Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 42

Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia

Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia

“Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi.”—1 TIM. 4:16.

HADZIDZI 77 Kekeli Aɖe Klẽ Le Xexe Doblukɔ Me

NYA VEVIAWO *

1. Aleke míewɔ nya be nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nye dɔ vevi aɖe si xɔa amewo ɖe agbe?

NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA nye dɔ vevi aɖe si xɔa amewo ɖe agbe! Aleke míewɔ nya? Esi Yesu nɔ se si le Mateo 28:19, 20 dem la, egblɔ be: “Miheyi ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.” Nu ka tae wòle vevie be ame naxɔ nyɔnyrɔ? Ele be ame siwo di be yewoakpɔ agbe la naxɔ nyɔnyrɔ. Ele be ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la naka ɖe edzi be Yesu ƒe vɔsakua kple eƒe tsitretsitsiae ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na ye be yeakpɔ agbe. Susu ma tae apostolo Petro gblɔ na nɔvia Kristotɔwo be: ‘Nyɔnyrɔxɔxɔ siae na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi la dzi.’ (1 Pet. 3:21) Eya ta ne nusrɔ̃la yeye aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, ate ŋu anɔ mɔ kpɔm be yeava nɔ agbe tegbee.

2. Nufiala kawo tɔgbie 2 Timoteo 4:1, 2 de dzi ƒo na mí be míanye?

2 Be míate ŋu awɔ amewo nusrɔ̃lawo la, ele be míasrɔ̃ ale si míabi ɖe ‘nufiafia’ me. (Xlẽ 2 Timoteo 4:1, 2.) Nu ka tae? Elabena Yesu de se na mí be ‘miheyi ɖawɔ nusrɔ̃lawo, miafia nu wo.’ Apostolo Paulo gblɔ be, ‘míado vevie nu’ le nufiafiadɔa me, ‘elabena ne míewɔ esia la, míaxɔ mía ɖokuiwo kple ame siwo ɖoa to mí la siaa ɖe agbe.’ (1 Tim. 4:16) Susu vevi ma tae Paulo gblɔ be: “Kpɔ . . . wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi.” (1 Tim. 4:16) Esi wònye be ehiã be míafia nu amewo hafi woava nye nusrɔ̃lawo ta la, ele be míana míaƒe nufiafiawo nanyo ɖe edzi.

3. Nu ka me míadzro le nyati sia me?

3 Míefiaa nyateƒe siwo le Biblia me ame miliɔn gbogbowo le xexea me godoo. Ke hã, abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, míedi be míakpe ɖe wo dometɔ geɖe ŋu woava xɔ nyɔnyrɔ azu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Le nyati sia me la, míakpɔ nu atɔ̃ bubu siwo wòhiã be Biblia-nufiala ɖe sia ɖe nawɔ be wòakpe ɖe nusrɔ̃vi ŋu wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

ZÃ BIBLIA NÀTSƆ AFIA NUA

Bia gbeƒãɖela bibi aɖe be wòakpe ɖe ŋuwò nàgate ŋu azã Biblia geɖe wu atsɔ afia nua (Kpɔ memama 4-6 lia) *

4. Nu ka tae wòle be Biblia-nufiala naɖu eɖokui dzi ne ele Biblia srɔ̃m kple nusrɔ̃vi aɖe? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

4 Míelɔ̃ nyateƒenya siwo míefiaa amewo tso Mawu ƒe Nya la me vevie. Eya ta ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu ava nɔ nu ƒom fũu akpa. Míeɖale Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm, Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm alo le Biblia srɔ̃m kple ame aɖe o, mele be míaƒo nu fũu akpa o. Be míazã Biblia atsɔ afia nu la, ele be Biblia-nufiala naɖu eɖokui dzi eye wòagadze agbagba be yeaƒo nu tso nu sia nu si ye nya tso mawunyakpukpuia alo nyatia ŋu o. * (Yoh. 16:12) Bu nu siwo nènya le Biblia me hafi xɔ nyɔnyrɔ kple nu siwo gbegbe nèva nya fifia la ŋu kpɔ. Ðewohĩ Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme koe nèse ɣemaɣi. (Heb. 6:1) Exɔ ƒe gbogbo hafi nèva nya nu siwo nènya fifia, eya ta mègadze agbagba be yeafia nu sia nu nusrɔ̃via zi ɖeka o.

5. (a) Le 1 Tesalonikatɔwo 2:13 ƒe nya nu la, nu ka gɔmee míedi be nusrɔ̃via nase le nu si srɔ̃m wòle la me? (b) Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaɖe nu siwo srɔ̃m wòle la me?

5 Míedi be míana míaƒe nusrɔ̃viwo nase egɔme be nu si srɔ̃m wole la tso Mawu ƒe Nya Biblia la me. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:13.) Aleke míawɔ esiae? De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaɖe nu siwo srɔ̃m wòle la me. Le esi nànɔ mawunyakpukpuiwo me ɖem na wò nusrɔ̃via ɣesiaɣi teƒe la, bia tso esi be wòaɖe ɖewo me na wò. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ ale si Mawu ƒe Nyaa ate ŋu aɖe vi nɛ. Bia nya siwo ana wòagblɔ nu si susum wòle kple ale si tututu wòle sesem le eɖokui me tso ŋɔŋlɔ aɖe si wòxlẽ ŋu. (Luka 10:25-28) Le kpɔɖeŋu me, biae be: “Yehowa ƒe nɔnɔme kae nède dzesii le mawunyakpukpui sia me?” “Vi kae nu si nèsrɔ̃ le Biblia me fifia ate ŋu aɖe na wò?” “Aleke nèse le ɖokuiwò me tso nu si nèsrɔ̃ fifia ŋu?” (Lod. 20:5.) Menye nu siwo gbegbe nusrɔ̃via srɔ̃ ye le vevie o, ke boŋ ale si gbegbe wòlɔ̃ nu siwo srɔ̃m wòle hetsɔa wo wɔa dɔe ye le vevie.

6. Nu ka tae wòanyo be míakplɔ gbeƒãɖela bibi aɖe ɖe asi ne míeyina nu srɔ̃ ge kple míaƒe nusrɔ̃vi?

6 Ðe nèkplɔ gbeƒãɖela bibi aɖe ɖe asi esime nèyina nu srɔ̃ ge kple wò Biblia-nusrɔ̃vi aɖe kpɔa? Ne èkplɔ ɖe ɖe asi la, àte ŋu abiae be, aleke wòkpɔ ale si yekpɔ nusɔsrɔ̃a dzii, eye ɖe yete ŋu zã Biblia nyuie tsɔ fia nua? Ne eɖo aɖaŋu aɖewo na wò la, bɔbɔ ɖokuiwò nàwɔ ɖe wo dzi ale be wò nufiafia naganyo ɖe edzi. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 18:24-26.) Eyome bia gbeƒãɖela bibia be, esusu be nusrɔ̃via le nu siwo srɔ̃m wòle la gɔme sem hã. Ne le susu aɖewo ta mànɔ anyi kwasiɖa ɖeka alo esi wu ema o la, àte ŋu abia tso gbeƒãɖela ma si be wòasrɔ̃ nu kple nusrɔ̃via. Ema awɔe be nusɔsrɔ̃a nanɔ edzi yim eye esia akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ nu si srɔ̃m wòle la ƒe vevienyenye. Mègasusui gbeɖe be nusrɔ̃via nye yeƒe nusrɔ̃vi eya ta mele be ame bubu aɖeke nasrɔ̃ nu kplii o. Nya lae nye be, èle nusrɔ̃via ƒe nyonyo dim, eya ta èdi be wòayi ŋgɔ le nu si srɔ̃m wòle la me.

NA ALE SI NÈFIA NUI LA NAÐEE AFIA BE NÈXƆ NU SIWO FIAM NÈLEE LA DZI SE

Gblɔ kpɔɖeŋu siwo akpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu be wòakpɔ ale si wòate ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la nɛ (Kpɔ memama 7-9 lia) *

7. Nu kae akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòalɔ̃ nu siwo srɔ̃m wòle?

7 Na nusrɔ̃via nakpɔe be wò ŋutɔ èxɔ nyateƒenya siwo fiam nèlee tso Biblia me la dzi se. (1 Tes. 1:5) Ne èwɔe nenema la, eya hã alɔ̃ nu siwo srɔ̃m wòle la. Ne anya wɔ la, ƒo nu tso ale si wɔwɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ɖe vi na wò ŋutɔ ŋu la nɛ. Esia akpe ɖe eŋu wòakpɔe be aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me siwo aɖe vi na ye hã.

8. Nu bubu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu, eye nu ka tae wòle be nàwɔe?

8 Le nusɔsrɔ̃a wɔɣi la, ƒo nu tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo to kuxi siwo me tom wòle la tɔgbi me kple ale si wowɔ te ŋu ɖu kuxi mawo dzi la ŋu na wò nusrɔ̃via. Àte ŋu akplɔ nɔvi aɖe si le hamea me si ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu aɖe vi na nusrɔ̃via ayi nusrɔ̃via gbɔ. Alo àte ŋu adzro nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siwo dze le jw.org ƒe akpa si nye, “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm * la dometɔ aɖewo me kplii. Nyati vovovo kple video siwo le afi ma la akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe be Biblia ate ŋu akpe ɖe ye ŋu yeawɔ tɔtrɔwo le yeƒe agbe.

9. Aleke nàte ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòaƒo nu tso nu siwo srɔ̃m wòle ŋu na eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo?

9 Ne srɔ̃ le nusrɔ̃via si la, ɖe srɔ̃a hã le nua srɔ̃ma? Ne mele esrɔ̃m o la, ke kpee vividoɖeameŋutɔe be eya hã nava srɔ̃ nua. De dzi ƒo na wò nusrɔ̃via be wòaƒo nu tso nu siwo srɔ̃m wòle la ŋu na eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. (Yoh. 1:40-45) Aleke nàwɔe? Àte ŋu abiae ko be: “Aleke nàte ŋu aɖe nya sia me na wò ƒometɔ aɖe?” alo “Ŋɔŋlɔ kae nàzã atsɔ aɖo kpe nya sia dzi na xɔ̃wò aɖe?” Ne èwɔe alea la, ànɔ hehe nam nusrɔ̃via be wòava zu Biblia-nufiala. Eyome ne eva dze zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, awɔ ɖeka kple hamea anɔ gbeƒã ɖem. Àte ŋu abia nusrɔ̃via be, enya ame aɖe si adi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye hã? Ne enya ame aɖe la, ke na wòawɔ ɖoɖo kplii miayi amea gbɔ avae ɖe video si nye, Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e? * la fiae.

DE DZI ƑO NA NUSRƆ̃VIA BE WÒADZE XƆLƆ̃WO LE HAMEA ME

De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòadze xɔlɔ̃wo le hamea me (Kpɔ memama 10-11 lia) *

10. Abe ale si 1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8 ɖee fia ene la, aleke Biblia-nufiala ate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua?

10 Ele be Biblia-nufialawo natsɔ ɖe le eme na woƒe nusrɔ̃viwo vevie. Bu wò nusrɔ̃viwo be woate ŋu ava nye nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo le hamea me. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8.) Nyateƒeae nye be, mele bɔbɔe be woaɖe asi le xɔlɔ̃ siwo nɔ wo si le xexea me ŋu eye woava wɔ tɔtrɔ siwo hiã asubɔ Yehowa o. Ele be míakpe ɖe wo ŋu woadze xɔlɔ̃ vavãwo le hamea me. Dze agbagba nànye wò Biblia-nusrɔ̃via xɔlɔ̃, menye le nua srɔ̃ɣi ko o, ke boŋ le ɣebubuɣiwo eye nàkpɔ vovo ɖe eŋu hã. Àte ŋu ayɔe le fon dzi, aɖo text message ɖee alo avae srãe kpɔ, esiawo katã aɖee afia be ètsɔ ɖe le eme nɛ.

11. Nu kae míadi be míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu woawɔ ne wova le ha dem kpli mí, eye nu ka tae?

11 Eʋe lododo aɖe gblɔ be: “Asi ɖeka meléa todzo o.” Eya ta míate ŋu agblɔ be: “Hame bliboa wɔa akpa aɖe hafi nusrɔ̃vi aɖe va zua Yesu ƒe nusrɔ̃la.” Ema tae Biblia-nufiala bibiwo ɖea woƒe nusrɔ̃viwo fiaa nɔvi bubu siwo le hamea me siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu. Esia akpe ɖe nusrɔ̃viawo ŋu woade ha kple Mawu ƒe amewo, woakpe ɖe wo ŋu woava nye Yehowa xɔlɔ̃wo eye woade dzi ƒo na wo ne wole kuxiwo me tom. Míedi be nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe nakpɔe be edzɔ dzi na mí be eva le ha dem kpli mí eye wòva le Yehowa ƒe ƒome gã la me. Míedi be míawɔ nu siwo ana be wòadi be yeayi edzi anɔ Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ lɔ̃ame sia me. Ne míewɔe alea la, ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòadzudzɔ hadede kple ame siwo makpe ɖe eŋu be wòayi edzi alɔ̃ Yehowa o. (Lod. 13:20) Ne xɔlɔ̃ siwo nɔ esi tsã gblẽe ɖi hã la, ate ŋu aka ɖe edzi be yeakpɔ xɔlɔ̃ nyuiwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me.—Marko 10:29, 30; 1 Pet. 4:4.

ƑO NU TSO NU SI TA WÒLE VEVIE BE WÒAÐE ADZƆGBE AXƆ NYƆNYRƆ LA ŊU NƐ

Vivivi la, Biblia-nusrɔ̃vi si di be yeasubɔ Yehowa la ayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ! (Kpɔ memama 12-13 lia)

12. Nu ka tae wòle be míaƒo nu tso adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu na míaƒe nusrɔ̃via?

12 Enuenu la, nɔ nu ƒom tso nu si tae wòle vevie be ame natsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòaxɔ nyɔnyrɔ ŋu nɛ. Susu si ta míesrɔ̃a Biblia kple amewo ɖoe nye be míakpe ɖe wo ŋu woava subɔ Yehowa eye woaxɔ nyɔnyrɔ. Ne míele nu srɔ̃m kple nusrɔ̃vi aɖe ɣleti ʋɛ aɖewo, eye wònya te kpekpeawo dede ko la, míedi be míakpe ɖe eŋu wòava se egɔme be míaƒe didie nye be wòava zu Yehowa Ðasefo.

13. Afɔ kawoe wòle be nusrɔ̃vi naɖe hafi adze axɔ nyɔnyrɔ?

13 Vivivi la, Biblia-nusrɔ̃vi si di be yeasubɔ Yehowa la ayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ! Gbãa, nusrɔ̃via va nya Yehowa, elɔ̃e eye wòxɔ edzi se. (Yoh. 3:16; 17:3) Emegbe ena eya kple Yehowa dome va le kplikplikpli eye wòva le ha dem kple hamea. (Heb. 10:24, 25; Yak. 4:8) Nusrɔ̃via ɖe asi le nuwɔna gbegblẽwo ŋu eye wòtrɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me. (Dɔw. 3:19) Azɔ hã, eƒoa nu tso nyateƒenya siwo wòsrɔ̃ le Biblia me ŋu na amewo. (2 Kor. 4:13) Mlɔeba la, etsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wòxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe edzi. (1 Pet. 3:21; 4:2) Dzidzɔ gã aɖee wònyena na ame sia ame le gbe si gbe wòxɔ nyɔnyrɔ! Ne nusrɔ̃via le afɔ siawo ɖem be yeava xɔ nyɔnyrɔa, nɔ ekafum tso dzi me, eye nànɔ dzi dem ƒo nɛ le afɔ siwo ɖem wòle la ta.

TSO ƔEYIƔI YI ƔEYIƔIA, KPƆE ÐA BE NUSRƆ̃VIA LE ŊGƆ YIM HÃ

14. Aleke Biblia-nufiala aɖe awɔ anya ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe le ŋgɔ yim?

14 Ele be míagbɔ dzi ɖi ne míele kpekpem ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòayi ŋgɔ atsɔ eƒe agbe ava ɖe adzɔgbe na Yehowa axɔ nyɔnyrɔ. Ke hã, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ele be míakpɔe ɖa be edi ŋutɔŋutɔ be yeava subɔ Yehowa Mawu hã. Ðe nèkpɔe le nusrɔ̃via ŋu be ele wɔwɔm ɖe Yesu ƒe sededewo dzia? Alo ɖeko wòdi be yeasrɔ̃ Biblia me nyateƒeawo dzro ko?

15. Nu kawoe aɖee fia Biblia-nufiala aɖe be nusrɔ̃vi aɖe le ŋgɔ yim be wòava xɔ nyɔnyrɔ?

15 Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣia nɔ ŋku lém ɖe nusrɔ̃via ƒe ŋgɔyiyi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòɖea ale si wòlɔ̃ Yehowa fiana? Ðe wòdoa gbe ɖa na Yehowa? (Ps. 116:1, 2) Ðe Biblia xexlẽ dzɔa dzi nɛa? (Ps. 119:97) Ðe wòdea kpekpeawo edziedzia? (Ps. 22:22) Ðe wòwɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le eƒe agbenɔnɔ mea? (Ps. 119:112) Ðe wòƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m wòle ŋu na eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃woa? (Ps. 9:1) Vevietɔ wu la, ɖe wòdi ŋutɔŋutɔ be yeava zu Yehowa Ðasefoa? (Ps. 40:8) Ne nusrɔ̃via mele afɔ siawo dometɔ aɖeke ɖem o la, dze agbagba nànya nu si tae, eye miaɖo dze tso eŋu faa, gake nàwɔe kple tufafa. *

16. Ɣekaɣie wòava hiã be nàdzudzɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame aɖe?

16 Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣia, kpɔe ɖa be ɖe wòhiã be yeayi edzi anɔ nu srɔ̃m kple nusrɔ̃vi aɖe hã. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe medzrana ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu oa? Ðe medina be yeade hamea ƒe kpekpewo oa? Ðe mele tɔtrɔwo wɔm le eƒe agbenɔnɔ me oa? Ðe wògakpɔtɔ dea eƒe tsɔtsia?’ Ne biabia mawo ƒe ŋuɖoɖoe nye ɛ̃ la, nusɔsrɔ̃ kple ame ma tɔgbi le ko abe agbagbadzedze be yeafia tsiƒuƒu ame aɖe si medina be tsi naka ye ŋu o ene! Ne nusrɔ̃via mele eɖem fia be yelɔ̃ nu siwo srɔ̃m yele o, eye melɔ̃ faa le tɔtrɔ siwo hiã wɔm o la, ke nu ka tae wòle be nàgayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii?

17. Le 1 Timoteo 4:16 ƒe nya nu la, nu kae wòle be

17 Míebua dɔ si wode mía si be míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo la dɔ vevii, eye míedi be míakpe ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ. Ema tae míadi be míazã Biblia atsɔ afia nua nusrɔ̃via, eye ale si míafia nua naɖee afia be míexɔ nu siwo fiam míelee la dzi se. Míade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòadze xɔlɔ̃wo le hamea me. Eye míate gbe ɖe nu si tae wòle vevie be wòatsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wòaxɔ nyɔnyrɔa dzi, eye tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, nɔ ŋku lém ɖe ale si wòle ŋgɔ yimee la ŋu. (Kpɔ aɖaka le axa 13 lia si ƒe tanyae nye, “ Nu Siwo Wòle Be Biblia-nufialawo Nawɔ Atsɔ Akpe Ðe Woƒe Nusrɔ̃viwo Ŋu Be Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ.”) Dzidzɔ gã aɖee wònye na mí be míele nusrɔ̃lawɔwɔdɔ sia si xɔa amewo ɖe agbe la wɔm! Mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ nu sia nu si míate ŋui akpe ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

HADZIDZI 79 Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe

^ mm. 5 Ne míele Biblia srɔ̃m kple amewo la, mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míakpe ɖe wo ŋu be woabu nuwo ŋu eye woawɔ nu le mɔ si adze Yehowa ŋu nu. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu bubu siwo míagate ŋu awɔ be míaƒe nufiafiawo nanyo ɖe edzi.

^ mm. 4 Kpɔ nyati si nye, “Ƒo Asa Na Nu Siawo Ne Èle Biblia Srɔ̃m Kple Ame Aɖe,” si dze le September 2016 ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me.

^ mm. 8 Àkpɔe le MÍA ŊU NYAWO > NUTEƑEKPƆKPƆWO.

^ mm. 9 Ele JW Library®, àkpɔe le MEDIA > MÍAƑE KPEKPEWO KPLE SUBƆSUBƆDƆA > ÐASEÐIÐI ƑE DƆWƆNUWO.

^ mm. 15 Kpɔ nyati siwo nye, “Lɔlɔ̃ Na Yehowa Aʋã Wò Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ” kple “Ðe Nèsu Te Na Nyɔnyrɔxɔxɔa?” siwo dze le March 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 77 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe megbe la, gbeƒãɖela bibi aɖe le kpekpem ɖe nɔvinyɔnu si kpɔ nusɔsrɔ̃a dzi ŋu wòase egɔme be mele be wòaƒo nu fũu akpa le nusrɔ̃ɣia o.

^ mm. 79 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le Biblia-nusrɔ̃ɣia, nusrɔ̃via srɔ̃ ale si wòawɔ anye srɔ̃nyɔnu nyui. Emegbe la, ele nu siwo wòsrɔ̃ la gblɔm na srɔ̃a.

^ mm. 81 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Biblia-nusrɔ̃via kple srɔ̃a va nɔvi aɖe si wòdze xɔlɔ̃e le hamea me ƒeme eye wole vivi sem na hadede tuameɖowo.