Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe nya siwo dze le Nyagblɔla 5:8 la ku ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖeɖe ko ŋu loo alo woku ɖe Yehowa hã ŋu?

Mawunyakpukpui dedziƒoname ma xlẽ be: “Ne èkpɔe be wote ame dahe ɖe anyi, wobaɖa afɔ na nya dzɔdzɔe eye wotu afɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ me le miaƒe nutoa me la, megawɔ nuku na wò o. Elabena amegã si le ɖoƒe kɔkɔ ma la, ame si le ɖoƒe si kɔkɔ wu etɔ la li le ekpɔm, eye ame bubu siwo kɔ boo wu woawo hã li.”—Nyagb. 5:8.

Le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu la, adze abe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ko ŋue kpukpui sia le nu ƒom tso ene. Gake ne míebu kpukpui sia me nyawo ŋu yi ŋgɔ la, míakpɔe be eɖe nyateƒenya aɖe si ku ɖe Yehowa ŋu hã fia. Nyateƒenya ma afa akɔ na mí eye ana kakaɖedzi mí.

Nyagblɔla 5:8 me nyawo ku ɖe dziɖula si tea ame dahe ɖe anyi eye wòbaɖaa afɔ na nya dzɔdzɔe la ŋu. Ele be dziɖula ma naɖo ŋku edzi be anɔ eme be ame aɖe si ƒe ɖoƒe si kɔkɔ wu ye tɔ alo ame aɖe si si ŋusẽ le wu le dziɖuɖua me la le ye kpɔm. Nyateƒea ye nye be, ame bubuwo hã ate ŋu anɔ ɖoƒe siwo kɔkɔ boo wu woawo tɔ gɔ̃ hã. Nublanuitɔe la, le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo me la, dziɖula mawo katã tea ŋu wɔa nu fitifiti, eye dukɔa me tɔwo kpea fu le nu fitifiti wɔwɔ mawo ta.

Ke hã, aleke kee wòdze abe ɖe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o ene hã la, míaƒe dzi ate ŋu adze eme ne míenyae be Yehowa ‘le dziɖuɖumegã mawo gɔ̃ hã kpɔm.’ Míate ŋu ado gbe ɖa na Mawu vevie be wòakpe ɖe mía ŋu eye míadro míaƒe agbawo ɖe edzi. (Ps. 55:22; Flp. 4:6, 7) Míenyae be “Yehowa ƒe ŋkuwo kpɔa afi sia afi le anyigba blibo la dzi, ne wòazã eƒe ŋusẽ atsɔ axɔ na ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—2 Kron. 16:9.

Eya ta, Nyagblɔla 5:8 ɖoa ŋku edzi na mí be le xexe sia me la, ame aɖe li si ƒe ŋusẽ kɔ boo wu ame bubu tɔ godoo le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo gome. Vevietɔ wu la, kpukpui sia me nyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku edzi be Yehowae kɔ boo wu amewo katã eye eya sie ŋusẽ le wu, ɛ̃, eƒe ŋusẽ ƒo ɖe sia ɖe ta. Eye ele dzi ɖum fifia to Via, Yesu Kristo, si nye Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia la dzi. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le nu siwo katã le edzi yim le anyigbaa dzi la kpɔm, eye eya kple Via wowɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi.