Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔviŋutsu Joseph F. Rutherford kple nɔviŋutsu bubuwo esime woyi Europe

1920—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia

1920—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia

TSO ƒe 1920 ƒe gɔmedzedze la, dzo ɖo Yehowa ƒe amewo me ɖe dɔ si nɔ wo ŋgɔ la ŋu. Le ƒe 1920 me la, ƒea ƒe mawunyakpukpui si wotiae nye, “Nye ŋusẽ kple nye ha enye YEHOWA.”—Ps. 118:14, Eʋegbe Biblia.

Yehowa do ŋusẽ gbeƒãɖela dovevienu mawo nyateƒe. Le ƒe ma me la, nya nyui kakalawo alo mɔɖelawo dzi ɖe edzi tso ame 225 va ɖo ame 350. Emae nye zi gbãtɔ si gbeƒãɖela siwo wu 8,000 ɖo woƒe gbeadzikɔntawo ɖe dɔwɔƒe gã. Yehowa yra wo ɖe ale si wotsɔ wo ɖokuiwo na faa ta.

WOWƆ DƆA DZONƆAMEMETƆE

Le March 21, 1920 dzi la, Joseph F. Rutherford si nɔ ŋgɔ xɔm le Biblia Nusrɔ̃viawo dome ɣemaɣi la ƒo nuƒo aɖe si ƒe tanyae nye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.” Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ nu sia nu si woate ŋui be yewoakpe amewo be woava se nuƒo vevi sia. Wohaya fefewɔƒe gãtɔ siwo le New York City la dometɔ ɖeka eye woma amekpegbalẽvi 320,000 sɔŋ.

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si wotsɔ le boblo dom nuƒo si ƒe tanyae nye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O”

Amewo wɔ ɖe amekpekpea dzi wu ale si Biblia Nusrɔ̃viawo nɔ mɔ kpɔm na. Vavala siwo wu 5,000 sɔŋ ye te ŋu ge ɖe fefewɔƒea, eye esi wònye be fefewɔƒea yɔ ta la, ame 7,000 mete ŋu ge ɖe eme o. Gbetakpɔxɔa ɖɔe be “eyae nye kpekpe si me Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔ dzidzedze le wu.”

Wova nya Biblia Nusrɔ̃viawo nyuie be woɖea gbeƒã be “ame miliɔn geɖe siwo le agbe fifia maku akpɔ o.” Ɣemaɣi la, Biblia Nusrɔ̃viawo menya be ele be yewoaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia le xexea ƒe akpa sia akpa o. Ke hã, dzo nɔ wo me ɖe dɔa ŋu. Ida Olm- stead si te kpekpeawo dede le ƒe 1902 me gblɔ be: “Míenya be yayra wɔnukuwo le ŋgɔ na amegbetɔwo katã, eya ta míeɖea gbeƒã nya nyuia na ame sia ame si míedo goe.”

MÍEDZE MÍAƑE AGBALẼWO TATA GƆME

Be Biblia-srɔ̃gbalẽwo nate ŋu anɔ vavam kabakaba ta la, nɔvi siwo le Betel la ɖoe be yewoanɔ agbalẽa ɖewo tam. Eya ta woƒle agbalẽtamɔ̃ aɖe eye wodae ɖe aƒe aɖe si wohaya le 35 Myrtle Avenue, Brooklyn, le New York, si te ɖe Betel-ƒea ŋu la me.

Le January 1920 me la, Nɔviŋutsu Leo Pelle kple Walter Kessler va Betel. Nɔviŋutsu Walter gblɔ be, “Esi míeva ɖo la, nɔviŋutsu si kpɔa agbalẽtaƒea dzi la gblɔ be, ‘Esusɔ gaƒoƒo ɖeka kple afã hafi ŋdɔnuɖuɣi naɖo.’ Eya ta eɖo dɔ na mí be míafɔ agbalẽ siwo le aɖakagowo me tso xɔtexɔa me vɛ.”

Leo gblɔ nu si dzɔ le ŋkeke si kplɔe ɖo la dzi. Egblɔ be: “Wode dɔ asi na mí be míaklɔ dziƒoxɔ ete tɔ ƒe gliwo ŋu. Nyemewɔ dɔ aɖeke si na meƒo ɖi nenema gbegbe kpɔ o. Gake Aƒetɔ la ƒe dɔe, ta míewɔe kple dzidzɔ.”

Agbalẽtamɔ̃ si wotsɔ taa Gbetakpɔxɔ

Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me la, nɔvi dovevienu siawo dze Gbetakpɔxɔ tata gɔme. Wota February 1, 1920 ƒe Gbetakpɔxɔ akpe blaade le dziƒoxɔ etame tɔ me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, nɔviawo ɖo agbalẽtaƒe gã aɖe ɖe dziƒoxɔa ƒe xɔtexɔ hã me. Wova dze Golden Age (Nyɔ!) la hã tata gɔme, eye April 14, 1920 tɔ ye nye gbãtɔ si wota. Edze ƒãa be, Yehowa yra ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla mawo ƒe agbagbadzedzewo dzi.

“Aƒetɔ la ƒe dɔe, ta míewɔe kple dzidzɔ”

“MINA MÍANƆ ANYI LE ŊUTIFAFA ME”

Yehowa ƒe amewo gadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme kple dzo, eye ɖekawɔwɔ va nɔ wo dome. Ke hã, le ɣeyiɣi sesẽ siwo va tso ƒe 1917 va se ɖe 1919 dome la, Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ aɖewo megadea ha kple Yehowa ƒe habɔbɔa o. Nu kae woawɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu?

Nyati aɖe dze le April 1, 1920 ƒe Gbetakpɔxɔ me, si ƒe tanyae nye “Mina Míanɔ Anyi Le Ŋutifafa Me.” Nyatia de dzi ƒo na Biblia Nusrɔ̃vi mawo be: “Míeka ɖe edzi be ame siwo katã di be yewoaɖo to Aƒetɔ la aŋlɔ nu siwo dzɔ va yi la be eye woagava wɔ ɖeka kple Mawu ƒe amewo ale be míawɔ dɔ si wòde mía si la.”

Dzideƒonamenya ma wɔe be wo dometɔ geɖe trɔ gbɔ. Atsu kple asi aɖe gblɔ be: “Ete ɖe mía dzi be le ƒe siwo va yi me la, míenɔ anyi ɖi ko, míenɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm o, evɔ ame bubuwo ya nɔ ewɔm. Eya ta míeɖoe be míatsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu azɔ.” Dɔ geɖe li nɔvi siawo siwo trɔ gbɔ awɔ.

WOMA AGBALẼ SI NYE WOÐE NYA ƔAƔLA LA ÐE GO

Le June 21, 1920 dzi la, Biblia Nusrɔ̃viawo de gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe to me, si me woma agbalẽ si nye Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go akpa bɔbɔetɔ, si nye Studies in the Scriptures (ele yevugbe me) ƒe tata adrelia. Wodzra agbalẽ siawo ƒe gbogbotɔwo ɖo esime woɖo asi etata dzi le ƒe 1918 me.

Wokpe gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo siaa be woava kpe asi ɖe agbalẽmamadɔ sia ŋu. “Wode dzi ƒo na nɔvi xɔnyɔnyrɔ siwo le hame ɖe sia ɖe me, siwo di be yewoakpe asi ɖe dɔ sia ŋu be woalɔ̃ faa awɔe. Nya si wode dzi ƒo be wòanɔ nu na wo dometɔ ɖe sia ɖe ye nye: ‘Mele agbalẽa ma ge.’” Edmund Hooper gblɔ be: “Esiae nye zi gbãtɔ si ame akpa gãtɔ ɖe gbeƒã tso ʋɔtru-nu-yi-ʋɔtru-nu.” Egblɔ kpee be, “Ɣemaɣie míeva kpɔe be ehiã be míakeke dɔ sia ɖe enu wòaɖo xexea ƒe akpa sia akpa.”

WOGBUGBƆ WƆ ÐOÐO ÐE DƆA ŊU LE EUROPE

Esi Xexemeʋa Gbãtɔ wɔe be wòva sesẽ be Biblia Nusrɔ̃viawo nado ka kple wo nɔewo le dukɔ bubuwo me ta la, Nɔviŋutsu Rutherford di be yeade dzi ƒo na nɔviawo eye yewoagawɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Eya ta, le August 12, 1920 dzi la, eya kple nɔviŋutsu ene ɖi tsa yi England kple dukɔ bubuwo me.

Nɔviŋutsu Rutherford, esime wòyi Egypt

Esi Nɔviŋutsu Rutherford ɖo Britain la, Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ takpekpe gã etɔ̃ kple dutoƒokpekpe 12. Vavalawo katã ƒe xexlẽmee nye ame 50,000 sɔŋ. Esi Gbetakpɔxɔa nɔ nu ƒom tso mɔzɔzɔ ma ŋu la, egblɔ be: “Agbe ɖo nɔviawo me eye dzi ɖo wo ƒo. Wowɔ dɔ, wode ha kple wo nɔewo ɖekae eye esia na dzi dzɔ wo. Esi woɖo dugã si nye Paris me la, Nɔviŋutsu Rutherford gaƒo nuƒo si ƒe tanyae nye, “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.” Esi nuƒoa dze egɔme la, xɔa me yɔ tititi. Ame alafa etɔ̃ bia be yewoagase numeɖeɖe bubuwo akpee.

Agbalẽvi aɖe si le boblo dom nuƒo si woƒo le London’s Royal Albert Hall

Le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me la, nɔvi aɖewo yi Athens, Cairo, kple Jerusalem. Be woate ŋu akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo ŋu woke ɖo le teƒe mawo ŋu la, Nɔviŋutsu Rutherford ɖoe be woaɖo agbalẽdaɖoƒe ɖe Ramallah dua, si te ɖe Jerusalem dua ŋu me. Emegbe etrɔ yi Europe eye wòɖo agbalẽtaƒe ɖe alɔdzedɔwɔƒe ma, eye wòwɔ ɖoɖo be woata agbalẽwo tso afi ma.

WOKLO NU LE NU MADZƆMADZƆ WƆWƆ AÐE DZI

Le September 1920 me la, Biblia Nusrɔ̃- viawo ɖe The Golden Age ƒe tata 27 lia ɖe go, tata ma klo nu le ale si woti Biblia Nusrɔ̃viawo yome le ƒe 1918 me dzi. Wozã agbalẽtamɔ̃ si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la zã kple keli tsɔ ta magazine sia miliɔn ene sɔŋ.

Foto si polisiwo ɖe Emma Martin

Magazine sia xlẽlawo va de dzesi ale si wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Emma Martin ŋu. Nɔvinyɔnu Martin nye mɔɖela le San Bernardino, le California. Le March 17, 1918 dzi la, eya kple nɔviŋutsu etɔ̃ siwo ŋkɔwoe nye, E. Hamm, E. J. Sonnenburg, kple E. A. Stevens, wode Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpe sue aɖe.

Aƒetɔ aɖe hã va kpekpea, gake menye ɖe wòva be yeava srɔ̃ Biblia o. Egblɔ emegbe be: “Senyala siwo tsɔa nya ɖe ame ŋu ye bia tso asinye be mayi kpekpe ma ale be makpɔ kpeɖodzi aɖe tso afi ma.” Ekpɔ kpeɖodzi si dim wòle la hã, si nye Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go gbalẽa. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, wolé Nɔvinyɔnu Martin kple nɔviŋutsu etɔ̃awo. Nya si wotsɔ ɖe wo ŋue nye be wonɔ agbalẽ si dzi woɖo asii la mam.

Wobu fɔ Nɔvinyɔnu Emma kple nɔviŋutsu etɔ̃awo eye wogblɔ be woanɔ gaxɔ me ƒe etɔ̃. Togbɔ be wogbugbɔ nyaa drɔ̃ na wo enuenu hã la, le May 17, 1920 la, mɔnukpɔkpɔa megali be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ o, eya ta ele be woayi mɔ. Gake medidi kura o, nuwo trɔ kpata.

Le June 20, 1920 dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nu tso nu si dzɔ ɖe nɔvi siawo dzi ŋu le takpekpe aɖe si wowɔ le San Francisco la me. Esi vavalawo se ale si wowɔ nu ɖe nɔviawo ŋu la, ete ɖe wo dzi eye wòwɔ moyaa na wo, eya ta woɖo nyatakakawo ɖe United States (États-Unis) ƒe dukplɔlaa. Nu si woŋlɔ ye nye esi: “Ale si wotso Aƒenɔ Martin nu be ele agbalẽ si dzi woɖo asii la mam la mesɔ o. Polisiawo zã woƒe ŋusẽ tsɔ tre mɔ̃ na Aƒenɔ Martin, wobu fɔe kple susu be yewoadee gaxɔ me. Míekpɔ esia be enye nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe mía nɔvia ŋu.”

Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Dukplɔla Wood- row Wilson ɖe gbe enumake be woaɖe asi le Nɔvinyɔnu Martin kple Nɔviŋutsu Hamm, Sonnenburg, kple Stevens ŋu. Ale si wobu fɔ wo madzemadzee helé wo de ga la ƒe seƒee nye ema.

Esi ƒe 1920 nɔ enu wum la, Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔe be nu nyui geɖewo dzɔ siwo tae wòle be dzi nadzɔ yewo ɖo. Dɔ siwo nɔ edzi yim le míaƒe dɔwɔƒe gãa nɔ ta kekem ɖe edzi, eye ƒe ma mee Biblia Nusrɔ̃viawo ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea, be eyae akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ, wu ƒe siwo katã do ŋgɔ na ema. (Mat. 24:14) Ƒe si kplɔe ɖo si nye ƒe 1921 la, ganye ƒe si woɖe gbeƒã nyateƒe siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu wu.