Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 49

Tsitretsitsia Ava Eme Godoo!

Tsitretsitsia Ava Eme Godoo!

“Mɔkpɔkpɔ le asinye le Mawu me, . . . be tsitretsitsi li.”—DƆW. 24:15.

HADZIDZI 151 Ayɔ Wo

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu wɔnuku kae Yehowa subɔlawo nɔa mɔ kpɔm na?

MƆKPƆKPƆ le vevie. Ame aɖewo kpɔa mɔ be yewoava kpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me, adzi vi siwo le lãmesẽ me alo ahaya tso dɔléle sesẽ aɖe me. Mí Kristotɔwo hã míekpɔa mɔ na nu mawo. Gake nu vevitɔ si míekpɔa mɔ nae nye, ale si míava nɔ agbe tegbee le etsɔme kple ale si woava fɔ míaƒe ame veviwo ɖe tsitre.

2 Apostolo Paulo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ le asinye le Mawu me, . . . be tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔw. 24:15) Menye Paulo ye nye ame gbãtɔ si ƒo nu tso tsitretsitsia ŋu o. Hiob hã ƒo nu tso eŋu. Eka ɖe edzi be Mawu aɖo ŋku ye dzi eye wòafɔ ye ɖe tsitre.—Hiob 14:7-10, 12-15.

3. Vi kae 1 Korintotɔwo ta 15 lia aɖe na mí?

3 “Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi” nye Kristotɔwo ƒe “gɔmeɖoanyi,” alo “gɔmedzenufiafiawo” dometɔ ɖeka. (Heb. 6:1, 2) Ale si Paulo ƒo nu tso tsitretsitsia ŋu la dze le 1 Korintotɔwo ta 15 lia me. Nu siwo ŋu wòŋlɔ nu tsoe anya de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me. Ta sia atu mí ɖo eye wòado ŋusẽ mɔkpɔkpɔ si le mía si be woava fɔ míaƒe ame veviwo ɖe tsitre la.

4. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be woafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre?

4 Yesu Kristo ƒe tsitretsitsia naa mɔkpɔkpɔ mí be woava fɔ míaƒe ame vevi siwo kua ɖe tsitre. Esia hã le “nya nyui” si Paulo ɖe gbeƒãe na Korintotɔwo dome. (1 Kor. 15:1, 2) Le nyateƒe me la, egblɔ be ne Kristotɔ aɖe mexɔ Kristo ƒe tsitretsitsia dzi se o la, ke viɖe aɖeke mele eƒe xɔse ŋu o. (1 Kor. 15:17) Yesu ƒe tsitretsitsiae na míexɔe se be woafɔ ame bubuwo ɖe tsitre.

5-6. Nu kae nya siwo dze le 1 Korintotɔwo 15:3, 4 fia na mí?

5 Esi Paulo nɔ nu ŋlɔm tso tsitretsitsia ŋua, ehe susu yi nu vevi etɔ̃ aɖewo dzi. Woawoe nye (1) “Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.” (2) “Woɖii.” (3) “Wofɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe le Ŋɔŋlɔawo nu.”—Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:3, 4.

6 Nu kae Yesu ƒe ku, eɖiɖi kple eƒe tsitretsitsia fia na mí? Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be ‘woaɖe Mesia la ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, eye woaɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.’ Gake menye ye katãe nye ema o. Yesaya gblɔ kpee be Mesia la ‘ade ta ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ te.’ Yesu wɔ esia, esi wòtsɔ eƒe agbe na tafe ɖe mía ta. (Yes. 53:8, 9, 12; Mat. 20:28; Rom. 5:8) Eya ta Yesu ƒe kua, eɖiɖi kple efɔfɔ ɖe tsitre na kakaɖedzi sẽŋu mí be woava ɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku me eye míagawɔ ɖeka kple míaƒe ame vevi siwo ku la.

AME GEÐE KPƆ ETEƑE

7-8. Nu kae kpe ɖe Kristotɔwo ŋu woka ɖe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre?

7 Be míaxɔ tsitretsitsia dzi ase la, gbãa, ele be míaka ɖe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre. Nu ka tae míate ŋu axɔ edzi ase be Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me?

8 Ame geɖewo kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la. (1 Kor. 15:5-7) Ame gbãtɔ si Paulo yɔe nye apostolo Petro (alo Kefas). Eye nusrɔ̃la aɖewo hã ɖo kpe edzi be Petro kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la. (Luka 24:33, 34) Azɔ hã, “Ame Wuieveawo,” siwo nye apostoloawo hã kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la. Emegbe Kristo ɖe “eɖokui fia nɔvi siwo wu alafa atɔ̃ zi ɖeka,” ɖewohĩ le kpekpe dodzidzɔname si wowɔ le Galilea si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 28:16-20 la me. Azɔ hã, Yesu ‘ɖe eɖokui fia Yakobo,’ si anye nɔvia, si mexɔ edzi se tsã be eyae nye Mesia la o hã. (Yoh. 7:5) Esi Yakobo kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitrea, eva ka ɖe edzi azɔ be eyae nye Mesia la. Eɖe dzesi be esime Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa le ƒe 55 K.Ŋ. mea, ame geɖe siwo kpɔ Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la gakpɔtɔ nɔ agbe, eya ta ame siwo mexɔ Yesu ƒe tsitretsitsia dzi se o la ate ŋu ate ɖe ame siwo kpɔ eteƒe la ŋu abia wo.

9. Abe ale si Dɔwɔwɔwo 9:3-5 gblɔe enea, kpeɖodzi kawoe le Paulo ŋutɔ si be wofɔ Yesu ɖe tsitre?

9 Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia Paulo ŋutɔ hã. (1 Kor. 15:8) Paulo (alo Saul) nɔ mɔ dzi yina Damasko esime wòse Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ƒe gbe, eye wòkpɔe le ŋutega me le dziƒo. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 9:3-5.) Nu si teƒe Paulo kpɔ hã ɖo kpe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre nyateƒe.—Dɔw. 26:12-15.

10. Nu kae kakaɖedzi si nɔ Paulo si be wofɔ Yesu ɖe tsitre la ʋãe wòwɔ?

10 Ame geɖewo adi be yewoase Paulo ƒe nyaa, elabe eya ŋutɔ ti Kristotɔwo yome tsã. Esi Paulo va ka edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitrea, edze agbagba be yeakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woaxɔe ase. Esime wònɔ agbagba dzem be yeakpe ɖe amewo ŋu woaxɔe ase be Yesu ku eye wofɔe ɖe tsitrea, ehiã be wòado dzi le ƒoƒowo, gaxɔ me nɔnɔ kple afɔku le tɔdzi me. (1 Kor. 15:9-11; 2 Kor. 11:23-27) Paulo ka ɖe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me, eye elɔ̃ faa be yeaɖe gbeƒã nya sia, ne abia be yeaku gɔ̃ hã. Ðe kpeɖodzi siwo katã ŋu míeƒo nu tsoe meɖee fia be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome oa? Eye ɖe esia mena nègaxɔ tsitretsitsia dzi se geɖe wu oa?

PAULO ÐƆ SUSU MANYOMANYOWO ÐO

11. Nu ka tae susu manyomanyowo anya nɔ ame aɖewo siwo nɔ Korinto la si ku ɖe tsitretsitsia ŋu?

11 Susu manyomanyowo nɔ ame aɖewo siwo nɔ Hela dugã si nye Korinto me la si ku ɖe tsitretsitsia ŋu, wogblɔna gɔ̃ hã be “ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o.” Nu ka tae? (1 Kor. 15:12) Xexemenunyala siwo nɔ Hela dugã bubu si nye Atene me la mexɔe se be wofɔ Yesu ɖe tsitre o eye wòɖia kokoe na wo. Eya ta ame aɖewo siwo nɔ Korinto la hã va nɔ nuwo ŋu bum nenema ke. (Dɔw. 17:18, 31, 32) Ame aɖewo anya se tsitretsitsia gɔme be enye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ, si fia be ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la ke “eku,” gake ne eva zu Kristotɔ la ke “egbɔ agbe” ye nye ema. Susu ka ke tae womeɖaxɔ edzi se o ame siwo mexɔ tsitretsitsia dzi se o hã ƒe xɔse zu dzodzro. Ne Mawu mefɔ Yesu ɖe tsitre o la, ke womexe tafe aɖeke o eye mí katã míegakpɔtɔ nye nuvɔ̃mewo. Eya ta mɔkpɔkpɔ gbagbe aɖeke mele ame siwo mexɔ tsitretsitsia dzi se o la si o.—1 Kor. 15:13-19; Heb. 9:12, 14.

12. Le 1 Petro 3:18, 22 ƒe nya nu la, aleke Yesu ƒe tsitretsitsia to vovo na tsitretsitsi siwo do ŋgɔ lae?

12 Paulo ŋutɔ nyae be wofɔ “Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.” Yesu ƒe tsitretsitsia de ŋgɔ wu bubu ɖe sia ɖe elabe ame siwo katã wofɔ ɖe tsitre do ŋgɔ la gava ku ake. Paulo gblɔ be, Yesue nye “ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ƒe kutsetse gbãtɔ.” Le mɔ ka nu? Yesue nye ame gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre wònye gbɔgbɔ eye eyae nye ame gbãtɔ si yi dziƒo.—1 Kor. 15:20; Dɔw. 26:23; xlẽ 1 Petro 3:18, 22.

AME SIWO “WOAGBƆ AGBE”

13. Nya kae Paulo gblɔ tso Adam kple Yesu ŋu?

13 Aleke ame ɖeka ƒe ku ate ŋu ana ame miliɔnwo nava nɔ agbe? Paulo ɖo nya ma ŋu eme kɔ. Eƒo nu tso nu si Adam gblẽ le amegbetɔwo ŋu kple nu si Yesu ƒe kua wɔa ŋu. Paulo gblɔ tso Adam ŋu be: “Ame dzie ku to va.” Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, ehe ku va eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Míegakpɔtɔ le eƒe tomaɖomaɖoa me tsonuwo kpɔm. Gake esi Mawu fɔ Via ɖe tsitre ta la, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be etsɔme nyui aɖe li na mí! ‘Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to Yesu dzi va.’ Paulo ɖe eme be, “ale si ko amewo katã kuna le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.”—1 Kor. 15: 21, 22.

14. Ðe woafɔ Adam ɖe tsitrea? Ðe eme.

14 Nya si Paulo gblɔ be “amewo katã kuna le Adam me” la gɔme ɖe? Adam ƒe dzidzimeviwo siwo nyi nu vɔ̃ kple blibomademade dome tso Adam gbɔ ƒe nue nɔ susu me na Paulo. (Rom. 5:12) Adam manɔ ame siwo “woagbɔ agbe la dome o.” Kristo ƒe tafevɔsa maɖe vi nɛ o elabena Adam de blibo eye ɖe wòɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu. Nu si dzɔ ɖe Adam dzi kee adzɔ ɖe ame siwo “Amegbetɔvi la” adrɔ̃ ʋɔnu be wonye “gbɔ̃wo” la dzi, si fia be woayi ɖe “tsɔtsrɔ̃ mavɔ me.”—Mat. 25:31-33, 46; Heb. 5:9.

Yesue nye ame gbogbo siwo woafɔ ɖe tsitre tso ku me be woava yi dziƒo la ƒe gbãtɔ (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15. Ame kawoe Paulo ƒe nya si nye “woagbɔ agbe wo katã” la yi na?

15 De dze sii be Paulo gblɔ be “woagbɔ agbe wo katã le Kristo me.” (1 Kor. 15: 22) Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Korinto siwo woafɔ ɖe tsitre woava nɔ agbe le dziƒo lae Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa na. Kristotɔ mawo nye ‘ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, ame siwo woyɔ be woava nye ame kɔkɔewo.’ Eye Paulo ƒo nu tso “ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me le Kristo me hã ŋu.” (1 Kor. 1:2; 15:18; 2 Kor. 5:17) Le lɛta bubu si gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ me la, egblɔ be “ame siwo wɔ ɖeka kple Yesu le ku si tɔgbi wòku me la, awɔ ɖeka kplii godoo le tsitretsitsi si tɔgbi wòkpɔ la hã me.” (Rom. 6:3-5) Wofɔ Yesu ɖe tsitre wònye gbɔgbɔ yi dziƒo. Eya ta ema fia be woafɔ Kristotɔ amesiamina siwo “wɔ ɖeka kple Kristo” la ɖe tsitre woanye gbɔgbɔwo ayi dziƒo.

16. Nu ka tae Paulo yɔ Yesu be enye “kutsetse gbãtɔ”?

16 Paulo ŋlɔ bena wofɔ Kristo ɖe tsitre wònye “ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ƒe kutsetse gbãtɔ.” Ðo ŋku edzi be wofɔ amewo abe Lazaro ene ɖe tsitre wogava nɔ agbe le anyigba dzi, gake Yesue nye ame gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre tso ku me wòzu gbɔgbɔ eye magaku akpɔ o. Woate ŋu atsɔ Yesu asɔ kple kutsetse gbãtɔ si Israel-viwo tsɔ sa vɔe na Mawu. Azɔ hã, esi Paulo yɔ Yesu be “kutsetse gbãtɔ” ta la, efia be woafɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre woava nɔ agbe le dziƒo. Woava fɔ apostoloawo kple ame bubu siwo “wɔ ɖeka kple Kristo” la ɖe tsitre emegbe eye woawo hã woava nɔ agbe le dziƒo abe Yesu ene.

17. Ɣekaɣie woafɔ ame siwo “wɔ ɖeka kple Kristo” la ɖe tsitre woayi dziƒo?

17 Esime Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa ɖo ɖe Korintotɔwo la, ame siwo “wɔ ɖeka kple Kristo” siwo ava nɔ agbe le dziƒo la fɔfɔ ɖe tsitre medze egɔme haɖe o. Ke boŋ, Paulo gblɔ be: “Ame sia ame le eƒe ɖoɖo nu: Kristoe nye kutsetse gbãtɔ, emegbe la, ame siwo nye Kristo la tɔ le eƒe anyinɔɣi la.” (1 Kor. 15:23; 1 Tes. 4:15, 16) Egbea, míele Kristo ƒe “anyinɔɣi” ma me. Eya ta, ele be apostoloawo kple Kristotɔ bubu siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na siwo ku la nalala va se ɖe anyinɔɣi ma hafi woafɔ wo ɖe tsitre woayi dziƒo ale be ‘woawɔ ɖeka kple Yesu le tsitretsitsi si tɔgbi wòkpɔ la hã me.’

KAKAÐEDZI LE MÍAƑE MƆKPƆKPƆA ŊU!

18. (a) Nu ka tae míeƒo nya ta be tsitretsitsi bubu aɖe li to vovo na dziƒo tɔa? (b) Le 1 Korintotɔwo 15:24-26 ƒe nya nu la, nu kawoe Yesu aɖe ɖa, eye nu kae wòawɔ kplɔe ɖo le dziƒo?

18 Ke nu kae ava dzɔ ɖe Kristotɔ wɔnuteƒe siwo ku gake womayi dziƒo ava wɔ ɖeka kple Kristo o la dzi? Woava fɔ woawo hã ɖe tsitre. Biblia gblɔ be Paulo kple ame bubu siwo wofɔ ɖe tsitre woyi dziƒo la, nɔ “ame kukuwo ƒe tsitretsitsi si ado ŋgɔ la me.” (Flp. 3:11) Ðe nya ma mefia be woava fɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre oa? Nya ma sɔ kple nya si Hiob gblɔ tso nu si ava dzɔ ɖe edzi ŋu. (Hiob 14:15) “Ame siwo nye Kristo la tɔ le eƒe anyinɔɣi la” anɔ Yesu gbɔ le dziƒo ne ele dziɖuɖuwo katã kple amegãnyenye katã kpakple ŋusẽwo katã ɖem ɖa. ‘Woaɖe ku si nye futɔ mamlɛtɔ’ la gɔ̃ hã ɖa. Ame siwo wofɔ ɖe tsitre tso ku me yi dziƒo la, magaku akpɔ o. Ke ame siwo mayi dziƒo o ya ɖe?—Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:24-26.

19. Nu kae ame siwo ava nɔ agbe le anyigba dzi la ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na?

19 Nu kae ame siwo ava nɔ agbe le anyigba dzi la, ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na? Woate ŋu aka ɖe nya si Paulo gblɔ la dzi. Egblɔ be: ‘Mɔkpɔkpɔ le asinye be tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.’ (Dɔw. 24:15) Eme kɔ be ame madzɔmadzɔwo mayi dziƒo o, eya ta Paulo ƒe nyawo fia be tsitretsitsi bubu ayi edzi le anyigba dzi.

Ne míexɔ tsitretsitsia dzi se la, ate ŋu ana míatsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm nɛ (Kpɔ memama 20 lia) *

20. Aleke nu siwo nèsrɔ̃ va se ɖe fifia do ŋusẽ wò xɔse?

20 Míate ŋu aka ɖe edzi be, “tsitretsitsi li”! Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigbaa dzi si be, woanɔ agbe tegbee. Àte ŋu aka ɖe ŋugbedodo ma dzi be ava eme. Ŋugbedodo ma ate ŋu afa akɔ na wò ne wò ame vevi aɖe ku. Ne Kristo kple ame bubu siwo ‘aɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka la’ le dzi ɖum la, woava fɔ wo ɖe tsitre. (Nyaɖ. 20:6) Wò hã àte ŋu aka ɖe edzi be, ne yeku hafi Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua dze egɔme la, woafɔ ye ɖe tsitre. ‘Mɔkpɔkpɔ sia menana ame ɖua ŋukpe’ o. (Rom. 5:5) Mɔkpɔkpɔ ma ate ŋu alé wò ɖe te fifia, eye wòana nànɔ Mawu subɔm kple dzidzɔ. Gake nu geɖe li míagasrɔ̃ tso 1 Korintotɔwo 15 lia me le nyati si kplɔe ɖo me.

HADZIDZI 147 Wodo Agbe Mavɔ Ŋugbe

^ mm. 5 Ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre ŋu koŋue Korintɔtɔwo ƒe agbalẽ gbãtɔ ta 15 lia ƒo nu tsoe. Nu ka tae nufiafia ma le vevie na mí, eye nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre? Woaɖo biabia siawo kple biabia vevi bubu siwo ku ɖe tsitretsitsia ŋu la ŋu le nyati sia me.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Yesue nye ame gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo. (Dɔw. 1:9) Eƒe nusrɔ̃la siwo ava yi dziƒo emegbe la dometɔ aɖewoe nye, Toma, Yakobo, Lidia, Yohanes, Maria kple Paulo.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe srɔ̃ si wòlɔ̃ vevie, si eya kplii wosubɔ ƒe geɖee la ku. Eka ɖe edzi be woava fɔe ɖe tsitre, eya ta eyi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.