Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 36

Ðe Nèle Klalo Be Yeanye Amewo Ðela?

Ðe Nèle Klalo Be Yeanye Amewo Ðela?

“Mègavɔ̃ o. Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.”—LUKA 5:10.

HADZIDZI 73 Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Yesu kpe tɔƒodela ene aɖewo be woava wɔ, eye aleke wowɔ nui?

NUSRƆ̃LA siwo nye Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes la nye tɔƒodelawo. Bu ale si wòawɔ nuku na woe esi Yesu kpe wo be, “Miva dze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawoe,” * la ŋu kpɔ. Aleke wowɔ nui? Biblia gblɔ be: “Enumake wogblẽ woƒe ɖɔawo ɖi hedze eyome.” (Mat. 4:18-22) Nyametsotso ma si wowɔ la trɔ woƒe agbe tegbee. Le esi teƒe be woanɔ lãwo ɖem la, fifia, woanɔ “amewo ɖem agbagbee.” (Luka 5:10) Nenema kee egbea hã, Yesu le dzianukwaretɔ siwo lɔ̃ nyateƒea la kpem be woava nye ameɖelawo. (Mat. 28:19, 20) Ðe nèwɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe si nye be nàva nye ameɖela la dzia?

2. Ame kawoe wòle be woawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi, eye nu kae akpe ɖe wo ŋu be woawɔ esia?

2 Ðewohĩ, wole Biblia srɔ̃m kpli wò ɣeyiɣi aɖee nye esia, eye èwɔ tɔtrɔwo le wò agbe me eye fifia, ehiã be nàtso nya me nenye be yeanye nya nyui gbeƒãɖela. Ne mèka ɖe edzi be yeate ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe si nye be míava nye ameɖelawo la dzi o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Anɔ eme be èle sesem le ɖokuiwò me alea le esi nènyae be nyametsotso vevi aɖee wònye ta. Nyateƒee, Biblia gblɔ be Petro kple exɔlɔ̃awo gblẽ woƒe ɖɔawo ɖi “enumake” hedze Yesu yome. Ke hã, Petro kple nɔvia Andrea mewɔ nyametsotso ma eŋumabumabui o. Wonya Yesu be eyae nye Mesia la ɣleti ade aɖewo do ŋgɔ hafi Yesu va kpe wo be woava dze ye yome. (Yoh. 1:35-42) Nenema kee anɔ eme be, wò hã èsrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa kple Yesu ŋu, eye èdi be yeayi edzi ate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Gake, hafi nàtso nya me be yeava nye nya nyui gbeƒãɖela la, ehiã be nàbu eŋu nyuie. Nu kae kpe ɖe Petro, Andrea, kple wo xɔlɔ̃ mamlɛawo ŋu be wote ŋu wɔ nyametsotso ma?

3. Nɔnɔme nyui kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàgaɖoe kplikpaa wu tsã be yeawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi?

3 Dzo nɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo me ɖe woƒe lãɖeɖedɔa ŋu, wonya woƒe dɔa nyuie, dzi nɔ wo ƒo, eye womla wo ɖokui ɖe woƒe dɔa ŋu. Ðikeke mele eme o be, nɔnɔme nyui mawo kee kpe ɖe wo ŋu wova bi ɖe ameɖeɖedɔa hã me. Le nyati sia me la, míadzro ale si nàte ŋu atu nɔnɔme nyui mawo ɖo ale be nàbi ɖe ameɖeɖedɔa, alo gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa, me la me.

NA DIDI SI LE MEWÒ BE NÀÐE GBEƑÃ LA NAGASẼ ÐE EDZI

Petro kple ame siwo nye tɔƒodelawo tsã la va zu ameɖelawo. Ameɖeɖedɔ vevi sia gakpɔtɔ le edzi yim le míaƒe ŋkekea me (Kpɔ memama 4-5 lia)

4. Nu ka tae Petro nye tɔƒodela?

4 Petro ɖaɖea lã kple susu be yeate ŋu akpɔ yeƒe ƒomea dzi, gake anɔ eme be menye susu ma ta koe wòdea tɔƒo ɖo o. Edze ƒãa be elɔ̃ tɔƒodededɔa ŋutɔ. (Yoh. 21:3, 9-15) Azɔ hã, eva srɔ̃ ale si wòalɔ̃ ameɖeɖedɔa hã. Eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Petro va bi ɖe ameɖeɖedɔa me ŋutɔ.—Dɔw. 2:14, 41.

5. Le nya siwo dze le Luka 5:8-11 nu la, nu kae na vɔvɔ̃ ɖo Petro, eye nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu seselelãme mawo tɔgbi dzi?

5 Esi míelɔ̃ Yehowa tae míeɖea gbeƒã nya nyuia; esiae nye susu vevitɔ si tae míewɔa dɔ sia ɖo. Togbɔ be míase le mía ɖokui me be míedze awɔ dɔ sia o hã la, lɔlɔ̃ na Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu seselelãme mawo tɔgbi dzi. Esi Yesu kpe Petro be wòava nye amewo ɖela la, Yesu gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o.” (Xlẽ Luka 5:8-11.) Menye nu si ate ŋu ava dzɔ ne Petro va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la la tae wònɔ vɔvɔ̃m ɖo o. Ke boŋ, ɖe eƒe nu ku esi wòkpɔ Yesu wɔ nukunu be woɖe lã gbogbo aɖe la tae. Eye Petro se le eɖokui me be yemedze awɔ dɔ kple Yesu o. Abe Petro ene la, ɖewohĩ, wò hã àte ŋu atsi dzimaɖi le ɖokuiwò me ne èkpɔ nu siwo wòahiã be nàwɔ be nàva zu Kristo ƒe nusrɔ̃la. Ne nenemae la, ekema, na lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa, Yesu, kple hawòviwo la me nagasẽ ɖe edzi, eye esia aʋã wò be nàwɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi ava zu amewo ɖela.—Mat. 22:37, 39; Yoh. 14:15.

6. Susu bubu kawo tae míeɖea gbeƒã ɖo?

6 Bu susu bubu siwo ta míeɖea gbeƒã ɖo la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Gbãa, míedi be míawɔ ɖe Yesu ƒe se si nye, “Miheyi ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo” la dzi. (Mat. 28:19, 20) Azɔ hã, míeɖea gbeƒã na amewo, elabe míekpɔe be “wowɔ fu wo, eye wotsi yame,” eye wohiã na nyateƒe si ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu la vevie. (Mat. 9:36) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa di be nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ nasu ame ƒomeviwo katã si eye woakpɔ ɖeɖe.—1 Tim. 2:4.

7. Aleke Romatɔwo 10:13-15 ɖee fia be gbeƒãɖeɖedɔa le vevie?

7 Ne míebu ale si míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu ana amewo nakpɔ ɖeɖee ŋu la, esia aʋã mí be míaɖe gbeƒã na wo. Ðe tɔƒodelawo ɖea lã kple susu be yewoadzra wo alo yewoaɖu wo, ke míawo ya ɖe míeɖea amewo kple susu be míakpe ɖe wo ŋu be woakpɔ agbe.—Xlẽ Romatɔwo 10:13-15; 1 Tim. 4:16.

SRƆ̃ NU TSO ALE SI NÀWƆ GBEƑÃÐEÐEDƆAE LA ŊU NYUIE

8-9. Nu kawoe wòle be tɔƒodela nanya, eye nu ka tae?

8 Le Yesu ƒe ŋkekea me la, ele na Israel-vi tɔƒodela be wòanya tɔmelã siwo ƒomevi wòate ŋu aɖe. (3 Mose 11:9-12) Ele nɛ hã be wòanya afi si wòate ŋu akpɔ tɔmelã mawo le aɖe. Zi geɖe la, tɔmelãwo nɔa afi si tsia ƒe nɔnɔme de wo dzi le kple afi si woakpɔ nuɖuɖu geɖe le aɖu. Ɣeyiɣi si me wòle be tɔƒodelaa nade tɔƒo la hã le vevie. Nɔviŋutsu aɖe si le Pasifik ƒukpo aɖe dzi la gblɔ ɣeyiɣi nyuitɔ si me woakpɔ lã le aɖe. Gbe ɖeka la, ekpe dutanyanyuigblɔla aɖe be wòava ne yewoaɖaɖe lã. Dutanyanyuigblɔlaa gblɔ nɛ be, “Mava do go wò etsɔ ŋdi ga asieke.” Nɔviŋutsua gblɔ nɛ be, “Mese nyaa gɔme o. Ele be míayi le ɣeyiɣi si me míakpɔ lã aɖe la me, ke menye le ɣeyiɣi si sɔ na míawo ŋutɔwo la me o.”

9 Nenema kee Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo va zu ameɖelawo le ƒe alafa gbãtɔ me la yina ɖadia amewo le afi si woakpɔ wo le kple le ɣeyiɣi si me woakpɔ wo le la me. Le kpɔɖeŋu me, Yesu yomedzelawo ɖe gbeƒã le gbedoxɔa me, kple le ƒuƒoƒewo, tso aƒe me yi aƒe me, kple le asiwo me. (Dɔw. 5:42; 17:17; 18:4) Ele be míawo hã míanya ɣeyiɣi siwo me ame siwo le míaƒe anyigbamama me la nɔa aƒe me alo teƒe siwo míakpɔ wo le. Ele be míalɔ̃ faa awɔ tɔtrɔ siwo hiã la le míaƒe ɖoɖowo ŋu ale be míayi aɖaɖe gbeƒã le afi si míakpɔ amewo le, kple le ɣeyiɣi si me míakpɔ wo le la me.—1 Kor. 9:19-23.

TƆƑODELA BIBIWO . . . 1. dea tɔƒo le afi si woakpɔ lã le kple ɣeyiɣi si me woakpɔ wo aɖe la me (Kpɔ memama 8-9 lia)

10. Dɔwɔnu kawoe Yehowa ƒe habɔbɔa na mí?

10 Ele be tɔƒodela nanya dɔwɔnu siwo wòle be wòazã kple ale si wòle be wòazã woe. Míawo hã ehiã be dɔwɔnu nyuitɔ nanɔ mía si be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Eye ehiã be míanya ale si míazã dɔwɔnu mawoe. Yesu na mɔfiame siwo me kɔ eƒe nusrɔ̃lawo le ale si woaɖe gbeƒã nya nyuia la ŋu. Egblɔ nu si woatsɔ ɖe asi, afi siwo woaɖe gbeƒã le, kple nya si woagblɔ, la na wo. (Mat. 10:5-7; Luka 10:1-11) Egbea, Yehowa ƒe habɔbɔa na Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la mí, eye dɔwɔnu nyui vovovo siwo ɖea vi na mí le gbeƒãɖeɖedɔa me la le wo dome. * Eye Yehowa ƒe habɔbɔa fia ale si míazã dɔwɔnu mawoe la mí. Esia kpe ɖe mía ŋu dzi ɖo mía ƒo le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye míegabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me fifia wu tsã.—2 Tim. 2:15.

TƆƑODELA BIBIWO . . . 2. xɔa hehe le ale si woazã dɔwɔnu siwo sɔ na woƒe dɔa la ŋu (Kpɔ memama 10 lia)

DZI NENƆ ƑOWÒ

11. Nu ka tae wòle be dzi nanɔ nya nyui gbeƒãɖelawo ƒo?

11 Ehiã be dzi nanɔ tɔƒodelawo ƒo. Nu ka tae? Nu si tae nye be ɣeaɖewoɣi la, yame ƒe nɔnɔme trɔna kpata esime wole ƒua dzi. Zi geɖe la, wodea tɔƒo le zã me, eye ɣeaɖewoɣi la, ahom sesẽwo va tua wo zi ɖeka kpoyi le ƒua dzi. Nenema kee wòhiã be dzi nanɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo va zu ameɖelawo la ƒo. Ne míele gbeƒã ɖem nya nyuia eye míegblɔ na amewo be Yehowa Ðasefowo míenye la, wotea ŋu tsia tsitre ɖe mía ŋu, mía xɔlɔ̃wo ɖua fewu le mía ŋu alo ɖia gbɔ̃ mí, míaƒe ƒometɔwo tsia tsitre ɖe mía ŋu, eye ame aɖewo gbena be yewomase míaƒe gbedeasia o. Gake esiawo katã mewɔa nuku na mí o. Elabena Yesu gblɔ be yeadɔ ye yomedzelawo ɖe ame siwo atsi tsitre ɖe wo ŋu la dome.—Mat. 10:16.

12. Le nya siwo dze le Yosua 1:7-9 nu la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo?

12 Aleke nàte ŋu ana be dzi nanɔ ƒowò? Gbã la, ka ɖe edzi be Yesu yi edzi le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa tso dziƒo. (Yoh. 16:33; Nyaɖ. 14:14-16) Eye eyome, ka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yealé be na wò la dzi bliboe. (Mat. 6:32-34) Eye zi ale si nèyi edzi do ŋusẽ wò xɔse la, zi nenemae dzi aɖo ƒowò. Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo ɖe xɔse gã aɖe fia esi woɖe asi le woƒe dɔwɔɖuia ŋu va dze Yesu yome. Nenema kee wò hã èɖe xɔse gã aɖe fia esime nègblɔ na wò ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo be Yehowa Ðasefowo dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kpli ye eye yele woƒe kpekpewo dem! Ðikeke mele eme o be èwɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le wò nuwɔna kple agbenɔnɔ me kple susu be yeanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. Esiawo hã bia xɔse kple dzinɔameƒo. Esi nèyi edzi le agbagba dzem be dzi nanɔ ƒowò geɖe wu la, ka ɖe edzi be “Yehowa wò Mawu li kpli wò le afi sia afi si nàyi.”—Xlẽ Yosua 1:7-9.

TƆƑODELA BIBIWO . . . 3. léa dzi ɖe ƒo wɔa dɔ ne yame ƒe nɔnɔme mede wo dzi o gɔ̃ hã (Kpɔ memama 11-12 lia)

13. Aleke ŋugbledede kple gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowò geɖe wu?

13 Nu bubu kae nàgate ŋu awɔ be dzi nanɔ ƒowò geɖe wu? Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒowò. (Dɔw. 4:29, 31) Yehowa aɖo wo gbedodoɖawo ŋu eye magblẽ wò ɖi gbeɖe o. Ele klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ŋuwò. Azɔ hã, àte ŋu ade ŋugble le ale si Yehowa xɔ na eƒe amewo le blema la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, de ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò nète ŋu ɖu kuxi aɖewo dzi va yi kple ale si wòdo ŋusẽ wò nèwɔ tɔtrɔwo le wò agbenɔnɔ me la ŋu. Míeka ɖe edzi bliboe be Ame si kplɔ eƒe dukɔa tso Ƒudzĩa la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànye Kristo ƒe nusrɔ̃la. (2 Mose 14:13) Yi edzi nàxɔ Yehowa dzi se bliboe abe hakpalaa ene esi wògblɔ be: “Yehowa li kplim; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?”—Ps. 118:6.

14. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Masae kple Tomoyo ƒe kpɔɖeŋuawo me?

14 Nu bubu si nàgate ŋu awɔ be dzi naɖo ƒowò geɖe wu ye nye be, nàsrɔ̃ nu tso ale si Yehowa kpe ɖe ame siwo kpea ŋu le dzɔdzɔme nu ŋu eye wova srɔ̃ ale si woana dzi naɖo wo ƒo la ŋu. Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Masae ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ekpea ŋu le dzɔdzɔme nu eye ese le eɖokui me be yemate ŋu aɖe gbeƒã na amewo le dutoƒo gbeɖe o. Esesẽna nɛ ŋutɔ be wòaƒo nu na ame siwo menya o, eye ele nɛ ko abe mɔxenu gã aɖe si mate ŋu aɖe ɖa gbeɖe o ene. Eya ta eku kutri vevie na lɔlɔ̃ si le esi na Mawu kple ehaviwo la me gava sẽ ɖe edzi. Ede ŋugble le ale si gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata fifia la ŋu vevie, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe gbeƒã. Eva ɖu vɔvɔ̃ siwo nɔ eme la dzi, eye wòva wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã. Yehowa ate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖela yeyewo hã ŋu be ‘dzi nanɔ wo ƒo.’ Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Tomoyo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wòdze gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me gɔme la, aƒemenɔla gbãtɔ si ŋu wòke ɖo la do ɣli ɖe eta sesĩe be: “Nyemele naneke dim tso Yehowa Ðasefowo gbɔ o!” eye wòtu ʋɔa zi ɖeka gbla. Tomoyo gblɔ na nɔvinyɔnu si woa kplii wole gbeadzi la be: “Èse nya si wògblɔ fifia? Nyemeke nu gblɔ nya aɖeke o, ke hã, ede dzesim be menye Yehowa Ðasefo. Edzɔ dzi nam ŋutɔ!” Fifia, Tomoyo le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm.

NU SI TAE ÐOKUIMAMLA LE VEVIE

15. Nu kae nye ameɖokuimamla, eye nu ka tae esia le vevie na Kristotɔwo?

15 Tɔƒodela siwo kpɔa dzidzedze la nye ame siwo mla wo ɖokuiwo le woƒe dɔwo wɔwɔ me. Woɖe ameɖokuimamla gɔme be, enye “ale si ame nazi eɖokui dzi awɔ nu si wòle be wòawɔ.” Ele be tɔƒodelawo namla wo ɖokuiwo be woafɔ kaba, anɔ dɔ dzi va se ɖe esime wowu enu, ne yame ƒe nɔnɔmewo mede wo dzi o gɔ̃ hã. Nenema kee hafi míawo hã míate ŋu ado dzi awɔ gbeƒãɖeɖedɔa ahayi edzi va se ɖe nuwuwu la, ehiã be míamla mía ɖokuiwo.—Mat. 10:22.

16. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu siwo sesẽ na mí be míawɔ?

16 Míawo ŋutɔwoe wòle na be míamla mía ɖokuiwo, elabena womedzia ame kplii o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, le dzɔdzɔme nu la, zi geɖe la, míedina be míawɔ nu siwo wɔwɔ le bɔbɔe na mí wu. Eya ta, míehiã ɖokuidziɖuɖu be míate ŋu amla mía ɖokuiwo. Esia ta, míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be míamla mía ɖokuiwo ale be míate ŋu awɔ nu siwo wɔwɔ sesẽna na mí. Yehowa naa kpekpeɖeŋu sia mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi.—Gal. 5:22, 23.

17. Le 1 Korintotɔwo 9:25-27 ƒe nya nu la, nu kae apostolo Paulo gblɔ be ehiã be yeawɔ be yeate ŋu amla ye ɖokui?

17 Apostolo Paulo nye ame si ɖua eɖokui dzi. Ke hã, egblɔ be ehiã be ‘yeaƒo yeƒe ŋutilã vevie’ ale be yeate ŋu awɔ nu si le eteƒe. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 9:25-27.) Eye exlɔ̃ nu amewo be woamla wo ɖokuiwo eye woana nuwo katã “nayi edzi nyuie ɖe ɖoɖo nu.” (1 Kor. 14:40) Ehiã be míaku kutri vevie ayi Yehowa subɔsubɔ dzi, eye esia bia be míado vevie gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa.—Dɔw. 2:46.

MÈGAHE ÐE MEGBE O

18. Nu kae wòle be míawɔ be Yehowa nakpɔe be míele dzidzedze kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me?

18 Ne tɔƒodelawo ɖe lã geɖe la, wogblɔna be yewokpɔ dzidzedze le yewoƒe dɔa me. Ke hã, mele alea le gbeƒãɖeɖedɔa ya gome o. Menye ame agbɔsɔsɔ si ŋu míekpe ɖo wova zu Yehowa Ðasefowo lae ɖenɛ fiana be míekpɔ dzidzedze le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me o. (Luka 8:11-15) Eya ta, zi ale si míeyi edzi le gbeƒã ɖem nya nyuia hele nu fiam amewo ko la, Yehowa ya kpɔnɛ be míele dzidzedze kpɔm le dɔ sia me. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ne míewɔnɛ alea la, efia be míele to ɖom Yehowa kple Via.—Marko 13:10; Dɔw. 5:28, 29.

19-20. Susu vevi ka tae wòhiã be míaɖe gbeƒã nya nyuia fifia?

19 Le dukɔ aɖewo me la, ɣleti aɖewo me koe woɖe mɔ na tɔƒodelawo be woade tɔƒo. Le dukɔ mawo tɔgbi me la, ne ɣleti mawo le enu wum la, tɔƒodelawo kpɔnɛ be ɣemaɣie wòle be yewoado vevie nu wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Nenema kee míawo hã míenyae be, fifiae wòle be míaɖe gbeƒã nya nyuia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe, elabena míenya be esusɔ vie ko xexe sia nawu enu! Esia fia be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ be míatsɔ aɖe gbeƒã be amewo nakpɔ agbe. Eya ta, mègahe ɖe megbe o, eye mègalala be nu sia nu nasɔ nyuie le wò agbe me hafi nàkpɔ gome le dɔ sia si nye dɔ vevitɔ la me o.—Nyagb. 11:4.

20 Eya ta, tso kpla nàdo ŋusẽ didi si le mewò, do vevie Biblia-sɔsrɔ̃a, na dzi nanɔ ƒowò, eye nàmla ɖokuiwò ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Wɔ ɖeka kple ame miliɔn enyi kple edzivɔ siwo le gbeƒã ɖem le xexea me godoo la, eye wò hã àkpɔ dzidzɔ si tsoa Mawu gbɔ. (Neh. 8:10) Ðoe kplikpaa be nàwɔ wò ŋutete katã le gbeƒãɖeɖedɔa me eye nàyi edzi va se ɖe esime Yehowa nagblɔ be dɔa wu enu. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro mɔ vovovo etɔ̃ siwo dzi míate ŋu ato ado ŋusẽ didi vevi si le mía me be míayi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi la me.

HADZIDZI 66 Miɖe Gbeƒã Nya Nyui Mavɔ La

^ mm. 5 Yesu kpe tɔƒodela siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo eye wonye dɔ sesẽ wɔlawo la be woava nye yeƒe nusrɔ̃lawo. Egbea, Yesu yi edzi le amewo kpem be woava nye yeƒe nusrɔ̃lawo eye woaɖe gbeƒã nya nyuia. Le nyati sia me la, míadzro afɔ siwo wòhiã be Biblia-nusrɔ̃vi siwo le hehem ɖe megbe be yewoawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi la naɖe la me.

^ mm. 1 NYAMEÐEÐE: Nyagbɔgblɔ si nye ‘ameɖelawo’ la fia ame siwo katã ɖea gbeƒã nya nyuia eye wofiaa nu amewo be woava nye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.

^ mm. 10 Kpɔ nyati si nye “Fia Nyateƒea Amewo,” si dze le October 2018 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 11-16.