Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 50

“Aleke Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre?”

“Aleke Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre?”

“Ku, wò dziɖuɖu ɖe? Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?”1 KOR. 15:55.

HADZIDZI 141 Agbe Nye Nukunu

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo katã nadi be yewoanya ale si tsitretsitsi yi dziƒo anɔ?

AME akpa gãtɔ siwo le Yehowa subɔm la le mɔ kpɔ be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Kristotɔ amesiamina siwo gakpɔtɔ ɖe anyigba dzi fifia le mɔ kpɔm be, woava fɔ yewo ɖe tsitre ayi dziƒo. Amesiamina siawo di vevie be yewoanya ale si agbea anɔ na yewo le dziƒo, ke ame siwo anɔ anyigba dzi ya ɖe? Abe ale si míava kpɔe ene la, ame siwo woafɔ ɖe tsitre ayi dziƒoa ahe yayrawo vɛ na ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Eya ta míele mɔ kpɔm be míayi dziƒo alo míele mɔ kpɔm be míanɔ anyigba dzi o, mí katã míedi be míanya ale si tsitretsitsi yi dziƒo anɔ.

2 Mawu fia mɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dometɔ aɖewo woŋlɔ nu tso tsitretsitsi yi dziƒo ŋu. Apostolo Yohanes ɖe eme be: “Azɔ la míenye Mawu ƒe viwo, gake womeɖe nu si míava nye la fia mí haɖe o. Míenyae be ne wova ɖee ɖe go la, míanɔ abe eya amea ene.” (1 Yoh. 3:2) Eya ta Kristotɔ amesiaminawo menya ale si agbea anɔ na wo ne wova fɔ wo ɖe tsitre yi dziƒo o. Ke hã, woakpɔ Yehowa ne woyi dziƒo. Togbɔ be Biblia meƒo nu tso nu siwo adzɔ ɖe ame siwo woafɔ ayi dziƒo dzi ŋu tsitotsito o hã, apostolo Paulo ƒo nu tso eƒe akpa aɖewo ŋu na mí. Amesiaminawo anɔ Kristo ŋu ne ele ‘dziɖuɖu katã kple amegãnyenye katã kpakple ŋusẽwo katã ɖem ɖa.’ ‘Futɔ mamlɛtɔ si nye ku’ hã le eme. Mlɔeba, Yesu kple ame siwo aɖu fia kplii la, atsɔ wo ɖokuiwo kple nuwo katã ade Yehowa te. (1 Kor. 15:24-28) Ɣeyiɣi dodzidzɔname kae nye esi wòanye! *

3. Abe ale si 1 Korintotɔwo 15:30-32 gblɔe enea, nu kae ale si Paulo xɔ tsitretsitsia dzi se la kpe ɖe eŋu wòwɔ?

3 Ale si Paulo xɔ tsitretsitsia dzi sea kpe ɖe eŋu wòdo dzi le nɔnɔme sesẽ vovovowo me. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:30-32.) Paulo gblɔ na Korintotɔwo be: “Medzea ŋgɔ ku gbe sia gbe.” Egagblɔ hã be: “Mewɔ avu kple lã wɔadãwo le Efeso.” Ðewohĩ ele nu ƒom tso ale si wòwɔ avu kple lãwo ŋutɔŋutɔ, le fefewɔƒe aɖe le Efeso la ŋu. (2 Kor. 1:8; 4:10; 11:23) Alo ɖewohĩ ele nu ƒom tso Yudatɔwo kple ame bubu siwo tsi tsitre ɖe eŋu siwo le abe ‘lã wɔadãwo’ ene la ŋu. (Dɔw. 19:26-34; 1 Kor. 16:9) Aleke kee wòɖale o, Paulo ƒe agbe ɖo afɔku me. Ke hã, eka ɖe edzi be etsɔme nyui aɖe ava su ye si.—2 Kor. 4:16-18.

Ƒome aɖe si le dukɔ si me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le me la yi edzi le Mawu subɔm, elabe woka ɖe edzi be etsɔme nyui aɖe li na yewo (Kpɔ memama 4 lia)

4. Aleke tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa doa ŋusẽ Kristotɔ siwo li egbea ƒe xɔse? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

4 Míele agbe le ɣeyiɣi sesẽwo me. Wowɔa nu vlowo ɖe mía nɔvi aɖewo ŋu. Mía nɔvi aɖewo le teƒe siwo aʋawɔwɔwo le edzi yim le eye wosena le wo ɖokuiwo me be yewomele dedie o. Mía nɔvi aɖewo hã tsɔa woƒe agbe dea afɔku me hafi subɔa Yehowa le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le. Ke hã, nɔvi siawo katã gakpɔtɔ yi edzi le Yehowa subɔm, woɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí míasrɔ̃. Womevɔ̃na o, elabe wonyae be ne yewoku fifia gɔ̃ hã, Yehowa ava na nane si nyo wu la yewo le etsɔme.

5. Susu totro kawoe ate ŋu awɔe be míaxɔ tsitretsitsia dzi ase o?

5 Susu si nɔ ame aɖewo si ye nye: “Ne womafɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, ekema ‘mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.’” Gake Paulo xlɔ̃ nu nɔviawo tso susu gbegblẽ ma ŋu. Susu totro ma nɔ amewo si tso ɣeaɖeɣi ke. Paulo anya yɔ eƒe nyawo tso Yesaya 22:13. Nɔnɔme mae Israel-viwo ɖe fia. Le esi woate ɖe Mawu ŋu teƒea, wotsi dzi ɖe agbeɖuɖu ŋu. Kpuie ko la, Israel-viwo ƒe agbea katã koe nye be, “maɖu-maku,” eye nɔnɔme sia bɔ egbea ŋutɔ. Ke hã, Biblia gblɔ be afi si agbe ma kplɔ Israel-viwo vae do go ɖo la menyo kura o.—2 Kron. 36:15-20.

6. Aleke wòle be tsitretsitsimɔkpɔkpɔa nakpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo míedea ha kplii la dzi?

6 Eme kɔ be, esi Yehowa ate ŋu afɔ ame siwo ku la ɖe tsitre ta la, ele be ema nakpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo míade ha kplii. Eva hiã be nɔvi siwo nɔ Korinto la, natsri hadede kple ame siwo mexɔ tsitretsitsia dzi se o. Nufiame si le eme na mí egbeae nye be: Nu nyui aɖeke mate ŋu ado tso xɔlɔ̃dzedze ame siwo ƒe susu katã koe nye maɖu-maku la me na mí o. Woƒe nuwɔna gbegblẽ ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavã dzi. Le nyateƒe mea, ema ate ŋu ana wòava nɔ nu si medzea Mawu ŋu o la wɔm. Eya tae Paulo xlɔ̃ nu Korintotɔwo vevie be: “Minyɔ le mia ɖokui me ne miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye miganɔ nu vɔ̃ wɔm o.”—1 Kor. 15:33, 34.

ŊUTILÃ KA ƑOMEVIE WOATSƆ ADOE?

7. Abe ale si wòdze le 1 Korintotɔwo 15:35-38 ene la, nya kae ame aɖewo ate ŋu abia tso tsitretsitsia ŋu?

7 Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:35-38. Ame aɖe si di be yeana amewo nake ɖi tsitretsitsia ate ŋu abia be: “Aleke woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre?” Ele be míanya ale si Paulo ɖo nya ma ŋui elabe susu vovovowoe le amewo si egbea tso nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku la ŋu. Gake nu kae Biblia ya fia?

Paulo zã nuku kple nu miemie tsɔ ɖe eme be Mawu ate ŋu ana ŋutilã bubu ame siwo wòfɔ ɖe tsitre tso ku me (Kpɔ memama 8 lia)

8. Kpɔɖeŋu kae akpe ɖe mía ŋu míase ŋutilã si ƒomevi asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre woayi dziƒo la si la gɔme?

8 Ne ame ku la, eƒe ŋutilã nyunyɔna. Wɔla si mezã naneke tsɔ wɔ xexea o la, ate ŋu afɔ ame ɖe tsitre, eye wòana ŋutilã si sɔ lae. (1 Mose 1:1; 2:7) Paulo wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖee fia be mehiã be Mawu nafɔ ame ɖe tsitre kple ŋutilã si nɔ eŋu hafi wòku la o. Bu “nuku gbɔlo” ŋu kpɔ. Ne woƒã nukua, emiena eye wòtea tsitsi. Menye ati si mie tso eme lae woƒã o. Paulo zã nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea tsɔ ɖe ale si Wɔlaa naa ‘nɔnɔme ale si wòlɔ̃’ la ame siwo wòafɔ ɖe tsitre.

9. Ŋutilã ƒomevi vovovo kawoe 1 Korintotɔwo 15:39-41 gblɔ be woli?

9 Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:39-41. Paulo gblɔ be ŋutilãwo katã mele ɖeka o. Le kpɔɖeŋu me, lãfɔnewo, xewo kple tɔmelãwo ƒe ŋutilãwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ. Egblɔ be míekpɔa vovototo si le ɣe kple ɣleti dome le yame. Egblɔ hã be “ɣletivi ɖe sia ɖe ƒe ŋutikɔkɔe to vovo na nɔvia tɔ.” Esia nye nyateƒe, togbɔ be míedea dzesi vovototo siawo kple míaƒe ŋkuwo o hã. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be, ɣletivi vovovowoe li, ɖewo lolo, ɖewo le sue, ɖewo biã, ɖewo le ɣie, eye ɖewo nye aŋutiɖiɖi abe míaƒe ɣea ene. Paulo gblɔ hã be, “Dziƒoŋutilãwo li, eye anyigbadziŋutilãwo hã li.” Eƒe nyaa gɔme ɖe? Le anyigba dzi la, anyigbadziŋutilãwoe li, gake le dziƒoa, gbɔgbɔŋutilãwoe li abe mawudɔlawo tɔ ene.

10. Ŋutilã ka ƒomevie anɔ ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woava nɔ agbe le dziƒo la si?

10 De dzesi nya si Paulo gblɔ kplɔe ɖo. Egblɔ be: “Nenema kee ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã le. Woƒãnɛ le gbegblẽ me; wofɔnɛ ɖe tsitre le magblemagblẽ me.” Míenya be ne ame ku la, eƒe ŋutilã nyunyɔna eye wògatrɔna zua anyi. (1 Mose 3:19) Eya ta, aleke woate ŋu ‘afɔ ŋutilãa ɖe tsitre le magblẽmagblẽ me’? Menye ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woagava nɔ agbe le anyigba dzi abe ame siwo Eliya, Elisa, kple Yesu fɔ ɖe tsitre ene la ƒe nya gblɔmee Paulo le o. Ke boŋ, ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woava nɔ agbe le dziƒo kple “gbɔgbɔŋutilã” ƒe nya gblɔmee Paulo nɔ.—1 Kor. 15:42-44.

11-12. Ŋutilã ka tɔgbie va su Yesu si esime wofɔe ɖe tsitre, eye aleke ŋutilã sia tɔgbi asu amesiaminawo hã si?

11 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, amegbetɔ ƒe ŋutilãe nɔ esi. Gake esi wofɔe ɖe tsitre tso ku me la, “[eva] zu gbɔgbɔ si naa agbe” eye wòtrɔ yi dziƒo. Nenema kee woafɔ Kristotɔ amesiaminawo ɖe tsitre kple gbɔgbɔŋutilã ale be woate ŋu ava nɔ dziƒo. Paulo ɖe eme be: “Ale si ko ame si wotsɔ anyi mè la ƒe nɔnɔme le mía si la, nenema kee ame si tso dziƒo va la ƒe nɔnɔme hã anɔ mía si.”—1 Kor. 15:45-49.

12 Paulo nɔ eƒe nya siwo ku ɖe tsitretsitsia ŋu la ta ƒom. Ele vevie be míanyae be womefɔ Yesu ɖe tsitre kple amegbetɔ ƒe ŋutilã o. Paulo tɔ asi edzi kã be: “Ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi Mawu Fiaɖuƒe la dome [le dziƒo] o.” (1 Kor. 15:50) Womafɔ apostoloawo kple amesiamina bubuawo ɖe tsitre kple ŋutilã kple ʋu si gblẽna be woayi dziƒo o. Ɣekaɣie woafɔ wo ɖe tsitre? Paulo te gbe ɖe edzi be tsitretsitsi ma le ŋgɔ; eye womafɔ wo ɖe tsitre enumake ne woku o. Esime Paulo ŋlɔ Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa, nusrɔ̃la aɖewo abe apostolo Yakobo ene, “dɔ alɔ̃ le ku me.” (Dɔw. 12:1, 2) Apostolo bubuawo kple amesiamina aɖewo hã ava “dɔ alɔ̃ le ku me” emegbe.—1 Kor. 15:6.

WOÐU KU DZI

13. Nu kawoe adzɔ le Kristo ƒe anyinɔɣi la?

13 Yesu kple Paulo siaa ƒo nu tso ɣeyiɣi vevi aɖe si ava ŋu. Ɣeyiɣi mae nye Kristo ƒe anyinɔɣi la. Nu si aɖe dzesi le ɣeyiɣi ma ŋue nye aʋawɔwɔwo, anyigbaʋuʋuwo, dɔ vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi bubu siwo adzɔ le xexea me godoo. Biblia me nyagblɔɖi siawo le eme vam tso keke ƒe 1914 me ke. Dzesia ƒe akpa vevi bubu aɖe hã li. Yesu gblɔ be, woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nya nyuia “le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mat. 24:3, 7-14) Paulo gblɔ be “Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi la” hã anye ɣeyiɣi si me woafɔ Kristotɔ amesiamina siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ɖe tsitre.—1 Tes. 4:14-16; 1 Kor. 15:23.

14. Nu kae dzɔna ɖe amesiamina siwo ku le Kristo ƒe anyinɔɣia me la dzi?

14 Wofɔa Kristotɔ amesiamina siwo ku egbea ɖe tsitre enumake woyia dziƒo. Paulo ƒe nya siwo dze le 1 Korintotɔwo 15:51, 52 ɖo kpe nya ma dzi. Afi ma gblɔ be: “Menye mí katãe adɔ alɔ̃ le ku me o, ke boŋ woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme enumake, le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlɛa me.” Paulo ƒe nya mawo le eme vam egbea! Ne wofɔ Kristo nɔvi siawo ɖe tsitre la, wokpɔa dzidzɔ ŋutɔ; eye ‘woanɔ Aƒetɔ la gbɔ ɖaa.’—1 Tes. 4:17.

Ame siwo ƒe nɔnɔme ‘woatrɔ le aɖabaƒoƒo ɖeka me’ la, akpe ɖe Yesu ŋu woagbã dukɔwo gudugudu (Kpɔ memama 15 lia)

15. Dɔ kae ame siwo ƒe nɔnɔme woatrɔ “le aɖabaƒoƒo ɖeka me” la avae wɔ?

15 Biblia gblɔ dɔ si ame siwo ƒe nɔnɔme ‘woatrɔ le aɖabaƒoƒo ɖeka me’ awɔ ne woyi dziƒo la na mí. Yesu gblɔ na wo be: “Ame si lé nye dɔwɔwɔwo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu eye wòɖu dzi la, mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi, eye wòatsɔ gatikplɔ akplɔ wo, ale be woagbã gudugudu abe anyinuwo ene, abe ale si ko mexɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene.” (Nyaɖ. 2:26, 27) Woadze Yesu yome eye woatsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo.—Nyaɖ. 19:11-15.

16. Aleke ame gbogbowo aɖu ku dzi?

16 Eme kɔ ƒãa be amesiaminawo aɖu ku dzi. (1 Kor. 15:54-57) Wo fɔfɔ ɖe tsitre alea aʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi na wo be woakpe asi ɖe eŋu be woaɖe vɔ̃ɖinyenyewo katã ɖa le Armagedon-ʋaa me. Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu miliɔn gbogbo aɖewo ‘ado go tso xaxa gãa me’ eye woayi ɖe xexe yeyea me. (Nyaɖ. 7:14) Ame siwo atsi agbe le anyigba dzi akpɔ eteƒe woaɖe ku ɖa ne wova fɔ ame miliɔn gbogbo siwo ku va yi la ɖe tsitre. Bu ale si gbegbe dzi adzɔ míi ne wova fɔ amewo ɖe tsitre la ŋu kpɔ! (Dɔw. 24:15) Eye ame siwo katã ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa la aɖu ku si dome míenyi tso Adam gbɔ la dzi. Mɔnukpɔkpɔa asu wo si be woanɔ agbe tegbee.

17. Esi 1 Korintotɔwo 15:58 me nyawo le susu me na mí la, nu kae wòle be míawɔ fifia?

17 Ele be nya siwo Paulo ŋlɔ tso tsitretsitsia ŋu na Korintotɔwo la nafa akɔ na Kristotɔ siwo katã li egbea. Susu geɖewo li siwo tae wòle be míawɔ ɖe Paulo ƒe nya siwo nye be míawɔ geɖe “le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me” la dzi. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:58.) Míate ŋu aka ɖe edzi be, ne míewɔ míaƒe ŋutete katã le dɔ sia me la, míava kpɔ dzidzɔ le etsɔme. Mímate ŋu atsɔ nu bubu aɖeke asɔ kple dzidzɔ si míava kpɔ le etsɔme la o. Esia ana míaka ɖe edzi be agbagba siwo míedze na Aƒetɔ la menye dzodzro o.

HADZIDZI 140 Agbe Mavɔ Azɔ!

^ mm. 5 Korintotɔwo ƒe agbalẽ gbãtɔ ta 15 lia ƒe akpa mamlɛa ƒo nu tso Kristotɔ amesiaminawo koŋ ƒe tsitretsitsia ŋu tsitotsito. Ke hã, nu siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe aɖe vi na alẽ bubuawo hã. Nyati sia aƒo nu tso ale si wòle be míana tsitretsitsia nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míenɔa agbee fifia dzi kple susu siwo tae míakpɔ mɔ na nu nyuiwo le etsɔmea ŋu.

^ mm. 2Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le nyati sia mea, ɖe Paulo ƒe nya siwo dze le 1 Korintotɔwo 15:29 la me.