Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 47

Ðe Nàlɔ̃ Faa Woanɔ Wò Ðɔm Ðoa?

Ðe Nàlɔ̃ Faa Woanɔ Wò Ðɔm Ðoa?

“Mlɔeba la, nɔviwo, miyi edzi mianɔ dzidzɔ kpɔm, mina woanɔ mia ɖɔm ɖo.”—2 KOR. 13:11.

HADZIDZI 54 “Mɔ Lae Nye Esi”

NYA VEVIAWO *

1. Le Mateo 7:13, 14 ƒe nya nu la, mɔ ka dzi zɔmee míele?

MÍ KATÃ míele mɔ aɖe zɔm. Míaƒe taɖodzinue nye be míage ɖe xexe yeyea me eye míanɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu te. Eya ta, gbe sia gbe la, míedzea agbagba be míanɔ agbemɔ ma dzi. Gake abe ale si Yesu gblɔe ene la, mɔa le xaxɛe eye ɣeaɖewoɣi la, edzi zɔzɔ ate ŋu asesẽ. (Xlẽ Mateo 7:13, 14.) Esi míede blibo o ta la, ele bɔbɔe be míatra ɖa le mɔa dzi.—Gal. 6:1.

2. Nu ka me míadzro le nyati sia me? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ðokuibɔbɔ Kpena Ðe Mía Ŋu Míelɔ̃na Faa Wɔa Tɔtrɔwo” hã.)

2 Ne míedi be míayi edzi anɔ agbemɔa dzi la, ke ele be míalɔ̃ faa awɔ tɔtrɔwo le míaƒe nuŋububu, nɔnɔme kple nuwɔnawo ŋu. Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be “mina woanɔ mia ɖɔm ɖo.” (2 Kor. 13:11) Aɖaŋuɖoɖo ma yi na míawo hã. Le nyati sia me la, míadzro ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔwo kple ale si nɔvi siwo tsi le xɔse me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ agbemɔa dzi la me. Azɔ hã, míadzro nu siwo ana wòate ŋu asesẽ na mí be míawɔ ɖe mɔfiame siwo tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ la dzi la me. Eye míakpɔ ale si ɖokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tɔtrɔwo eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me.

NA MAWU ƑE NYAA NAÐƆ WÒ ÐO

3. Aleke Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

3 Menɔa bɔbɔe be míadzro mía ɖokuiwo me o. Nu ka tae? Nu si tae nye be míaƒe dzia nye alakpatɔ, eye ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míanya afi si míaƒe dzia kplɔ mí ɖo tae. (Yer. 17:9) Ele bɔbɔe be míatsɔ “nuŋububu masɔmasɔwo” anɔ mía ɖokuiwo blem. (Yak. 1:22) Eya ta ele be míazã Mawu ƒe Nyaa atsɔ adzro mía ɖokui me. Mawu ƒe Nyaa nana míenyaa ame si míenye le ememe, si nye míaƒe “tamesusuwo kple dzimedidiwo.” (Heb. 4:12, 13) Le mɔ aɖe nu la, Mawu ƒe Nyaa le abe mɔ̃ si wotsɔ ɖea foto dɔnɔ ƒe lãme si nana míenyaa nu si le dzɔdzɔm le ememe la ene. Gake hafi míate ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo kple aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔna tso ame siwo le ŋgɔ xɔm le Mawu ƒe amewo dome dzi la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui.

4. Nu kae ɖee fia be Fia Saul va zu dadala?

4 Fia Saul ƒe nuwɔnaa na míekpɔ nu si ate ŋu adzɔ ne míebɔbɔ mía ɖokui o. Dada wɔe be Saul ŋutɔ mekpɔe be yewɔ vodada si tae wòhiã be woaɖɔ ye ɖo o. (Ps. 36:1, 2; Hab. 2:4) Saul ƒe dada va dze ƒãa esime Yehowa na mɔfiamewoe tẽe ku ɖe nu siwo wòle be wòawɔ ne eɖu Amalektɔwo dzi la me. Ke hã, Saul mewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi o. Eye esi nyagblɔɖila Samuel he eƒe susu yi eƒe vodadaa dzi la, melɔ̃ ɖe edzi o. Ke boŋ, ebu nu si wòwɔ la nu tsɛe eye wòdze agbagba be yeada vodadaa ɖe ame bubuwo dzi. (1 Sam. 15:13-24) Ewɔ nu ma tɔgbi ɣeyiɣi aɖe va yi. (1 Sam. 13:10-14) Nublanuitɔe la, eɖe mɔ dada kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Saul metrɔ eƒe nuŋububu o, eya ta, Yehowa gbe nya nɛ eye wògbee.

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Saul ƒe nuwɔnaa me?

5 Mímedi be míanɔ abe Saul ene o, eya ta anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ne mexlẽ aɖaŋuɖoɖo aɖe le Mawu ƒe Nyaa me la, ɖe menɔa ɖokuinye nu ɖema? Ðe mebunɛ be nu si wɔm mele la megblẽ nenema gbegbe oa? Ðe menɔa asi fiam ame bubuwo be woawoe na mewɔ nu nenema?’ Ne míeɖo biabia mawo dometɔ aɖe ŋu be ɛ̃ la, ke ele be míatrɔ míaƒe nuŋububu. Ne menye nenema o la, míava zu dadalawo ale gbegbe be Yehowa agbe mí eye míaganye exɔlɔ̃wo o.—Yak. 4:6.

6. Vovototo kae le Fia Saul kple Fia David dome?

6 De dzesi vovototo si le Fia Saul kple Fia David, ame si lɔ̃ “Yehowa ƒe se la,” si va xɔ ɖe Saul teƒe la dome. (Ps. 1:1-3) David nyae be Yehowa xɔna na ɖokuibɔbɔlawo, gake etsia tre ɖe dadalawo ŋu. (2 Sam. 22:28) David na Mawu ƒe se la ɖɔe ɖo. Eŋlɔ bena: “Makafu Yehowa, ame si ɖo aɖaŋu nam. Le zã me hã, nye dzimesusuwo ɖɔam ɖo.”—Ps. 16:7.

MAWU ƑE NYAA

Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃a nu mí ne míele tatram ɖa le mɔa dzi. Ne míebɔbɔa mía ɖokuiwo la, míana Mawu ƒe Nyaa naɖɔ susu manyomanyo siwo vaa tame na mí la ɖo (Kpɔ memama 7 lia)

7. Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, nu kae míawɔ?

7 Ne míebɔbɔa mía ɖokuiwo la, míana Mawu ƒe Nyaa naɖɔ susu manyomanyo siwo vaa tame na mí la ɖo hafi míayi wo dzi wɔ ge. Mawu ƒe Nyaa anɔ abe gbe aɖe si le gbɔgblɔm na mí be, “Mɔ lae nye esi. Mito edzi,” la ene. Mawu ƒe Nyaa axlɔ̃ nu mí ne míele tatram ɖa le mɔa dzi yina ɖe miame alo ɖusime. (Yes. 30:21) Ne míeɖoa to Yehowa la, aɖe vi na mí le mɔ geɖe nu. (Yes. 48:17) Le kpɔɖeŋu me, magahiã be ame aɖe naɖo aɖaŋu na mí wòakpe ŋu na mí o. Eye esia ate mí ɖe Yehowa ŋu, elabe míenya be ele be lém na mí abe via malɔ̃nugbɔwo ene.—Heb. 12:7.

8. Abe ale si Yakobo 1:22-25 gblɔe ene la, aleke míate ŋu azã Mawu ƒe Nyaa abe ahuhɔ̃e ene?

8 Mawu ƒe Nyaa ate ŋu anɔ abe ahuhɔ̃e ene na mí. (Xlẽ Yakobo 1:22-25.) Mía dometɔ geɖe kpɔa ahuhɔ̃e me hafi dona le aƒe me. Esia wɔnɛ be míekpɔna nu siwo wòle be míaɖɔ ɖo hafi ado ɖe amewo dome. Nenema kee ne míexlẽa Biblia gbe sia gbe la, míade dzesi tɔtrɔ siwo wòahiã be míawɔ le míaƒe nuŋububu kple nɔnɔmewo ŋu. Ame aɖewo kpɔe be eɖea vi ne yewowɔ gbe sia gbe mawunyakpukpuia le ŋdi me hafi do go le aƒe me. Wonana nu si woxlẽ la kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu dzi. Eye le ŋkekea me la, wodia mɔ vovovo siwo dzi woato awɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nyaa me la dzi. Azɔ hã, ele be nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe koŋ nanɔ mía si, eye ele be Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu hã nanɔ ɖoɖoa me. Esia adze nu bɔbɔe ya, gake enye nu siwo wòhiã vevie be míawɔ ale be míanɔ agbemɔ xaxɛa dzi la dometɔ ɖeka.

ÐO TO NƆVI SIWO TSI LE XƆSE ME

AME SIWO TSI LE XƆSE ME

Nɔvi Kristotɔ si tsi le xɔse me ate ŋu aɖo afɔ afɔ ta na mí. Ðe nàda akpe nɛ be elé dzi ɖe ƒo te ɖe ŋuwò ɖo aɖaŋu na wòa? (Kpɔ memama 9 lia)

9. Ɣekaɣie wòahiã be nɔvi aɖe naɖɔ mí ɖo?

9 Ðe wòdzɔ kpɔ be nènɔ nane wɔm si na nèva nɔ tetem ɖa tso Yehowa gbɔa? (Ps. 73:2, 3) Esi nɔvi aɖe si tsi le xɔse me lé dzi ɖe ƒo ɖɔ wò ɖo la, ɖe nèɖo toe hewɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzia? Ne nenemae nèwɔe la, ekema èwɔe nyuie, eye dzi anya dzɔ wò be exlɔ̃ nu wò.—Lod. 1:5.

10. Aleke wòle be nàwɔ nui ne xɔ̃wò aɖe ɖo aɖaŋu na wò?

10 Mawu ƒe Nyaa ɖo ŋku edzi na mí be: “Xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu nye nuteƒewɔwɔ.” (Lod. 27:6) Nu kae nya sia fia? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be èdi be yeatso ʋumɔ aɖe me eye wò asitelefon la ɖi si na wò susu dzo ɖa le mɔa dzi. Èzɔ be yeatso mɔa me evɔ mèkpɔ mɔa me o. Kasia, xɔ̃wò aɖe lé wò abɔ sesĩe he wò ɖa le mɔa me. Elé wò sesĩe ale gbegbe be eƒe fe de abi ŋuwò, gake ale si wòwɔ nu kpata la wɔe be ʋu meƒo wò o. Ne abi si wòde ŋuwò la na nèse veve ŋkeke aɖewo gɔ̃ hã la, ɖe nàdo dziku be elé ye sesĩe nenema gbegbea? Kura o! Àda akpe boŋ be exɔ na ye. Nenema kee ne xɔ̃wò aɖe xlɔ̃ nu wò be wò nuƒoƒo alo nuwɔnawo mesɔ kple Mawu ƒe nudidiwo o la, ate ŋu ate ɖe dziwò ya. Gake mègado dziku be eɖo aɖaŋu na ye o. Nunya manɔ eme be nàdo dziku o. (Nyagb. 7:9) Ke boŋ, ɖe ema teƒe la, da akpe nɛ be elé dzi ɖe ƒo te ŋu ɖo aɖaŋu na wò.

11. Nu kae ate ŋu ana be ame aɖe nagbe aɖaŋu nyui si nɔvi aɖe ɖo nɛ la?

11 Nu kae ana be ame aɖe nagbe aɖaŋu nyui si nɔvi aɖe ɖo nɛ la? Dada. Ame siwo dana la dina be amewo ‘nalũ to me na yewo, eye woɖea to ɖa le nyateƒe la ŋu.’ (2 Tim. 4:3, 4) Womedina be ame aɖeke naɖo aɖaŋu na yewo o, elabe wosusuna be yewonya nu wu ame bubuwo. Gake apostolo Paulo gblɔ be: “Ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eɖokui ko blem wòle.” (Gal. 6:3) Fia Salomo gblɔe nyuie ale: “Ðekakpuivi dahe nyanu nyo wu fia tsitsi tsibome, si megasea aɖaŋuɖoɖo o.”—Nyagb. 4:13.

12. Nu kae míesrɔ̃ tso Petro gbɔ le Galatiatɔwo 2:11-14?

12 De dzesi kpɔɖeŋu nyui si apostolo Petro ɖo na mí esi apostolo Paulo ɖɔe ɖo le ame dome. (Xlẽ Galatiatɔwo 2:11-14.) Ne ɖe Petro tsɔ susu ɖo ale si Paulo ɖo aɖaŋua nɛ kple afi si wòɖo aɖaŋua nɛ le ŋu la, anye ne ado dziku ɖe Paulo ŋu hafi. Gake Petro mewɔe nenema o. Exɔ aɖaŋuɖoɖoa eye melé Paulo ɖe dɔ me o. Eva yɔ Paulo emegbe be “nɔvi lɔlɔ̃tɔ.”—2 Pet. 3:15.

13. Nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele aɖaŋu ɖom na ame aɖe?

13 Ne èkpɔe be ehiã be yeaɖo aɖaŋu na ye xɔlɔ̃ aɖe la, nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na wò? Hafi nàte ɖe xɔ̃wòa ŋu la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mewɔa ɖokuinye “ame dzɔdzɔe akpaa”?’ (Nyagb. 7:16) Ame si wɔa eɖokui ame dzɔdzɔe akpa la drɔ̃a ʋɔnu amewo ɖe eya ŋutɔ ƒe dzidzenuwo nu, ke menye ɖe Yehowa tɔ nu o, eye mekpɔa nublanui na ame hã o. Ne èdzro ɖokuiwò me vɔ eye nèkpɔe be ehiã kokoko be nàɖo aɖaŋu na xɔ̃wòa la, ke de dzesi nu si tututu nye kuxia, eye nàbia nya aɖewoe siwo ana wòakpɔ eƒe vodada adze sii. Kpɔ egbɔ be wò aɖaŋuɖoɖoawo tso Biblia me eye nàɖo ŋku edzi be menye wò dɔe wònye be nàdrɔ̃ ʋɔnu xɔ̃wòa o, ke boŋ nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ ale si Yehowa bua nu si wɔm wòle la. (Rom. 14:10) Zã nunya si tso Mawu ƒe Nyaa me ne èle aɖaŋu ɖom na ame aɖe, eye nàsrɔ̃ Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ. (Lod. 3:5; Mat. 12:20) Nu ka tae? Elabena ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu la dzie Yehowa anɔ te ɖo awɔ nu ɖe mía ŋu.—Yak. 2:13.

WƆ ÐE MƆFIAME SIWO TSO MAWU ƑE HABƆBƆA GBƆ LA DZI

MAWU ƑE HABƆBƆA

Mawu ƒe habɔbɔa toa videowo, agbalẽwo kple kpekpewo dzi kpena ɖe mí katã ŋu be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nyaa me la dzi. Ɣeaɖewoɣia, Dɔdzikpɔhaa wɔa tɔtrɔwo le ale si míewɔa míaƒe dɔae ŋu (Kpɔ memama 14 lia)

14. Nu kawoe Mawu ƒe habɔbɔa naa mí?

14 Yehowa toa eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzia dzi kpena ɖe mía ŋu be míanɔ agbemɔa dzi. Habɔbɔa toa videowo, agbalẽwo kple kpekpewo dzi kpena ɖe mí katã ŋu be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nyaa me la dzi. Wotu mɔfiame siwo tso habɔbɔa gbɔ la ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Ne Dɔdzikpɔhaa le mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋu bum la, wonana gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ wo. Togbɔ be ele alea hã la, enuenu la, Dɔdzikpɔhaa léa ŋku ɖe nyametsotso siwo wowɔ ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be “xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm,” eye ele be míatrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu.—1 Kor. 7:31.

15. Nu kae nye nɔvi aɖewo ƒe kuxi?

15 Ðikeke mele eme o be, ne habɔbɔa wɔ asitɔtrɔ aɖe le ale si míese Biblia me nufiafia aɖe gɔme ŋu alo wona mɔfiame ku ɖe ale si míanɔ agbee ŋu la, míelɔ̃na faa wɔna ɖe edzi. Gake aleke míewɔa nui ne Mawu ƒe habɔbɔa wɔ tɔtrɔ aɖe si lɔ mí ɖe eme tẽe? Le kpɔɖeŋu me, le ŋkeke siawo me la, ga si wozãna tsɔ tua míaƒe xɔwo alo léa be na wo la yi dzi ale gbegbe. Eya ta Dɔdzikpɔhaa tso nya me be hame geɖe nazã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka. Le esia ta la, wotsɔ hame aɖewo ƒo ƒu eye wodzra Fiaɖuƒe Akpata aɖewo. Wozãa gaa tsɔ tua Fiaɖuƒe Akpata le nuto siwo me wohiã wo le wu. Ne èle nuto aɖe si me wodzra Fiaɖuƒe Akpata aɖe le alo tsɔ hamewo ƒo ƒu le la, ate ŋu asesẽ be nàtrɔ ɖe nɔnɔme yeyea ŋu. Ava hiã be gbeƒãɖela aɖewo nazɔ mɔ didi vie wu hafi ayi kpekpeawo. Ate ŋu awɔ nuku na nɔvi aɖewo siwo ku kutri vevie tu Fiaɖuƒe Akpata aɖe la be wole edzram. Woate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be yewotu wɔ ya lɔ. Ke hã, nɔvi siawo lɔ̃ faa wɔ ɖe ɖoɖo yeye sia dzi eye wodze na kafukafu.

16. Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Kolosetɔwo 3:23, 24 dzi la, aleke esia ana míanɔ dzidzɔ kpɔm?

16 Míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm ne míeɖo ŋku edzi be Yehowae míele dɔ wɔm na eye eyae le mɔ fiam eƒe habɔbɔa. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:23, 24.) Fia David ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le go sia me. Edzɔ nu faa be yeatsɔ akpe asi ɖe gbedoxɔa tutu ŋu. Egblɔ be: “Ame kae menye, eye ame kae nye dukɔ la nye, be míete ŋu na nu faa alea? Elabena gbɔwòe nuwo katã tso, eye wò ŋutɔ asiwò me míexɔ wo le hetsɔ na wò.” (1 Kron. 29:14) Ne míawo hã míedzɔ nu na Yehowa la, ke míele nu siwo wòna mí la ƒe ɖe namee. Togbɔ be ele alea hã la, Yehowa kpɔa dzidzɔ ne míezã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo tsɔ do alɔ eƒe dɔa.—2 Kor. 9:7.

NƆ MƆ XAXƐ LA DZI

17. Nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo ne eva hiã be míawɔ tɔtrɔ aɖewo o?

17 Ne míedi be míayi edzi anɔ mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me dzi la, ele be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua pɛpɛpɛ. (1 Pet. 2:21) Ne eva hiã be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo la, dzi megaɖe le ƒowò o. Elabe ne ède dzesii be ehiã be yeawɔ tɔtrɔwo la, esia aɖee afia be èdi be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Ðo ŋku edzi be Yehowa nya be míede blibo o, eya ta medi tso mía si be míasrɔ̃ Yesu le mɔ deblibo nu o.

18. Nu kae wòle be míawɔ be míaɖo afi si yim míele?

18 Mina mí katã míana míaƒe susu nanɔ etsɔme ŋu eye míalɔ̃ faa awɔ tɔtrɔwo le míaƒe nuŋububu, nɔnɔme kple nuwɔnawo ŋu. (Lod. 4:25; Luka 9:62) Mina míayi edzi abɔbɔ mía ɖokuiwo, ‘anɔ dzidzɔ kpɔm, eye míana woanɔ mía ɖɔm ɖo.’ (2 Kor. 13:11) Ne míewɔe alea la, ekema ‘lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kpli mí.’ Eye menye ɖeko míage ɖe xexe yeyea me o, ke boŋ fifia gɔ̃ hã la, míakpɔ dzidzɔ be míele agbemɔa dzi zɔm.

HADZIDZI 34 Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

^ mm. 5 Ate ŋu asesẽ na mía dometɔ aɖewo be míawɔ tɔtrɔwo le míaƒe nuŋububu, nɔnɔme, kple nuwɔnawo ŋu. Nyati sia adzro nu si ta wòhiã be mí katã míawɔ tɔtrɔwo kple ale si míawɔ ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm esime míele tɔtrɔ mawo wɔm la me.

^ mm. 76 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe le nu si do tso nyametsotso gbegblẽ aɖe si wòwɔ me la gblɔm na nɔviŋutsu tsitsi aɖe la, nɔviŋutsu tsitsia (ele ɖusime) le to ɖom nyuie be yeakpɔe ɖa be ehiã be yeaɖo aɖaŋu aɖe nɛ kokoko hã.