Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 51

‘Yehowa Xɔna Na Ame Siwo Ƒo Dzi Ðe Le’

‘Yehowa Xɔna Na Ame Siwo Ƒo Dzi Ðe Le’

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒo dzi ɖe le la.”—PS. 34:18, etenuŋɔŋlɔ.

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu ka me míadzro le nyati sia me?

ƔEAÐEWOƔIA, míase le mía ɖokuiwo me be míaƒe agbe le kpuie eye “wòyɔ fũu kple fukpekpe.” (Hiob 14:1) Eye esia tea ŋu wɔnɛ be dzi ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi. Yehowa subɔla aɖewo siwo nɔ anyi va yi la se le wo ɖokuiwo me nenema. Wo dometɔ aɖewo di be yewoaku gɔ̃ hã. (1 Fia. 19:2-4; Hiob 3:1-3, 11; 7:15, 16) Gake Yehowa Mawu si dzi woxɔ se la fa akɔ na wo eye wòdo ŋusẽ wo enuenu. Woŋlɔ woƒe ŋutinya ɖe Biblia me be wòafa akɔ na mí eye míasrɔ̃ nu tso eme.—Rom. 15:4.

2 Le nyati sia me la, míadzro Yehowa subɔla aɖewo siwo to nɔnɔme sesẽ aɖewo siwo ɖe dzi le wo ƒo la ƒe ŋutinyawo me. Woawoe nye Yakob vi Yosef, ahosi Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut, Lewi vi si ŋlɔ Psalmo 73 lia, kple apostolo Petro. Aleke Yehowa do ŋusẽ woe? Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ? Nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo ana míagaka ɖe edzi be, “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ,” eye “exɔna na ame siwo ƒo dzi ɖe le la.”—Ps. 34:18, etenuŋɔŋlɔ.

WOWƆ NU MADZƆMADZƆWO ÐE YOSEF ŊU

3-4. Nu kawo mee Yosef to esime wònye ɖekakpui dzaa?

3 Esime Yosef xɔ abe ƒe 17 ene la, Mawu na wòku drɔ̃e eve aɖewo. Drɔ̃e siawo ɖee fia be gbe ɖeka la, Yosef ava zu bubume aɖe le ƒomea me. (1 Mose 37:5-10) Gake esi Yosef ku drɔ̃e mawo ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nuwo va trɔ le eƒe agbe me kura. Ɣemaɣia, nɔviawo mede bubu eŋu o, eye wodzrae wòva zu kluvi le Egipte-mega si ŋkɔe nye Potifar ƒe me. (1 Mose 37:21-28) Yosef si nye vi malɔ̃nugbɔa va zu kluvi na Egiptetɔ trɔ̃subɔla le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.—1 Mose 39:1.

4 Yosef ƒe nɔnɔmea gava sẽ ɖe edzi. Potifar srɔ̃ da alakpa ɖe Yosef si be edi be yeadɔ ye gbɔ sesẽe. Potifar meku nyaa me o, ke boŋ ena wode Yosef gaxɔ me eye wode gae. (1 Mose 39:14-20; Ps. 105:17, 18) Bu ale si Yosef si nye ɖekakpui dzaa anya se le eɖokui me esi wotso enu be edi be yeadɔ ame aɖe gbɔ sesẽe ŋu kpɔ. Bu ale si nya sia ana amewo nado vlo eƒe Mawu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu kpɔ. Nu mawo anya ɖe dzi le Yosef ƒo godoo!

5. Nu kae kpe ɖe Yosef ŋu be mena dzi ɖe le eƒo wòna ta o?

5 Esi Yosef nye kluvi si vae do ɖe gaxɔ me ta la, eƒe ablɔɖe nu yi. Nu kae kpe ɖe eŋu? Mena eƒe susu katã nɔ nu siwo magate ŋu awɔ o la ŋu o, ke boŋ elé fɔ ɖe dɔ si wode esi la wɔwɔ ŋu. Vevietɔ wu la, eyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Eye Yehowa hã yraa nu sia nu si Yosef wɔna.—1 Mose 39:21-23.

6. Aleke drɔ̃e siwo Mawu na Yosef ku la fa akɔ nɛ?

6 Anɔ eme hã be Yosef de ŋugble le drɔ̃e siwo Mawu na wòku la ŋu, eye wode dzi ƒo nɛ. Drɔ̃e mawo ɖee fia be agava kpɔ eƒe ƒomea ake eye eƒe nɔnɔmea aɖɔ ɖo. Eye nenema tututue wòva eme hã. Esime Yosef xɔ abe ƒe 37 ene la, drɔ̃e siwo Mawu na wòku la te emevava le mɔ wɔnuku aɖe nu!—1 Mose 37:7, 9, 10; 42:6, 9.

7. Le 1 Petro 5:10 ƒe nya nu la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me?

7 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme. Nu siwo me Yosef to la ɖoa ŋku edzi na mí be amewo mawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie le xexe vɔ̃ɖi sia me o. Mía nɔviwo gɔ̃ hã ate ŋu awɔ nu wòave mí. Gake ne míebu Yehowa be enye míaƒe Agakpe alo Mɔ Sesẽ la, dzi maɖe le mía ƒo alo míadzudzɔ esubɔsubɔ o. (Ps. 62:6, 7; xlẽ 1 Petro 5:10.) Ðo ŋku edzi hã be, ƒe 17 lɔƒo koe Yosef xɔ hafi Yehowa na wòku drɔ̃e mawo. Eya ta edze ƒãa be, Yehowa ka ɖe esubɔla siwo nye sɔhɛwo dzi. Egbea, sɔhɛ geɖewo le abe Yosef ene. Woawo hã woxɔ Yehowa dzi se. Wolé wo dometɔ aɖewo de ga le esi wodi be yewoawɔ nuteƒe na Mawu ta.—Ps. 110:3.

NYƆNU EVE SIWO DZI NU TE ÐO VEVIE

8. Nu kae dzɔ ɖe Naomi kple Rut dzi?

8 Dɔ sesẽ aɖe si to le Yuda-nyigba dzi la wɔe be Naomi kple eƒe ƒomea ʋu le wo de vae tsi Moab. Le afi ma la, Naomi srɔ̃ Elimelek ku gblẽ Naomi kple viaŋutsu eveawo ɖi. Emegbe la, viaŋutsu eveawo ɖe Moabitɔ Rut kple Orpa. Ƒe ewo aɖewo megbe la, Naomi viawo hã ku, evɔ womedzi vi aɖeke o. (Rut 1:1-5) Bu ale si nyɔnu etɔ̃awo ƒe dzi anya gbãe ŋu kpɔ! Rut kple Orpa ya agate ŋu aɖe srɔ̃. Gake, ame kae alé be na Naomi nyagã la ya? Ɣeaɖeɣia, nu te ɖe Naomi dzi ale gbegbe be egblɔ be: “Migayɔm be Naomi o. Miyɔm be Mara, elabena Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu veve sɔŋ.” Naomi si ƒe dzi gbã alea la trɔ yi Betlehem, eye Rut yi kplii.—Rut 1:7, 18-20.

Mawu na Naomi kple Rut kpɔe be yeate ŋu akpe ɖe ye subɔlawo ŋu dzi naɖo wo ƒo eye woagakpɔ dzidzɔ ake. Ðe wòate ŋu awɔe na wò hã nenema? (Kpɔ memama 8-13 lia) *

9. Le Rut 1:16, 17, 22 ƒe nya nu la, aleke Rut de dzi ƒo na Naomi?

9 Lɔlɔ̃ si nɔ Naomi si na Mawu ye kpe ɖe eŋu wòdo dzi. Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃ si nɔ Rut si na Naomi ye kpe ɖe eŋu wòku ɖe eŋu. (Xlẽ Rut 1:16, 17, 22.) Le Betlehem la, Rut wɔa dɔ sesẽ fɔa nukuwo na eya ŋutɔ kple Naomi. Eteƒe medidi hafi amewo va de dzesi Rut ƒe dɔ nyui wɔwɔwo o.—Rut 3:11; 4:15.

10. Aleke Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ ame dahe siwo le abe Naomi kple Rut ene?

10 Yehowa na se Israel-viwo si ɖe ale si wòsea veve ɖe ame dahewo abe Naomi kple Rut ene nu la fia. Egblɔ na eƒe amewo be, ne wole nu xam la, womegaŋe nu va se ɖe agblea to ke o ale be ame dahewo nate ŋu ava fɔ emawo. (3 Mose 19:9, 10) Esia wɔe be mahiã be Naomi kple Rut nabia nu hafi aɖu o.

11-12. Aleke Boaz na dzi dzɔ Naomi kple Rut?

11 Kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Boaz ƒe agble mee Rut vae fɔa nukuwo le. Ale si Rut ku ɖe lɔ̃xoa Naomi ŋu eye wòlɔ̃e la wɔ dɔ ɖe Boaz dzi. Eya ta Boaz va ɖe Rut emegbe eye wògbugbɔ ƒle Naomi ƒe ƒomea ƒe anyigbaa. (Rut 4:9-13) Emegbe la, wodzi vi eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be Obed, si va zu Fia David tɔgbui.—Rut 4:17.

12 Esi Naomi kɔ ɖevi sue Obed ɖe asi la, kpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔe eye wòada akpe na Yehowa tso dzi mee ɖa! Gake nu si galolo wu la le ŋgɔ gbɔna na Naomi kple Rut. Ne wova fɔ wo ɖe tsitre eye wova nyae be Obed va nye Yesu Kristo si nye Mesia si ŋugbe wodo tɔgbui la, dzi agadzɔ wo wu!

13. Nu vevi kae míesrɔ̃ tso Naomi kple Rut ƒe ŋutinyaa me?

13 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo alo míaƒe dzi nagbã. Ðewohĩ míasusu be wɔna aɖeke megali o. Le ɣeyiɣi mawo me la, ele be míaka ɖe mía Fofo si le dziƒo la dzi bliboe eye míate ɖe mía nɔviwo ŋu kplikplikpli. Ðewohĩ, Yehowa maɖe kuxia ɖa ya o. Le kpɔɖeŋu me, mefɔ Naomi srɔ̃ kple via eveawo ɖe tsitre nɛ o. Gake ato mía nɔviwo dzi akpe ɖe mía ŋu míado dzi.—Lod. 17:17.

LEWI VI AÐE SI DZUDZƆ YEHOWA SUBƆSUBƆ KLOE

Esi Psalmo 73 lia ŋlɔlaà kpɔ ale si nuwo nɔ edzi dzem na ame siwo menye Yehowa subɔlawo o la, esia na wòdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ kloe. Esia ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi (Kpɔ memama 14-16 lia)

14. Nu kae na dzi va ɖe le Lewi vi aɖe ƒo vevie?

14 Lewi vi aɖee ŋlɔ Psalmo 73 lia. Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe su esi be wòle subɔsubɔm le Yehowa ƒe aƒea me. Ke hã, ɣeaɖeɣi la, dzi va ɖe le eƒo. Nu ka tae? Eva nɔ ŋu ʋãm ame vɔ̃ɖiwo kple dadalawo. Gake menye woƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae wònɔ ŋu ʋãm wo ɖo o, ke boŋ ale si nu dze edzi na wo tae. (Ps. 73:2-9, 11-14) Edze abe naneke mehiã wo o. Kesinɔnuwo le wo si, wosea vivi na agbea eye womesea veve aɖeke o. Esi Lewi via kpɔ ale si nuwo nɔ na wo la, dzi ɖe le eƒo wògblɔ be: “Nyateƒee, dzodzroe mena nye dzi dza, eye meklɔ nye asi le fɔmaɖimaɖi me.” Edze ƒãa be esia ate ŋu ana wòava dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.

15. Le Psalmo 73:16-19, 22-25 ƒe nya nu la, nu kae kpe ɖe Lewi vi si ŋlɔ psalmo sia ŋu dzi gava ɖo eƒo?

15 Xlẽ Psalmo 73:16-19, 22-25. Lewi vi la ‘ge ɖe Mawu ƒe kɔkɔeƒe gã la’ me. Esi wònɔ etɔ mawusubɔla bubuwo dome le afi ma la, ete ŋu gbɔ dzi ɖi de ŋugble eye wòdo gbe ɖa tso eƒe nɔnɔmea ŋu. Eva kpɔe be yemenɔ nuwo ŋu bum nyuie o eye esia ate ŋu agblẽ ye kple Yehowa dome. Eva de dzesii hã be ame vɔ̃ɖiwo le “ɖiɖiƒe” eye woƒe ‘nuwuwu ava ŋɔdzitɔe zi ɖeka kpoyi.’ Ne Lewi via va le nuwo ŋu bum abe ale si Yehowa bua nuwo ŋu ene la, esia akpe ɖe eŋu wòadzudzɔ ŋuʋaʋã ame vɔ̃ɖiwo eye dzi magaɖe le eƒo o. Esi wòwɔe alea la, eƒe dzi va dze eme eye wògate dzidzɔkpɔkpɔ ake. Egblɔ be: “Nyemele naneke dim le anyigba dzi kpe ɖe [Yehowa ŋu] o.”

16. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Lewi vi la gbɔ?

16 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme. Mele be míaʋã ŋu ame vɔ̃ɖi siwo wòdze abe nu le edzi dzem na wo ene la gbeɖe o. Woƒe dzidzɔa manɔ anyi ɖaa o, eye etsɔme nyui aɖeke hã mele wo si o. (Nyagb. 8:12, 13) Ne míele ŋu ʋãm wo la, dzi aɖe le mía ƒo eye mí kple Yehowa dome agblẽ. Eya ta ne èkpɔe be èva le ŋu ʋãm ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwo la, wɔ nu si Lewi vi la wɔ. Wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi eye nàde ha kple ame siwo wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Ne èlɔ̃ Yehowa wu nu sia nu la, àkpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Eye àyi edzi anɔ ‘agbemɔa’ dzi.—1 Tim. 6:19.

PETRO ƑE GBƆDZƆGBƆDZƆWO ÐE DZI LE EƑO

Togbɔ be dzi ɖe le Petro ƒo hã la, ena eƒe susu nɔ Yehowa subɔsubɔ ŋu. Nenema kee ne dzi ɖe le mía ƒo la, ele be míana míaƒe susu katã nanɔ Yehowa subɔsubɔ ŋu. Eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woawɔe nenema (Kpɔ memama 17-19 lia)

17. Nu kawoe na dzi ɖe le Petro ƒo?

17 Apostolo Petro nye ame aɖe si me dzo nɔ, ke hã, etsia dzi ɣeaɖewoɣi, eye ɖeko wòɖea eƒe seselelãmewo gblɔna. Esia wɔe be ɣeaɖewoɣia egblɔa nya aɖewo alo wɔa nanewo siwo va venɛ emegbe. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be yeakpe fu eye woawu ye la, Petro gbe nya nɛ gblɔ be: “Esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.” (Mat. 16:21-23) Ke hã, Yesu ɖɔ Petro ɖo. Esi amehawo va Yesu lé ge la, Petro wɔ nu dzitsitsitɔe eye wòkpa to na nunɔlagã la ƒe kluvi. (Yoh. 18:10, 11) Yesu gaɖɔ Petro ɖo ake. Azɔ hã, Petro ƒu asi akɔ be ne apostolo susɔeawo agblẽ Kristo ɖi hã, ye ya yemagblẽe ɖi akpɔ gbeɖe o! (Mat. 26:33) Gake Petro si ka ɖe eɖokui dzi la ɖe mɔ amegbetɔ vɔvɔ̃ ɖu edzi eye wògbe nu le eƒe Aƒetɔ la gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. Esia wɔe be dzi ɖe Petro ƒo vevie eye “wòdo go yi xexe ɖafa avi vevie.” (Mat. 26:69-75) Anya nɔ eŋu bum nenye be Yesu atsɔe ake ye.

18. Aleke Yesu kpe ɖe Petro ŋu be dzi gava ɖo eƒo?

18 Ke hã, Petro meɖe mɔ dzi ɖe ele eƒo ale gbegbe be wòdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Togbɔ be eda vo mawo hã la, ewɔ ɖeka kple apostolo susɔeawo eye wosubɔ Yehowa. (Yoh. 21:1-3; Dɔw. 1:15, 16) Nu kae kpe ɖe eŋu be dzi gaɖo eƒo? Eɖo ŋku edzi be Yesu do gbe ɖa ɖe ye ta be yeƒe xɔse nu nagatsi o, eye ede dzi ƒo na ye be ne yetrɔ gbɔ la, yeado ŋusẽ ye nɔviwo. Yehowa ɖo gbedodoɖa ma ŋu hã. Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia Petro ɖeɖe, ɖewohĩ kple susu be yeade dzi ƒo nɛ. (Luka 22:32; 24:33, 34; 1 Kor. 15:5) Azɔ hã Yesu ɖe eɖokui fia eƒe apostoloawo esi wode tɔƒo zã bliboa evɔ womeɖe naneke o. Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu na mɔnukpɔkpɔ Petro be wòagaɖo kpe ale si gbegbe wòlɔ̃ yea dzi na ye. Yesu tsɔe ke exɔlɔ̃a eye wògade dɔ bubuwo asi nɛ.—Yoh. 21:15-17.

19. Aleke Psalmo 103:13, 14 na míekpɔ ale si Yehowa bua mí ne míewɔ nu vɔ̃?

19 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme. Ale si Yesu wɔ nu ɖe Petro ŋu ɖee fia be ekpɔa nublanui na ame abe Fofoa ene. Eya ta, ne míeda vo la, mele be míasusui be Yehowa matsɔe ake mí gbeɖe o. Ele be míaɖo ŋku edzi be nenemae Satana dina be míase le mía ɖokui me. Ðe ema teƒe la, ele be míaƒe susu nanɔ ale si Yehowa lɔ̃ mí eye wònya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo, kple ale si wòdina be yeatsɔe ake mí la ŋu. Eye ele be míasrɔ̃ Yehowa eye míalɔ̃ faa atsɔ ake amewo ne wodze agɔ le mía dzi.—Xlẽ Psalmo 103:13, 14.

20. Nu kawo me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Yosef, Naomi kple Rut, Lewi vi la, kple Petro ƒe kpɔɖeŋuawo na míekpɔe be “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ.” (Ps. 34:18) Míawo hã míetoa nɔnɔme sesẽwo me eye dzi ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi. Ke hã, Yehowa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi, eye esia doa ŋusẽ míaƒe xɔse. (1 Pet. 1:6, 7) Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míasrɔ̃ ale si Yehowa kpena ɖe esubɔla wɔnuteƒe siwo ƒo dzi ɖe le, ɖewohĩ le woƒe blibomademade alo nɔnɔme sesẽ siwo me tom wole ta la ŋu.

HADZIDZI 7 Yehowa, Míaƒe Ŋusẽ

^ mm. 5 Yosef, Naomi kple Rut, Lewi vi aɖe, kple apostolo Petro to nɔnɔme aɖewo siwo na dzi ɖe le wo ƒo la me. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si Yehowa fa akɔ na wo eye wòde dzi ƒo na wo. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ kple ale si Mawu wɔ nu ɖe wo ŋu veveseɖeamenutɔe.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Naomi, Rut, kple Orpa le nu xam vevie eye dzi ɖe le wo ƒo le wo srɔ̃wo ƒe ku ta. Emegbe la, Rut, Naomi kple Boaz le dzidzɔ kpɔm le vidzĩ Obed ta.