Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 31

Ðe Nèle “Du Si Gɔmeɖoanyi Ŋutɔŋutɔwo Li Na La” Lalama?

Ðe Nèle “Du Si Gɔmeɖoanyi Ŋutɔŋutɔwo Li Na La” Lalama?

“Enɔ du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la lalam, du si ƒe aɖaŋuwɔla kple tsolae nye Mawu.”​—HEB. 11:10.

HADZIDZI 22 Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum​—Neva Dzro!

NYA VEVIAWO *

1. Nu kawoe Mawu subɔla geɖewo tsɔ sa vɔe, eye nu ka tae?

EGBEA, Mawu subɔla miliɔn geɖewo tsɔ nu vovovowo sa vɔe le woƒe agbe me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo tiae be yewomaɖe srɔ̃ o. Srɔ̃tɔ aɖewo tso nya me be yewomadzi vi fifia o. Eye ƒome aɖewo hã tiae be yewoanɔ agbe tsɛ. Esi nɔvi siawo di be yewoasubɔ Yehowa bliboe ale si yewoate ŋui tae wowɔ nyametsotso vevi siawo ɖo. Wokpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo le wo si la ŋu, eye woka ɖe edzi be Yehowa akpɔ yewoƒe nuhiahiã veviwo katã gbɔ na yewo. Ðe Yehowa agblẽ wo ɖi le nyametsotso si wowɔ mea? Ao! Nu ka tae míeka ɖe edzi nenema? Nu si tae nye be, le blema la, Yehowa kpɔ esubɔlawo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa yra Abraham, si nye ‘ame siwo katã si xɔse le la fofo.’—Rom. 4:11.

2. (a) Le Hebritɔwo 11:8-10, 16 ƒe nya nu la, nu ka tae Abraham lɔ̃ faa ʋu le Ur? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Abraham lɔ̃ faa dzo le dugã si nye Ur, afi si wònɔ agbe si me dzidzeme nɔ la me. Nu ka tae? Nu si tae nye be, enɔ “du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la” lalam. (Xlẽ Hebritɔwo 11:8-10, 16.) Nu kae nye “du” ma? Kuxi kawo me Abraham to esime wònɔ lalam be woatso du ma? Eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Abraham kple nɔvi siwo srɔ̃ eyama egbea la ƒe kpɔɖeŋuwo?

NU KAE NYE “DU SI GƆMEÐOANYI ŊUTƆŊUTƆWO LI NA LA”?

3. Nu kae nye du si Abraham nɔ lalam na la?

3 Du si Abraham nɔ lalam na lae nye Mawu Fiaɖuƒea. Yesu Kristo kple Kristotɔ amesiamina 144,000 ye ƒo ƒu nye Mawu Fiaɖuƒe la. Paulo yɔ Fiaɖuƒe ma be “Mawu gbagbe la ƒe du, dziƒo Yerusalem.” (Heb. 12:22; Nyaɖ. 5:8-10; 14:1) Fiaɖuƒe ma ke ŋutie Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo le be woado gbe ɖa le be wòava, ale be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wole ewɔm le dziƒo ene.—Mat. 6:10.

4. Le 1 Mose 17:1, 2, 6 ƒe nya nu la, nu kawoe Abraham nya tso du alo fiaɖuƒe si ŋugbe Mawu do la ŋu?

4 Ðe Abraham nya nu tso ɖoɖo si nu nuwo anɔ le Mawu Fiaɖuƒea me la ŋu tsitotsitoa? Ao. Nya mawo nye ‘nya ɣaɣla kɔkɔewo’ ƒe alafa geɖe. (Ef. 1:8-10; Kol. 1:26, 27) Gake Abraham nyae be yeƒe dzidzimevi aɖewo ava nye fiawo, elabena Yehowa do ŋugbe nɛ tẽe be eƒe dzidzimeviwo ava nye fiawo. (Xlẽ 1 Mose 17:1, 2, 6.) Abraham xɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se ale gbegbe be ɖeko wònɔ abe ɖe wònɔ Mawu ƒe Amesiamina la, alo Mesia, si ava nye Mawu Ƒe Fiaɖuƒe la ƒe Fia la kpɔm ene. Susu sia tae Yesu te ŋu gblɔ na Yudatɔwo be: “Mia fofo Abraham tso aseye be yeakpɔ nye ŋkeke la, ekpɔe hã, eye dzi dzɔe” ɖo. (Yoh. 8:56) Eme kɔ ƒãa be, Abraham nyae be yeƒe dzidzimeviwo ava zu Fiaɖuƒe aɖe si Yehowa aɖo anyi la ƒe fiawo, eye elɔ̃ faa be yealala akpɔ Yehowa sinu va se ɖe esime wòana eƒe ŋugbedodoa nava eme.

Aleke Abraham ɖee fia be yexɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se? (Kpɔ memama 5 lia)

5. Aleke míewɔ nya be Abraham nɔ du aɖe si Mawu ava tso la lalam?

5 Aleke Abraham ɖee fia be yenɔ du alo Fiaɖuƒe si ƒe aɖaŋuwɔlae nye Mawu la lalam? Gbã la, Abraham mewɔ ɖeka kple anyigba dzi fiaɖuƒe aɖeke o. Abraham nɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe, eye metso kɔƒe ɖe teƒe aɖe koŋ o. Nenema kee mede fia aɖeke hã dzi o. Azɔ hã, Abraham medze agbagba be yeaɖo ye ŋutɔ yeƒe fiaɖuƒe anyi o. Ke boŋ, eyi edzi ɖo to Yehowa, eye wònɔ lalam be Yehowa nana Eƒe ŋugbedodoa nava eme. Abraham to esia me ɖee fia be, yexɔ Yehowa dzi se bliboe. Na míadzro kuxi siwo me wòto la dometɔ aɖewo me ne míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua.

KUXI KAWO ME ABRAHAM TO?

6. Du ka ƒomevie Ur dugã la nye?

6 Dedienɔnɔ aɖe sinu nɔ Ur dugã si me Abraham ʋu tso la me, eye dua me tɔwo nɔa agbe si me dzidzeme le. Enye du aɖe si ŋu wotɔ glikpɔ kɔkɔwo ɖo, eye woɖe tsiʋɛ aɖe ƒoxlãe le eƒe goawo katã dzi be wòakpɔ dua ta. Ame siwo nɔ Ur dugãa me la nye agbalẽnyalagãwo eye wobi ɖe akɔntabubu me. Eye edze abe asitsadu gã aɖee wònye ene, elabena tomenukulawo ke ɖe asitsatsa ŋuti nuŋlɔɖi geɖewo ŋu le afi si dua nɔ tsã. Kpe siwo womè ye wotsɔ ɖo gli tso amewo ŋutɔwo ƒe aƒewoe. Wowɔ plasta ɖe gliawo ŋu keŋ eye wosi aŋɔ ɣie ɖee. Aƒe aɖewo nyea xɔdɔme wuietɔ̃ alo wuiene si wotu godoo va kpe woƒo xlã xɔxɔnu si woɖo kpe zɔzrɔ̃ewo ɖo keŋ.

7. Nu ka tae wòhiã be Abraham naka ɖe edzi be Yehowa akpɔ ye kple yeƒe ƒomea ta?

7 Ehiã be Abraham naka ɖe edzi be Yehowa akpɔ ye kple yeƒe ƒomea ta. Nu ka tae? Ðo ŋku edzi be Abraham kple Sara ʋu le woƒe aƒe si me wonɔ dedie eye woƒe dzi dze eme le, le Ur dugãa me la me. Eye woyi ɖanɔ avɔgbadɔwo me le gbedadaƒo le Kanaan gbedzi. Fifia ya, glikpɔ sesẽwo kple tsiʋɛ siwo me goglo meganye takpɔnu na eya kple eƒe ƒomea o. Ke boŋ, futɔwo kple nu vlo wɔlawo ate ŋu ava dze wo dzi bɔbɔe.

8. Nu kae va dzɔ ɖe Abraham dzi gbe ɖeka?

8 Abraham wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, gake eva dzɔ gbe ɖeka be esesẽ na Abraham be wòakpɔ nuɖuɖu si ade na eƒe ƒomea. Dɔ sesẽ aɖe va to le anyigba si dzi Yehowa bia tso esi be wòava nɔ la dzi. Dɔwuame la nu sẽ ale gbegbe be Abraham tso nya me be yewoaʋu aɖanɔ Egipte hena ɣeyiɣi aɖe. Gake esime wonɔ Egipte la, Farao, Egipte fia, la xɔ srɔ̃a le esi. Bu ale si gbegbe Abraham anya tsi dzimaɖii va se ɖe esime Yehowa ƒoe ɖe Farao nu be wòagbugbɔ Sara ana Abraham ŋu kpɔ.—1 Mose 12:10-19.

9. Ƒomekuxi kawoe va Abraham ƒe ƒomea dzi?

9 Ƒomekuxi sesẽ aɖewo va Abraham ƒe ƒomea dzi. Srɔ̃a lɔlɔ̃a, Sara, mete ŋu dzi vi o. Ehiã be woado dzi le nɔnɔme sesẽ sia me ƒe geɖe. Mlɔeba la, Sara va tsɔ Hagar, si nye eƒe subɔvi, la na Abraham ale be wòate ŋu adzi vi na wo. Gake esime Hagar fɔ Ismael ƒe fu ko la, megabua Sara ɖe naneke me o. Nɔnɔmea va do gã ɖe edzi ale gbegbe be Sara va nya Hagar le aƒea me.—1 Mose 16:1-6.

10. Nu kawoe dzɔ ku ɖe Ismael kple Isak ŋu si ate ŋu awɔe be wòasesẽ na Abraham be wòayi edzi aka ɖe Yehowa dzi hafi?

10 Sara va fɔ fu na Abraham mlɔeba, eye wòdzi ŋutsuvi si Abraham na ŋkɔe be Isak. Abraham lɔ̃ viaŋutsu eveawo, siwo nye Ismael kple Isak siaa. Gake esi wònye be Ismael meva nɔ nu wɔm ɖe Isak ŋu nyuie o ta la, eva hiã be Abraham nagblɔ na Hagar be wòakplɔ via Ismael ne woadzo le aƒea me. (1 Mose 21:9-14) Le ƒe aɖewo megbe la, Yehowa bia tso Abraham si be woatsɔ via Isak asa vɔ na ye. (1 Mose 22:1, 2; Heb. 11:17-19) Le nɔnɔme evea siaa me la, ele na Abraham be wòaka ɖe Yehowa dzi be ana ŋugbe siwo wòdo ku ɖe viawo ŋu la nava eme.

11. Nu ka tae wòhiã be Abraham nalala akpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe?

11 Le ɣeyiɣi mawo katã me la, ele na Abraham be wòasrɔ̃ ale si wòakpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe. Anɔ eme be ƒe 70 kple edzivɔe wòxɔ esime eya kple eƒe ƒomea woʋu le Ur. (1 Mose 11:31–12:4) Eye abe ƒe alafa ɖeka ene la, enɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe le Kanaan-nyigba dzi, eye avɔgbadɔ mee wònɔ. Abraham xɔ ƒe 175 esime wòku. (1 Mose 25:7) Gake menɔ agbe kpɔ eteƒe ŋugbe si Yehowa do be yeatsɔ anyigba la ana eƒe dzidzimeviwo la va eme o. Nenema kee menɔ agbe kpɔ eteƒe woɖo du, si nye Mawu Fiaɖuƒe la, anyi o. Togbɔ be enɔ alea hã la, Biblia gblɔ tso Abraham ŋu be, “etsi ku amegã eye agbenɔnɔ ɖi kɔ nɛ” hafi wòku. (1 Mose 25:8) Eye togbɔ be Abraham to kuxi geɖe me hã la, eyi edzi xɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se kple dzi blibo eye wòlɔ̃ faa lala kpɔ Yehowa sinu. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi to kuxi mawo katã me? Nu si kpe ɖe eŋue nye be, le Abraham ƒe agbemeŋkekewo katã me la, Yehowa kpɔ eta eye wòwɔ nu ɖe eŋu abe exɔlɔ̃ ene.—1 Mose 15:1; Yes. 41:8; Yak. 2:22, 23.

Abe Abraham kple Sara ene la, aleke mawusubɔlawo ɖenɛ fiana be yewoxɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se eye yewokpɔa esinu dzigbɔɖitɔe? (Kpɔ memama 12 lia) *

12. Nu ka míele lalam na, eye nu kawo me míadzro?

12 Abe Abraham ene la, míawo hã míele du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la lalam. Gake míawo ya, menye ɖe míele lalam be woaɖo du si nye Mawu Fiaɖuƒe la anyi o. Woɖo Mawu Fiaɖuƒe la anyi le ƒe 1914 me eye ele dzi ɖum bliboe le dziƒo fifia. (Nyaɖ. 12:7-10) Gake míele lalam be wòava ɖu anyigba blibo la katã dzi. Esi míele lalam be esia nava eme la, ɖewohĩ ahiã be míado dzi le nɔnɔme sesẽ geɖe siwo le abe esiwo me Abraham kple Sara to ene la me. Egbea, Yehowa subɔla geɖewo te ŋu srɔ̃ Abraham ƒe kpɔɖeŋua. Agbemeŋutinya geɖe siwo míeta ɖe Gbetakpɔxɔ magazinewo me la ɖee fia be, Yehowa subɔla geɖewo xɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se eye wole esinu kpɔm dzigbɔɖitɔe abe Abraham kple Sara ene. Na míadzro ŋutinya siawo dometɔ ʋɛ aɖewo me eye míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me la ɖa.

YEHOWA SUBƆLA SIWO SRƆ̃ ABRAHAM ƑE KPƆÐEŊUA LA DOMETƆ AÐEWO

Bill Walden lɔ̃ faa tsɔ nu geɖe sa vɔe eye Yehowa yrae geɖe

13. Nu kae nèsrɔ̃ tso Nɔviŋutsu Walden ƒe agbemeŋutinyaa me?

13 Lɔ̃ faa nàtsɔ nanewo asa vɔe le Mawu ta. Hafi míate ŋu atsɔ Mawu ƒe du, si nye Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la, ele be míasrɔ̃ Abraham si lɔ̃ faa tsɔ nu geɖewo sa vɔe be yeadze Mawu ŋu la ƒe kpɔɖeŋua. (Mat. 6:33; Marko 10:28-30) Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Bill Walden * ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Le ƒe 1942 me la, esusɔ vie Bill nawu yunivɛsitidede nu le Amerika ahazu xɔtuɖaŋu ŋuti nunyala gã esime Yehowa Ðasefowo dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Yunivɛsiti nufialagãwo dometɔ ɖeka wɔ ɖoɖo na Bill be ne enya wu sukua nu ko la, wòakpɔ dɔ awɔ, gake Bill melɔ̃ o. Bill ɖe eme be, nu si tae yetso nya me be yemaxɔ dɔ ma si me ga geɖe le o ye nye be yedi be yeasubɔ Mawu bliboe. Eteƒe medidi o, dziɖuɖua bia tso Bill si be wòawɔ asrafodɔ hena ɣeyiɣi aɖe atsɔ asubɔ dukɔa. Eɖe nu me na dziɖuɖumegãwo bubutɔe be yemate ŋu awɔ asrafodɔ o, eye le esia ta woka Amerika dɔlar 10,000 nɛ be wòaxe eye wòanɔ gaxɔ me ƒe atɔ̃. Wova ɖe asi le eŋu le gaxɔa me le ƒe etɔ̃ megbe. Emegbe Yehowa ƒe habɔbɔa kpee woɖade Gilead suku eye eva wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Afrika. Emegbe, Bill ɖe Eva, eye wo ame evea siaa wosubɔ le Afrika. Esia bia be woatsɔ nu geɖewo asa vɔe. Ƒe geɖe megbe la, wotrɔ yi Amerika be yewoakpɔ Bill nɔ si dze dɔ vevie la dzi. Esi Bill nɔ eƒe agbemeŋutinyaa ta ƒom la, egblɔ be: “Ne mebu mɔnukpɔkpɔ si su asinye be Yehowa zãm ƒe 70 kple edzivɔwo le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu la, aɖatsi lólona ɖe ŋku dzi nam. Medaa akpe nɛ zi geɖe be efia mɔm be metsɔ subɔsubɔdɔ wɔwɔ nɛ wɔ nye agbemedɔe.” Ðe nàte ŋu atsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa awɔ wò agbemedɔea?

Eleni kple Aristotelis Apostolidis se le wo ɖokuiwo me be Yehowa do ŋusẽ yewo

14-15. Nu kae nèsrɔ̃ tso Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Apostolidis ƒe agbemeŋutinyaa me?

14 Mègasusui be kuxi aɖeke mava ye dzi le agbe me o. Míesrɔ̃e le Abraham ƒe agbemeŋutinyaa me be kuxiwo vaa ame siwo subɔ Yehowa le woƒe agbemeŋkekewo katã me la gɔ̃ hã dzi. (Yak. 1:2; 1 Pet. 5:9) Míakpɔ ale si nya sia nye nyateƒee le Aristotelis Apostolidis * ƒe agbemeŋutinyaa me. Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me le Greece, eye le ƒe 1952 me la, edo ŋugbe na nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Eleni, si hã ƒe taɖodzinue nye be yeasubɔ Yehowa bliboe, la be yeaɖee. Ke hã, Eleni va dze dɔ eye ɖɔktawo kpɔe be nu te ahɔhɔ̃ me nɛ. Ðɔktawo wɔ dɔ nɛ ɖe nutetea ɖa, gake ƒe ʋɛ aɖewo le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, nutetea gava ake. Ðɔktawo gawɔ dɔ nɛ ake, gake fifia ya, Eleni ƒe ametia ƒe akpa ɖeka tu eye megatea ŋu ƒoa nu nyuie o. Ke hã, eyi edzi do vevie gbeƒãɖeɖedɔa togbɔ be lãmesẽnyawo mede edzi tututu o, eye dziɖuɖua nɔ nɔviawo yome tim vevie ɣemaɣi gɔ̃ hã.

15 Aristotelis yi edzi lé be na srɔ̃a ƒe 30 sɔŋ. Le ƒe mawo katã me la, enye hamemetsitsi, ewɔ dɔ kple takpekpe kɔmitiwo, eye ekpe asi ɖe eŋu wotu Takpexɔ aɖe hã. Gbe ɖeka, le ƒe 1987 me la, Eleni dze afɔku vevie esime wònɔ gbeadzi. Esia wɔe be etsi ɖi me ƒe etɔ̃ sɔŋ, eye mlɔeba eva ku. Esime Aristotelis nɔ eƒe agbemeŋutinyaa ta ƒom la, egblɔ be: “Le ƒeawo me la, nɔnɔme sesẽwo, kuxi sesẽwo, kple nuɖiɖeamewo biaa dzidodo kple kutrikuku geɖe ŋutɔ. Ke hã, Yehowa naa ŋusẽ si hiã lam be matsɔ aɖu kuxi siawo dzi.” (Ps. 94:18, 19) Yehowa lɔ̃a esubɔla siwo wɔa woƒe ŋutete katã hesubɔnɛ togbɔ be wole kuxi sesẽwo me tom la vevie ŋutɔ!

Nɔvinyɔnu Audrey Hyde yi edzi tsɔ susu ɖo yayra siwo ƒe ŋugbe Mawu do la dzi

16. Aɖaŋu nyui kae Nɔviŋutsu Knorr ɖo na srɔ̃a?

16 Wò susu nenɔ yayra siwo ŋugbe Mawu do la dzi. Abraham tsɔ susu ɖo teƒeɖoɖo siwo Yehowa ava nɛ le etsɔme la dzi, eye esia kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi le kuxi siwo me tom wònɔ la me. Nɔvinyɔnu Audrey Hyde dze agbagba tsɔ susu ɖo yayra siwo ƒe ŋugbe Mawu do la dzi togbɔ be eto kuxi geɖe me hã. Le kpɔɖeŋu me, kansa wu srɔ̃a gbãtɔ, si ŋkɔe nye Nathan H. Knorr, eye tsitsimedɔléle si gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu la ɖe fu na srɔ̃a evelia, si ŋkɔe nye Glenn Hyde, la vevie ŋutɔ. * Egblɔ be, nya aɖe si Nɔviŋutsu Knorr gblɔ na ye kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la kpe ɖe ye ŋu ŋutɔ. Nɔvinyɔnu Audrey gblɔ be: “Nathan ɖo ŋku edzi nam be: ‘Ne míeku la, kakaɖedzi li be míaƒe mɔkpɔkpɔa ava eme na mí, eye míagakpe fu akpɔ gbeɖe o.’ Emegbe exlɔ̃ num be: ‘Kpɔ ŋgɔ tẽe, elabena afi mae wò teƒeɖoɖofetua le.’ . . . Egblɔ kpee be: ‘Ƒo ɖokuiwò ɖe dɔ geɖe wɔwɔ me—dze agbagba nànɔ kpekpem ɖe amewo ŋu. Esia awɔe be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me.’” Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe ŋutɔe wònye be míayi dɔ nyuiwo wɔwɔ dzi ahanɔ kpekpem ɖe amewo ŋu eye ‘míana dzi nadzɔ mí le mɔkpɔkpɔ me’!—Rom. 12:12.

17. (a) Nu ka tae susu nyuiwo le mía si siwo tae wòle be míatsɔ susu aɖo míaƒe mɔkpɔkpɔa dzi? (b) Aleke nyagblɔɖila Mika ƒe kpɔɖeŋu si dze le Mika 7:7 la sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míaƒe asi nava su yayra siwo ƒe ŋugbe Mawu do na mí la dzi?

17 Egbea, susu geɖewo le mía si fifia wu tsã siwo tae wòle be míatsɔ míaƒe susu aɖo míaƒe mɔkpɔkpɔa dzi ɖo. Nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me la ɖee fia kɔtɛ be míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ƒe ɣeyiɣi susɔeawo me. Eteƒe madidi o, magahiã be míalala anɔ mɔ kpɔm be Mawu Fiaɖuƒea nava ɖu anyigba bliboa dzi o. Nu geɖe siwo ana míakpɔ dzidzɔ la dometɔ ɖekae nye be, woafɔ míaƒe ame veviwo ɖe tsitre eye míagakpɔ wo ake. Ɣemaɣi la, Yehowa aɖo Abraham ƒe xɔse kple eƒe dzigbɔɖi teƒe nɛ. Afɔ eya kple eƒe ƒomea be woanɔ agbe le anyigba dzi. Ànɔ afi ma axɔ wo atuua? Wò hã àte ŋu anɔ afi ma ne èlɔ̃ faa tsɔ nuwo sa vɔe ɖe Mawu Fiaɖuƒea ta abe ale si Abraham wɔe ene, ne èyi edzi xɔ Mawu dzi se togbɔ be èle kuxiwo me tom hã, eye nèsrɔ̃ ale si nàyi edzi alala akpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe.—Xlẽ Mika 7:7.

HADZIDZI 74 Kpɔ Gome Le Fiaɖuƒea Ƒe Hadzidzi Me!

^ mm. 5 Esi míele Mawu ƒe ŋugbedodowo lalam la, ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu ase le mía ɖokuiwo me be ŋugbedodoawo mele vavam kaba o, eye esia ate ŋu awɔe be míaƒe xɔse nagbɔdzɔ gɔ̃ hã. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Abraham gbɔ, siwo ana míagaɖoe kplikpaa wu tsã be míakpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme? Eye le egbe ŋkekeawo me la, kpɔɖeŋu nyui kawoe Yehowa subɔla aɖewo ɖo ɖi na mí?

^ mm. 13 Nɔviŋutsu Walden ƒe agbemeŋutinyaa dze le December 1, 2013, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 8-10.

^ mm. 14 Nɔviŋutsu Apostolidis ƒe agbemeŋutinyaa dze le February 1, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 24-28.

^ mm. 16 Nɔvinyɔnu Hyde ƒe agbemeŋutinyaa dze le July 1, 2004, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 23-29.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Atsu kple asi aɖewo siwo nye ame tsitsiwo la yi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be wole kuxiwo me tom gɔ̃ hã. Nu si kpe ɖe wo ŋu xɔse sẽŋu kpɔtɔ le wo si ye nye be wotsɔ woƒe susu katã ɖo ŋugbe siwo Yehowa do ku ɖe etsɔme ŋu la dzi.