Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 40

“Kpɔ Nu Si Wotsɔ De Asiwò La Dzi”

“Kpɔ Nu Si Wotsɔ De Asiwò La Dzi”

“Timoteo, kpɔ nu si wotsɔ de asiwò la dzi.”—1 TIM. 6:20.

HADZIDZI 29 Míanɔ Agbe Wòasɔ Kple Míaƒe Ŋkɔ La

NYA VEVIAWO *

1-2. Le 1 Timoteo 6:20 ƒe nya nu la, nu kae wotsɔ de asi na Timoteo?

ZI GEÐE LA, míetsɔa míaƒe nu veviwo dea asi na ame bubuwo be woakpɔ wo dzi na mí. Le kpɔɖeŋu me, míetsɔa míaƒe gawo dea gadzraɖoƒe. Ne míetsɔ míaƒe ga de gadzraɖoƒe la, míekpɔa mɔ be woakpɔ eta na mí be wòagabu alo woafii o. Eya ta, míese nu si wòfia be woatsɔ nu vevi aɖe ade ame aɖe si be wòakpɔ edzi la gɔme nyuie.

2 Xlẽ 1 Timoteo 6:20. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na Timoteo be wotsɔ nu vevi aɖe de esi be wòakpɔ edzi—eyae nye tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la ŋuti sidzedze vavãtɔ. Yehowa na mɔnukpɔkpɔ Timoteo hã be ‘wòaɖe gbeƒã nya la’ eye ‘wòawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔ la.’ (2 Tim. 4:2, 5) Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòakpɔ nu si wotsɔ de esi la dzi. Abe Timoteo ene la, wotsɔ nu xɔasiwo de asi na míawo hã be míakpɔ wo dzi. Nu kawoe? Eye nu ka tae wòle be míakpɔ nu xɔasi siwo Yehowa tsɔ de asi na mí la dzi?

WOTSƆ NYATEƑE XƆASIWO DE ASI NA MÍ

3-4. Susu kawo tae míate ŋu agblɔ be Biblia me nyateƒeawo nye nu xɔasiwo?

3 Yehowa ve mía nu be ena nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ si le eƒe Nya, Biblia, me la su mía si. Nyateƒe siawo xɔ asi, elabena wofia mí ale si míawɔ be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome eye wona míenya nu si nana ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ le agbe me. Ne míexɔ nyateƒenya mawo dzi se eye míenɔ agbe ɖe wo nu la, wonana míevona tso alakpanufiafiawo si me eye míedzudzɔa nuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o la wɔwɔ.—1 Kor. 6:9-11.

4 Susu bubu aɖe si tae nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nyaa me la xɔ asi ye nye be, ɖokuibɔbɔla “siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le” la koe Yehowa ɖea wo fiana. (Dɔw. 13:48) Ðokuibɔbɔla mawo lɔ̃ ɖe edzi be kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ye fiaa Biblia me nyateƒeawo mí egbea. (Mat. 11:25; 24:45) Míawo ŋutɔwo míate ŋu ase Biblia me nyateƒeawo gɔme le mía ɖokui si o, eye naneke megaxɔ asi de Biblia me nyateƒeawo nu o.—Lod. 3:13, 15.

5. Nu bubu ka hãe Yehowa tsɔ de mía si?

5 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ mí hã be míafia nyateƒe siwo ku ɖe eyama kple eƒe tameɖoɖowo ŋu la ame bubuwo. (Mat. 24:14) Gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la xɔ asi ŋutɔ, elabe ekpena ɖe amewo ŋu be woava nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo, eye enaa mɔnukpɔkpɔ wo hã be woava nɔ agbe tegbee. (1 Tim. 4:16) Míeɖawɔa geɖe alo sue aɖe ko míewɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me o, míele asi kpem ɖe dɔ vevitɔ kekeake si wɔm wole egbea la ŋu. (1 Tim. 2:3, 4) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi Mawu na mí be míenye eƒe hadɔwɔlawo!—1 Kor. 3:9.

KPƆ NU SI WOTSƆ DE ASI NA WÒ LA DZI NYUIE!

Ele be Timoteo nayi Yehowa subɔsubɔ dzi esime ame bubuwo ya tiae be yewoatrɔ le Yehowa yome (Kpɔ memama 6 lia)

6. Nu kae dzɔ ɖe ame aɖewo siwo menɔ ŋudzɔ o la dzi?

6 Kristotɔ aɖewo siwo nɔ anyi le Timoteo ƒe ɣeyiɣia me la mede asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si be wonye Mawu ƒe hadɔwɔlawo la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, esi Dema lɔ̃ fifi nuɖoanyi sia ta la, eɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòasubɔ kple Paulo la ŋu. (2 Tim. 4:10) Edze abe Figelo kple Hermogene ɖe asi le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ene, le esi wonɔ vɔvɔ̃m be fukpekpe siwo va Paulo dzi le yometiti ta ate ŋu ava yewo hã yewo dzi ta. (2 Tim. 1:15) Azɔ hã, Himenayo, Aleksandro, kple Fileto va zu xɔsegbelawo eye wodzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. (1 Tim. 1:19, 20; 2 Tim. 2:16-18) Anɔ eme be ame siawo katã lɔ̃ Yehowa tsã, gake womegava nɔ nu siwo Yehowa tsɔ de wo si la bum be wonye nu xɔasiwo o.

7. Nu kae Satana wɔna tsɔ dzea agbagba be yeana míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu?

7 Aleke Satana dzea agbagba be yeana míaɖe asi le nu xɔasi siwo Yehowa tsɔ de asi na mí la ŋu? De dzesi ayemɔ siwo dzi Satana tona la dometɔ aɖewo. Satana toa television, filmwo, Internet, nyadzɔdzɔgbalẽwo, magazinewo, kple agbalẽwo dzi doa agbenɔnɔ, tamesusu, kple nuwɔna gbegblẽwo ɖe ŋgɔ kple susu be woawɔe be míagalé nyateƒea me ɖe asi sesĩe o. Edzea agbagba be yeato hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu alo yometiti dzi ado ŋɔdzi na mí ale be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia. Eye edzea agbagba be yeable mía nu be míaɖo to “nu si woyɔna alakpatɔe be ‘sidzedze,’” siwo xɔsegbelawo dona ɖe ŋgɔ la, ale be míava do le nyateƒea me mlɔeba.—1 Tim. 6:20, 21.

8. Nu kae míesrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Daniel dzi la me?

8 Ne míekpɔ nyuie o la, ate ŋu ava dzɔ be vivivi la, míava do le nyateƒea me. Bu nu si dzɔ ɖe Daniel * si lɔ̃ videofefewo ƒoƒo dzi la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Medze videofefewo ƒoƒo gɔme esime mexɔ ƒe ewo. Le gɔmedzedzea me la, video siwo ŋu naneke megblẽ le o ye meƒona. Gake vivivi la, meva dze video siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo le la ƒoƒo gɔme.” Mlɔeba la, Daniel tea ŋu ƒoa videofefewo ʋuu gaƒoƒo 15 sɔŋ gbe sia gbe. Daniel gblɔ be: “Ne mato nyateƒe la, menyae be videofefe siwo ƒomevi ƒom menɔ kple gaƒoƒo agbɔsɔsɔme siwo metsɔ ƒoa wo la na xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ nye kple Yehowa dome la me nɔ gbegblẽm vivivi. Ke hã, nye dzi va ku atri ale gbegbe be mexɔe se be Biblia me mɔfiamewo meku ɖe ŋunye o.” Eya ta, ne míekpɔ nyuie o la, modzakaɖenuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si menya kpɔna dzea sii o la, ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be míagava lé nyateƒea me ɖe asi sesĩe o. Ne edzɔ alea la, ate ŋu anɔ eme be míagava nɔ nu siwo Yehowa na mí la bum be wonye nu xɔasiwo o, eye vivivi la míava do le nyateƒea me.

ALE SI MÍAWƆ BE MÍALÉ NYATEƑEA ME ÐE ASI SESĨE

9. Le 1 Timoteo 1:18, 19 ƒe nya nu la, ame kae Paulo tsɔ Timoteo sɔ kple?

9 Xlẽ 1 Timoteo 1:18, 19. Paulo tsɔ Timoteo sɔ kple asrafo eye wòde dzi ƒo nɛ be ‘wòayi aʋa nyui la wɔwɔ dzi.’ Gake menye aʋawɔwɔ ŋutɔŋutɔe Paulo wɔnɛ le afi sia o. Ke mɔ kawo nue Kristotɔwo le abe asrafo siwo le aʋagbe dzi ene la le? Esi míenye Kristo ƒe asrafowo ta la, nɔnɔme nyui kawoe wòhiã be wòanɔ mía si? Na míakpɔ nu atɔ̃ siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me ɖa. Nu siwo míasrɔ̃ la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míalé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ.

10. Mawusosroɖa gɔme ɖe, eye nu ka tae míehiã na nɔnɔme nyui sia?

10 Mawusosroɖa le vevie. Asrafo si léa fɔ ɖe dɔ ŋu la wɔa nuteƒe. Asrafo ma awɔ aʋa vevie be wòakpɔ ame siwo wòlɔ̃ alo nu siwo le vevie nɛ la ta. Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòasrɔ̃ nɔnɔme nyui si nye mawusosroɖa, si nye nuteƒewɔwɔ na Mawu. (1 Tim. 4:7) Zi ale si míelɔ̃ Mawu eye míedze agbagba vevie be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, zi nenemae didi si le mía me be míalé nyateƒea me ɖe asi la asẽ ɖe edzi.—1 Tim. 4:8-10; 6:6.

Ne míewɔ dɔ ŋkeke bliboa eye ɖeɖi te mía ŋu la, ahiã be míaku kutri vevie hafi míade kpekpe. Gake ne míenya de kpekpea ko la, míekpɔa yayra geɖe! (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu ka tae wòhiã be míamla mía ɖokui?

11 Ðokuimamla le vevie. Ne asrafo aɖe di be yeanɔ klalo ɣesiaɣi na aʋawɔwɔ la, ke ele be wòamla eɖokui. Timoteo te ŋu ɖu Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo dzi, elabena ewɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo nɛ la dzi. Edze agbagba vevie ɖu dzodzro vɔ̃wo dzi, esrɔ̃ nɔnɔme nyuiwo, eye ede ha kple nɔvia ŋutsu kple nɔvia nyɔnu Kristotɔwo. (2 Tim. 2:22) Esia bia ameɖokuimamla vavã. Hafi míate ŋu aɖu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe dzodzrowo dzi la, ehiã be míamla mía ɖokui. (Rom. 7:21-25) Azɔ hã, ehiã be míamla mía ɖokui hafi míate ŋu ayi edzi aɖe amenyenye xoxoa ɖa ahado amenyenye yeyea. (Ef. 4:22, 24) Ne míewɔ dɔ ŋkeke bliboa eye ɖeɖi te mía ŋu la, ahiã be míaku kutri vevie hafi míade kpekpe.—Heb. 10:24, 25.

12. Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míabi ɖe Biblia zazã me?

12 Ehiã be asrafo nasrɔ̃ eƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ wɔwɔ nyuie. Hafi wòate ŋu abi ɖe eƒe aʋawɔnuwo zazã me la, ehiã be wòanɔ wo ŋu dɔ wɔm edziedzi. Le mɔ ma ke nu la, ehiã be míawo hã míabi ɖe Mawu ƒe Nya la zazã me. (2 Tim. 2:15) Míate ŋu asrɔ̃ nu siwo akpe ɖe mía ŋu be míabi ɖe Mawu ƒe Nya la zazã me la dometɔ aɖewo le míaƒe kpekpewo me. Gake hafi míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woaxɔe ase be Biblia me nyateƒewo nye nu xɔasiwo vavã la, ehiã be míawo ŋutɔwo míanɔ Biblia srɔ̃m le mía ɖokui si edziedzi. Ehiã be míatsɔ Mawu ƒe Nyaa ado ŋusẽ míaƒe xɔse. Esia bia nu geɖe wu Biblia xexlẽ dzro ko. Ebia be míade ŋugble le nu si míexlẽ ŋu ahaku nu me le míaƒe agbalẽwo me ale be míase Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie ahawɔ wo ŋu dɔ nyuie. (1 Tim. 4:13-15) Ema ko hafi míate ŋu azã Mawu ƒe Nyaa atsɔ afia nu ame bubuwo, eye abe ale si míegblɔe va yi ene la, esia bia nu geɖe wu Biblia xexlẽ dzro ko. Míedi be míakpe ɖe míaƒe nyaselawo ŋu woase mawunyakpukpuia gɔme eye woakpɔ ale si wòka woe. Ne míezɔna ɖe ɖoɖo si míewɔ be míanɔ Biblia srɔ̃m le mía ɖokui si edziedzi dzi la, esia ate ŋu awɔe be míava bi ɖe Biblia zazã me ne míele nu fiam amewo.—2 Tim. 3:16, 17.

13. Le Hebritɔwo 5:14 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be míasrɔ̃ ale si míade vovo nyui kple vɔ̃ dome?

13 Srɔ̃ ale si nàde vovo nyui kple vɔ̃ dome. Ele be asrafo nate ŋu akpɔ afɔku si gbɔna la kaba eye wòaƒo asa nɛ. Nenema kee wòle be míawo hã míasrɔ̃ ale si míate ŋu ade dzesi nɔnɔme siwo ate ŋu ahe afɔku vɛ na mí la kaba eye míaƒo asa na wo. (Lod. 22:3; xlẽ Hebritɔwo 5:14.) Le kpɔɖeŋu me, ehiã be míatia nu siwo míetsɔ ɖea modzakae la le nunya me. Television dzi wɔnawo kple filmwo ɖea agbe ƒaƒã nɔnɔ ƒe nuwɔnawo fiana zi geɖe. Agbenɔnɔ mawo medzea Mawu ŋu o, eye wova gblẽa nu la ame ŋu godoo. Le susu siawo ta la, míeƒoa asa na modzakaɖenu siwo ate ŋu awɔe be vivivi la, lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la me nagbɔdzɔ.—Ef. 5:5, 6.

14. Esi Daniel va srɔ̃ ale si wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome la, aleke esia kpe ɖe eŋu?

14 Daniel si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la va de dzesii be videofefe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔgbɔyɔnuwɔnawo le la ƒoƒo le nu gblẽm le ye ŋu. Ezã Watchtower Library dɔwɔnua tsɔ ku nu me le míaƒe agbalẽwo me tso ale si wòakpɔ eƒe kuxia gbɔ la ŋu. Aleke esia ɖe vi nɛ? Edzudzɔ videofefe siwo mesɔ na Kristotɔwo o la ƒoƒo. Eɖe eƒe ŋkɔ ɖa le video ƒoƒo ƒe ɖoɖo si le internet dzi la me eye wòdzudzɔ hadede kple eƒola bubuwo. Daniel gblɔ be: “Le esi nye ɖeka manɔ anyi anɔ videofefewo ƒom teƒe la, meva zãa ɣeyiɣi ma tsɔ wɔa nu vovovowo le gota alo dea ha kple nɔviwo le hamea me.” Fifia, Daniel nye gbesiagbe mɔɖela kple hamemetsitsi.

15. Nu ka tae afɔku le alakpanyawo sese alo wo xexlẽ me?

15 Abe Timoteo ene la, ele be míawo hã míade dzesii be afɔku le alakpanya siwo xɔsegbelawo kakana la me. (1 Tim. 4:1, 7; 2 Tim. 2:16) Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu adze agbagba be yewoakaka alakpanyawo tso mía nɔvi Kristotɔwo ŋu alo woadze agbagba be yewoana be míagaka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi o. Alakpanya mawo ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe xɔse. Mele be míaɖe mɔ alakpanya mawo naflu mí o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, “ame siwo ƒe susu gblẽ eye nyateƒea to wo ŋu yi” lae kakaa alakpanya mawo ƒomevi. Woƒe taɖodzinue nye be ‘yewoaʋli nya ahahe glãka.’ (1 Tim. 6:4, 5) Wodi be míaxɔ yewoƒe alakpanya mawo dzi ase eye míagaka ɖe mía nɔvi Kristotɔwo dzi o.

16. Susuhenu kawoe wòle be míaƒo asa na?

16 Ƒo asa na susuhenuwo. Esi wònye be “Kristo Yesu ƒe asrafo nyui” ye Timoteo nye ta la, ele be wòana eƒe susu nanɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi tsɔ wu be wòana ŋutilãmenuwo nahe eƒe susu ɖa le dɔa dzi. (2 Tim. 2:3, 4) Abe Timoteo ene la, mele be míava nɔ didim be ŋutilãmenu geɖe wu nasu mía si, eye esia nawɔe be míaƒe susu nadzo le dɔa dzi o. “Kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ate ŋu awɔe be míagalɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me o, míagakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu o, eye míagadi be míagblɔ nya nyuia na ame bubuwo o. (Mat. 13:22) Ele be míanɔ agbe tsɛ, eye míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ ‘anɔ Fiaɖuƒea dim gbã.’—Mat. 6:22-25, 33.

17-18. Nu kae míate ŋu awɔ be míakpɔ xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome la ta?

17 Nɔ dzadzraɖoɖi be nàwɔ nu kpata be nàƒo asa na afɔku. Ehiã be asrafo nawɔ ɖoɖo do ŋgɔ anya nu si wòawɔ be wòatsɔ akpɔ eɖokui ta ne afɔku gbɔna. Hafi míate ŋu akpɔ nu xɔasi siwo Yehowa na mí la ta la, ele be míawɔ nu kpata ne míekpɔe be afɔku aɖe do mo ɖa. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu kpata? Ehiã be míanɔ dzadzraɖoɖi be míanya nu si míawɔ ne afɔku aɖe do me ɖa.

18 Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Hafi woadze hadomewɔna aɖewo gɔme le fefewɔƒe la, zi geɖe la, wobiana tso vavalawo si be woade dzesi afi si te ɖe wo ŋu si woate ŋu ato ado go kaba. Nu ka tae? Nu si tae nye be wodi be vavalawo nado go kaba ne afɔku aɖe do mo ɖa. Nenema kee, míawo hã míate ŋu anɔ dzadzraɖoɖi be míanya nu si míawɔ ne gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe wɔna aɖe, ŋutasẽnuwɔwɔ alo xɔsegbelawo ƒe nyawo va do le vome kpoyi esime míele internet zãm alo esime míele film aɖe alo television dzi wɔna aɖe kpɔm. Ne míele dzadzraɖoɖi ɖe nu si ate ŋu adzɔ ŋu la, míate ŋu awɔ nu kpata atsɔ akpɔ xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome la ta ale be míakpɔtɔ anɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume.—Ps. 101:3; 1 Tim. 4:12.

19. Ne míekpɔ nu xɔasi siwo Yehowa na mí la ta la, yayra kawoe ava su mía si?

19 Ele be míakpɔ nu xɔasi siwo Yehowa tsɔ de asi na mí la ta. Woawoe nye Biblia me nyateƒe xɔasiawo kple mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míafia nyateƒea ame bubuwo. Ne míekpɔ nu xɔasi mawo ta la, dzitsinya dzadzɛ anɔ mía si eye taɖodzinu anɔ míaƒe agbe ŋu. Azɔ hã, ne míekpe ɖe amewo ŋu wova nya Yehowa la, esia ana míakpɔ dzidzɔ geɖe. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu akpɔ nu xɔasi siwo wòde asi na mí la ta.—1 Tim. 6:12, 19.

HADZIDZI 127 Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye

^ mm. 5 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su mía si be míenya nyateƒea eye míefiaa nyateƒea ame bubuwo. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be míelé mɔnukpɔkpɔ ma me ɖe asi sesĩe be míagana wòado le mía si gbeɖe o.

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔa.