Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe apostolo Paulo ƒe nya siwo dze le 1 Korintotɔwo 15:29 la fia be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ aɖewo xɔ nyɔnyrɔ ɖe ame kukuwo nua?

Ao, naneke mele Biblia me alo ŋutinyagbalẽwo me si ɖee fia be wowɔ nu ma tɔgbi o.

Ale si woɖe nya ma gɔme le Biblia aɖewo me la na ame aɖewo susui be amewo xɔa nyɔnyrɔ ɖe ame kukuwo nu le Paulo ƒe ŋkekea me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia si nye Agbenya La ɖe kpukpui sia gɔme be: “Ne ame kukuwo magatsi tsitre o la, ekema viɖe kae le mawutsidedeta [nyɔnyrɔxɔxɔ] na amewo ɖe ame kukuwo nu me?”

Ke hã, de dzesi nya si Biblia ŋuti nunyala eve gblɔ. Wo dometɔ ɖeka si nye Gregory Lockwood gblɔ be, “Kpeɖodzi aɖeke mele Biblia me alo ŋutinya me si ɖee fia be ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ ɖe ame kuku nu o.” Nenema kee Agbalẽnyalagã Gordon D. Fee hã gblɔ be: “Naneke medze le Biblia alo ŋutinya me si ɖee fia be ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ ɖe ame kuku nu o. Eye nya aɖeke medze le Nubabla Yeyea me si ɖo kpe edzi o; eye kpeɖodzi aɖeke hã meli be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me alo tsɔtsi siwo wova ɖo le apostoloawo ƒe ku megbe wɔ nu ma o.”

Biblia gblɔ be ele be Yesu yomedzelawo ‘nawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, woanyrɔ wo eye woafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se wòde na wo la dzi.’ (Mat. 28:19, 20) Hafi ame aɖe nava zu nusrɔ̃la xɔ nyɔnyrɔ la, ele be wòasrɔ̃ nu tso Yehowa kple Via ŋu, aɖo to wo eye wòaxɔ wo dzi ase. Eya ta ame kuku si le yɔdo me mate ŋu awɔ nu mawo o; eye ame si le agbe hã mate ŋu awɔe ɖe ame si kua nu o.—Nyagb. 9:5, 10; Yoh. 4:1; 1 Kor. 1:14-16.

Ke nu kae Paulo ƒe nyawo fia?

Korintotɔ aɖewo mexɔe se be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre o. (1 Kor. 15:12) Paulo na wokpɔe be woda ƒu. Egblɔ na wo be ‘yedzea ŋgɔ ku gbe sia gbe.’ Esime wògblɔ nya sia la, enɔ agbe. Togbɔ be eƒe agbe ɖo afɔku me zi geɖe hãa, eka ɖe edzi be ne yeku hãa, woafɔ ye ɖe tsitre ayi dziƒo yeazu gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu abe Yesu ene.—1 Kor. 15:30-32, 42-44.

Ehiã be Korintotɔwo nanyae be esi wosi ami na yewo ta la, yewoato nɔnɔme sesẽwo me eye yewoaku hafi woafɔ yewo ɖe tsitre ayi dziƒo. Esi ‘wonyrɔ wo ɖe Kristo Yesu me ta la, wonyrɔ wo ɖe eƒe ku hã me.’ (Rom. 6:3) Eya ta kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siawo fia be, abe Yesu ene la, woato nɔnɔme sesẽwo me eye woaku, hafi woafɔ wo ɖe tsitre ayi dziƒo.

Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me ƒe eve megbe la, egblɔ na eƒe apostolo eve aɖewo be: “Miaxɔ nyɔnyrɔ si xɔ ge mala.” (Marko 10:38, 39) Yesu xɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me xoxo. Eya ta eƒe nya siawo fia be yeƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ana woawu ye. Paulo gblɔ be amesiaminawo ‘akpe fu kple Yesu, ale be woakɔ woawo hã ŋu kpakplii.’ (Rom. 8:16, 17; 2 Kor. 4:17) Eya ta, ehiã be woawo hã woaku hafi woafɔ wo ɖe tsitre woayi dziƒo.

Eya ta, mɔ nyuitɔ si nu woate ŋu aɖe Paulo ƒe nyaa gɔme le ye nye: “Ne menye nenema o la, nu kae ame siwo nyrɔm wole yi ɖe ku me la awɔ? Ne womafɔ ame kukuwo ɖe tsitre kura o ɖe, ekema nu ka tae wole wo nyrɔm kple taɖodzinu ma?”