Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 28

Na Kakaɖedzi Nasu Asiwò Be Yele Nyateƒea Me

Na Kakaɖedzi Nasu Asiwò Be Yele Nyateƒea Me

“Nɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me.”—2 TIM. 3:14.

HADZIDZI 56 Wɔ Nyateƒea Tɔwòe

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae nya si nye “nyateƒea” fia?

“ALEKE nèwɔ ke ɖe nyateƒea ŋu?” “Ðe wohe wò le nyateƒea mea?” “Ƒe nenie nye esia nèle nyateƒea me?” Anɔ eme be, èbia nya mawo tɔgbi nɔvi aɖewo kpɔ, alo nɔvi aɖewo bia nya mawo wò kpɔ. Gake ne míezã nya si nye “nyateƒea” la, nu kae wòfia? Zi geɖe la, míezãna nya sia wòkuna ɖe míaƒe dzixɔsewo, míaƒe subɔsubɔ kple míaƒe agbenɔnɔ ŋu. Ame siwo le nyateƒea me la nya Biblia ƒe nufiafiawo, eye wowɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le woƒe agbenɔnɔ me. Esia ta, wokpɔ ablɔɖe tso alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo si me, eye togbɔ be womede blibo o hã la, wokpɔa dzidzɔ kple dzidzeme vavã le agbe me.—Yoh. 8:32.

2. Le Yohanes 13:34, 35 ƒe nya nu la, nu kae ate ŋu aʋã ame aɖe be wòava xɔ nyateƒea?

2 Nu kae ʋã wò nèva xɔ nyateƒea? Ðewohĩ Yehowa ƒe amewo ƒe agbe nyui nɔnɔ ye wɔ dɔ ɖe dziwò. (1 Pet. 2:12) Alo ɖewohĩ lɔlɔ̃ si woɖena fiana amewo ye ʋã wò. Ame geɖe de dzesi lɔlɔ̃ sia zi gbãtɔ si wode kpekpeawo, eye esia wɔ dɔ ɖe wo dzi wu nya siwo wose le kpekpea me gɔ̃ hã. Esia mewɔ nuku o, elabe Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si anɔ ye yomedzelawo dome ye ade dzesi wo be wonye yeƒe nusrɔ̃lawo. (Xlẽ Yohanes 13:34, 35.) Ke hã, enyanya be lɔlɔ̃ sia le Yehowa ƒe amewo dome ɖeɖe mate ŋu ana xɔse sẽŋu nasu mía si o, ehiã be míagaɖe afɔ bubu aɖewo.

3. Ne lɔlɔ̃ si le mía nɔvi Kristotɔwo dome la ɖeɖe ko dzie míetu míaƒe xɔse ɖo la, nu kae ate ŋu ava dzɔ?

3 Menye lɔlɔ̃ si le Mawu ƒe amewo dome la ɖeɖe ko dzie wòle be míatu míaƒe xɔse ɖo o. Nu ka tae? Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ: Tsɔe be nɔvi aɖe si le hamea me, ɖewohĩ enye hamemetsitsi alo mɔɖela gɔ̃ hã, wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya. Alo nɔvi aɖe wɔ nane si te ɖe dziwò, alo nɔvi aɖe va gbe xɔsea, eye wòle gbɔgblɔm na amewo be menye nyateƒeae nye esia o. Ðe nu siawo dometɔ aɖe azu nuklikli na wò si awɔe be nàdzudzɔ Yehowa subɔsubɔa? Nufiame kae le kpɔɖeŋu siawo me na mí? Eyae nye be: Ne lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo dome la ɖeɖe ko dzie míetu míaƒe xɔse ɖo, ke menye ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome dzie o la, míaƒe xɔsea mali ke o. Togbɔ be ale si nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be xɔse aɖe si nu nasu asiwò hã la, ele vevie ŋutɔ be nàsrɔ̃ Biblia kutrikukutɔe ahase egɔme, eye nàku nu me tsitotsito ale be nàte ŋu aka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia. Ehiã be wò ŋutɔ nàkpɔ kakaɖedzi be Biblia koe ate ŋu afia nyateƒea mí tso Yehowa ŋu.—Rom. 12:2.

4. Le Mateo 13:3-6, 20, 21 ƒe nya nu la, nu kae dzɔna ɖe ame aɖewo ƒe xɔse dzi ne woto xaxawo me?

4 Yesu gblɔ be ame aɖewo axɔ nya nyuia “kple dzidzɔ,” gake ne xaxawo va wo dzi la, woƒe xɔse agbɔdzɔ. (Xlẽ Mateo 13:3-6, 20, 21.) Ate ŋu anye be womese egɔme be Yesu yome dzedze abia be yewoato xaxawo kple nɔnɔme sesẽwo me o. (Mat. 16:24) Alo wosusu be ne yewova zu Kristotɔwo ko la, yayra sɔŋ koe yewoakpɔ eye kuxi aɖeke magava yewo dzi o. Ke hã, le xexe sia me la, míado go kuxiwo godoo. Eye nuwo ate ŋu atrɔ le míaƒe agbe me siwo awɔe be míagava nɔ dzidzɔ kpɔm tututu o.—Ps. 6:6; Nyagb. 9:11.

5. Aleke mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpa gãtɔ le eɖem fia be yewoka ɖe edzi bliboe be yewole nyateƒea me?

5 Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpa gãtɔ ɖenɛ fiana be yewoka ɖe edzi bliboe be yewole nyateƒea me. Nu ka tae míegblɔe alea? Nu si tae nye be, ne nɔvi aɖe wɔ nane wòve wo alo nɔvi aɖe ƒo eɖokui ɖe nuwɔna gbegblẽ aɖe me hã la, esia mezua nukikli na wo alo nana woƒe xɔse gbɔdzɔna o. (Ps. 119:165) Ke boŋ, zi ale si wole xɔse ƒe dodokpɔwo me tom la, zi nenemae woƒe xɔse gasẽna ɖe edzi. (Yak. 1:2-4) Nu kawoe nàte ŋu awɔ be xɔse sẽŋu sia tɔgbi nasu wò hã asiwò?

NA “MAWU ŊUTI SIDZEDZE VAVÃTƆ LA” NASU ASIWÒ

6. Nu kawo dzie Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la tu woƒe xɔse ɖo?

6 Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la tu woƒe xɔse ɖe Ŋɔŋlɔawo me sidzedze si su wo si kple Yesu Kristo ƒe nufiafiawo, si nye “nya nyui la ƒe nyateƒe” la dzi. (Gal. 2:5) Nyateƒe sia ku ɖe nu siwo katã Biblia fia, siwo dzi Kristotɔwo xɔ se la ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye nyateƒenya si ku ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa kple eƒe tsitretsitsi ŋu. Apostolo Paulo ka ɖe edzi bliboe be nufiafia siawo nye nyateƒe. Nu ka tae míegblɔe alea? Nu si tae nye be, “[eyɔa] nya tso ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖoa kpe edzi be ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome.” (Dɔw. 17:2, 3) Nenema kee Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã xɔ nufiafia mawo dzi se eye gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu wose Mawu ƒe Nyaa gɔme. Woku nu me tsitotsito hekpɔ kakaɖedzi be nufiafia mawo tso Ŋɔŋlɔawo me vavã. (Dɔw. 17:11, 12; Heb. 5:14) Menye ale si wosena le wo ɖokui me ku ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu ɖeɖe ko dzie wotu woƒe xɔse ɖo o, eye menye esi Yehowa subɔlawo dome nɔnɔ dzɔa dzi na wo tae wonɔ Yehowa subɔm ɖo o. Ke boŋ, “Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la” dzie wotu woƒe xɔse ɖo.—Kol. 1:9, 10.

7. Ne míexɔ nyateƒenya siwo le Biblia me dzi se la, aleke esia aɖe vi na mí?

7 Nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nyaa me la metrɔna gbeɖe o. (Ps. 119:160) Le kpɔɖeŋu me, nyateƒenya mawo metrɔna ne mía nɔvi Kristotɔ aɖe wɔ nu wòve mí alo wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya o. Eye wometrɔna ne míele xaxawo me tom hã o. Eya ta, ehiã be míasrɔ̃ Biblia ahanya eƒe nufiafiawo nyuie eye míaka ɖe edzi bliboe be wonye nyateƒe. Ne míetu míaƒe xɔse ɖe nyateƒenya siwo le Biblia me dzi eye míena míaƒe xɔsea li ke sesĩe la, alé mí ɖe te ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom, abe ale si ko seke léa tɔdziʋu ɖe te ne ahom le tutum ene. Nu kawoe nàte ŋu awɔ be kakaɖedzi geɖe wu nasu asiwò be yele nyateƒea me?

‘KPƆ KAKAÐEDZI NA NU SIWO SRƆ̃M NÈLE EYE NÀXƆ WO DZI SE’

8. Abe ale si 2 Timoteo 3:14, 15 ɖee fia ene la, nu kawoe Timoteo wɔ siwo kpe ɖe eŋu wòka ɖe edzi be Ŋɔŋlɔawo nye nyateƒe?

8 Timoteo ka ɖe edzi bliboe be Ŋɔŋlɔawo nye nyateƒe. Aleke wòwɔ nya? (Xlẽ 2 Timoteo 3:14, 15.) Timoteo dada kple mamaa ye fiae “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” gbã. Ke hã, ɖikeke mele eme o be, Timoteo ŋutɔ hã dze agbagba di ɣeyiɣi srɔ̃ ŋɔŋlɔawo kutrikukutɔe. Esia wɔe be, eya ŋutɔ va ‘kpɔ kakaɖedzi’ le nu siwo wòsrɔ̃ tso ŋɔŋlɔawo me ŋu, eye ‘wòxɔ wo dzi se’ be wonye nyateƒe. Emegbe la, Timoteo, nɔa, kple mamaa va srɔ̃ nu tso Kristo ƒe nufiafiawo ŋu. Ðikeke mele eme o be, lɔlɔ̃ si Yesu yomedzelawo ɖena fiaa wo nɔewo la wɔ dɔ ɖe Timoteo dzi eye didi vevi aɖe nɔ eme be yeade ha kple ye nɔvi Kristotɔwo ahakpe ɖe wo ŋu. (Flp. 2:19, 20) Ke hã, menye lɔlɔ̃ ma dzie Timoteo tu eƒe xɔse ɖo o, ke boŋ, etui ɖe nyateƒenya vevi siwo wòsrɔ̃ tso Biblia me, siwo ʋãe wòdi be yeagate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu la dzi. Ele be wò hã nàsrɔ̃ Biblia veviedodotɔe ahade ŋugble le nu siwo nèsrɔ̃ ŋu ale be nàte ŋu aka ɖe nu siwo Biblia fia tso Yehowa ŋu la dzi.

9. Biblia ƒe nufiafia vevi etɔ̃ kawoe wòhiã be wò ŋutɔ nàkpɔ kakaɖedzi na?

9 Ehiã be wò ŋutɔ nàkpɔ kakaɖedzi na Biblia ƒe nufiafia vevi etɔ̃ aɖewo ya teti. Gbã, ehiã be nàka ɖe edzi be Yehowa Mawu ye nye nuwo katã Wɔla. (2 Mose 3:14, 15; Heb. 3:4; Nyaɖ. 4:11) Evelia, ehiã be wò ŋutɔ nàka ɖe edzi be Biblia la nye gbedeasi si tso Mawu gbɔ na amegbetɔwo. (2 Tim. 3:16, 17) Eye etɔ̃lia, ehiã be nàka ɖe edzi be habɔbɔ le Yehowa si, eye habɔbɔ ma me tɔwo subɔnɛ le Kristo ƒe kpɔkplɔ te, eye habɔbɔ mae nye Yehowa Ðasefowo. (Yes. 43:10-12; Yoh. 14:6 Dɔw. 15:14) Be nàkpɔ kakaɖedzi na Biblia ƒe nufiafia vevi siawo mefia be nànya nu sia nu le Biblia me o. Ele be wò taɖodzinu nanye be yeawɔ yeƒe “tamebubuŋutete” ŋu dɔ nyuie ale be kakaɖedzi geɖe wu nasu ye si be yele nyateƒea me.—Rom. 12:1.

KPE ÐE AME BUBUWO ŊU WOAVA NYA NYATEƑEA AHAKA ÐE EDZI

10. Esi míeva nya nyateƒea vɔ la, nu kae wòhiã vevie be míawɔ?

10 Ne èva srɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu, Biblia, kple Mawu ƒe amewo ŋu, eye nèka ɖe nyateƒenya vevi siawo dzi vɔ ko la, ehiã be nàsrɔ̃ ale si nàte ŋu azã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖe wo me na ame bubuwo. Nu ka tae esia le vevie? Nu si tae nye be, esi míenye Kristotɔwo ta la, agba le mía dzi be míafia nyateƒenya siwo míesrɔ̃ la ame bubu siwo alɔ̃ be yewoaɖo to mí. * (1 Tim. 4:16) Eye zi ale si míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woava ka ɖe Biblia dzi la, zi nenemae míawo ŋutɔwo hã míagava ka ɖe edzi geɖe wu.

11. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua ne míele nyateƒea fiam amewo?

11 Esi Paulo nɔ nu fiam amewo la, “[ena] kpeɖodzi wo tso Mose ƒe Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo me ku ɖe Yesu ŋu.” (Dɔw. 28:23) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua ne míele nyateƒea fiam amewo? Menye ɖeko míanɔ nu si Biblia fia la gblɔm na amewo ko evɔ o. Ke boŋ, ele be míakpe ɖe wo ŋu woade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu ale be woate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Míedi be woava xɔ nyateƒea, gake menye le esi wolɔ̃ míaƒe nya alo dea bubu mía ŋu ta o, ke boŋ le esi woawo ŋutɔwo va ka ɖe edzi bliboe be nu siwo srɔ̃m yewole tso mía Mawu lɔ̃amea ŋu la nye nyateƒea ta.

Dzilawo, mifia “Mawu ƒe nu goglowo” mia viwo, ale be miakpe ɖe wo ŋu woasẽ ŋu le xɔse me (Kpɔ memama 12-13 lia) *

12-13. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woayi edzi anɔ nyateƒea me?

12 Dzilawo, ɖikeke mele eme o be, miedi be mia viwo nayi edzi anɔ nyateƒea me ɖaa. Ðewohĩ, miasusu be ne xɔlɔ̃ nyuiwo le wo si le hamea me ko la, esia ana woatsi le xɔse me. Gake ne miedi be kakaɖedzi nasu mia viwo si be yewole nyateƒea me la, menye xɔlɔ̃ nyui si anɔ wo si le hamea me la koe wohiã o. Ehiã be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woa kple Mawu dome eye woaka ɖe edzi bliboe be nu siwo srɔ̃m yewole le Biblia me la nye nyateƒe.

13 Dzilawo, hafi miate ŋu afia nyateƒea mia viwo dzidzedzetɔe la, ele vevie be miawo ŋutɔwo mianye Biblia srɔ̃la dovevienuwo ale be wòanye kpɔɖeŋu na wo. Azɔ hã, ele be miadi ɣeyiɣi ade ŋugble le nu siwo miesrɔ̃ la ŋu. Ekema miate ŋu afia mia viwo be woawo hã nawɔ nenema ke. Ehiã be miafia mia viwo ale si woate ŋu azã dɔwɔnu siwo míetsɔ kua nu me, abe ale si ko miefiaa miaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ene. Esia awɔe be miakpe ɖe wo ŋu woalɔ̃ Yehowa eye woaka ɖe “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si dzi tom wòle le nu fiam mí la dzi. (Mat. 24:45-47) Dzilawo, hafi mia viwo nate ŋu atsi le xɔse me la, menye Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo koe wòle be miafia wo o. Ehiã vevie be miafia wo “Mawu ƒe nu goglowo,” le woƒe ƒexɔxɔ kple ŋutete nu, ale be miakpe ɖe wo ŋu woasẽ ŋu le xɔse me.—1 Kor. 2: 10.

DZRO BIBLIA ƑE NYAGBLƆÐIWO ME TSITOTSITO

14. Nu ka tae wòle vevie be míadzro Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me? (Kpɔ aɖaka si nye, “ Àte Ŋu Aɖe Nyagblɔɖi Siawo Mea?” la hã.)

14 Biblia ƒe nyagblɔɖiwo nye Mawu ƒe Nyaa ƒe akpa vevi aɖe si doa ŋusẽ míaƒe xɔse geɖe. Biblia ƒe nyagblɔɖi kawoe do ŋusẽ wò xɔse? Ðewohĩ, àyɔ nyagblɔɖi aɖewo siwo ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu. (2 Tim. 3: 1-5; Mat. 24: 3, 7) Ke nyagblɔɖi bubu kawoe va eme xoxo alo le eme vam fifia, siwo ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse? Bu kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Àte ŋu aɖe ale si nyagblɔɖi siwo dze le Daniel ta 2 alo esiwo dze le Daniel ta 11 la ƒe akpa aɖewo va eme xoxo kple ale si woƒe akpa aɖewo le eme vam fifia la mea? * Ne ètu wò xɔse ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi la, wò xɔsea ali ke sesĩe. Bu mía nɔvi siwo kpe fu vevie esi woti wo yome kutɔkutɔe le Germany le Xexemeʋa Evelia wɔɣi la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Togbɔ be womese Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la gɔme bliboe o hã la, woxɔ Mawu ƒe Nya la dzi se bliboe.

Ne míesrɔ̃ Biblia veviedodotɔe, eye míedzro eƒe nyagblɔɖiwo me tsitotsito la, ado ŋusẽ mí be míado dzi le yometiti me (Kpɔ memama 15-17 lia) *

15-17. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ do ŋusẽ mía nɔvi siwo yome Nazitɔwo ti?

15 Esime Nazitɔwo nɔ dzi ɖum le Germany la, wolé mía nɔvi geɖewo de fuwɔamegaxɔwo me. Hitler kple dziɖuɖumegã bubu aɖe si ŋkɔe nye Heinrich Himmler la lé fu Yehowa Ðasefowo vevie. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be, Himmler gblɔ na nɔvinyɔnu aɖewo le fuwɔamesaɖa aɖe me be: “Mia Mawu, Yehowa, ate ŋu aɖu dzi le dziƒo, gake le anyigba dzi afi sia ya, míawoe le dzi ɖum! Míele nu tu ge kpli mi ne míakpɔe ɖa be mía dometɔ kae agbea ati kɔ na hã!” Nu kae kpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu wonɔ te sesĩe?

16 Biblia Nusrɔ̃viawo nyae be Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme xoxo le ƒe 1914 me. Eya ta, mewɔ nuku na wo be wonɔ yewo yome tim kutɔkutɔe o. Ke hã, Yehowa ƒe amewo ka ɖe edzi bliboe be, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu axe mɔ na Mawu ƒe tameɖoɖo me vava o. Hitler mete ŋu ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ɖa o, eye eƒe fiaɖuƒea mete ŋu ɖu Mawu Fiaɖuƒea dzi o. Mía nɔviawo ka ɖe edzi bliboe be aleke kee wòɖale o, Hitler ƒe dziɖuɖua nu ayi godoo.

17 Nenema tututue wòdzɔe hã. Eteƒe medidi o, Nazi dziɖuɖua mu, eye Heinrich Himmler, ame si ƒo adegbe be “le anyigba dzi afi sia ya, míawoe le dzi ɖum” la va de afɔ du me. Esi wònɔ sisim la, eva do go Nɔviŋutsu Lübke; eɖo ŋku edzi be eya hã nɔ gaxɔ me. Ŋu kpe Himmler le esi woƒe dziɖuɖua tɔ kpe ta, eye wòbia Nɔviŋutsu Lübke be: “Biblia Nusrɔ̃vi, ke nu kae gbɔna dzɔdzɔ ge fifia?” Nɔviŋutsu Lübke ɖe nu me nɛ be Yehowa Ðasefowo nya xoxoxo be Nazi dziɖuɖua nu gbɔna yiyi ge godoo eye yewoakpɔ ablɔɖe tso wo si me. Himmler, ame si gblɔ nyagãnyagãwo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu va yi la ƒe mo koe tsi dãa. Esia megbe kpuie la, ewu eɖokui. Nufiame kae le ŋutinya sia me na mí? Eyae nye be, ne míesrɔ̃ Biblia veviedodotɔe, eye míedzro eƒe nyagblɔɖiwo me tsitotsito la, esia ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye ado ŋusẽ mí be míado dzi le yometiti me.—2 Pet. 1:19-21.

18. Abe ale si Yohanes 6:67, 68 ɖee fia ene la, nu ka tae wòhiã be “sidzedze vavãtɔ kple nugɔmesese blibo” nasu mía si?

18 Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nalɔ̃ nɔvia, elabe esia dea dzesi mí be míenye Kristotɔ vavãwo. Ke hã, ehiã be “sidzedze vavãtɔ kple nugɔmesese blibo” hã nasu mía si. (Flp. 1:9) Ne menye nenema o la, “nufiafia ƒe ya sia ya” kple “amewo [siwo dome xɔsegbelawo hã le la] ƒe beble” akplɔ mí atrae. (Ef. 4:14) Esi Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ geɖe trɔ le eyome la, Petro ya ɖe ale si gbegbe wòka ɖe Yesu dzii la fia esi wògblɔ nɛ be: “Agbe mavɔ nyawo le asiwò.” (Xlẽ Yohanes 6:67, 68.) Togbɔ be ɣemaɣi la, Petro mese nu siwo Yesu nɔ wo fiam la katã gɔme bliboe o hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Yesu elabe eka ɖe edzi bliboe be eyae nye Kristo la. Wò hã àte ŋu ana kakaɖedzi geɖe wu nasu asiwò be nu si Biblia fia la nye nyateƒe. Ne èwɔ esia la, nu ka kee ɖadzɔ o, wò xɔsea ali ke sesĩe, eye àkpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woasẽ ŋu le xɔse me.—2 Yoh. 1, 2.

HADZIDZI 72 Míana Woanya Fiaɖuƒe Nyateƒe La

^ mm. 5 Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míade asixɔxɔ nyateƒenya vevi siwo le Mawu ƒe Nyaa me la ŋu. Azɔ hã, míadzro nu siwo míate ŋu awɔ be kakaɖedzi geɖe wu nasu mía si be nu siwo dzi míexɔ se lae nye nyateƒea la me.

^ mm. 10 Nyati siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe Biblia ƒe nufiafia veviwo me na amewo la dometɔ ɖeka ƒe tanyae nye “Dzeɖoɖo Kple Aƒelika,” eye edze le Gbetakpɔxɔ aɖewo me tso ƒe 2010 va se ɖe ƒe 2015. Biabia siwo me wodzro la dometɔ aɖewoe nye, “Yesu Ke Koe Ganye Mawua?,” “Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme?,” kple “Ðe Mawu Hea To Na Amewo Le Dzo Mavɔ Mea?

^ mm. 14 Àkpɔ numedzodzro siwo ku ɖe nyagblɔɖi siawo ŋu la le June 15, 2012, kple May 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe tatawo me.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Dzilawo le Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe xaxa gãa ŋu la me dzrom kple wo viwo le ƒometadedeagu me.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ne xaxa gãa fe ati la, nu siwo adzɔ la maɖi vɔvɔ̃ na ƒome sia o.