamea me evɔ hamemetsitsiwo mele wo gbɔ kpɔm nyuie o ya ɖe? Le esi nànɔ nyatoƒoe tom teƒe la, àte ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ afia ne èkpe asi ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me ŋu. (Heb. 13:17) Be nàte ŋu awɔ esia la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nu siwo kpɔm mele la nye kuxi gã nenema gbegbe si tae wòle be woaɖɔ wo ɖoa? Fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si woaɖɔ wo ɖoa? Nye dɔe wònye be maɖɔ wo ɖoa? Le nyateƒe me la, ɖe mele agbagba dzem be mado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔa, alo ɖe mele bubu dim na ɖokuinye?’

Ele be ɖokuibɔbɔ naɖe dzesi le ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo la ŋu, ke menye woƒe ŋutetewo ko o (Kpɔ memama 11 lia) *

11. Le Efesotɔwo 4:2, 3 ƒe nya nu la, nu kawoe dona tso eme ne míesubɔa Yehowa le ɖokuibɔbɔ me?

11 Míaƒe ɖokuibɔbɔ le vevie na Yehowa wu míaƒe ŋutetewo, eye míaƒe ɖekawɔwɔ le vevie nɛ wu be míawɔ dɔ geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Le esia ta, wɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe be nàsubɔ Yehowa le ɖokuibɔbɔ me. Esia wɔwɔ ana nàdo ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me. (Xlẽ Efesotɔwo 4:2, 3.) Wɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Di mɔ siwo dzi nàto akpe ɖe amewo ŋu ahawɔ nyui na wo. Wɔ amedzro na ame ɖe sia ɖe ƒomevi, ame siwo mele agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me o hã le eme. (Mat. 6:1-4; Luka 14:12-14) Ne èbɔbɔa ɖokuiwò hewɔa nu aduadu kple hamea me tɔwo la, menye wò ŋutetewo koe amewo ade dzesii o, ke boŋ woade dzesi wò ɖokuibɔbɔ hã.

ÐE ÐOKUIBƆBƆ FIA NE ÈLE INTERNET DZI HAHOO KADODOWO ZÃM

12. Ðe Biblia de dzi ƒo na mí be míadze xɔlɔ̃woa? Ðe eme.

12 Yehowa di be míase vivi na hadede kple mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo. (Ps. 133:1) Xɔlɔ̃ nyuiwo nɔ Yesu si. (Yoh. 15:15) Biblia gblɔ viɖe siwo míekpɔna ne xɔlɔ̃ nyuiwo le mía si. (Lod. 17:17; 18:24) Eye Biblia na míenya be menyo be míaɖe mía ɖokui ɖe aga o. (Lod. 18:1) Ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me be Internet dzi hahoo kadodowo nye mɔ aɖe si dzi yewoato adze xɔlɔ̃ geɖewo ale be yewomagatsi akogo o. Ke hã, ele be míaɖɔ ŋu ɖo le kadodo ƒe mɔnu sia ƒomevi ŋu.

13. Nu ka tae ame siwo wɔa Internet dzi hahoo kadodowo ŋu dɔ la dometɔ aɖewo léa blanui hetsia akogo?

13 Numekukuwo ɖee fia be ete ŋu dzɔna zi geɖe be ame siwo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ nɔa foto kple nu bubu siwo amewo da ɖe Internet dzi hahoo kadoƒewo kpɔm la natsi akogo ahalé blanui. Nu ka tae? Nu siwo gbɔ wòate ŋu atso dometɔ ɖekae nye be, zi geɖe la, nu siwo ɖe dzesi le amewo ƒe agbe me ŋuti fotowo, woawo ŋutɔwo ɖokuiwo ƒe foto nyuitɔwo kekeake kpakple wo xɔlɔ̃wo kple teƒe nyui siwo wode ŋuti fotowoe wodana ɖe hahoo kadoƒewo. Eya ta ame si nɔa foto mawo kpɔm la ate ŋu ava tsɔ eɖokui anɔ sɔsɔm kple ame mawo eye wòaƒo nya ta be yemele vivi aɖeke sem le agbe me o. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 19 la gblɔ be: “Ne mekpɔ ale si amewo le agbe ɖum le kwasiɖanuwuwu ŋuti fotowo evɔ nye ya aƒe me ko mele la, mesena le ɖokuinye me be nyemele dzidzɔ aɖeke kpɔm o.”

14. Aleke Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le 1 Petro 3:8 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazã Internet dzi hahoo kadoƒewo le mɔ nyuitɔ nu?

14 Enye nyateƒe be míate ŋu azã Internet dzi hahoo kadoƒewo le mɔ nyuitɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu azãe atsɔ aɖo dze kple míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Gake ɖe nède dze sii be ame aɖewo daa nuwo ɖe Internet dzi hahoo kadoƒewo be yewoatsɔ ahe amewo ƒe susu ava yewo ɖokuiwo dzia? Ðeko wòle abe ɖe wole gbɔgblɔm na amewo be, “Mikpɔm ɖa” ene. Ame aɖewo ŋlɔa nya manyomanyowo kple nya madzetowo ɖe woawo ŋutɔwo ƒe foto kple ame bubuwo ƒe foto siwo woda ɖe hahoo kadoƒewo la ŋu. Evɔ esia mewɔ ɖeka kple veveseseɖeamenu kple ɖokuibɔbɔ si wode dzi ƒo na Kristotɔwo be woaɖe afia o.—Xlẽ 1 Petro 3:8.

Ðe nu siwo nèdana ɖe Internet dzi la nana amewo kpɔa wò be èle adegbe ƒom loo alo be èbɔbɔ ɖokuiwò? (Kpɔ memama 15 lia)

15. Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagawɔ nu wòadze abe ɖe míele vevie wu ame bubuwo ene o?

15 Ne èzãa Internet dzi hahoo kadoƒewo la, ke bia ɖokuiwò be: ‘Ðe fotowo, nyawo kple video siwo medana ɖe afi ma ana amewo nasusu be mele adegbe ƒoma? Ðe woate ŋu ana ame bubuwo naʋã ŋuma?’ Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si le xexea me—ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe—la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexea me wotso.” (1 Yoh. 2:16) Le Biblia gɔmeɖeɖe aɖe me la, woɖe nya “ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe” gɔme be “didi be amewo nakpɔ ye be yenyo wu ame bubuwo.” Mele be Kristotɔwo nase le wo ɖokuiwo me be yewonyo wu ame bubuwo o. Wowɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Migana míanɔ bubu dzodzro dim, anɔ ho ʋlim kple mía nɔewo, ahanɔ ŋu biãm mía nɔewo o.” (Gal. 5:26) Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, mímanɔ abe ame siwo le xexea me siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi hedina be amewo nasusu be yewonyo wu ame bubuwo la ene o.

‘BU ALE SI NÀNƆ ŊUTE LE SUSU ME ŊU’

16. Nu ka tae mele be míado mía ɖokui ɖe dzi o?

16 Ele be míanɔ eɖem fia be míebɔbɔa mía ɖokui, elabe ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la menɔa “ŋute le susu me” o. (Rom. 12:3) Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la lɔ̃a nyahehe eye wonɔa bubu dzodzro dim na wo ɖokui. Zi geɖe la, woƒe nuŋububu kple nuwɔnawo nana be wodoa vevesese na wo ɖokuiwo kple ame bubuwo. Ne womekpɔ nyuie o la, Satana agbã ŋku na woƒe tamesusu eye wòagblẽ nu le woƒe nuŋububu ŋu. (2 Kor. 4:4; 11:3) Gake ame si bɔbɔ eɖokui la nɔa ŋute le susu me. Ame si bɔbɔ eɖokui la mebua eɖokui ŋu wu ale si dze o, elabena edea dzesii be ame bubuwo nyo wu ye le go geɖe me. (Flp. 2:3) Eye eɖoa ŋku edzi hã be “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (1 Pet. 5:5) Ame siwo le ŋute le susu me la madi be Yehowa natsi tsitre ɖe yewo ŋu o.

17. Nu kae wòle be míawɔ be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui?

17 Be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokuiwo la, ele be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be, ‘míaɖe amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye míado amenyenye yeyea’ la dzi. Esia bia agbagbadzedze geɖe. Ele be míasrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la ŋu eye míadze agbagba adze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ ale si míate ŋui. (Kol. 3:9, 10; 1 Pet. 2:21) Gake míaƒe agbagbadzedzewo manye dzodzro o. Ne míebɔbɔa mía ɖokuiwo la, dzidzɔ anɔ míaƒe ƒomea me wu, míana ŋutifafa nanɔ hamea me, eye míaɖɔ ŋu ɖo be míagazã Internet dzi hahoo kadodowo le mɔ gbegblẽ nu o. Ƒo wo katã ta la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu eye wòayra mí.

HADZIDZI 117 Nyuiwɔwɔ Le Vevie

^ mm. 5 Le xexea me egbea la, ame geɖe nye dadalawo kple ɖokuitɔdilawo. Ele be míaɖɔ ŋu ɖo be woƒe nɔnɔme mawo nagava kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Le nyati sia me la, míadzro go etɔ̃ siwo me mele be míabu mía ɖokui ŋu wu ale si dze o la me.

^ mm. 2 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Dadala bua eɖokui ŋu wu ale si dze, gake mebua ame bubuwo ya ɖe ɖeke me o. Eya ta dadala nye ɖokuitɔdila. Gake ɖokuibɔbɔ kpena ɖe ame ŋu be wòagadi eɖokui tɔ o. Ame si bɔbɔ eɖokui la medoa eɖokui ɖe dzi o, eye mebua eɖokui be yenyo wu ame bubuwo o.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Hamemetsitsi aɖe ƒoa nuƒowo le takpekpe gãwo me eye wòkpɔa teokrasidɔwo dzi, ke hã egadea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòaxɔ ŋgɔ na nɔviwo le gbeƒãɖeɖedɔa kple Fiaɖuƒe Akpataa dzadzraɖo me hã ŋu.