Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 43

Yehowae Le Mɔ Fiam Eƒe Habɔbɔa

Yehowae Le Mɔ Fiam Eƒe Habɔbɔa

“‘Mava eme to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”—ZAK. 4:6.

HADZIDZI 40 Ame Ka Tɔe Míenye?

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae wòle be Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo nayi edzi anɔ wɔwɔm?

NƆVI xɔnyɔnyrɔe nènyea? Ne nɔvi xɔnyɔnyrɔe nènye la, ke èɖee fia le amewo ŋkume be yexɔ Yehowa dzi se eye yedi be yeanɔ eƒe habɔbɔa me asubɔe. * Le nyateƒe me la, ele be ale si nèxɔ Yehowa dzi se la nanɔ sesẽm ɖe edzi. Eye ele be nàyi edzi anɔ ŋusẽ dom ale si nèka ɖe edzi be Yehowae le mɔ fiam eƒe habɔbɔa egbea.

2-3. Mɔ etɔ̃ kawo nue Yehowa le mɔ fiam eƒe habɔbɔa le egbea? Ðe eme.

2 Ale si Yehowa fiaa mɔ eƒe habɔbɔa egbea ɖea Ame si ƒomevi wònye, eƒe tameɖoɖowo kple eƒe nudidiwo fiana. Mina míadzro Yehowa ƒe nɔnɔme etɔ̃ siwo eƒe habɔbɔa ɖena fiana la me.

3 Gbãtɔ, “Mawu mekpɔa ame ŋkume o.” (Dɔw. 10:34) Lɔlɔ̃ ye ʋã Yehowa wòtsɔ Via na ‘tafe ɖe amewo katã ta.’ (1 Tim. 2:6; Yoh. 3:16) Yehowa le eƒe amewo zãm wole gbeƒã ɖem nya nyuia na ame siwo katã aɖo to, eye wòto esia dzi le kpekpem ɖe ame geɖe ale si wòanya wɔe ŋu be tafea naɖe vi na wo woakpɔ agbe. Evelia, Yehowa nye ŋutifafa ƒe Mawu si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu. (1 Kor. 14:33, 40) Eya ta míakpɔ mɔ be ame siwo subɔnɛ la nanye ŋutifafame siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu. Etɔ̃lia, Yehowae nye “Nufiala Gãtɔ.” (Yes. 30:20, 21) Susu ma tae eƒe habɔbɔa zãa eƒe Nya, Biblia, koŋ tsɔ fiaa nyateƒea amewo le hamea me kple le gbeƒãɖeɖedɔa me. Aleke Kristotɔwo ƒe hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme etɔ̃ siawo fia? Aleke Yehowa ƒe ame siwo li egbea la ɖea nɔnɔme mawo fianae? Eye aleke gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò esi nèle Yehowa ƒe habɔbɔa me le esubɔm egbea?

MAWU MEKPƆA AME ŊKUME O

4. Le Dɔwɔwɔwo 1:8 la, se kae Yesu de na eyomedzelawo, eye nu kae akpe ɖe wo ŋu?

4 Le ƒe alafa gbãtɔ me. Gbedeasi si Yesu ɖe gbeƒãe la na mɔkpɔkpɔ amewo katã. (Luka 4:43) Ede se na eyomedzelawo be woayi dɔ si gɔme yedze la dzi aɖe gbeƒã “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 1:8.) Le nyateƒe me la, womate ŋu awɔ dɔ sia le woawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Woahiã gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye “kpeɖeŋutɔ,” si ƒe ŋugbe Yesu do na wo la.—Yoh. 14:26; Zak. 4:6.

5-6. Mɔ kawo nue gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Yesu yomedzelawo ŋu le?

5 Yesu yomedzelawo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi. Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu wote gbeƒãɖeɖe enumake, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, ame akpe geɖe xɔ nya nyuia. (Dɔw. 2:41; 4:4) Esi woti nusrɔ̃lawo yome la, womedzudzɔ gbeƒãɖeɖe o, ke boŋ wotrɔ ɖe Mawu ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu. Wodo gbe ɖa be: ‘Na wò kluviwo nayi edzi agblɔ wò nya la kple dzideƒo geɖe.’ Esi wodo gbea ɖa vɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔea yɔ wo fũu eye woyi edzi ‘gblɔ Mawu ƒe nya la dzinɔameƒotɔe.’—Dɔw. 4:18-20, 29, 31.

6 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo do go kuxi bubu aɖewo hã. Le kpɔɖeŋu me, Ŋɔŋlɔa ƒe akpa siwo nɔ anyi, siwo wotsɔ asi ŋlɔ la mebɔ o. Biblia ƒe numekugbalẽ siwo le mía si egbea menɔ anyi ɣemaɣi o. Eye ele be nusrɔ̃lawo naɖe gbeƒã na gbe vovovo dolawo. Togbɔ be kuxi mawo nɔ anyi hã la, nusrɔ̃la dovevienu siawo wɔ nu si dze abe manya wɔ o la ene, eye le ƒe 30 aɖewo me la, woɖe gbeƒã nya nyuia na “nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.”—Kol. 1:6, 23.

7. Ƒe 100 kple edzivɔ ye nye esi va yi la, aleke Yehowa subɔlawo wɔ nya nu si Mawu di tso wo si, eye aleke wowɔ nui?

7 Le míaƒe ŋkekea me. Yehowa yi edzi le mɔ fiam eƒe amewo eye wòle ŋusẽ dom wo be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Biblia la, si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ koŋ dzie wòtona fiaa mɔ eƒe amewo. Míakpɔ subɔsubɔdɔ si Yesu wɔ kple se si wòde na eyomedzelawo be woayi dɔ si gɔme yedze la dzi la ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia la me. (Mat. 28:19, 20) Le keke July 1881 me la, magazine sia gblɔ be: “Yehowa metia mí alo si ami na mí ale be amewo nade bubu mía ŋu alo míazu kesinɔtɔwo o, ke boŋ be míazã nu siwo katã le mía si atsɔ aɖe gbeƒã nya nyuia.” Agbalẽvi aɖe si wota le ƒe 1919 me, si ƒe tanyae nye Ame Siwo Wotsɔ Dɔa De Asi Na (si le yevugbe me) gblɔ be: “Dɔ gbogbo aɖe li woawɔ, gake Aƒetɔ la ƒe dɔe, eye ana ŋusẽ si hiã mí be míatsɔ awɔ dɔa ade goe.” Abe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, nɔvi siawo siwo ƒo dzi le la ku kutri vevie wɔ dɔa, elabe woka ɖe edzi be gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe yewo ŋu be yewoaɖe gbeƒã na ame ƒomeviwo katã. Míawo hã míeka ɖe edzi egbea be gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu nenema ke.

Yehowa ƒe habɔbɔa zãa dɔwɔnu nyuitɔwo tsɔ kakaa nya nyuia (Kpɔ memama 8-9 lia)

8-9. Mɔnu vovovo kawoe Yehowa ƒe habɔbɔa zã tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia?

8 Yehowa ƒe habɔbɔa zãa dɔwɔnu nyuitɔwo tsɔ kakaa nya nyuia. Dɔwɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye, agbalẽwo, “Xexemewɔwɔ Ƒe Foto-Drama,” agbaƒomɔ̃wo, ʋu siwo tame nyasemɔ̃ le, radio, eye le ŋkeke siawo me la, míezãa kɔmpiuta kple internet. Azɔ hã, Mawu ƒe habɔbɔa le agbalẽwo gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo me fifia wu tsã! Nu ka tae? Ale be ame ƒomeviwo katã nase nya nyuia le wo de gbe me. Yehowa mekpɔa ame ŋkume o; egblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã nya nyuia na “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi.” (Nyaɖ. 14:6, 7) Edi be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia na ame sia ame.

9 Ke ame siwo ŋu wòsesẽna be míake ɖo, ɖewohĩ le esi wole aƒe siwo ŋu wodzɔna vevie me ya ɖe? Be míate ŋu ake ɖe ame siawo dometɔ geɖewo ŋu la, Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi woto dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe mɔnu vovovowo vɛ be míato wo dzi aɖe gbeƒã na ame siawo. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2001 me la, Dɔdzikpɔhaa da asi ɖe edzi be woaɖo agbalẽwo ɖe kekeviwo kple kplɔ̃wo dzi le France atsɔ aɖi ɖase na amewo, eye wova zã mɔnu ma emegbe le dukɔ bubuwo hã me. Nu nyuiwo do tso eme. Le ƒe 2011 me la, wodze ɖoɖo yeye aɖe gɔme le Amerika ƒe dugã si nye New York City, si me amewo sɔ gbɔ ɖo la me. Le ƒe gbãtɔa me la, wona agbalẽ 102,129 kple magazine 68,911. Eye ame 4,701 bia be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo! Edze ƒãa be, gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ kpekpem ɖe wo ŋu le dɔ sia me. Eya ta Dɔdzikpɔhaa da asi ɖe edzi be woazã kekeviwo kple kplɔ̃ siwo dzi woɖo agbalẽwo ɖo le xexea me godoo atsɔ aɖe gbeƒã.

10. Nu kawoe míate ŋu awɔ be míagabi ɖe edzi le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me?

10 Nu si nàte ŋu awɔ. Wɔ hehe si nam Yehowa le mí le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la ŋu dɔ. Nɔ gbeadzi yim edziedzi kple wò gbeadziƒuƒoƒoa. Ne èƒoa ƒu kple nɔvi siwo le gbeadziƒuƒoƒo si me nèle la, woakpe ɖe ŋuwò nàgabi ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me, eye woƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ade dzi ƒo na wò. Yi edzi nànɔ gbeƒã ɖem togbɔ be kuxiwo li hã. Abe ale si mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃a ɖo ɖo ŋku edzi na mí ene la, menye míawo ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ mee míetea ŋu wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o, ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae le kpekpem ɖe mía ŋu. (Zak. 4:6) Míate ŋu aka edzi be Mawu ado ŋusẽ mí, elabe eƒe dɔ wɔmee míele.

YEHOWA NYE ŊUTIFAFA ƑE MAWU SI WƆA NU ÐE ÐOÐO NU

11. Aleke dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ nu ɖekae ale be Mawu ƒe amewo nawɔ nu ɖe ɖoɖo nu?

11 Le ƒe alafa gbãtɔ me. Dɔdzikpɔha si nɔ anyi le Yerusalem la wɔ dɔ ɖekae ale be Mawu ƒe amewo nawɔ nu ɖe ɖoɖo nu eye ŋutifafa nanɔ wo dome. (Dɔw. 2:42) Le kpɔɖeŋu me, esime aʋatsotso ƒe nyaa do mo ɖa le ƒe 49 K.Ŋ. me la, gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe dɔdzikpɔhaa ŋu wodzro nyaa me eye wotso nya me. Ne ɖe hameawo meda asi ɖe nyametsotso ma dzi o la, anye ne womate ŋu ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi o. Togbɔ be apostoloawo kple ametsitsiawo nye Yudatɔwo hã la, womeɖe mɔ Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo kple ame siwo nɔ tɔ tem ɖe aʋatsotso ƒe nyaa dzi la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Ke boŋ, wona Mawu ƒe Nyaa kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ wo. (Dɔw. 15:1, 2, 5-20, 28) Nu kae do tso eme? Yehowa yra ɖe woƒe nyametsotsoa dzi, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔ nɔviawo dome, eye woyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi.—Dɔw. 15:30, 31; 16:4, 5.

12. Nu kae ɖee fia be Yehowa ƒe ame siwo li egbea wɔa nu ɖe ɖoɖo nu eye ŋutifafa le wo dome?

12 Le míaƒe ŋkekea me. Yehowa ƒe habɔbɔa kpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu be woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu eye ŋutifafa nanɔ wo dome. Le keke ƒe 1895 me la, nyati aɖe si ƒe tanyae nye, “Mina Nuwo Katã Nayi Edzi Nyuie Ðe Ðoɖo Nu” la dze le Zion Gbetakpɔxɔ Kple Kristo Ƒe Anyinɔɣi Ŋuti Gbeƒãɖelaa November 15 tɔ me, eye wotui ɖe 1 Korintotɔwo 14:40 dzi. Nyatia gblɔ be: “Apostoloawo ŋlɔ nya geɖe ɖo ɖe hamea ku ɖe ale si woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu la ŋu . . . Ele vevie be míawɔ ɖe ‘nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã be woatsɔ afia nu mí’ la dzi pɛpɛpɛ.” (Rom. 15:4) Nyateƒee, Yehowa ƒe habɔbɔ si li egbea le agbagba dzem be yeana yeƒe amewo nawɔ nu ɖe ɖoɖo nu le ŋutifafa me abe ale si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔe ene. Le kpɔɖeŋu me, ne àde kpekpe le hame bubu me, eɖanye le miaƒe dukɔa alo dukɔ bubu me o, ènya ale si woakpɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzi kple nyati si me woadzro. Eya ɖeɖe ana nàɖe dzi ɖi! Mawu ƒe gbɔgbɔa koe ate ŋu ana ɖekawɔwɔ sia nanɔ eƒe amewo dome.—Zef. 3:9, etenuŋɔŋlɔ.

13. Esi Yakobo 3:17 me nyawo le susu me na mí la, nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

13 Nu si nàte ŋu awɔ. Yehowa di be yeƒe amewo ‘nalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’ (Ef. 4:1-3) Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ðe medoa ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa ɖe ŋgɔ le hamea mea? Ðe meɖoa to ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea mea? Ðe nɔviwo ate ŋu aka ɖe dzinye ne wode dɔ aɖe asi nam le hamea mea? Ðe menɔa game dzi, kpena ɖe amewo ŋu, eye medina be masubɔ woa?’ (Xlẽ Yakobo 3:17.) Ne èkpɔ be ehiã be yeawɔ asitɔtrɔ aɖewo la, do gbe ɖa nàbia gbɔgbɔ kɔkɔea. Zi ale si nèyi edzi ɖe mɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ŋuwò nàwɔ asitɔtrɔ le wò agbenɔnɔ kple nuwɔnawo ŋu la, zi nenemae nɔvi siwo le hamea me alɔ̃ wò eye woade bubu ŋuwò.

YEHOWA FIAA NU MÍ EYE WÒNAA NU SIWO MÍEHIÃ LA MÍ

14. Le Kolosetɔwo 1:9, 10 ƒe nya nu la, mɔ kawo nue Yehowa fia nu eƒe ame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me le?

14 Le ƒe alafa gbãtɔ me. Edzɔa dzi na Yehowa be yeafia nu yeƒe amewo. (Ps. 32:8) Edi be yeƒe amewo nanya ye, alɔ̃ ye, eye woava nɔ agbe tegbee. Esiawo katã manya wɔ ne Yehowa mefiaa nu mí o. (Yoh. 17:3) Yehowa to Kristo hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dzi fia nu eƒe amewo. (Xlẽ Kolosetɔwo 1:9, 10.) Gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye “kpeɖeŋutɔ,” si ƒe ŋugbe Yesu do na nusrɔ̃lawo hã kpe ɖe wo ŋu ale gbegbe. (Yoh. 14:16) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu wose Mawu ƒe Nyaa gɔme eye wòkpe ɖe wo ŋu woɖo ŋku nya gbogbo siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ la dzi. Wova ŋlɔ nu mawo ɖe Nyanyuigbalẽawo me emegbe. Esia na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe xɔse gava sẽ ɖe edzi, eye wogava lɔ̃ Mawu, Via, kple wo nɔviwo ɖe edzi geɖe wu.

15. Mɔ kawo nue wò ŋutɔ nèkpɔe le be Yehowa na ŋugbe si wòdo le Yesaya 2:2, 3 la le eme vam?

15 Le míaƒe ŋkekea me. Yehowa gblɔe ɖi be, “le ŋkeke mamlɛawo me la,” dukɔwo katã aƒo zi ɖe yeƒe kpɔɖeŋu ƒe to la ŋu be wòafia eƒe mɔwo yewo. (Xlẽ Yesaya 2:2, 3.) Eye míekpɔe be nyagblɔɖi ma le eme vam. Yehowa do subɔsubɔ vavãtɔ ɖe dzi bobobo, wòƒo alakpasubɔsubɔ ɖe sia ɖe ƒomevi ta. Eye kpɔ nu siwo gbegbe fiam Yehowa le eƒe amewo tso Biblia me ɖa! (Yes. 25:6) Etoa “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi fiaa Biblia me nyateƒe siawo mí eye wovana le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu axlẽ nyatiwo, ase nuƒowo, eye míakpɔ videowo. (Mat. 24:45) Míawo hã míesena le mía ɖokui me abe Hiob xɔlɔ̃ Elihu si gblɔ be, “Nufiala kae de [Mawu nu]?” la ene.—Hiob 36:22.

Na Biblia me nyateƒenyawo nawɔ dɔ ɖe dziwò, eye nàwɔ wo ŋu dɔ le wò agbe me (Kpɔ memama 16 lia) *

16. Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nu siwo fiam Yehowa lea naɖe vi na wò?

16 Nu si nàte ŋu awɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nu siwo nèsrɔ̃ le eƒe Nya la me la ŋu dɔ le wò agbe me. Do gbe ɖa abe hakpalaa ene, si gblɔ be: “Oo Yehowa, fia wò mɔm. Mazɔ le wò nyateƒe la me. Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ.” (Ps. 86:11) Eya ta yi edzi nànɔ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa naa mí la srɔ̃m. Nyateƒeae nye be, menye wò taɖodzinue nye be yeanya nyateƒenya mawo ko o, ke boŋ be nyateƒenya mawo nawɔ dɔ ɖe dziwò eye nàwɔ wo ŋu dɔ le wò agbe me. Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu siwo nèsrɔ̃ la dzi. Azɔ hã, àdi be yeade dzi ƒo na ye nɔviŋutsuwo kple ye nɔvinyɔnuwo. (Heb. 10:24, 25) Nu ka tae? Elabena woawo hã wonye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo. Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe gbɔgbɔa be wòakpe ɖe ŋuwò nàte ŋu aɖo nya ŋu tso dzi me le kpekpeawo me, eye ne dɔdeasi le asiwò le kpekpeawo me la, nàte ŋu awɔe nyuie. Ne èwɔe alea la, àɖee afia Yehowa kple Via be yelɔ̃ woƒe “alẽ” xɔasiawo.—Yoh. 21:15-17.

17. Mɔ kawo nue nàte ŋu aɖee afia le be yewɔna ɖe mɔfiame siwo Yehowa ƒe habɔbɔa naa mí la dzi?

17 Eteƒe madidi o, habɔbɔ ɖeka kolia si Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔe la koe asusɔ ɖe anyigba dzi. Eya ta wɔ ɖe mɔfiame siwo katã Yehowa ƒe habɔbɔa naa mí la dzi. Srɔ̃ Mawu, mègakpɔ ame ŋkume o, eye nàɖe gbeƒã na ame siwo katã nèdoa goe. Srɔ̃ ale si Mawu wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, eye nàdo ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me. Ne èwɔa Biblia me nyateƒe siwo katã Yehowa fiaa mí la dzi la, ke àto esia dzi anɔ to ɖom wò Nufiala Gãtɔ la. Ekema, ne wole Satana ƒe xexea tsrɔ̃m la, màvɔ̃ kura o. Ke boŋ, kakaɖedzi anɔ asiwò be yele nuteƒewɔla siwo le Yehowa subɔm le eƒe habɔbɔa me la dome.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

^ mm. 5 Ðe nèka ɖe edzi be Yehowae le mɔ fiam eƒe habɔbɔa egbea? Le nyati sia me la, míadzro ale si Yehowa fia mɔ Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me kple ale si wòle mɔ fiam eƒe amewo egbea la me.

^ mm. 1 NYAMEÐEÐE: Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa aɖe le dziƒo eye eƒe akpa aɖe le anyigba dzi. Le nyati sia me la, nya “habɔbɔa” fia Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi.

^ mm. 52 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Esi nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe kpɔ ale si nɔviwo tsɔ wo ɖokuiwo na vae subɔ le teƒe si hiahiã geɖe wu le le videowo me vɔ la, eʋãe wòdi be yeasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. Mlɔeba la, eya hã va ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ eye wòle subɔsubɔm le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le.